Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Tsã la, míeƒoa nu tso Biblia me nuŋlɔɖiwo ƒe kpɔɖeŋuwo kple nu siwo wotsi tre ɖi na ŋu zi geɖe le míaƒe agbalẽwo me. Gake fifia la, ƒãa hafi míewɔa esia. Nu ka tae?

September 15, 1950 ƒe Gbetakpɔxɔ ɖe nu si nya siwo nye “kpɔɖeŋua” kple “nua ŋutɔŋutɔ” fia me. Woɖe eme be kpɔɖeŋua fia ame, nudzɔdzɔ, alo nane si tsi tre ɖi na ame alo nu bubu aɖe si lolo wu si ava va. Eye nua ŋutɔŋutɔ fia ame, nudzɔdzɔ, alo nane si kpɔɖeŋua le tsitre ɖi na. Wogayɔ kpɔɖeŋua be vɔvɔli, eye woyɔ nua ŋutɔŋutɔ be emevava la.

Tsã la, míaƒe agbalẽwo gblɔ be ŋutsu kple nyɔnu wɔnuteƒewo abe Debora, Elihu, Yefta, Hiob, Raxab, Rebeka kple ame bubu geɖewo nye kpɔɖeŋu na amesiaminawo loo alo “ameha gã” la. (Nyaɖeɖefia 7:9) Le kpɔɖeŋu me, míegblɔ be Yefta, Hiob kple Rebeka tsi tre ɖi na amesiaminawo, eye Debora kple Raxab le tsitre ɖi na ameha gã la. Gake fifia la, míegaɖea eme alea o. Nu ka tae?

KPƆÐEŊUA

Alẽvi si wowuna le Ŋutitotoŋkekenyuia dzi le blema Israel la nye kpɔɖeŋu.—4 Mose 9:2

NUA ŊUTƆŊUTƆ

Paulo gblɔ be Kristo ye nye “míaƒe ŋutitotolẽvi la.”—1 Korintotɔwo 5:7

Enye nyateƒe be Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be ame siwo le Biblia me dometɔ aɖewo nye kpɔɖeŋu na ame alo nu bubu aɖe si lolo wu. Le kpɔɖeŋu me, le Galatiatɔwo 4:21-31 la, apostolo Paulo ƒo nu tso “kpɔɖeŋuwɔwɔfia” si ku ɖe nyɔnu eve ŋu la ŋu. Nyɔnu gbãtɔe nye Hagar, Abraham ƒe dɔlanyɔnu. Paulo ɖe eme be Hagar tsi tre ɖi na Israel-dukɔa, eye Mose ƒe Sea ye nye nubabla si nɔ dukɔ ma kple Yehowa dome. Nyɔnu eveliae nye “ablɔɖenyɔnu” si nye Abraham srɔ̃ Sara. Eya le tsitre ɖi na Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo si le abe Mawu srɔ̃anyɔnu ene. Paulo gaƒo nu tso nu siwo me nunɔla si nye fia Melxizedek kple Yesu sɔ kple wo nɔewo le ŋu. (Hebritɔwo 6:20; 7:1-3) Gakpe ɖe eŋu la, Paulo tsɔ nyagblɔɖila Yesaya kple viawo sɔ kple Yesu kple Kristotɔ amesiaminawo. (Hebritɔwo 2:13, 14) Esi Yehowa ƒe gbɔgbɔ ye ʋã Paulo wògblɔ esia ta la, míate ŋu aka ɖe kpɔɖeŋu siawo kple nu siwo wotsi tre ɖi na la dzi.

Gake ne Biblia gblɔ be ame aɖe nye kpɔɖeŋu na ame alo nane gɔ̃ hã la, mele be míasusui be nu sia nu si dzɔ le amea ƒe agbe me tsi tre ɖi na nane si lolo wu si ava eme o. Le kpɔɖeŋu me, Paulo ɖe eme be Melxizedek le tsitre ɖi na Yesu. Ke hã Paulo meƒo nu tso ɣeyiɣi si Melxizedek tsɔ abolo kple wain vɛ na Abraham esi wòɖu fia ene dzi megbe la ŋu o. Eya ta Ŋɔŋlɔawo megagblɔ nya bubu aɖeke si tae míanɔ gɔmesese aɖe dim le nudzɔdzɔ ma ŋu o.—1 Mose 14:1, 18.

Ƒe alafa aɖewo le Kristo ƒe ku megbe la, agbalẽŋlɔla aɖewo wɔ vodada gãwo. Wotsɔ Biblia me nuŋlɔɖi ɖe sia ɖe wɔ kpɔɖeŋu na nane. Numekugbalẽ aɖe (The International Standard Bible Encyclopaedia) gblɔ tso Origen, Ambrose kple Jerome ƒe nufiafiawo ŋu be: “Wodi nu siwo nye kpɔɖeŋuwo le Ŋɔŋlɔawo me, eye woke ɖe wo ŋu hã, le nudzɔdzɔ ɖe sia ɖe me, aleke kee wòɖale sue o. Wosusui be nyateƒe aɖe ɣla ɖe gbe sia gbe nudzɔdzɔ kple nuwɔna ɖe sia ɖe me . . . , le tɔmelã xexlẽme si nusrɔ̃lawo ɖe le zã si me Ðela si wofɔ ɖe tsitre ɖe eɖokui fia wo la gɔ̃ hã gome—aleke gbegbee amewo dze agbagba vevie be yewoagblɔ gɔmesese si le xexlẽme 153 ma ŋue nye esi!”

