Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòanya Wɔ Be Lɔlɔ̃ Nu Nagatsi Oa?

Ðe Wòanya Wɔ Be Lɔlɔ̃ Nu Nagatsi Oa?

“[Lɔlɔ̃ ƒe] bibi le abe dzo ƒe bibi ene, Yehowa ƒe dzoƒaɖe wònye!”—HAWO ƑE HA 8:6.

1, 2. Ame kawoe Hawo Ƒe Ha me nyawo aɖe vi na, eye nu ka tae? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

ŊUGBETƆA kple ŋugbetɔsrɔ̃a kpɔ wo nɔewo ƒe ŋkume eye woko alɔgbɔnu. Ame sia ame kpɔe be woƒe nu lé dzi na wo nɔewo. Esi nɔviŋutsu si ƒo srɔ̃ɖenuƒoa de dzesi ale si wolé wo nɔewo beléletɔe la, ebia le susu me be, ‘Ne ƒeawo va le yiyim la, ɖe woƒe lɔlɔ̃a me agasẽ ɖe edzia? Alo ɖe enu anɔ tsitsim vivivia?’ Ne srɔ̃tɔwo lɔ̃ wo nɔewo vavã la, kuxi sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã mate ŋu ana woƒe ƒomedodoa me nagblẽ o. Gake nublanuitɔe la, srɔ̃tɔ geɖewo meva nɔa dzidzɔ kpɔm o, eye woƒe srɔ̃ɖeɖea me gblẽna. Eya ta ɖewohĩ àbia be, ‘Ðe lɔlɔ̃ ate ŋu anɔ anyi ɖaa?’

2 Le Fia Salomo ƒe ŋkekeawo me gɔ̃ hã la, lɔlɔ̃ vavã menye nu si bɔ o. Nu ka tae? Salomo gblɔ be: “Mekpɔ ŋutsu [dzɔdzɔe] ɖeka le wo ame akpe dome, ke nyemekpɔ nyɔnu le esiawo katã dome o. Negbe esia ko mekpɔ be, Mawu wɔ amegbetɔwo woto mɔ ɖeka, ke woawo dia ayedzedze geɖe.” (Nyagblɔla 7:26-29) Dutanyɔnu agbe gbegblẽ nɔla siwo subɔa Baal la nɔ Israel-viwo dome. Esia wɔe be Israel ŋutsu kple nyɔnu geɖewo hã va zu agbe gbegblẽ nɔlawo. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Gake ƒe 20 aɖewo do ŋgɔ na ema la, Fia Salomo ŋlɔ hakpanya aɖe tso ŋutsu kple nyɔnu aɖe siwo lɔ̃ wo nɔewo vevie la ŋu. Míeɖaɖe srɔ̃ alo míeɖee haɖe o, Biblia gbalẽ si nye Hawo Ƒe Ha akpe ɖe mía ŋu míase nu si lɔlɔ̃ akuakua nye kple ale si míaɖee afia la gɔme.

LƆLƆ̃ AKUAKUA ATE ŊU ANƆ ŊUTSU KPLE NYƆNU DOME!

3. Nu ka tae wòanya wɔ be lɔlɔ̃ akuakua nanɔ ŋutsu kple nyɔnu dome?

3 Xlẽ Hawo Ƒe Ha 8:6. Woɖɔ lɔlɔ̃ be “Yehowa ƒe dzoƒaɖe.” Nu ka tae? Elabena Yehowa ƒe nɔnɔme vevitɔe nye lɔlɔ̃, eye ewɔ mí kple ŋutete be míasrɔ̃ yeƒe lɔlɔ̃ la. (1 Mose 1:26, 27) Esi Yehowa wɔ ŋutsu gbãtɔ Adam vɔ megbe la, ewɔ nyɔnu dzetugbe aɖe nɛ. Esi Adam kpɔ Xawa zi gbãtɔ la, dzi dzɔe ale gbegbe be egblɔ ale si wòse le eɖokui me. Adam hã ƒe nu lé dzi na Xawa vevie. Esia me kɔ, elabena Adam ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖee Yehowa tsɔ wɔ Xawae. (1 Mose 2:21-23) Tso gɔmedzedzea me la, Yehowa wɔ ŋutsu kple nyɔnu kple ŋutete be lɔlɔ̃ vavã si nɔa anyi ɖaa nanɔ wo dome.

4, 5. Gblɔ ŋutinya si le Hawo Ƒe Ha gbalẽa me kpuie.

