Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Da Akpe Na Yehowa Ne Wòayra Wò

Da Akpe Na Yehowa Ne Wòayra Wò

“Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo.”—PSALMO 106:1.

1. Nu ka tae míedaa akpe na Yehowa ɖo?

YEHOWA gbɔe “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” tso. (Yakobo 1:17) Eyae nye míaƒe Kplɔla si lɔ̃ mí eye wòkpɔa míaƒe nuhiahiãwo katã gbɔ na mí dɔmenyotɔe. (Psalmo 23:1-3) Edze be míada akpe na Yehowa tso dzi me vavã. Eyae nye “sitsoƒe kple ŋusẽ” na mí, vevietɔ le xaxaɣiwo. (Psalmo 46:2) Míesena le mía ɖokui me abe hakpalaa ene esi wòŋlɔ bena: “Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!”Psalmo 106:1.

Ƒe 2015 ƒe mawunyakpukpuiae nye: “Mida akpe na Yehowa, elabena eya amea nyo.”—Psalmo 106:1

2, 3. (a) Ne míenye ame madakpewo la, nu kae wòate ŋu agblẽ le mía ŋu? (b) Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Nu ka tae wòle vevie be míada akpe na Yehowa? Amewo nye akpemadalawo le ŋkeke mamlɛ siawo me, abe ale si Biblia gblɔe ɖi ene. (2 Timoteo 3:2) Ame geɖe mekpɔa ŋudzedze ɖe nu nyui siwo Yehowa wɔ na wo la ŋu o. Xexe si me míele la me tɔwo dia ŋutilãmenuwo vivivo, eye wodea dzi ƒo na ame miliɔn geɖe be woaƒle nu siwo mehiã wo ŋutɔŋutɔ o. Esia wɔe be nu si le ame geɖe si la megadzea wo ŋu o. Abe ale si wònɔ le blema Israel-viwo gome ene la, ate ŋu adzɔ be míava zu ame madakpe siwo megakpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe yayrawo kple ƒomedodo xɔasi si le mía kple Yehowa dome la ŋu o.Psalmo 106:7, 11-13.

3 Azɔ hã bu nu si ate ŋu adzɔ ne míele dodokpɔwo me tom ŋu kpɔ. Kuxiwo ate ŋu ado agba ɖe mía dzi ale gbegbe be míaƒe susuwo nava nɔ míaƒe kuxiwo ŋu tsɔ wu míaƒe yayrawo. (Psalmo 116:3) Nu kae ana míayi edzi anye akpedalawo? Nu kae ana nɔnɔme nyuitɔ nanɔ mía si ne míele dodokpɔwo me tom? Na míakpɔe ɖa.

‘YEHOWA, NU SIWO NÈWƆ NA MÍ LA SƆ GBƆ LOO’

4. Aleke míawɔ ayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo Yehowa wɔ na mí ŋu?

4 Ebia agbagbadzedze be míayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo Yehowa wɔ na mí ŋu. Gbã la, ele be míabu mɔ siwo nu Yehowa yra mí le la ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be míade ŋugble le ale si yayra mawo ɖo kpe lɔlɔ̃ gã si le Mawu si na mí dzi la ŋu nyuie. Esi hakpalaa wɔe nenema la, nu nyui siwo gbegbe Yehowa wɔ nɛ la wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ.Xlẽ Psalmo 40:6; 107:43.

5. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso apostolo Paulo gbɔ ku ɖe akpedada ŋu?

