Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hamemetsitsiwo, Ðe Miedina Be Miana Hehe Nɔvi Bubuwoa?

Hamemetsitsiwo, Ðe Miedina Be Miana Hehe Nɔvi Bubuwoa?

“Ɣeyiɣi li na nu sia nu.”—NYAGBLƆLA 3:1.

1, 2. Nu kae nutome sue dzikpɔlawo de dzesii le hame geɖe me?

NUTOME sue dzikpɔla le kpekpe si wɔm wòle kple hamemetsitsiwo ta ƒom. Esi wòfɔ ta dzi kpɔ nɔviŋutsu dovevienu siawo, siwo dometɔ aɖewo tsi ate ŋu anye fofoa gɔ̃ hã, ƒe mo la, edze ƒãa be elɔ̃ wo katã vevie. Ke hã nya vevi aɖe le fu ɖem na dzikpɔlaa. Ebia hamemetsitsiawo be, “Nɔviwo, nu kawo wɔm miele be miatsɔ ana hehe nɔviŋutsu bubuwo be woadze axɔ agbanɔamedzi geɖe?” Hamemetsitsiawo nya be esi nutome sue dzikpɔlaa va yewo gbɔ va yi la, ede dzi ƒo na yewo be yewoadi ɣeyiɣi ana hehe nɔviwo. Hamemetsitsiawo zi ɖoɖoe sẽe; mlɔeba wo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Míewɔ nu boo aɖeke o.” Hamemetsitsi mamlɛawo katã lɔ̃ ɖe edzi nenema.

2 Ne hamemetsitsie nènye la, ɖewohĩ wò hã àɖo eŋu nenema. Nutome sue dzikpɔlawo de dzesii be, ehiã be hamemetsitsi geɖe nadi ɣeyiɣi ana hehe ɖekakpuiwo kple nɔviŋutsu tsitsi bubuwo be woakpe asi ɖe hamea me gbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu. Gake esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ. Nu ka tae?

3. (a) Aleke Biblia ɖee fia be ele vevie be míana hehe nɔviwo, eye nu ka tae wòle be mí katã míatsɔ ɖe le esia me? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (b) Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na hamemetsitsi aɖewo be woana hehe nɔviwo?

3 Abe hamemetsitsi ene la, ènyae be ele vevie be yeadi ɣeyiɣi ana hehe nɔviŋutsuwo. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Ènyae hã be míehiã nɔviŋutsu geɖewo be woado ŋusẽ hameawo fifia ahaxɔ ŋgɔ le hame yeyewo me le etsɔme. (Xlẽ Yesaya 60:22.) Biblia gblɔ be ‘nàfia nu ame bubuwo.’ (Xlẽ 2 Timoteo 2:2.) Gake ɣeyiɣikpɔkpɔ na esia ate ŋu asesẽ. Ele be nàwɔ dɔ akpɔ wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Ele be nàkpɔ hamea me gbanɔamedziwo kple nu vevi bubuwo hã gbɔ. Esi dɔwo sɔ gbɔ ɖe mia dzi ta la, mina míadzro nu si ta wòhiã vevie be miadi ɣeyiɣi atsɔ ana hehe nɔvi bubuwo me.

HEHENANA HIÃ VEVIE

4. Nu ka tae hamemetsitsiwo hena ɖe megbe le hehenana nɔviwo ŋu ɣeaɖewoɣi?

4 Nu ka tae wòate ŋu asesẽ be woakpɔ ɣeyiɣi atsɔ ana hehe nɔviwo le hamea me? Ame aɖewo ate ŋu agblɔ le susu me be: ‘Nu bubu aɖewo le vevie wu le hamea me siwo gbɔ wòle be woakpɔ enumake. Ne nyemena hehe nɔvi bubuwo fifia o hã la, magblẽ naneke le hamea ŋu o.’ Ðe esia nye nyateƒea? Ate ŋu ahiã be nàkpɔ nya aɖewo gbɔ enumake ya. Ke hã ne mèna hehe nɔviawo kaba o la, àgblẽ nu le hamea ŋu vevie.

5, 6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ʋukula kple ale si wòle be wòalé be na eƒe ʋui la me? Aleke míate ŋu atsɔ esia asɔ kple hehenana nɔviwo le hamea me?

