Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Srɔ̃ “Le Aƒetɔ La Me Ko”—Ðe Wògahiã Egbea?

Ðe Srɔ̃ “Le Aƒetɔ La Me Ko”—Ðe Wògahiã Egbea?

“Nyemele srɔ̃ kpɔm le hamea me o, mele vɔvɔ̃m be manɔ tre kaka atsɔ aku nyagã.”

“Xexemeŋutsu aɖewo fa tu, wolɔ̃a ame eye wobua ame ŋu. Wometsia tre ɖe nye subɔsubɔ ŋu o, eye edze abe wodoa vivi ɖe ame ŋu wu nɔviŋutsu aɖewo ene.”

Mawu subɔla siwo meɖe srɔ̃ o dometɔ aɖewo gblɔ nya siawo tɔgbi. Wonya be Yehowa di be ye subɔlawo naɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko,” si fia be woaɖe ame si nye Kristotɔ vavã. (1 Korintotɔwo 7:39) Ke nu ka tae Kristotɔ aɖewo gblɔa nya siawo?

NU SI TA AME AÐEWO TSI DZI ÐE NYA SIA ŊU

Ewɔna na Kristotɔ siwo gblɔa nya siawo be nɔvinyɔnu siwo meɖe srɔ̃ o la sɔ gbɔ wu nɔviŋutsu siwo meɖe srɔ̃ o. Eye esia nye nyateƒe le dukɔ geɖe me. Le kpɔɖeŋu me, le Korea la, Kristotɔ siwo nye trewo dometɔ 57 le alafa me nye nɔvinyɔnuwo, eye 43 le alafa me nye nɔviŋutsuwo. Eye le Colombia la, Kristotɔ siwo nye trewo dometɔ 66 le alafa me nye nɔvinyɔnuwo, eye 34 le alafa me nye nɔviŋutsuwo.

Le teƒe aɖewo la, dzila siwo menye Ðasefowo o dina be yewoaxɔ tabianu gbogbo aɖe hafi atsɔ yewo vinyɔnu ana woaɖe. Evɔ nu mede nɔviŋutsu tre aɖewo dzi ne woaxe tabianu gã mawo o. Esia na nɔvinyɔnu geɖe tsi dzi nenye be yewo hã yewoava kpɔ Kristotɔ ŋutsu aɖe aɖe gbe aɖe gbe. *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

ŊUÐOÐO ÐE YEHOWA ŊU LE VEVIE

Ne èsena le ɖokuiwò me alea la, ka ɖe edzi be Yehowa se wò nɔnɔmea gɔme eye wònya vevesese si le dzi me na wò.—2 Kronika 6:29, 30.

Ke hã Yehowa de se na mí le Biblia me be míaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me ko. Nu ka tae? Elabena enya nu si nyo na mí, eye wòdi be yeakpɔ mía ta. Medi be míawɔ tiatia gbegblẽ siwo ado vevesese na mí alo ana míalé blanui emegbe o. Le Nehemiya ŋɔli la, Yuda-ŋutsu geɖewo ɖe nyɔnu siwo menye Mawu subɔlawo o. Nehemiya he susu yi Salomo ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa dzi. Egblɔ be, togbɔ be enye “eƒe Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ, eye Mawu tsɔe ɖo fia ɖe Israel blibo la nu hã la, dutanyɔnuwo blee de nu vɔ̃ me.” (Nehemiya 13:23-26) Yehowa nya be yeƒe ŋkuɖodzinyawo nyo na mí, eya tae wòde se na Kristotɔwo be woaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la me ko. (Psalmo 19:8-11; Yesaya 48:17, 18) Edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ be eɖoa aɖaŋu si me lɔlɔ̃ le, si dzi míate ŋu aka ɖo la na mí. Ne míeɖoa to Yehowa abe míaƒe Dziɖula ene la, míalɔ̃ ɖe edzi be ekpɔ mɔ agblɔ nu si wòle be míawɔ la na mí.—Lododowo 1:5.

Màdi be yeanɔ ‘kɔkuti ɖeka te kple dzimaxɔsetɔ o,’ si fia be nàɖe ame si melɔ̃a Yehowa o. Elabena ame ma ate ŋu ana nàdzudzɔ Mawu subɔsubɔ. (2 Korintotɔwo 6:14) Mawu ƒe nuxlɔ̃amewo ɖea vi ɣesiaɣi, eye Kristotɔ siwo li egbea dometɔ geɖe tiae be yewoaɖo to Yehowa. Gake wo dometɔ bubu aɖewo tiae be yewomaɖo to o.

