Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zã Mawu Ƒe Nya La—Ele Agbe!

Zã Mawu Ƒe Nya La—Ele Agbe!

“Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.”HEB. 4:12.

1, 2. Dɔ kae Yehowa de Mose si, eye nu kae Yehowa ka ɖe edzi nɛ be yeawɔ?

TSƆE be wobia tso asiwò be nànɔ Yehowa ƒe amewo teƒe aƒo nu na dukplɔla sesẽtɔ si le anyigba dzi. Aleke nàse le ɖokuiwò me? Ðikeke mele eme o be àtsi dzimaɖi, àvɔ̃ eye àse le ɖokuiwò me be yemedze o. Aleke nàdzra ɖo ɖe nya si nàgblɔ ŋui? Nu kae akpe ɖe ŋuwò be kakaɖedzi nanɔ wò nyawo ŋu wòadze ƒãa be Mawu ŋusẽkatãtɔ lae dɔ wò?

2 Nɔnɔme ma tututu mee Mose nɔ. “Mose fa wu ame siwo katã le anyigba dzi.” (4 Mose 12:3) Gake Yehowa dɔe be wòayi Farao, si nye dadala amemabula la gbɔ abia tso esi be wòaɖe asi le Mawu ƒe ame miliɔn geɖe siwo nye kluviwo le Egipte la ŋu. (2 Mose 5:1, 2) Eya ta mewɔ nuku o be Mose bia Yehowa be: “Ame ka menye, be mayi Farao gbɔ, eye makplɔ Israel-viwo adzoe atso Egipte?” Mose anya se le eɖokui me be yemedze o, eye yemate ŋu awɔ dɔ gã ma o. Gake Mawu ka ɖe edzi nɛ be yemagblẽe ɖi o. Yehowa gblɔ nɛ be: “Manɔ anyi kpli wò!”2 Mose 3:9-12.

3, 4. (a) Nu ka tae Mose nɔ vɔvɔ̃m? (b) Nɔnɔme ka mee wòate ŋu adzɔ be nàse le ɖokuiwò me abe Mose ene le?

3 Nu ka tae Mose nɔ vɔvɔ̃m? Edze ƒãa be enɔ vɔvɔ̃m be Farao maxɔ Yehowa Mawu ƒe ame dɔdɔ loo alo alɔ̃ aɖo toe o. Mose nɔ vɔvɔ̃m hã be ye nɔvi Israel viwo maxɔe ase be Yehowa ye tia ye be yeava kplɔ wo adzoe le Egipte o. Eya ta Mose bia Yehowa be: “Ne womexɔ nye nya dzi se o, eye womeɖo to nye gbe o, ke boŋ wogblɔ bena: Yehowa meɖe eɖokui fia wò o ɖe?”2 Mose 3:15-18; 4:1.

4 Nusɔsrɔ̃ vevi aɖe le ale si Yehowa ɖo nya ŋu na Mose kple nu siwo dzɔ kplɔe ɖo me na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Nyateƒee, ɖewohĩ madzɔ be nàdo ɖe dziɖuɖumegã aɖeke ŋkume ya o. Gake ɖe wòsesẽna na wò be nàƒo nu tso Mawu kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu na ame siwo nèdoa goe gbe sia gbea? Ne nenemae la, ekema kpɔ nu si nàte ŋu asrɔ̃ tso Mose ƒe kpɔɖeŋua me ɖa.

“NU KAE MA LE ASIWÒ?”

5. Nu kae Yehowa tsɔ de asi na Mose, eye aleke esia ɖe vɔvɔ̃ ɖa le eme? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

5 Esi Mose nɔ vɔvɔ̃m be womaka ɖe ye dzi o ta la, Mawu kpe ɖe eŋu wòdzra ɖo ɖe nu si ava dzɔ ŋu. Nuŋlɔɖi si le Mose Ƒe Agbalẽ Evelia me gblɔ be: “Yehowa gblɔ [na Mose] bena: Nu kae ma le asiwò? Eɖo ŋu bena: Atizɔtie. Tete wògblɔ bena: Tsɔe ƒu gbe ɖe anyigba! Esi wòtsɔe ƒu gbe ɖe anyigba la, etrɔ zu da; eye Mose si le enu. Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖa nàlé eƒe asike! Eye wòdo eƒe asi ɖa lée; tete wògatrɔ zu atizɔti ɖe esi.” Mawu gblɔ nɛ be, esia ana “woaxɔe ase bena, Yehowa . . . ɖe eɖokui fia wò.” (2 Mose 4:2-5) Mawu na Mose ƒe atizɔti la trɔ zu da. Mose atsɔ nukunu sia aɖo kpe edzi be Yehowae dɔ ye, eye be Ele megbe na ye vavã! Eya ta Yehowa gblɔ nɛ be: “Tsɔ atizɔti sia ɖe asi, eya nàtsɔ awɔ dzesiawoe!” (2 Mose 4:17) Fifia esi nu si ɖo kpe edzi na Mose be Mawu na ŋusẽ ye la le eƒe asi me la, esia na kakaɖedzii be ate ŋu anɔ Mawu vavã la teƒe aƒo nu na eƒe dukɔmeviwo kple Farao siaa.2 Mose 4:29-31; 7:8-13.

