Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔse Sẽŋu Nenɔ Asiwò Ðe Fiaɖuƒea Ŋu

Xɔse Sẽŋu Nenɔ Asiwò Ðe Fiaɖuƒea Ŋu

“Xɔse nye dziɖoɖo ɖe nu siwo wole mɔ kpɔm na la ŋu kple kakaɖedzi.”HEBRITƆWO 11:1.

1, 2. Nu kae ado ŋusẽ míaƒe kakaɖedzi be Mawu ƒe tameɖoɖo na ameƒomea ava eme to Fiaɖuƒea dzi, eye nu ka tae? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia tame.)

ESI míenye Yehowa Ðasefowo ta la, míeɖea gbeƒã dzonɔamemetɔe be Mawu Fiaɖuƒea koe akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ. Gake ɖe míeka ɖe edzi vavã be Mawu Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔ eye to Fiaɖuƒe ma dzi la, Mawu ƒe tameɖoɖo ava emea? Kpeɖodzi kawoe na xɔse sẽŋu le mía si ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuvãnyenye ŋu?Hebritɔwo 11:1.

2 Yehowa ƒe tameɖoɖo na ameƒomea ava eme to Mesia Fiaɖuƒea dzi. Gɔmeɖoanyi like si dzi wotu Fiaɖuƒe sia ɖoe nye gome si le Yehowa ɖeka ko si be wòaɖu dzi. Ame kae nye Fiaɖuƒe sia ƒe Fia? Ame kawo hãe aɖu dzi kple Fia la? Ame kawo dzie wòaɖu, eye nu kawo dzie wòakpɔ ŋusẽ ɖo? Yehowa wɔ ɖoɖo ɖe nu siawo katã ŋu to nubabla siwo le se nu la dzi. Nubabla siawo nye ɖoɖo siwo Yehowa loo alo Via, Yesu Kristo wɔ. Nubabla siawo  me dzodzro ana míase ale si Yehowa ƒe tameɖoɖowo ava emee la gɔme nyuie wu eye woana míaka ɖe edzi be Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔ vavã.Mixlẽ Efesotɔwo 2:12.

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia kple esi kplɔe ɖo la me?

3 Le Biblia me la, nubabla vevi ade aɖewo do ƒome kple Mesia Fiaɖuƒe si me Kristo Yesu nye Fia le la. Woawoe nye (1) nu si Mawu bla kple Abraham, (2) Se ƒe nubabla la, (3) nu si Mawu bla kple David, (4) nunɔla si le abe Melxizedek ene ƒe nubabla, (5) nubabla yeyea, kple (6) Fiaɖuƒe ƒe nubabla la. Na míadzro ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe do ƒome kple Fiaɖuƒea kple akpa si wowɔna be Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba kple ameƒomea nava eme la me.—Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Mawu Ana Eƒe Tameɖoɖo Nava Eme.”

ŊUGBEDODO SI ÐE ALE SI MAWU ƑE TAMEÐOÐO AVA EMEE FIA

4. Abe ale si Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ɖee fia ene la, ɖoɖo kawoe Yehowa wɔ si lɔ amegbetɔwo ɖe eme?

4 Yehowa dzra anyigba ɖo nyuie be amegbetɔwo nate ŋu anɔ edzi. Eyome Yehowa ɖo nu siwo gbɔna la anyi: (1) Mawu awɔ ame ɖe eƒe nɔnɔme nu. (2) Amegbetɔwo adzra anyigba la ɖo wòazu paradiso eye wo vi dzɔdzɔewo anɔ edzi. (3) Mele be amegbetɔwo naɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia ƒe tsetse o. (1 Mose 1:26, 28; 2:16, 17) Zɔzɔ ɖe ɖoɖo etɔ̃ siawo dzi ana Mawu ƒe tameɖoɖo na amegbetɔwo kple anyigba la nava eme bliboe. Ekema nu ka tae wògahiã be Mawu nawɔ nubablawo?

