Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Tae Míeɖua Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La

Nu Si Tae Míeɖua Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La

“Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.”—1 KORINTOTƆWO 11:24.

1, 2. Nu kae Yesu wɔ le Nisan 14 lia, ƒe 33 K.Ŋ. ƒe fiẽ me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

ƔLETIA sɔ tegblẽe le Nisan 14 lia, ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) dzi le Yerusalem. Yesu kple eƒe apostoloawo ɖu Ŋutitotoŋkekenyuia, si nye wɔna si wotsɔ ɖoa ŋku ale si Yehowa ɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte ƒe 1,500 ye nye ema va yi la dzi. Yesu ɖu nu kple eƒe apostolo wɔnuteƒe 11-awo le wɔna tɔxɛ aɖe me. Enye wɔna si me eyomedzelawo anɔ gome kpɔm le ƒe sia ƒe le eƒe ku megbe.Mateo 26:1, 2.

2 Yesu do gbe ɖa, eye wòtsɔ abolo maʋamaʋã na eƒe apostoloawo hegblɔ be: “Mixɔe, miɖui.” Eyome etsɔ kplu si me wain le eye wògado gbe ɖa ake hegblɔ be: “Mi katã minoe le enu.” (Mateo 26:26, 27) Gɔmesese tɔxɛ le abolo kple wain la ŋu. Yesu ƒe apostolo wɔnuteƒeawo srɔ̃ nu geɖe le zã vevi ma me.

3. Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Yesu di be yeƒe nusrɔ̃lawo naɖo ŋku yeƒe kua dzi ƒe sia ƒe. Wova yɔ wɔna ma emegbe be “Aƒetɔ ƒe fiẽnuɖuɖu la,” alo Ŋkuɖodzia. (1 Korintotɔwo 11:20) Azɔ biabia aɖewo fɔ ɖe te. Nu ka tae wòle be míaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi? Nu kae abolo kple wain la le tsitre ɖi na? Aleke míate ŋu adzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu? Ame kawoe wòle be woaɖu kpɔɖeŋunuawo? Eye aleke Kristotɔwo ɖenɛ fiana be yewodea asixɔxɔ yewoƒe mɔkpɔkpɔa ŋu?

NU SI TAE MÍEÐOA ŊKU YESU ƑE KUA DZI

4. Nu ka ƒe mɔnukpɔkpɔe Yesu ƒe kua ʋu ɖi na mí?

4 Esi Adam wɔ nu vɔ̃ ta la, míenyi nu vɔ̃ kple ku ƒe dome tso egbɔ. (Romatɔwo 5:12) Amegbetɔ madeblibo aɖeke mate ŋu axe tafe na Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe agbe alo ame bubuwo ƒe agbe ta o. (Psalmo 49:7-10) Gake Yesu tsɔ eƒe agbe deblibo sa vɔ ɖe mía ta eye wòtsɔ asixɔxɔ si le tafe sia ŋu la yi na Mawu. To esia dzi la, Yesu ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí be míanɔ agbe tegbee, eye míavo tso nu vɔ̃ kple ku si me.Romatɔwo 6:23; 1 Korintotɔwo 15:21, 22.

Míekpɔa ŋudzedze ɖe nu si Mawu kple Yesu wɔ na mí la ŋu ŋutɔ!

5. (a) Aleke míewɔ nya be Mawu kple Yesu siaa lɔ̃ mí? (b) Nu ka tae wòle be míade Ŋkuɖodzia?

5 Mawu ɖe lɔlɔ̃ si gbegbe le esi na amegbetɔwo la fia to tafe si wòna la dzi. (Yohanes 3:16) Yesu hã ɖe lɔlɔ̃ si gbegbe le esi la fia esi wòtsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta. Hafi Yesu nava anyigba dzi gɔ̃ hã la, ‘ekpɔ dzidzɔ le amegbetɔviwo ŋu.’ (Lododowo 8:30, 31) Míekpɔa ŋudzedze ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ na mí la ŋu ŋutɔ! Esia tae míedea Ŋkuɖodzia ɖo, ale be míawɔ ɖe Yesu ƒe se si wòde be “minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye” la dzi.1 Korintotɔwo 11:23-25.

