Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbetsitsi Le Xexe Xoxo Sia Ƒe Nuwuwu Bia Ðekawɔwɔ

Agbetsitsi Le Xexe Xoxo Sia Ƒe Nuwuwu Bia Ðekawɔwɔ

“Ŋutinuwoe míenye na mía nɔewo.”EFESOTƆWO 4:25.

1, 2. Aleke Mawu di be yeƒe amewo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, nade ta agu na ye?

SƆHƐ ye nènyea? Ne nenemae la, ke ka ɖe edzi be èle akpa vevi aɖe wɔm le Yehowa ƒe xexea me godoo ƒe hamea me. Le dukɔ geɖewo me la, ame siwo xɔa nyɔnyrɔ la dometɔ geɖewo nye sɔhɛwo. Aleke gbegbe dzi dzɔa míi ye nye esi ne míekpɔ ale si sɔhɛ geɖewo tso nya me be yewoasubɔ Yehowa!

2 Ne sɔhɛe nènye la, ɖe hadede kple mia tɔ sɔhɛ bubuwo dzɔa dzi na wòa? Anɔ eme be ele nenema. Mía xɔlɔ̃ siwo nye mía hatiwo dome nɔnɔ dzɔa dzi na mí. Ke hã, Yehowa di be míawɔ ɖeka kple mía nɔviwo katã le tadedeagu na ye me. Edi be yeƒe amewo katã nawɔ ɖeka, metsɔ le eme ƒe si woxɔ alo afi si wotso o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena, Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be “woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.” (1 Timoteo 2:3, 4) Azɔ hã, Nyaɖeɖefia 7:9 gblɔ tso Mawu subɔlawo ŋu be wotso “dukɔwo kple towo kple  ame ƒomeviwo kpakple gbegbɔgblɔwo katã me.”

3, 4. (a) Nɔnɔme kae le sɔhɛ geɖewo si egbea? (b) Aleke Paulo ɖɔ hameae le Efesotɔwo 4:25?

3 Vovototo gã aɖe le sɔhɛ siwo subɔa Yehowa kple esiwo mesubɔnɛ o dome. Ame siwo mesubɔa Yehowa o dometɔ geɖe nye ɖokuiŋudzelawo kple ɖokuitɔdilawo. Numekulawo gblɔ gɔ̃ hã be sɔhɛwo nye ɖokuitɔdilawo egbea wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Ale si woƒoa nui kple nu siwo wodona la ɖenɛ fiana be womebua ame tsitsiwo gɔ̃ hã o.

Esi míele Satana ƒe xexea ƒe nuwuwu gogom la, agava nɔ vevie wu be míawɔ ɖeka

4 Nɔnɔme ma bɔ ɖe afi sia afi, eya ta ebia agbagbadzedze blibo be woaƒo asa nɛ ahawɔ nu si dze Yehowa ŋu. Le ƒe alafa gbãtɔ me gɔ̃ hã la, Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo tso nɔnɔme ma tɔgbi ŋu. Eyɔe be “gbɔgbɔ si le dɔ wɔm le tomaɖomaɖo ƒe viwo me fifia.” (Mixlẽ Efesotɔwo 2:1-3.) Enye dzidzɔ na mí be sɔhɛ siwo le Kristo hamea me la mele nenema o. Wodina be yewoawɔ ɖeka kple yewo nɔviwo le Yehowa subɔsubɔ me. Wokpɔe dze sii be hame la le abe ŋutilã ɖeka si ŋu ŋutinu vovovo siwo wɔa nu aduadu le la ene. Abe ale si Paulo gblɔe ene la, “ŋutinuwoe míenye na mía nɔewo.” (Efesotɔwo 4:25) Esi míele Satana ƒe xexea ƒe nuwuwu gogom la, agava nɔ vevie wu be míawɔ ɖeka kple mía nɔviwo. Biblia me kpɔɖeŋu siwo me míadzro la ana míakpɔ nu si tae wòle vevie be míawɔ ɖeka ahanɔ mía nɔewo ŋu kplikplikpli.

WONƆ WO NƆEWO ŊU KPLIKPLIKPLI

5, 6. Nu kae míesrɔ̃ tso Lot kple eƒe ƒomea gbɔ?

5 Le blema la, Yehowa ƒe amewo to nɔnɔme siwo me woƒe agbe ɖo afɔku le la me. Yehowa kpɔ wo ta esi wowɔ ɖeka hekpe ɖe wo nɔewo ŋu. Mí katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, míate ŋu asrɔ̃ nu tso Biblia me kpɔɖeŋu siawo me. Na míadzro nu si dzɔ ɖe Lot dzi me kpɔ.