5, 6. (a) Aleke Satana te kpɔ be yeagblẽ Mawu ƒe tameɖoɖo me? (b) Nu kae Yehowa wɔ tso aglãdzedze si fɔ ɖe te le Eden la ŋu?

5 Satana va dze aglã ɖe Mawu ŋu hedze agbagba be yeagblẽ Eƒe tameɖoɖoa  me. Edze agbagba be yeana amegbetɔwo nagbe toɖoɖo Mawu, eya ta eble Xawa wòɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia ƒe tsetse. (1 Mose 3:1-5; Nyaɖeɖefia 12:9) Eto esia dzi tɔ gbe Mawu be medze aɖu Eƒe nuwɔwɔwo dzi o. Emegbe Satana tsò amegbetɔwo hã nu be ɖokuitɔdidi tae wosubɔa Mawu ɖo.Hiob 1:9-11; 2:4, 5.

6 Nu kae Yehowa awɔ tso aglãdzedze sia ŋu? Ate ŋu atsrɔ̃ aglãdzelaawo hafi. Gake ema awɔe be Mawu ƒe tameɖoɖo si nye be Aɖam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo nayɔ anyigba dzi la mava eme o. Eya ta Yehowa metsrɔ̃ aglãdzelaawo o. Ke boŋ, egblɔ nya vevi aɖe ɖi, si nye Eden-bɔa me ŋugbedodoa. Nyagblɔɖi ma ana ŋugbe siwo katã Yehowa do ku ɖe anyigba kple amegbetɔwo ŋu la nava eme.Mixlẽ 1 Mose 3:15.

Eden-bɔa me ŋugbedodoa ɖo kpe edzi be ŋugbe siwo katã Mawu do ku ɖe ameƒomea kple anyigba ŋu la ava eme

7. Nu kae Eden-bɔa me ŋugbedodoa ɖe fia tso da la kple eƒe dzidzimevia ŋu?

7 Mawu to Eden-bɔa me ŋugbedodoa dzi tso kufia na da la kple eƒe dzidzimevia, siwo le tsitre ɖi na Satana Abosam kple ame siwo de edzi wodze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu. Mawu na ŋusẽ nyɔnua ƒe dzidzimevi la be wòatsrɔ̃ aglãdzela mawo. Eya ta Eden-bɔa me ŋugbedodoa fia be woava ɖe Satana kple eƒe aglãdzedzea me tsonuwo ɖa keŋkeŋ. Ŋugbedodoa ɖe ale si esia ava emee hã fia.

8. Nu kae woɖe fia tso nyɔnu la kple eƒe dzidzimevia ŋu?

8 Ame kae anye nyɔnu la ƒe dzidzimevia? Ele be dzidzimevi sia nanye gbɔgbɔmenuwɔwɔ. Nu ka tae? Elabena dzidzimevia “axɔ ŋusẽ le” Satana, si nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ makpɔmakpɔ la si. (Hebritɔwo 2:14) Eya ta ele be nyɔnu si me dzidzimevia atso la hã nanye gbɔgbɔmenuwɔwɔ. Esime da la ƒe dzidzimevia nɔ dzidzim ɖe edzi la, ame si nyɔnu la kple eƒe dzidzimevia nye la gakpɔtɔ nɔ ɣaɣla abe ƒe 4,000 ene le Eden-bɔa me ŋugbedodoa megbe. Le ƒe mawo me la, Yehowa wɔ nubabla vovovo siwo ɖe ame si dzidzimevia nye kpakple ale si Mawu ava ɖɔ nu siwo Satana ƒe aglãdzedzea gblẽ ɖo la fia.