NU SI KPƆÐEŊUNUAWO LE TSITRE ÐI NA

6. Gɔmesese kae le mía si ku ɖe Ŋkuɖodzia ƒe abolo kple wain la ŋu?

6 Le nu mamlɛtɔ si Yesu ɖu kple eƒe apostoloawo me la, metrɔ abolo la wòzu eƒe ŋutilã alo wain la wòzu eƒe ʋu nukutɔe o. Egblɔ tso aboloa ŋu be: “Esia tsi tsitre ɖi na nye ŋutilã.” Eye wògblɔ tso wain la ŋu be: “Esia tsi tsitre ɖi na nye ‘nubabla ƒe ʋu,’ si woakɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta.” (Marko 14:22-24) Eya ta eme kɔ ƒãa be aboloa kple wain la nye kpɔɖeŋunuwo.

7. Nu kae amɔwɔ maʋamaʋã bolo la le tsitre ɖi na?

7 Le fiẽsi ƒe wɔna vevi ma me la, Yesu zã amɔwɔ maʋamaʋã bolo si ŋu dɔ wowɔ le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu me. (2 Mose 12:8) Amɔwɔ ʋaʋã tsia tre ɖi na nu vɔ̃ ɣeaɖewoɣi le Biblia me. (Mateo 16:6, 11, 12; Luka 12:1) Amɔwɔ maʋamaʋã bolo si Yesu zã la le tsitre ɖi na eƒe ŋutilã si ŋu nu vɔ̃ mele o. (Hebritɔwo 7:26) Esia tae míezãa amɔwɔ maʋamaʋã bolo le Ŋkuɖodzia ɖuɣi ɖo.

8. Nu kae wain la le tsitre ɖi na?

8 Wain si Yesu zã la le tsitre ɖi na eƒe ʋu, alo eƒe agbe, abe ale si ko wòle le wain si míezãna le Ŋkuɖodzia ɖuɖu me egbea gome ene. Le teƒe aɖe le Yerusalem godo, si woyɔna be Golgata la, Yesu ku ɖe mía ta hetsɔ eƒe agbe na “hena nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke.” (Mateo 26:28; 27:33) Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe nunana xɔasi ma ŋu la, ekema ƒe sia ƒe la, míadzra ɖo ɖe wɔna tɔxɛ sia ŋu. Aleke míate ŋu awɔ esiae?

MƆ AÐEWO SIWO NU MÍADZRA ÐO ÐE ŊKUÐODZIA ŊU LE

9. (a) Nu ka tae wòle be míazɔ ɖe Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖia dzi? (b) Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso tafea ŋu?

9 Míate ŋu adzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu to Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi si le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe gbalẽvia me la ŋu dɔ wɔwɔ dzi. Biblia me nuŋlɔɖiawo xexlẽ akpe ɖe mía ŋu míade ŋugble le nu siwo Yesu wɔ do ŋgɔ teti na eƒe ku la ŋu. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Míekpɔa mɔ na Ŋkuɖodzia. Ƒe sia ƒe la, eganɔa etɔxɛ wu. Meɖo ŋku edzi be esi míenɔ fofonye lɔlɔ̃a ƒe kuteƒe . . . la, menɔ eƒe kukua kpɔm dũu, eye meva kpɔ ŋudzedze ɖe tafevɔsa la ŋu ale gbegbe. . . . Ele eme be menya ŋɔŋlɔawo keŋ kple ale si maɖe wo mee ya! Gake esi mese ku ƒe veve ŋutɔŋutɔ ko hafi nye dzi yɔ kple dzidzɔ ɖe nu si woawɔ na mí to tafevɔsa xɔasi ma dzi ta.” Ŋugbledede le ale si Yesu ƒe vɔsaa aɖe vi na mía ŋutɔwoe ŋu nye mɔ vevi aɖe si dzi míato adzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu.

