Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpe Asi Ðe Kristo Nɔviwo Ŋu Nuteƒewɔwɔtɔe

Kpe Asi Ðe Kristo Nɔviwo Ŋu Nuteƒewɔwɔtɔe

“Zi ale si miewɔe na nɔvinye suetɔ siawo dometɔ ɖeka ko la, nyee miewɔe na.”—MATEO 25:40.

1, 2. (a) Lo kawoe Yesu do na exɔlɔ̃ veviwo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu kae wòle be míanya tso alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa ŋu?

YESU le nya dodzidzɔname aɖewo gblɔm na exɔlɔ̃ vevi siwo nye Petro, Andrea, Yakobo kple Yohanes. Esi Yesu do lo ku ɖe kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa, ɖetugbui ewoawo kple talentoawo ŋu vɔ la, edo lo bubu aɖe na exɔlɔ̃awo. Le lododo sia me la, eƒo nu tso ɣeyiɣi si me “Amegbetɔvi la” adrɔ̃ ʋɔnu “dukɔwo katã” ŋu. Egblɔ be “Amegbetɔvi la” ama amewo me ɖe ƒuƒoƒo eve me, eyɔ ƒuƒoƒo ɖeka be alẽwo eye wòyɔ evelia be gbɔ̃wo. Eƒo nu tso ƒuƒoƒo vevi aɖe hã si nye etɔ̃lia ŋu, si wòyɔ be Fia la ‘nɔviwo.’—Xlẽ Mateo 25:31-46.

2 Abe apostoloawo ene la, Yehowa subɔla siwo li egbea hã tsɔ ɖe le lododo sia me vevie elabena elɔ amewo ƒe agbe ɖe eme. Yesu gblɔ be ame aɖewo akpɔ agbe mavɔ eye ame aɖewo hã atsrɔ̃. Esia tae wòle vevie be míase lododoa gɔme nyuie ahanya nu si wòle be míawɔ akpɔ agbe mavɔ. Eya ta le nyati sia me la, míakpɔ biabia siwo gbɔna ƒe ŋuɖoɖowo: Aleke Yehowa kpe ɖe mía ŋu míese lododo sia gɔme? Aleke míewɔ nya be lododoa ɖe ale si gbeƒãɖeɖedɔa le vevie fiae? Ame kawoe wòle be woaɖe gbeƒã? Eye nu ka tae wòle vevie fifia be amewo nawɔ nuteƒe na ‘Fia la’ kple ‘nɔviawo’?

ALEKE YEHOWA KPE ÐE MÍA ŊU MÍESE LODODO SIA GƆME?

3, 4. (a) Nu kawoe wòle be míanya be míase alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa gɔme? (b) Aleke Gbetakpɔxɔ ɖe lododo sia me le ƒe 1881 me?

3 Be míase alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa gɔme la, ele be míanya nu siawo: (1) ame kae nye “Amegbetɔvi la,” alo ‘Fia la,’ ame kawoe alẽawo kple gbɔ̃wo tsi tre ɖi na, eye ame kawoe nye Fia la ‘nɔviwo’? (2) ɣekaɣie “Amegbetɔvi la” ama alẽwo me tso gbɔ̃wo gbɔ, alo adrɔ̃ ʋɔnu wo? eye (3) nu ka tae woyɔ ame aɖewo be alẽwo eye woyɔ ɖewo be gbɔ̃wo?

4 Le ƒe 1881 me la, Gbetakpɔxɔ gblɔ be “Amegbetɔvi la,” alo ‘Fia la,’ ye nye Yesu. Eye wòɖe eme be menye ame siwo aɖu fia kple Yesu le dziƒo koe nye Fia la ‘nɔviwo’ o ke boŋ ame siwo katã anɔ agbe le anyigba dzi ahaɖo blibodede gbɔ hã le eme. Gbetakpɔxɔ la gblɔ kpee be woama amewo me le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me, eye ame siwo aɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ afia le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me lae woayɔ be alẽawo.