NUBABLA SI ÐE AME SI DZIDZIMEVIA NYE FIA

9. Nubabla kae Mawu wɔ kple Abraham, eye ɣekaɣie wòte dɔwɔwɔ?

9 Anɔ abe ƒe 2,000 ene le Eden-bɔa me ŋugbedodoa megbe la, Yehowa gblɔ na Abraham be wòaʋu le wo de Ur ayi Kanaan-nyigba dzi. (Dɔwɔwɔwo 7:2, 3) Mawu gblɔ nɛ be: “Ʋu le wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ kple fofowò ƒe me, eye nàyi anyigba, si mafia wò la dzi! Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nàzu yayra. Mayra ame siwo yra wò, ke ame siwo doa vlo wò  la, maƒo fi ade wo, eye le wò me woayra anyigba dzi ƒomeawo katã le.” (1 Mose 12:1-3) Woyɔ Mawu ƒe ŋugbedodo sia be nu si Mawu bla kple Abraham. Míenya ɣeyiɣi si tututu Yehowa bla nu sia kple Abraham zi gbãtɔ o. Gake míenya be nubabla ma te dɔwɔwɔ le ƒe 1943 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) esime Abraham, si xɔ ƒe 75 ɣemaɣi la, ʋu le Xaran hetso Frat-tɔsisia.

10. (a) Aleke Abraham ɖee fia be yexɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se bliboe? (b) Nya vevi kawoe Yehowa ɖe fia vivivi tso nyɔnua ƒe dzidzimevia ŋu?

10 Yehowa gate gbe ɖe nubabla sia dzi na Abraham zi geɖe, eye wògagblɔa nya bubuwo kpenɛ. (1 Mose 13:15-17; 17:1-8, 16) Abraham ka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi ale gbegbe be elɔ̃ faa be yeatsɔ ye vi malɔ̃nugbɔa asa vɔe gɔ̃ hã. Esia wɔe be Yehowa ɖo kpe nubablaa dzi esi wòka ɖe edzi nɛ be yeƒe ŋugbedodoa ava eme godoo. (Mixlẽ 1 Mose 22:15-18; Hebritɔwo 11:17, 18.) Esi nu si Mawu bla kple Abraham la te dɔwɔwɔ vɔ megbe la, Yehowa ɖe nya veviwo fia vivivi tso nyɔnua ƒe dzidzimevi la ŋu. Dzidzimevia adzɔ tso Abraham ƒe ƒomea me, ame bubu geɖewo hã ava nye dzidzimevia ƒe akpa aɖe, woanye fiawo, dzidzimevia atsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo katã eye wòahe yayrawo avɛ na ame geɖee.

Abraham ɖee fia be yeka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi bliboe (Kpɔ memama 10)

11, 12. Aleke Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be nu si Mawu bla kple Abraham la ava eme le mɔ si lolo wu nu, eye nu kae ado tso eme na mí?

11 Ŋugbe siwo Mawu do le nu si wòbla kple Abraham me la va eme zi gbãtɔ esi Abraham ƒe dzidzimeviwo nyi Ŋugbedodonyigba la dome. Gake Biblia na míenya be viɖe siwo lolo sãsãsã wu la ado tso nubabla ma me. (Galatiatɔwo 4:22-25) Apostolo Paulo ɖe eme be Yesu Kristoe nye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa vevitɔ. Kristotɔ amesiamina 144,000 lae nye dzidzimevia ƒe akpa evelia. (Galatiatɔwo 3:16, 29; Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1, 4) Nyɔnu si ŋu woƒo nu tsoe  le Eden-bɔa me ŋugbedodoa me lae nye Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo. Woyɔ nyɔnua be ‘Yerusalem si le dzi,’ eye gbɔgbɔmenuwɔwɔ wɔnuteƒewoe le eme. (Galatiatɔwo 4:26, 31) Le nu si Mawu bla kple Abraham ƒe ŋugbedodoa nu la, nyɔnua ƒe dzidzimevi la ahe yayra mavɔwo vɛ na ameƒomea.

