Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àyi Edzi ‘Anɔ Ŋudzɔa’?

Àyi Edzi ‘Anɔ Ŋudzɔa’?

“Minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.”MATEO 25:13.

1, 2. (a) Nu kae Yesu gblɔ be adzɔ le ŋkeke mamlɛawo me? (b) Biabia kawo mee míadzro?

KPƆE ɖa le susu me be Yesu ye nye ema bɔbɔ nɔ Amitoa dzi hedze ŋgɔ Yerusalem gbedoxɔa. Eya kple eƒe apostolo ene, siwo nye Petro, Andrea, Yakobo kple Yohanes ye le afi ma. Yesu le nu wɔnuku siwo adzɔ le etsɔme la gblɔm ɖi, eye wole to ɖom vevie. Nyagblɔɖia ku ɖe nu siwo adzɔ le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me ne Yesu le dzi ɖum le Mawu Fiaɖuƒea me la ŋu. Yesu gblɔ na wo be, le ɣeyiɣi vevi ma me la, ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ aɖe anɔ ye teƒe le anyigba dzi ahanɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam ye yomedzelawo ɖe ɣeyiɣi dzi.—Mateo 24:45-47.

2 Eyome le nyagblɔɖi ma ke me la, Yesu do lo si ku ɖe ɖetugbui ewoawo ŋu. (Xlẽ Mateo 25:1-13.) Míadzro biabia etɔ̃ siwo gbɔna la me le nyati sia me: (1) Nufiame vevi kae le lododoa me? (2) Aleke amesiamina wɔnuteƒewo le nuxlɔ̃ame si le lododoa me la dzi wɔm, eye nu kawoe do tso eme? (3) Aleke Yesu ƒe lododoa ate ŋu aɖe vi na mía dometɔ ɖe sia ɖe egbea?

NUFIAME VEVI KAE LE LODODOA ME?

3. Tsã la, aleke míeɖea ɖetugbui ewoawo ŋuti lododoa me le míaƒe agbalẽwo me, eye nu kae nye emetsonu?

3 Míesrɔ̃e le nyati si do ŋgɔ me be le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, kluvi nuteƒewɔla la trɔ asi le ale si woɖea Biblia me nuŋlɔɖi aɖewo mee ŋu. Fifia nufiame siwo le nuŋlɔɖiawo me la koŋ dzie kluvi nuteƒewɔlaa hea susu yina, ke menye nu si ƒe kpɔɖeŋu nuŋlɔɖiawo nye dzi o. Le kpɔɖeŋu me, bu Yesu ƒe lododo si ku ɖe ɖetugbui ewoawo ŋuti la ŋu kpɔ. Tsã la, míegblɔna le míaƒe agbalẽwo me zi geɖe be akaɖi la, ami la kple amigoe la tsi tre ɖi na nane si lolo wu. Ðe wòanye be nu suesuesue ɖe sia ɖe me ɖeɖe tsitotsito wɔe be nufiame vevi siwo le lododoa me si dzi wòle be míawɔ ɖo kpata la to mía ŋua? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo le vevie.

Ele na ɖetugbuiawo be woanɔ dzadzraɖoɖi eye woƒe akaɖiwo nanɔ bibim ne ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo

4. Le lododoa me la, aleke míewɔ nya (a) ame si nye ŋugbetɔsrɔ̃ la? (b) ame siwo ɖetugbuiawo le tsitre ɖi na?

4 Na míadzro nu vevi siwo le Yesu ƒe lododoa me la me. Gbã la, de ŋugble tso ame siwo le lododoa me ŋu. Ame kae nye ŋugbetɔsrɔ̃ la? Eyae nye Yesu. Míenya esia, elabena Yesu gblɔ tso eɖokui ŋu do ŋgɔ be yee nye ŋugbetɔsrɔ̃ la. (Luka 5:34, 35) Ame kawoe ɖetugbuiawo le tsitre ɖi na? Woawoe nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe “alẽha sue” la. Aleke míewɔ nya? Le lododoa me la, ele na ɖetugbuiawo be woanɔ dzadzraɖoɖi eye woƒe akaɖiwo nanɔ bibim ne ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo. Azɔ kpɔ nya si Yesu gblɔ na eyomedzela amesiaminawo ɖa: ‘Midzra ɖo, minɔ klalo, eye miaƒe akaɖiwo nenɔ bibim, eye minɔ abe ame siwo le woƒe aƒetɔ lalam be wòagbɔ tso srɔ̃ɖeƒe ene.’ (Luka 12:32, 35, 36) Gakpe ɖe eŋu la, apostolo Paulo kple apostolo Yohanes siaa tsɔ Kristo yomedzela amesiaminawo sɔ kple ɖetugbui dzadzɛwo. (2 Korintotɔwo 11:2; Nyaɖeɖefia 14:4, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me) Eya ta míekpɔe be Yesu yomedzela amesiaminawoe aɖaŋuɖoɖo kple nuxlɔ̃ame siwo le Mateo 25:1-13 la yi na.