5 Míate ŋu asrɔ̃ ale si míada akpe na Yehowa ne míedea ŋugble le apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu. Míenyae be edea ŋugble le eƒe yayrawo ŋu, elabena edaa akpe na Mawu edziedzi le gbedodoɖa me. Paulo nyae be yenye “busunyagblɔla kple yometila kpakple ame mabuame” tsã. Eda akpe be togbɔ be yenɔ nenema tsã hã la, Mawu kple Kristo wokpɔ nublanui na ye eye wona mɔnukpɔkpɔ ye be yeaɖe gbeƒã na ame bubuwo. (Xlẽ 1 Timoteo 1:12-14.) Paulo daa akpe na Yehowa ɖe nɔvia Kristotɔwo ta edziedzi, eye wòkpɔ ŋudzedze ɖe ale si woɖea nɔnɔme nyuiwo fiana hesubɔa Mawu nuteƒewɔwɔtɔe la ŋu. (Filipitɔwo 1:3-5, 7; 1 Tesalonikatɔwo 1:2, 3) Paulo mehe ɖe megbe be yeada akpe na Yehowa ɖe nu siwo katã nɔviwo wɔ nɛ esime wònɔ dodokpɔwo me tom la ta o. (Dɔwɔwɔwo 28:15; 2 Korintotɔwo 7:5-7) Eya ta mewɔ nuku o be Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be: “Miɖee fia be yewonye akpedalawo . . . , mianɔ nu xlɔ̃m mia nɔewo kple psalmowo, Mawu kafukafu nyawo [kple] gbɔgbɔmehawo le dɔmekɔkɔ me.”Kolosetɔwo 3:15-17.

ŊUGBLEDEDE KPLE GBEDODOÐA NANA MÍENYEA AKPEDALAWO

6. Susu kawo tae nèdaa akpe na Yehowa ɖo?

6 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua? Míate ŋu awɔ esia ne míedea ŋugble le nu siwo Yehowa wɔ na mía ŋutɔwo la ŋu. (Psalmo 116:12) Ne ame aɖe bia wò be: “Yehowa ƒe yayra kawo ŋue nèkpɔa ŋudzedze ɖo?” la, aleke nàɖo eŋui? Ðe nàƒo nu tso ƒomedodo xɔasi si le mia kple Yehowa dome ŋua? Alo ale si wòtsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò le Kristo ƒe tafevɔsaa ta? Ðe nàda akpe ɖe nɔvi Kristotɔ siwo kpe ɖe ŋuwò le ɣeyiɣi sesẽwo me la ta? Ðe nàƒo nu tso ale si nèkpɔ ŋudzedze ɖe srɔ̃wò alo viwòwo ŋu la ŋua? Gbɔ dzi ɖi nàde ŋugble le mɔ geɖe siwo nu Mawu yra wò le la ŋu. Esia aʋã wò be nàda akpe nɛ gbe sia gbe.Xlẽ Psalmo 92:2, 3.

Srɔ̃ Xana kple Xizkiya ƒe kpɔɖeŋu eye nàda akpe na Yehowa ɖe nu siwo wòwɔ na wò la ta

7. (a) Nu ka tae wòle be míada akpe na Yehowa le míaƒe gbedodoɖawo me? (b) Ne èdaa akpe na Yehowa le wò gbedodoɖawo me la, vi kae wòaɖe na wò?

7 Ne míedea ŋugble le ale si gbegbe Yehowa yraa míi ŋu la, aʋã mí be míada akpe nɛ le gbedodoɖa me. (Psalmo 95:2; 100:4, 5) Nubiabia Mawu ta koe ame aɖewo doa gbe ɖa. Gake edzea Yehowa ŋu ne míedaa akpe nɛ ɖe nu siwo le mía si hã ta le míaƒe gbedodoɖawo me. Amewo abe Xana kple Xizkiya ene, kpakple Mawu subɔla bubu geɖe siwo da akpe na Yehowa la ƒe gbedodoɖawo dze le Biblia me. (1 Samuel 2:1-10; Yesaya 38:9-20) Eya ta srɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu eye nàda akpe na Yehowa ɖe nu siwo wòwɔ na wò la ta. (1 Tesalonikatɔwo 5:17, 18) Ne èwɔ esia la, wò dzi adze eme, wò lɔlɔ̃ na Mawu adzi ɖe edzi, eye ànye exɔlɔ̃ ɖaa.Yakobo 4:8.