6 Lot kple eƒe ƒomea ɖo afɔku me. Yehowa ɖo be yeatsrɔ̃ Sodom, si nye dugã si me wonɔ la. Eya ta edɔ mawudɔlawo be woaxlɔ̃ nu Lot be wòadzo le dua me eye wòasi ayi towo dzi. Wogblɔ nɛ be: ‘Wò afɔ netsɔ nàɖe wò agbe!’ (1 Mose 19:12-22) Lot kple vianyɔnu eveawo wɔ ɖe mɔfiamea dzi. Gake nublanuitɔe la, Lot ƒe ƒometɔ  aɖewo mewɔ ɖe edzi o. Esi Lot gblɔe na toyɔviawo, siwo gbɔna vianyɔnuawo ɖe ge la be woadzo la, ɖeko wobui be “nukonyae” ame tsitsia le gbɔgblɔm na yewo. Womebu nu si wògblɔ na wo la ŋkubiãnyae o, eya ta woku esime wotsrɔ̃ dua. (1 Mose 19:14) Lot kple vianyɔnuawo koe tsi agbe, le esi woɖo to henɔ wo nɔewo ŋu kplikplikpli ta.

7. Aleke Yehowa kpɔ ƒuƒoƒo wɔɖeka si ʋu tso Egipte la tae?

7 Nufiame aɖe le Israel-viwo ƒe ʋuʋu tso Egipte hã me na mí. Womema ɖe ƒuƒoƒo suesuesuewo me, ale be ƒuƒoƒo ɖe sia ɖe nalé eƒe mɔ atsɔ ayi Ŋugbedodonyigbaa dzi o. Ke boŋ, wozɔ mɔa ɖekae le ƒuƒoƒo ɖeka me. Eye esi Yehowa ma Ƒudzĩa la, menye Mose ɖeka, alo wo kple Israel-vi ʋɛ aɖewo koe tso ƒua o. Dukɔ bliboa yi kple Mose, eye Yehowa kpɔ wo ta. (2 Mose 14:21, 22, 29, 30) Azɔ hã, ame geɖe siwo menye Israel-viwo o gɔ̃ hã tso nya me be yewoasubɔ Yehowa eye woʋu dzo le Egipte kpli wo. Wonɔ wo nɔewo ŋu kplikplikpli. (2 Mose 12:38) Anye bometsinuwɔwɔ be ɖewohĩ sɔhɛwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe naɖe wo ɖokui ɖe aga be yewoato mɔ bubu si dze yewo ŋutɔwo ŋu. Yehowa makpɔ ame si alé ye ŋutɔ ƒe mɔ atsɔ la ta o.1 Korintotɔwo 10:1.

8. Aleke Mawu ƒe amewo wɔ ɖekae le Yosafat ƒe ŋkekea me?

8 Aʋakɔ gã nyadri aɖe ho ɖe Mawu ƒe amewo ŋu Le Fia Yosafat ƒe ŋkekea me. (2 Kronika 20:1, 2) Nu kae Israel-viwo wɔ esi futɔ dziŋɔ sia ɖe to ɖe wo? Woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hedo gbe ɖa be wòafia mɔ yewo. (Mixlẽ 2 Kronika 20:3, 4.) Israel-vi ɖekaɖekawo mete kpɔ be yewoakpɔ ta na nyaa le yewo ɖokui si o, ke boŋ wo katã wova kpe ta. Biblia gblɔ be: “Yuda blibo la tsi tre ɖe Yehowa ŋku me, keke woƒe vidzĩewo, wo srɔ̃wo kple woƒe viŋutsuwo ke hã le eme.” (2 Kronika 20:13) Dukɔ bliboa katã, ɖeviwo kple tsitsiawo, ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye wowɔ nu si wogblɔ na wo. Wonɔ wo nɔewo ŋu kplikplikpli, eye Yehowa kpɔ wo ta tso woƒe futɔwo si me. (2 Kronika 20:20-27) Ale si Mawu ƒe amewo ate ŋu awɔ ɖeka anɔ te ɖe tsitretsitsi nu ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖee nye esia.

9. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gbɔ?

9 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔwo subɔ Yehowa le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o siaa zu Kristotɔwo eye wolé apostoloawo ƒe nufiafia me ɖe asi. Wode ha kple wo nɔewo, woɖu nu ɖekae, eye wodo gbe ɖa hã ɖekae. (Dɔwɔwɔwo 2:42) Eye esi woti Kristotɔwo yome gɔ̃ hã la, woyi edzi wɔ ɖeka. Ɣeyiɣi ma mee wohiã na wo nɔewo wu. (Dɔwɔwɔwo 4:23, 24) Ne woti mía yome la, ele be míawo hã míawɔ ɖeka eye míakpe ɖe mía nɔewo ŋu.

