Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Wò Srɔ̃ɖeɖe Nali Ke Eye Dzidzɔ Nanɔ Eme

Na Wò Srɔ̃ɖeɖe Nali Ke Eye Dzidzɔ Nanɔ Eme

“Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroe etulawo le agbagba dzem le eŋu.”PSALMO 127:1a.

1-3. Kuxi kawoe srɔ̃tɔwo doa goe? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

SRƆ̃ŊUTSU aɖe si le dzidzɔ kpɔm le eƒe srɔ̃ɖeɖe me ƒe 38 ye nye esia la gblɔ be: “Ne èdze agbagba vevie wɔ tɔwò si nua heɖee fia be yedi be yeƒe srɔ̃ɖeɖea nadze edzi la, Yehowa ayra ɖe edzi.” Ɛ̃, anya wɔ be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nakpɔ dzidzɔ ɖekae eye woakpe ɖe wo nɔewo ŋu le ɣeyiɣi sesẽwo gɔ̃ hã me.Lododowo 18:22.

2 Enuenu la, srɔ̃tɔwo doa go kuxiwo. Biblia yɔ esia be “xaxa le ŋutilã me.” (1 Korintotɔwo 7:28) Nu ka tae? Gbe sia gbe ƒe amemiamiawo ate ŋu ana kuxiwo naɖo srɔ̃ɖeɖea me. Esi srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo siaa mede blibo o ta la, ɣeaɖewoɣi la, wowɔa nu wòvea wo nɔewo, azɔ hã womeɖea woƒe susuwo gblɔna na wo nɔewo nyuie eme kɔna o. (Yakobo 3:2, 5, 8) Srɔ̃tɔ geɖewo ƒe dɔwɔɖuiwo tea ɖeɖi wo ŋu, eye wole viwo nyim hã. Nuteɖeamedzi kple ɖeɖiteameŋu nana wòsesẽna be woakpɔ ɣeyiɣi ado ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖekadodoa. Gakuxiwo, lãmesẽkuxiwo alo nɔnɔme sesẽ bubuwo ate ŋu ana lɔlɔ̃ kple bubu si le wo si na wo nɔewo la dzi nanɔ ɖeɖem kpɔtɔ vivivi. Eye “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo,” abe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, ŋukpenanuwɔwɔ, keléle, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo kple nyahehewo ene ate ŋu agblẽ srɔ̃ɖeɖe si dze abe ɖe wòli ke ene la me.Galatiatɔwo 5:19-21.

3 Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be, le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me la, ame geɖe nye ɖokuitɔdila siwo medea bubu Mawu ŋu o, eye nɔnɔme siawo ate ŋu agblẽ nu le srɔ̃ɖeɖe ŋu vevie. (2 Timoteo 3:1-4) Azɔ hã, futɔ vɔ̃ɖi aɖe ɖoe kplikpaa be yeagblẽ srɔ̃ɖeɖewo me. Apostolo Petro na míenya be: ‘Míaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe ɖem eye wòle ame dim be yeavuvu ami ene.’1 Petro 5:8; Nyaɖeɖefia 12:12.

4. Aleke wòanya wɔ be srɔ̃ɖeɖe nali ke eye dzidzɔ nanɔ eme?

4 Srɔ̃ŋutsu aɖe si le Japan gblɔ be: “Ganyawo nɔ fu ɖem nam vevie. Eye esi wònye be nyemeɖe nyawo me na srɔ̃nye nyuie o ta la, ewɔe be nuwo te ɖe eya hã dzi ale gbegbe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, lãmesẽkuxi sesẽwo ɖe fu nɛ nyitsɔ laa. Ɣeaɖewoɣi la, esiawo wɔnɛ be masɔmasɔwo ɖoa mía dome.” Ele eme be kuxiwo ado mo ɖa le srɔ̃ɖeɖea me ya, gake míate ŋu akpɔ wo gbɔ. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, srɔ̃ɖeɖewo ate ŋu ali ke eye dzidzɔ nanɔ wo me. (Xlẽ Psalmo 127:1.) Na míadzro nu atɔ̃ siwo ate ŋu ana srɔ̃ɖeɖe nali ke nyuie la me kpɔ. Míadzro nu si tae lɔlɔ̃ hã le vevie be srɔ̃ɖeɖe nali ke la me.

NA YEHOWA NANƆ WÒ SRƆ̃ÐEÐEA ME

5, 6. Nu kae srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ be Yehowa nanɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea me?

