Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Tututue Wò Kple Yehowa Dome Le?

Aleke Tututue Wò Kple Yehowa Dome Le?

“Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.”—YAKOBO 4:8.

1. Nu ka tae wòle be míadze agbagba be ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la me nasẽ ɖe edzi?

NENYE be Yehowa Ðasefo xɔnyɔnyrɔe nènye la, ke nu xɔasi aɖe su asiwò. Eyae nye be ƒomedodo va le wò kple Yehowa dome. Gake Satana ƒe xexea kple míaƒe blibomademade ate ŋu agblẽ ƒomedodo nyui ma me. Esia tae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nadze agbagba be ƒomedodo si le ye kple Yehowa dome la me nasẽ ɖe edzi.

2. (a) Nu kae nye ƒomedodo? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (b) Nu kae nàwɔ be wò kple Yehowa dome naganyo ɖe edzi wu?

2 Aleke nèbua Yehowae? Ðe nèsena le ɖokuiwò me be enye ye Xɔlɔ̃a? Ðe nàdi be ye kplii dome naganyo ɖe edzi wua? Yakobo 4:8 gblɔ nu si wòle be míawɔ la na mí ale: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” Be ƒomedodo nanɔ wò kple Yehowa dome la, atso wò kple Yehowa siaa gbɔ. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Ne èwɔ nu si hiã be nàte ɖe Yehowa ŋu la, ke eya hã ate ɖe ŋuwò. Zi ale si nèyi edzi le esia wɔm la, zi nenemae nàbu Yehowa ame ŋutɔŋutɔe, eye wò kplii dome anɔ kplikplikpli ale gbegbe be, àse le ɖokuiwò me abe Yesu ene, esi wògblɔ be: “Ame si dɔm ɖa la li ŋutɔŋutɔ” eye “menyae.” (Yohanes 7:28, 29) Gake nu kawoe nàwɔ be nàgate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu?

Aleke wò kple Mawu miaɖo dze? (Kpɔ memama 3)

3. Mɔ ka dzie nàto be wò kple Yehowa miaɖo dze?

3 Ne èdi be yeate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu la, ke ele vevie be wò kple Yehowa mianɔ dze ɖom edziedzi. Aleke esia anya wɔe? Wò ya bu ale si nàwɔ aɖo dze kple xɔ̃wò aɖe si le du bubu aɖe me ŋu kpɔ. Miate ŋu anɔ lɛta ŋlɔm alo anɔ ka ƒom na mia nɔewo. Mɔ si dzi nàto aɖo dze kple Yehowa ye nye be nànɔ gbe dom ɖa nɛ edziedzi. (Xlẽ Psalmo 142:2.) Ke mɔ ka dzie nàto be Yehowa hã naɖo dze kpli wò? Eyae nye be nànɔ eƒe Nya, Biblia, xlẽm edziedzi ahanɔ ŋugble dem le eŋu. (Xlẽ Yesaya 30:20, 21.) Na míakpɔ ale si dzeɖoɖo kple Yehowa ado ŋusẽ ƒomedodo si le wò kplii dome eye wòana wòanye Xɔwò vevi la ɖa.

NA YEHOWA NAÐO DZE KPLI WÒ TO BIBLIA SƆSRƆ̃ DZI

4, 5. Aleke Yehowa ɖoa dze kpli wò ne èle Biblia srɔ̃m? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Míenya nyuie be Biblia nye gbedeasi si tso Mawu gbɔ na ame sia ame. Gake ɖe Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Yehowa ŋu geɖe wua? Ɛ̃! Ɣesiaɣi si nèle Biblia xlẽm hele esrɔ̃m la, kpɔe ɖa be aleke nèle sesem le ɖokuiwò me tso nu si xlẽm nèle ŋu mahã. Eye nàbu ale si nàwɔ ɖe nu si xlẽm nèle dzi la ŋu. Ne èwɔa esia la, ke efia be èna Yehowa le dze ɖom kpli wò. Ava zu Xɔ̃wò vevi si akpe ɖe ŋuwò, eye wò hã àte ɖe eŋu geɖe wu.—Hebritɔwo 4:12; Yakobo 1:23-25.