5. Aleke Mawu ƒe amewo se lododo sia gɔme le ƒe 1923 me?

5 Emegbe Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu wova se lododo sia gɔme nyuie wu. Le ƒe 1923 me la, October 15 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be “Amegbetɔvi la” ye nye Yesu. Gake wozã Biblia ƒe kpukpuiwo tsɔ ɖe eme be, Fia la ‘nɔvi’ siwo ŋu woƒo nu tsoe le lododoa me la ku ɖe ame siwo aɖu fia kple Yesu la ɖeɖe ko ŋu, eye be wo katã woanɔ dziƒo le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. Egblɔ kpee be, alẽawoe nye ame siwo anɔ agbe le anyigba dzi le Yesu kple nɔviawo ƒe dziɖuɖu te. Eye esi wogblɔ le lododoa me be ame siawo kpe ɖe Fia la nɔviwo ŋu ta la, ele be amewo me mama, alo ʋɔnudɔdrɔ̃ wo, nayi edzi esime Yesu nɔvi amesiaminawo kpɔtɔ le anyigba dzi, eye esia adzɔ do ŋgɔ na Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe gɔmedzedze. Nyatia gblɔ hã be alẽawo anye ame siwo xɔ Yesu dzi se, eye woxɔe se hã be Fiaɖuƒea ava ɖɔ nuwo ɖo.

6. Tso ƒe 1995 me la, aleke míeva se lododo sia gɔme?

6 Le ƒe geɖe siwo va yi me la, míesusui be gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele le nuwuɣi sia me lae wotsɔ le ʋɔnu drɔ̃m amewo. Ne woxɔ míaƒe gbedeasia la, ke efia be wonye alẽwo, gake ne wogbe míaƒe gbedeasia la, ke efia be wonye gbɔ̃wo. Gake tso ƒe 1995 me la, ale si míese lododo sia gɔmee la trɔ. Gbetakpɔxɔ tsɔ Mateo 24:29-31 (xlẽe) me nyawo sɔ kple Mateo 25:31, 32 (xlẽe), eye wòɖe eme be xaxa gã la mee Yesu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ne Amegbetɔvi la “va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me.” *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

Míeda akpe na Yehowa be ekpe ɖe mía ŋu míeva se Yesu ƒe lododowo gɔme

7. Alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa gɔme ɖe?

7 Egbea míese alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa gɔme nyuie. Míenyae be “Amegbetɔvi la” alo ‘Fia la’ ye nye Yesu. Fia la ‘nɔviwoe’ nye ame siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na siwo aɖu fia kple Yesu le dziƒo. (Romatɔwo 8:16, 17) “Alẽawo” kple ‘gbɔ̃awoe’ nye dukɔwo katã me tɔwo. Woadrɔ̃ ʋɔnu wo le xaxa gã la ƒe nuwuwu lɔƒo, eye xaxa ma adze egɔme kpuie. Eye míenyae be ale si amewo wɔ nu ɖe amesiamina siwo kpɔtɔ le anyigba dzi ŋu dzie Yesu anɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu wo. Míeda akpe na Yehowa be ekpe ɖe mía ŋu vivivi be míeva se lododo sia kple bubu siwo le Mateo ta 24 kple 25 me la gɔme!

LODODOA ÐE ALE SI GBEƑÃÐEÐEDƆA LE VEVIE FIA

8, 9. Nu ka tae Yesu gblɔ be alẽawo nye “ame dzɔdzɔewo”?

8 Yesu mezã nya “gbeƒãɖeɖe” alo “gbeƒãɖeɖedɔ” le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa me o. Ke aleke míewɔ nya be lododoa ɖee fia be gbeƒãɖeɖedɔa le vevie ŋutɔ?

9 Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, ele be míaɖo ŋku edzi gbã be ɖe Yesu nɔ loa dom be yeatsɔ afia nu vevi aɖe mí. Menye alẽwo kple gbɔ̃wo ŋutɔŋutɔ ŋue wònɔ nu ƒom tsoe o. Nenema kee eƒe nyawo mefia be ele be ame siwo katã woatso nya me be wonye alẽwo la nana nuɖuɖu kple awudodo amesiaminawo, alé be na wo ne wodze dɔ alo ayi aɖakpɔ wo ɖa ne wode wo gaxɔ me o. Ao, ke boŋ Yesu gblɔ be alẽawo nye “ame dzɔdzɔewo” le esi wolɔ̃ ɖe edzi be amesiaminawo nye Yesu nɔviwo, eye wowɔ nuteƒe na amesiaminawo le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me ta.—Mateo 10:40-42; 25:40, 46; 2 Timoteo 3:1-5.

10. Aleke alẽawo ate ŋu akpe ɖe Kristo nɔviwo ŋu?

10 Yesu nɔ nu ƒom tso nu siwo adzɔ le nuwuɣi sia me ŋu esi wòdo lo ku ɖe alẽwo kple gbɔ̃wo ŋu. (Mateo 24:3) Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi.” (Mateo 24:14) Eye esi wòdo lo ku ɖe talentoawo ŋuti teti koe wòƒo nu tso alẽwo kple gbɔ̃wo ŋu. Yesu do lo ma be yeafia amesiaminawo be ele be woado vevie nu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe susɔ ɖe anyigba dzi, evɔ dɔ gbogbo aɖe li woawɔ! Wode se na amesiaminawo be woaɖe gbeƒã na “dukɔwo katã” me tɔwo hafi nuwuwua naɖo. Míekpɔe le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa me be “alẽawo” kpe ɖe Yesu nɔviwo ŋu. Eye mɔ nyuitɔ siwo nu woawɔ esia le dometɔ ɖekae nye be woakpe ɖe Yesu nɔviwo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ke ɖe gadzɔdzɔ na wo kple dzidede ƒo na wo be woayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi ɖeɖe sɔ gbɔa?