4 Hawo Ƒe Ha ƒe agbalẽa ƒo nu tso lɔlɔ̃ si ate ŋu anɔ ŋutsu kple nyɔnu dome la ŋu wònya se ŋutɔ. Ha sia ku ɖe lɔlɔ̃ si nɔ ɖetugbui aɖe si tso kɔƒedu si nye Sunem kple ɖekakpui alẽkplɔla aɖe dome la ŋu. Woƒe ŋutinyaa yi ale: Ðetugbuia nɔ dɔ wɔm le nɔviaŋutsuwo ƒe waingble si te ɖe afi si Fia Salomo kple eƒe asrafowo ƒu asaɖa anyi ɖo ŋu la me. Esi wòkpɔ ɖetugbuia la, ena eƒe dɔlawo kplɔe va asaɖaa me. Ekafu eƒe tugbedzedze eye wòdo nu nyui geɖewo ƒe ŋugbe nɛ. Gake ɖetugbuia lɔ̃ alẽkplɔla aɖe eye wòƒo nu tso ale si wòdi kokoko be yeanɔ egbɔ ŋu. (Hawo Ƒe Ha 1:4-14) Alẽkplɔlaa dze eyome eye wòva do ɖe asaɖaa me. Esi wòke ɖe eŋu la, wogblɔ nya viviwo na wo nɔewo tsɔ ɖɔ ale si gbegbe wolɔ̃ wo nɔewoe.Hawo Ƒe Ha 1:15-17.

5 Esi Salomo trɔ yi Yerusalem la, ekplɔ ɖetugbuia ɖe asi yii, eye alẽkplɔlaa dze eyome. (Hawo Ƒe Ha 4:1-5, 8, 9) Togbɔ be Salomo nɔ agbagba dzem kpem be yeable ɖetugbuia nu hã la, egalɔ̃ alẽkplɔlaa kokoko. (Hawo Ƒe Ha 6:4-7; 7:1-10) Eya ta Salomo ɖe asi le ɖetugbuia ŋu wòdzo yi aƒe me. Mlɔeba Sunem-ɖetugbuia yɔ eƒe lɔlɔ̃tɔa be wòaƒu du “abe sãde” ene ava ye gbɔ.Hawo Ƒe Ha 8:14.

6. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ be míanya ame siwo le nu ƒom le Hawo Ƒe Ha ƒe agbalẽa me?

6 Hawo Ƒe Ha gbalẽa nye ha si me nyawo nya se ŋutɔ. Esia tae woyɔe be “hawo ƒe ha” ɖo. (Hawo Ƒe Ha 1:1) Gake le haa me la, Salomo meyɔ nuƒola vovovoawo ƒe ŋkɔwo tɔ ɖe nya siwo wogblɔ ŋu o. Edi be agbalẽa me nyawo nanɔ hakpanya ƒe nɔnɔme me, eya ta megblɔ nya geɖewo kpee o. Togbɔ be meyɔ ameawo ƒe ŋkɔwo le haa me o hã la, nya si ame vovovoawo gblɔ la ate ŋu ana míanya ame si le nua ƒom. *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

‘WÒ LƆLƆ̃ÐEÐEFIA NYO WU WAIN’

7, 8. Mɔ ka nue alẽkplɔlaa kple ɖetugbuia ɖee fia le be yewolɔ̃ yewo nɔewo? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋuwo.

7 Ðetugbuia kple alẽkplɔlaa gblɔ nya viviwo tsɔ ɖe woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo fia. ‘Lɔlɔ̃nya’ siwo wogblɔ na wo nɔewo la dometɔ aɖewo gɔme sese ate ŋu asesẽ na mí, elabena woŋlɔ nya mawo ƒe 3,000 kple edzivɔwoe nye esia. (Hawo Ƒe Ha 1:2) Togbɔ be woƒe dekɔnuwo to vovo na mía tɔ egbea hã la, ale si wose le wo ɖokui me ɖe wo nɔewo ŋu la dze kɔtɛ. Le kpɔɖeŋu me, alẽkplɔlaa gblɔ be ɖetugbuia ƒe ŋkuwo le abe “ahɔne” ƒe ŋkuwo ene, si fia be ale si amenuveve dze le ŋkudzi nɛ la nyo eŋu. (Hawo Ƒe Ha 1:15) Eye ɖetugbuia hã gblɔ be alẽkplɔlaa ƒe ŋkuwo nya kpɔ abe ahɔne ene. (Xlẽ Hawo Ƒe Ha 5:12.) Ale si eƒe ŋkuwo fu tititi eye gadaglamakuia le etitina la nya kpɔ nɛ abe ahɔne si le notsi lem ene.

