Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Woyra Mí Le “Ɣeyiɣi Deamedziwo Kple Ɣeyiɣi Madeamedziwo Me”

Woyra Mí Le “Ɣeyiɣi Deamedziwo Kple Ɣeyiɣi Madeamedziwo Me”

WODZIM le March 1930 me, le Namkumba, Malawi. Dzinyelawo nye Mawu subɔla wɔnuteƒewo. Le ƒe 1942 me la, metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ le míaƒe tɔsisi dzeaniawo dometɔ ɖeka me. Le ƒe 70 siwo va yi me la, medze agbagba be mawɔ ɖe aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na Timoteo be, “ɖe gbeƒã nya la, nɔ edzi vevie, le ɣeyiɣi deamedziwo kple ɣeyiɣi madeamedziwo me” la dzi.—2 Timoteo 4:2.

Le ƒe 1948 me la, Nathan H. Knorr kple Milton G. Henschel va Malawi, eye woƒe vava de dzi ƒo nam be mawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ na Yehowa. Emegbe medo go nɔvinyɔnu dzetugbe aɖe si ŋkɔe nye Lidasi, si hã ƒe taɖodzinue nye be yeasubɔ Yehowa abe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla ene. Le ƒe 1950 me la, míeɖe mía nɔewo, eye kaka ƒe 1953 naɖo la, míedzi vi eve. Togbɔ be ƒomegbanɔamedziwo sɔ gbɔ hã la, míetso nya me be madze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme. Ƒe eve megbe la, woɖom mɔɖela vevi.

Takpekpewo do ŋusẽ mí na yometiti siwo nɔ ŋgɔ

Ema megbe kpuie la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mesubɔa hameawo abe nutome sue dzikpɔla ene. Esi Lidasi kpe asi ɖe ŋunye ta la, metea ŋu kpɔa ƒomea ƒe nuhiahiãwo katã gbɔ eye mekpɔtɔ yi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Srɔ̃nye hã di kokoko be yeawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ na Yehowa. Eya ta míetrɔ asi le míaƒe ɖoɖowo ŋu, eye esi mía viawo hã se nu gɔme na mí ta la, Lidasi te ŋu dze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme le ƒe 1960 me.

Le ƒe 1962 me la, míekpɔ gome le “Subɔla Dzinɔameƒotɔwo” Nutome Gã Takpekpea me. Eye le ƒe ɖeka megbe la, Nɔviŋutsu Henschel va Malawi hena takpekpe tɔxɛ si wowɔ le afi si gogo Blantyre dua. Ame 10,000 kple edzivɔ ye de takpekpe ma. Ne mede ŋugble le wɔna tɔxɛ mawo ŋu la, mekpɔnɛ be wodo ŋusẽ mí ame siwo katã le Malawi hedzra mí ɖo ɖe ɣeyiɣi sesẽ siwo nɔ ŋgɔ kpuie la ŋu.

ƔEYIƔI SESẼWO

Dziɖuɖua xe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu eye woxɔ alɔdzedɔwɔƒea

Woti Ðasefowo yome vevie le ƒe 1964 me le esi wogbe be yewomakpɔ gome le dunyahehe me o ta. Esia na wotsrɔ̃ Fiaɖuƒe Akpata siwo wu 100 kple nɔviwo ƒe aƒe 1,000 kple edzivɔ. Nye kple srɔ̃nye Lidasi míeyi nutome sue dzikpɔkpɔdɔa dzi va se ɖe esime dziɖuɖua xe mɔ ɖe Ðasefowo ƒe dɔa nu le ƒe 1967 me. Dziɖuɖua xɔ alɔdzedɔwɔƒea, wonya dutanyanyuigblɔlawo le dukɔa me, eye wolé Ðasefo geɖe, siwo dome nye kple Lidasi hã le, de gaxɔ me. Esi woɖe mí le gaxɔa me la, míeyi nutome sue dzikpɔkpɔdɔa dzi ŋuɖɔɖotɔe.

Gbe ɖeka le October 1972 me la, dunyaheha zazɛ̃nyahela siwo woyɔna be Malawi Sɔhɛwo ƒe Nubabla ƒe Habɔbɔ me tɔwo lɔ hoo gbɔna míaƒe aƒea dzi dze ge. Gake wo dometɔ ɖeka ƒu du va fi tofi na mí be masi aɖabe, elabena woɖoe be yewoawum. Megblɔ na srɔ̃nye kple vinyewo be woabe ɖe akɔɖuho si tsɔ ɖe afi ma la me. Nye hã meyi ɖalia mangoti gã aɖe. Menɔ afi ma hekpɔ eteƒe esime wotsrɔ̃ míaƒe aƒea kple nunɔamesiwo katã.

