Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Yesu Ƒe Dzideƒo Kple Nugɔmesese

Srɔ̃ Yesu Ƒe Dzideƒo Kple Nugɔmesese

“Togbɔ be miekpɔe kpɔ o hã la, mielɔ̃nɛ. Togbɔ be miele ekpɔm fifia o hã la, mieɖenɛ fiana be yewoxɔ edzi se.”—1 PETRO 1:8.

1, 2. (a) Aleke míawɔ akpɔ agbe mavɔ? (b) Nu kae ana míakpɔ ŋgɔ tẽe le míaƒe mɔzɔzɔa me?

NE MÍEZU Kristotɔwo la, ɖeko wòle abe ɖe míedze mɔzɔzɔ aɖe gɔme ene. Ne míewɔ nuteƒe na Mawu la, míaƒe mɔzɔzɔa awu enu nyuie eye míanɔ agbe tegbee. Yesu gblɔ be: “Ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.” (Mateo 24:13) Ɛ̃, hafi míate ŋu awu mɔzɔzɔa nu la, ele be míawɔ nuteƒe na Mawu va se ɖe “nuwuwu,” si fia be va se ɖe míaƒe kugbe loo, alo xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu. Gake ele be míakpɔ nyuie be xexe sia nagahe míaƒe susu o. (1 Yohanes 2:15-17) Nu kae ana míakpɔ ŋgɔ tẽe le míaƒe mɔzɔzɔa me?

2 Yesu ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na mí le go sia me. Ne míesrɔ̃ nu si Biblia gblɔ tso ale si Yesu zɔ mɔae, alo nɔ agbee ŋu la, míanya ame si wònye. Eye esia ana míalɔ̃e ahaxɔ edzi ase. (Xlẽ 1 Petro 1:8, 9.) Apostolo Petro gblɔ be Yesu gblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mí be míadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ. (1 Petro 2:21) Eye ne míesrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu nyuie la, míate ŋu ado dzi va se ɖe nuwuwu. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Le nyati si do ŋgɔ me la, míedzro ale si míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ kple dɔmetɔtrɔ me. Le nyati sia me la, míakpɔ ale si míate ŋu asrɔ̃ eƒe dzideƒo kple nugɔmesese.

DZI LE YESU ƑO

3. Nu kae nye dzideƒo, eye nu kae ana dzi naɖo mía ƒo?

3 Dzideƒo nye nɔnɔme si doa ŋusẽ mí eye wòkpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le ɣeyiɣi sesẽwo me. Dzideƒo kpena ɖe mía ŋu míewɔa nuteƒe ne wotsi tre ɖe mía ŋu gɔ̃ hã. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míafa tu eye míawɔ nuteƒe na Mawu le dodokpɔɣiwo. Dzideƒo do ƒome kple vɔvɔ̃, mɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃. Le mɔ ka nu? Ne míevɔ̃na na nu si medzea Mawu ŋu o wɔwɔ la, míaɖe mɔ amegbetɔvɔvɔ̃ naɖu mía dzi o. (1 Samuel 11:7; Lododowo 29:25) Ne míekpɔa mɔ na Yehowa la, ewɔnɛ be míaƒe susu nɔa míaƒe etsɔme ŋu, ke menye míaƒe xaxawo ŋu o. (Psalmo 27:14) Lɔlɔ̃ si me ɖokuitɔdidi mele o ʋãa mí míewɔa nu kple dzideƒo ne woti mía yome. (Yohanes 15:13) Eye ne míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu hesrɔ̃a Via ƒe kpɔɖeŋu la, dzi ɖoa mía ƒo.—Psalmo 28:7.

4. Aleke Yesu wɔ nu kple dzideƒo le gbedoxɔa me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

4 Esime Yesu xɔ ƒe 12 la, ewɔ nu kple dzideƒo esi ‘wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe gbedoxɔa me le nufialawo dome.’ (Xlẽ Luka 2:41-47.) Mawunyafiala mawo nya Mose ƒe Sea kple Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo nyuie. Kɔnyinyi mawo na Sea dzi wɔwɔ zu dɔ na amewo. Gake Yesu mena esia do vɔvɔ̃ nɛ wòmia nu o. Ke boŋ dzi nɔ eƒo eye ‘wònɔ nyawo biam wo.’ Edze ƒãa be menye nya siwo ɖevi suewo lɔ̃a biabia la tɔgbie Yesu nɔ wo biam o. Ke boŋ míate ŋu akpɔe le susu me be ele nya sesẽ siwo ana nufiala mawo naɖo toe nyuie ahabu tame la biam wo. Eye ne nufiala mawo tee kpɔ be yewoabia nya Yesu ayetɔe kple susu be yewoahe nya kplii la, ke wodo kpo nu. “Eƒe nugɔmesese kple eƒe nyaŋuɖoɖowo wɔ mo yaa na” nufialawo kple ame siwo katã nɔ to ɖomee. Ɛ̃, Yesu ʋli nyateƒe si le Mawu ƒe Nyaa me la ta kple dzideƒo!

5. Mɔ kawo nue Yesu wɔ nu kple dzideƒo le le eƒe subɔsubɔdɔa me?

5 Yesu wɔ nu kple dzideƒo le mɔ vovovowo nu le eƒe subɔsubɔdɔa me. Le kpɔɖeŋu me, ena amewo nyae be subɔsubɔhakplɔlawo nɔ wo blem kple woƒe alakpanufiafiawo. (Mateo 23:13-36) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu meɖe mɔ xexe sia kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe edzi o. (Yohanes 16:33) Eyi edzi nɔ gbeƒã ɖem togbɔ be wotsi tsitre ɖe eŋu hã. (Yohanes 5:15-18; 7:14) Eye dzi nɔ eƒo wòkɔ gbedoxɔa ŋu zi eve sɔŋ esime wònya ame siwo nɔ vlo dom tadedeagu vavã la le afi ma.—Mateo 21:12, 13; Yohanes 2:14-17.

Dzi nɔ Yesu ƒo wògblɔ le Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ be yee nye Kristo kple Mawu ƒe Vi la

6. Aleke Yesu wɔ nu kple dzideƒo le eƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛtɔ dzi?

6 Na míadzro ale si Yesu wɔ nu kple dzideƒo le eƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛtɔ dzi me kpɔ. Yesu nya nu si adzɔ ne Yuda dee asi. Ke hã esime wonɔ Ŋutitotoa ɖum la, Yesu gblɔ na Yuda be: “Nu si wɔm nèle la, wɔe wòatsɔ wu ema.” (Yohanes 13:21-27) Eye le Getsemane-bɔa me la, Yesu ɖe eɖokui fia asrafo siwo va elé ge la dzinɔameƒotɔe. Togbɔ be eƒe agbe ɖo afɔku me hã la, ekpɔ eƒe nusrɔ̃lawo ta esi wògblɔ na asrafoawo be: “Mina ame siawo ya nadzo.” (Yohanes 18:1-8) Emegbe esi wobia gbe Yesu le Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ la, dzi nɔ eƒo wògblɔ na wo be yee nye Kristo kple Mawu ƒe Vi la. Togbɔ be nunɔlagã la nɔ nu si dzi wòanɔ te ɖo awui dim hã la, Yesu mevɔ̃ o. (Marko 14:60-65) Yesu wɔ nuteƒe na Mawu va se ɖe ku me le fuwɔametia ŋu. Le eƒe gbɔgbɔ mamlɛtɔ me la, edo ɣli gblɔ be: “Wowu enu!”—Yohanes 19:28-30.

SRƆ̃ YESU ƑE DZIDEƑO

7. Ðeviwo, aleke miesena le mia ɖokui me le esi mienye Yehowa Ðasefowo ta, eye aleke miate ŋu aɖee afia be dzi le mia ƒo?

7 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe dzideƒo? Míate ŋu awɔ esia le suku. Ðeviwo, ne miegblɔ na miaƒe sukuxɔmehatiwo kple ame bubuwo be Yehowa Ðasefowoe yewonye la, ekema dzi le mia ƒo. Esia afia be enye dada na mi be Yehowa ƒe ŋkɔ le mia ŋu, ne esia ana amewo nako mi gɔ̃ hã. (Xlẽ Psalmo 86:12.) Ðewohĩ ame aɖewo adi be miaxɔe ase be ɖe xexea dzɔ le eɖokui si. Gake kpeɖodzi sẽŋuwo li si tae miaka ɖe edzi be nya si Biblia gblɔ tso xexea wɔwɔ ŋu la nye nyateƒe. Miate ŋu azã agbalẽ gbadza si nye The Origin of Life—Five Questions Worth Asking (Cinq questions à se poser sur l’origine de la vie) atsɔ aɖo nya ŋu na ame siwo di be yewoanya nu tso “mɔkpɔkpɔ si le mia si” la ŋu. (1 Petro 3:15) Esia ana miaƒe dzi nadze eme, le esi mienyae be yewoʋli Biblia me nyateƒea ta kple dzideƒo ta!

8. Susu kawo tae wòle be míaɖe gbeƒã kple dzideƒo?

8 Le míaƒe subɔsubɔdɔa me. Esi míenye Kristotɔwo ta la, ele be ‘míayi edzi anɔ nu ƒom dzinɔameƒotɔe le Yehowa ƒe ŋusẽ me.’ (Dɔwɔwɔwo 14:3) Nu ka tae wòle be míaɖe gbeƒã kple dzideƒo? Gbã la, míenyae be Biblia mee nu siwo míefiana la tso. Eyae nye nyateƒea. (Yohanes 17:17) Evelia, “Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye,” eye ena eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí be wòakpe ɖe mía ŋu. (1 Korintotɔwo 3:9; Dɔwɔwɔwo 4:31) Etɔ̃lia, míelɔ̃ Yehowa kple mía havi, eye esia ʋãa mí be míawɔ míaƒe ŋutete katã be míagblɔ nya nyuia na amewo. (Mateo 22:37-39) Esi dzi le mía ƒo ta la, míadzudzɔ gbeƒãɖeɖe o. Míeɖoe kplikpaa be míafia nyateƒea ame siwo subɔsubɔhakplɔlawo “gbã ŋku na.” (2 Korintotɔwo 4:4) Eye míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem nya nyuia, ne amewo gbe nyaa alo woti mía yome gɔ̃ hã.—1 Tesalonikatɔwo 2:1, 2.

9. Aleke míate ŋu awɔ nu kple dzideƒo ne míele dodokpɔwo me tom?

9 Ne míele dodokpɔwo me tom. Ne míeɖo ŋu ɖe Mawu ŋu la, ana xɔse kple dzideƒo si hiã la mí ale be míate ŋu ado dzi le xaxawo me. Ne míaƒe ame lɔlɔ̃a aɖe ku la, míexaa nu, gake míebua mɔkpɔkpɔ o. Míeka ɖe edzi be ‘akɔfafawo katã ƒe Mawu’ la ado ŋusẽ mí. (2 Korintotɔwo 1:3, 4; 1 Tesalonikatɔwo 4:13) Ne míedze dɔ alo nu vevi wɔ mí la, míesea veve, gake míelɔ̃na be woazã dɔdamɔnu siwo medzea Mawu ŋu o la na mí o. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Ne nu te ɖe mía dzi la, ɖewohĩ “míaƒe dzi abu fɔ mí,” gake míenaa ta o. Míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu, elabena ‘etsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ.’ * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)—1 Yohanes 3:19, 20; Psalmo 34:19.

YESU SEA NU GƆME

10. Nu kae nye nugɔmesese, eye aleke Kristotɔ si sea nu gɔme la ƒoa nu hewɔa nui?

10 Nugɔmesese nye ŋutete si anɔ ame si be wòade vovo nyui kple vɔ̃ dome eye wòatiae be yeawɔ nyuia. (Hebritɔwo 5:14) Kristotɔ si sea nu gɔme la atiae be yeawɔ nu siwo ado ŋusẽ ye kple Mawu dome ƒomedodoa. Eɖɔa ŋu ɖo be yemagblɔ nya siwo ave dzi na amewo o. Eƒe nu dzea Yehowa ŋu, elabena egblɔa nya tuameɖowo. (Lododowo 11:12, 13) Enye “dzigbɔɖitɔ,” alo ame si medoa dziku kabakaba o. (Lododowo 14:29) ‘Etoa mɔ dzɔdzɔe,’ si fia be etianɛ be yeawɔ nu si le eteƒe le yeƒe agbe me katã. (Lododowo 15:21) Aleke míawɔ anye nugɔmeselawo? Ele be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la ahanɔ agbe ɖe enu. (Lododowo 2:1-5, 10, 11) Azɔ hã míate ŋu asrɔ̃ nugɔmesese ƒe kpɔɖeŋu deblibo si Yesu ɖo ɖi.

11. Aleke Yesu ɖe nugɔmesese fia le nuƒoƒo me?

11 Yesu ɖe nugɔmesese fia le eƒe nuƒoƒo kple nuwɔna siaa me. Le eƒe nuƒoƒo me. Ne Yesu le gbeƒã ɖem nya nyuia la, ezãa nya vivi siwo nana eƒe nufiafia wɔa dɔ ɖe eselawo dzi. (Mateo 7:28; Luka 4:22) Exlẽa Mawu ƒe Nya la alo gblɔa emenyawo edziedzi. Enya ŋɔŋlɔ siwo tututu wòazã le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. (Mateo 4:4, 7, 10; 12:1-5; Luka 4:16-21) Azɔ hã ne amewo se ale si Yesu ɖe Ŋɔŋlɔawo mee la, ewɔa dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe la, eƒo nu na eƒe nusrɔ̃la eve siwo nɔ mɔ dzi yina Emaus. Eɖe ŋɔŋlɔ siwo ku ɖe eya ŋutɔ ŋu la me na wo. Nusrɔ̃laawo gblɔ emegbe be: “Ðe míaƒe dzi menɔ dzo lém le mía me, esi wònɔ nu ƒom na mí le mɔa dzi, henɔ Ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí tsitotsito oa?”—Luka 24:27, 32.

12, 13. Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be Yesu gbɔa dzi blewu eye wòsea nu gɔme?

12 Le nɔnɔme si wòɖe fia me. Nugɔmesese na be Yesu ‘gbɔ dzi blewu.’ (Lododowo 16:32) Ete ŋu ɖu eƒe gbɔgbɔ dzi, eye wònye “ame fafa” hã. (Mateo 11:29) Yesu gbɔa dzi ɖi na eƒe nusrɔ̃lawo togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le wo ŋu hã. (Marko 14:34-38; Luka 22:24-27) Eye esi wosẽ ŋuta le eŋu gɔ̃ hã la, elé eɖokui kpoo.—1 Petro 2:23.

13 Nugɔmesese kpe ɖe Yesu ŋu wòda sɔ. Ese taɖodzinu si le Mose ƒe Sea ŋu gɔme, eye esia na wòwɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, bu nyɔnu “si nɔ ʋusisidɔ lém” ƒe ŋutinyaa ŋu kpɔ. (Xlẽ Marko 5:25-34.) Nyɔnua zɔ to amehawo dome, eka asi Yesu ƒe awu ŋu, eye wòhaya. Le Sea nu la, eŋu mekɔ o, eya ta mele be wòaka asi ame aɖeke ŋu hafi o. (3 Mose 15:25-27) Gake Yesu meka mo nɛ o. Nu ka tae? Elabena ese egɔme be nɔnɔmewo abe “nublanuikpɔkpɔ kpakple nuteƒewɔwɔ” ene le vevie wu Se la me léle ɖe asi kpaɖii. (Mateo 23:23) Yesu gblɔ dɔmenyotɔe be: “Vinyenyɔnu, wò xɔse na nèhaya. Heyi le ŋutifafa me, eye wò lãme nahaya tso dɔléle vɔ̃ɖi sia me.” Ðe ale si nugɔmesese ʋã Yesu wòwɔ nu ɖe nyɔnua ŋu dɔmenyotɔe alea mewɔ dɔ ɖe dziwò ŋutɔ oa?

14. Tiatia kae Yesu wɔ, eye nu kae kpe ɖe eŋu be eƒe susu nɔ dɔa ŋu bliboe?

14 Le eƒe agbenɔnɔ me. Yesu ɖe nugɔmesese fia le ale si wònɔ agbee me. Etsɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔ eƒe agbemedɔe. (Luka 4:43) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu ɖe afɔ siwo akpe ɖe eŋu be eƒe susu nanɔ dɔ sia ŋu ale be wòawɔe ade goe. Le kpɔɖeŋu me, enɔ agbe tsɛ ale be wòate ŋu azã eƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ le subɔsubɔdɔa me. (Luka 9:58) Enyae be ele be yeana hehe amewo be woayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le yeƒe ku megbe. (Luka 10:1-12; Yohanes 14:12) Eye edo ŋugbe na eƒe nusrɔ̃lawo be yeakpe ɖe wo ŋu le subɔsubɔdɔa me “va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.”—Mateo 28:19, 20.