8 Alẽkplɔlaa kple ɖetugbuia wokafu wo nɔewo ƒe nyonyo, gake menye woƒe dzedzeme ko ŋue woƒo nu tsoe o. Le kpɔɖeŋu me, ɖekakpuia kpɔ dzidzɔ ɖe ale si ɖetugbuia ƒoa nu na amewo ameŋububutɔe ŋu. (Xlẽ Hawo Ƒe Ha 4:7, 11.) Egblɔ na ɖetugbuia be: “Ŋugbetɔ, anyitsi le tsyɔtsyɔm le nuyi ŋu na wò; anyitsi kple notsi le wò aɖe te.” Ekpɔe be eƒe nyawo nya se eye wovivi abe notsi kple anyitsi nyuitɔ ene. Esi alẽkplɔlaa gblɔ na ɖetugbuia be “nu sia nu nyo le ŋuwò” eye “dzuƒe aɖeke mele ŋuwò o” la, menye eƒe tugbedzedze ŋu koe wònɔ nu ƒom tsoe o, ke eƒe nɔnɔme nyoameŋuwo hãe.

Srɔ̃tɔwo toa woƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo siaa dzi kana ɖe woƒe lɔlɔ̃ dzi na wo nɔewo

9. (a) Lɔlɔ̃ ka ƒomevie wòle be wòanɔ srɔ̃tɔwo dome? (b) Nu ka tae wòle vevie be srɔ̃tɔwo naƒo nu tso lɔlɔ̃ si le wo si la ŋu na wo nɔewo?

9 Egbea, srɔ̃tɔ siwo nye Yehowa subɔlawo la mebua srɔ̃ɖeɖe be enye nubabla dzro ko o. Wolɔ̃a wo nɔewo tso dzi me eye woɖenɛ fiana hã. Gake lɔlɔ̃ ka ƒomevie wòle be wòanye? Ðokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ si Biblia fia mí be míaɖe afia amewo katã yea? (1 Yohanes 4:8) Lɔlɔ̃ si nɔa ƒometɔwo dome yea? Lɔlɔ̃ si nɔa xɔlɔ̃ kplikplikpliwo dome yea? (Yohanes 11:3) Alo atsu kple asi dome lɔlɔ̃ yea? (Lododowo 5:15-20) Le nyateƒe me la, ele be srɔ̃tɔwo naɖe lɔlɔ̃ ƒomevi vovovo siawo katã afia wo nɔewo. Miate ŋu ato miaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo siaa dzi aka ɖe edzi na mia nɔewo be yewolɔ̃ yewo nɔewo, si awɔe be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖea me. Ɛ̃, ele vevie be miawɔe nenema, ne vovo menɔa mia ŋu o gɔ̃ hã. Le dukɔ siwo me dzilawo wɔa ɖoɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la, ɖewohĩ atsu kple asia madze si wo nɔewo do ŋgɔ na srɔ̃ɖegbea o. Eya ta esi wova le si dzem wo nɔewo eye woƒe lɔlɔ̃a nu le sesẽm ɖe edzi la, ele be woaƒo nu tso lɔlɔ̃ si le wo si la ŋu na wo nɔewo. Esia ana wo dome nanɔ kplikplikpli eye woƒe srɔ̃ɖeɖea nali ke.

10. Nu nyui kae dona tso lɔlɔ̃nyawo gbɔgblɔ na ame srɔ̃ me?

10 Ne srɔ̃tɔwo gblɔa lɔlɔ̃nyawo na wo nɔewo la, wogadoa ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖekadodoa le mɔ bubu nu. Fia Salomo gblɔ le eƒe ha la me be yeana “sikakɔsɔkɔsɔ kple klosalokpeviwo” ɖetugbuia. Ekafu ɖetugbuia ƒe nyonyo be ele “abe ɣleti ene,” eye wòdza “abe ɣe ene.” (Hawo Ƒe Ha 1:9-11; 6:10) Gake ɖetugbuia ke ɖe ame si wòlɔ̃ tso dzi me la ŋu xoxo. Nu kae kpe ɖe eŋu wòwɔ nuteƒe na alẽkplɔlaa? Nu kae fa akɔ nɛ esime wo dome klã? (Xlẽ Hawo Ƒe Ha 1:2, 3.) Eɖo ŋku ale si ɖekakpuia ƒe lɔlɔ̃nyawo do dzidzɔ nɛ la dzi. Eƒe lɔlɔ̃nyawo “nyo wu wain” eye esime wònɔ fiasãa me la, wofa akɔ nɛ abe “ami” ʋeʋĩ si wokɔ ɖe tame ene. (Psalmo 23:5; 104:15) Ele vevie be srɔ̃tɔwo nanɔ nu ƒom tso lɔlɔ̃ si le wo si la ŋu na wo nɔewo edziedzi, elabena enana woƒe lɔlɔ̃a nu gasẽna ɖe edzi. Ŋkuɖoɖo lɔlɔ̃nya mawo dzi awɔe be woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo nu nagatsi o.

