Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ɣeawokatãɣi!

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ɣeawokatãɣi!

“Oo mi dukɔwo, miɖo dzi ɖe eŋu ɣeawokatãɣi.”—PSALMO 62:8.

1-3. Nu ka tae Paulo ka ɖe edzi be yeate ŋu aɖo dzi ɖe Yehowa ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

NE ÐE nènɔ Kristotɔ siwo nɔ Roma le ƒe alafa gbãtɔ me dome la, ɣeyiɣi dziŋɔ aɖe ŋutɔ mee nànɔ. Romatɔwo nɔ Kristotɔwo yome tim kutɔkutɔe. Romatɔwo bu fɔ Kristotɔawo be woawoe tɔ dzo Roma dugã la, eye wotso wo nu be wolé fu amewo. Wonɔ Kristotɔ geɖewo lém. Wona lã wɔadãwo vuvu wo dometɔ aɖewo. Woklã ame aɖewo ɖe ati ŋu hetɔ dzo wo agbagbee be woanye akaɖiwo anɔ bibim le zã me. Wò hã ènyae be nu siawo ate ŋu adzɔ ɖe ye dzi ɣesiaɣi.

2 Ɣeyiɣi sesẽ sia tututu mee wolé apostolo Paulo de mɔ́. Anya nɔ eŋu bum nenye be ye nɔvi Kristotɔwo akpe ɖe ye ŋu, elabena eɖo ŋku edzi be esi wolé ye va yi eye yeɖo xaxa me la, womeva kpe ɖe ye ŋu o. Gake Yehowa to Aƒetɔ Yesu dzi kpe ɖe Paulo ŋu. Egblɔ be: “Ke Aƒetɔ la tsi tsitre ɖe gbɔnye, eye wòdo ŋusẽm.” Yesu do ŋusẽ si hiã la Paulo. Paulo gblɔ gɔ̃ hã be ‘eɖe ye tso dzata ƒe nu me.’—2 Timoteo 4:16, 17. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

3 Paulo ɖo ŋku ale si Yehowa kpe ɖe eŋu va yi la dzi. Eya ta eka ɖe edzi be Yehowa ado ŋusẽ ye yeado dzi le nɔnɔme si me yele fifia kple dodokpɔ siwo me yeava to le etsɔme la siaa me. Eka ɖe esia dzi ale gbegbe be wògblɔ bena: “Aƒetɔ la aɖem tso vɔ̃wo katã me.” (2 Timoteo 4:18) Paulo srɔ̃e be le nɔnɔme siwo me ye nɔviwo mete ŋu kpe ɖe ye ŋu o gɔ̃ hã me la, yeate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa kple Yesu ado alɔ ye. Eka ɖe esia dzi bliboe.

NƆNƆME SIWO ME MÍAÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU LE

4, 5. (a) Ame kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ɣesiaɣi si nèhiãe? (b) Nu kae nàwɔ be ƒomedodo si le wò kple Yehowa dome la me nagasẽ ɖe edzi?

4 Ðe nèto kuxi sesẽ aɖe me kpɔ eye wòwɔ na wò be yetsi akogo eye kpeɖeŋutɔ aɖeke mele ye si oa? Ðewohĩ dɔ ge le asiwò alo amewo le fu ɖem na wò le suku. Ðewohĩ èdze dɔ vevie alo to dodokpɔ sesẽ aɖewo me. Ðewohĩ èbia kpekpeɖeŋu tso amewo gbɔ gake womekpe ɖe ŋuwò ale si dze o. Nyateƒeae nye be kuxi aɖewo gbɔa amegbetɔwo ƒe ŋutetewo ŋu. Ne edzɔ alea la, nu kae nàwɔ? Biblia gblɔ na mí be ‘míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.’ (Lododowo 3:5, 6) Gake ɖe wòakpe ɖe ŋuwò vavã? Ɛ̃! Kpɔɖeŋu geɖewo le Biblia me siwo na míeka ɖe edzi be Yehowa kpena ɖe eƒe amewo ŋu vavã.

Dodokpɔwo nyea mɔnukpɔkpɔ na mí be míaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu bliboe

5 Ne amewo mekpe ɖe ŋuwò le ɣeyiɣi si nèhiãe me o la, mègabi dzi o. Ke boŋ abe Paulo ene la, bu dodokpɔa be enye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu bliboe. Eganye mɔnukpɔkpɔ na wò hã be wò ŋutɔ nàkpɔ ale si wòléa be na wòe. Esia awɔe be wò ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kple ƒomedodo si le wò kplii dome la me nagasẽ ɖe edzi.

