Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèdea Asixɔxɔ Nu Si Su Asiwò La Ŋua?

Ðe Nèdea Asixɔxɔ Nu Si Su Asiwò La Ŋua?

“Gbɔgbɔ si tso Mawu gbɔ lae míexɔ, bene míanya nu siwo Mawu na mí dɔmenyotɔe la.”1 KORINTOTƆWO 2:12.

1. Aleke ame geɖe bua nu siwo le wo si?

ÐE NÈSE amewo gblɔ kpɔ be, “Màkpɔ nu si le asiwò ƒe vevienyenye o, va se ɖe esime wòdo le asiwò hafia”? Ðewohĩ èse le ɖokuiwò me nenema kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be ame si wodzi ɖe ƒome si me ga le la nabu nu geɖewo nu tsɛe. Alo esi nuteƒekpɔkpɔ mesu sɔhɛ aɖe si le agbe me o ta la, asesẽ nɛ be wòakpɔ nu siwo le vevie wu le agbe me la adze sii.

2, 3. (a) Nuŋububu kae wòle be sɔhɛ Kristotɔwo naƒo asa na? (b) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade asixɔxɔ nu si su mía si la ŋu?

2 Ne sɔhɛe nènye la, nu kae le vevie na wò wu? Le sɔhɛ siwo le xexea me dometɔ geɖe gome la, ŋutilãmenuwoe nye nu vevitɔ na wo le agbe me. Nu siwo wodinae nye dɔ gãwo, aƒe nyuiwo, alo elektrɔnik mɔɖaŋunu yeyewo. Ne nu mawo ŋu koe woƒe susu nɔna la, ke nu si nye vevitɔ wu la le wo ŋu tom, si nye wo kple Mawu dome ƒomedodoa. Ne dzila Kristotɔwoe he wò la, ke gbɔgbɔmedomenyinu xɔasi aɖee nye ema su asiwò. (Mateo 5:3)  Ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe wò gbɔgbɔmedomenyinua ŋu ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò le wò agbemeŋkeke mamlɛawo katã me.

3 Gake mehiã be esia nadzɔ ɖe dziwò o. Míadzro Biblia me kpɔɖeŋu siwo akpe ɖe ŋuwò nàde asixɔxɔ wò gbɔgbɔmedomenyinua ŋu la dometɔ aɖewo me. Menye sɔhɛwo koe wòaɖe vi na o, ke akpe ɖe mí katã ŋu be míade asixɔxɔ nu si Yehowa na mí la ŋu.

WOMEDE ASIXƆXƆ NU SI SU WO SI ŊU O

4. Nu kae 1 Samuel 8:1-5 gblɔ tso Samuel ƒe viwo ŋu?

4 Le Biblia me la, woƒo nu tso ame siwo si gbɔgbɔmedomenyinu xɔasiwo su gake womede asixɔxɔ wo ŋu o la ŋu. Nyagblɔɖila Samuel dze Yehowa subɔsubɔ gɔme esime wònye ɖevi dzaa ko, eye wòyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa. (1 Samuel 12:1-5) Samuel ɖo kpɔɖeŋu nyui, gake via Yoel kple Abia meto eƒe ʋe me o. Ke boŋ wowɔ nu gbegblẽwo kple nu tovowo.Mixlẽ 1 Samuel 8:1-5.

5, 6. Nu kae va dzɔ ɖe Yosiya viŋutsuwo kple tɔgbuiayɔvi dzi?

5 Nenema kee wònɔ le Fia Yosiya ƒe viwo hã gome. Yosiya nye fia wɔnuteƒe si lɔ̃ Yehowa hesubɔe. Esi woke ɖe Mawu ƒe Segbalẽa ŋu eye woxlẽe na Yosiya la, ewɔ Yehowa ƒe mɔfiame siwo le eme la dzi. Eɖe trɔ̃subɔsubɔ kple gbɔgbɔyɔyɔ ɖa le anyigba la dzi, eye wòde dzi ƒo na dukɔ la be woaɖo to Yehowa. (2 Fiawo 22:8; 23:2, 3, 12-15, 24, 25) Gbɔgbɔmedomenyinu xɔasi aɖee wògblẽ ɖi na viaŋutsuawo! Gake esi viaŋutsu etɔ̃ kple tɔgbuiayɔvi ɖeka wova zu fiawo la, wo dometɔ aɖeke mede asixɔxɔ woƒe domenyinua ŋu o.