SEA GASƆ NA MÍ EGBEA

Nɔvinyɔnu aɖe si le Australia si ŋkɔe nye Maggy va nɔ zɔzɔm kple ŋutsu aɖe si menye Kristotɔ vavã o. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Egblɔ be: “Medaa kpekpe geɖe ƒu le esi medina be manɔ egbɔ ta. Esia na meva gbɔdzɔ kura le gbɔgbɔ me.” Ðetugbui bubu aɖe si le India, si ŋkɔe nye Ratana, nɔ zɔzɔm kple eƒe sukuhati aɖe si dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Gake ɖeko ɖekakpuia nɔ Biblia srɔ̃m be yeadze ɖetugbuia ŋu. Mlɔeba ɖetugbuia dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ eye wòva ɖo subɔsubɔha bubu aɖe me ale be ɖekakpuia naɖe ye.

Esi nɔvinyɔnu Ndenguè si tso Cameroon xɔ ƒe 19 la, eɖe ŋutsu aɖe si mesubɔa Yehowa o. Hafi woaɖe wo nɔewo la, ŋutsua do ŋugbe nɛ be ate ŋu ayi edzi anye Ðasefo. Gake esi woɖe srɔ̃ kwasiɖa eve pɛ ko megbe la, ŋutsua gblɔ nɛ be mekpɔ mɔ agayi hame ƒe kpekpewo o. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Metsi akogo eye avi dzi ko menɔna. Mekpɔe be metsi asi. Mebua fɔ ɖokuinye ɣesiaɣi.”

Ele eme be Kristotɔ aɖewo ɖe ame si mesubɔa Yehowa o eye wo srɔ̃wo wɔa nu ɖe wo ŋu nyuie ya. Gake ne ame si nèɖe, si mesubɔa Yehowa o, la wɔa nu ɖe ŋuwò nyuie gɔ̃ hã la, aleke wò kple Yehowa dome ƒomedodoa anɔ? Aleke nànɔ sesem le ɖokuiwò me esi nènyae be yemeɖo to aɖaŋu si wòɖo na ye be eme nanyo na ye la o? Vevietɔ wu la, aleke Yehowa ase le eɖokui me le nu si nèwɔ la ŋu?—Lododowo 1:33.

Le xexea me godoo la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wɔ ɖe Yehowa ƒe sedede dzi heɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me” kpɔe be yewotso nya me nyuie. Nɔvi geɖe ɖoe kplikpaa be yewoaɖe ame si nye Yehowa subɔla ale be yewoado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. Nɔvinyɔnu Michiko si tso Japan ɖoe kplikpaa be yeaɖo to Mawu togbɔ be eƒe ƒometɔwo nɔ eƒom ɖe enu be wòaɖe ame si mesubɔa Yehowa o hã. Etena ɖe edzi ne ekpɔ be ye xɔlɔ̃ aɖewo kpɔ Kristotɔ vavãwo ɖe gake ye ya yekpɔtɔ nye tre. Egblɔ be: “Megblɔna na ɖokuinye be, esi Yehowa nye ‘dzidzɔ Mawu’ ta la, míeɖe srɔ̃ alo míeɖaɖe srɔ̃ o, míate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm. Mexɔe se hã be Yehowa naa nu si míaƒe dzi di la mí. Eya ta ne míedi be míaɖe srɔ̃ evɔ míele srɔ̃ kpɔm aɖe o la, anyo wu be míanɔ tre fifia gbɔ.” (1 Timoteo 1:11) Emegbe Michiko kpɔ nɔviŋutsu nyui aɖe ɖe, eye dzi le edzɔm ŋutɔ be yeɖo to Yehowa.

Nɔviŋutsu aɖewo hã li siwo lala ɣeyiɣi didi aɖe be yewoakpɔ ame si sɔ aɖe. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu Bill si tso Australia gblɔ be, yeƒe nu doa dzidzɔ na nyɔnu siwo menye Ðasefowo o ɣeaɖewoɣi. Gake medzea xɔlɔ̃ kpli wo o, elabena medi be yeage ɖe ƒomedodo aɖeke me si ana yeava nɔ “kɔkuti ɖeka” te kple dzimaxɔsetɔ o. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, nɔvinyɔnu aɖewo ƒe nu lé dzi nɛ wòte ɖe wo ŋu, gake eya ƒe nu medo dzidzɔ na wo o. Bill lala ƒe 30 sɔŋ hafi kpɔ nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si ƒe taɖodzinuwo sɔ kple etɔwo. Egblɔ be: “Mevem kura o. Yayrae wònye nam, elabena míedea gbeadzi ɖekae, srɔ̃a nu ɖekae, eye míesubɔa Mawu ɖekae. Edoa dzidzɔ nam be made ha kple srɔ̃nye xɔlɔ̃wo, elabena wo katã wonye Yehowa subɔlawo. Míezãa Biblia ƒe mɔfiamewo tsɔ kpɔa nyawo gbɔ le srɔ̃ɖeɖea me.”