5 Le kpɔɖeŋu me, aleke nèsena le ɖokuiwò me ne èxlẽ Yesu ƒe nya siwo nye: “Midzudzɔ kesinɔnuwo nu ƒoƒo ƒu na mia ɖokuiwo ɖe anyigba dzi”? Ne èle wò ŋutete katã wɔm be yeatsɔ Yehowa aɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me la, àse le ɖokuiwò me be yeƒe nu dzea eŋu. Gake ɖewohĩ esi nèxlẽ Yesu ƒe nyawo la, ède dzesii be ehiã be yeanɔ agbe tsɛ ale be yeawɔ geɖe le mawusubɔsubɔ me. Ne edzɔ alea la, ke efia be Yehowa le kpekpem ɖe ŋuwò be nànya nu si nàwɔ ate ɖe eŋu geɖe wu.—Mateo 6:19, 20.

6, 7. (a) Ne míesrɔ̃ Biblia la, ŋusẽ kae wòkpɔna ɖe ale si míelɔ̃ Yehowae kple ale si eya hã lɔ̃ míi dzi? (b) Susu vevi ka tae wòle be míasrɔ̃ Biblia ɖo?

6 Enye nyateƒe be ne míesrɔ̃ Biblia la, míeva nyaa tɔtrɔ siwo míawɔ ale be míasubɔ Yehowa nyuie wu. Gake menye esia ɖeɖe koe o, míegasrɔ̃a nu tso lɔlɔ̃ si wòɖena fiana mí kple eƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, si wɔnɛ be míegalɔ̃nɛ ɖe edzi. Eye zi ale si míaƒe lɔlɔ̃ na eyama le to dem ɖe edzi la, zi nenemae eya hã ƒe lɔlɔ̃ na mí nɔa to dem ɖe edzi, eye mía kplii dome va nɔa kplikplikpli wu.—Xlẽ 1 Korintotɔwo 8:3.

7 Ne míedi be míate ɖe Yehowa ŋu la, ele vevie be míatsɔ susu nyui asrɔ̃ Biblia. Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Míate ŋu asrɔ̃ nu yeye dodzidzɔname geɖe le Biblia me, gake susu vevitɔ si tae míasrɔ̃ Biblia ɖoe nye be míanya Ame si tututu Yehowa nye.—Xlẽ 2 Mose 33:13; Psalmo 25:4.

8. (a) Aleke ame aɖewo asusu tso ale si Yehowa wɔ nu ɖe Fia Azariya ŋu la ŋu? (b) Ne èdze si Yehowa nyuie la, aleke nàse le ɖokuiwò me ɖe eƒe nuwɔnawo ŋu?

8 Ne míeva nya Yehowa abe Xɔlɔ̃ vevi ene la, mate ɖe mía dzi ne ɣeaɖewoɣi Biblia megblɔ nu si tae wòwɔ nanewo ɖo la na mí o. Le kpɔɖeŋu me, esi Azariya nɔ fia ɖum le Yuda la, dukɔa nɔ trɔ̃wo subɔm. Azariya mewɔ ɖeka kpli wo o. “Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume.” (2 Fiawo 15:1-5) Gake Yehowa na fia la dze anyidɔ. Nu ka tae? Womegblɔe le nuŋlɔɖi sia me o. Eya ta aleke nèse le ɖokuiwò me le nu si Yehowa wɔ ŋu? Ðe wòte ɖe dziwò hena nèse le ɖokuiwò me be Yehowa mewɔ nu ɖe Azariya ŋu nyuie o, eye be ehe to nɛ madzemadzea? Kura o. Ne èdze si Yehowa nyuie la, ànyae be eƒe tohehe sɔna ɣeawokatãɣi. ‘Ehea to na ame ale si dze’ ɣesiaɣi. (Yeremiya 30:11) Eya ta togbɔ be ɖewohĩ mènya nu si tae Yehowa he to Azariya o hã la, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa wɔ nu si le eteƒe.

9. Numeɖeɖe kawoe kpe ɖe mía ŋu míese nu si tae Yehowa na Azariya dze anyidɔ la gɔme?

9 Biblia na numeɖeɖe geɖe mí ku ɖe Fia Azariya, si wogayɔna be Fia Uziya ŋu. (2 Fiawo 15:7, 32) Eƒe ŋutinyaa ƒe akpa si le 2 Kronika 26:3-5, 16-21 gblɔ be “ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume.” Gake egblɔ hã be emegbe la, “eƒe dzi de asi dada me eye wòhe vɔ̃ va eɖokui dzi.” Fia la di be yeawɔ nane si nye nunɔlawo ƒe dɔ. Nunɔla kalẽtɔ 81 gbe nya nɛ. Aleke wòwɔ nui? Eƒe dada wɔe be wòkpɔ dziku ɖe nunɔlawo ŋu vevie! Numeɖeɖe siawo kpe ɖe mía ŋu míese nu si tae Yehowa na fia la dze anyidɔ la gɔme.