Yehowa ƒe yayra kawo ŋue nèkpɔa ŋudzedze ɖo? (Kpɔ memama 6, 7)

8. Nu kawoe ate ŋu ana míazu akpemadalawo?

8 Ne míeɖɔ ŋu ɖo o la, ate ŋu adzɔ bɔbɔe be míagava nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe Yehowa ƒe nunana nyuiwo ŋu o. Nu ka tae? Elabena míede blibo o eye míenyi ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nu ŋu ƒe nɔnɔme dome tso mía dzila gbãtɔwo gbɔ. Yehowa da Adam kple Xawa ɖe paradiso me eye wòkpɔ egbɔ be nu sia nu si hiã wo la su wo si. Woate ŋu anɔ agbe tegbee le ŋutifafa me hafi. (1 Mose 1:28) Gake womekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe yayrawo ŋu o. Ŋukeklẽ wɔe be wogadi nu bubuwo kpee. Mlɔeba nu sia nu do le wo si me. (1 Mose 3:6, 7, 17-19) Ame madakpewo ƒe xexe mee míele, eye ate ŋu adzɔ be míawo hã míagava nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe nu siwo gbegbe Yehowa wɔ na mí la ŋu o. Ate ŋu ava eme be míagava nɔ asixɔxɔ dem ƒomedodo kplikplikpli si le mía kple Mawu dome alo mɔnukpɔkpɔ si wònye be míenye xexea me godoo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔwo la ŋu o. Xexe sia me nuwo ate ŋu ahe míaƒe susu. (1 Yohanes 2:15-17) Be esia nagadzɔ ɖe mía dzi o la, ele be míanɔ ŋugble dem le míaƒe yayra gbogboawo ŋu eye míanɔ akpe dam na Mawu edziedzi ɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míenye eƒe amewo la ta.Xlẽ Psalmo 27:4.

NE MÍELE DODOKPƆWO ME TOM

9. Ne míele dodokpɔwo me tom la, nu ka tae wòle be míade ŋugble le míaƒe yayrawo ŋu?

9 Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míado dzi le dodokpɔ sesẽwo me. Nya sesẽwo ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi kpata siwo agblẽ nu le mía ŋu vevie. Wo dometɔ aɖewoe nye ame srɔ̃ ƒe nuteƒemawɔmawɔ, dɔléle sesẽ aɖe, ame vevi aɖe ƒe ku, alo dzɔdzɔmefɔku gblẽnuleameŋu aɖe. Gake ŋugbledede le Yehowa ƒe yayrawo ŋu afa akɔ na mí eye wòado ŋusẽ mí be míado dzi. Bu nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna la ŋu kpɔ.

10. Viɖe kae Irina kpɔ le esi wòdea ŋugble le eƒe yayrawo ŋu ta?

10 Irina, si nye gbesiagbe mɔɖela le Dziehe Amerika la srɔ̃, si nye hamemetsitsi la, wɔ ahasi eye wòdzo le nɔvinyɔnua kple ɖeviawo gbɔ. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Nu kae kpe ɖe Irina ŋu wòyi edzi le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe? Egblɔ be: “Mekpɔa ŋudzedze ɖe ale si Yehowa tsɔ ɖe le eme nam heléa be nam la ŋu. Ŋugbledede le yayra gbogbo siwo su asinye ŋu gbe sia gbe na mede dzesi mɔnukpɔkpɔ si gbegbe wònye be mía Fofo ametakpɔla si le dziƒo la dze sim helɔ̃m. Menya be magblẽm ɖi akpɔ o.” Togbɔ be Irina to nɔnɔme wɔnublanui geɖewo me hã la, dzidzɔ si wòkpɔna la kpena ɖe eŋu wòdoa dzi hedea dzi ƒo na ame bubuwo hã.