ESIME NÈLE YEHOWA SINU KPƆM

Esi nèɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hele esinu kpɔm be wòana nàkpɔ srɔ̃ si vɔ̃a eyama aɖe la, nu kae nànɔ wɔwɔm? Àte ŋu ade ŋugble le nu si tae mèɖe srɔ̃ haɖe o ŋu. Ne Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu si nèdi be yeawɔ tae la, ke àte ŋu aka ɖe edzi be esia doa dzidzɔ na Yehowa. (1 Samuel 15:22; Lododowo 27:11) Azɔ hã yi edzi nànɔ gbe dom ɖa na Yehowa ɣesiaɣi, nàgblɔ wò dzimenyawo nɛ. (Psalmo 62:9) Esi nèle agbagba dzem be yeaɖu tetekpɔwo kple dzodzro vɔ̃wo dzi la, wò kple Yehowa dome ƒomedodoa me anɔ sesẽm ɖe edzi tso ŋkeke yi ŋkeke. Ka ɖe edzi bliboe be Yehowa tsɔa ɖe le wò didiwo kple hiahiãwo me, elabena èxɔ asi le eŋkume. Medo ŋugbe na ame aɖeke be yeana srɔ̃e wòaɖe ya o. Ke hã ne srɔ̃ɖeɖee nye nu si nèhiã ŋutɔŋutɔ la, Yehowa nya mɔ nyuitɔ si dzi wòato akpɔ hiahiã ma gbɔ na wò.—Psalmo 145:16; Mateo 6:32.

Ɣeaɖewoɣi àse le ɖokuiwò me abe David ene, ame si gblɔ be: ‘Yehowa, tɔ nam kaba, nu te nye gbɔgbɔ ŋu, mègaɣla wò ŋkume ɖem o.’ (Psalmo 143:5-7, 10) Mègana ta o. Gbɔ dzi ɖi na Yehowa ne wòafia nu si wòdi be nàwɔ la wò. Ðo to Yehowa to Biblia xexlẽ me, eye nàde ŋugble le nu si nèxlẽ ŋu vevie. Esia ana nànya nu si dim Yehowa le tso asiwò kple ale si wòkpe ɖe esubɔlawo ŋu tso blema ke. Ne èɖo toe la, dzi aɖo ƒowò be nàyi edzi awɔ eƒe lɔlɔ̃nu.

Hamea dea asixɔxɔ Kristotɔ trewo ŋu vevie elabena wokpena ɖe ƒomewo kple ɖeviwo ŋu zi geɖe

Nu bubu kae nàgate ŋu awɔ si ana nànɔ dzidzɔ kpɔm ahanɔ geɖe wɔm esime nènye tre? Àte ŋu atu wò kple Yehowa dome ƒomedodoa ɖo eye nàwɔ ŋkɔ nyui na ɖokuiwò. Àgate ŋu asrɔ̃ dɔmenyonyo, dɔ sesẽ wɔwɔ kple ale si nànye ame si gbɔ nɔnɔ metiaa ame o, eye nàwɔ nuteƒe na Yehowa. Nɔnɔme siawoe nana dzidzɔ nɔa srɔ̃ɖeɖe me. (1 Mose 24:16-21; Rut 1:16, 17; 2:6, 7, 11; Lododowo 31:10-27) Yi edzi nàdi Fiaɖuƒea gbã to ale si nàwɔ geɖe le subɔsubɔdɔa kple hamea me dzi. Nu siawo wɔwɔ akpɔ tawò be nàgatso nya me le mɔ gbegblẽ nu o. Bill gblɔ tso ƒe siwo me wònɔ tre ŋu be: “Ƒeawo va yina kabakaba! Mezã ɣeyiɣi mawo le Yehowa subɔsubɔ me abe mɔɖela ene.”

Yehowa ƒe sedede be woaɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko” medo xoxo alo tso eme o. Ne míeɖe Kristotɔ vavã la, efia be míede bubu Yehowa ŋu, eye míakpɔ dzidzɔ geɖe. Biblia gblɔ be: “Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ le eƒe seawo ŋu vevie. Nu geɖe kple kesinɔnu le eƒe me, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee.” (Psalmo 112:1, 3) Eya ta ɖoe kplikpaa nàwɔ ɖe Mawu ƒe sedede dzi nàɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko.”

^ mm. 7 Togbɔ be nɔvinyɔnuwo ŋue míeƒo nu tsoe le nyati sia me hã la, mɔfiame siwo le eme la yi na nɔviŋutsuwo hã.

^ mm. 13 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.