MIGANYƆ LƆLƆ̃ O, “VA SE ÐE ESIME WÒADZE EYA ŊUTƆ ŊU HAFI”

11. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si Sunem-ɖetugbuia gblɔ na Salomo ƒe fiasã me nyɔnuwo la me?

11 Ne àdi be yeaɖe srɔ̃ la, nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Sunem-ɖetugbuia gbɔ? Lɔlɔ̃ aɖeke menɔ eyama me na Fia Salomo o, eye wògblɔ na fiasã me nyɔnuwo ŋkubiãtɔe be: “Miganyɔ lɔlɔ̃ o, migaʋuʋui o, va se ɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi!” (Hawo Ƒe Ha 2:7; 3:5) Eya ta ɖe wòasɔ be nàge ɖe ŋugbedodo me kple ame sia ame ƒomevi koa? Ao, ke boŋ nunya anɔ eme be nàlala dzigbɔɖitɔe va se ɖe esime nèkpɔ ame si nàte ŋu alɔ̃ tso dzi me.

Nunya anɔ eme be nàlala dzigbɔɖitɔe va se ɖe esime nèkpɔ ame si nàte ŋu alɔ̃ tso dzi me

12. Nu ka tae Sunem-ɖetugbuia lɔ̃ alẽkplɔlaa ɖo?

12 Nu ka tae Sunem-ɖetugbuia lɔ̃ alẽkplɔlaa ɖo? Ekpɔe be edze ɖeka, ele abe “sãde” ene. Eƒe asiwo le abe “sikati mlimɔwo” ene, eƒe afɔwo nya kpɔ eye ŋusẽ le wo ŋu abe ‘kpe ɣi sɔtiwo’ ene. Gake menye ɖeko wòdze ɖeka eye ŋusẽ le eŋu o. Ðetugbuia nyae be alẽkplɔlaa lɔ̃ Yehowa eye nɔnɔme nyoameŋuwo le esi. Eya tae ɖekakpuia nye ame tɔxɛ nɛ abe “atɔtɔŋutiti le avemetiwo domee” ene.Hawo Ƒe Ha 2:3, 9; 5:14, 15.

13. Nu ka tae alẽkplɔlaa lɔ̃ Sunem-ɖetugbuia ɖo?

13 Sunem-ɖetugbuia dze tugbe ŋutɔ. Eƒe nu nyo Fia Salomo gɔ̃ hã ŋu, togbɔ be “fiasrɔ̃wo le blaade, ahiãwo le blaenyi, hekpe ɖe ɖetugbuiwo ŋu kpaŋkpaŋ” hã. Ðetugbuia ƒe tugbedzedze ta koe alẽkplɔlaa lɔ̃e ɖoa? Ao. Eya hã lɔ̃ Yehowa eye nɔnɔme nyuiwo le esi. Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbuia bɔbɔ eɖokui, elabena etsɔ eɖokui sɔ kple “seƒoƒo” dzro aɖe ko le “Saron” ƒe ƒuta. Gake le alẽkplɔlaa gbɔ la, enye ame tɔxɛ, abe ‘dzogbenya le aŋɔkawo’ domee ene.Hawo Ƒe Ha 2:1, 2; 6:8.

14. Ne míadi be míaɖe srɔ̃ la, nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso alẽkplɔlaa kple Sunem-ɖetugbuia gbɔ?

14 Yehowa de se na esubɔlawo be woaɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko.” (1 Korintotɔwo 7:39) Esia fia be Yehowa subɔla xɔnyɔnyrɔ koe míaɖe alo azɔ kplii kple susu be míava ɖee. Aleke esia aɖe vi na ame siwo va ɖe wo nɔewo? Srɔ̃tɔwo kpea akɔ kple agbemekuxiwo. Gake ne wo kple evea siaa le ƒomedodo nyui me kple Yehowa la, dzidzɔ kple ŋutifafa anɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea me. Eya ta ne àdi be yeaɖe srɔ̃ la, srɔ̃ alẽkplɔlaa kple Sunem-ɖetugbuia ƒe kpɔɖeŋu. Di ame si si nɔnɔme nyuiwo le si lɔ̃ Yehowa tso dzi me.