Míate ŋu azɔ ɖe Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖia dzi atsɔ adzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu (Kpɔ memama 9)

10. Mɔ bubu ka nue míate ŋu adzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu le?

10 Mɔ bubu si nu míadzra ɖo ɖe eŋu le ye nye be míadzi ɣeyiɣi si míezãna le subɔsubɔdɔa me la ɖe edzi eye míakpe ame ale si nu míate ŋui na Ŋkuɖodzia. Ðewohĩ míate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Ne míeƒo nu na amewo tso Mawu, Via, kple agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu la, míaƒe dzi adze eme be míewɔ nu si Mawu di tso mía si.Psalmo 148:12, 13.

11. Nu ka tae Paulo gblɔ be Korintotɔ aɖewo ɖu nu heno nu madzemadzee le Ŋkuɖodzia ɖuɣi?

11 Ne èle dzadzram ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu la, de ŋugble le nya si Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto la ŋu. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 11:27-34.) Egblɔ be ne ame aɖe ɖu aboloa alo no wain la madzemadzee, si fia be mede bubu wɔnaa ŋu o la, aɖi fɔ le “Aƒetɔ la ƒe ŋutilã kple eƒe ʋu ŋu.” Eya ta ne amesiamina aɖe wɔ nu gbegblẽ gake wòɖu kpɔɖeŋunuawo la, “eɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ henoa ʋɔnudɔdrɔ̃ na eɖokui.” Le Paulo ƒe ɣeyiɣia me la, Korintotɔ geɖewo nɔ nu gbegblẽ wɔm. Anɔ eme be wo dometɔ aɖewo ɖu nu heno nu wògbɔ eme do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia ɖuɣi alo esime wɔnaa le edzi yim, si wɔe be alɔ̃ nɔ wo tsɔm. Esia nye bubumademade wɔnaa ŋu si nye ŋkubiãnya. Eya ta ne woɖu kpɔɖeŋunuawo la, Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu o.

12. (a) Nu kae Paulo tsɔ Ŋkuɖodzia sɔ kplii? Aleke wòxlɔ̃ nu ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawoe? (b) Ne ame aɖe si ɖua kpɔɖeŋunuawo la wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, nu kae wòle be wòawɔ?

12 Paulo tsɔ Ŋkuɖodzia sɔ kple kplɔ̃ɖoɖo esi wòxlɔ̃ nu ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo la be: “Miate ŋu anɔ nu nom le Yehowa ƒe kplu nu, aganɔ nu nom le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu nu o; miate ŋu anɔ nu ɖum le ‘Yehowa ƒe kplɔ̃’ ŋu, aganɔ nu ɖum le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋu o.” (1 Korintotɔwo 10:16-21) Ne ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo la dometɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, ele be wòayi hamemetsitsiwo gbɔ ne woakpe ɖe eŋu. (Xlẽ Yakobo 5:14-16.) Ne eƒe nuwɔnawo ɖee fia be etrɔ dzi me vavã la, ekema ne eɖu kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodzia ɖuɣi la, manye bubumademade Yesu ƒe vɔsaa ŋu o.Luka 3:8.

Míadi gbeɖe be míawɔ nu si afia be míede bubu Yesu ƒe vɔsaa ŋu o

13. Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa tso mɔkpɔkpɔ si Mawu na mí la ŋu?

13 Mɔ bubu si nu míadzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu le ye nye be míanɔ gbedodoɖa kple ŋugbledede dzi le mɔkpɔkpɔ si Mawu na mí abe ame ɖekaɖekawo ene la ŋu. Míadi gbeɖe be míawɔ nu si afia be míede bubu Yesu ƒe vɔsaa ŋu o. Eya ta ne míekpɔ kpeɖodzi si me kɔ be míenye amesiaminawo o la, ke mele be míaɖu kpɔɖeŋunuawo o. Ekema ame kawoe wòle be woaɖu kpɔɖeŋunuawo?

