Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Yesu Ƒe Ðokuibɔbɔ Kple Dɔmetɔtrɔ

Srɔ̃ Yesu Ƒe Ðokuibɔbɔ Kple Dɔmetɔtrɔ

“Kristo . . . kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.”—1 PETRO 2:21.

1. Ne míesrɔ̃ Yesu la, nu ka tae esia ate mí ɖe Yehowa ŋu?

ZI GEÐE la, míedzea agbagba be míasrɔ̃ ame siwo ƒe nu dzɔa dzi na mí. Le ame siwo katã nɔ anyigba dzi kpɔ dome la, Yesu Kristoe nye ame nyuitɔ kekeake si míasrɔ̃. Nu ka tae? Gbe ɖeka Yesu gblɔ be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.” (Yohanes 14:9) Yesu gblɔ esia, elabena esrɔ̃ Fofoa ƒe nɔnɔme pɛpɛpɛ. Eya ta ne míesrɔ̃ nu tso Yesu ŋu la, ke efia be míele nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu. Eye ne míesrɔ̃ Yesu la, míetena ɖe Yehowa, si nye Ŋusẽtɔ gãtɔ le dziƒo kple anyigba dzi la ŋu. Bubu gã ka gbegbee nye esi!

2, 3. (a) Nu ka tae Yehowa ɖe nu geɖe fia mí ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu, eye nu kae mía Mawu la le mɔ kpɔm be míawɔ? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me?

2 Yehowa ɖe nu geɖe fia mí ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu le Biblia me. Nu ka tae? Elabena mía Mawu la di be míanya ye Via nyuie, ale be míate ŋu asrɔ̃ eƒe nɔnɔme pɛpɛpɛ. (Xlẽ 1 Petro 2:21.) Le Biblia me la, wotsɔ kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na mí la sɔ kple afɔɖoƒewo. Nu kae esia fia? Yehowa di be míadze ye Via ƒe afɔɖoƒewo yome, si fia be míasrɔ̃ Yesu ƒe nuwɔna le go sia go me. Gake esi Yesu ya de blibo ta la, Yehowa mele mɔ kpɔm be míasrɔ̃ ye Via le mɔ si de blibo nu o. Ke boŋ Mawu di be míawɔ míaƒe ŋutete katã asrɔ̃ Yesu.

3 Na míadzro Yesu ƒe nɔnɔme nyuiawo dometɔ aɖewo me kpɔ. Le nyati sia me la, míadzro eƒe ɖokuibɔbɔ kple dɔmetɔtrɔ me. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro eƒe dzideƒo kple nugɔmesese me. Míaɖo nyabiase etɔ̃ ŋu le nɔnɔme ɖe sia ɖe gome: Nu kae nɔnɔmea fia? Aleke Yesu ɖee fiae? Aleke míate ŋu asrɔ̃ eyama?

YESU BƆBƆ EÐOKUI

4. Nu kae ɖokuibɔbɔ fia?

4 Nu kae nye ɖokuibɔbɔ? Dadala geɖe susuna be ɖokuibɔbɔ nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi, alo be enye kpeɖodzi be dzi mele ame aɖe ƒo o. Gake ɖe esia nye nyateƒea? Le nyateƒe me la, ɖokuibɔbɔ bia be ame nasẽ ŋu eye dzi nanɔ eƒo. Ðokuibɔbɔ fia be ame nagado eɖokui ɖe dzi alo anye dadala o. Le Biblia me la, woagate ŋu aɖe “ɖokuibɔbɔ” gɔme be tamebɔbɔɖeanyi. (Filipitɔwo 2:3) Hafi míate ŋu abɔbɔ mía ɖokui la, ele be susu nyuitɔ nanɔ mía si ku ɖe mía ɖokui ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be: “Ðokuibɔbɔ fia be míanya ale si gbegbe míenye ame bɔbɔɖeanyiwo le Mawu ŋkume.” Azɔ hã, ne míebɔbɔa mía ɖokui la, míase le mía ɖokui me be míenyo wu ame bubuwo o. (Romatɔwo 12:3) Menɔa bɔbɔe na amegbetɔ madeblibowo be woaɖe nɔnɔme sia afia o. Gake míate ŋu asrɔ̃ ɖokuibɔbɔ ne míedea ŋugble le Yehowa ƒe gãnyenye ŋu hesrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu.

Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, míase le mía ɖokui me be míenyo wu ame bubuwo o

5, 6. (a) Ame kae nye Mixael, mawudɔlawo ƒe tatɔ la? (b) Aleke Mixael bɔbɔ eɖokui?