Zi ale si nèva le Yehowa nyam la, zi nenemae nàka ɖe edzi be ewɔa nu dzɔdzɔe ɣesiaɣi

10. Nu ka tae mahiã kokoko be míanya susu ɖe sia ɖe si tae Yehowa wɔ nane ɖo o? Aleke míawɔ aka ɖe edzi be Yehowa wɔa nu dzɔdzɔe ɣesiaɣi?

10 Nu vevi kae míesrɔ̃ tso esia me? Le Fia Azariya ƒe ŋutinyaa me la, numeɖeɖe geɖe li si kpe ɖe mía ŋu míese nu si tae Yehowa he to nɛ la gɔme. Gake ne Biblia meɖe nudzɔdzɔ aɖewo me tsitotsito o la, nu kae nàwɔ? Ðe wòanɔ wɔwɔm na wò be Yehowa mewɔ nu si sɔ oa? Alo àse le ɖokuiwò me be Biblia me nuŋlɔɖi siwo li la sɔ gbɔ be wòana yeaka ɖe edzi be Mawu wɔa nu dzɔdzɔe ɣesiaɣia? (5 Mose 32:4) Zi ale si nèva nya Ame si tututu Yehowa nye la, zi nenemae nàlɔ̃e ahaka ɖe edzi. Ekema magahiã kokoko be nànya susu ɖe sia ɖe si tae wòwɔ nane ɖo o. Esi nèyi edzi le Biblia srɔ̃m la, Yehowa ava nye ame ŋutɔŋutɔ na wò eye nàte ɖe eŋu geɖe wu.—Psalmo 77:12, 13.

ÐO DZE KPLE YEHOWA TO GBEDODOÐA DZI

11-13. Nu kae na nèka ɖe edzi be Yehowa ɖoa to gbedodoɖawo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

11 Ne míedoa gbe ɖa na Yehowa la, míetena ɖe eŋu. Míekafunɛ, daa akpe nɛ hebiaa eƒe kpekpeɖeŋu. (Psalmo 32:8) Gake ne èdi be Yehowa nanye ye Xɔlɔ̃ vevi la, ele be nàka ɖe edzi be esea gbedodoɖawo.

12 Ame aɖewo gblɔna be Mawu meɖoa to gbedodoɖawo o, eye be ɖeko gbedodoɖa nana míaƒe susu dzea akɔ anyi. Woxɔe se be ɖeko gbedodoɖa kpena ɖe ame ŋu wòdea ŋugble le eƒe kuxiwo ŋu nyuie eye wòdia wo gbɔkpɔnu. Enye nyateƒe be gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le mɔ siawo nu ya. Gake ne èɖo dze kple Yehowa le gbedodoɖa me la, eɖoa to ŋutɔŋutɔ. Aleke nàwɔ aka ɖe esia dzi?

Àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ɖoa to wò gbedodoɖawo

13 Bu esia ŋu kpɔ: Hafi Yesu nava anyigba dzi la, ekpɔ be Yehowa sea esubɔla siwo nye amegbetɔwo ƒe gbedodoɖawo. Esime Yesu va anyigba dzi la, edoa gbe ɖa na Fofoa gblɔa eƒe susuwo kple seselelãmewo nɛ. Ɣeaɖeɣi la, edo gbe ɖa zã bliboa gɔ̃ hã. (Luka 6:12; 22:40-46) Ðe Yesu awɔ esia ne enyae be Yehowa meɖoa to ŋutɔŋutɔ oa? Yesu fia eyomedzelawo hã ale si woado gbe ɖa na Yehowa. Ne Yesu nyae be Yehowa meɖoa to gbedodoɖa o la, ɖe wòawɔ esia? Eme kɔ ƒãa be Yesu nyae be Yehowa ɖoa to gbedodoɖawo ŋutɔŋutɔ. Egblɔ gɔ̃ hã be: “Fofo, meda akpe na wò be èɖo tom. Nyateƒee, menya be èɖoa tom ɣesiaɣi.” Míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo.—Yohanes 11:41, 42; Psalmo 65:2.