5. Aleke Yesu na míenya ɣeyiɣi si ŋuti eƒe lododoa ku ɖo?

5 Azɔ ɣeyiɣi ka ŋutie Yesu ƒe lododoa ku ɖo? Nya si Yesu gblɔ le eƒe lododoa ƒe nuwuwu lɔƒo kpe ɖe mía ŋu míenya esia. Egblɔ be: “Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo.” (Mateo 25:10) Míesrɔ̃e le July 15, 2013, ƒe Gbetakpɔxɔ me be Yesu ƒo nu tso ale si ‘wòava,’ ava ɖo, alo atrɔ agbɔ ŋu zi gbɔ zi enyi le eƒe nyagblɔɖi si le Mateo ta 24 kple 25 me. Esi Yesu ƒo nu tso ɣeyiɣi si ‘wòava’ alo atrɔ gbɔ ŋu la, ɣeyiɣi si me wòadrɔ̃ ʋɔnu xexe vɔ̃ɖi sia ahatsrɔ̃e le xaxa gã la mee wòwɔnɛ. Eya ta míate ŋu aƒo nya ta be Yesu ƒe lododoa ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu, ke hã xaxa gã la mee ‘wòava ɖo’ alo atrɔ agbɔ.

6. Nufiame vevi kae le lododoa me?

6 Nufiame vevi kae le Yesu ƒe lododo sia me? Ðo ŋku nya si gblɔm Yesu nɔ hafi do loa la dzi. Le Mateo ta 24 la, Yesu ƒo nu tso ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ la ŋu. Kluvi la anye nɔviŋutsu amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue si anɔ ŋgɔ na Kristo yomedzelawo le ŋkeke mamlɛawo me. Yesu xlɔ̃ nu wo be woayi edzi awɔ nuteƒe. Le ta si kplɔ ema ɖo me la, Yesu zã ɖetugbui ewoawo ŋuti lododoa tsɔ xlɔ̃ nu eyomedzela amesiamina siwo katã anɔ anyi le ŋkeke mamlɛawo me. Nufiame veviae nye be ‘woanɔ ŋudzɔ’ ale be dziƒofetua nagage le wo si o. (Mateo 25:13) Azɔ na míadzro lododoa me ayi ŋgɔe be míakpɔ ale si amesiaminawo le nuxlɔ̃amea dzi wɔmee ɖa.

ALEKE AMESIAMINAWO LE NUXLƆ̃AMEA DZI WƆMEE?

7, 8. (a) Nu ka tae míagblɔ be ɖetugbui dzeaɖaŋuawo nɔ dzadzraɖoɖi? (b) Aleke amesiaminawo dzra ɖo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe vava ŋu?

7 Le Yesu ƒe lododoa me la, egblɔ be ɖetugbui dzeaɖaŋuawo nɔ dzadzraɖoɖi esime ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo, ke womewɔ nu abe ɖetugbui tsibomeawo ene o. Nu ka tae? Elabena wodzra ɖo, eye wonɔ ŋudzɔ. Ehiã be ɖetugbui ewoawo katã nanɔ dzadzraɖoɖi eye woƒe akaɖiwo nanɔ bibim le zã la me. Ðetugbui dzeaɖaŋuawo nɔ dzadzraɖoɖi elabena wotsɔ ami ɖe asi kpe ɖe woƒe akaɖiwo ŋu, gake ɖetugbui tsibomeawo ya mewɔe nenema o. Aleke Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo dzra ɖo ɖe Yesu ƒe vava ŋu?