MÍAWƆ ÐEKA HAFI YEHOWA ƑE ŊKEKEA NAVA

10. Ɣekaɣie wòahiã vevie ŋutɔ be míawɔ ɖeka?

10 Eteƒe madidi o, míato ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake me le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me. Nyagblɔɖila Yoel ɖɔ ɣeyiɣi ma be “viviti kple blukɔdogbe.” (Yoel 2:1, 2; Zefaniya 1:14) Ɣemaɣi la, ahiã be Mawu ƒe amewo nawɔ ɖeka wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Ele be míaɖo ŋku nya si Yesu gblɔ dzi be: “Fiaɖuƒe ɖe sia ɖe si ma ɖe eɖokui ŋu la zua aƒedo.”Mateo 12:25.

11. Nu kae Mawu ƒe amewo ate ŋu asrɔ̃ tso ɖekawɔwɔ ŋu le Psalmo 122:3, 4? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

 11 Aleke gbegbee wòahiã be míawɔ ɖeka? Míate ŋu asrɔ̃ nane tso ale si wotua xɔwoe le blema Yerusalem la me. Wotua xɔwo tsiãna ɖe wo nɔewo nu kplikplikpli ale gbegbe be hakpalaa ɖɔe be enye du si “wotsiã ɖe wo nɔewo nu.” Dua me tɔwo kpɔe be yewole dedie, elabena wote ɖe wo nɔewo ŋu, eya ta ele bɔbɔe be woakpe ɖe wo nɔewo ŋu ahakpɔ wo nɔewo ta. Aƒeawo ƒe tete ɖe wo nɔewo ŋu hã anya ɖo ŋku ale si Israel ƒe ƒomewo ƒoa ƒu abe dukɔ ɖeka ene dea ta agu na Yehowa la dzi na hakpalaa. (Mixlẽ Psalmo 122:3, 4.) Le egbeŋkekea kple ɣeyiɣi sesẽ siwo gbɔna me la, ele vevie ŋutɔ be Yehowa ƒe amewo nate “ɖe wo nɔewo” ŋu kplikplikpli.

Yehowa ƒe tameɖoɖoe nye be yeaƒo ame siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nu ƒu ɖe ƒome ɖeka si anɔ ta dem agu na ye la me

12. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míatsi agbe ne Gog dze Yehowa ƒe amewo dzi?

12 Nu ka tae ɖekawɔwɔ anɔ vevie na mí nenema gbegbe le etsɔme? Wogblɔe ɖi le Xezekiel ta 38 be ‘Gog, si tso Magog-nyigba dzi’ la adze Yehowa ƒe amewo dzi. Manye ɣemaɣie míaɖe mɔ be nane nade mama mía dome o. Vodada gã aɖe hãe wòanye be míabui be Satana ƒe xexea akpɔ mía ta. Le ema teƒe la, ele be míanɔ mía nɔviwo ŋu kplikplikpli. Gake esia mefia be míatsi agbe le esi míeƒo ƒu ɖekae kple mía nɔviwo ta ko o. Ele be mí ame ɖekaɖekawo míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ahaɖo toe. Ekema Yehowa kple Yesu hã akpɔ mía ta le amedzidzedze ma me ahakplɔ mí dedie ayi xexe yeyea me. (Yoel 3:5; Mateo 28:20) Gake ele be míayi edzi awɔ ɖeka kple Mawu ƒe amewo hã. Èsusu be Yehowa akpɔ ame siwo tiae be yewoalé yewo ŋutɔwo ƒe mɔ atsɔ la ta?Mixa 2:12.

13. Nu kawoe sɔhɛwo ate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu siwo me míedzro la me?

13 Ne sɔhɛe nènye la, èkpɔ ale si gbegbe nunya le eme be míanɔ mía nɔviwo ŋu kplikplikplia? Dze agbagba be nàgade ha kple hawòtiwo ko alo aɖe ɖokuiwò ɖe aga o. Eteƒe madidi o, mí katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, míahiã na mía nɔewo vevie ŋutɔ. Do ŋusẽ kadodo si le mia kple nɔviwòwo dome fifia eye nàkpɔ dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me kpli wo. Le etsɔme la, ɖekawɔwɔ kple Yehowa ƒe amewo akpɔ tawò!