6. (a) Nu kae wòle be míalé ɖe asi ne míele gbeƒã ɖem, eye nu ka tae? (b) Ðe ale si “Mawu ƒe nya la le agbe,” kple ale si “ŋusẽ le eŋu” la me.

6 Egbea ne míawo hã míele gbeƒã ɖem Biblia me gbedeasia la, nu kae míeléna ɖe asi? Zi geɖe la, Biblia lae míeléna ɖe asi, eye míenɔa klalo na ezazã. Togbɔ be ame aɖewo abu Biblia be enye agbalẽ dzro aɖe ko hã la, Yehowa ƒe Nya si gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ la dzie wòtona ƒoa nu na mí. (2 Pet. 1:21) Nu siwo ŋugbe Mawu do be yeawɔ le yeƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te ye le eme. Ema tae apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.” (Mixlẽ Hebritɔwo 4:12.) Nu ka tae wogblɔ be Mawu ƒe nya la le agbe? Elabena Yehowa le dɔ wɔm ɣeawokatãɣi tso eƒe ŋugbedodowo me vava ŋu, eye woava eme bliboe. (Yes. 46:10; 55:11) Ne míede dzesi nyateƒenya sia ku ɖe Yehowa ƒe Nya la ŋu la, esia ana nu siwo míexlẽna le Biblia me nakpɔ ŋusẽ gã ɖe míaƒe agbe dzi elabena ŋusẽ le eŋu.

7. Aleke ‘míawɔ nyateƒenya la ŋu dɔ pɛpɛpɛ’?

7 Ɛ̃, Yehowa tsɔ eƒe Nya si le agbe, si míatsɔ aɖo kpe edzi be kakaɖedzi le míaƒe gbedeasia ŋu, eye be Eya gbɔe wòtso, la de mía si. Mewɔ nuku o be esi Paulo ŋlɔ nya mawo na Hebritɔwo vɔ la, ede dzi ƒo na Timoteo si wònɔ hehe namee la be ‘wòawɔ eƒe ŋutete ɖe sia ɖe be wòawɔ nyateƒenya la ŋu dɔ pɛpɛpɛ.’ (2 Tim. 2:15) Aleke míawo hã míate ŋu awɔ Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi? Míate ŋu awɔe ne míetiaa mawunyakpukpui siwo míaxlẽ la nyuie be wòawɔ dɔ ɖe ame siwo ɖoa to mí la ƒe dzi dzi. Wotrɔ asi le trakt siwo woɖe ɖe go le ƒe 2013 me ŋu be woakpe ɖe mía ŋu míawɔ esia.

XLẼ MAWUNYAKPUKPUI SIWO SƆ!

8. Nu kae subɔsubɔdɔdzikpɔla aɖe gblɔ tso trakt yeyeawo ŋu?

8 Wotrɔ asi le trakt yeyeawo katã ŋu le mɔ ɖeka tɔgbi nu. Eya ta ne ènya srɔ̃ ale si nàna wo dometɔ ɖeka ko la, ke àte ŋu ana susɔeawo hã. Ðe wo zazã le bɔbɔea? Subɔsubɔdɔdzikpɔla aɖe si le Hawaii, U.S.A., gblɔ be: “Míenya kura be dɔwɔnu yeye siawo zazã aɖe kpe le aƒe me yi aƒe me dɔa kple dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me alea gbegbe o.” Ede dzesii be ale si wotrɔ asi le trakt-awo me nyawo ŋu ʋãa amewo be woaɖo nya ŋu bɔbɔe, eye esia ʋua mɔ na dzeɖoɖo viviwo zi geɖe. Ekpɔe be nyabiase kple ŋuɖoɖo vovovo siwo wodo ɖe nuxlẽlaa gbɔ le trakt la ƒe ŋgɔgbekpaa dzi lae na wo zazã le bɔbɔe. Aƒemenɔlaa mevɔ̃na be yeava na ŋuɖoɖo gbegblẽ o.