Agbalẽŋlɔla bubu si ŋkɔe nye Augustine si tso Hippo hã gblɔ be, Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe ale si Yesu tsɔ ƒobolo atɔ̃ kple tɔmelã eve nyi ŋutsu 5,000 la nye kpɔɖeŋu si ŋu gɔmesese aɖe le. Egblɔ be ƒobolo atɔ̃awo tsi tre ɖi na Biblia-gbalẽ atɔ̃ gbãtɔawo. Eye esi wobui be ƒo mexɔ asi de lu nu o ta la, efia be “Nubabla Xoxoa” ƒe asixɔxɔ mede “Nubabla Yeyea” tɔ nu o. Eɖe eme hã be tɔmelã eveawo le tsitre ɖi na fia aɖe kple nunɔla aɖe. Agbalẽnyala bubu aɖe gblɔ be ale si Yakob tsɔ bɔbɔ dzĩ agba ɖeka ƒle ŋgɔgbevinyenyea le Esau sii la tsi tre ɖi na ale si Yesu tsɔ eƒe ʋu dzĩ la ƒle dziƒomɔkpɔkpɔ na amegbetɔwo!

Ne ewɔ na wò be numeɖeɖe mawo gɔme sese sesẽ la, ke àte ŋu akpɔ kuxia hã adze sii. Eyae nye be, amegbetɔwo mate ŋu anya Biblia me nuŋlɔɖi si tsi tre ɖi na nu bubu aɖe alo esi mele nenema o. Ke nu kae nye nu nyuitɔ si wòle be míawɔ? Ne Ŋɔŋlɔawo gblɔ be ame, nudzɔdzɔ, alo nane tsi tre ɖi na nu bubu aɖe si le ŋgɔ gbɔna la, míekea ɖii o. Gake mele be míagblɔ be Biblia me nuŋlɔɖi aɖe nye kpɔɖeŋu si ŋu gɔmesese aɖe le evɔ Ŋɔŋlɔawo mefia nenema o.

Ekema aleke míawɔ be Biblia me nuŋlɔɖi kple nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe tsitotsito la naɖe vi na mí? Apostolo Paulo gblɔ be: “Nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi le míaƒe nufiafia ta, bene to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔna le Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.” (Romatɔwo 15:4) Paulo nɔ agbalẽ sia ŋlɔm na Kristotɔ amesiamina siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, eye wònɔ ale si woawɔ be Biblia me nuŋlɔɖiwo naɖe vi na wo la gblɔm na wo. Ke hã tso ɣemaɣi va se ɖe fifia la, nufiame siwo le Ŋɔŋlɔawo me le vi ɖem na Kristotɔwo katã, siwo dome ‘alẽ bubuawo’ hã le.—Yohanes 10:16; 2 Timoteo 3:1.

Eya ta Biblia me nuŋlɔɖi akpa gãtɔ meyi na amesiaminawo ɖeɖe, alo ‘alẽ bubuawo’ ɖeɖe, alo Kristotɔ siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi aɖe koŋ me la ɖeɖe ko o. Ke boŋ woɖea vi na Mawu subɔlawo katã, esiwo nɔ anyi le blema kple esiwo li fifia siaa. Le kpɔɖeŋu me, menye amesiamina siwo nɔ anyi le Xexemeʋa I wɔɣi ƒe fukpekpewo koe Hiob ƒe fukpekpea nye kpɔɖeŋu na o. Nu si tae nye be, Mawu subɔla siwo li egbea, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, amesiaminawo kple ‘alẽ bubuawo’ siaa, dometɔ geɖe le fu kpem abe Hiob ene, eye nufiame siwo le eƒe nuŋlɔɖia me le vi ɖem na wo. Wokpɔ “ale si Yehowa na nuwo va wu enu nɛ, be Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ sɔ gbɔ ŋutɔ.”—Yakobo 5:11.

Le míaƒe hamewo me egbea la, nyɔnu tsitsiwo li siwo le nuteƒe wɔm abe Debora ene, eye hamemetsitsi ɖekakpuiwo li siwo nye nunyalawo abe Elihu ene. Mɔɖela siwo me dzo le eye dzi le wo ƒo abe Yefta ene kpakple ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo gbɔa dzi ɖi abe Hiob ene hã li. Míedaa akpe na Yehowa be ena be “nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la” su mía si egbea, ale be “to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔna le Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si”!

Eya ta míegatsia dzi ɖe nu si Biblia me nuŋlɔɖi ɖe sia ɖe tsi tre ɖi na alo emevava gãtɔ ŋu fũu o. Ke fifia la, nufiame vevi si le Ŋɔŋlɔawo me na mí boŋ dzie míaƒe agbalẽwo hea susu yina zi geɖe.