5 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Ʋukula ɖe sia ɖe nyae be hafi yeƒe ʋua nanɔ nɔnɔme nyui me la, ele be yeanɔ ami si wokɔna ɖe engine (alo moteur) la me, si va ƒoa ɖi emegbe, la ɖɔlim edziedzi. Gake ʋukulaa ate ŋu abui be ehiã vevie wu be yeadze mɔ̃memi ade ʋua me, ne menye nenema o la, ʋua mate ŋu azɔ o. Awɔ nɛ hã be ne yexaxa la, ke yeate ŋu aɖɔli ami ƒoɖia ya emegbe, elabena ne yemeɖɔlii enumake o gɔ̃ hã la, ʋua ate ŋu anɔ dɔ wɔm gbɔ. Gake afɔku le esia me. Ne ʋukulaa meɖɔlia amia ɖe ɣeyiɣi dzi o la, eteƒe madidi hafi ʋua nagblẽ o. Mlɔeba ava hiã be wòazã ɣeyiɣi geɖe kple ga gbogbo hafi ate ŋu adzra ʋua ɖo. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?

6 Ele be hamemetsitsiwo natso kpla ɖe nya veviwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Ne menye nenema o la, hamea akpe fu. Ale si ko ʋukula dzea mɔ̃memi dea eƒe ʋu me edziedzi la, nenema kee wòle be hamemetsitsiwo nakpɔ “nu siwo le vevie wu la adze sii.” (Filipitɔwo 1:10) Gake hamemetsitsi aɖewo tsia dzi ɖe nya veviwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu ale gbegbe be womevona ɖe hehenana nɔvi bubuwo ŋu kura o. Ðeko esia le abe ale si ʋukula manɔ ami kɔm ɖe engine la me ɖe ɣeyiɣi dzi o ene. Ne wohe ɖe megbe le hehenana nɔviwo ŋu la, eteƒe madidi hafi woadi nɔviŋutsu siwo dze akpɔ hiahiãwo gbɔ le hamea me ado kpoe o.

7. Aleke wòle be míabu hamemetsitsi siwo kpɔa ɣeyiɣi ɖe hehenana ŋu?

7 Eya ta mègasusui gbeɖe be hehenana mehiã kpata o. Hamemetsitsi siwo bua hamea ƒe etsɔme ŋu eye wodia ɣeyiɣi tsɔ naa hehe nɔvi bubuwo la nye aɖaŋudzelawo kple ame veviwo na wo nɔviwo. (Xlẽ 1 Petro 4:10.) Aleke esia ɖea vi na hameae?

WƆ ƔEYIƔIA ŊU DƆ NYUIE

8. (a) Susu kawo tae wòle be hamemetsitsiwo nana hehe nɔvi bubuwo? (b) Agba kae le hamemetsitsi siwo le subɔsubɔm le afi si hiahiã lolo le wu dzi si gbɔ wòle be woakpɔ kpata? (Kpɔ aɖaka si nye “ Dɔ Aɖe Si Hiã Kpata.”)

8 Ele be hamemetsitsi bibiwo gɔ̃ hã nabɔbɔ wo ɖokui ahanyae be esi yewole tsitsim la, yewomagate ŋu awɔ geɖe abe ale si yewole ewɔm fifia ene o. (Mika 6:8) Ele be woanyae hã be, “azãgbe kple nuɖiɖeame” ate ŋu ana wòasesẽ na wo be woatsɔ woƒe agbanɔamedziwo. (Nyagblɔla 9:11, 12; Yakobo 4:13, 14) Esi hamemetsitsiwo lɔ̃a Yehowa ƒe amewo eye woléa be na wo nyuie ta la, wodzea agbagba ɖe sia ɖe be yewoafia nu siwo yewosrɔ̃ le ƒe geɖe siwo va yi me la nɔvi ɖekakpuiwo.—Xlẽ Psalmo 71:17, 18.