9, 10. (a) Aleke wotrɔ asi le míaƒe trakt yeyeawo ŋu be woakpe ɖe mía ŋu míazã Biblia nyuie? (b) Ne èle trakt yeyeawo nam la, wo dometɔ kae wɔa dɔ ɖe amewo dzi wu, eye nu ka tae?

9 Mawunyakpukpui si sɔ si wòle be míaxlẽ na aƒemenɔlawo la le trakt yeyeawo dometɔ ɖe sia ɖe me. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ trakt si nye Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia? ɖa. Aƒemenɔlaa ɖatia ŋuɖoɖo si nye “ɛ̃,” “ao” alo “nyemenya o” o, wò ya mègagblɔ nya aɖeke kpee o, ke boŋ ʋu trakt la, nàgblɔ be, “Nya si Biblia gblɔ” ye nye esi. Azɔ xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4 nɛ.

10 Nenema kee ne èle trakt si nye Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye? zãm la, metsɔ le ŋuɖoɖo siwo le ŋgɔgbekpaa dzi la dometɔ si aƒemenɔlaa tia me o, wò ya ʋu trakt la, nàgblɔ be: “Nya si Biblia gblɔe nye be, ‘Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.’” Àte ŋu agblɔ kpee be: “Menye nya ma koe Biblia ƒe akpa ma gblɔ o.” Azɔ ʋu Biblia nàxlẽ 2 Timoteo 3:16, 17 nɛ.

11, 12. (a) Mɔ ka nue nàte ŋu azã trakt yeyeawo le be nàse vivi na gbeadzisubɔsubɔdɔa wu? (b) Aleke trakt-awo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me?

11 Ale si aƒemenɔlaa wɔ nui ye aɖe afi si miadzro trakt la me ase ɖoe la afia. Aleke kee wòɖawɔ nui o, wò dzi adze eme be èxlẽ Mawu ƒe Nyaa ƒe akpa aɖe nɛ hafi gblẽ trakt la ɖe egbɔ. Ne mawunyakpukpui ɖeka pɛ alo evee nèxlẽ nɛ esi nèyi egbɔ zi gbãtɔ gɔ̃ hã la, àte ŋu atrɔ ayi egbɔ miayi dzeɖoɖoa dzi.

12 Nyabiase kple mawunyakpukpui siwo me míate ŋu adzro ne míetrɔ yi amea gbɔ la le trakt ɖe sia ɖe ƒe megbekpa dzi, le tanya si nye, “Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ” te. Le trakt si nye Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme? me la, biabia si me míadzro ne míetrɔ yi lae nye “Mɔ ka dzie Mawu ato aɖɔ nuwo ɖo le anyigba dzi?” Woyɔ Mateo 6:9, 10 kple Daniel 2:44 ɖe afi ma. Le trakt si nye Ðe Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Akea? me la, biabia lae nye “Nu ka tae míetsina kua amegã hekuna?” Woyɔ 1 Mose 3:17-19 kple Romatɔwo 5:12 ɖe afi ma.

13. Gblɔ ale si míazã trakt yeyeawo le Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze me.

13 Wotrɔ asi le trakt yeyeawo ŋu be woakpe ɖe mía ŋu míadze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. Ne ame aɖe tsɔ QR-xlẽnu ɖe foto QR-dzesi * si le trakt la ƒe megbekpa dzi la, akplɔe ayi teƒe aɖe le míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea, si ade dzi ƒo nɛ be wòalɔ̃ asrɔ̃ Biblia. Trakt-awo he susu yi Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! gbalẽa dzi eye wòfia asi nusɔsrɔ̃ aɖe koŋ le eme. Le kpɔɖeŋu me, trakt si nye Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum? he susu yi agbalẽa ƒe nusɔsrɔ̃ 5 lia dzi. Esi nye Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Ƒomea Me? he susu yi nusɔsrɔ̃ 9 lia dzi. Ne míezã Trakt yeyeawo le mɔ si woɖoe be míazã wo nu la, ana wòazu numame na mí be míanɔ Biblia zãm le yiyi zi gbãtɔ kple tɔtrɔyi wɔwɔ me. Eye esia ana míadze Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe wu gɔme. Nu ka hãe nàgate ŋu awɔ be nàwɔ Mawu ƒe Nya la ŋu dɔ nyuie le ɖaseɖiɖidɔa me?