EHIÃ BE MÍAÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU

6. Nu ka tae manɔ bɔbɔe ɣesiaɣi be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne míele kuxi sesẽ aɖe me o?

6 Ðewohĩ kuxi sesẽ aɖe zu taɖui na wò. Èwɔ nu sia nu si nàte ŋui tso eŋu, eye nèdo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Ðe nàɖe dzi ɖi ahaka ɖe edzi be akpe ɖe ye ŋua? Ɛ̃! (Xlẽ Psalmo 62:8; 1 Petro 5:7.) Ne èdi be ye kple Yehowa dome nanɔ nyuie la, ele vevie be nàsrɔ̃ ale si nàɖo ŋu ɖe eŋu. Gake esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Nu ka tae? Susu ɖekae nye be ate ŋu adzɔ be Yehowa maɖo wò gbedodoɖa ŋu enumake o.—Psalmo 13:1, 2; 74:10; 89:46; 90:13; Habakuk 1:2.

Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la, lɔ̃ mí eye wònya nu siwo tututu hiã mí

7. Nu ka tae Yehowa meɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu enumake ɣesiaɣi o?

7 Nu ka tae Yehowa meɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu enumake ɣesiaɣi o? Biblia gblɔ be Yehowa nye mía Fofo, eye míenye viawo. (Psalmo 103:13) Vifofo si nye amegbetɔ menaa nu sia nu si via bia lae alo nanɛ enumake o. Vifofo nyae be nane ate ŋu adzro ɖevia fifi laa ko wòagagblɔ be megadzro ye o. Vifofo nya nu si nyo na via, eye wònya ŋusẽ si nu siwo wòawɔ nɛ akpɔ ɖe ame bubuwo dzi. Enya via ƒe nuhiahiãwo kple ɣeyiɣi si wòatsɔ wo anae. Ne vifofoa naa nu sia nu si ɖevia biae enumake la, ke vifofoa ava zu ɖevia ƒe subɔvi. Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la, lɔ̃ mí. Esi wònye mía Wɔla nunyala ta la, enya nu siwo tututu hiã mí, eye wòtiaa ɣeyiɣi nyuitɔ si wòatsɔ nu si míebiae la ana mí. Enyo be míalala akpɔ ale si Yehowa aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋui.—Tsɔe sɔ kple Yesaya 29:16; 45:9.

8. Nu ka ƒe ŋugbee Yehowa do na mí le nu si míate ŋu ado dzi atsɔ ŋu?

8 Nenɔ susu me na wò hã be Yehowa nya nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ado dzi atsɔ kple nu si mate ŋu atsɔ o. (Psalmo 103:14) Eya ta enaa ŋusẽ si míehiã la mí. Ele eme be míesena le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi be nu glo mí ya. Gake Yehowa do ŋugbe na mí be ne dodokpɔa wu tsɔtsɔ na mí la, ‘yeana mɔ si dzi míato ado le eme’ la mí. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 10:13.) Efaa akɔ na mí be míanyae be Yehowa nya afi si tututu míate ŋu ado dzi ase ɖo.

9. Ne míedo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu gake meɖo eŋu enumake o la, nu kae míawɔ?

9 Ne míedo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu gake meɖo eŋu enumake o la, mina míagbɔ dzi ɖi. Ðo ŋku edzi be Yehowa di vevie be yeakpe ɖe mía ŋu, gake elalana dzigbɔɖitɔe be yeatsɔ nu si míehiã la ana mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Biblia gblɔ na mí be: “Yehowa anɔ lalam dzigbɔɖitɔe be yeave mia nu, eye wòatso be yeakpɔ nublanui na mi. Elabena Yehowa nye Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo katã kpɔa esinu.”—Yesaya 30:18.

WOAÐE WÒ “TSO DZATA ƑE NU ME”

10-12. (a) Nu kae ate ŋu ana be ƒometɔ si dze dɔ la dzi kpɔkpɔ nasesẽ? (b) Ne èɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le ɣeyiɣi sesẽwo me la, ŋusẽ kae esia akpɔ ɖe ƒomedodo si le wò kplii dome dzi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

10 Nɔnɔme si me nèle la ate ŋu asesẽ ale gbegbe be àse le ɖokuiwò me abe Paulo ene be, ehiã be woaɖe ye tso “dzata ƒe nu me.” (2 Timoteo 4:17) Le ɣeyiɣi siawo tɔgbi me la, ehiã vevie ŋutɔ be nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, anɔ eme be èle wò ƒometɔ si dze dɔ dzi kpɔm. Eye nèdo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖe afɔ nyuitɔ, eye yealé dzi ɖe ƒo. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Ema megbe la, wò susu adze akɔ anyi esi nènyae be Yehowa kpɔ nɔnɔme si me nèle hese egɔme nyuie ta. Akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi eye nàwɔ nuteƒe nɛ.—Psalmo 32:8.

