Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Nàtrɔ Susua?

Ðe Wòle Be Nàtrɔ Susua?

SƆHƐ Ðasefo aɖewo ɖoe be yewoayi aɖakpɔ video aɖe. Wo tɔ sukuviwo katã nɔ nu ƒom tso eŋu henɔ gbɔgblɔm be enya kpɔ ŋutɔ. Esi woyi videoɖeƒea la, wokpɔe be ame siwo lé tu sesẽwo ɖe asi kple nyɔnu siwo medo awu le nɔnɔme nyui me o ƒe fotowoe woklã ɖe boblodoʋuƒoa dzi. Nu kae Ðasefo sɔhɛawo awɔ? Ðe woayi aɖakpɔ videoa?

Gbe sia gbe la, ehiãna be míatso nya me. Eye nyametsotso siawo ate ŋu ana mía kple Yehowa dome ƒomedodoa nasẽ ɖe edzi loo alo wòagbɔdzɔ. Ɣeaɖewoɣi la, àte ŋu aɖoe be yeawɔ nane, gake ne ègabu eŋu nyuie la, ɖewohĩ àtrɔ susu ahatso nya me be yeawɔ nu bubu. Ðe esia fia be ènye dzimevesusulaa, alo nu si le eteƒe lae nye ema nèwɔa?

 Ɣeyiɣi Si Me Mele Be Nàtrɔ Susu O

Míelɔ̃ Yehowa ale gbegbe be esia ʋã mí míeɖe adzɔgbe nɛ hexɔ nyɔnyrɔ. Míedo ŋugbe be míawɔ nuteƒe nɛ, eye míedi vevie be míawɔ ɖe ŋugbedodo ma dzi. Gake míaƒe futɔ Satana Abosam awɔ eƒe ŋutete ɖe sia ɖe be yeana míadzudzɔ nuteƒewɔwɔ. (Nyaɖeɖefia 12:17) Míetso nya me be míasubɔ Yehowa ahaɖo toe. Ne míetrɔ susu la, míate ŋu abu míaƒe agbe.

Ƒe 2,600 kple edzivɔ ye nye esi va yi la, Babilon Fia Nebukadnezar li sikalegba gã aɖe eye wòde se be ame sia ame nade ta agu nɛ. Woatsɔ ame si da le sea dzi la aƒu gbe ɖe kpodzo bibi aɖe me. Sadrax, Mesax kple Abed-Nego nye ɖekakpui siwo subɔa Yehowa eye womedi be yewoawɔ nu si madze eŋu o. Eya ta wogbe fia la ƒe se dzi wɔwɔ, si wɔe be wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe kpodzoa me. Ele eme be Yehowa ɖe wo nukutɔe ya, gake woawo ŋutɔwo hã wonɔ klalo be yewoaku tsɔ wu be yewoagbe toɖoɖo Mawu.Daniel 3:1-27.

Emegbe la, nyagblɔɖila Daniel hã nyae be ne amewo kpɔ ye yele gbe dom ɖa na Mawu la, woatsɔ ye aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me, si awɔe be yeaku ŋɔdzitɔe. Gake eyi edzi do gbe ɖa gbe ɖeka zi etɔ̃. Metrɔ eƒe susu ku ɖe Mawu vavã la subɔsubɔ ŋu o, eye Yehowa hã ɖee tso “dzatawo si me.”Daniel 6:2-28.

Mawu subɔla siwo li egbea hã wɔa ŋugbe si wodo na Yehowa ku ɖe adzɔgbe si woɖe nɛ ŋu la dzi. Le suku ƒe wɔna aɖe me le Afrika dukɔ aɖe me la, sukuvi Ðasefo aɖewo gbe be yewomado gbe na aflaga o, eye sukutatɔwo gblɔ be yewoanya wo. Emegbe dudɔnunɔla si kpɔa agbalẽsrɔ̃nyawo gbɔ la ƒo nu na Ðasefo sukuviawo. Vɔvɔ̃ meɖo wo o, ke boŋ woɖe nu si tae womedo gbe na aflagaa o la me bubutɔe. Tso ɣemaɣi la, nya ma megado mo ɖa kpɔ o. Wodea sukua faa, eye ame aɖeke megaƒonɛ ɖe wo nu be woada le Yehowa ƒe se dzi o.

