Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Dzo Nanɔ Mewò Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu

Na Dzo Nanɔ Mewò Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu

GBEƑÃÐEÐE nya nyuia ye nye dɔ vevitɔ kekeake si wɔm míele le xexea me egbea. Bubu gãe wònye na mí be míele Yehowa teƒe le gbeƒãɖeɖedɔ sia wɔm. Gake ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu anɔ sesẽm na mɔɖelawo kple gbeƒãɖelawo be woayi edzi atsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Nu ka tae?

Nu kae akpe ɖe ŋuwò be dzo nanɔ mewò ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?

Gbeƒãɖela aɖewo kpɔnɛ be ame ʋɛ aɖewo koe yewoɖia ɖase na le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me, elabena ame geɖe menɔa aƒe me o. Eye ne amewo le aƒe me gɔ̃ hã la, wo dometɔ geɖe metsɔa ɖeke le Fiaɖuƒegbedeasia me o alo wodoa dziku ɖe mía ŋu gɔ̃ hã. Gbeƒãɖela aɖewo hã ƒe anyigbamama lolo eye amewo ɖoa to ŋutɔ, eya ta ewɔna na wo be yewomate ŋu aɖe gbeƒã na amewo katã le anyigbamamaa me o. Nɔvi bubu aɖewo hã le gbeƒã ɖem ƒe geɖee nye esia eye fifia dzi ɖe le wo ƒo le esi nuwuwua meva haɖe o ta.

Edze ƒãa be míado go kuxiwo le gbeƒãɖeɖedɔa me si ate ŋu aɖe dzo si le mía me dzi akpɔtɔ. Xexe si dzi “vɔ̃ɖitɔ” Satana Abosam le ŋusẽ kpɔm ɖo la mee míele, eya ta míenya be gbeƒãɖeɖe nya nyuia manɔ bɔbɔe na mí o.—1 Yohanes 5:19.

Kuxi ka kee nèdoa goe le gbeƒãɖeɖedɔa me o, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàɖu edzi. Gake nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ atu dzo si le mewò ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la ɖo? Mina míadzro aɖaŋuɖoɖo aɖewo me kpɔ.

KPE ÐE GBEƑÃÐELA YEYEWO ŊU

Ƒe sia ƒe la, ame akpe geɖe xɔa nyɔnyrɔ va zua Yehowa Ðasefowo. Ne nyitsɔ laa koe nèxɔ nyɔnyrɔ la, àte ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ame siwo xɔ nyɔnyrɔ ƒe geɖee nye esia la gbɔ. Eye ne ƒe geɖee nye esia nènye gbeƒãɖela la, aleke nàte ŋu ana hehe ame yeyewo? Esia wɔwɔ ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe.

Yesu nya be yeƒe nusrɔ̃lawo hiã mɔfiafia ale be woazu nufiala bibiwo, eya ta efia ale si woaɖe gbeƒãe la wo. (Luka 8:1) Nenema kee wòle be míana hehe ame yeyewo be woava zu gbeƒãɖela bibiwo.

Mele be wòawɔ na mí be ne gbeƒãɖela yeye aɖe nya le gbeadzi dem ko la, ele ale si wòafia nu amewo la srɔ̃m ye nye ema o. Ehiã vevie be gbeƒãɖela bibi aɖe nana hehe ame yeyea le lɔlɔ̃ kple dɔmenyo me. Ele be woafia ame yeyea ale si (1) wòadzra ɖo ahato nya siwo wòagblɔ na aƒemenɔlawo me do ŋgɔ, (2) wòaɖo dze kple amewo, (3) wòana agbalẽ amewo, (4) wòatrɔ ayi ame siwo tsɔ ɖe le nyaa me gbɔ, eye (5) wòadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. Gbeƒãɖela yeye ate ŋu ava bi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me ne eléa ŋku ɖe ale si gbeƒãɖela kpɔnuteƒewo fiaa nui ŋu hesrɔ̃a woƒe kpɔɖeŋu. (Luka 6:40) Eye dzi aɖo gbeƒãɖela yeyea ƒo ne enyae be ame aɖe le klalo akpe ɖe ye ŋu ne ehiã. Ne míekafua gbeƒãɖela yeyewo heɖoa aɖaŋu na wo la, esia hã aɖe vi na wo geɖe.—Nyagblɔla 4:9, 10.