8 Amesiaminawo le klalo be yewoawɔ yewoƒe dɔdeasia va se ɖe nuwuwu. Wonyae be Mawu subɔsubɔ abia be yewoatsɔ nu siwo ate ŋu asu yewo si le Satana ƒe xexea me hafi la asa vɔe, eye wolɔ̃ faa wɔ esia. Woɖoe kplikpaa be yewoasubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe, menye esi nuwuwua gogo ta o, ke boŋ le esi wolɔ̃ Yehowa kple Via ta. Woyia edzi wɔa nuteƒe eye womeɖea mɔ xexea ƒe ŋutilãmenudidi, agbe gbegblẽ nɔnɔ kple ɖokuitɔdidi ƒe nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi o. Abe aɖaŋudzela siwo nɔ dzadzraɖoɖi eye woƒe akaɖiwo nɔ bibim ene la, amesiaminawo hã yi edzi le keklẽm nyuie eye wole Ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe vava lalam dzigbɔɖitɔe, ne edze abe mele vavam kaba o ene gɔ̃ hã.—Filipitɔwo 2:15.

Yesu xlɔ̃ nu amesiaminawo be woayi edzi awɔ nuteƒe

9. (a) Aleke Yesu xlɔ̃ nu ku ɖe akɔlɔ̃edɔdɔ ŋu? (b) Aleke amesiaminawo wɔ nui esi ɣlia ɖi be, “Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo loo”? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

9 Ðetugbui dzeaɖaŋuawo nɔ dzadzraɖoɖi na ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe vava elabena wonɔ ŋudzɔ. Gake le lododoa me la, ɖetugbui ewoawo katã ‘dɔ akɔlɔ̃e heto eme dɔ alɔ̃’ esime wonɔ ŋugbetɔsrɔ̃ si menɔ vavam kaba o la lalam. Eya ta ɖe wòate ŋu adzɔ be Kristotɔ amesiamina ‘nadɔ alɔ̃’ egbea, si fia be nu bubuwo nahe eƒe susu esi wòle Kristo ƒe vava lalama? Ɛ̃. Yesu nyae be ame si le yeƒe vava lalam vevie gɔ̃ hã ate ŋu agbɔdzɔ alo atrɔ susu ɖe nu bubuwo ŋu. Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo nyae be esia nye nuxlɔ̃ame na yewo, eya ta wole ʋiʋlim vevie wu be yewoanɔ ŋudzɔ. Le mɔ ka nu? Le lododoa me la, ɖetugbui ewoawo katã nyɔ esi ɣlia ɖi be: “Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo loo!” Gake ɖetugbui dzeaɖaŋuawo koe nɔ ŋudzɔ. (Mateo 25:5, 6; 26:41) Nenema kee le ŋkeke mamlɛ siawo me la, Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo tso kpla esi ɣlia ɖi be: “Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo loo!” Woka ɖe edzi vevie be Yesu ƒe vava tu aƒe, eye wole dzadzraɖoɖi na esia. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Fifia na míatrɔ susu ɖe Yesu ƒe lododoa ƒe nuwuwu, si ku ɖe ɣeyiɣi aɖe koŋ ŋu la ŋuti.

WOÐO ETEƑE NA AÐAŊUDZELAWO EYE WOHE TO NA BOMETSILAWO

10. Nya kae míate ŋu abia ku ɖe dzeɖoɖo si yi edzi le ɖetugbui aɖaŋudzelawo kple bometsilaawo dome ŋu?

10 Le lododoa ƒe nuwuwu lɔƒo la, ɖetugbui tsibomeawo bia ɖetugbui dzeaɖaŋuawo be woana woƒe amia ƒe ɖe yewo. Gake ɖetugbui dzeaɖaŋuawo mena ɖeke wo o. (Xlẽ Mateo 25:8, 9.) Ke ɣekaɣie Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo gbe kpekpeɖeŋunana ame aɖe si ɖo hiã me kpɔ? Ðo ŋku ɣeyiɣi si ŋuti lododo sia ku ɖo dzi. Xaxa gã la ƒe nuwuwu lɔƒo ye Yesu si nye Ŋugbetɔsrɔ̃ la ava drɔ̃ ʋɔnu amewo. Eya ta anɔ eme be dzeɖoɖo si yi edzi la ku ɖe nu si adzɔ do ŋgɔ teti na xaxa gã la ƒe nuwuwu ŋu. Nu ka tae míegblɔe alea? Elabena kaka ɣemaɣi naɖo la, wotre amesiaminawo nu zi mamlɛtɔ xoxo.

11. (a) Nu kae adzɔ do ŋgɔ teti na xaxa gã la ƒe gɔmedzedze? (b) Esi ɖetugbui aɖaŋudzelawo gblɔ na bometsilawo be woayi aɖadze amia na wo ɖokui la, nu kae wòfia?

