Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Enya Mɔ La’

‘Enya Mɔ La’

GUY HOLLIS PIERCE, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa me tɔ la wu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu le Braɖa, March 18, 2014 dzi, esime wòxɔ ƒe 79. Esi wònye Kristo nɔviwo dometɔ ɖeka ta la, wofɔe ɖe tsitre eye wòxɔ eƒe dziƒofetua.Hebritɔwo 2:10-12; 1 Petro 3:18.

Wodzi Guy Pierce le Auburn, California, le U.S.A., le November 6, 1934 dzi, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1955 me. Eɖe Penny, si nye srɔ̃a lɔlɔ̃a le ƒe 1977 me eye wo kplii wodzi viwo. Enɔ ko abe fofo ene na ame bubu geɖewo hã. Wo kple Penny wodze mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe 1982 me. Ewɔ nutome sue dzikpɔla ƒe dɔa tso ƒe 1986 me le United States, eye wòwɔ dɔ sia ƒe 11.

Guy kple Penny Pierce va zu United States Betel-ƒomea me tɔwo le ƒe 1997 me. Nɔviŋutsu Pierce wɔ dɔ le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea, eye le ƒe 1998 me la, eva zu Dɔdzikpɔhaa ƒe Dɔwɔlawo Ƒe Kɔmiti la ƒe kpeɖeŋutɔ. Esi wogawɔ ƒe sia ƒe ƒe takpekpea le October 2, 1999 dzi la, woɖe gbeƒãe be ezu Dɔdzikpɔhaa me tɔwo dometɔ ɖeka. Le ƒe siwo va yi me la, ewɔ dɔ le kɔmiti siwo nye Dɔwɔlawo Ƒe Kɔmiti, Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmiti, Agbalẽtata Kɔmiti kple Ðoɖowo Gbɔ Kpɔlawo Ƒe Kɔmiti la me.

Nɔviŋutsu Pierce koa alɔgbɔnu xɔlɔ̃tɔe eye wòdoa vivi ɖe ame ŋu. Ame ƒomevi vovovowo kple dukɔ vovovo me tɔwo ɖea dzi ɖi le egbɔ. Gake nu si koŋ na eƒe nu lé dzi na amewoe nye eƒe lɔlɔ̃, ɖokuibɔbɔ, ale si wòdea bubu Mawu ƒe sewo kple mɔfiamewo ŋu kpakple ale si wòka ɖe Yehowa dzi bliboe. Guy Pierce gblɔna zi geɖe be ele bɔbɔe be ɣe nagadze o tsɔ wu be Yehowa ƒe ŋugbedodowo nado kpo emevava, eye wòdi be xexe bliboa nanya esia.

Nɔviŋutsu Pierce ku kutri le Yehowa ƒe dɔa wɔwɔ me. Zi geɖe la, edzea dɔ gɔme ŋdi kanya henɔa dɔ dzi va se ɖe esime zã tsi. Ezɔ mɔ yi dukɔ vovovowo me ɖade dzi ƒo na nɔvi Kristotɔwo, eye wòkpɔa vovo ɖe ame sia ame si bia eƒe kpekpeɖeŋu alo te ɖe eŋu hena aɖaŋuɖoɖo la ŋu. Le ƒe geɖewo megbe gɔ̃ hã la, eƒe hati tadeagulawo gaɖoa ŋku eƒe amewɔwɔ, xɔlɔ̃wɔwɔ kple Ŋɔŋlɔawo me dzideƒonamenyawo dzi.

Srɔ̃, vi ade, tɔgbuiyɔviwo, tɔgbuitɔgbuiyɔviwo kple gbɔgbɔmevi geɖe nɔ mía nɔviŋutsu kple xɔlɔ̃ vevi sia si, eye woasusui ŋutɔ. Mark Sanderson, si hã nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ lae ƒo Nɔviŋutsu Pierce ƒe kunuƒoa le Brooklyn ƒe Betel le Memleɖa, March 22, 2014 dzi. Eƒo nu tso dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ si le Nɔviŋutsu Pierce si la ŋu eye wòxlẽ Yesu ƒe nya sia be: “Fofonye ƒe aƒe me la, nɔƒe geɖewo li. . . . Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, megagbɔna ake, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bene afi si mele la, miawo hã mianɔe. Eye afi si yim mele la, mienya mɔ la.”Yohanes 14:2-4.

Míasusu Nɔviŋutsu Pierce ŋutɔ. Gake dzidzɔ hãe wònye na mí be ‘enya mɔ la’ yi eƒe “nɔƒe” mavɔ la.