Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Hamemetsitsiwo Naa Hehe Nɔviwo Be Woadze Asubɔ

Ale Si Hamemetsitsiwo Naa Hehe Nɔviwo Be Woadze Asubɔ

“Nu siwo nèse le gbɔnye . . . la, tsɔ nu siawo de asi na nuteƒewɔlawo.”—2 TIMOTEO 2:2.

1. (a) Nu kae Mawu subɔlawo nya tso blema ke ku ɖe hehenana ŋu, eye aleke wòka míawo hã egbeae? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

MAWU ƒe amewo nyae tso blema ke be hehenana wɔnɛ be nuwo dzea edzi. Le kpɔɖeŋu me, Abram ƒo “subɔviŋutsu xɔhehe” siwo le eƒe me la nu ƒu woyi ɖawɔ aʋa hexɔ na Lot esime woɖe aboyoe. (1 Mose 14:14-16) Le Fia David ŋɔli la, hadzilawo nɔ anyi siwo “wona hehee” be woadzi ha akafu Yehowa. (1 Kronika 25:7) Egbea, ele be míawo hã míawɔ aʋa kple Satana kpakple eƒe xexea. (Efesotɔwo 6:11-13) Azɔ hã, míedoa vevie nu ƒoa nu na amewo tso Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu tsɔ kafunɛ. (Hebritɔwo 13:15, 16) Abe Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema ene la, ele be míaxɔ hehe hafi ate ŋu awɔ nu siawo wòadze edzi. Yehowa bia tso hamemetsitsiwo si be woana hehe nɔvi bubuwo le hamea me. (2 Timoteo 2:2) Mɔnu kawo ŋu dɔe hamemetsitsi aɖewo wɔ tsɔ na hehe nɔviŋutsuwo be woadze asubɔ Yehowa ƒe amewo?

KPE ÐE HEHEXƆLAA ŊU WÒALƆ̃ YEHOWA VEVIE

2. Nu kae hamemetsitsi adi be yeawɔ hafi adze hehenana nɔvi aɖe gɔme, eye nu ka tae?

2 Míate ŋu atsɔ hamemetsitsi asɔ kple agbledela. Hafi agbledela naƒã nu la, ɣeaɖewoɣi ehiãna be wòade aɖu alo anyigbanyronu anyigba la be nukuawo nawɔ nyuie. Nenema ke hafi hamemetsitsi nafia nu yeyewo hehexɔlaa la, adi be yeado ŋgɔ adzro Biblia me mɔfiame vevi aɖewo me kplii atsɔ adzrae ɖo.—1 Timoteo 4:6.

3. (a) Aleke míate ŋu azã Yesu ƒe nya siwo le Marko 12:29, 30 atsɔ aɖo dze kple hehexɔla? (b) Ŋusẽ kae hamemetsitsi ƒe gbedodoɖa ate ŋu akpɔ ɖe hehexɔlaa dzi?

3 Ele vevie be nànya ale si nyateƒea le ŋusẽ kpɔm ɖe hehexɔlaa ƒe nuŋububu kple seselelãme dzi. Eya ta àte ŋu abiae wòagblɔ ale si eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa kpɔ ŋusẽ ɖe tiatia siwo wòwɔ le agbe me dzi. Biabia ma ate ŋu aʋu mɔ na dzeɖoɖo nyuiwo tso ale si míate ŋu asubɔ Yehowa kple dzi blibo ŋu. (Xlẽ Marko 12:29, 30.) Àte ŋu ado gbe ɖa kple nɔviŋutsua gɔ̃ hã, abia Yehowa be wòakɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe edzi be hehe si wòaxɔ naɖe vi nɛ. Ne nɔviŋutsua see nèdo gbe ɖa ɖe eta alea la, esia ate ŋu ade dzi ƒo nɛ wòawɔ geɖe!