5 Ne srɔ̃tɔwo wɔ nuteƒe na Yehowa hebɔbɔ wo ɖokui ɖe eyama te la, woƒe srɔ̃ɖeɖea ƒe gɔmeɖoanyi ali ke. (Xlẽ Nyagblɔla 4:12.) Ne srɔ̃tɔwo zɔ ɖe mɔfiame siwo Mawu na wo lɔlɔ̃tɔe dzi la, wonana Mawu nɔa woƒe srɔ̃ɖeɖea me. Biblia gblɔ be: “Miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: ‘Mɔ la enye si, mito edzi!’ nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.” (Yesaya 30:20, 21) Egbea, srɔ̃tɔwo ‘sea’ Yehowa ƒe nya ne woxlẽa Biblia ɖekae. (Psalmo 1:1-3) Ne enuenu la, wowɔa ƒometadedeagu si wosea vivi na si tua wo ɖo la, esia agado ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖekadodoa ɖe edzi wu gɔ̃ hã. Eye ne srɔ̃tɔwo doa gbe ɖa ɖekae gbe sia gbe la, woƒe srɔ̃ɖeɖea ate ŋu anɔ te ɖe Satana ƒe xexea me kuxiwo nu.

Ne srɔ̃tɔwo subɔ Yehowa ɖekae la, wotena ɖe Mawu ŋu, wo dome nɔa kplikplikpli, eye dzidzɔ nɔa woƒe srɔ̃ɖeɖea me (Kpɔ memama 5, 6)

6 Gerhard, si tso Germany gblɔ be: “Ɣesiaɣi si ame nɔewo dome kuxiwo alo masɔmasɔwo do mo ɖa la, mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nyaa me la kpena ɖe mía ŋu míegbɔa dzi blewu na mía nɔewo eye míetsɔnɛ kena.” Egblɔ kpee be nɔnɔme siawo le vevie be srɔ̃ɖeɖe nadze edzi. Ne srɔ̃tɔwo subɔa Mawu ɖekae hedzea agbagba vevie be yewoana wòanɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me la, wotena ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli eye wodoa ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖeɖea.

SRƆ̃ŊUTSU SIWO WƆA WOƑE TANYENYE ŊU DƆ LE LƆLƆ̃ ME

7. Aleke wòle be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋui?

7 Ale si srɔ̃ŋutsu xɔa ŋgɔ le eƒe ƒomea me la ate ŋu ana srɔ̃ɖeɖea nali ke eye dzidzɔ nanɔ eme. Biblia gblɔ be: “Ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo la; eye nyɔnu hã ƒe tae nye ŋutsu.” (1 Korintotɔwo 11:3) Nu kae esia fia? Ele be srɔ̃ŋutsuwo nawɔ nu ɖe wo srɔ̃wo ŋu abe ale si ko Yesu hã wɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋui ene. Medzɔ gbeɖe be Yesu wɔ nu tagbɔsesẽtɔe alo be wòna eƒe nya me sẽ o. Yesu lɔ̃a ame ɣesiaɣi, enyoa dɔme, esea nu gɔme na ame, efaa tu, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me.Mateo 11:28-30.

8. Nu kae srɔ̃ŋutsu awɔ be srɔ̃a nalɔ̃e ahade bubu eŋu?

8 Mehiã be srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo nabia tso wo srɔ̃wo si be woade bubu yewo ŋu o. Ke boŋ ele be ‘woayi edzi anɔ anyi kple nyɔnuwo le sidzedze me,’ eye woade “asixɔxɔ wo ŋu abe nugoe si ate ŋu agbã bɔbɔe wu ene.” (1 Petro 3:7) Eɖanye le dutoƒo alo ne woawo ɖeɖee li o, ele be srɔ̃ŋutsu naƒo nu na srɔ̃a bubutɔe eye eƒe dɔme natrɔ ɖe eŋu. Srɔ̃ŋutsuwo toa woƒe nuwɔna kple nuƒoƒo siaa dzi ɖenɛ fiana be yewodea asixɔxɔ yewo srɔ̃wo ŋu. (Lododowo 31:28) Ne srɔ̃ŋutsu wɔa nu ɖe srɔ̃a ŋu le lɔlɔ̃ me la, srɔ̃a hã alɔ̃e ahade bubu eŋu eye Yehowa ayra woƒe srɔ̃ɖeɖea.