11 Eya ta, woatre amesiamina wɔnuteƒe siwo katã le anyigba dzi la nu zi mamlɛtɔ hafi xaxa gã la nadze egɔme. (Nyaɖeɖefia 7:1-4) Tso ɣemaɣi la, kakaɖedzi anɔ eŋu be woayi dziƒo. Gake bu nu siwo adzɔ le ƒe siwo do ŋgɔ na xaxa gã la me ŋu kpɔ. Nu kae adzɔ ɖe amesiamina siwo meyi edzi nɔ ŋudzɔ o eye womewɔ nuteƒe o la dzi? Womanɔ ame siwo nu woatre zi mamlɛtɔ la dome o. Ɣemaɣi la, woasi ami na Kristotɔ wɔnuteƒe bubuwo ɖe wo teƒe. Ne xaxa gã la dze egɔme la, amesiamina tsibomeawo ƒe nu aku ne wotsrɔ̃ Babilon Gã la. Ɣemaɣi hafi woanyɔ le wo ɖokui me ahakpɔe be yewomele dzadzraɖoɖi na Yesu ƒe vava o. Ke nu kae adzɔ ne wobia ɣemaɣi be woakpe ɖe yewo ŋu? Ŋuɖoɖoa dze le lododoa me. Ðetugbui aɖaŋudzelaawo gbe be yewomana yewoƒe amia ƒe ɖe bometsilaawo o, ke boŋ wogblɔ na wo be woayi aɖadze amia na wo ɖokui. Esi wònye “zã titina” ye ta la, womakpɔ ami adze le afi aɖeke o. Etsi megbe akpa!

12. (a) Le xaxa gã la me la, ɖe amesiamina wɔnuteƒewo ate ŋu akpe ɖe wo dometɔ siwo meyi edzi wɔ nuteƒe va se ɖe amewo nu tetre mamlɛtɔ dzi o la ŋua? Nu ka tae? (b) Nu kae adzɔ ɖe ame siwo le abe ɖetugbui tsibomeawo ene dzi?

12 Le xaxa gã la me la, amesiamina wɔnuteƒewo mate ŋu akpe ɖe ame siwo mewɔ nuteƒe o la ŋu o. Ɣemaɣi la, atsi megbe akpa. Eya ta nu kae adzɔ ɖe nuteƒemawɔlaawo dzi? Ðo ŋku nu si dzɔ ɖe ɖetugbui tsibomeawo dzi esi wodo go yi amia dzeƒe la dzi: “Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo, eye ɖetugbui siwo nɔ dzadzraɖoɖi la yi srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea kplii; eye wotu ʋɔtru la.” Ne Yesu va le eƒe ŋutikɔkɔe me le xaxa gã la ƒe nuwuwu lɔƒo la, aƒo amesiamina wɔnuteƒeawo nu ƒu ɖe dziƒo. (Mateo 24:31; 25:10; Yohanes 14:1-3; 1 Tesalonikatɔwo 4:17) Gake Yesu agbe ame mawɔnuteƒeawo. Woawo hã agblɔ abe ɖetugbui tsibomeawo ene be: “Aƒetɔ, aƒetɔ, ʋui na mí!” Gake aleke Yesu aɖo eŋu na woe? Nublanuitɔe la, aɖo eŋu na wo abe ale si ko wòaɖo nya ŋu na ame siwo le abe gbɔ̃wo ene be, “Nyateƒe tom mele na mi: Nyemenya mi o.”—Mateo 7:21-23; 25:11, 12.

Ele be Kristotɔ amesiamina ɖe sia ɖe natiae be yeanɔ dzadzraɖoɖi ahanɔ ŋudzɔ

13. (a) Nu ka tae mele be míaƒo nya ta be Kristo yomedzela amesiamina geɖe mawɔ nuteƒe o? (b) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yesu ƒe lododoa ɖee fia be eka ɖe Kristotɔ amesiaminawo dzi? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