6 Esi Yosiya viŋutsu Yoaxaz zu fia la, ewɔ “nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume.” Enye fia ɣleti etɔ̃ pɛ ko eye Egiptetɔwo ƒe Farao aɖe na wolée de gaxɔ me. Emegbe eku le aboyo me le anyigba didi aɖe dzi. (2 Fiawo 23:31-34) Eyome nɔviaŋutsu Yoyakim ɖu fia ƒe 11. Eya hã mede asixɔxɔ nu si dome wònyi tso fofoa gbɔ la ŋu o. Ewɔ nu tovo ale gbegbe be Yeremiya gblɔ tso eŋu be: “Woaɖii abe tedzi ene.” (Yeremiya 22:17-19) Yosiya ƒe vi Zedekiya kple tɔgbuiayɔvi Yoyaxin hã wɔ nu gbegblẽ nenema ke, eye wometo nuteƒewɔla Yosiya ƒe ʋe me o.2 Fiawo 24:8, 9, 18, 19.

7, 8. (a) Aleke Salomo gblẽ eƒe gbɔgbɔmedomenyinua domee? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me siwo gblẽ woƒe gbɔgbɔmedomenyinuwo dome la gbɔ?

 7 Fia Salomo srɔ̃ nu geɖe tso fofoa David gbɔ ku ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu, gake emegbe megava de asixɔxɔ eƒe gbɔgbɔmedomenyinua ŋu o. “Esime Salomo tsi la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo abe fofoa Dawid ƒe dzi ene o.” (1 Fiawo 11:4) Le esia ta, Salomo ƒe nu megava dze Yehowa ŋu o.

8 Mɔnukpɔkpɔ su ŋutsu mawo katã si be woadze si Yehowa ahawɔ nuteƒe hafi. Gake nublanuitɔe la, womewɔe nenema o. Ke hã menye sɔhɛwo katãe gblẽ woƒe gbɔgbɔmedomenyinua dome o. Fifia, míakpɔ nu si nàte ŋu asrɔ̃ tso sɔhɛ siwo ɖo kpɔɖeŋu nyui la gbɔ.

AME SIWO DE ASIXƆXƆ NU SIWO SU WO SI ŊU

9. Kpɔɖeŋu nyui kae Noa viŋutsuwo ɖo ɖi? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

9 Noa viŋutsuwo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Mɔnukpɔkpɔ su wo si be woakpe ɖe Noa ŋu wòakpa aɖakaʋu si dzi woato aɖe amewo. Wonyae be ele be yewoaɖo to Yehowa, eye woyi ɖe aɖakaʋua me hafi Tsiɖɔɖɔa va. (1 Mose 7:1, 7) Nu kae do tso eme? Wogblɔ le 1 Mose 7:3 be wokplɔ lãwo yi ɖe aɖakaʋu la me “bena woƒe ƒomewo natsi agbe le anyigba dzi.” Amegbetɔwo hã tsi agbe. Esi Noa ƒe viwo de asixɔxɔ woƒe gbɔgbɔmedomenyinua ŋu ta la, mɔnukpɔkpɔ su wo si wokpe asi ɖe eŋu be wokpɔ ameƒomea ta hegbugbɔ gaɖo tadedeagu vavãtɔ anyi le anyigba dzi.1 Mose 8:20; 9:18, 19.