Ka ɖe edzi be Fofowò si le dziƒo la ado ŋusẽ wò nàɖo toe ahawɔ nuteƒe nɛ

11 Ɣeaɖewoɣi ate ŋu awɔ na wò be Yehowa mele kpekpem ɖe ŋuwò o. Ðewohĩ ɖɔktawo ƒe nu mesɔ le ale si woada dɔléleae me o. Alo ɖewohĩ èle mɔ kpɔm be ƒometɔ bubuwo nafa akɔ na wò, gake ɖeko wona nuwo gasesẽ ɖe edzi na wò. Ne edzɔ alea la, bia ŋusẽdodo tso Yehowa gbɔ ɣesiaɣi. Nɔ tetem ɖe eŋu ɖaa. (Xlẽ 1 Samuel 30:3, 6.) Emegbe ne èva kpɔ ale si Yehowa kpe ɖe ŋuwò la, wò kplii dome aganɔ kplikplikpli wu.

12 Aleae wòdzɔ le nɔvinyɔnu Linda gome. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Ekpɔ edzila siwo dze dɔ la dzi ƒe geɖe hafi woku. Egblɔ be: “Esi wòdzɔ la, esesẽna na nye kple srɔ̃nye kpakple nɔvinyeŋutsu be míanya nu si tututu míawɔ. Ɣeaɖewoɣi la, ewɔna na mí be wɔna vɔ le mía ŋu. Gake fifia la, míeva kpɔ ale si Yehowa nɔ kpli mí ɣemaɣi la dze sii. Edo ŋusẽ mí eye wòna nu siwo tututu míehiã la mí togbɔ be ɣeaɖewoɣi edzena abe míeganyaa tiatia si míawɔ o ene hã.”

13. Aleke ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kpe ɖe Rhonda ŋu wòte ŋu do dzi esi nya vɔ̃wo dzɔ ɖe edzi tre ɖe enu?

13 Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe ate ŋu ana míado dzi ne nya vɔ̃wo dzɔ ɖe mía dzi gɔ̃ hã. Esiae dzɔ le nɔvinyɔnu Rhonda gome. Srɔ̃a si menye Yehowa Ðasefo o la nɔ didim be yeagbee. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wokpɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe si woyɔna be lupus le nɔviaŋutsu ŋu. Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, nɔviaŋutsua srɔ̃ ku. Le nudzɔdzɔ siawo megbe esi Rhonda ƒe dzi va dze eme vie la, edze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme. Kasia dadaa hã ku. Aleke Rhonda wɔ te ŋu do dzi le nɔnɔme sesẽ siawo me? Egblɔ be: “Meɖoa dze kple Yehowa gbe sia gbe hafi tsoa nya me le nu suetɔ kekeake gɔ̃ ŋu. Esia wɔwɔ na be Yehowa va nye ame ŋutɔŋutɔ nam. Meva kpɔe be enyo be maɖo ŋu ɖe eŋu tsɔ wu be maɖo ŋu ɖe ɖokuinye alo ame bubuwo ŋu. Eye ekpe ɖe ŋunye hã vavã—ekpɔ nye nuhiahiãwo katã gbɔ nam. Esia na mekpɔe be mele dɔ wɔm kple Yehowa asi-le-asi-me.”

Nu siwo adzɔ le wò ƒomea me ate ŋu ado ƒomedodo si le wò kple Yehowa dome akpɔ (Kpɔ memama 14-16)

14. Aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne woɖe wò ƒometɔ aɖe le ha me?

14 Bu nɔnɔme sesẽ bubu aɖe ŋu kpɔ. Tsɔe be woɖe wò ƒometɔ aɖe le ha me. Ènya nu si Biblia gblɔ tso ale si míawɔ nu ɖe ame siwo woɖe le haa me ŋuti. (1 Korintotɔwo 5:11; 2 Yohanes 10) Gake esi nèlɔ̃ wò ƒometɔa ta la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be Biblia ƒe sededea sesẽ akpa alo be edzi manya wɔ na ye o. Ðe nàka ɖe edzi be Fofowò si le dziƒo la ado ŋusẽ wò nàɖo toe ahawɔ nuteƒe nɛa? Ðe nàbu nɔnɔmea be enye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeate ɖe Yehowa ŋu geɖe wua?