Joseph hã to dodokpɔ me esi srɔ̃a ku kpata. Joseph ƒe ƒometɔwo lɔ̃ ɖe ameɖiɖi ƒe ɖoɖo siwo wòwɔ la dzi. Gake srɔ̃a ƒe ƒometɔwo mele nyateƒea me o, eya ta wodi be yewoade kukɔnu siwo medzea Mawu ŋu o la ɖoɖoa me. Joseph gblɔ be: “Esi meɖoe be nyematrɔ susu o ta la, wodze agbagba be yewoaƒo nya ɖe vinyewo nu; ke hã wonɔ te sesĩe. Ƒometɔwo di be yewoadɔ ŋu le nye aƒe me abe ale si woawo wɔnɛ ene. Gake megblɔ na wo be ne wodi be yewoadɔ ŋu kokoko la, ke menye nye aƒe mee woawɔe le o. Wonyae be ŋudɔdɔ mewɔ ɖeka kple nye kple srɔ̃nye ƒe dzixɔsewo o, eya ta le nyawo léle kpɔ ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, woyi ɖadɔ ŋua le teƒe bubu.

“Le konyifafa ƒe ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, meɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye, ale be míaƒe ƒomea nagada le eƒe sewo dzi o. Ese nye gbedodoɖawo eye wòkpe ɖe mía ŋu míenɔ te sesĩe ɖe nyaƒoɖeamenuawo nu.” Joseph kple viawo mebui kpɔ gɔ̃ hã be yewoatrɔ susu le ale si yewoɖoe be yewoaɖo to Yehowa la ŋu gbeɖe o.

Ɣeyiɣi Si Me Nàte Ŋu Atrɔ Susu

Le ƒe 32 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) la, nyɔnu aɖe si menye Israel-vi o la ɖe kuku na Yesu be wòanya gbɔgbɔ vɔ̃ ado goe le ye vinyɔnuvi me. Togbɔ be enɔ Yesu biabia dzi hã la, Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o. Eɖe eme na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Womedɔm ɖe ame bubu aɖeke gbɔ o, negbe ɖe Israel ƒe me alẽ búbuawo gbɔ ko.” Gake nyɔnua mena ta o, eya ta Yesu gblɔ nɛ be: “Mesɔ be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe ɖo ɖe avuviwo o.” Nyɔnua ɖe xɔse si gbegbe le esi fia esi wòɖo eŋu be: “Aƒetɔ, ele nenema baa; ke hã, avuviwo ɖua nuɖuɖu wuwlui siwo duduna tso woƒe aƒetɔwo ƒe kplɔ̃ dzi.” Yesu trɔ susu eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe le via me.Mateo 15:21-28.

Ale si Yesu lɔ̃ faa trɔ susu le afi si wòsɔ le la nye Yehowa ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃. Le  kpɔɖeŋu me, esi Israel-viwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu hesubɔ sikanyivia la, eɖoe be yeatsrɔ̃ wo. Gake esi Mose ɖe kuku ɖe wo ta la, Yehowa lɔ̃ trɔ susu.2 Mose 32:7-14.

Paulo hã lɔ̃ faa trɔ susu, abe ale si Yehowa kple Yesu wɔe ene. Le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ me la, Marko gblẽe ɖi. Le ema ta, Paulo megadi be yeakplɔ Marko ɖe asi le mɔzɔzɔ bubu aɖeke me o. Gake edze abe emegbe la, Paulo de dzesii be Marko trɔ eƒe nɔnɔme eye ate ŋu akpe ɖe ye ŋu geɖe. Eya ta Paulo gblɔ na Timoteo be: “Kplɔ Marko, ne mia kplii miava, elabena enye kpeɖeŋutɔ nyui aɖe nam le subɔsubɔ gome.”2 Timoteo 4:11.

Nu kae míesrɔ̃ tso esiawo katã me? Togbɔ be Yehowa de blibo hã la, elɔ̃na trɔa susu, le esi wòlɔ̃ mí eye wònye nublanuikpɔla kple dzigbɔɖitɔ ta. Míawo ya míede blibo o, eye menye ɣesiaɣie míaƒe nuŋububu nɔa eteƒe o. Eya ta egahiã geɖe wu be míatrɔ susu ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, ale si míebua ame aɖewoe tsã la ate ŋu atrɔ ne míeva se nɔnɔme si me wole la gɔme nyuie wu.