DZRO NYA SI ŊU AMEWO TSI DZI ÐO VEVIE ME

14, 15. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋu le ɖaseɖiɖidɔa me?

14 Paulo dina be yeanya nu siwo ŋu ‘ame geɖe’ siwo yedoa goe le ɖaseɖiɖidɔa me la tsia dzi ɖo vevie. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 9:19-23.) De dzesii be Paulo nɔ mɔ kpɔm be ‘yeƒe asi nasu Yudatɔwo, ame siwo le se la te, semanɔsitɔwo kple gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo siaa dzi.’ Eƒe didie nye be yeaɖi ɖase na “ame ƒomeviwo katã, bene [yeaɖe] wo dometɔ aɖewo godoo.” (Dɔw. 20:21) Aleke míawɔ asrɔ̃ Paulo ƒe nɔnɔme sia ne míele dzadzram ɖo be míagblɔ nya nyuia na “ame ƒomeviwo katã” le míaƒe anyigbamama me?1 Tim. 2:3, 4.

15 Wotaa kpɔɖeŋudzeɖonyawo ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me na mí ɣleti sia ɣleti. Dze agbagba nàzã wo. Gake ne ame siwo le miaƒe anyigbamamaa me tsi dzi ɖe nya bubu aɖe ŋu vevie la, ke trɔ asi le dzeɖonya bubu siwo sɔ ɖe woƒe nɔnɔmea nu siwo anyɔ woƒe ɖetsɔleme ŋu. Bu nuto si me nèle kple ame siwo le afi ma kpakple nu siwo ŋu wotsia dzi ɖo ŋu. Eyome tia mawunyakpukpui si ƒo nu tso woƒe kuxia ŋu. Nutome sue dzikpɔla aɖe gblɔ nu si wòwɔ be Biblia zazã zu numame na eya kple srɔ̃a ale: “Aƒemenɔlawo lɔ̃na míexlẽa ŋɔŋlɔ ɖeka ya teti ne dzeɖoɖoa le kpuie eye míeyi nyaa gbɔ tẽe. Ne míedo gbe na wo vɔ la, míexlẽa mawunyakpukpuia tso Biblia si míeʋu da ɖi xoxo la me.” Azɔ na míakpɔ nyati, nyabiase kple mawunyakpukpui siwo nàdi be yeazã le miaƒe anyigbamamaa me ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

Ðe nèle Biblia kple traktwo zãm nyuie le ɖaseɖiɖidɔa mea? (Kpɔ memama 8-13)

16. Gblɔ ale si míate ŋu azã Yesaya 14:7 le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.

16 Ne nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ bɔ ɖe miaƒe nutoa me la, àte ŋu abia amea be: “Èsusu be àkpɔ tanya sia le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ƒe ŋgɔgbekpa dzi gbe ɖeka be, ‘Xexea me katã ƒe kuxiwo nu yi. Amewo katã le aseye tsom’ mahã? Nya ma tututue Biblia gblɔ le Yesaya 14:7. Le nyateƒe me la, Mawu do ŋugbe geɖewo na mí le Biblia me ku ɖe ŋutifafa ƒe ɣeyiɣiwo ŋu le etsɔme.” Eyome xlẽ ŋugbedodo mawo dometɔ ɖeka nɛ le Biblia me.

17. Aleke nàte ŋu azã Mateo 5:3 le gbeƒãɖeɖedɔa me?

17 Ðe wòle sesẽm na ƒome ƒe ta geɖe be woakpɔ dɔ nyui awɔa? Ne nenemae la, àte ŋu abia nya sia atsɔ adze dzeɖoɖoa gɔme: “Ho nenie nèsusu be ele be ƒome ƒe tawo nakpɔ ɣleti sia ɣleti be woƒe ƒomewo nakpɔ dzidzɔ?” Ne eɖo eŋu vɔ la, yi edzi be: “Ƒome ƒe ta geɖewo xɔa ga si sɔ gbɔ wu ema, gake woƒe ƒomewo mele dzidzɔ kpɔm o. Ke nu kae gahiã wo?” Azɔ xlẽ Mateo 5:3 nɛ eye nàdo Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe egbɔ.

18. Aleke nàte ŋu azã Yeremiya 29:11 atsɔ afa akɔ na amewo?

18 Ðe afɔku aɖe dzɔ le miaƒe nutoa me nyitsɔ laa si na amewo le fu kpema? Àte ŋu adze wò dzeɖoɖoa gɔme ale: “Meva gbɔwò be mafa akɔ na wò. (Mixlẽ Yeremiya 29:11.) Ède dzesi nu eve siwo Mawu be yeahe vɛ na mía? Woawoe nye “ŋutifafa” kple ‘mɔkpɔkpɔ.’ Ðe medzɔ dzi na mí be míanyae be Mawu di be agbe nadze edzi na mí oa? Gake aleke esia ate ŋu ava emee?” Eyome he susu yi nusɔsrɔ̃ si sɔ dzi le Nya Nyui gbalẽ gbadzaa me.

