Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Yesu gblɔ na Zadukitɔwo be ame siwo woafɔ ɖe tsitre la “meɖea srɔ̃ o, eye wometsɔa wo nana be woaɖe hã o.” (Luka 20:34-36) Anyigba dzi tsitretsitsi la ŋue wònɔ nu ƒom tsoea?

Biabia vevi aɖee nye esia, vevietɔ na ame siwo srɔ̃wo ku. Ðewohĩ ame siawo adi vevie be yewoagava ɖe yewo srɔ̃ mawo ake ne wova fɔ wo ɖe tsitre le xexe yeyea me. Nɔviŋutsu aɖe si zu aho gblɔ be: “Menye nye kple srɔ̃nyee tiae be míatso míaƒe srɔ̃ɖeɖea me o. Enye míaƒe didi vevie be míasubɔ ɖekae abe srɔ̃tɔwo ene tegbee. Nye didi siawo metrɔ o.” Ðe susu nyui aɖe li si ta míakpɔ mɔ be ame siwo wofɔ ɖe tsitre agate ŋu aɖe srɔ̃a? Míate ŋu agblɔe o.

Ƒe geɖe ye nye esia si míegblɔ le míaƒe agbalẽwo me be nya siwo Yesu gblɔ tso tsitretsitsi kple srɔ̃ɖeɖe ŋu la anya ku ɖe anyigba dzi tsitretsitsia ŋu, eye be edze ƒãa be ame siwo woagbɔ agbee le xexe yeyea me la maɖe srɔ̃ o. * (Mat. 22:29, 30; Marko 12:24, 25; Luka 20:34-36) Togbɔ be míate ŋu ate tɔ ɖe edzi o hã la, anɔ eme be dziƒo tsitretsitsia ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe. Mina míadzro nya si Yesu gblɔ la me.

Mina míade ŋugble le nu si nɔ dzɔdzɔm hafi Yesu gblɔ nya mawo ŋu. (Xlẽ Luka 20:27-33.) Zadukitɔwo, siwo gblɔna be tsitretsitsi aɖeke meli o la, ɖoe be yewoatsɔ nyabiase si ku ɖe tsitretsitsia kple ame si nɔvi ku la srɔ̃ ɖeɖe ŋu atre mɔ̃ na Yesu. * Gake Yesu ɖo eŋu na wo be: “Nuɖoanyi sia me viwo ɖea srɔ̃, eye wotsɔa wo nana woɖena, gake ame siwo wobu be, wodze be woƒe asi nasu nuɖoanyi ma kple tsitretsitsi tso ame kukuwo dome dzi ya meɖea srɔ̃ o, eye wometsɔa wo nana be woaɖe hã o. Le nyateƒe me la, womagate ŋu aku hã o, elabena wole abe mawudɔlawo ene, eye wonye Mawu ƒe viwo le esi wonye tsitretsitsi ƒe viwo ta.”Luka 20:34-36.

Nu ka tae míegblɔe le míaƒe agbalẽwo me tsã be anye anyigba dzi tsitretsitsia ŋue Yesu nɔ nu ƒom le? Susu eve aɖewo koŋ tae. Gbãtɔe nye be, míese egɔme be anye anyigba dzi tsitretsitsia ye nɔ susu me na Zadukitɔwo, eya ta esia ke ŋue Yesu ƒe ŋuɖoɖoa aku ɖo. Eveliae nye be, Yesu he susu yi Abraham, Isak kple Yakob, siwo nye blemafofo wɔnuteƒe siwo woafɔ ɖe tsitre le anyigba dzi la dzi tsɔ ƒo eƒe nyaŋuɖoɖoa tae.Luka 20:37, 38.

Gake ate ŋu anɔ eme be dziƒo tsitretsitsia ye nɔ susu me na Yesu. Nu kae ɖo kpe esia dzi? Mina míade ŋugble le nyagbe vevi eve aɖewo siwo Yesu zã la ŋu.