14, 15. (a) Ne míebia nanewo koŋ le míaƒe gbedodoɖa me la, aleke wòɖea vi na mí? (b) Aleke Kathy ƒe gbedodoɖawo kpe ɖe eŋu wòte ɖe Yehowa ŋu geɖe wu?

14 Menye ɣesiaɣie woɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu ale si míele mɔ kpɔm nɛ o. Gake ne èbia nanewo koŋ le wò gbedodoɖa me la, àkpɔ ŋuɖoɖoa tẽe, eye àkpɔe be Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ vavã. Ne èna Yehowa nya nu sia nu si na nètsi dzimaɖi la, ate ɖe ŋuwò geɖe wu.

15 Le kpɔɖeŋu me, Kathy dea gbeadzi edziedzi gake mesea vivi nɛ o. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Egblɔ be: “Gbeadzisubɔsubɔdɔa medzɔa dzi nam o. Le nyateƒe me la, mevivia nunye kura o.” Esi wòxɔ dzudzɔ le dɔme la, hamemetsitsi aɖe de dzi ƒo nɛ be wòawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔ. Egblɔ be: “Etsɔ dɔbiagbalẽvia nam gɔ̃ hã. Metso nya me be mawɔ mɔɖeɖedɔa, gake menɔa gbe dom ɖa na Yehowa gbe sia gbe be wòakpe ɖe ŋunye be gbeadzisubɔsubɔdɔa navivi nunye.” Ðe Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu nɛa? Esi wòwɔ mɔɖeɖedɔa ƒe etɔ̃ megbe la, egblɔ be: “Esi mezãa ɣeyiɣi geɖe le subɔsubɔdɔa me hesrɔ̃a nu tso nɔvinyɔnu bubuwo gbɔ ta la, meva bi ɖe ɖaseɖiɖidɔa me. Egbea menye ɖeko gbeƒãɖeɖedɔa vivia nunye o, ke melɔ̃a gbeƒãɖeɖedɔa. Gakpe ɖe eŋu la, nye kple Yehowa dome va le kplikplikpli wu tsã.” Ɛ̃, Kathy ƒe gbedodoɖawo kpe ɖe eŋu wòte ɖe Yehowa ŋu geɖe wu.

Yi edzi nànɔ tetem ɖe Yehowa ŋu (Kpɔ memama 16, 17)

WƆ WÒ AKPA DZI

16, 17. (a) Nu kae míawɔ be ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la me nanɔ sesẽm ɖe edzi? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

16 Míate ŋu anɔ tetem ɖe Yehowa ŋu yi ɖe mavɔmavɔ me. Eya ta mina míanɔ to ɖomee ɣesiaɣi to Biblia sɔsrɔ̃ me, eye míanɔ dze ɖom kplii to gbedodoɖa dzi. Ne míewɔa esia la, ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la me anɔ sesẽm ɖe edzi, eye akpe ɖe mía ŋu míado dzi le xaxawo me.

Míate ŋu anɔ tetem ɖe Yehowa ŋu yi ɖe mavɔmavɔ me

17 Gake ɣeaɖewoɣi la, míaƒe kuxi aɖewo nu gbea tsotso togbɔ be míedoa gbe ɖa na Yehowa tso wo ŋu ɣesiaɣi hã. Ne edzɔ alea la, ale si míeka ɖe Yehowa dzi me ate ŋu agbɔdzɔ. Ate ŋu awɔ na mí be Yehowa mele to ɖom míaƒe gbedodoɖawo o, eye míagava nɔ kakam ɖe edzi tututu be míenye exɔlɔ̃wo o. Ne èva le sesem le ɖokuiwò me nenema la, nu kae nàte ŋu awɔ? Nyati si kplɔe ɖo akpe ɖe ŋuwò.

^ mm. 2 Ƒomedodo ye nye ale si ame eve sena le wo ɖokui me ɖe wo nɔewo ŋu hewɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu. Ele be ame evea siaa nawɔ nu siwo ana wo dome nakpɔtɔ anɔ kplikplikpli.

^ mm. 15 Míetrɔ ŋkɔa.