AME KAWOE WÒLE BE WOAÐE GBEƑÃ?

11. Nya kae ame aɖewo ate ŋu abia, eye nu ka tae?

11 Egbea Yesu ƒe nusrɔ̃la miliɔn enyi ye li, eye wo dometɔ akpa gãtɔ menye amesiaminawo o. Menye woawoe Yesu tsɔ talentoawo de asi na o. Nɔvia amesiaminawoe wòtsɔe de asi na. (Mateo 25:14-18) Eya ta ame aɖewo abia be, ‘Ne Yesu metsɔ talentoawo de asi na ame siwo alẽawo tsi tre ɖi na o la, ke ɖe wòhiã be woawo hã naɖe gbeƒã?’ Ɛ̃, ehiã. Na míakpɔ nu si tae ɖa.

12. Nu kae míesrɔ̃ tso Yesu ƒe nya siwo le Mateo 28:19, 20 me?

12 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo katãe wòde se na be woaɖe gbeƒã. Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe la, egblɔ na eyomedzelawo be woawɔ amewo “woanye nusrɔ̃lawo,” eye woafia wo bena woawɔ “nu siwo katã ƒe se” yede na wo la. Ele be nusrɔ̃la yeyewo hã nawɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzi aɖe gbeƒã. (Xlẽ Mateo 28:19, 20.) Eya ta eme kɔ ƒãa be ele be mí katã míaɖe gbeƒã, míeɖale mɔ kpɔm be míanɔ agbe le dziƒo alo anyigba dzi o.—Dɔwɔwɔwo 10:42.

Ele be mí katã míaɖe gbeƒã, míeɖale mɔ kpɔm be míanɔ agbe le dziƒo alo anyigba dzi o

13. Nu kae míesrɔ̃ tso ŋutega si woɖe fia Yohanes me?

13 Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa na míekpɔe be amesiaminawo kple ame bubuwoe awɔ gbeƒãɖeɖedɔa. Yesu ɖe ŋutega aɖe fia apostolo Yohanes, si me wòkpɔ “ŋugbetɔ” aɖe le, wòle amewo kpem be woava xɔ agbetsi ano. Ŋugbetɔ lae nye ame 144,000 siwo aɖu fia kple Yesu le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 14:1, 3; 22:17) Tsia le tsitre ɖi na Yesu ƒe tafevɔsa si aɖe amewo tso nu vɔ̃ kple ku me ahana woanɔ agbe tegbee. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16; 1 Yohanes 4:9, 10) Amesiaminawo le nu fiam amewo dzonɔamemetɔe tso tafea kple nu si woawɔ wòaɖe vi na wo ŋu. (1 Korintotɔwo 1:23) Gake woƒo nu tso ameha bubu aɖe si me tɔwo menye amesiaminawo o, ke boŋ wole mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le anyigba dzi hã ŋu le ŋutega la me. Wode se na woawo hã be woagblɔ na ame bubuwo be: “Va!” Wowɔa sedede sia dzi to nya nyuia gbɔgblɔ na amewo me. Eya ta ŋutega ma ɖee fia be, ele be ame sia ame si xɔ nya nyuia naɖe gbeƒã na amewo.

14. Mɔ ka dzie míato awɔ ɖe “Kristo la ƒe se” dzi?

14 Ele be ame sia ame si wɔa “Kristo la ƒe se” dzi naɖe gbeƒã. (Galatiatɔwo 6:2) Yehowa kpɔa mɔ be ame siwo katã le ye subɔm nawɔ ɖe se ɖeka mawo ke dzi. Le blema la, ebia tso Israel-viwo kple amedzrovi siwo le wo dome la siaa si be woawɔ ɖe yeƒe sewo dzi. (2 Mose 12:49; 3 Mose 24:22) Egbea míegale se siwo wotsɔ na Israel-viwo te o. Ke boŋ wobia tso mí katã si be míawɔ ɖe “Kristo la ƒe se” dzi, míeɖanye amesiaminawo loo alo míenyee o. Nu vevitɔ siwo Yesu fia mí la dometɔ ɖekae nye lɔlɔ̃. (Yohanes 13:35; Yakobo 2:8) Ele be míalɔ̃ Yehowa, míalɔ̃ Yesu, eye míalɔ̃ mía haviwo. Eye mɔ nyuitɔ si dzi míato aɖe lɔlɔ̃ sia afiae nye be míagblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na amewo.—Yohanes 15:10; Dɔwɔwɔwo 1:8.