Ate ŋu ahiã ɣeaɖewoɣi be míatrɔ susu le ale si míebua teokrasitaɖodzinuwoe ŋu. Ðewohĩ míesrɔ̃a Biblia hedea kpekpeawo, gake míele nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe. Alo be anya wɔ be míanye mɔɖelawo hafi, gake míele hehem ɖe megbe. Ate ŋu adzɔ be nɔviŋutsu aɖe manɔ subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi ƒe dɔa minyam o. (1 Timoteo 3:1) Èse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Ðe nèkpɔe be yeate ŋu atrɔ susua? Yehowa le kpewòm be nàtsɔ agbanɔamedzi siawo ale be nàtsɔ dzidzɔ asubɔ Mawu kple ame bubuwo.

Ne ètrɔ susu la, ate ŋu anye yayra na wò

Ella, si nye Betel-ƒomea me tɔ le Afrika dukɔ aɖe me la gblɔ be: “Esi meva Betel gbã la, mese le ɖokuinye me be nyemate ŋu anɔ  anyi wòadidi o. Didia nɔ menye be masubɔ Yehowa kple luʋɔ blibo, ke hã mía kple nye ƒomea me tɔwo dome nɔ kplikplikpli ŋutɔ. Le gɔmedzedzea la, mesusu wo ŋutɔ! Gake ame si mía kplii míenɔ xɔ me la de dzi ƒo nam, eya ta meɖoe be manɔ anyi. Le Betel nɔnɔ ƒe ewo megbe la, meva di be mayi edzi asubɔ le afi ma ɣeyiɣi didi si mate ŋui, ale be mate ŋu asubɔ nɔvinyewo to dɔ si wode asi nam le Betel la wɔwɔ me.”

Ɣeyiɣi Si Me Wòle Be Nàtrɔ Susu

Ɣeaɖewoɣi la, eva hiãna kokoko be míatrɔ susu. Le kpɔɖeŋu me, Kain ʋã ŋu nɔvia eye wòbi “dzi ŋutɔ.” Mawu kpɔe be Kain le nu gbegblẽ aɖe wɔ ge, eya ta exlɔ̃ nui be wòaɖu eƒe dzikua dzi. Mawu gblɔ na Kain be “nu vɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu” nɛ. Gake le esi teƒe be Kain natrɔ eƒe susu kple eƒe nɔnɔme la, edo toku Mawu ƒe nuxlɔ̃amea. Nublanuitɔe la, Kain va wu nɔvia!1 Mose 4:2-8.

Aleke nuwo anɔ na Kain ne ɖe wòtrɔ susu?

Míate ŋu asrɔ̃ nu tso nu si dzɔ ɖe Fia Uziya dzi hã me. Tsã la, eɖo to Yehowa, eye wònɔ ƒomedodo nyui me kplii. Gake nublanuitɔe la, eva do eɖokui ɖe dzi. Eyi gbedoxɔa me be yeado dzudzɔ evɔ nunɔlawo koe wɔa dɔ ma hafi. Nunɔlaawo xlɔ̃ nui, gake metrɔ susu o. Uziya “do dɔmedzoe” eye wòdo toku woƒe nuxlɔ̃amea. Eya ta Yehowa na anyi ƒo ɖe eŋu.2 Kronika 26:3-5, 16-20.

Ale si wòhiã be ame natrɔ susu la ƒe egbegbe kpɔɖeŋu ɖekae nye Joachim, si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1955 me, gake wova ɖee le haa me le ƒe 1978 me. Ƒe 20 kple edzivɔ megbe la, etrɔ eƒe nɔnɔme hetrɔ dzi me eye wòtrɔ va nyateƒea me. Esi hamemetsitsi aɖe bia Joachim be nu ka tae wòlala ɣeyiɣi didi ma gbegbe ɖo hã la, eɖo eŋu be: “Dziku kple dadae nɔ menye tae. Evem be melala ɣeyiɣi didi ma gbegbe. Gake le ɣeyiɣi mawo katã me la, menyae be Yehowa Ðasefowo ko sie nyateƒea le.”

Eva hiãna be míatrɔ asi le míaƒe nyametsotsowo kple nuwɔnawo ŋu ɣeaɖewoɣi. Ne míelɔ̃na faa wɔa esia la, míaƒe nu adze Yehowa ŋu.Psalmo 34:9.