9. Nu kae le ŋgɔ gbɔna si tae hehenana hiã vevie fifia?

9 Míedea asixɔxɔ hamemetsitsi siwo naa hehe nɔvi bubuwo ŋu vevie elabena esia wɔwɔ nana ŋusẽ ɖoa hamea ŋu. Hehe ma wɔnɛ be nɔviŋutsu geɖewo sua te be woakpe ɖe hamea ŋu woawɔ ɖeka ahayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu. Esia hiã vevie le ŋkeke mamlɛ siawo me, eye agahiã vevie wu le xaxa gã si gbɔna me. (Ezekiel 38:10-12; Mika 5:5, 6) Eya ta hamemetsitsi lɔlɔ̃awo, midi ɣeyiɣi mianɔ hehe nam nɔviawo edziedzi, eye midze egɔme egbea!

10. Nu kae wòhiã be hamemetsitsiwo nawɔ be woakpɔ asinu ahe nɔvi bubuwo?

10 Míenya nyuie be mievona kura o le esi hamea me dɔ vevi geɖewo le mia dzi ta. Eya ta ehiã be miazã ɣeyiɣi si mietsɔ kpɔa agbanɔamedzi mawo gbɔe la ƒe ɖe atsɔ ahe nɔvi bubuwo. (Nyagblɔla 3:1) Ewɔwɔ alea afia be miele miaƒe ɣeyiɣiwo ŋu dɔ wɔm nyuie, eye esia aɖe vi geɖe na hamea le etsɔme.

NA NƆNƆMEAWO NASƆ NYUIE

11. (a) Nu kae ɖe dzesi le aɖaŋu siwo hamemetsitsi siwo tso dukɔ vovovowo me ɖo ku ɖe hehe ŋu la ŋu? (b) Le Lododowo 15:22 ƒe nya nu la, nu ka tae wòle vevie be míadzro aɖaŋu siwo hamemetsitsi aɖewo ɖo la me?

11 Nyitsɔ laa la, wobia gbe hamemetsitsi siwo kpɔ dzidzedze le hehenana nɔviŋutsu bubuwo be woawɔ geɖe le hamea me la be woagblɔ ale si wowɔnɛ. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Togbɔ be hamemetsitsi mawo tso dukɔ vovovowo me hã la, wo katã woɖo aɖaŋu ɖeka tɔgbi. Nu kae esia fia? Efia be hehenana si wotu ɖe Biblia dzi la ɖea vi “le hame “ɖe sia ɖe me le afi sia afi.” (1 Korintotɔwo 4:17) Eya ta le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me la, míadzro aɖaŋu siwo hamemetsitsi siawo ɖo la dometɔ aɖewo me. (Lododowo 15:22) Míayɔ hamemetsitsi siwo le hehe nam la be hehenalawo, eye míayɔ nɔvi siwo le hehe xɔm la be hehexɔlawo.

12. Nu kae wòle be hehenala nawɔ gbã, eye nu ka tae?

12 Ele be hehenalaa nana nɔnɔmeawo nasɔ nyuie gbã. Nu ka tae esia le vevie? Abe ale si ko wòhiã be agbledela naŋlɔ agble ahadzobo anyigbaa hafi aƒã nu ene la, nenema kee wòle be hehenalaa nadzra hehexɔlaa ƒe dzi ɖo hafi afia aɖaŋu yeyewoe. Ke aleke hehenalaa ana nɔnɔmeawo nasɔ nyuie be wòate ŋu afia nu? Ate ŋu asrɔ̃ nufiala bibi aɖe si nɔ anyi le blema, si nye nyagblɔɖila Samuel.

13-15. (a) Nu kae Yehowa gblɔ na Samuel be wòawɔ? (b) Aleke Samuel dzra Saul ɖo na eƒe dɔdeasi yeyea? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (d) Nu ka tae Biblia me nuŋlɔɖi sia si ku ɖe Samuel ŋu aɖe vi na hamemetsitsiwo egbea?

13 Anɔ abe ƒe 3,000 enee nye esi va yi la, Yehowa gblɔ na nyagblɔɖila tsitsi Samuel gbe ɖeka be: “Etsɔ ɣealewoɣi la, madɔ ŋutsu aɖe ɖe wò tso Benyamin-nyigba dzi. Si ami nɛ wòazu kplɔla ɖe nye dukɔ Israel nu.” (1 Samuel 9:15, 16) Samuel va nyae be yemagakplɔ Israel-dukɔa azɔ o, ke boŋ Yehowa di tso ye si be yeasi ami na ame si anye kplɔla yeye. Eya ta be Samuel nadzra kplɔla yeyea ƒe dzi ɖo na dɔdeasia la, eɖe susu aɖe.