“ŊUTINUWOE MÍENYE NA MÍA NƆEWO”

14, 15. (a) Nu ka tae Yehowa le hehe nam mí be míawɔ ɖeka? (b) Aɖaŋu kawoe Yehowa ɖona na mí be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖeka?

14 Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu be míatsɔ ‘nusɔsɔ asubɔ’ ye ɖekae kple mía nɔviwo. (Zefaniya 3:8, 9) Ele hehe nam mí ɖe etsɔme ŋu esime “wòagaƒo nuwo katã nu ƒu ɖekae ake ɖe Kristo la me.” (Mixlẽ Efesotɔwo 1:9, 10.) Yehowa ƒe tameɖoɖoe nye be yeaƒo ame siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nu ƒu ɖe ƒome ɖeka si anɔ ta dem agu na ye la me. Eye kakaɖedzi blibo li be  Yehowa awɔ esia. Sɔhɛwo, miate ŋu anye ƒome ma me tɔwo tegbee. Ðe nèdi be yeawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe habɔbɔa?

15 Yehowa le hehe nam mí fifia be míawɔ ɖeka ale be míate ŋu anɔ anyi kple mía nɔewo le ŋutifafa me le xexe yeyea me. Egbɔ dzi ɖi na mí le mía fiam be ‘míalé be na mía nɔewo sɔsɔe,’ ‘míalɔ̃ mía nɔewo vevie,’ ‘anɔ akɔ fam na mía nɔewo’ ahanɔ ‘mía nɔewo tum ɖo.’ (1 Korintotɔwo 12:25; Romatɔwo 12:10; 1 Tesalonikatɔwo 4:18; 5:11) Yehowa nyae be esi míede blibo o ta la, menye ɣesiaɣie wònɔa bɔbɔe na mí be míawɔ ɖeka o. Eya tae wòle mía fiam be míayi edzi atsɔe anɔ “mia nɔewo kem faa” ɖo.Efesotɔwo 4:32.

16, 17. (a) Susu siwo tae míedea kpekpewo dometɔ ɖeka ɖe? (b) Nu kae ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?

16 Mɔ bubu si dzi Yehowa tona kpena ɖe mía ŋu be mía dome nanɔ kplikplikplie nye to kpekpeawo dede dzi. Hebritɔwo 10:24, 25 ɖoa ŋku edzi na mí be susu siwo tae míekpea ta ɖo dometɔ ɖekae nye be míade dzi ƒo na mía nɔewo ɖe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu. Eye kpekpeawo dede anɔ vevie na mí wu zi ale si míele Yehowa ƒe ŋkekea gogom.

17 Yesu ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí, elabena elɔ̃a ƒuƒoƒo kple Yehowa ƒe amewo. Esi wòxɔ ƒe 12 la, wo kple edzilawo wode takpekpe gã aɖe le gbedoxɔa me. Eva ɖo ɣeaɖeɣi la, womegava nɔ Yesu kpɔm o. Ðe wòyi ɖanɔ ha dem kple ɖevi bubuwoa? Ao. Esi Yesu dzilawo ke ɖe eŋu la, enɔ nufialawo dome le gbedoxɔa me nɔ Ŋɔŋlɔawo me dzrom kpli wo.Luka 2:45-47.

18. Aleke gbedodoɖa ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe ɖekawɔwɔae?

18 Ne míedoa gbe ɖa ɖe mía nɔviwo ta hegblɔa mɔ ŋutɔŋutɔ siwo nu Yehowa nakpe ɖe wo ŋu le la, esia hã doa ŋusẽ míaƒe ɖekawɔwɔa. Gbedodoɖa ɖe mía nɔviwo ta ɖea ale si gbegbe míetsɔ ɖe le eme na woe la fiana. Ele vevie be míalɔ̃ mía nɔviwo, ade dzi ƒo na wo le míaƒe kpekpewo me, eye míado gbe ɖa ɖe wo ta. Ðeviwo, ɖe miedzea agbagba be yewoawɔ nu siawo  ale be miava nye xɔlɔ̃ nyuiwo na miaƒe hamea me tɔwoa? Be míatsi agbe le nuwuwuŋkekea dzi la, ele be míate ɖe mía nɔviwo ŋu kplikplikpli, ke menye ɖe Satana ƒe xexea ŋu o.

Mí katã míate ŋu ado gbe ɖa ɖe mía nɔviwo ta (Kpɔ memama 18)

ALE SI MÍAÐEE AFIA BE ‘ŊUTINUWOE MÍENYE NA MÍA NƆEWO’

19-21. (a) Nu kae míaƒe dzi ʋãa mí míewɔna le esi míenye ‘ŋutinuwo na mía nɔewo’ ta? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋuwo. (b) Nu kae nèsrɔ̃ tso ale si mía nɔviwo kpena ɖe wo nɔewo ŋu ne afɔkuwo dzɔ la me?