Hebri ɖekakpui eneawo meŋlɔ ame siwo wonye kple nu siwo wosrɔ̃ va yi la be o

10. Aleke Hebri ɖekakpui ene siwo nɔ Babilon la ɖee fia be yewode asixɔxɔ yewoƒe gbɔgbɔmedomenyinua ŋu?

10 Ƒe alafa geɖe megbe la, Hebri ɖekakpui ene aɖewo gbe be yewomawɔ nu abe Babilontɔwo ene o. Wolé Xananya, Misael, Azarya kple Daniel yi aboyo me le ƒe 617 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me. Wodze ɖeka, woƒe tagbɔ kɔ, eye nu ate ŋu adze edzi na wo le Babilontɔwo ƒe nuɖoanyia me hafi. Gake womeŋlɔ ame siwo wonye kple nu siwo wosrɔ̃ va yi la be o, eye Yehowa yra wo ɖe esia ta ŋutɔ.Mixlẽ Daniel 1:8, 11-15, 20.

11. Aleke Yesu ƒe gbɔgbɔmedomenyinua ɖe vi na ame bubuwo?

11 Yesu ye nye ame si ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake le ame siwo de asixɔxɔ woƒe gbɔgbɔmedomenyinua ŋu la dome. Yesu lɔ̃ nu si Fofoa fiae la vevie. Esia dze ƒãa le nya si wògblɔ me be: “Ale si Fofo la fiam la, nya siawo megblɔna.” (Yohanes 8:28) Elɔ̃a nu siwo wòsrɔ̃ la gbɔgblɔ na amewo bena wòaɖe vi na woawo hã. Egblɔ be: “Ele be magblɔ Mawu fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.” (Luka 4:18, 43) Xexea medea asixɔxɔ aɖeke nyateƒe si tso Mawu gbɔ la ŋu o, eya tae Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be womeganye “xexea ƒe akpa aɖeke o” ɖo.Yohanes 15:19.

 DE ASIXƆXƆ NU SI SU ASIWÒ LA ŊU

12. (a) Aleke 2 Timoteo 3:14-17 me nyawo nye nyateƒe le sɔhɛ geɖe gome egbeae? (b) Nya kawoe wòle be sɔhɛ Kristotɔwo nabia wo ɖokui?

12 Ne dziwòlawo nye ame siwo lɔ̃ Yehowa la, ke gbɔgbɔmedomenyinue nye ema su asiwò. Anɔ eme be nya si Biblia gblɔ tso Timoteo ŋu la nye nyateƒe le gowòme. (Mixlẽ 2 Timoteo 3:14-17.) Dziwòlawo fia nu wò tso Yehowa ŋu kpakple ale si nàwɔ adze eŋu. Ðewohĩ wofia nu wò tso wò vidzĩ me ke. Esia kpe ɖe ŋuwò nèzu “nunyala hena ɖeɖekpɔkpɔ to Kristo Yesu dzi xɔxɔse me” eye wòna nèle “dzadzraɖoɖi keŋkeŋ” be nàsubɔ Mawu. Gake ɖe nèdea asixɔxɔ nu si su asiwò la ŋu vavã? Bia ɖokuiwò be: ‘Aleke mesena le ɖokuinye me ku ɖe ɖasefo wɔnuteƒe geɖe siwo nɔ anyi va yi la ŋu? Ðe wònye dada nam be menye Yehowa Ðasefoa? Esi mele ame ʋɛ siwo Mawu nya dome la, aleke esia nana mesena le ɖokuinye me? Ðe mekpɔnɛ be mɔnukpɔkpɔ gã xɔasie wònye su asinyea?’