Yesu gblɔ be: “Ame siwo wobu be, wodze be woƒe asi nasu . . . tsitretsitsi tso ame kukuwo dome dzi.” Amesiamina wɔnuteƒewoe nye ame siwo ‘wobu be wodze na Mawu fiaɖuƒe la.’ (2 Tes. 1:5, 11) Wobu wo ame dzɔdzɔewoe hena agbekpɔkpɔ le tafevɔsa la ta, eya ta womekuna abe nu vɔ̃ me siwo agbekpɔkpɔ ƒe mɔkpɔkpɔ meli na ene o. (Rom. 5:1, 18; 8:1) Woyɔ ame siawo be “dzidzɔtɔ kple kɔkɔetɔ” siwo dze na tsitretsitsi yi dziƒo. (Nyaɖ. 20:5, 6) Gake “ame madzɔmadzɔwo” anɔ ame siwo woagbɔ agbee be woanɔ anyigba dzi la dome. (Dɔw. 24:15) Ðe woate ŋu agblɔ le ame siawo ŋu be ‘wobu wo be wodze’ na tsitretsitsia?

Yesu gagblɔ be: “Womagate ŋu aku hã o.” Megblɔ be ‘womagaku o.’ Ke boŋ ebe ‘womagate ŋu aku o.’ Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo gblɔ be “womagabɔbɔ wo ɖe ku te azɔ o,” kple “ku magakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe wo dzi azɔ o.” Woafɔ amesiamina siwo wu woƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu le nuteƒewɔwɔ me la ɖe tsitre woayi dziƒo, eye woana makumakunyenye wo—si nye agbe si nuwuwu meli na o, si womate ŋu atsrɔ̃ o. (1 Kor. 15:53, 54) Ku magakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe ame siwo wofɔ ɖe tsitre yi dziƒo dzi o. *

Ke fifia aleke míaƒo nya tae? Ate ŋu anye be nya siwo Yesu gblɔ tso tsitretsitsi kple srɔ̃ɖeɖe ŋu la ku ɖe dziƒo tsitretsitsia ŋu. Ne nenemae la, ke eƒe nyawo ɖe nu geɖe fia ku ɖe ame siwo woafɔ ɖe tsitre ayi dziƒo ŋu: Womeɖea srɔ̃ o, womate ŋu aku o, eye le mɔ aɖe nu la wole abe mawudɔla siwo nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo le dziƒonutowo me la ene. Gake nyataƒoƒo sia gafɔ biabia bubuwo ɖe te.

Gbã, ne anyigba dzi tsitretsitsia ye anya nɔ susu me na Zadukitɔwo la, ke nu ka tae Yesu aƒo nu tso dziƒo tsitretsitsi ŋu atsɔ aɖo nya ŋu na wo? Menye ɣesiaɣie Yesu ɖo nya ŋu na ame siwo tsi tsitre ɖe eŋu wòwɔ ɖeka kple nu si nɔ susu me na woawo o. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ na Yudatɔ siwo biae be wòawɔ dzesi aɖe afia yewo la be: “Migbã gbedoxɔ sia, eye magatui le ŋkeke etɔ̃ me.” Yesu nya be gbedoxɔ si nɔ susu me na woe nye xɔ si me wodea ta agu le, gake “gbedoxɔ si ŋu wòle nu ƒom tso lae nye eƒe ŋutilã.” (Yoh. 2:18-21) Ðewohĩ Yesu kpɔe be mehiã be yeaɖo nya ŋu na Zadukitɔ alakpatɔ mawo o, elabena womexɔ tsitretsitsia dzi se o, eye womexɔe se be mawudɔlawo li hã o. (Lod. 23:9; Mat. 7:6; Dɔw. 23:8) Anɔ eme be Yesu di be yeaʋu go dziƒo tsitretsitsia ŋuti nyateƒenya vevi aɖewo na yeƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo, elabena woawoe tsitretsitsi ma ƒe mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na.