19. Gblɔ ale si míate ŋu azã Nyaɖeɖefia 14:6, 7 atsɔ akpe ɖe ame si tsɔ ɖe le subɔsubɔnyawo me ŋu.

19 Ðe wò nutoa me tɔwo tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔnyawo mea? Ne nenemae la, àte ŋu abia nya sia atsɔ adze dzeɖoɖoa gɔme: “Ne mawudɔla aɖe ƒo nu na wò la, àwɔ nu si wògblɔ na wòa? (Mixlẽ Nyaɖeɖefia 14:6, 7.) Esi mawudɔla sia le gbɔgblɔm be ‘vɔ̃ Mawu’ la, ɖe manyo be míanya Mawu si ŋu nya gblɔm wòle oa? Mawudɔlaa kpe ɖe mía ŋu esi wògblɔ be eyae nye ‘Ame si wɔ dziƒo kple anyigba.’ Mawu kae nye ema?” Eyome xlẽ Psalmo 124:8, afi si gblɔ be: “Míaƒe xɔname le Yehowa, dzi kple anyigbawɔla, ƒe ŋkɔ me.” Wɔ ɖoɖo kplii be yeava kpe ɖe eŋu wòanya nu geɖe tso Yehowa Mawu ŋu.

20. (a) Aleke míate ŋu azã Lododowo 30:4 atsɔ afia Mawu ƒe ŋkɔa amewo? (b) Yɔ mawunyakpukpui aɖe si nèzã wòɖe vi?

20 Àte ŋu adze dzeɖoɖo gɔme kple ɖeviwo ale: “Medi be maxlẽ mawunyakpukpui aɖe si bia nya vevi aɖe la na wò. (Mixlẽ Lododowo 30:4.) Amegbetɔ aɖeke meli si ate ŋu awɔ nu siawo o, eya ta mía Wɔla la ŋue kpukpui sia anya nɔ nu ƒom tso. * Afi kae míakpɔ eƒe ŋkɔ le? Ado dzidzɔ nam be matsɔe afia wò le Biblia me.”

ZÃ ŊUSẼ SI LE MAWU ƑE NYA LA ŊU LE GBEADZI

21, 22. (a) Aleke mawunyakpukpui si míetia nyuie la ate ŋu atrɔ amewo ƒe agbe? (b) Nu kae nèɖo be yeawɔ le wò gbeƒãɖeɖedɔa me?

21 Màte ŋu anya ŋusẽ si mawunyakpukpui si míetia nyuie la akpɔ ɖe ame aɖe dzi o. Le kpɔɖeŋu me, le Australia la, Ðasefo eve ƒo ʋɔ na nyɔnu aɖe. Wo dometɔ ɖeka bia nyɔnua be: “Ènya Mawu ƒe ŋkɔa?” Eyome exlẽ Psalmo 83:19 nɛ. Nyɔnua gblɔ be: “Ewɔ nuku nam ale gbegbe. Esi wodzo la, meku ʋu kilometa 56 yi agbalẽdzraƒe aɖe ɖadi ŋkɔa le Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo me eye medii le nyagɔmeɖegbalẽ aɖe hã me. Esi meka ɖe edzi azɔ be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa la, mekpɔe be nu gbogbo aɖewo li siwo nyemenya o.” Eteƒe medidi o, eya kple ŋutsu si wòva ɖe emegbe la dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme, eye wova xɔ nyɔnyrɔ.

22 Ŋusẽ le Mawu ƒe Nya la ŋu be wòatrɔ ame siwo xlẽnɛ hexɔa Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi se la ƒe agbenɔnɔ. (Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:13.) Ŋusẽ le Biblia me gbedeasia ŋu be wòaɖo amewo ƒe dzi gbɔ wu nya sia nya si míagblɔ. Eya ta ele be míaɖoe kplikpaa azã Mawu ƒe Nya la le mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe me. Elabena ele agbe!

^ mm. 13 QR-dzesi la nye dɔwɔƒe si woyɔna be Denso Wave Incorporated la ƒe dzesi.

^ mm. 20 Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le yevugbe me Gbetakpɔxɔ, July 15, 1987, axa 31.