4. (a) Gblɔ Biblia me nuŋlɔɖi siwo ate ŋu akpe ɖe hehexɔlaa ŋu wòayi ŋgɔ. (b) Taɖodzinu ka gbɔe wòle be hamemetsitsiwo naɖo ne wole hehe nam?

4 Ne èdze hehenana nɔvi aɖe gɔme la, anyo be nàdzro Biblia me nuŋlɔɖi siwo akpe ɖe eŋu wòakpɔ ale si wòle vevie be wòalɔ̃ faa be yeasubɔ ye nɔviwo, anye ame si dzi woate ŋu aka ɖo kple ɖokuibɔbɔla me kplii. (1 Fiawo 19:19-21; Nehemiya 7:2; 13:13; Dɔwɔwɔwo 18:24-26) Ele vevie be hehexɔlaa natu nɔnɔme siawo ɖo abe ale si wodea aɖu agbledenyigba me ene. Esiae akpe ɖe hehexɔlaa ŋu wòawɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Jean-Claude, si nye hamemetsitsi tso France gblɔ be, ne yele hehe nam nɔvi aɖe la, yeƒe taɖodzinue nye be yeakpe ɖe eŋu wòazã Biblia me gɔmeɖosewo atsɔ awɔ nyametsotso nyuiwo. Egblɔ be: “Media mɔnukpɔkpɔwo be nye kple hehexɔlaa míaxlẽ mawunyakpukpui siwo ‘aʋu eƒe ŋkuwo’ be ‘wòakpɔ nu wɔnuku’ siwo le Mawu ƒe Nya la me nyuie.” (Psalmo 119:18) Mɔ bubu kawo nue míate ŋu agado ŋusẽ hehexɔlaa le?

KPE ÐE WO ŊU WOAÐO TAÐODZINU NYUIWO

5. (a) Nu ka tae wòhiã be woaɖo dze kple hehexɔlaa tso taɖodzinu siwo le esi le Yehowa subɔsubɔ me ŋu? (b) Nu ka tae wòle be hamemetsitsiwo nadze hehenana nɔviŋutsuwo gɔme tso woƒe ɖevime? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

5 Bia nɔvia wòagblɔ taɖodzinu siwo wòɖo na eɖokui le Yehowa subɔsubɔ me. Ne meɖo taɖodzinu aɖeke o la, kpe ɖe eŋu wòaɖo esiwo gbɔ wòate ŋu aɖo. Tsɔ dzidzɔ gblɔ taɖodzinu siwo nèɖo na ɖokuiwò va yi, kple dzidzɔ si gbegbe nèkpɔ esi nèɖo wo gbɔ. Mɔnu sia le bɔbɔe, gake ewɔa dɔ. Victor, si nye hamemetsitsi kple mɔɖela le Afrika dukɔ aɖe me, gblɔ be: “Esi menɔ ɖevime la, hamemetsitsi aɖe bia nyam tso nye taɖodzinuwo ŋu. Nyabiase mawo kpe ɖe ŋunye medze tamebubu vevie tso nye subɔsubɔdɔa ŋu gɔme.” Hamemetsitsi kpɔnuteƒewo gblɔ be, ele vevie be woana hehe nɔviŋutsuwo tso woƒe ɖevime, ɖewohĩ esi woɖo woƒe ƒewuiwo me teti ko. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Miate ŋu ade dɔ aɖewo asi na wo le hamea me ɖe woƒe ƒexɔxɔ nu. Ne wodze hehenana nɔviŋutsuwo gɔme tso woƒe ɖevime la, esia ana woayi edzi aminya woƒe taɖodzinuwo ne wole tsitsim eye susuhenuwo va le agbɔ sɔm ɖe edzi.—Xlẽ Psalmo 71:5, 17.