SRƆ̃NYƆNU SIWO BƆBƆA WO ÐOKUI

9. Aleke srɔ̃nyɔnu aɖee afia be yebɔbɔa ye ɖokui?

9 Ðokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ na Yehowa si wotu ɖe eƒe gɔmeɖosewo dzi akpe ɖe mía ŋu míabɔbɔ mía ɖokui “ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te.” (1 Petro 5:6) Mɔ vevi aɖe si dzi srɔ̃nyɔnu ato aɖee afia be yebɔbɔ ye ɖokui ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ tee nye be wòawɔ nu kple srɔ̃a aduadu. Biblia gblɔ be: “Mi srɔ̃nyɔnuwo, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe ale si wòdze le Aƒetɔ la me ene.” (Kolosetɔwo 3:18) Ele eme be menye srɔ̃ŋutsu ƒe nyametsotso ɖe sia ɖe ye adze srɔ̃a ŋu ya o. Gake zi ale si eƒe nyametsotsowo metsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu o ko la, srɔ̃nyɔnu si bɔbɔa eɖokui la adi be yeawɔ nu aduadu kple srɔ̃a.1 Petro 3:1.

10. Nu ka tae ɖokuibɔbɔ le lɔlɔ̃ me le vevie?

10 Yehowa na ɖoƒe si ŋu bubu le la srɔ̃nyɔnuwo le ƒomea me. Srɔ̃nyɔnu la nye “zɔhɛ,” alo kpeɖeŋutɔ, na srɔ̃a. (Maleaxi 2:14) Ne srɔ̃tɔwo be yewoatso nya me le ƒomenyawo ŋu la, srɔ̃nyɔnu la agblɔ eƒe susu kple ale si wòse le eɖokui me, ke hã ayi edzi abɔbɔ eɖokui. Srɔ̃ŋutsu si da sɔ la alé to ɖe srɔ̃a ƒe nyawo ŋu nyuie. (Lododowo 31:10-31) Ðokuibɔbɔ le lɔlɔ̃ me ate ŋu ana dzidzɔ, ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ ƒomea me. Esia ana srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ƒe dzi nadze eme, elabena wonyae be yewoƒe nu dzea Mawu ŋu.Efesotɔwo 5:22.

MITSƆE NƆ MIA NƆEWO KEM FAA

11. Nu ka tae tsɔtsɔke le vevie?

11 Hafi srɔ̃ɖeɖe nate ŋu ali ke la, ele be srɔ̃tɔwo nasrɔ̃ ale si woatsɔe anɔ wo nɔewo kem. Ne srɔ̃tɔwo ‘yia edzi doa dzi nɔa anyi kple wo nɔewo, eye wotsɔnɛ kea wo nɔewo faa’ la, woado ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖeɖea. (Kolosetɔwo 3:13) Gake ne womeŋlɔa wo nɔewo ƒe vodadawo be o eye wohea nya xoxowo ɖe go la, egblẽa nu le srɔ̃ɖeɖea ŋu. Ne xɔ aɖe ƒe gliwo fe keŋ la, ŋusẽ meganɔa xɔa ŋu o, nenema kee dzibibi kple ameléle ɖe dɔme nana wògasesẽna ɖe edzi wu be woatsɔ ake ahawɔ nu aduadu. Gake srɔ̃ɖeɖe lia ke wu ne srɔ̃tɔwo tsɔnɛ kea wo nɔewo abe ale si ko Yehowa tsɔnɛ kea wo la ene.Mixa 7:18, 19.

12. Aleke lɔlɔ̃ tsyɔa “nu vɔ̃ geɖe dzi”?

12 Lɔlɔ̃ akuakua “meŋlɔa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o.” Ɛ̃, “lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.” (1 Korintotɔwo 13:4, 5; xlẽ 1 Petro 4:8.) Eya ta ne míelɔ̃ amewo vavã la, xexlẽme manɔ ale si míatsɔe ake woe la ŋu o. Esi apostolo Petro bia be zi nenie yeatsɔ ake ame si dze agɔ le ye dzi hã la, Yesu ɖo eŋu be: “Va se ɖe zi blaadre vɔ adre.” (Mateo 18:21, 22) Yesu ƒe nyaa gɔme ɖe? Efia be xexlẽme meli na ale si wòle be Kristotɔ natsɔ amewo ƒe vodadawo ake woe o.Lododowo 10:12. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