ÐO DZE KPLE WÒ GBEADZIZƆHƐA

Togbɔ be àdze agbagba be yeaɖo dze kple aƒemenɔlawo hã la, ɣeaɖewoɣi la, dzeɖoɖo kple wò gbeadzizɔhɛa ye avivi nuwò wu. Ðo ŋku edzi be Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃lawo “eveveve” be woaɖe gbeƒã. (Luka 10:1) Ne wole dɔ wɔm ɖekae la, woate ŋu atu wo nɔewo ɖo ahade dzo wo nɔewo me. Dɔwɔwɔ kple mía nɔviwo le gbeadzi naa mɔnukpɔkpɔ sua mía si be ‘míade dzi ƒo na mía nɔewo.’—Romatɔwo 1:12.

Nu kawo ŋue miate ŋu aɖo dze tsoe? Ðe nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname aɖe su mia dometɔ aɖe si nyitsɔ laa? Ðe nèsrɔ̃ nu vevi aɖe le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ alo ƒomenusɔsrɔ̃ mea? Ðe nya aɖe si nèse le kpekpea me de dzi ƒo na wòa? Ɣeaɖewoɣi la, àzɔ kple gbeƒãɖela aɖe si mènya nyuie o. Àte ŋu abiae ale si wòwɔ srɔ̃ nyateƒea. Nu kae na wòka ɖe edzi be Yehowa ƒe habɔbɔe nye esia? Mɔnukpɔkpɔ alo nuteƒekpɔkpɔ kawoe su esi? Ðewohĩ àte ŋu agblɔ wò ŋutɔ wò nuteƒekpɔkpɔ aɖewo nɛ. Aleke ke anyigbamamaa me tɔwo ɖawɔ nui o, ne èzɔ kple ame aɖe le gbeadzi la, mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe su mia si be ‘miatu mia nɔewo ɖo.’—1 Tesalonikatɔwo 5:11.

NA WÒ ÐOKUISINUSƆSRƆ̃ NAGANYO ÐE EDZI

Be dzo nakpɔtɔ anɔ mía me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, ehiã be míana míaƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ naganyo ɖe edzi. ‘Kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ la taa nyati geɖe ku ɖe nu vovovowo ŋu, siwo míate ŋu asrɔ̃. (Mateo 24:45) Na míadzro nyati nyui aɖe si ŋu míate ŋu asrɔ̃ nu tsoe la me, eyae nye: Nu ka tae gbeƒãɖeɖedɔa le vevie ŋutɔ? Aɖaka si nye “ Nu Ka Tae Nàna Dzo Nanɔ Mewò Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu?” gblɔ susu siwo tae la dometɔ aɖewo.

Ne èdzro aɖakaa me la, aʋã wò nàyi edzi anɔ gbeƒã ɖem kple dzonɔameme. Le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ me la, dze agbagba nàŋlɔ susu bubu siwo dze le Ŋɔŋlɔawo me siwo tae wòle be nàtsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la ɖi. Eyome de ŋugble le nu siawo ŋu. Ne èwɔe alea la, àtu dzo si le mewò ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ɖo.

LƆ̃ FAA NÀTE MƆNU YEYEWO KPƆ

Yehowa ƒe habɔbɔa ɖoa aɖaŋu na mí edziedzi ku ɖe mɔ siwo dzi míato be míaƒe subɔsubɔdɔa naganyo ɖe edzi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, tsɔ kpe ɖe tso aƒe me yi aƒe me dɔa ŋu la, míate ŋu ate ɖaseɖiɖi to lɛtaŋɔŋlɔ dzi, telefon dzi ɖaseɖiɖi, ablɔdzi alo dutoƒoɖaseɖiɖi le teƒe bubuwo, kple vomeɖaseɖiɖi, alo ɖaseɖiɖi le dɔwɔƒewo kpɔ. Míate ŋu awɔ ɖoɖo hã be míayi aɖaɖe gbeƒã le nuto siwo me Ðasefo ʋɛ aɖewo alo ɖeke mele o la me.

Ðe nèlɔ̃na faa be yeate mɔnu yeyewo kpɔa? Nu nyui geɖe do tso eme na nɔvi geɖe siwo te aɖaŋuɖoɖo siawo kpɔ. Na míakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu etɔ̃ aɖewo ɖa.

Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye April ɖoe be yeate aɖaŋuɖoɖo siwo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ku ɖe Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme dzedze ŋu la dometɔ aɖe kpɔ. Edo Bibia nusɔsrɔ̃ ɖe eƒe dɔwɔhati etɔ̃ gbɔ. Ewɔ nuku na April eye dzi dzɔe ale gbegbe esi wo ame etɔ̃awo katã lɔ̃ be yewoasrɔ̃ nu, eye wodze kpekpeawo hã dede gɔme.

Wode dzi ƒo na mí hã be míadi ame siwo míaƒe magazinewo me nyati aɖe koŋ ado dzidzɔ na. Nutome sue dzikpɔla aɖe si le Amerika ɖoe be yeatsɔ Nyɔ! me nyati aɖe si ku ɖe lɔri tayawo ŋu la ana adzɔha siwo dzraa tayawo le nutoa me la ƒe amegãwo. Nutome sue dzikpɔlaa kple srɔ̃a gatsɔ nyati aɖewo siwo ku ɖe nugɔmesese na ɖɔktawo ŋu la yi na ɖɔkta siwo wu 100. Egblɔ be ame siawo gbɔ yiyi na wova kpɔ viɖe si gbegbe le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa kple míaƒe agbalẽwo ŋu. To mɔ sia dzi la, nutome sue dzikpɔlaa kple srɔ̃a va nya nutoa me tɔwo nyuie, eye wote ŋu trɔ yi ame geɖe gbɔ.

Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Judy ŋlɔ akpedalɛta ɖo ɖe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã tsɔ ɖe ale si wòkpɔ ŋudzedze ɖe aɖaŋuɖoɖo si ku ɖe telefon dzi ɖaseɖiɖi ŋu la fia. Egblɔ be ye nɔ si xɔ ƒe 86, eye lãmegbegblẽ le fu ɖem nɛ la wɔ aɖaŋuɖoɖo sia dzi heɖia ɖase na amewo le telefon dzi zi geɖe. Esia na wòva dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple nyagãɖeɖi aɖe si xɔ ƒe 92 sɔŋ!

Aɖaŋu siwo woɖona na mí le míaƒe agbalẽwo me la wɔa dɔ ŋutɔŋutɔ. Te wo kpɔ! Wo dzi wɔwɔ ana nànɔ vivi sem na gbeƒãɖeɖedɔa eye dzo nakpɔtɔ anɔ mewò.

ÐO TAÐODZINU NYUIWO

Nu kae nana míekpɔa dzidzedze le gbeƒãɖeɖedɔa me? Menye agbalẽ agbɔsɔsɔ si míena, ame agbɔsɔsɔ si míesrɔ̃ Biblia kplii, alo ame agbɔsɔsɔ si ŋu míekpe ɖo wova zu Yehowa Ðasefowo ye o. Bu Noa ŋu kpɔ. Le Noa ƒe ƒomea megbe la, ame neni ŋue wòkpe ɖo wova zu Yehowa subɔlawo? Ke hã enye gbeƒãɖela kpɔdzidzedze. Eya ta nu vevitɔe nye be míasubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe.—1 Korintotɔwo 4:2.

Gbeƒãɖela geɖe de dzesii be, hafi dzo naɖo yewo me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, ehiã be yewoaɖo taɖodzinu siwo da sɔ na yewo ɖokui. Taɖodzinuawo dometɔ aɖewoe nye kawo? Wo dometɔ aɖewo dze le aɖaka si nye “ Ðo Taɖodzinu Nyuiwo” me.

Do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò be wò subɔsubɔdɔa natse ku. Ne èɖo wò taɖodzinuwo gbɔ la, dzi adzɔ wò be yele yeƒe ŋutete katã wɔm le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me.

Ele eme be kuxiwo ate ŋu anɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia me. Gake nu geɖe li nàte ŋu awɔ be dzo nanɔ mewò ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Ðo dze tuameɖowo kple wò gbeadzizɔhɛa, na wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ naganyo ɖe edzi eye nàwɔe edziedzi, te ɖaseɖiɖi ƒe mɔnu yeye siwo ƒe aɖaŋu kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ɖona na mí la kpɔ, eye nàɖo taɖodzinu nyuiwo na ɖokuiwò. Ƒo wo katã ta la, ɖo ŋku edzi be bubu gã wònye be Yehowa Mawu na mɔnukpɔkpɔ wò be nànye yeƒe Ðasefo ahaɖe gbeƒã nya nyuia. (Yesaya 43:10) Dzi adzɔ wò geɖe ne èyi edzi tsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu!