Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Le Megbe Na Míaƒe Xexea Me Godoo Nufiafiadɔa

Yehowa Le Megbe Na Míaƒe Xexea Me Godoo Nufiafiadɔa

“Nye Yehowa, wò Mawu, enye ame si fia nu si nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nàto la.”—YESAYA 48:17.

1. Nu kawoe na gbeƒãɖeɖedɔa menɔ bɔbɔe o?

ESI Yehowa ƒe amewo dze gbeƒãɖeɖe nya nyuia gɔme ƒe 130 kple edzivɔe nye esia la, woto nɔnɔme sesẽ geɖe me. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gome ene la, ƒuƒoƒo sue aɖe koe wonye eye woƒe gbedeasia mesɔ to me na ame geɖe o. Ame aɖewo hã bu wo be womede suku yi ŋgɔ o. Emegbe esi wonya Satana ɖo ɖe anyigba dzi la, amewo ti wo yome vevie. (Nyaɖeɖefia 12:12) Gake tso ɣemaɣi va se ɖe fifia la, woyi edzi le gbeƒã ɖem le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo “siwo me nɔnɔ sesẽ” me.—2 Timoteo 3:1.

2. Aleke Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu be míawɔ gbeƒãɖeɖedɔa?

2 Yehowa le megbe na eƒe amewo eye wòle kpekpem ɖe wo ŋu. Edi be woaɖe gbeƒã nya nyuia le xexe bliboa katã me, eya ta maɖe mɔ naneke natɔ te dɔa o. Ekpe ɖe eƒe amewo ŋu wole esubɔm le mɔ si dzea eŋu nu esi wòɖe wo ɖe vovo tso alakpasubɔsubɔ gbɔ. Ewɔ esia le blema hã esi wòna Israel-viwo trɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon. (Nyaɖeɖefia 18:1-4) Nu siwo Yehowa le mía fiam la le vi ɖem na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Ele kpekpem ɖe mía ŋu be míanɔ anyi kple mía nɔewo le ŋutifafa me, eye wòle hehe nam mí be míafia nu amewo. (Xlẽ Yesaya 48:16-18.) Togbɔ be Yehowa le megbe na míaƒe dɔa hã la, mefia be etrɔa xexemenudzɔdzɔwo ɣesiaɣi ale be míate ŋu aɖe gbeƒã o. Enye nyateƒe be xexemenudzɔdzɔ aɖewo de mía dzi le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me ya. Gake wogatia mía yome, eye míedoa go kuxi bubu siwo Satana ƒe xexea hena vɛ. Eya ta esi Yehowa le megbe na mí ta koe míete ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm ɖo.—Yesaya 41:13; 1 Yohanes 5:19.

3. Aleke nyagblɔɖi si le Daniel ƒe agbalẽa me va eme?

3 Daniel gblɔe ɖi be le nuwuɣia la, ame geɖewo ase Biblia me nyateƒea gɔme. (Xlẽ Daniel 12:4.) Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na ‘nuwuɣia’ ƒe gɔmedzedze la, Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu wose Biblia me nufiafia veviwo gɔme eye wogbe nu le Kristodukɔa ƒe alakpanufiafiawo gbɔ. Egbea Yehowa ƒe amewo le Biblia me nyateƒea fiam le xexea me godoo. Edze ƒãa be nyagblɔɖi si le Daniel ƒe agbalẽa me va eme. Ame miliɔn enyi kloe srɔ̃ nyateƒea eye wole efiam ame bubuwo. Ke nu kawoe le kpekpem ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu egbea be woaɖe gbeƒã le xexea me katã?

BIBLIA LA GƆME ÐEÐE

4. Kaka ƒe 1900 naɖo la, gbegbɔgblɔ neni mee Biblia la nɔ?

4 Egbea Biblia le ame akpa gãtɔ si, eye esia kpena ɖe mía ŋu le nufiafia wo me. Gake ɣeaɖeɣi va yi la, nuwo menɔ alea o. Le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, Kristodukɔa ƒe hakplɔlawo medi be amewo naxlẽ Biblia o. Woti ame siwo xlẽe yome, eye wowu ame siwo dze agbagba be yewoaɖe egɔme la dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. Gake kaka ƒe 1800-awo naɖo la, habɔbɔ aɖewo ɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe gɔme eye wotae ɖe gbegbɔgblɔ abe 400 sɔŋ ene me. Kaka ƒe 1900 naɖo la, Biblia la su ame geɖe si. Ke hã womese nufiafia siwo le eme la gɔme o.