5 Aleke Yesu bɔbɔ eɖokui? Tso tititi la, Mawu ƒe Vi la bɔbɔ eɖokui—esime wònye mawudɔla triakɔ le dziƒo kple esime wònye ame deblibo le anyigba dzi siaa. Na míakpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ɖa.

6 Eƒe nɔnɔme. Biblia-gbalẽ si nye Yuda ƒo nu tso nane si dzɔ do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigbadzivava ŋu. (Xlẽ Yuda 9.) “Nya aɖe ɖo” mawudɔlawo ƒe tatɔ Mixael, si nye Yesu, “kple Abosam dome,” eye “wònɔ nya hem” kple vɔ̃ɖitɔ ma “le Mose ƒe ŋutilã ŋu.” Esi Mose ku la, Yehowa ɖii ɖe afi si ame aɖeke mate ŋu akpɔ o. (5 Mose 34:5, 6) Ðewohĩ Abosam di be yeazã Mose ƒe kukua atsɔ ate Israel-viwo kpɔ be woaƒo wo ɖokui ɖe alakpasubɔsubɔ me. Nu ka kee Abosam ɖo be yeawɔ hafi o, Mixael xe mɔ nɛ dzideƒotɔe. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be, nya siwo nye “nya aɖe ɖo” wo dome kple “wònɔ nya hem” la kuna ɖe “nyahehe le ʋɔnu” hã ŋu, eye esia ate ŋu afia be “Mixael ‘tɔ gbe Abosam be medze’ atsɔ Mose ƒe ŋutilã o.” Ke hã mawudɔlawo ƒe tatɔ la nyae be seɖoƒe li na yeƒe ŋusẽ. Eya ta egblẽ nyaa ɖe Yehowa, Ʋɔnudrɔ̃la Gãtɔ, ame si ko si gome le be wòadrɔ̃ ʋɔnu Satana la si me. Yesu ƒe ɖokuibɔbɔa ɖe dzesi vavã!

Yesu bɔbɔ eɖokui heɖo to Yehowa le nu sia nu me, “yi ɖase keke ku me ke” gɔ̃ hã

7. Aleke Yesu bɔbɔ eɖokui le eƒe nuƒoƒo kple agbenɔnɔ siaa mee?

7 Eƒe nuƒoƒo. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eƒe ɖokuibɔbɔ ɖe dzesi le nya siwo wògblɔ kple nu siwo wòwɔ me. Yesu medi gbeɖe be yeahe amewo ƒe susu ava ye ɖokui dzi dzodzro o. Ke boŋ edi be woatsɔ ŋutikɔkɔea katã ana ye Fofo. (Marko 10:17, 18; Yohanes 7:16) Medzɔ kpɔ be Yesu gblɔ nya si ana eƒe nusrɔ̃lawo nase le wo ɖokui me be eda yewo ɖe anyi alo be yewomele ɖeke me o. Ke boŋ ekafu wo ɖe woƒe nɔnɔme nyuiwo ta tsɔ ɖee fia be yedea bubu wo ŋu eye yeka ɖe wo dzi. (Luka 22:31, 32; Yohanes 1:47) Eƒe nuwɔnawo. Yesu meli kɔ kesinɔnuwo ɖi na eɖokui o, ke boŋ enɔ agbe tsɛ. (Mateo 8:20) Elɔ̃ faa wɔ dɔ tsɛ siwo ame bubuwo medi be yewoawɔ o. (Yohanes 13:3-15) Azɔ hã eɖo to Mawu, eye wòto esia dzi ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi. (Xlẽ Filipitɔwo 2:5-8.) Yesu mele abe dadala siwo gbea toɖoɖo la ene o, ke boŋ ebɔbɔ eɖokui heɖo to Yehowa le nu sia nu me, “yi ɖase keke ku me ke” gɔ̃ hã. Eme kɔ ƒãa be Yesu, Amegbetɔvi la, ‘bɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me.’—Mateo 11:29.

SRƆ̃ YESU ƑE ÐOKUIBƆBƆ

8, 9. Aleke míaɖee afia be míebɔbɔa mía ɖokui?