Esi nènye Mawu ƒe ɖasefo wɔnuteƒe abe ame siwo do ŋgɔ na wò ene la, aleke esia nana nèsena le ɖokuiwò me? (Kpɔ memama 9, 10, 12)

13, 14. Nu ka wɔwɔe ate ŋu adzro ame siwo wohe le nyateƒea me, gake nu ka tae ema anye bometsinuwɔwɔ? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

13 Sɔhɛ aɖewo siwo dzilawo nye Kristotɔwo la mekpɔa ale si gbegbe míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa dze anii evɔ Satana ƒe xexea ya do blukɔe la dzea sii o. Edzroa wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã be yewoaɖɔ ale si agbea le le xexea me la akpɔ. Gake ɖe nàgblɔ be yeaƒu du adze ŋgɔ na ʋu si le du dzi kple susu be yeakpɔe ɖa be nu vevi awɔ ye alo be yeaku hã? Esia anye bometsinuwɔwɔ! Eya ta mele be míate nu gbegblẽ siwo le  xexea me la kpɔ be míanya ale si gbegbe woate ŋu ado vevesese na míi o.1 Petro 4:4.

Mele be míate nu gbegblẽ siwo le xexea me la kpɔ be míanya ale si gbegbe woate ŋu ado vevesese na míi o

14 Wohe sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Gener la le nyateƒea me le Asia. Exɔ nyɔnyrɔ esime wòxɔ ƒe 12. Gake le eƒe ƒewuiawo me la, edzroe be yeaɖɔ ale si agbea le le xexea me la kpɔ hesusu be esia ana ablɔɖe ye. Gener va nɔ alakpa dam na eƒe ƒomea me tɔwo eye wòɣlaa eƒe nuwɔna aɖewo ɖe wo. Kaka wòaxɔ ƒe 15 la, eva ƒo eɖokui ɖe nu baɖawo abe ahanono kple amedzudzu ene me, abe ale si exɔlɔ̃awo hã wɔnɛ ene. Gener megagbɔna vaa aƒe me kaba o, eye wònɔa kɔmpiuta dzi fefe siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo le la fem. Mlɔeba, eva kpɔe be nu siwo wɔm yenɔ la mena yenɔ dzidzɔ kple dzidzeme aɖeke kpɔm o. Etrɔ va nyateƒea me fifia. Egblɔ be xexea gadzroa ye ɣeaɖewoɣi, gake nu si le vevie na ye wue nye Yehowa ƒe yayra.

15. Mía dzilawo ɖanye Kristotɔwo alo womenye Kristotɔwo o, nu ka ŋue wòle be mí katã míabu?

15 Ne dziwòlawo mele nyateƒea me o gɔ̃ hã la, bu mɔnukpɔkpɔ gã si su asiwò be nèva dze si Wɔlaa hele esubɔm la ŋu kpɔ! Le ame biliɔn geɖe siwo le anyigba dzi dome la, Yehowa bu ŋuwò heɖe eɖokui fia wò. Yayra gã ka gbegbee nye esi! (Yohanes 6:44, 45) Ne menye mía dzilawo gbɔe míesrɔ̃ nyateƒea le o hã la, ele be míakpɔ dzidzɔ ŋutɔ be míeva dze si nyateƒea. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 2:12.) Gener gblɔ be: “Ame kae menye, be Yehowa, xexea me godoo ƒe Aƒetɔ la nadze sim?” (Psalmo 8:5) Nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Dada ŋutɔe wònyena na sukuviwo ne woƒe nufiala de dzesi wo. Ekema mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wònye be Yehowa, Nufiala Gãtɔ la, nade dzesi mí!”

NU KAE NÀWƆ?

16. Tiatia nyui kae wòle be sɔhɛ Kristotɔwo nawɔ?

16 Bu gbɔgbɔmedomenyinu xɔasi si su asiwò la ŋu, eye nàɖoe wò taɖodzinu be yeasubɔ Yehowa. Srɔ̃ nuteƒewɔla siwo do ŋgɔ la ƒe kpɔɖeŋu  nyuiwo. Mèganɔ abe xexe sia me sɔhɛ geɖe siwo si mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o eye wole woƒe agbe dome gblẽm la ene o.2 Korintotɔwo 4:3, 4.

17-19. Nu ka tae nunya le eme be míato vovo tso xexea gbɔ?

17 Le nyateƒe me la, menye ɣesiaɣie wònɔa bɔbɔe be míato vovo tso xexea gbɔ o. Gake nunya le eme be míawɔe nenema. Le kpɔɖeŋu me, bu ame si nye Olimpik fefewɔla ŋu kpɔ. Hafi wòaɖo ɖoƒe ma la, ele be eƒe nuwɔna nato vovo na ehatiwo tɔ le go geɖe me. Eƒoa asa na nu geɖe siwo axɔ eƒe ɣeyiɣi alo ahe eƒe susu. Ewɔa esiawo katã be yeate ŋu axɔ hehe nyuie ne yeaɖo yeƒe taɖodzinua gbɔ.

Bu gbɔgbɔmedomenyinu xɔasi si su asiwò la ŋu, eye nàɖoe wò taɖodzinu be yeasubɔ Yehowa

18 Le xexea me la, ame akpa gãtɔ mebua nu gbegblẽ siwo ate ŋu ado tso woƒe nuwɔnawo me ŋu o, gake Yehowa subɔlawo ya mele nenema o. Ne míeto vovo tso xexea gbɔ hetsria nuwɔnawo abe gbɔdɔdɔ manɔsenu ene, si ate ŋu agblẽ nu le mía kple Yehowa dome ƒomedodoa ŋu la, míaƒe ‘asi asu agbe vavã la dzi.’ (1 Timoteo 6:19) Nɔvinyɔnu si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Ne ènɔa agbe ɖe wò dzixɔsewo nu la, wò dzi adze eme godoo. Eɖenɛ fiana be ŋusẽ le ŋuwò be màgaɖe mɔ na Satana ƒe xexea be wòakplɔ wò ɖe nu ayii o. Gawu la, àse le ɖokuiwò me ko abe ɖe Yehowa Mawu le dzidzɔ kpɔm ɖe ŋuwò hele alɔgbɔnu kom le wò nuwɔna ta ene! Esiae ana dzi nadzɔ wò be yeto vovo!”

19 Ne wò susu le nu siwo nàte ŋu akpɔ fifia ko ŋu la, wò agbe anye tofloko. (Nyagblɔla 9:2, 10) Ènya nu si tae nèle agbe ɖo eye agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa hã su asiwò. Esia kpena ɖe ŋuwò nèwɔa nuteƒe ale be màganɔ “zɔzɔm, abe ale si dukɔwo hã zɔna” ene o. Taɖodzinu vavã le wò agbe ŋu.Efesotɔwo 4:17; Maleaxi 3:18.

20, 21. Ne míewɔ nu si le eteƒe la, etsɔme kae asu mía si? Gake nu kae Yehowa di tso mía si?

20 Ne míewɔ nu si le eteƒe la, míanɔ dzidzɔ kpɔm fifia, eye míanɔ agbe tegbee le Mawu ƒe xexe yeyea me. Yehowa ayra mí wu ale si míele mɔ kpɔm nɛ gɔ̃ hã. (Mateo 5:5; 19:29; 25:34) Gake menye ame sia ame koe akpɔ yayra siawo o. Yehowa di tso mía si be míaɖo to ye. (Mixlẽ 1 Yohanes 5:3, 4.) Agbagba siwo míadze fifia be míasubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe la manye dzodzro o!

21 Yehowa na nu geɖe mí xoxo. Eƒe Nya la ŋuti sidzedze vavãtɔ kple nyateƒe si ku ɖe eyama kpakple eƒe tameɖoɖowo ŋuti hã su mía si. Mɔnukpɔkpɔe wònye be Yehowa ƒe ŋkɔ le mía ŋu le esi míenye eƒe Ðasefowo ta. Mawu do ŋugbe be yeli kpli mí be yeakpe ɖe mía ŋu. (Psalmo 118:7) Neva eme be mí katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, míaɖee afia be míedea asixɔxɔ míaƒe gbɔgbɔmedomenyinua ŋu eye míedi be míatsɔ ŋutikɔkɔe ana Yehowa “yi mavɔmavɔ me.”Romatɔwo 11:33-36; Psalmo 33:12.