5. Akpa kae Yehowa Ðasefowo wɔ le Biblia la gɔme ɖeɖe me?

5 Yehowa ƒe amewo nyae be ele be yewoafia Biblia me nyateƒea amewo, eye wowɔe nenema hã. Gbã la, wozã Biblia gɔmeɖeɖe siwo nɔ anyi, eye womae na amewo. Gake tso ƒe 1950 me la, wota Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 120 me. Eye le ƒe 2013 me la, wota Eŋlisigbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si me wogbugbɔ to. Tata yeye sia gɔme sese le bɔbɔe wu eye egɔmeɖeɖe hã le bɔbɔe wu. Biblia si gɔme nya se zazã na wòle bɔbɔe na mí be míafia nyateƒea amewo.

ŊUTIFAFAƔIWO

6, 7. (a) Aʋa kawoe dzɔ le ƒe 100 siwo va yi me? (b) Aleke ŋutifafa si nɔ dukɔ aɖewo me ɖe vi na míi?

6 Aʋa geɖe dzɔ le ƒe 100 siwo va yi me, siwo dome xexemeʋa eveawo hã le. Ame miliɔn geɖe ku le aʋa siawo me. Ke mɔ kawo nue ŋutifafa nɔ anyi le, eye aleke esia kpe ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me? Nɔviŋutsu Nathan Knorr ye nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi kpɔm le xexemeʋa evelia wɔɣi. Le takpekpe aɖe si wowɔ le ƒe 1942 me la, eƒo nuƒo si ƒe tanyae nye, “Ŋutifafa—Ate Ŋu Anɔ Anyi Eteƒe Nadidia?” Nɔviŋutsu Knorr ɖe nyagblɔɖi si le Nyaɖeɖefia ta 17 lia me, eye wòna eme kɔ be Harmagedon mava enumake o. Egblɔ be xexemeʋaa ake, eye ŋutifafa ƒe ɣeyiɣi aɖe akplɔe ɖo.—Nyaɖeɖefia 17:3, 11.

7 Gake esia mefia be le aʋa ma megbe la, ŋutifafa anɔ afi sia afi o. Le xexemeʋa evelia megbe la, ame miliɔn geɖe ku le aʋa bubuwo me. Gake ŋutifafa nɔ dukɔ geɖe me si na wòle bɔbɔe na Yehowa ƒe amewo be woaɖe gbeƒã. Nu kae do tso eme? Le xexemeʋa evelia wɔɣi la, Yehowa ƒe Ðasefowo mede 110,000 o. Gake egbea wodzi ɖe edzi ɖo 8,000,000 kloe! (Xlẽ Yesaya 60:22.) Nyateƒee, le ŋutifafaɣiwo la, mɔnukpɔkpɔ sua mía si míegblɔa nya nyuia na ame geɖewo.

ŊGƆYIYI SI XEXEA WƆ LE MƆZƆNYAWO ME

8, 9. Nu kawoe na mɔzɔzɔ va le bɔbɔe, eye aleke esia le kpekpem ɖe mía ŋu le míaƒe dɔa wɔwɔ me?

8 Esime Yehowa ƒe amewo dze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le Amerika la, mɔzɔzɔ menɔ bɔbɔe na wo o. Le ƒe 1900 me, si anye ƒe 21 tso esime wodze Gbetakpɔxɔ tata gɔme la, lɔri siwo nɔ dukɔ ma me mede 8,000 o, eye mɔdodo nyui ʋɛ aɖewo koe nɔ anyi. Gake egbea lɔri siwo wu biliɔn ɖeka kple miliɔn alafa atɔ̃ sɔŋ ye le xexea me, eye mɔdodowo hã nyo le teƒe geɖe. Eya ta ele bɔbɔe be míaɖo ʋu ayi teƒe didiwo kple teƒe tsoabowo aɖaɖe gbeƒã. Ne edzɔ be míele teƒe siwo ʋuwo mebɔ ɖo o eye wòle be míazɔ afɔ ayi didiƒewo hã la, míedzea agbagba ɖe sia ɖe yina ɖaɖea gbeƒã na amewo le afi sia afi si míakpɔ wo le.—Mateo 28:19, 20.

Míedzea agbagba ɖe sia ɖe yina ɖaɖea gbeƒã na amewo le afi sia afi si míakpɔ wo le

9 Míewɔa mɔzɔzɔmɔnu bubuwo hã ŋu dɔ. Míedea Bibliawo kple míaƒe agbalẽwo agbatsɔʋuwo, meliwo kple ketekewo yia teƒe vovovowo. Esia fia be míaƒe agbalẽwo ate ŋu aɖo mía nɔvi siwo le teƒe saɖeagawo gɔ̃ hã gbɔ le kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko me. Nutome sue dzikpɔlawo, Alɔdzekɔmiti me tɔwo, dutanyanyuigblɔlawo kple nɔvi bubuwo tea ŋu ɖoa yameʋu yina ɖaƒoa nuƒowo le takpekpewo hedoa ŋusẽ hamewo. Dɔdzikpɔhaa me tɔwo kple nɔvi bubu siwo tso habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã ɖoa yameʋu yia dukɔ geɖewo me ɖadoa ŋusẽ nɔviwo henaa hehe wo. Esiawo katã kpena ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu wowɔa ɖeka.—Psalmo 133:1-3.