Esi mía nɔviwo gbe be yewomade nu dunyahenyawo me o ta la, wotɔ dzo woƒe aƒewo

Esi yometitia nu nɔ sesẽm ɖe edzi la, Ðasefo akpe geɖe si dzo le Malawi. Míeyi ɖanɔ sitsoƒesaɖa aɖe me le Mozambique va se ɖe June 1974 me. Ɣemaɣi la, wobia tso nye kple Lidasi si be míasubɔ abe mɔɖela veviwo ene le Dómue, Mozambique. Míeyi mɔɖeɖedɔa dzi va se ɖe ƒe 1975 me, esime wozi mía dzi be míaʋu le Mozambique atrɔ ayi Malawi, afi si wokpɔtɔ nɔ Ðasefowo yome tim le.

Esi míeva ɖo la, wode dɔ asi nam be mayi aɖasubɔ hame siwo le fiadu Lilongwe me. Le yometiti kple nɔnɔme sesẽ siawo katã me hã la, hame siwo nɔ nutome sue si dzi kpɔm menɔ me la dzi ɖe edzi.

YEHOWA KPE ÐE MÍA ŊU LƆLƆ̃TƆE

Eva dzɔ gbe ɖeka be esi míenɔ mɔ zɔm la, míeva ɖo kɔƒe aɖe si me wonɔ dunyahelawo ƒe kpekpe aɖe wɔm le. Ame aɖewo kpɔe be Ðasefowoe míenye, eya ta wona míenɔ anyi ɖe dunyaheha aɖe si woyɔna be Malawi Sɔhɛwo ƒe Mɔfialawo me tɔwo gbɔ. Míeɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu ahafia mɔ mí. Esi wonya wu kpekpea nu ko la, wote mí ƒoƒo. Kasia, nyɔnu tsitsi aɖe ƒu du va henɔ ɣli dom be: “Meɖe kuku, miɖe asi le wo ŋu! Ŋutsu sia nɔvinye ƒe vie. Mina wòayi eƒe mɔzɔzɔa dzi!” Ame si kpɔ kpekpea dzi la, gblɔ be: “Miɖe asi le wo ŋu woadzo!” Míenya nu si tae nyɔnua gblɔ nya ma o, elabena menye eƒe ƒometɔwoe míenye o. Míexɔe se be Yehowae se míaƒe gbedodoɖa.

Dunyaheha me nɔnɔ gbalẽvi

Le ƒe 1981 me la, Malawi Sɔhɛwo ƒe Mɔfialawo ƒe dunyahehaa me tɔwo gake ɖe mía ŋu ake. Fifia ya la, woxɔ míaƒe gasɔwo, míaƒe agbawo, míaƒe agbalẽwo kple pepa siwo dzi nɔvi siwo le nutome suea me ŋuti nyatakaka vevi aɖewo le. Míesi yi hamemetsitsi aɖe ƒe aƒe me. Gake míetsi dzi ɖe nyatakaka vevi siwo le pepawo dzi la ŋu. Esi Malawi Sɔhɛwo ƒe Mɔfialawo tsa pepawo me la, wokpɔ lɛta siwo nɔviwo ŋlɔ ɖo ɖem tso Malawi ƒe teƒe vovovowo. Esia na wovɔ̃ elabena wosusu be dziɖuɖua ƒe ame vevi aɖe menye. Eya ta wotrɔ pepawo katã yi na hamemetsitsi siwo le nutoa me.

Ɣebubuɣi míeɖo tɔdziʋu sue aɖe nɔ tɔ tsom. Ʋua tɔ si nye dunyaheha aɖe ƒe ŋgɔnɔla la bia be yeakpɔ ʋuɖola ɖe sia ɖe ƒe dunyaheha me nɔnɔ gbalẽvia ɖa. Esi wòsusɔ vie wòaɖo mía gbɔ la, ekpɔ fiafi aɖe si dim kpovitɔwo nɔ la le ʋua me. Esia he ame sia ame ƒe susu, si na be ʋua tɔ dzudzɔ agbalẽviawo biabia. Míegakpɔe ake be Yehowa kpe ɖe mía ŋu.

WOLÉ MÍ DE GAXƆ ME

Le February 1984 me la, menɔ mɔ dzi yina Lilongwe be maɖo akɔntabubu aɖewo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le Zambia. Kpovitɔ aɖe tɔm eye wòka nye agbawo me. Ekpɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo le nye nuwo me, eya ta ekplɔm yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe eye wòtem ƒoƒo. Eyome eblam kple ka eye wòtutum de gaxɔ si me fiafitɔwo le me.