8 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ? Le nɔnɔme si míeɖena fiana me. Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, míanyae be míaƒe ŋusẽ se ɖe afi aɖe ko. Eya ta míenya be míekpɔ mɔ adrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o. Míahe nya ɖe wo ŋu alo abu susu gbegblẽ ɖe woƒe nuwɔnawo ŋu o. (Luka 6:37; Yakobo 4:12) Ðokuibɔbɔ kpena ɖe mía ŋu be míagawɔ “nu dzɔdzɔe vivivo” o. Esia fia be míabu mía ɖokui be míenyo wu ame siwo si ŋutete alo mɔnukpɔkpɔ siwo su mía si mele o la o. (Nyagblɔla 7:16) Hamemetsitsi siwo bɔbɔa wo ɖokui la mebunɛ be yewonyo wu yewo nɔviwo o. Ke boŋ alẽkplɔla lɔ̃ame siawo bua “ame bubuwo be wonye gã wu” yewo, si fia be wobua ame bubuwo be wole vevie wu yewo.—Filipitɔwo 2:3; Luka 9:48.

9 Bu Nɔviŋutsu W. J. Thorn, si zu dzikpɔla mɔzɔla le ƒe 1894 me ŋu kpɔ. Le ƒe geɖe megbe la, wokpee wòva nɔ dɔ wɔm le habɔbɔa ƒe agble la ƒe koklonyiƒe si le New York ƒe dzigbe gome. Ɣesiaɣi si wòwɔ na Nɔviŋutsu Thorn be ele be yeanɔ dɔ si le vevie wu wɔm la, egblɔna na eɖokui be: “Wò ʋuʋudedi dzro. Nu kae le asiwò si ta nànɔ adegbe ƒom?” (Xlẽ Yesaya 40:12-15.) Ðokuibɔbɔ ka gbegbee nye esi!

10. Aleke míate ŋu aɖee afia le míaƒe nuƒoƒo kple agbenɔnɔ me be míebɔbɔa mía ɖokui?

10 Míaƒe nuƒoƒo. Ne míebɔbɔa mía ɖokui vavã la, adze le ale si míeƒoa nu na amewoe me. (Luka 6:45) Ne míele nu ƒom na amewo la, míanɔ susu hem anɔ mɔnukpɔkpɔ siwo su mía si kple nu siwo míete ŋu wɔ la dzi yim o. (Lododowo 27:2) Ke boŋ míanɔ mía nɔviwo kafum ɖe woƒe dɔ nyuiwo ta, eye míaƒe susu anɔ woƒe nɔnɔme nyuiwo kple woƒe ŋutetewo ŋu. (Lododowo 15:23) Míaƒe nuwɔnawo. Kristotɔ siwo bɔbɔa wo ɖokui la medzea agbagba be yewoaxɔ ŋkɔ le xexe sia me o. Womedia nu gã o, eye wowɔa dɔ tsɛwo gɔ̃ hã, ale be woate ŋu awɔ woƒe ŋutete katã le Yehowa subɔsubɔ me. (1 Timoteo 6:6, 8) Ke hã toɖoɖoe nye mɔ vevitɔ si dzi míeɖenɛ fiana le be míebɔbɔa mía ɖokui. Ebia ɖokuibɔbɔ be ‘míaɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm’ le hamea me ahazɔ ɖe mɔfiame siwo tso Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ la dzi.—Hebritɔwo 13:17.

YESU ƑE DƆME TRƆNA ÐE AME ŊU

11. Nu kae nye dɔmetɔtrɔ?

11 Nu kae nye dɔmetɔtrɔ? Nya “dɔmetɔtrɔ” hea susu yia tufafa kple ɖetsɔtsɔ le eme na amewo dzi. Dɔmetɔtrɔ nye lɔlɔ̃ɖeɖefia, eye wòdo ƒome kple nɔnɔmewo abe veveseɖeamenu kple nublanuikpɔkpɔ ene. Biblia gblɔ tso Yehowa kple Yesu siaa ŋu be woɖea dɔmetɔtrɔ gã kple lɔlɔ̃ fiana. (Luka 1:78; 2 Korintotɔwo 1:3; Filipitɔwo 1:8) Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be, dɔmetɔtrɔ yi ŋgɔ wu vevesese ɖe ame nu ko. Egblɔ be dɔmetɔtrɔ bia be míaƒe “ɖetsɔlemea naʋã mí míaɖe afɔ ahana kpekpeɖeŋu,” si fia be míawɔ nane si ahe gbɔdzɔe vɛ na amewo. Dɔmetɔtrɔ nye nɔnɔme si ʋãa ame be wòawɔ nane atsɔ ana be nuwo naka ɖe eme na ame bubuwo.