GBEGBƆBLƆ KPLE GBEGƆMEÐEÐE

10. Nu ka tae ame geɖe dina be yewoasrɔ̃ Eŋlisigbe egbea?

10 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame siwo nɔ Roma Fiaɖuƒea me dometɔ geɖe doa Helagbe. Egbea hã, ame geɖewo doa Eŋlisigbe le xexea ƒe akpa vovovowo. Agbalẽ aɖe (English as a Global Language) gblɔ be, ame siwo katã le xexea me la ƒe akpa ɖeka le ene me doa Eŋlisigbe alo sea egɔme. Esi wozãa Eŋlisigbe koŋ le asitsatsa, dunyahehe, dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋununya me le xexea me godoo ta la, ame geɖe dina be yewoasrɔ̃e.

11. Akpa kae Eŋlisigbe wɔ le subɔsubɔdɔ si wɔm Yehowa ƒe amewo le la me?

11 Eŋlisigbe si ame geɖe dona egbea ɖe vi na mí le tadedeagu vavãtɔ dodo ɖe ŋgɔ me. Tsã la, Eŋlisigbe mee wotaa míaƒe agbalẽwo ɖo gbã. Esi ame geɖe doa Eŋlisigbe le xexea ƒe akpa vovovowo ta la, wotea ŋu xlẽa míaƒe agbalẽwo. Hekpe ɖe eŋu la, Eŋlisigbe koŋue wozãna le habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã. Eye Eŋlisigbee wozãna tsɔ naa hehe mía nɔvi siwo tso dukɔ vovovowo me va le habɔbɔa ƒe sukuwo dem le Patterson, New York.

Yehowa Ðasefo siwo le xexea ƒe akpa sia akpa sea Biblia me nyateƒea ƒe ‘gbegbɔgblɔ dzadzɛa’ gɔme eye wowɔ ɖeka

12. Gbegbɔgblɔ neni mee míaƒe agbalẽwo le, eye nu kae le kpekpem ɖe mía ŋu le gbegɔmeɖeɖedɔa me?

12 Gake wode dɔ asi na mí be míaɖe gbeƒã nya nyuia le xexe bliboa me. Esia tae míele míaƒe agbalẽwo gɔme ɖem ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 700 sɔŋ me fifia. Nu kae kpe ɖe mía ŋu le esia wɔwɔ me? Kɔmpiutawo kple kɔmpiuta dzi dɔwɔɖoɖowo abe MEPS si míeto vɛ ene lae le kpekpem ɖe mía ŋu le gbegɔmeɖeɖedɔ siawo wɔwɔ me. Esia na Yehowa Ðasefo siwo le xexea ƒe akpa sia akpa sea Biblia me nyateƒea ƒe ‘gbegbɔgblɔ dzadzɛa’ gɔme eye wòna wowɔ ɖeka.—Xlẽ Zefanya 3:9.

SEWO KPLE ƲƆNUDRƆ̃ƑEWO ƑE NYAMETSOTSOWO

13, 14. Aleke sewo kple ʋɔnudrɔ̃ƒewo ƒe nyametsotsowo le vi ɖem na mí?

13 Romatɔwo ƒe sewo ɖe vi na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. Egbea hã dukɔ geɖewo ƒe sewo le vi ɖem na mí le dɔ sia wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Amerikatɔwo ƒe se na ablɔɖe dukɔmeviwo be woatia subɔsubɔ si dze wo ŋu, woaƒo nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu, eye woakpe ta ɖekae. Esia na ablɔɖe míawo hã be míade kpekpewo ahaɖe gbeƒã le dukɔ ma me. Sea gaɖe mɔ na mí hã be míakpɔ míaƒe xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi tso míaƒe dɔwɔƒegã si le Amerika. Ke hã ɣeaɖewoɣi ehiãna be míatsɔ nyawo ayi ʋɔnui ale be míaʋli gome si le mía si be míaɖe gbeƒã nya nyuia la ta. (Filipitɔwo 1:7) Ne ʋɔnudrɔ̃la aɖewo di be yewoaxɔ gbeƒãɖeɖe ƒe ablɔɖea le mía si la, míetsɔa nya la yia ʋɔnudrɔ̃ƒe siwo kɔkɔ wu, eye míeɖua dzi zi geɖe le afi ma.

