Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mina Miaƒe Susuwo Nanɔ Nu Siwo Le Dziƒo La Ŋu”

“Mina Miaƒe Susuwo Nanɔ Nu Siwo Le Dziƒo La Ŋu”

“Mina miaƒe susuwo nanɔ nu siwo le dziƒo la ŋu vevie, ke menye nu siwo le anyigba dzi la ŋu o.”KOLOSETƆWO 3:2.

1, 2. (a) Nu kae na hame si nɔ Kolose la ɖo afɔku me? (b) Nuxlɔ̃ame kae kpe ɖe nɔvi siwo nɔ Kolose la ŋu be wokpɔtɔ nɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu?

LE ƑE alafa gbãtɔ me la, nɔvi aɖewo ƒe nuwɔna di be yeagblẽ Kristotɔwo ƒe hame si nɔ Kolose la ƒe ŋutifafa me! Wonɔ gbɔgblɔm be ele be ame sia ame nawɔ Mose ƒe Sea dzi. Ame bubuwo hã gblɔ be ele be ame naƒo asa na agbe me dzidzɔdonamenuwo. Paulo xlɔ̃ nu wo tso ale si nuŋububu mawo ate ŋu agblẽ nui la ŋu ale: “Mikpɔ nyuie: ɖewohĩ ame aɖe ato xexemenunya kple beble dzodzro dzi le amewo ƒe kɔnyinyiwo nu alé mi adzoe, le xexea ƒe gɔmedzenuwo nu, ke menye le Kristo nu o.”Kolosetɔwo 2:8.

2 Ne Kristotɔ amesiamina mawo dze amegbetɔwo ƒe susuwo yome la, afia be wole afɔkpo tum mɔnukpɔkpɔ si nye be woazu Mawu ƒe viwo. (Kolosetɔwo 2:20-23) Be woayi edzi alé ƒomedodo xɔasi si le woa kple Mawu dome me ɖe asi la, Paulo xlɔ̃ nu wo be: “Mina miaƒe susuwo nanɔ nu siwo le dziƒo la ŋu vevie, ke menye nu siwo le anyigba  dzi la ŋu o.” (Kolosetɔwo 3:2) Ehiã be Kristotɔ mawo nana woƒe susuwo nanɔ agbe tegbee nɔnɔ le dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔ tɔxɛ si le wo si la ŋu.Kolosetɔwo 1:4, 5.

3. (a) Mɔkpɔkpɔ kae le Kristotɔ amesiaminawo si? (b) Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Egbea, Kristotɔ amesiaminawo hã nana woƒe susu nɔa Mawu Fiaɖuƒea kple mɔkpɔkpɔ si le wo si be woanye “Kristo ƒe hati domenyilawo” le dziƒo la ŋu. (Romatɔwo 8:14-17) Ke ame siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le ya ɖe? Aleke Paulo ƒe nyawo ka wo? Aleke woawo hã woana woƒe susu nanɔ “nu siwo le dziƒo” la ŋu? (Yohanes 10:16) Abraham kple Mose na woƒe susu nɔ nu siwo le dziƒo la ŋu le ɣeyiɣi sesẽwo gɔ̃ hã me. Aleke míate ŋu asrɔ̃ wo?

NU SI WÒFIA BE MÍANA MÍAƑE SUSU NANƆ NU SIWO LE DZIƑO ŊU

4. Aleke Kristotɔwo siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ anyigba dzi la ate ŋu ana woƒe susu nanɔ nu siwo le dziƒo ŋu?

4 Ele be ame siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ anyigba dzi la ƒe susu nanɔ nu siwo le dziƒo la ŋu. Wowɔa esia ne wotsɔ Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me. (Luka 10:25-27) Esiae Kristo wɔ eye ele be míawo hã míawɔ nenema ke. (1 Petro 2:21) Ame siwo léa nuŋububu totrowo kple xexemenunya me ɖe asi eye wodia ŋutilãmenuwo vivivo la domee ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nɔ. Nu mawo ke bɔ ɖe Satana ƒe xexea me egbea. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 10:5.) Ele be míasrɔ̃ Yesu ahakpɔ mía ɖokui dzi le nu sia nu si ate ŋu agblẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me la ŋu.

Ðe míeɖe mɔ be ale si xexea bua ga kple nunɔamesiwoe la kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzia?

5. Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui ku ɖe ale si míebua ga kple nunɔamesiwoe ŋu?

5 Ðe míeɖe mɔ be ale si xexea bua ga kple nunɔamesiwoe la kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzia? Nu siwo ŋu míebuna kple nu siwo míewɔna ye ɖea nu si tututu míelɔ̃ la fiana. Yesu he susu yi esia dzi esi wògblɔ be: “Afi si wò nu xɔasiwo le la, afi mae wò dzi hã anɔ.” (Mateo 6:21) Ele be míadzro mía ɖokuiwo me kpɔ be nu kae le vevie na mí wu hã. Ðe míetsia dzimaɖi enuenu le ga, ale si míawɔ akpɔ dɔ si nyo wu, alo ale si nu nade mía dzi le agbe me wu ŋua? Alo ɖe míedzea agbagba be míanɔ agbe tsɛ ale be míaƒe susu nanɔ mía kple Yehowa dome ƒomedodoa ŋua? (Mateo 6:22) Yesu gblɔ be ne ‘nu xɔasiwo nu ƒoƒoƒu na mía ɖokui ɖe anyigba dzi’ ŋue míaƒe susu nɔna la, ate ŋu agblẽ nu le mía kple Yehowa dome ƒomedodoa ŋu.Mateo 6:19, 20, 24.

Ne míenana míaƒe susu nɔa nu siwo le dziƒo ŋu ko hafi míate ŋu aɖu aʋa si wɔm míele kple míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo la dzi

6. Aleke míawɔ akpɔ dzidzedze le avu si wɔm míele kple míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo la me?

6 Míede blibo o, eya ta ele bɔbɔe be míawɔ nu siwo mesɔ o. (Mixlẽ Romatɔwo 7:21-25.) Ne míeɖo ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu o la, míate ŋu ava ƒo mía ɖokui ɖe “aglotutu siwo gbɔ eme kple ahamumuwo,” agbe gbegblẽ nɔnɔ, alo ‘ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe,’ si nye bubumademade Mawu ƒe sewo ŋu gɔ̃ hã me. (Romatɔwo 13: 12, 13) Míewɔa avu kple míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ɣesiaɣi. Ne míenana míaƒe susu nɔa nu siwo le dziƒo ŋu ko hafi míate ŋu aɖu aʋaa dzi. Esia bia agbagbadzedze, eya tae Paulo gblɔ be: “Meƒoa nye ŋutilã kple kɔ vevie hewɔnɛ kluvii.” (1 Korintotɔwo 9:27) Ehiã be míawo hã míaʋli vevie aɖu mía ɖokui dzi. Mina míadzro ŋutsu nuteƒewɔla eve aɖewo siwo wɔ woƒe ŋutete katã be yewoadze Mawu ŋu ƒe kpɔɖeŋuwo me kpɔ.Hebritɔwo 11:6.

ABRAHAM XƆ “YEHOWA DZI SE”

7, 8. (a) Kuxi kawo mee Abraham kple Sara to? (b) Nu ka ŋue Abraham ƒe susu nɔ?

7 Esi Yehowa gblɔ na Abraham be wo kple eƒe ƒomea woaʋu ayi Kanaan-nyigba dzi la, Abraham lɔ̃ faa ɖo to. Yehowa ɖo Abraham ƒe xɔse kple toɖoɖo teƒe nɛ esi wòbla nu kplii. Yehowa gblɔ nɛ be: “Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò.” (1 Mose 12:2) Gake ƒe geɖe va yi si Abraham kple Sara medzi vi aɖeke o. Ðe wòwɔ na Abraham be Yehowa ŋlɔ eƒe ŋugbedodoa bea? Ɣemaɣi la, nɔnɔmeawo menɔ bɔbɔe na Abraham o. Eʋu le Ur, si nye du si me kesinɔnuwo bɔ ɖo eye agbe dze edzi nɛ le la hezɔ mɔ kilometa 1,600 sɔŋ yi Kanaan-nyigba dzi. Eya kple eƒe ƒomea nɔ avɔgbadɔwo me, wonɔ afi si dɔ to le, eye adzohawo hã ɖe fu na wo. (1 Mose 12:5, 10; 13:18; 14:10-16) Ke hã Abraham kple eƒe ƒomea medi gbeɖe be yewoatrɔ ayi Ur, afi si nuwo de yewo dzi le la o.Mixlẽ Hebritɔwo 11:8-12, 15.