12 Nubabla si Mawu wɔ kple Abraham la nye kpeɖodzi be woɖo dziƒo Fiaɖuƒea anyi le se nu, eye nubabla ma ʋu mɔ ɖi na Fia la kple ehati dziɖulawo be woanyi Fiaɖuƒe ma dome. (Hebritɔwo 6:13-18) Ɣeyiɣi didi kae nubabla sia anɔ anyi? Wogblɔ le 1 Mose 17:7 be enye “nubabla mavɔ.” Anɔ anyi va se ɖe esime Fiaɖuƒea tsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo keŋkeŋ eye woyra anyigba dzi ƒomewo katã. (1 Korintotɔwo 15:23-26) Gake nubabla la ƒe yayra anɔ anyi tegbee. Nu si Mawu bla kple Abraham la ɖo kpe edzi be Yehowa ƒe tameɖoɖo si nye be ame dzɔdzɔewo ‘nayɔ anyigba dzi’ la ava eme.1 Mose 1:28.

NUBABLA SI ÐO KPE EDZI BE FIAÐUƑEA ANƆ ANYI ÐAA

13, 14. Le nu si Mawu bla kple David ta la, nu ka dzie míeka ɖo?

13 Eden-bɔa me ŋugbedodoa kple nu si Mawu bla kple Abraham la fia mí be ale si Yehowa ɖua dzii la wɔa ɖeka kple eƒe nudidi dzɔdzɔeawo ɣesiaɣi. Eya ta Mesia Fiaɖuƒe si Mawu ɖo anyi la hã ɖua dzi ɖe nudidi dzɔdzɔe mawo ke nu. (Psalmo 89:15) Ðe wòate ŋu adzɔ be Mesia Fiaɖuƒea nawɔ nu madzɔmadzɔa? Ðe wòava hiã be fiaɖuƒe bubu naxɔ ɖe eteƒea? Nubabla bubu aɖe na míeka ɖe edzi be esia madzɔ gbeɖe o.

Mesia la ƒe dziɖuɖua mawɔ nu madzɔmadzɔ gbeɖe o eye ahe yayra mavɔwo vɛ na ameƒomea

14 Yehowa do ŋugbe aɖe na blema Israel Fia David. Woyɔ ŋugbedodo ma be nu si Mawu bla kple David. (Mixlẽ 2 Samuel 7:12, 16.) Yehowa do ŋugbe be Mesia la anye David ƒe dzidzimevi. (Luka 1:30-33) To esia dzi la, Yehowa na numekɔkɔ geɖe wu tso ƒome si me Mesia la ado tso ŋu. Yehowa gblɔ be David ƒe dzidzimevi sia anye Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia si dze le se nu. (Xezekiel 21:30-32) David ƒe dziɖuɖua anɔ anyi tegbee, le gɔmesesea nu be Yesu, si nye David ƒe dzidzimevi la, ‘anɔ anyi tegbee eye eƒe fiazikpui anɔ anyi ɖaa abe ɣe ene.’ (Psalmo 89:35-38) Míeka ɖe edzi be Mesia la ƒe dziɖuɖua mawɔ nu madzɔmadzɔ gbeɖe o eye ahe yayra mavɔwo vɛ na ameƒomea!

NUNƆLANYENYE ŊUTI NUBABLA

15-17. Le nunɔla si le abe Melxizedek ene ƒe nubablaa nu la, dɔ bubu kae dzidzimevi la awɔ, eye nu ka tae?

15 Nu si Mawu bla kple Abraham kple esi wòbla kple David la ɖo kpe edzi be nyɔnua ƒe dzidzimevi la anye fia. Gake hafi eƒe dziɖuɖu naɖe vi  na ameƒomea katã bliboe la, ele be eƒe wɔƒe nayi ŋgɔ wu fianyenye ko. Ele be dzidzimevia nanye nunɔla hã. Nunɔla koe ate ŋu asa vɔ si hiã be amegbetɔwo navo tso nu vɔ̃ si me eye woava nye Yehowa ƒe ƒome si me nuteƒewɔlawo le le dziƒo kple anyigba dzi la me tɔwo. Be Yehowa nakpɔ egbɔ be dzidzimevia ava nye nunɔla la, ewɔ nubabla bubu, si nye nunɔla si le abe Melxizedek ene ƒe nubabla.