13. Nu ka wɔwɔe ana wòanɔ bɔbɔe wu be míatsɔe ake?

13 Annette, si tso Germany gblɔ be: “Ne srɔ̃tɔwo medina be yewoatsɔe ake yewo nɔewo o la, ehea dzibibi kple nazãbubu vanɛ, eye esia gblẽa nu le srɔ̃ɖeɖea ŋu. Tsɔtsɔke doa ŋusẽ srɔ̃ɖekadodoa eye wònana srɔ̃tɔwo dome nɔa kplikplikpli.” Nye akpedala, eye nàkpɔ ŋudzedze ɖe nu ŋu. Di mɔnukpɔkpɔwo be nàkafu srɔ̃wò. Esia wɔwɔ ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nàtsɔe ake. (Kolosetɔwo 3:15) Emetsonuae nye susu me ƒe akɔdzeanyi, ɖekawɔwɔ, kple Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu.Romatɔwo 14:19.

MIWƆ SIKASEDEDEA DZI

14, 15. Nu kae nye Sikasedede la, eye aleke edziwɔwɔ ate ŋu ana srɔ̃ɖeɖe nali ke?

14 Ðikeke mele eme o be èdina be amewo nade bubu ye ŋu. Edzɔa dzi na wò ne amewo ɖoa to wò eye wobua wò seselelãmewo ŋu. Gake ɖe nèse ame aɖe gblɔ be, “Maɖo nu si wòwɔm la teƒe nɛ godoo” kpɔa? Ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu ase nu si tae ame aɖe agblɔ nya ma ɖo gɔme ya. Gake Biblia gblɔ na mí be: “Mègagblɔ be: ‘Ale si wòwɔm la, nenema mawɔe [o].’” (Lododowo 24:29) Yesu gblɔ mɔ nyuitɔ kekeake si dzi míato akpɔ nya sesẽwo gbɔe. Woyɔa nya si Yesu gblɔ la be Sikasedede la. Eyae nye be: “Ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.” (Luka 6:31) Yesu ƒe nyaa fia be ele be míawɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si ko míadi be woawɔ nu ɖe mía ŋui ene, ke menye abe ale si wowɔnɛ ɖe mía ŋu ene o. Esia fia be ele be mía ŋutɔwo míawɔ nu siwo ana míaƒe srɔ̃ɖeɖea nanɔ abe ale si míedi be wòanɔ ene.

Ele be mía ŋutɔwo míawɔ nu siwo ana míaƒe srɔ̃ɖeɖea nanɔ abe ale si míedi be wòanɔ ene

15 Ne srɔ̃tɔwo bua wo nɔewo ƒe seselelãmewo ŋu vavã la, woƒe srɔ̃ɖeɖea galia ke wu. Srɔ̃ŋutsu aɖe si le South Africa gblɔ be: “Míedzea agbagba be míawɔ Sikasededea dzi. Ele eme be míedoa dziku ɣeaɖewoɣi ya, gake ame sia ame dzea agbagba be yeawɔ nu ɖe ye nɔvi ŋu abe ale si ko wòadi be woawɔe ɖe ye hã ye ŋu ene, eya ta míedea bubu deto mía nɔewo ŋu.”

16. Nu kae mele be srɔ̃tɔwo nawɔ ɖe wo nɔewo ŋu gbeɖe o?

16 Mègaʋu go srɔ̃wò ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ame bubu nase o, eye mèganɔ nyatoƒoe tom le eƒe nɔnɔme siwo medzɔa dzi na wò ŋu o, mègatsɔe ka ahatsee gɔ̃ hã o. Ðo ŋku edzi be srɔ̃ɖeɖe menye hoʋiʋli be woakpɔ ame si ŋu ŋusẽ le wu, ame si ate ŋu ado ɣli ɖe nɔvia ta wu, alo ame si ate ŋu agblɔ nya tɔamewo wu nɔvia o. Ele eme be mí katã míede blibo o eye míewɔa nu wòvea amewo ɣeaɖewoɣi ya. Gake susu nyui aɖeke meli si ta srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu nade ŋukpe mo na srɔ̃a alo agblɔ nya tɔamewo ɖe eŋu, alo awɔ esi gavloe wu, si nye be wòatu asii alo aƒoe o.Xlẽ Lododowo 17:27; 31:26.