14 Le ŋufɔke la, Samuel do go Saul eye Yehowa gblɔ na nyagblɔɖilaa be: “Ŋutsu sia ŋu nyae megblɔ na wò.” Enumake Samuel wɔ nu si wòɖo ɖe tame. Eɖe afɔ siwo ana nɔnɔmeawo nasɔ nyuie be wòaɖo dze kple Saul. Samuel kpe Saul kple eƒe subɔvi be woava ɖu nu kpli ye, ena nɔƒe wo ɖe teƒe nyuitɔ, eye wòtsɔ lã ƒe akpa nyuitɔ ɖo wo kɔme. Samuel gblɔ na Saul be: “Ðui, elabena wòe wodzrae ɖo ɖi na.” Esi woɖu nua vɔ la, Samuel kpe Saul be wòava yeƒe aƒe me. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, wonɔ dze viviwo ɖom. Eye esi wova ɖo Samuel ƒe me la, woyi ɖe xɔta, eye “Samuel kple Saul ɖo dze” geɖe le afi ma va se ɖe esime woyi ɖamlɔ anyi. Le ŋufɔke la, Samuel si ami na Saul, egbugbɔ nu nɛ, eye wòɖo aɖaŋu bubu geɖe nɛ. Ema megbe la, Saul trɔ dzo eye wònɔ dzadzraɖoɖi na nu siwo le ŋgɔ nɛ.—1 Samuel 9:17-27; 10:1.

15 Samuel si ami na Saul be wòanye dukɔ blibo ƒe kplɔla. Enye nyateƒe be esia to vovo na nɔviŋutsu aɖe hehe be wòava zu hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla. Ke hã hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ nu vevi geɖewo tso ale si Samuel dzra Saul ƒe dzi ɖo na eƒe dɔdeasia me. Na míadzro wo dometɔ eve me.

LƆ̃ FAA NÀNA HEHE EYE NÀNYE XƆLƆ̃ VAVÃ

16. (a) Aleke Samuel se le eɖokui me esi Israel-viwo bia be wòaɖo fia na yewo? (b) Aleke Samuel wɔ nui esi Yehowa gblɔ nɛ be wòasi ami na Saul?

16 Lɔ̃ faa, mègahe ɖe megbe o. Esi Samuel see gbã be Israel-viwo di be woaɖo fia na yewo la, medze eŋu o, eye wòwɔ nɛ be dukɔa gbe ye. (1 Samuel 8:4-8) Esi Samuel medi be yeaɖo fia na dukɔa o ta la, ɖe Yehowa gblɔ nɛ zi etɔ̃ sɔŋ be wòaɖo to woƒe gbe hafi wòwɔ ɖe edzi na wo. (1 Samuel 8:7, 9, 22) Togbɔ be Samuel se le eɖokui me alea hã la, meʋã ŋu ame si wotia be wòakplɔ dukɔa alo do dziku ɖe eŋu o. Eye esi Yehowa gblɔ na Samuel be wòasi ami na Saul la, mehe ɖe megbe kura o. Elɔ̃ faa wɔ ɖe edzi, menye esi wobiae tso esi ta ko o, ke boŋ le esi wòlɔ̃ Yehowa ta.

Hehenalawo, mizã miaƒe ɣeyiɣi ƒe akpa aɖe ɖe hehexɔlawo ŋu

17. Egbea aleke hamemetsitsiwo srɔ̃a Samuel ƒe kpɔɖeŋu, eye dzidzɔ kae wònyena na wo?

17 Egbea hamemetsitsi bibi geɖewo li siwo srɔ̃a Samuel ƒe kpɔɖeŋu eye wonaa hehe nɔvi bubuwo lɔlɔ̃tɔe. (1 Petro 5:2) Hamemetsitsi dɔmenyola siawo lɔ̃na faa be yewoahe nɔvi bubuwo eye womevɔ̃na be yewoatsɔ agba siwo le yewo dzi le hamea me ƒe ɖewo ana hehexɔlaawo o. Ke boŋ wosena le wo ɖokui me be nɔviŋutsu mawo nye ‘hadɔwɔla’ vevi siwo akpe ɖe yewo ŋu le hamea me gbanɔamedziwo tsɔtsɔ me. (2 Korintotɔwo 1:24; Hebritɔwo 13:16) Eye edzɔa dzi na hamemetsitsi ɖokuitɔmadila siawo ne wokpɔ be ame siwo yewona hehee la le woƒe ŋutetewo zãm tsɔ le kpekpem ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