AME KAWOE WÒLE BE WOAÐU KPƆÐEŊUNUAWO?

14. Esi amesiaminawo le nubabla yeyea me ta la, nu kae wowɔna le Ŋkuɖodzia ɖuɣi?

14 Ame siwo ɖua Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo la ka ɖe edzi bliboe be yewole nubabla yeyea me. Yesu gblɔ tso wain la ŋu be: “Kplu sia tsi tsitre ɖi na nubabla yeye, si wowɔ to nye ʋu dzi la.” (1 Korintotɔwo 11:25) Yehowa wɔ Se ƒe nubabla la kple Israel-viwo, gake egblɔ emegbe be yeana nubabla yeye aɖe naxɔ ɖe eteƒe. (Xlẽ Yeremiya 31:31-34.) Mawu bla nu yeye sia kple amesiaminawo. (Galatiatɔwo 6:15, 16) Yesu ƒe vɔsaku la dzie wotu nubabla sia ɖo. (Luka 22:20) Yesu ye nye Domenɔla na nubabla yeye la. Amesiamina wɔnuteƒe siwo le nubabla yeyea me la anɔ dziƒo kple Yesu.Hebritɔwo 8:6; 9:15.

15. Ame kawoe le Fiaɖuƒe ƒe nubabla la me? Ne wowɔ nuteƒe la, mɔnukpɔkpɔ kae asu wo si?

15 Amesiaminawo nyae be yewole Fiaɖuƒe ƒe nubablaa hã me. (Xlẽ Luka 12:32.) Esia nye nubabla si le Yesu kple eyomedzela amesiamina wɔnuteƒe siwo kpɔ gome “le eƒe fukpekpewo me” la dome. (Filipitɔwo 3:10) Amesiamina wɔnuteƒe siwo li egbea la hã le nubabla sia me. Woaɖu fia kple Kristo le dziƒo tegbee. (Nyaɖeɖefia 22:5) Wodze aɖu kpɔɖeŋunuawo le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la me.

16. Ðe nya si dze le Romatɔwo 8:15-17 la me kpuie.

16 Amesiaminawo ka ɖe edzi bliboe be Mawu ƒe viwoe yewonye, eya ta yewoate ŋu aɖu kpɔɖeŋunuawo. (Xlẽ Romatɔwo 8:15-17.) Paulo gblɔ be woamawo doa ɣli be: “Abba, Fofo!” Aramgbe me nya “Abba,” la he susu yi lɔlɔ̃ kple bubudedeameŋu siaa dzi, abe ale si ko woate ŋu ayɔ ame be “papa” kple “fofo” ene. Eɖe ƒomedodo tɔxɛ si nɔa amesiaminawo kple Yehowa dome ne woxɔ “viwo zuzu ƒe gbɔgbɔ” la fia. Mawu ƒe gbɔgbɔ la “ɖia ɖase” kpena ɖe woƒe gbɔgbɔ ŋu, si wɔnɛ be wodzea sii ɖikekemanɔmee be yewonye viawo siwo wosi ami na. Esia mefia be womedi be yewoanɔ anyigba dzi o. Wonya be ne yewowɔ nuteƒe va se ɖe ku me la, yewoanye fiawo kple Yesu le dziƒo. Eye wonyae hã be Yehowa, ame si nye “kɔkɔetɔ la si ami na” yewo. Egbea, Mawu ƒe vi 144,000 la dometɔ ʋɛ aɖewo koe susɔ ɖe anyigba dzi. (1 Yohanes 2:20; Nyaɖeɖefia 14:1) Ƒomedodo kplikplikpli le wo kple Yehowa dome ale gbegbe be woyɔnɛ be “Abba, Fofo!”