19 Kpɔɖeŋu geɖewo ɖee fia be Yehowa ƒe ame siwo li egbea la nye ‘ŋutinuwo na wo nɔewo.’ (Romatɔwo 12:5) Ne afɔkuwo dzɔ ɖe mía nɔviwo dzi la, míesea veve ɖe wo nu eye míedina be míakpe ɖe wo ŋu. Le December 2011 me la, ahom sesẽ aɖe tu le ƒukpo si nye Mindanao dzi le Philippines. Le zã ɖeka ko me la, tsi ɖe aƒe siwo wu 40,000, eye mía nɔvi geɖewo ƒe aƒewo hã le eme. Alɔdzedɔwɔƒea ka nya ta be hafi nutoa me ƒe kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo nava ɖo la, “nɔvi Kristotɔ siwo tso nuto bubuwo me la va nɔ kpekpeɖeŋu nam xoxo.”

20 Le Japan la, mía nɔviwo kpe fu ŋutɔ esi ƒugɔmenyigbaʋuʋu gã aɖe na atsiaƒu ɖe dukɔa ƒe ɣedzeƒenutowo me. Ame geɖewo ƒe nunɔamesiwo katã dome gblẽ. Le kpɔɖeŋu me, aƒe si me Yoshiko nɔ la tsrɔ̃. Afi si wònɔ la didi tso Fiaɖuƒe Akpataa gbɔ abe kilometa 40 ene. Egblɔ be: “Ewɔ nuku na mí ŋutɔ be le anyigbaʋuʋua ƒe ŋufɔke la, nutome sue dzikpɔlaa kple nɔviŋutsu bubu aɖe va nɔ mía dim.” Yoshiko nɔ alɔgbɔnu kom ŋɔnyɔɔ esi wògblɔ kpee be: “Dzi dzɔ mí ŋutɔ be woto hamea dzi kpɔ míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na mí wu ale si míesusui gɔ̃ hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wona awuwo, afɔkpawo, akplowo kple anyimlɔwuwo mí.” Kpekpeɖeŋunakɔmiti la me tɔwo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nɔvi siwo tso Japan ƒe teƒe vovovowo la wɔ ɖeka kpe ɖe wo nɔewo ŋu. Nɔviwo tso keke United States gɔ̃ hã va kpe ɖe mía ŋu. Esi wobia wo be nu ka tae wozɔ mɔ legbee ma gbegbe ɖo hã la, woɖo eŋu be, ‘Mía kple mía nɔvi siwo le Japan la míele ɖeka, eye wohiã na kpekpeɖeŋu.’” Ðe wònye dada na wò be èle habɔbɔ si me tɔwo lɔ̃ wo nɔewo vavã la domea? Bu dzidzɔ si gbegbe míaƒe ɖekawɔwɔa nyena na Yehowa ŋu kpɔ.

21 Ne míekpena ɖe mía nɔewo ŋu nenema fifia la, adzra mí ɖo ɖe ɣeyiɣi sesẽwo ŋu le etsɔme. Ne kadodo megava le mía kple nɔvi siwo le xexea ƒe teƒe bubuwo dome o gɔ̃ hã la, ɖekawɔwɔ akpɔtɔ anɔ mía kple nɔvi siwo dome míele la dome. Nɔvinyɔnu Fumiko, si le Japan, si tsi agbe esi ahom sesẽ aɖe tu la gblɔ be: “Nuwuwua tu aƒe ŋutɔ. Ele be míayi edzi anɔ kpekpem ɖe mía nɔvi haxɔsetɔwo ŋu esime míele ɣeyiɣi si me afɔkuwo magadzɔ o la lalam.”

22. Aleke míaƒe ɖekawɔwɔa akpe ɖe mía ŋu le etsɔmee?

22 Wɔ nu sia nu si nàte ŋui be ɖekawɔwɔ nanɔ mia kple nɔviwòwo dome, ale be nànɔ dzadzraɖoɖi na Yehowa ƒe ŋkekea. Ne Yehowa va tsrɔ̃ Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia la, axɔ na eƒe amewo, abe ale si ko wòwɔe le blema ene. (Yesaya 52:9, 10) Èɖanye ɖevi alo ame tsitsi o, ele be nàwɔ ɖeka kple Mawu ƒe amewo hafi akpɔ ɖeɖe. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro nu si tae wòle be míada akpe ɖe nane si su mía si xoxo ta la me.