Ðe nu si ta dɔ si nède nɔviŋutsu aɖe si la wɔwɔ le vevie ɖo me nɛ, eye nànɔ ekafum ɖe eƒe veviedodo ta (Kpɔ memama 5-8)

6. Hehenana ƒe mɔnu nyui ka ŋu dɔe Yesu wɔ?

6 Be nàdo ŋusẽ hehexɔlaa wòalɔ̃asubɔ la, menye nu si wòawɔ koe nàfiae o. Ele be nàɖe nu si ta wòle vevie be wòawɔe hã me nɛ. Yesu, si nye Nufiala Gã la, gblɔ na eƒe apostolowo be woaɖe gbeƒã. Gake gbã la, eɖe nu si ta wòle be woawɔ esia la me na wo. Egblɔ na wo be: “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã de asi nam. Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.” (Mateo 28:18, 19) Aleke nàwɔ asrɔ̃ Yesu le hehenana gome?

7, 8. (a) Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yesu le hehenana gome? (b) Nu ka tae wòle vevie be woanɔ hehexɔlaa kafum? (d) Aɖaŋuɖoɖo kawoe akpe ɖe hamemetsitsi ŋu le hehenana me? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Nàna Hehe Nɔviwo.”)

7 Ne ède dɔ asi na nɔviŋutsu aɖe la, anyo be nàzã Biblia atsɔ aɖe nu si tae dɔ sia hiã vevie me nɛ. Esia afia be èle efiam be Biblia ƒe gɔmeɖosewo naʋãe le nu siwo wòwɔna me, ke menye be wòawɔ nɛ be see wònye wode na ye o. Le kpɔɖeŋu me, ne ègblɔ na nɔviŋutsu aɖe be wòakpɔ egbɔ be Fiaɖuƒe Akpataa ƒe mɔnuwo le dzadzɛ eye naneke naganɔ afi ma si ana ame aɖe naɖiɖi adze anyi o la, àte ŋu ahe eƒe susu ayi Tito 2:10 dzi. Eye nàɖe ale si dɔ sia ana Fiaɖuƒegbedeasia nadzro amewo geɖe wu me nɛ. Azɔ hã, na hehexɔlaa nabu nɔvi tsitsi siwo le hamea me kple ale si dɔ sia wɔwɔ nyuie aɖe vi na woe ŋu. Dzeɖoɖo kplii alea nye hehenana si ana eƒe susu nanɔ amewo ŋu, ke menye sededewo ŋu o. Ne ekpɔ ale si eƒe dɔa ɖea vi na nɔviwo la, dzi adzɔe be yele ye nɔviwo subɔm nyuie.

8 Hekpe ɖe eŋu la, ɖo ŋku edzi nànɔ hehexɔlaa kafum ɖe mɔfiamewo dzi wɔwɔ ta. Aleke esia wɔwɔ le vevie? Abe ale si tsidzadza nana nu miemiewo tsina hewɔna vlɔvlɔvlɔ ene la, nenema kee ne èkafua hehexɔlaa la, akpe ɖe eŋu wòayi ŋgɔ le Yehowa subɔsubɔ me.—Tsɔe sɔ kple Mateo 3:17.

KUXI BUBU AÐE

9. (a) Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na hamemetsitsi siwo le dukɔ siwo me nuwo de amewo dzi le me be woana hehe nɔvi bubuwo? (b) Nu ka tae mawusubɔsubɔ mexɔ nɔƒe gbãtɔ le nɔvi aɖewo ƒe agbe me o?

9 Ate ŋu asesẽ na hamemetsitsi siwo le dukɔ siwo me nuwo de amewo dzi le me be woade dzi ƒo na nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ siwo le woƒe ƒe 20-awo alo 30-awo me be woawɔ geɖe le hamea me. Hamemetsitsi kpɔnuteƒe siwo le dukɔ abe 20 sɔŋ ene me gblɔ susu siwo tae nɔviŋutsu ɖekakpui aɖewo medina be yewoawɔ geɖe le hamea me o. Wo dometɔ geɖe gblɔ be, le nɔviŋutsu aɖewo ƒe ɖevime la, wo dzilawo medea dzi ƒo na wo be woaɖo taɖodzinuwo le Yehowa subɔsubɔ me o. Eye esi wo dometɔ aɖewo di be yewoawɔ geɖe le woƒe ɖevime la, wo dzilawo de dzi ƒo na wo be woaminya suku kɔkɔ dede kple dɔ gãwo wɔwɔ le xexea me boŋ! Eya ta mawusubɔsubɔ mexɔ nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me kpɔ o.—Mateo 10:24.