18, 19. Aleke hamemetsitsi adzra hehexɔlaa ƒe dzi ɖo hafi afia nui, eye nu ka tae esia wɔwɔ le vevie?

18 Nye xɔlɔ̃, ke menye nufiala ko o. Esi nyagblɔɖila Samuel do go Saul la, ate ŋu akɔ amia ɖe tame nɛ enumake atsɔ aɖoe fiae. Esia afia be wosi ami na fia yeyea pɛpɛpɛ ya, gake masu te na Mawu ƒe amewo kpɔkplɔ o. Nu si Samuel wɔ boŋue nye be, egbɔ dzi ɖi dzra Saul ƒe dzi ɖo na dɔdeasi yeyea. Hafi wòasi ami na Saul la, ena woɖu nu ɖekae, woɖi tsa, woɖo dze ɣeyiɣi didi, eye womlɔ anyi ɖi ɖe eme gɔ̃ hã. Samuel lala be yeasi ami na fia yeyea le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.

Hehenana dzea egɔme kple xɔlɔ̃dzedze (Kpɔ memama 18, 19)

19 Aleae wòle be míawɔ egbea hã. Hafi hamemetsitsi nadze hehenana nɔvi aɖe gɔme la, ele be wòadze agbagba adze xɔlɔ̃e. Nu siwo hamemetsitsia awɔ be hehexɔlaa naɖe dzi ɖi la anɔ te ɖe nɔnɔmeawo kple woƒe dekɔnuwo dzi. Ke hã xexea ƒe afi ka kee mieɖale o, ne èzãa wò ɣeyiɣi ƒe akpa aɖe ɖe hehexɔlaa ŋu la, akpɔe be yele vevie na wò. (Xlẽ Romatɔwo 12:10.) Ðikeke mele eme o be hehexɔlawo ada akpe ɖe ɖetsɔleme kple lɔlɔ̃ si nàɖe afia wo la ta geɖe.

20, 21. (a) Nu kae míate ŋu agblɔ tso nufiala nyui ŋu? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

20 Enye nyateƒe be nufiala nyui lɔ̃a nufiafia ame. Gake ele be nufiala nyui nalɔ̃ ame si wòle hehe namee la hã. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 5:20.) Nu ka tae esia le vevie? Elabena ne hehexɔlaa kpɔe be ètsɔ ɖe le eme na ye vavã la, alɔ̃ faa be yeasrɔ̃ nu tso gbɔwò. Eya ta hamemetsitsiwo, midze agbagba ɖe sia ɖe be miaganye nufialawo ko o, ke mianye xɔlɔ̃ vavãwo hã.—Lododowo 17:17; Yohanes 15:15.

21 Ne hamemetsitsi dzra nɔvia ƒe dzi ɖo vɔ la, ate ŋu adze hehenanae gɔme. Mɔnu kawo ŋu dɔe hamemetsitsi ate ŋu awɔ? Míadzro ema me le nyati si kplɔe ɖo me.

^ mm. 3 Hamemetsitsiwo koŋue woŋlɔ nyati sia kple esi kplɔe ɖo la na. Gake ele be mí katã míatsɔ ɖe le nyati siawo me. Nu ka tae? Elabena woakpe ɖe nɔviŋutsuwo katã ŋu woase egɔme be, ehiã be yewoaxɔ hehe hafi ate ŋu awɔ geɖe le hamea me. Ne nɔvi geɖe xɔ hehe le hamea me la, esia aɖe vi na ame sia ame.

^ mm. 11 Hamemetsitsi siawo le Australia, Bangladesh, Belgium, Brazil, France, French Guiana (Guyane française), Japan, Korea, Mexico, Namibia, Nigeria, Réunion, Russia, South Africa (Afrique du Sud), kple Amerika.