SRƆ̃ YESU ƑE NUGƆMESESE

Nugɔmesese kpena ɖe mía ŋu be míade dzesi amewo ƒe hiahiãwo ale be míatia nya siwo míagblɔ na wo la nyuie (Kpɔ memama 15)

15. Aleke míate ŋu aɖe nugɔmesese afia le míaƒe nuƒoƒo me?

15 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe nugɔmesese? Míate ŋu awɔ esia le míaƒe nuƒoƒo me. Le dzeɖoɖo kple mía nɔviwo me la, míegblɔa nya siwo atu wo ɖo, ke menye nya siwo aɖe dzi le wo ƒo o. (Efesotɔwo 4:29) Ne míele nu ƒom tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu na amewo la, ele be “dze nanɔ” míaƒe nyawo me, si fia be míaɖɔ ŋu ɖo le nuƒoƒo me. (Kolosetɔwo 4:6) Míedzea agbagba be míase nu siwo me tom amewo le gɔme ahanya nu siwo me wotsɔ ɖe le be míate ŋu atia nya siwo míagblɔ na wo la nyuie. Ne míeƒoa nu ameŋububutɔe la, amewo adi be yewoaɖo to mí, eye esia ate ŋu ana míaƒe gbedeasia nade dzi gbɔ na wo. Azɔ hã ne míele míaƒe dzixɔsewo me ɖem la, míexlẽa Biblia ŋutɔ na wo ɣesiaɣi si wòanya wɔ, elabena Mawu ƒe Nya la mee nyateƒea le. Míenya be ŋusẽ le Biblia me gbedeasia ŋu wu nya ɖe sia ɖe si míawo ŋutɔ míagblɔ.—Hebritɔwo 4:12.

16, 17. (a) Aleke míaɖee afia be míenɔa blewu le dziku me eye míeda sɔ? (b) Nu kae ana míaƒe susu nanɔ subɔsubɔdɔa ŋu bliboe?

16 Le nɔnɔme si míeɖena fiana me. Nugɔmesese kpena ɖe mía ŋu míeɖua mía ɖokui dzi ne wowɔ nu wòve mí, eye wònana míenɔa “blewu le dziku me.” (Yakobo 1:19) Ne amewo dze agɔ le mía dzi la, míedzea agbagba be míase nu si tae woƒo nu alo wɔ nu ɖe mía ŋu nenema ɖo la gɔme. Esia nana wònɔa bɔbɔe be míatsɔe ake eye míagalé wo ɖe dɔme o. (Lododowo 19:11) Nugɔmesese kpena ɖe mía ŋu míedana sɔna hã. Míekpɔa mɔ be mía nɔviwo nade blibo o. Ke boŋ enɔa susu me na mí be wole kuxi siwo gɔme míese bliboe o la me tom. Míelɔ̃na faa be míase woƒe susuwo. Esia fia be míetea tɔ ɖe míaƒe nyawo dzi o, ke boŋ míelɔ̃na ɖe woƒe susuwo dzi le afi si wòanya wɔ le.—Filipitɔwo 4:5.

17 Le míaƒe agbenɔnɔ me. Míenya be gbeƒãɖeɖe nya nyuiae nye mɔnukpɔkpɔ si ŋu bubu gãtɔ le na mí. Eya ta míedina be míaɖe afɔ siwo ana míaƒe susu nanɔ subɔsubɔdɔa ŋu bliboe. Míetsɔa Yehowa ɖoa nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Míenɔa agbe tsɛ, ale be míate ŋu azã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ atsɔ aɖe gbeƒã nya nyuia hafi nuwuwua nava.—Mateo 6:33; 24:14.

18. Nu kae ana míayi edzi anɔ agbe mavɔ mɔ la dzi, eye nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

18 Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be míesrɔ̃ nu tso Yesu ƒe nɔnɔme nyuiawo dometɔ aɖewo ŋu! Bu viɖe si gbegbe wòanye ne míesrɔ̃ nu tso eƒe nɔnɔme bubuwo ŋu hedze agbagba be míanɔ abe eya ene ŋu kpɔ. Eya ta mina míaɖoe kplikpaa be míasrɔ̃ Yesu. Esia ana míayi edzi anɔ agbe mavɔ mɔ la dzi eye míanɔ tetem ɖe Yehowa ŋu geɖe wu.

^ mm. 2 Kristotɔ siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le lae woŋlɔ 1 Petro 1:8, 9 me nyawo na. Gake Petro ƒe nyawo ka Kristotɔ siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la hã.

^ mm. 9 Ne èdi be yeaxlẽ ame siwo wɔ nu dzinɔameƒotɔe le dodokpɔwo me ƒe nuteƒekpɔkpɔwo la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, December 1, 2000, axa 24-28; Nyɔ! May 8, 2003, axa 26-29; kple yevugbe me Nyɔ! January 22, 1995, axa 11-15.