13 Ðe Yesu le gbɔgblɔm be amesiamina geɖewo mawɔ nuteƒe o eye wòahiã be woatia ame bubuwo aɖo wo teƒea? Ao. Le Mateo ta 24 me la, Yesu xlɔ̃ nu kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la be megatrɔ zu kluvi vɔ̃ɖi o. Ema mefia be ele mɔ kpɔm be esia nadzɔ o. Nenema kee ɖetugbui ewoawo ŋuti lododoa hã nye nuxlɔ̃ame. Ale si ko ɖetugbui atɔ̃ tsi bome eye atɔ̃ dze aɖaŋu la, ele be Kristotɔ amesiamina ɖe sia ɖe natiae be yeanɔ dzadzraɖoɖi ahanɔ ŋudzɔ. Ne menye nenema o la, ava zu bometsila kple nuteƒemawɔla. Paulo hã xlɔ̃ nu nɔvia amesiaminawo nenema ke. (Xlẽ Hebritɔwo 6:4-9; tsɔe sɔ kple 5 Mose 30:19.) Eƒe nuxlɔ̃amea le tẽe, gake eka ɖe edzi hã be ye nɔviwo axɔ woƒe teƒeɖoɖo la. Nuxlɔ̃ame si le ɖetugbui ewoawo ŋuti lododoa me ɖee fia be Yesu hã ka ɖe amesiaminawo dzi nenema ke. Enyae be ye subɔla amesiaminawo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ nuteƒe be teƒeɖoɖo nyui wɔnuku ma nasu esi!

ALEKE YESU ƑE LODODOA ATE ŊU AÐE VI NA ‘ALẼ BUBUAWO’?

14. Nu ka tae ɖetugbui ewoawo ŋuti lododoa ate ŋu aɖe vi na ‘alẽ bubuawo’ hã?

14 Kristotɔ amesiaminawo koŋue Yesu ƒe lododo sia yi na. Ke ɖe Yesu ƒe lododoa ate ŋu aɖe vi na ‘alẽ bubuawo’ hã? (Yohanes 10:16) Ɛ̃! Nufiame vevi si le lododoa me la le kpokploe: “Minɔ ŋudzɔ.” Eye Yesu gblɔ gbe ɖeka be: “Nu si gblɔm mele na mi la, amewo katãe mele egblɔm na be: Minɔ ŋudzɔ.” (Marko 13:37) Yesu di be yeƒe nusrɔ̃lawo katã nanɔ dzadzraɖoɖi ahanɔ ŋudzɔ. Eye Kristotɔ ɖe sia ɖe ate ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu nyui si amesiamina siwo tsɔ subɔsubɔdɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me ɖo ɖi la. Ðo ŋku edzi be ɖetugbui tsibomeawo bia ɖetugbui dzeaɖaŋuawo be woana woƒe amia ƒe ɖe yewo, gake womena wo o. Esia ɖoa ŋku edzi na mí be mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe agbanɔamedzie wònye be wòawɔ nuteƒe na Mawu, wòanɔ dzadzraɖoɖi ahanɔ ŋudzɔ. Ame aɖeke mate ŋu awɔ esia ɖe mía nu o. Mía dometɔ ɖe sia ɖe abu akɔnta na Yesu Kristo, Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe, si gbɔna kpuie la. Eya ta ele be míanɔ dzadzraɖoɖi!

Ame aɖeke mate ŋu awɔ nuteƒe alo anɔ ŋudzɔ ɖe mía nu o

15. Nu ka tae Kristotɔ vavãwo katã le mɔ kpɔm na Kristo kple eƒe ŋugbetɔ la ƒe srɔ̃ɖeɖea kple dzidzɔ?

15 Kristotɔwo katã le mɔ kpɔm na srɔ̃ɖeɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Yesu ƒe lododoa me la kple dzidzɔ. Le Harmagedon-ʋa megbe la, Kristotɔ amesiaminawo azu Kristo srɔ̃ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. (Nyaɖeɖefia 19:7-9) Ɣemaɣi la, srɔ̃ɖeɖe ma si woawɔ le dziƒo aɖe vi na anyigbadzinɔlawo katã. Elabena esia ana be amegbetɔwo katã nanɔ dziɖuɖu deblibo te. Míeɖale mɔ kpɔm be míanɔ agbe tegbee le dziƒo alo anyigba dzi o, mina mí katã míaɖoe kplikpaa be míanɔ dzadzraɖoɖi ahayi edzi anɔ ŋudzɔ. Esia ana nu nyui siwo Yehowa dzra ɖo ɖi na mí le etsɔme la nasu mía si!

^ mm. 9 Le lododoa me la, ɣeyiɣi aɖe tsò ɣli si ɖi be, “Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo loo!” (kpukpui 6) kple ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe vava dome (kpukpui 10). Le ŋkeke mamlɛawo katã me la, amesiaminawo le ŋudzɔ. Wokpɔ Yesu ƒe anyinɔɣia ƒe dzesiwo, eya ta wonyae be ezu Fia hele dzi ɖum le Mawu Fiaɖuƒea me. Ke hã ele be woayi edzi anɔ ŋudzɔ va se ɖe esime wòva.