10, 11. (a) Aleke hamemetsitsi ate ŋu akpe ɖe nɔvi aɖe ŋu vivivi wòatrɔ eƒe nuŋububu? (b) Mawunyakpukpui kawoe hamemetsitsi ate ŋu azã atsɔ akpe ɖe nɔviŋutsu aɖe ŋu, eye nu ka tae? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

10 Ne didia mele nɔviŋutsu aɖewo me be yewoawɔ geɖe le hamea me o la, abia kutrikuku kple dzigbɔɖi geɖe be woatrɔ ale si wobua nuwo ŋui, ke hã esia anya wɔ. Ele be ame si di be abɔmeti si glɔ̃ nadzɔ la natu atiwo ɖe eŋu atsɔ adzɔe vivivi. Nenema kee vivivi la, àte ŋu akpe ɖe nɔviŋutsu aɖe ŋu wòatrɔ eƒe susu ahaxɔ agbanɔamedzi geɖe le hamea me. Gake aleke nàte ŋu awɔ esiae?

11 Dze agbagba nàdze xɔlɔ̃ nɔvia. Na wòakpɔe be yele vevie na hamea. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mia kplii midzro mawunyakpukpui siwo akpe ɖe eŋu wòade ŋugble le adzɔgbe si wòɖe na Yehowa ŋu. (Nyagblɔla 5:4; Yesaya 6:8; Mateo 6:24, 33; Luka 9:57-62; 1 Korintotɔwo 15:58; 2 Korintotɔwo 5:15; 13:5) Dze agbagba nàɖo eƒe dzi gbɔ to biabiawo abe esiawo ene dzi: ‘Ŋugbe kae nèdo na Yehowa esime nèɖe adzɔgbe nɛ? Aleke nèsusu be Yehowa se le eɖokui me esime nèxɔ nyɔnyrɔ?’ (Lododowo 27:11) ‘Aleke Satana ya se le eɖokui me?’ (1 Petro 5:8) Ŋɔŋlɔ siawo tɔgbi me dzodzro ate ŋu aɖe vi geɖe ahaʋã nɔvia ƒe dzi.—Xlẽ Hebritɔwo 4:12. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

HEHEXƆLAWO, MIWƆ NUTEƑE

12, 13. (a) Nɔnɔme nyui kae nɔ Elisa si le eƒe hehexɔɣi? (b) Aleke Yehowa ɖo Elisa ƒe nuteƒewɔwɔ teƒe nɛ?

12 Nɔviŋutsu sɔhɛwo, hamea hiã miaƒe kpekpeɖeŋu! Nɔnɔme kawoe wòle be wòanɔ mia si be miakpɔ dzidzedze le Yehowa subɔsubɔ me? Be míakpɔ esia la, mina míadzro nu siwo dzɔ le hehexɔla aɖe si nɔ anyi le blema, si nye Elisa, ƒe ŋutinya me.