Le ŋufɔke la, kpovitɔwo ƒe amegã kplɔm yi xɔ aɖe me hegblɔ nam be made asi agbalẽ aɖe te, si dzi woŋlɔ ɖo be: “Nye, Trophim R. Nsomba, mebe nyemeganye Yehowa Ðasefo tso fifia dzi yi o, ale be woaɖe asi le ŋunye.” Megbe be nyemade asi ete o, eye megblɔ nɛ be: “Mele klalo be woablam eye maku hã faa. Makpɔtɔ anye Yehowa ƒe Ðasefo.” Amegã la do dziku helĩhelĩ eye wòtsɔ asi xlã ɖe eƒe kplɔ̃ dzi sesĩe ale gbegbe be kpovitɔ si le xɔ bubu me ƒu du va be yeakpɔ nu si le dzɔdzɔm. Amegã la gblɔ nɛ be: “Ŋutsu sia gbe be yemade asi agbalẽ te be yemeganye Ðasefo o. Eya ta na wòade asi agbalẽ bubu te be yenye Yehowa Ðasefo ko ne míaɖoe ɖe Lilongwe ne woade gae le afi ma.” Le ɣeyiɣi siawo katã me la, srɔ̃nye menya afi si mele o. Ŋkeke ene megbe hafi wòse nu si nɔ dzɔdzɔm ɖe dzinye tso nɔvi aɖewo gbɔ.

Le kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe le Lilongwe la, kpovitɔwo nyo dɔme nam. Kpovitɔwo ƒe amegã si le afi ma la gblɔ be: “Xɔ mɔlu agba ɖeka sia nàɖu elabena Mawu ƒe Nya la tae wode ga wò ɖo. Fiafitɔwoe gamenɔla bubuawo nye.” Eyome eɖom ɖe Kachere Gakpɔ me, eye menɔ afi ma dzinu atɔ̃.

Gaxɔdzikpɔla si nɔ afi ma kpɔ dzidzɔ be meva elabena edi be manye “pastɔ” le gaxɔa me. Exɔ dɔ le pastɔ tsãtɔ si hegblɔ nɛ be: “Nyemedi be nàgafia Mawu ƒe Nya le afi sia azɔ o, elabena fi ye nèfi le miaƒe sɔleme tae wolé wò tu ɖo!” Eya ta kwasiɖa sia kwasiɖa la, mefiaa Biblia le gamenɔlawo ƒe kpekpe.

Gake emegbe nɔnɔmea va nɔ sesẽm nam. Gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegãwo bia gbem be mayɔ Ðasefo siwo le Malawi ƒe agbɔsɔsɔ na yewo. Esi nyemena ŋuɖoɖo si dim wole la wo o la, woƒom kaka meyi ɖi me. Ɣebubuɣi wodi be yewoanya afi si míaƒe dɔwɔƒegã le. Megblɔ na wo be, “Nya sia ŋu ɖoɖo mesesẽ kura o.” Eye megblɔ be woƒo nu tso afi si míaƒe dɔwɔƒegã le ŋu le Biblia me. Ewɔ nuku na wo eye wobia be, “Biblia ƒe afi kae wòle?”

Meɖo eŋu be, “Ele Yesaya 43:12.” Wokee eye woxlẽe nyuie: “Yehowa be: ‘Miawoe nye nye ɖasefowo, eye nyee nye Mawu.’” Woxlẽ mawunyakpukpui ma zi etɔ̃ sɔŋ. Eyome wobia be: “Aleke Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã nanɔ Biblia ƒe akpa sia, ke menye Amerika o?” Megblɔ na wo be: “Yehowa Ðasefo siwo le Amerika hã nya be mawunyakpukpui sia gblɔ afi si woƒe dɔwɔƒegã le.” Esi nyemenɔ nu si dim wole be yewoanya gblɔm na wo o ta la, woɖom ɖe Dzaleka Gakpɔ me le Lilongwe ƒe dziehekpa dzi.

WOYRA MÍ LE ƔEYIƔI MADEAMEDZIWO GƆ̃ HÃ ME

Esi meɖo Dzaleka Gakpɔa me le July 1984 me la, Ðasefo 81 ye nɔ afi ma. Gakpɔa yɔ tititi ale gbegbe be ame 300 tigi ɖe gaxɔa me, womlɔa anyigba hemimina ɖe wo nɔewo ŋu. Mlɔeba la, mí Ðasefowo katã míetea ŋu kpea ta le ƒuƒoƒo suewo me hedzroa mawunyakpukpui aɖe me gbe sia gbe, eye esia de dzi ƒo na mí ŋutɔ.