16 Mawu ɖee fia to Fia David dzi be ye ŋutɔ yeabla nu kple Yesu. Nubabla ma lɔ nu eve ɖe eme: gbãtɔe nye be Yesu ‘abɔbɔ anɔ [Mawu ƒe] nuɖusi me’ eye woana ŋusẽe be wòaɖu eƒe futɔwo katã dzi; eye eveliae nye be Yesu anye “nunɔla tegbee le Melxizedek ƒe kɔa nu.” (Mixlẽ Psalmo 110:1, 2, 4.) Gake nu ka tae Yesu anye nunɔla “le Melxizedek ƒe kɔa nu”? Ɣeyiɣi didi aɖe hafi Abraham ƒe dzidzimeviwo nanyi Ŋugbedodonyigbaa dome la, Melxizedek nye Salem fia kple “Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nunɔla.” (Hebritɔwo 7:1-3) Yehowa ŋutɔe ɖo Melxizedek fia kple nunɔlae, eye do ŋgɔ na Yesu ƒe vava la, eya ɖeka ko sie ɖoƒe eve mawo nɔ. Azɔ hã esi nuŋlɔɖi aɖeke meli be ɖoƒe ma nɔ ame bubu aɖeke si do ŋgɔ na Melxizedek alo le eyome o ta la, ɖeko wòle abe ɖe wònye “nunɔla tso mavɔ me yi mavɔ me” ene.

To nunɔla si le abe Melxizedek ene ƒe nubablaa dzi la, Mawu ŋutɔ ɖo Yesu be wòanye nunɔla

17 To nubabla sia dzi la, Mawu ŋutɔ ɖo Yesu nunɔlae. Yesu ayi edzi anye ‘nunɔla abe Melxizedek ene yi mavɔmavɔ me.’ (Hebritɔwo 5:4-6) Nubabla sia na eme kɔ ƒãa be Yehowa akpɔ egbɔ be yeto Mesia Fiaɖuƒea dzi na yeƒe tameɖoɖo na ameƒomea kple anyigba la siaa va eme.

NUBABLA SIWO LE SE NU NYE GƆMEÐOANYI NA FIAÐUƑEA

18, 19. (a) Aleke nubabla siwo me míedzro la do ƒome kple Fiaɖuƒeae? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Va de asi na fifia la, míesrɔ̃ nu tso ale si nubablaawo dometɔ ɖe sia ɖe do ƒome kple Mesia Fiaɖuƒea kple ale si wotu Fiaɖuƒea ɖe nubablawo dzi si wɔe be kakaɖedzi le eŋu la ŋu. Eden-bɔa me ŋugbedodoa ɖo kpe edzi be Yehowa ato nyɔnua ƒe dzidzimevi la dzi ana eƒe tameɖoɖo na ameƒomea kple anyigba la nava eme. Nu si Mawu bla kple Abraham la na numekɔkɔwo tso ame si dzidzimevia anye kple eƒe wɔƒe ŋu.

19 Nu si Mawu bla kple David la ɖe nya bubuwo fia tso ƒome si me Mesia la adzɔ tso ŋu. Nubabla ma na gome Yesu be wòaɖu anyigba dzi tegbee. Nunɔla si le abe Melxizedek ene ƒe nubabla la ɖo kpe edzi be dzidzimevi la anye nunɔla. Gake menye Yesu ɖeka koe akpe ɖe amegbetɔwo ŋu be woade blibo o. Wotia ame bubuwo hã be woanye fiawo kple nunɔlawo akpe ɖe eŋu. Afi kae ame siawo atso? Míadzro nya sia me le nyati si kplɔe ɖo me.