17. Aleke srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu awɔ Sikasededea dzi?

17 Le teƒe aɖewo la, ŋutsuwo wɔa ŋlɔmi le wo srɔ̃wo ŋu alo ƒoa wo be yewoatsɔ aɖe yewoƒe ŋutsunyenye afia. Gake Biblia gblɔ be: “Dzigbɔɖitɔ nyo wu kalẽtɔ, eye ame si ɖua eɖokui dzi la, nyo wu duwo xɔla.” (Lododowo 16:32) Ebia ɖokuidzizizi be ame naɖu eɖokui dzi, abe ale si ko Yesu Kristo, si nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ la wɔe ene. Menye ŋutsunyenyee wònye be ame nawɔ ŋlɔmi le srɔ̃a ŋu alo aƒoe o, eye ŋutsu si wɔa esia la ƒe nu madze Yehowa ŋu o. Hakpala David, si nye ŋutsu sesẽ kple kalẽtɔ la gblɔ be: “Dzi neku mi, ke migawɔ nu vɔ̃ o! Miƒo nu le dzi me le miaƒe abawo dzi, eye mizi ɖoɖoe!”Psalmo 4:5.

“MIDO LƆLƆ̃”

18. Nu ka tae wòle vevie be srɔ̃tɔwo nayi edzi anɔ wo nɔewo lɔ̃m?

18 Xlẽ 1 Korintotɔwo 13:4-7. Lɔlɔ̃e nye nɔnɔme vevitɔ le srɔ̃ɖeɖe me. Biblia gblɔ be: “Mido dɔmetɔtrɔ ƒe veveseɖeamenu, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa, kple dzigbɔgbɔ blewu. Gake hekpe ɖe nu siawo katã ŋu la, mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.” (Kolosetɔwo 3:12, 14) Ele be srɔ̃tɔwo nalɔ̃ wo nɔewo le ɖokuitɔmadimadi me, eye woasrɔ̃ Yesu Kristo, ame si lɔ̃ faa tsɔ eɖokui sa vɔe ɖe ame bubuwo ta. Ne lɔlɔ̃ sia tɔgbi le srɔ̃ɖeɖe me la, ali ke togbɔ be ame srɔ̃ ƒe nɔnɔme siwo vea dɔme na ame, lãmesẽkuxi sesẽwo, gakuxi sesẽwo, kple kuxi siwo tsoa ƒometɔwo abe towo kple lɔ̃xowo ene gbɔ ado mo ɖa hã.

19, 20. (a) Aleke srɔ̃tɔwo ana woƒe srɔ̃ɖeɖe nali ke eye dzidzɔ nanɔ eme? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Lɔlɔ̃, nuteƒewɔwɔ kple kutrikuku hiã hafi srɔ̃ɖeɖe nadze edzi. Ne kuxiwo do mo ɖa la, mele be srɔ̃tɔwo naɖe ta le srɔ̃ɖeɖea me o. Ke boŋ ele be woaɖoe kplikpaa be yewoate ɖe yewo nɔewo ŋu kplikplikpli. Ne srɔ̃tɔwo lɔ̃ Yehowa eye wolɔ̃ wo nɔewo la, ke ele be woadze agbagba vevie adzra wo nɔewo dome ɖo, elabena “lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.”1 Korintotɔwo 13:8; Mateo 19:5, 6; Hebritɔwo 13:4.

20 Ebia agbagbadzedze vevie be woana srɔ̃ɖeɖe nali ke eye dzidzɔ nanɔ eme le “ɣeyiɣi sesẽ” siawo me. (2 Timoteo 3:1) Ke hã anya wɔ le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me. Gake egahiã kokoko be srɔ̃tɔwo nawɔ avu ale be ale si gbɔdɔnyawo xɔ amewo ƒe susu le xexea me la nagagblẽ nu le woƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu o. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míakpɔ ale si srɔ̃tɔwo ate ŋu ana woƒe srɔ̃ɖeɖea nali ke nyuie.

^ mm. 12 Togbɔ be srɔ̃tɔwo dzea agbagba tsɔnɛ kea wo nɔewo hekpɔa woƒe kuxiwo gbɔ hã la, Biblia gblɔ be ne ame aɖe srɔ̃ wɔ ahasi la, gome le srɔ̃tɔ si meɖi fɔ o la si be wòatiae nenye be yeatsɔe ake loo alo yematsɔe ake o. (Mateo 19:9) Kpɔ nyati si nye “Biblia Ƒe Nukpɔsusu: Ahasiwɔwɔ—Woatsɔe Ake Alo Womatsɔe Ake Oa?” le August 8, 1995 ƒe Nyɔ! me.