Wokplɔ nɔvi siwo wobu fɔe yina gaxɔ me

Le October 1984 me la, wokplɔ mí katã yi ʋɔnu, eye wobu fɔ mí be míanɔ gaxɔ me ƒe eve. Wotsɔ mí kpe ɖe gamenɔla bubu siwo menye Ðasefowo o ŋu abe ale si ko wowɔe tsã ene. Gake gaxɔdzikpɔlaa gblɔ na ameawo katã be: “Yehowa Ðasefowo meyɔa sigaret o. Eya ta dzɔlawo, migabia be woana sigaret mi o, eye migadɔ wo hã be woaɖe dzo vɛ na mi miatsɔ akpe miaƒe sigaret o. Mawu ƒe amewoe wonye! Mina nuɖuɖu Yehowa Ðasefowo katã zi eve gbe ɖeka, elabena menye nu gbegblẽ aɖeke wowɔ tae wokplɔ wo va afi sia ɖo o, ke boŋ woƒe Biblia me dzixɔsewo tae.”

Míaƒe agbe nyui nɔnɔ gaɖe vi na mí le mɔ bubu geɖe nu. Ne zã do alo tsi le dzadzam la, dzɔlawo meɖea mɔ be gamenɔlawo nado go o. Gake woɖea mɔ na míawo ya be míado go, elabena woka ɖe mía dzi henya be míasi dzo o. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka míenɔ dɔ wɔm le agble aɖe me, eye mía ŋu dzɔlaa dze dɔ. Eya ta míekɔe va gakpɔa me. Le míaƒe agbe nyui nɔnɔ ta la, míekpɔa ale si mía ŋu dzɔlawo kafua Yehowa ƒe ŋkɔe la teƒe.—1 Petro 2:12. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

ƔEYIƔI DEAMEDZIWO

Le May 11, 1985 dzi la, woɖe asi le ŋunye le Dzaleka Gakpɔa me, eye dzi dzɔm be megawɔ ɖeka kple nye ƒomea! Míedaa akpe na Yehowa be wòkpe ɖe mía ŋu míeyi edzi wɔ nuteƒe nɛ le ɣeyiɣi sesẽ mawo me. Míese le mía ɖokui me abe apostolo Paulo ene, ame si gblɔ be: “Nɔviwo, míedi be xaxa si me míeto . . . nanɔ manyamanya na mi o. . . . Míegaka ɖe edzi be míatsi agbe gɔ̃ hã o. Le nyateƒe me la, míesusu be wotso kufia na mí. Eva eme alea, ale be míagaɖo dzi ɖe mía ɖokuiwo ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu, ame si fɔa ame kukuwo ɖe tsitre la ŋu. Eɖe mí tso ku ƒe ŋɔdzi gã aɖe me.”—2 Korintotɔwo 1:8-10.

Nɔviŋutsu Nsomba kple srɔ̃a Lidasi le Fiaɖuƒe Akpata aɖe ŋgɔ, le ƒe 2004 me

Ɣeaɖewoɣi la, ewɔna na mí be míatsi agbe o. Ke hã míedoa gbe ɖa na Yehowa ɣesiaɣi be wòana dzideƒo, nunya kple ɖokuibɔbɔ mí ale be míayi edzi akɔ eƒe ŋkɔ gã la ŋu.

Yehowa yra ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa dzi le “ɣeyiɣi deamedziwo kple ɣeyiɣi madeamedziwo me” vavã. Egbea enye dzidzɔ na mí be wotu alɔdzedɔwɔƒe nyakpɔ aɖe ɖe Lilongwe kple Fiaɖuƒe Akpata yeye 1,000 kple edzivɔ le Malawi! Yehowa ƒe yayra siawo wɔa nuku na nye kple srɔ̃nye Lidasi ale gbegbe be ɖeko wòwɔna na mí abe drɔ̃eƒenyae ene! *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

^ mm. 6 Womegabiana tso nɔvi siwo si vi suewo le la si be woasubɔ abe nutome sue dzikpɔlawo ene o.

^ mm. 27 Àkpɔ ale si woti Yehowa Ðasefowo yome le Malawi la ŋuti nyatakaka geɖe le ƒe 1999 Ƒegbalẽa ƒe axa 171-223.

^ mm. 31 Esime wonɔ asi trɔm le nyati sia ŋu hena tata la, Nɔviŋutsu Nsomba ku le eƒe ƒe 83 lia xɔxɔ me.