15. Nu ka tae míagblɔ be Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo katã be woaɖe gbeƒã?

15 Ɣeaɖewoɣi nya si Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃la ʋɛ aɖewo la yina na eƒe nusrɔ̃la geɖe. Le kpɔɖeŋu me, Yesu bla nu kple nusrɔ̃la 11 ko, eye wòdo ŋugbe na wo be woaɖu fia kpli ye le yeƒe Fiaɖuƒea me. Gake ame 144,000 sɔŋ ye aɖu fia kplii. (Luka 22:29, 30; Nyaɖeɖefia 5:10; 7:4-8) Eye le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, nusrɔ̃la ʋɛ aɖewo koe nɔ eteƒe esi wòde se be woaɖe gbeƒã. (Dɔwɔwɔwo 10:40-42; 1 Korintotɔwo 15:6) Gake Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo katã nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me wɔ ɖe sedede ma dzi. (Dɔwɔwɔwo 8:4; 1 Petro 1:8) Egbea hã, míenyae be ele be míaɖe gbeƒã togbɔ be míesee Yesu ŋutɔ ke nu gblɔe be míawɔ dɔ sia o hã. Le nyateƒe me la, mí ame siwo anɔ abe miliɔn enyi ene míele gbeƒãɖeɖedɔa wɔm. To gbeƒãɖeɖedɔa dzi la, míeɖenɛ fiana be míexɔ Yesu dzi se vavã.—Yakobo 2:18.

ELE VEVIE BE MÍAWƆ NUTEƑE FIFIA

16-18. Aleke míate ŋu akpe ɖe Kristo nɔviwo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe, eye nu ka tae wòle be míawɔ esia fifia?

16 Satana na aʋa si wɔm wòle kple Kristo nɔvi amesiamina siwo kpɔtɔ le anyigba dzi la nu le sesẽm ɖe edzi, eye enyae be ‘ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye.’ (Nyaɖeɖefia 12:9, 12, 17) Le Satana ƒe amedzidzedze siawo katã megbe la, amesiaminawo yi edzi le gbeƒãɖeɖedɔa dom ɖe ŋgɔ, eye ame geɖe wu va le nya nyuia sem. Edze ƒãa be Yesu li kple amesiaminawo eye wòle mɔ fiam wo.—Mateo 28:20.

Bubu gãe wònye na mí be míele asi kpem ɖe Kristo nɔviwo ŋu

17 Bubu gãe wònye na mí be míele asi kpem ɖe Kristo nɔviwo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Míekpena ɖe wo ŋu hã to gadzɔdzɔ me, eye míewɔa dɔ sesĩe le Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo kple alɔdzedɔwɔƒewo tutu me. Ne míewɔa nuteƒe heɖoa to hamemetsitsiwo kple nɔvi bubu siwo ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa’ ɖo la, míeɖenɛ fiana be enye dzidzɔ na mí be míakpe asi ɖe Kristo nɔviwo ŋu. —Mateo 24:45-47; Hebritɔwo 13:17.

18 Eteƒe madidi o, woatre amesiamina susɔeawo nu zi mamlɛtɔ. Ekema mawudɔlawo aɖe asi le “anyigba ƒe ya eneawo” ŋu, eye xaxa gã la adze egɔme. (Nyaɖeɖefia 7:1-3) Hafi Harmagedon-ʋa nadze egɔme la, Yesu akplɔ amesiamina susɔeawo ayi dziƒo. (Mateo 13:41-43) Eya ta ne míedi be ne Yesu va la, wòatso nya me be míenye alẽwo la, ke ele vevie be míawɔ nuteƒe fifia na Kristo nɔvi amesiaminawo.

Míekpea asi ɖe Kristo nɔviwo ŋu le mɔ vovovowo nu (Kpɔ memama 17)

^ mm. 6 Àkpɔ ale si woɖe lododo sia me tsitotsito le October 15, 1995 ƒe Gbetakpɔxɔ me nyati siwo nye, “Tenɔnɔ Kae Anɔ Asiwò Le Ʋɔnudrɔ̃zikpui La Ŋgɔ?” kple “Etsɔme Kae Li Na Alẽawo Kple Gbɔ̃awo?” me.