11. Nu kae kpe ɖe Kyung-sook ŋu wòdo dzi esi dɔléle sesẽ aɖe dze edzi?

11 Nɔvinyɔnu Kyung-sook le Asia, eye wo kple srɔ̃a wowɔ mɔɖeɖedɔa ƒe 20 kple edzivɔ. Gbe ɖeka wodoe kpɔ le kɔdzi hekpɔe be dzitodzito me kansa si womekpɔ dze sii kaba o le eŋu, eye wogblɔ nɛ be ɣleti etɔ̃ va se ɖe ade koe wòagate ŋu anɔ agbe. Togbɔ be wo kple srɔ̃a woto dodokpɔ geɖewo me va yi hã la, wonɔ lãmesẽ nyui me. Egblɔ be: “Lãmesẽkuxi sia te ɖe dzinye vevie. Mese le ɖokuinye me be evɔ nam, eye vɔvɔ̃ ɖom ŋutɔ.” Nu kae kpe ɖe Kyung-sook ŋu wòte ŋu do dzi? Egblɔ be: “Zã sia zã hafi mamlɔ anyi la, meyia míaƒe xɔta eye mekɔa gbe dzi doa gbe ɖa hedaa akpe ɖe nu atɔ̃ siwo ŋu mekpɔ ŋudzedze ɖo le ŋkekea me ta. Esia nana mekpɔa akɔfafa eye meƒoa nu tso lɔlɔ̃ si le asinye na Yehowa ŋu nɛ.” Aleke gbe si Kyung-sook dona ɖa gbe sia gbe la ɖe vi nɛ? Egblɔ be: “Meva kpɔe dze sii be Yehowa léa mí ɖe te le xaxaɣiwo eye míaƒe yayrawo sɔ gbɔ sãsãsã wu míaƒe xaxawo.”

Sheryl kple nɔvia John si tsi agbe le tsiɖɔɖɔa me (Kpɔ memama 13)

12. Nu kae na Jason kpɔ akɔfafa esi srɔ̃a ku?

12 Nɔviŋutsu Jason, si le alɔdzedɔwɔƒe aɖe le Afrika la le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe 30 kple edzivɔe nye esia. Egblɔ be: “Ƒe adre ye nye esi va yi la, srɔ̃nye ku eye ɣeaɖewoɣi la, vevesesea wua gbɔgblɔ. Ne metsɔ susu ɖo nu si gbegbe me wòto esime kansa nɔ fu ɖem nɛ ŋu la, egbãa dzi nam ŋutɔ.” Nu kae na Jason kpɔ gbɔdzɔe aɖe si nu? Egblɔ be: “Gbe ɖeka meɖo ŋku ɣeaɖeɣi si mía kple srɔ̃nye míekpɔ dzidzɔ ɖekae la dzi, eye medo gbe ɖa da akpe na Yehowa be meɖo ŋku nudzɔdzɔ ma dzi. Esia na mekpɔ gbɔdzɔe vie, eye tso ɣemaɣi la, medaa akpe na Yehowa edziedzi ɖe dzidzɔɣi mawo siwo dzi meɖoa ŋkui la ta. Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu kpɔ ŋusẽ nyui ɖe nye seselelãme dzi. Megaxaa nu ɣeaɖewoɣi ya, gake akpedada na Yehowa ɖe ale si nye srɔ̃ɖeɖea dze edzi kple mɔnukpɔkpɔ si su asinye be mía kple ame si lɔ̃ eyama la míesubɔe ɖekae ta la nana nye dzi dzea eme.”