DE ASIXƆXƆ WÒ BIBLIA ME MƆKPƆKPƆA ŊU

17. Mɔkpɔkpɔ kae le amesiaminawo si? Aleke wowɔna nyana be yewonye amesiaminawo?

17 Ne Kristotɔ amesiaminae nènye la, ànɔ nu ƒom tso wò dziƒomɔkpɔkpɔa ŋu edziedzi le wò gbedodoɖawo me. Eye gɔmesese tɔxɛ nɔa Ŋɔŋlɔawo ŋu na wò. Le kpɔɖeŋu me, ne Biblia ƒo nu tso Yesu kple eƒe “ŋugbetɔ” la ƒe srɔ̃ɖeɖe le dziƒo ŋu la, èkpɔnɛ be esia ku ɖe wò hã ŋuwò eye nèkpɔa mɔ nɛ. (Yohanes 3:27-29; 2 Korintotɔwo 11:2; Nyaɖeɖefia 21:2, 9-14) Alo ne Biblia ƒo nu tso ale si Mawu lɔ̃ amesiaminawoe ŋu la, ènyana be yee wòle nu ƒom na. Eye ne èxlẽ mɔfiame siwo yi na amesiaminawo tẽe le Mawu ƒe Nyaa me la, gbɔgbɔ kɔkɔe la ʋãa wò be nàwɔ wo dzi. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la “ɖia ɖase” na wò be dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔe le asiwò.

18. Mɔkpɔkpɔ kae le ‘alẽ bubuawo’ si? Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso mɔkpɔkpɔ sia ŋu?

18 Ne èle ‘alẽ bubuawo’ siwo nye “ameha gã” la dome la, Mawu na mɔnukpɔkpɔ wò be nànɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16) Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso esia ŋu? Dzi dzɔa wò ne ède ŋugble le nya siwo Biblia gblɔ tso etsɔme Paradisoa ŋu la ŋu. Èle mɔ kpɔm be mia kple wò ƒometɔwo kple xɔ̃wòwo miava nɔ agbe le ŋutifafa ƒe xexe yeyea me. Èdi be dɔwuame, hiãkame, fukpekpe, dɔléle kple ku nu nayi. (Psalmo 37:10, 11, 29; 67:7; 72:7, 16; Yesaya 33:24) Enye wò didi vevie be nàgakpɔ wò ame lɔlɔ̃ siwo woafɔ ɖe tsitre la ake. (Yohanes 5:28, 29) Èdaa akpe na Yehowa ŋutɔ ɖe mɔkpɔkpɔ nyui sia ta! Togbɔ be mèɖua kpɔɖeŋunuawo o hã la, èdea Ŋkuɖodzia, elabena èkpɔa ŋudzedze ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa ŋu.

ÀDE ŊKUÐODZIA?

19, 20. (a) Nu kae ana nànɔ agbe tegbee? (b) Nu ka tae nàde Ŋkuɖodzia?

19 Hafi nàte ŋu anɔ agbe tegbee, eɖanye le anyigba dzi alo le dziƒo o, ele be nàxɔ Yehowa Mawu, Yesu Kristo, kpakple tafe la dzi se. Ne ède Ŋkuɖodzia la, de ŋugble le mɔkpɔkpɔ si le asiwò kple asixɔxɔ gã si le Yesu ƒe kua ŋu la ŋu. Le Fiɖa, April 3, 2015 ƒe ɣeɖoto megbe la, ame miliɔn geɖe ade Ŋkuɖodzia le Fiaɖuƒe Akpatawo me kple teƒe bubuwo le xexea me godoo.

20 Ne míedzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia dede ŋu kple susu nyuitɔ la, míakpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa ŋu tso dzi me. Ne èɖo to nyuie esime wole Ŋkuɖodzinuƒoa ƒom la, wò dzi aʋã wò be nàlɔ̃ ame bubuwo eye nàƒo nu tso lɔlɔ̃ si le Yehowa si na mí katã kple tame si wòɖo ɖe mía ŋu la ŋu na amewo. (Mateo 22:34-40) Ðoe kplikpaa be nàde Ŋkuɖodzia.

^ mm. 9 Kpɔ Megbenyawo B12 le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me.