Kristotɔ madi be yeaɖe ame si menye Yehowa subɔla xɔnyɔnyrɔ o alo azɔ kplii kple susu be yeava ɖee o (Kpɔ memama 14)

NYE ŊUGBETƆ LE ABE “ABƆ, SI ƑE ƲƆ WODO” ENE

15. Aleke Sunem-ɖetugbuia ƒe nuteƒewɔwɔ nye kpɔɖeŋu nyui na Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo meɖe wo nɔewo haɖe o?

15 Xlẽ Hawo Ƒe Ha 4:12. Nu ka tae alẽkplɔlaa gblɔ be yeƒe Sunem-ɖetugbuia le abe “abɔ, si ƒe ʋɔ wodo” ene? Menye ame sia ame koe ate ŋu age ɖe abɔ si ƒe ʋɔ le dodo la me o. Ðetugbuia nɔ abe abɔ ma ene, elabena alẽkplɔlaa koe wòlɔ̃. Enɔ eƒe susu me be yeaɖee, eya ta egbe fia la ƒe ahiãdzenyawo. Eɖoe kplikpaa be yematrɔ susu o. Enɔ abe “gli” ene, ke menye abe “agbo” si woate ŋu aʋu bɔbɔe ene o. (Hawo Ƒe Ha 8:8-10) Nenema kee wòle be Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo le ɖoɖo wɔm be yewoaɖe yewo nɔewo hã nawɔ nuteƒe na wo nɔewoe. Mele be woaɖe mɔ ame bubu ƒe nu nalé dzi na wo o.

16. Nu kae ame siwo le ŋugbedodo me la ate ŋu asrɔ̃ tso Hawo Ƒe Ha gbalẽa me?

16 Esi ɖekakpuia gblɔ na ɖetugbuia be neva ne yewoaɖi tsa la, nɔviaŋutsuwo meɖe mɔ nɛ o. Ke boŋ wodɔe be wòayi aɖadzɔ yewoƒe waingblewo ŋu. Ðe womeka ɖe edzi o taea? Ðe wosusui be yewo nɔvia kple alẽkplɔlaa di be yewoawɔ nu gbegblẽ aɖea? Ao. Nɔviaŋutsuwo di be yewoakpɔ eta be megava ge ɖe nɔnɔme aɖe si ate ŋu ana wòawɔ nu gbegblẽ la me o. (Hawo Ƒe Ha 1:6; 2:10-15) Ne èle gbeɖoɖoɖi me kple ame aɖe la, aleke miaƒo asa na nu sia nu si ate ŋu akplɔ mi ade gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me? Mitso nya me do ŋgɔ le nu siwo miaƒo asa na ŋu ale be nya aɖeke nagaku ɖe miaƒe zɔzɔa ŋu o. Negadzɔ gbeɖe be mi ame evea ɖeɖe mianɔ afi si ame aɖeke makpɔ mi le o. Miɖe lɔlɔ̃ fia mia nɔewo le mɔ siwo le dzadzɛ ko nu.

17, 18. Aleke Hawo Ƒe Ha gbalẽa me dzodzro ɖe vi na wòe?

17 Yehowa di be srɔ̃ɖeɖewo nanɔ anyi ɖaa. Edi be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nalɔ̃ wo nɔewo. Ele dzɔdzɔme nu be woƒe nu nalé dzi na wo nɔewo ne woɖe srɔ̃ teti. Gake hafi woƒe srɔ̃ɖeɖea nali ke la, ele be woanɔ woƒe lɔlɔ̃a tum ɖo, abe dzo si metsina gbeɖe o ene.Marko 10:6-9.

18 Ne àdi be yeaɖe srɔ̃ la, di ame si nàte ŋu alɔ̃ tso dzi me. Ne èke ɖe amea ŋu la, mi ame evea midze agbagba miatu lɔlɔ̃ si le mia si na mia nɔewo ɖo. Abe ale si míesrɔ̃e le Hawo Ƒe Ha gbalẽa me ene la, lɔlɔ̃ akuakua si nɔa anyi ɖaa la ate ŋu anɔ ŋutsu kple nyɔnu dome, elabena “Yehowa ƒe dzoƒaɖe wònye!”Hawo Ƒe Ha 8:6.

^ mm. 6 Kpɔ Hawo Ƒe Ha ƒe “Emenyawo Ƒe Totoɖeme” le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me.