15. Nu ka tae Adam gbe toɖoɖo Yehowa?

15 Aleke esia sɔ kple nɔnɔme si me ame gbãtɔ Adam nɔ lae? Ðe wòxɔe se be yeate ŋu agbe toɖoɖo Yehowa evɔ yeayi edzi anɔ agbea? Ao, elabena Biblia gblɔ be ‘womeble Adam o.’ (1 Timoteo 2:14) Ke nu ka tae meɖo to Yehowa o? Esi Adam lɔ̃ srɔ̃a wu Yehowa tae wòɖu atikutsetse si srɔ̃a tsɔ nɛ ɖo. Eɖo to srɔ̃a ƒe gbe le esi wòaɖo to Yehowa teƒe.—1 Mose 3:6, 17.

16. Ame kae wòle be míalɔ̃ wu, eye nu ka tae?

16 Adam ƒe nyametsotsoa fia mí be ele be míalɔ̃ Yehowa wu ame bubu ɖe sia ɖe. (Xlẽ Mateo 22:37, 38.) Ne míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nu sẽ nenema la, míate ŋu akpe ɖe míaƒe ƒometɔwo ŋu le mɔ nyuitɔ nu, woɖale Yehowa subɔm alo womele esubɔm o. Eya ta yi edzi nàtu lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa kple ale si nèɖoa ŋu ɖe eŋu la ɖo. Ne ètsi dzi ɖe wò ƒometɔ aɖe si woɖe le haa me ŋu la, do gbe ɖa na Yehowa nàgblɔ wò seselelãmewo nɛ. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (Romatɔwo 12:12; Filipitɔwo 4:6, 7) Togbɔ be wò dzi anɔ veve sem vevie hã la, bu nɔnɔmea be enye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeado ŋusẽ ye kple Yehowa dome ƒomedodoa. Esia ana nàɖo ŋu ɖe eŋu esi nènyae be nu nyuiwo ado tso eme ne èɖo to eyama ta.

ESIME MÍELE LALAM

Wɔ gbeƒãɖeɖedɔa moveviɖoɖotɔe nàtsɔ aɖee afia be èɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu (Kpɔ memama 17)

17. Ne míewɔa gbeƒãɖeɖedɔa moveviɖoɖotɔe la, nu kae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa awɔ?

17 Nu ka tae Yehowa ɖe Paulo tso “dzata ƒe nu me?” Paulo gblɔ be: “Ale be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ la ade goe to dzinye.” (2 Timoteo 4:17) Yehowa de dɔ asi na míawo hã be míaɖe gbeƒã “nya nyui la,” eye wòyɔa mí be yeƒe “hadɔwɔlawo.” (1 Tesalonikatɔwo 2:4; 1 Korintotɔwo 3:9) Ne míewɔa dɔ sia moveviɖoɖotɔe la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana nu siwo míehiã la mí. (Mateo 6:33) Esia ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míakpɔ Yehowa sinu be wòaɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu.

18. Nu kae nàwɔ be ale si nèka ɖe Yehowa dzi kple ƒomedodo si le wò kplii dome la me nasẽ ɖe edzi wu?

18 Eya ta gbe sia gbe la, wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nàna ƒomedodo si le wò kple Yehowa dome nanɔ sesẽm ɖe edzi. Ne tetekpɔwo va dziwò eye nètsi dzimaɖi la, bui be enye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu. Xlẽ Mawu ƒe Nya, Biblia la, srɔ̃e eye nànɔ ŋugble dem le eŋu ɣesiaɣi. Nɔ gbe dom ɖa na Yehowa ɖaa eye nàwɔ geɖe le eƒe subɔsubɔdɔa me. Ne èwɔa nu siawo la, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi le nu siwo me tom nèle fifia kple esiwo me nàva to le etsɔme siaa me.

^ mm. 2 Ate ŋu anye be woɖe Paulo tso dzata ŋutɔŋutɔwo si me alo tso nɔnɔme dziŋɔ bubu aɖe me.

^ mm. 10 Míeta nyati vovovo siwo akpe ɖe Kristotɔ siwo le dɔ lém kple wo dzikpɔlawo hã ŋu be woado dzi le dɔléɣiwo. Kpɔ Nyɔ! siawo: April 8, 1994;February 8, 1997;June 8, 2000; kple February 8, 2001.

^ mm. 12 Míetrɔ ŋkɔawo.

^ mm. 16 Wota nyati siwo akpe ɖe mía ŋu ne míaƒe ƒometɔ aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Kpɔ Gbetakpɔxɔ, September 1, 2006, axa 17-21, kple January 15, 2007, axa 17-20.