13 Anɔ ƒe 3,000 ye nye esi va yi la, nyagblɔɖila Eliya kpe Elisa si nye ɖekakpui be wòava subɔ ye. Elisa lɔ̃ ɖe edzi enumake, eye wòwɔ dɔ tsɛwo hesubɔ nyagblɔɖila la nuteƒewɔwɔtɔe. (2 Fiawo 3:11) Eliya na hehe Elisa abe ƒe ade ene. Emegbe le subɔsubɔdɔ si Eliya wɔ le Israel ƒe nuwuwu lɔƒo la, nyagblɔɖilaa gblɔ na eƒe subɔvi la be ate ŋu adzudzɔ eƒe subɔsubɔdɔa. Gake Elisa gblɔ zi etɔ̃ sɔŋ be: “Nyemagblẽ wò ɖi o.” Eɖoe kplikpaa be yeanɔ yeƒe nufialaa ŋu ɣeyiɣi didi si yeate ŋui. Eye Yehowa ɖo Elisa ƒe nuteƒewɔwɔ kple anukwareɖiɖi teƒe nɛ esi wòna wòkpɔ eteƒe esime wokɔ Eliya to ahom me dzoe.—2 Fiawo 2:1-12.

14. (a) Aleke nɔvi siwo le hehe xɔm egbea ate ŋu asrɔ̃ Elisa? (b) Nu ka tae wòle vevie be hehexɔla nanye nuteƒewɔla?

14 Ne èle hehe xɔm la, aleke nàte ŋu asrɔ̃ Elisa? Lɔ̃ faa nàxɔ dɔdeasiwo enumake, ne enye dɔ tsɛ gɔ̃ hã. Ðo ŋku edzi be xɔ̃wòe wò nufialaa nye. Gblɔ ale si nèkpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si nam wòle wò la ŋu nɛ, eye nàna wòakpɔe be nèdi be yeayi hehexɔxɔa dzi. Vevietɔ wu la, wɔ wò dɔdeasiwo nuteƒewɔwɔtɔe. Nu ka ta? Ne hamemetsitsiwo kpɔe be ènye nuteƒewɔla kple ame si dzi woate ŋu aka ɖo la, kakaɖedzi asu wo si be Yehowa di be nàxɔ agbanɔamedzi geɖe le hamea me.—Psalmo 101:6; xlẽ 2 Timoteo 2:2.

DE BUBU HAMEMETSITSI KPƆNUTEƑEWO ŊU

15, 16. (a) Aleke Elisa ɖee fia be yedea bubu yeƒe nufiala ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu kae na nyagblɔɖila bubuwo ka ɖe Elisa dzi?

15 Elisa ŋuti nuŋlɔɖia ɖee fia hã be ele vevie be nɔviwo nade bubu hamemetsitsi kpɔnuteƒewo ŋu. Esi Eliya kple Elisa yi ɖakpɔ nyagblɔɖilawo ƒe viwo ɖa le Yeriko vɔ la, wo ame evea wova ɖo Yordan-tɔsisia nu. Eye “Eliya ɖe nyagblɔɖila ƒe awu si wòdo la heŋlɔe tsɔ ƒo tsi la dzi, eye wòma ɖe akpa eve.” Ale wo ame evea woto ƒuƒuiƒe tso Yordan-tɔsisia, eye “wole dze ɖom le yiyim.” Elisa nɔ to lém ɖe nya sia nya si gblɔm eƒe nufialaa le ŋu nyuie henɔ nu geɖe srɔ̃m tso egbɔ. Elisa mese le eɖokui me be yenya nu sia nu xoxo o. Eyome wokɔ Eliya to ahom me dzoe, eye Elisa trɔ yi Yordan nu. Etsɔ nyagblɔɖila Eliya ƒe awua ƒo tsia dzi hegblɔ be: “Afi kae Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le?” Ale tsia ma ɖe eve ake.—2 Fiawo 2:8-14.