14 Míeʋlia ablɔɖe si le mía si be míasubɔ Yehowa ahaɖe gbeƒã la ta le dukɔ bubuwo hã me. Ne wometso afia nyui na mí o la, míetsɔa nyaa yia dukɔwo dome ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔwo. Le kpɔɖeŋu me, míetsɔa míaƒe nyawo yia Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe la zi geɖe. Va se ɖe June 2014 me la, míeɖu dzi le ʋɔnunya 57 sɔŋ me le Ʋɔnudrɔ̃ƒe ma, eye se bla Europa dukɔ akpa gãtɔ be woawɔ ɖe Ʋɔnudrɔ̃ƒe ma ƒe nyametsotsowo dzi. Togbɔ be ‘dukɔwo katã lé fu mí’ hã la, enye dzidzɔ na mí be dukɔ geɖewo ƒe se na ablɔɖe mí be míasubɔ Yehowa.—Mateo 24:9.

NUTOVƐ SIWO LE VI ÐEM NA MÍ

Míenaa Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo le gbegbɔgblɔ vovovowo me la amewo

15. Ŋgɔyiyi kawoe xexea wɔ le agbalẽwo tata me, eye aleke esia le vi ɖem na mí?

15 Agbalẽtata ƒe mɔnu yeyewo hã le kpekpem ɖe mía ŋu be nya nyuia naɖo ame geɖe wu gbɔ. Aƒetɔ Johannes Gutenberg ye to agbalẽtamɔ̃ vɛ le ƒe 1450 me, eye amewo zã agbalẽtata ƒe mɔnu ma ƒe alafa geɖe. Gake xexea wɔ ŋgɔyiyi geɖe le agbalẽtamɔ̃ yeyewo toto vɛ me le ƒe 200 siwo va yi me. Esia wɔe be agbalẽwo tata tsɔna eye woganyo wu hã. Hekpe ɖe eŋu la, pepawo wɔwɔ kple agbalẽwo babla va le bɔbɔe fifia wu. Aleke ŋgɔyiyi siawo ɖe vi na míi? Le ƒe 1879 me la, Eŋlisigbe me koe wota Gbetakpɔxɔ ƒe tata gbãtɔ ɖo. Foto aɖeke menɔ eme o, eye ɖekaɖeka 6,000 koe wota. Gake egbea la, míele Gbetakpɔxɔ tam ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 200 me. Foto siwo nya kpɔ hele amadede vovovowo me la le eme, eye wotaa eƒe tata ɖe sia ɖe 50,000,000 kple edzivɔ sɔŋ.

16. Nutovɛ kawoe le kpekpem ɖe mía ŋu be míaɖe gbeƒã le xexea me katã? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

16 Edze ƒãa be nu geɖe siwo woto vɛ le ƒe 200 siwo va yi me la kpe ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me. Míeƒo nu tso ketekewo, lɔriwo kple yameʋuwo ŋu va yi. Nutovɛ bubuwo hã le vi ɖem, abe gasɔwo, nuŋlɔmɔ̃wo, ŋkunɔwo ƒe nuŋlɔmɔ̃wo, telefon, fotoɖemɔ̃wo, nyalémɔ̃wo, videoɖemɔ̃wo, radio, television, sinima, kɔmpiuta kple Internet ene. Togbɔ be menye Yehowa ƒe amewoe to nu siawo vɛ o hã la, wole vi ɖem na mí le Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata ɖe gbegbɔgblɔ geɖewo me kple gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le xexea me katã me. Esia na míele “dukɔwo ƒe notsi” nom abe ale si Biblia gblɔe ene.—Xlẽ Yesaya 60:16.

Yehowa lɔ̃ mí eye wòdi be míanye yeƒe hadɔwɔlawo

17. (a) Nu kae dze ƒãa le gbeƒãɖeɖedɔa ŋu? (b) Nu ka tae Yehowa di be míanye yeƒe hadɔwɔlawo?

17 Edze ƒãa be Yehowa le megbe na míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Yehowae de dɔ sia asi na mí, menye esi eya ɖeka mate ŋu awɔe o tae o, ke boŋ le esi wòlɔ̃ mí eye wòdi be míanye yeƒe hadɔwɔlawo ta. Gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ɖenɛ fiana be míelɔ̃e eye míelɔ̃ mía haviwo hã. (Marko 12:28-31; 1 Korintotɔwo 3:9) Míeda akpe geɖe na Yehowa be wòle megbe na mí le míaƒe xexea me godoo nufiafiadɔa wɔwɔ me. Neva eme be míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ aɖe gbeƒã tso Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu!

^ mm. 1 Tso ƒe 1870-awo me la, woyɔa Yehowa ƒe amewo be Biblia Nusrɔ̃viwo. Tso ƒe 1931 me la, wodze ŋkɔ Yehowa Ðasefowo zazã gɔme.—Yesaya 43:10.