12. Nu kae ɖee fia be amewo ƒe nu wɔ nublanui na Yesu, eye nu kae eƒe dɔmetɔtrɔ ʋãe wòwɔ?

12 Aleke Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe amewo ŋui? Esia dze le eƒe seselelãme kple nuwɔna me. Amewo ƒe nu wɔ nublanui na Yesu. Esi Yesu kpɔ be ye xɔlɔ̃ Maria kple ame bubuwo le Lazaro ƒe ku fam la, eya hã fa avi kpli wo. (Xlẽ Yohanes 11:32-35.) Eye dɔmetɔtrɔ si ʋãe wòfɔ ahosi aɖe viŋutsu ɖe tsitre la kee ʋãe wòfɔ Lazaro hã ɖe tsitre. (Luka 7:11-15; Yohanes 11:38-44) Yesu ƒe dɔmetɔtrɔ sia anya ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na Lazaro be wòava nɔ agbe le dziƒo. Do ŋgɔ la, Yesu kpɔ ameha gã aɖe, eye woƒe “nu wɔ nublanui nɛ.” Eƒe dɔmetɔtrɔ ʋãe ‘wòfia nu geɖe wo.’ (Marko 6:34) Aleke gbegbe eƒe nufiafiawo aɖe vi na ame siwo nɔ agbe ɖe enu lae nye esi! Menye seselelãme dzro koe Yesu ƒe dɔmetɔtrɔ nye o. Ke boŋ eƒe dɔmetɔtrɔ ʋãe wòkpe ɖe ame siwo hiã kpekpeɖeŋu la ŋu.—Mateo 15:32-38; 20:29-34; Marko 1:40-42.

13. Aleke Yesu ɖe dɔmetɔtrɔ fia le nuƒoƒo na amewo me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

13 Egblɔ nya fadzinamewo. Yesu ƒe dɔmetɔtrɔ ʋãe wòƒo nu na amewo veveseɖeamenutɔe, vevietɔ ame siwo wote ɖe anyi. Apostolo Mateo he susu yi nya si Yesaya gblɔ ɖi le Yesu ŋu dzi. Yesaya gblɔ be: “Maɖe aƒla si ŋe vɔ kloe la ɖa le enu o, eye matsi ɖovu bibi si le tsitsim la o.” (Yesaya 42:3; Mateo 12:20) Nu kae nya ma fia? Yesu meƒo nu na amewo ameŋumabumabutɔe o. Ke boŋ egblɔ nya siwo ana amewo ƒe dzi nadze eme. Eɖe gbeƒã gbedeasi si na mɔkpɔkpɔ “ame siwo ƒe dzi gbã.” (Yesaya 61:1) Ekpe ame siwo ‘le dagbadagbam, eye agba le wo wum’ la be woava ye gbɔ ale be woakpɔ “gbɔdzɔe.” (Mateo 11:28-30) Eka ɖe edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be Mawu tsɔ ɖe le eme na esubɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe vevie, ‘ɖevi suewo’ alo ame siwo xexea mebuna ɖe ɖeke me o la gɔ̃ hã.—Mateo 18:12-14; Luka 12:6, 7.

SRƆ̃ YESU ƑE DƆMETƆTRƆ

14. Aleke míate ŋu ase veve ɖe amewo nui?

14 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe dɔmetɔtrɔ? Ele be míase veve ɖe amewo nu. Biblia gblɔ na mí be míado “dɔmetɔtrɔ ƒe veveseɖeamenu,” ne menye nenemae míele le dzɔdzɔme nu o gɔ̃ hã. Nɔnɔme sia nye “amenyenye yeye” si Yehowa di tso Kristotɔwo katã si be woatu ɖo la ƒe akpa aɖe. (Xlẽ Kolosetɔwo 3:9, 10, 12.) Aleke míate ŋu aɖe nɔnɔme sia afiae? Biblia gblɔ be: ‘Miʋu miaƒe dziwo me gbadzaa.’ (2 Korintotɔwo 6:11-13) Ne ame aɖe le eƒe dzimenyawo alo nu siwo le fu ɖem nɛ gblɔm na wò la, ɖo to nyuie. (Yakobo 1:19) Bia ɖokuiwò be: ‘Ne nyee le nɔnɔme sia me ɖe, aleke mase le ɖokuinye me? Nu kae madi be woawɔ nam?’—1 Petro 3:8.

15. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo le nu xam alo le fu kpem ŋu?