16 Ède dzesii be nukunu gbãtɔ si Elisa wɔ la sɔ kple nukunu mamlɛtɔ si Eliya wɔa? Nu kae esia fia mí? Elisa mese le eɖokui me be, esi wònye yee wotsɔ ɖoƒea na ta la, azɔ yeate ŋu awɔ nuwo wòato vovo na ale si Eliya wɔe o. Ke boŋ Elisa wɔ nu si tututu wòsrɔ̃ tso Eliya gbɔ tsɔ ɖee fia be yedea bubu yeƒe nufialaa ŋu, eye esia na nyagblɔɖila bubuwo ka ɖe Elisa dzi. (2 Fiawo 2:15) Elisa wɔ nyagblɔɖidɔ ƒe 60 sɔŋ, eye Yehowa na ŋusẽe wòwɔ nukunu geɖe wu esiwo Eliya wɔ. Nu kae hehexɔlawo ate ŋu asrɔ̃ tso esia me?

17. (a) Aleke hehexɔlawo ate ŋu asrɔ̃ Elisa ƒe nɔnɔme egbeae? (b) Aleke Yehowa akpe ɖe hehexɔla wɔnuteƒewo ŋu ne ɣeyiɣiawo va le yiyim?

17 Ne èxɔ agbanɔamedziwo le hamea me la, mègasusui be ele be yeawɔ nuwo wòato vovo kura tso ale si wonɔ ewɔm gbɔ o. Ðo ŋku edzi be, ale si hamea ƒe nɔnɔmewo bia nue wowɔa tɔtrɔwo ɖo, alo ne míexɔ mɔfiame yeyewo tso Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ. Mele be nàtrɔ nuwo le esi wònye wòe dii nenema ta o. Esi Elisa yi edzi wɔ nu abe Eliya ene ta la, ena nyagblɔɖila bubuwo ka ɖe edzi vevie, eye wòɖee fia be edea bubu eƒe nufialaa ŋu. Nenema ke ne èyi edzi wɔ mɔnu siwo wò nufialawo zã, siwo nɔ te ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi, ŋu dɔ la, àɖee afia be yedea bubu hamemetsitsi kpɔnuteƒewo ŋu, eye nɔviwo katã aka ɖe dziwò. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 4:17.) Ne nuteƒekpɔkpɔ geɖe va le asiwò sum la, àkpe asi ɖe hamea ŋu woawɔ tɔtrɔ siwo hiã be woanɔ akasa nu kple Yehowa ƒe habɔbɔ si le zɔ ɖem ɣesiaɣi la. Eye ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàwɔ dɔ siwo lolo wu esiwo wò nufialawo wɔ, abe ale si wònɔ le Elisa gome ene.—Yohanes 14:12.

18. Nu ka tae wòhiã kpata be woana hehe nɔviŋutsuwo le hamea me?

18 Míele mɔ kpɔm be aɖaŋuɖoɖo siwo le nyati sia kple esi do ŋgɔ nɛ me ado ŋusẽ hamemetsitsiwo be woadi ɣeyiɣi atsɔ ana hehe nɔvi bubuwo geɖe wu. Míele gbe dom ɖa hã be nɔviŋutsu geɖewo nalɔ̃ faa axɔ hehe geɖe ahazã nu siwo wosrɔ̃ atsɔ akpe ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu. Esia ana ŋusẽ naɖo hamewo ŋu le xexe bliboa me, eye wòakpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu be wòayi edzi awɔ nuteƒe le ɣeyiɣi sesẽ siwo gbɔna me.

^ mm. 5 Ne nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe ɖee fia be yetsi le gbɔgbɔ me, ebɔbɔa eɖokui, eye nɔnɔme bubu siwo hiã be wòadze asubɔ le hamea me le esi la, hamemetsitsiwo ate ŋu akafui be woaɖoe subɔsubɔdɔwɔla ne mexɔ ƒe 20 haɖe o hã.—1 Timoteo 3:8-10, 12; kpɔ Gbetakpɔxɔ, July 1, 1989, axa 29.

^ mm. 11 Miate ŋu adzro Gbetakpɔxɔ, April 15, 2012, axa 14-16, memama 8-13; kple “Midzra Mia Ðokui Ðo Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me,” ta 16, memama 1-3 me nyawo me.