Evelia, nu ka tae Yesu he susu yi Abraham, Isak kple Yakob siwo woafɔ ɖe tsitre le anyigba dzi la dzi? (Xlẽ Mateo 22:31, 32.) De dzesii be Yesu dze nya si wògblɔ tso blemafofo mawo ŋu la gɔme be, “ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la.” Anɔ eme be ezã nya mawo be yeatsɔ ahe susu ayi nyaa ƒe akpa bubu dzi. Yesu nya be Zadukitɔwo xɔ Mose ƒe agbalẽa me nyawo dzi se, eya ta ezã nya siwo Yehowa gblɔ na Mose le ŋuve si nɔ bibim la gbɔ. Yesu he susu yi blemafofo mawo dzi tsɔ ƒo eƒe nyaŋuɖoɖoa ta tsɔ ɖo kpe edzi na Zadukitɔwo be anyigba dzi tsitretsitsia nye Mawu ƒe tameɖoɖo si ava eme godoo.2 Mose 3:1-6.

Etɔ̃lia, ne nya siwo Yesu gblɔ tso tsitretsitsi kple srɔ̃ɖeɖe ŋu la ku ɖe dziƒo tsitretsitsia ŋu la, ke ɖe wòfia be ame siwo woagbɔ agbee le anyigba dzi la agate ŋu aɖe srɔ̃a? Mawu ƒe Nya la meɖo nya ma ŋu tẽe o. Ne dziƒo tsitretsitsi lae Yesu wɔnɛ la, ke medze ƒãa le eƒe nyawo me nenye be ame siwo woafɔ ɖe tsitre le anyigba dzi la agate ŋu aɖe srɔ̃ le xexe yeyea me o.

Gake Mawu ƒe Nya la gblɔe eme kɔ ƒãa be, ne ame aɖe srɔ̃ ku ko la, ke wotu srɔ̃ɖenubabla la hã. Eya ta ne aho alo ahosi aɖe tiae be yeagaɖe srɔ̃ ake fifia la, mele be wòana eƒe dzi nabu fɔe o. Ema nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso, eye mele be ame bubuwo nabu fɔe nenye be wògaɖe srɔ̃ bubu o.Rom. 7:2, 3; 1 Kor. 7:39.

Nyateƒee wònye be biabia geɖe anɔ mía si ku ɖe ale si agbea anɔ le nuɖoanyi yeyea me ŋu. Le esi míasusu nanewo anɔ gbɔgblɔm ku ɖe biabia mawo ƒe ŋuɖoɖowo ŋu teƒe la, ɖeko wòle be míalala akpɔ ale si nuwo ava nɔ ɖa. Gake míate ŋu aka ɖe nu ɖeka sia dzi: Amegbetɔ toɖolawo akpɔ dzidzɔ geɖe, elabena Yehowa akpɔ woƒe nuhiahiãwo kple nudidiwo katã gbɔ na wo le mɔ nyuitɔ kekeake nu.Ps. 145:16.

^ mm. 4 Kpɔ yevugbe me Gbetakpɔxɔ, June 1, 1987, axa 30-31.

^ mm. 5 Le Biblia ŋlɔɣi la, ne ŋutsu aɖe kple srɔ̃a medzi vi hafi ŋutsua ku o la, ele be ŋutsua nɔvi naɖe ahosia ale be wo kplii woadzi vi be wòalé nɔvia si ku la ƒe ƒomeŋkɔ ɖe te.1 Mose 38:8; 5 Mose 25:5, 6.

^ mm. 9 Le ame siwo woafɔ ɖe tsitre le anyigba dzi gome la, agbe mavɔ ye asu wo si, ke menye makumakunyenye o. Ne èdi be yeanya vovototo si le agbe mavɔ kple makumakunyenye dome la, kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, April 1, 1984, axa 30-31 [Fransegbe me tɔ, 1er juillet, 1984, axa 30-31.]