“Medaa akpe ŋutɔ be Yehowa ye nye nye Mawu”—Sheryl

13. Nu kae kpe ɖe Sheryl ŋu wòdo dzi esi eƒe ƒomea me tɔ akpa gãtɔ ku?

13 Esi ahom sesẽ aɖe (Super Typhoon Haiyan) tu le ƒu dzi si wɔe be tsi ɖe Philippines-nyigbaa ƒe akpa gãtɔ le ƒe 2013 ƒe nuwuwu lɔƒo la, nu sia nu kloe dome gblẽ na Sheryl, si xɔ ƒe 13 ɣemaɣi. Egblɔ be: “Aƒe megale asinye o, eye nye ƒomea me tɔ akpa gãtɔ megali o.” Fofoa, dadaa kple nɔvia etɔ̃ ku le tsiɖɔɖɔa me. Nu kae kpe ɖe Sheryl ŋu wòdo dzi eye mebi dzi ɖe Yehowa ŋu o. Esi Sheryl dea ŋugble le yayra siwo katã kpɔm wòle ŋu ta la, egadaa akpe na Yehowa kokoko. Egblɔ be: “Mekpɔ nu siwo katã nɔviawo wɔ tsɔ kpe ɖe ame siwo hiã kpekpeɖeŋu la ŋu kple ale si wode dzi ƒo na woe. Menya be le xexea me godoo la, nɔviwo nɔ gbe dom ɖa ɖe tanye.” Egblɔ kpee be: “Medaa akpe ŋutɔ be Yehowa ye nye nye Mawu. Enaa nu siwo míehiã la mí ɣesiaɣi.” Vavãe, ne míedaa akpe ɖe míaƒe yayrawo ta la, nu mate ɖe mía dzi fũu o. Ewɔnɛ be míetea ŋu doa dzi le nɔnɔme sesẽ ƒomevi ɖe sia ɖe me.Efesotɔwo 5:20; xlẽ Filipitɔwo 4:6, 7.

‘NYE YA MATSO ASEYE ÐE YEHOWA ŊU’

14. Nu kae míele mɔ kpɔm na kple dzidzɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

14 Tso blema ke la, Yehowa ƒe amewo daa akpe ɖe woƒe yayrawo ta. Esi Yehowa ɖe Israel-viwo tso Farao kple eƒe aʋakɔwo si me le Ƒudzĩa nu la, wodzi ha kple dzidzɔ tsɔ kafui heda akpe nɛ. (2 Mose 15:1-21) Egbea, yayra siwo ŋu míedea asixɔxɔe wu la dometɔ ɖekae nye be míenya be vevesese nu ayi kpuie. (Psalmo 37:9-11; Yesaya 25:8; 33:24) Bu ale si míase le mía ɖokui me ne Yehowa va tsrɔ̃ eƒe futɔwo katã eye wòxɔ mí ɖe xexe yeye si me ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye xɔ aƒe ɖo me la ŋu kpɔ ko. Aleke gbegbe míada akpe na Yehowa gbe ma gbee nye esi!Nyaɖeɖefia 20:1-3; 21:3, 4.

Yayra siwo ŋu míedea asixɔxɔe wu la dometɔ ɖekae nye be míenya be vevesese nu ayi kpuie

15. Nu kae nèɖoe kplikpaa be yeawɔ le ƒe 2015 bliboa me?

15 Míele mɔ kpɔm na yayra geɖe tso Yehowa gbɔ le ƒe 2015 me. Ele eme be míato dodokpɔ aɖewo me ya. Gake nu ka kee ɖadzɔ o, míenyae be Yehowa magblẽ mí ɖi akpɔ o. (5 Mose 31:8; Psalmo 9:10, 11) Ayi edzi ana nu sia nu si míehiã la mí ale be míasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. Mina míaɖoe kplikpaa be míasrɔ̃ nyagblɔɖila Xabakuk ƒe nɔnɔme. Egblɔ be: ‘Togbɔ be gboti magaƒo se o, eye wainka matse o; amiti agbe aminana, eye agblewo mana nuɖuɖu o; woatsrɔ̃ alẽwo le lãkpɔwo me, eye nyiwo maganɔ lãxɔwo me o hã la; nye ya matso aseye, eye makpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, nye xɔnametɔ la ŋu.’ (Xabakuk 3:17, 18) Le ƒe bliboa me la, neva eme be míayi edzi ade ŋugble le míaƒe yayrawo katã ŋu eye esia naʋã mí míawɔ ƒe 2015 ƒe mawunyakpukpuia me nyawo dzi. Eyae nye: “Mida akpe na Yehowa, elabena eya amea nyo.”Psalmo 106:1.

^ mm. 10 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.