15 Míawɔ nu le dɔmetɔtrɔ me. Dɔmetɔtrɔ aʋã mí míakpe ɖe amewo ŋu, vevietɔ ame siwo le nu xam alo le fu kpem. Aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋu? Romatɔwo 12:15 gblɔ be: “Mifa avi kple ame siwo le avi fam.” Zi geɖe la, nu si amewo hiã koŋue nye akɔfafa, ke menye nyawo gbɔ kpɔkpɔ o. Wohiã xɔlɔ̃ si tsɔ ɖe le eme na wo, si aɖo to wo. Nɔvinyɔnu aɖe si nɔviwo fa akɔ na le vianyɔnu ƒe ku megbe la gblɔ be, “Ne xɔlɔ̃wo va gbɔnye va fa avi kplim la, efaa akɔ nam ale gbegbe.” Míeɖea dɔmetɔtrɔ fiana ne míewɔ nu ŋutɔŋutɔwo tsɔ kpe ɖe amewo ŋu. Ðewohĩ nanewo gblẽ le ahosi aɖe ƒe aƒe me si wòle be woadzra ɖo nɛ. Alo ɖewohĩ Kristotɔ tsitsi aɖe li si hiã kpekpeɖeŋu be wòate ŋu ade kpekpeawo, ayi gbeadzi, alo ayi aɖakpɔ ɖɔkta. Dɔmenyonu sue aɖe si míawɔ na ame aɖe la gɔ̃ hã ate ŋu aɖe vi geɖe. (1 Yohanes 3:17, 18) Mɔ vevitɔ si nu míaɖe dɔmetɔtrɔ afia lee nye be míawɔ geɖe le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me ale si míate ŋui. Esiae nye mɔ nyuitɔ kekeake si nu míakpe ɖe dzinyuitɔwo ŋu le!

Ðe nètsɔa ɖe le eme na nɔviwòwo vavã? (Kpɔ memama 15)

16. Nya kae míate ŋu agblɔ atsɔ ade dzi ƒo na ame siwo lé blanui?

16 Míagblɔ nya fadzinamewo. Míaƒe dɔmetɔtrɔ ɖe amewo ŋu aʋã mí ‘míafa akɔ na ame siwo lé blanui.’ (1 Tesalonikatɔwo 5:14) Nya kae míate ŋu agblɔ atsɔ ade dzi ƒo na wo? Míate ŋu ana woanya ale si gbegbe míetsɔ ɖe le eme na woe. Míate ŋu akafu wo ahahe woƒe susu ayi woƒe nɔnɔme nyuiwo kple woƒe ŋutetewo dzi. Míate ŋu aɖo ŋku edzi na wo be, Yehowae kpe ɖe wo ŋu woke ɖe nyateƒea ŋu, si fia be woxɔ asi le eŋkume. (Yohanes 6:44) Míate ŋu aka ɖe edzi na wo be, Yehowa tsɔ ɖe le eme na esubɔla siwo ƒe “dzi gbã gudugudu” kple esiwo ƒe “gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi” la vevie. (Psalmo 34:19) Nya fadziname siwo míagblɔ veveseɖeamenutɔe la ate ŋu ana gbɔdzɔe geɖe ame siwo hiã akɔfafa.—Lododowo 16:24.

17, 18. (a) Aleke Yehowa kpɔa mɔ be hamemetsitsiwo nawɔ nu ɖe yeƒe alẽwo ŋui? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

17 Hamemetsitsiwo, Yehowa le mɔ kpɔm be miawɔ nu ɖe yeƒe alẽwo ŋu le lɔlɔ̃ me. (Dɔwɔwɔwo 20:28, 29) Miɖo ŋku edzi be miaƒe agbanɔamedzie wònye be miafia nu eƒe alẽwo, ade dzi ƒo na wo ahana woƒe dzi nadze eme. (Yesaya 32:1, 2; 1 Petro 5:2-4) Eya ta hamemetsitsi si ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu eye wòsea veve ɖe ame nu la madze agbagba be yeanɔ nu ɖom na ye nɔviwo, si fia be, wòanɔ se dem na wo, alo ana woƒe dzi nabu fɔ wo ale be woawɔ nu si mele woƒe ŋutete me o. Ke boŋ hamemetsitsi adi be ye nɔviwo nakpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ, eye ekana ɖe edzi be woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa aʋã wo woawɔ woƒe ŋutete katã le Mawu subɔsubɔ me.—Mateo 22:37.

18 Ne míeyi edzi le ŋugble dem le Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ kple dɔmetɔtrɔ ŋu la, esia aʋã mí be míasrɔ̃ eyama. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro ale si míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe dzideƒo kple nugɔmesese me.