8 Abraham xɔ “Yehowa dzi se,” eye eƒe susu menɔ “nu siwo le anyigba dzi la ŋu o.” (1 Mose 15:6) Enɔa ŋugbe siwo Mawu do nɛ la ŋu bum ɣesiaɣi. Yehowa de dzesi Abraham ƒe xɔse eye wògblɔ nɛ be: “‘Kpɔ dziƒo ɖa, eye nàxlẽ ɣletiviwo, ne àte ŋu axlẽ wo la.’ Eye wògblɔ nɛ bena: ‘Nenema wò ƒome anɔ.’” (1 Mose 15:5) Esi Abraham se nya sia la, ekpɔe be Yehowa meŋlɔ ye be o. Ɣesiaɣi si wòfɔ kɔ dzi kpɔ ɣletiviwo la, eɖoa ŋku ŋugbe si Yehowa do nɛ be yeana eƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ la dzi. Eye esi Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia de la, Abraham dzi viŋutsu, abe ale si Yehowa do ŋugbe nɛ ene.1 Mose 21:1, 2.

9. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Abraham?

9 Abe Abraham ene la, míawo hã míele Yehowa ƒe ŋugbedodowo me vava lalam. (2 Petro 3:13) Ne míaƒe susuwo mele nu siwo le dziƒo ŋu o la, ate ŋu awɔ na mí be ŋugbedodo mawo tsi megbe, si awɔe be dzo si nɔ mía me ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu la dzi naɖe akpɔtɔ. Ðewohĩ ètsɔ nanewo sa vɔe va yi le Yehowa subɔsubɔ ta hewɔ mɔɖeɖedɔa alo èƒo ɖokuiwò ɖe subɔsubɔdɔ tɔxɛa ƒe akpa bubu me. Gake aleke nuwo le le gowòme fifia? Ðe nèle Abraham, ame si wɔ eƒe ŋutete katã na Yehowa hekpɔ Eƒe yayrawo si nu la ƒe kpɔɖeŋu  srɔ̃ma? (Hebritɔwo 11:10) Abraham xɔ “Yehowa dzi se,” eye wobui Mawu xɔlɔ̃.Romatɔwo 4:3.

MOSE KPƆ “AME SI WOMEKPƆNA O” LA

10. Hehe ka tɔgbie Mose xɔ?

10 Mose hã nye ame bubu si ƒe susu nɔ nu siwo le dziƒo ŋu. Wonyii le Egipte fiaƒomea me le ɣeyiɣi si me Egipte nye dukɔ sesẽtɔ le anyigba dzi. Biblia gblɔ be “wofia Egiptetɔwo ƒe nunya blibo la katã Mose.” Hehe tɔxɛ si Mose xɔ la wɔe be wòsẽ “ŋu le eƒe nyawo kple nuwɔnawo me.” (Dɔwɔwɔwo 7:22) Le esia ta, mɔnukpɔkpɔ geɖewo anɔ ʋuʋu ɖi na Mose be wòanye ame vevi aɖe le Egipte hafi. Gake hehe ƒomevi bubu aɖe nɔ vevie na Mose wu.

11, 12. Hehe kae nɔ vevie na Mose wu? Aleke míewɔ nya esia?

11 Esi Mose nye ɖevi la, dadaa Yoxebet fia nui tso Hebritɔwo ƒe Mawu la ŋu. Yehowa ŋuti sidzedze sia nɔ vevie na Mose ale gbegbe. Elɔ̃ faa ɖe asi le mɔnukpɔkpɔ siwo ʋu ɖi nɛ be wòazu kesinɔtɔ kple ŋusẽtɔ la ŋu hetiae be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu boŋ. (Mixlẽ Hebritɔwo 11:24-27.) Hehe si Mose xɔ le ɖevime kple ale si wòxɔ Yehowa dzi see la wɔe be eƒe susu nɔ nu siwo le dziƒo la ŋu.

Mose lɔ̃ faa ɖe asi le mɔnukpɔkpɔ siwo ʋu ɖi nɛ be wòazu kesinɔtɔ kple ŋusẽtɔ la ŋu hetiae be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu boŋ

12 Togbɔ be Egiptetɔwo ƒe hehe nyuitɔ kekeakee Mose xɔ hã la, mewɔ eŋu dɔ va zu ŋusẽtɔ, ame xɔŋkɔ, alo kesinɔtɔ o. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be, “egbe be woagayɔ ye be Farao vinyɔnuvi la ƒe vi o, eye wòtiae be woawɔ ŋlɔmi le ye ŋu kpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋu, wu be yeakpɔ gome le nu vɔ̃ ƒe vivisese me hena ɣeyiɣi vi aɖe ko.” Ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, Mose wɔ Yehowa ŋuti sidzedze sia ŋu dɔ tsɔ kplɔ Eƒe amewoe.

13, 14. (a) Hafi Mose nate ŋu aɖe Yehowa ƒe amewo la, nu kawoe wòle be wòasrɔ̃? (b) Nu kae wòle be míawo hã míasrɔ̃?

13 Mose lɔ̃ Yehowa kple Eƒe amewo, siwo nye kluviwo le Egipte ɣemaɣi. Esi Mose xɔ ƒe 40 la, ebui be yesu te be yeaɖe wo. (Dɔwɔwɔwo 7:23-25) Gake Yehowa ya nyae be Mose mesu te na esia wɔwɔ haɖe o. Egahiã be wòasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ, dzigbɔɖi, tufafa  kple ɖokuidziɖuɖu. (Lododowo 15:33) Ehiã be Mose naxɔ hehe si adzrae ɖo ɖe kuxi sesẽ siwo nɔ ŋgɔ la ŋu. Ƒe 40 siwo Mose tsɔ kplɔ alẽwoe la kpe ɖe eŋu wòtu nɔnɔme mawo ɖo.

14 Ðe hehe nyui si Mose xɔ la kpe ɖe eŋua? Ɛ̃, elabena Biblia gblɔ be eva “fa wu ame siwo katã le anyigba dzi.” (4 Mose 12:3) Esi wòsrɔ̃ ɖokuibɔbɔ ta la, ete ŋu gbɔ dzi ɖi na ame vovovowo eye wòkpɔ woƒe kuxiwo gbɔ. (2 Mose 18:26) Ele be míawo hã míatu nɔnɔme siwo akpe ɖe mía ŋu míatsi agbe le “xaxa gã” la me ahayi ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me la ɖo. (Nyaɖeɖefia 7:14) Ðe míawo hã míenɔa anyi kple amewo katã le ŋutifafa me ne ewɔna na mí be dɔme vea wo dometɔ aɖewo kabakaba gɔ̃ hã? Apostolo Petro ƒe nyawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Egblɔ be: “Mibu ame ɖe sia ɖe ƒomevi, milɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã.”1 Petro 2:17.

ALE SI MÍANA MÍAƑE SUSU NANƆ NU SIWO LE DZIƑO ŊU

15, 16. (a) Nu ka tae wòle be míana míaƒe susu nanɔ nu siwo sɔ la dzi? (b) Nu ka tae wòle be Kristotɔwo nanɔ agbe nyui?

15 “Ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ” la mee míele. (2 Timoteo 3:1) Esia tae  wòle be míana míaƒe susuwo nanɔ nu siwo sɔ la ŋu ale be míate ŋu anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me. (1 Tesalonikatɔwo 5:6-9) Na míadzro mɔ etɔ̃ siwo nu míate ŋu awɔ esia le la me.

16 Míaƒe agbenɔnɔ: Petro ɖee fia be agbe nyui nɔnɔ le vevie ŋutɔ esi wògblɔ be: “Mina miaƒe agbenɔnɔ nanyo le dukɔwo dome.” Eyome egblɔ kpee be ne ame siwo menya Yehowa o la kpɔ ale si míenɔa agbee la, ate ŋu ana “woado Mawu ɖe dzi.” (1 Petro 2:12) Ele be míawɔ míaƒe ŋutete katã be míado Yehowa ɖe dzi to ale si míenɔa agbee dzi, míeɖale aƒe me, dɔ me, suku, ne míele fefem alo le gbeƒã ɖem o. Ele eme be mí katã míede blibo o eye míedaa vowo. (Romatɔwo 3:23) Gake mele be dzi naɖe le mía ƒo o. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu aʋli “xɔse ƒe ʋiʋli nyui la.”1 Timoteo 6:12.

Ne míebua nuwo ŋu abe Kristo ene la, míabɔbɔ mía ɖokui eye dzo anɔ mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu

17. Aleke míate ŋu asrɔ̃ tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Yesu si? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

17 Míaƒe tamesusu ƒe nɔnɔme: Hafi míate ŋu anɔ agbe nyui la, ele be tamesusu ƒe nɔnɔme nyuitɔ nanɔ mía si. Apostolo Paulo gblɔ be: “Tamesusu ƒe nɔnɔme sia si nɔ Kristo Yesu me la nenɔ miawo hã mia me.” (Filipitɔwo 2:5) Nɔnɔme kae nɔ Yesu si? Ebɔbɔa eɖokui eye esia ʋãe be wòwɔ eƒe ŋutete katã le Yehowa subɔsubɔ me. Gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia nɔ vevie nɛ ɣesiaɣi. (Marko 1:38; 13:10) Le Yesu gbɔ la, Mawu ƒe Nya lae nye mɔfianu vevitɔ kekeake. (Yohanes 7:16; 8:28) Edzro Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me nyuie, si wɔe wòtea ŋu yɔa nya tsoa eme, ʋlia eta heɖea eme. Ne míebua nuwo ŋu abe Kristo ene la, míawo hã míabɔbɔ mía ɖokui, dzo anɔ mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu eye míado vevie Biblia sɔsrɔ̃.

Gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia nɔ vevie ŋutɔ na Yesu (Kpɔ memama 17)

18. Mɔ vevi kawo nue míekpea asi ɖe Yehowa ƒe dɔa ŋu le?

18 Kpekpeɖeŋu si míana: Mawu ƒe tameɖoɖoe wònye be “ame siwo le dziƒo kple ame siwo le anyigba dzi” la nabɔbɔ ɖe Yesu te. (Filipitɔwo 2:9-11) Togbɔ be ɖoƒe vevi aɖe ŋutɔe Yesu le hã la, ebɔbɔa eɖokui ɖe Fofoa te. Ele be míawo hã míawɔ nenema ke. (1 Korintotɔwo 15:28) Míekpea asi ɖe Yehowa ƒe dɔa ŋu ne ‘míewɔa dukɔwo katã me tɔwo be woanye nusrɔ̃lawo.’ (Mateo 28:19) Azɔ hã ne míewɔa nu nyuiwo na mía haviwo kple mía nɔviwo siaa la, ke míele ‘nyui wɔm na amewo katã.’Galatiatɔwo 6:10.

19. Nu kae wòle be míaɖoe kplikpaa be míawɔ?

19 Míedaa akpe be Yehowa fia mí be míana míaƒe susuwo nanɔ nu siwo le dziƒo la ŋu! Ele be “míatsɔ dzidodo anɔ duɖimekeke” la dzi ahana míaƒe susuwo nanɔ nu siwo sɔ la ŋu. (Hebritɔwo 12:1) Mina míaɖoe kplikpaa be míanɔ esia dzi “tso luʋɔ blibo me abe Yehowa ye miele ewɔm na ene,” eye mía Fofo si le dziƒo la ayra mí geɖe.Kolosetɔwo 3:23, 24.