Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔ Ŋudzɔ—Satana Le Didim Be Yeavuvu Wò!

Nɔ Ŋudzɔ—Satana Le Didim Be Yeavuvu Wò!

“Minɔ ŋudzɔ! Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe ɖem eye wòle ame dim be yeavuvu ami ene.”1 PETRO 5:8.

1. Aleke wòdzɔe be mawudɔla aɖe va zu Satana?

TSÃ la, ƒomedodo nyui nɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ, alo mawudɔla, sia kple Yehowa dome. Gake emegbe la, eva di be amegbetɔwo nasubɔ ye. Le esi wòaɖe dzodzro vɔ̃a le eƒe susu me kaba teƒe la, eɖe mɔ dzodzroa tsi ɖe eme eye wòva wɔ nu vɔ̃. (Yakobo 1:14, 15) Míenya ŋkɔ si woyɔna nɛ le gɔmedzedzea me o, gake ŋkɔ si míenya nɛ fifia ye nye Satana. “Meli ke ɖe nyateƒe la me o.” Edze aglã ɖe Yehowa ŋu heva zu “aʋatsokafofo.”Yohanes 8:44.

2, 3. Nu kae nya siwo nye “Satana,” “Abosam,” “da xoxo,” kple “ʋɔ driba” ɖe fia ku ɖe Yehowa ƒe futɔ gãtɔ la ŋu?

2 Tso esime Satana dze aglã la, eva zu Yehowa ƒe futɔ gãtɔ kple amegbetɔƒomea katã ƒe futɔ. Nya siwo Biblia gblɔ tso Satana ŋu la na míekpɔ ame gblẽku si gbegbe wònye. Satana gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula,” si fia be mawudɔla vɔ̃ɖi sia tsri Mawu ƒe dziɖuɖu eye wòtsia tsitre ɖe eŋu kple eƒe ŋusẽ katã. Nu si ko dim Satana lee nye be Yehowa ƒe dziɖuɖu nu nayi keŋkeŋ.

3 Woyɔ Satana le Nyaɖeɖefia 12:9 be “Abosam,” si gɔmee nye “Amegɔmezɔla.” Satana do vlo Mawu esi wògblɔ be enye alakpatɔ. Nyagbɔgblɔ “da xoxo la” ɖoa ŋku ale si Satana to da dzi ble Xawa dzi na mí. Esɔ ŋutɔ be wogayɔ Satana be “ʋɔ driba gã.” Elabena ŋɔdzi le eŋu, eƒe tagbɔ sẽ, eye wòvɔ̃ɖi ŋutɔŋutɔ. Edi be yeaxe mɔ na Yehowa ƒe tameɖoɖo me vava, eye yeatsrɔ̃ Mawu ƒe amewo.

4. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

4 Edze ƒãa be Satana ye nye futɔ gãtɔ si ate ŋu agblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ me ne míekpɔ nyuie o. Esia tae Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ! Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe ɖem eye wòle ame dim be yeavuvu ami ene.” (1 Petro 5:8) Eya ta le nyati sia me la, míadzro Satana ƒe nɔnɔme etɔ̃ aɖewo siwo tae wòle vevie be míakpɔ mía ɖokui ta tso Yehowa kple Eƒe amewo ƒe futɔ vɔ̃ɖi sia si me la me.

ŊUSẼ LE SATANA SI

5, 6. (a) Gblɔ kpɔɖeŋu siwo ɖee fia be mawudɔlawo nye ‘kalẽtɔ sesẽwo.’ (b) Mɔ kawo nue Satana nye ame si “ate ŋu ahe ku vɛ” le?

5 Mawudɔlawo nye ‘kalẽtɔ sesẽwo.’ (Psalmo 103:20) Woƒe nunya kple ŋusẽ de ŋgɔ wu amegbetɔwo tɔ. Mawudɔla wɔnuteƒewo zãa woƒe ŋusẽ ɖe mɔ nyui nu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ƒe dɔla ɖeka wu Asiria-srafo 185,000 siwo nye Mawu ƒe amewo ƒe futɔwo. Amegbetɔ ɖeka aɖeke mate ŋu awɔ esia gbeɖe o, eye asesẽ ŋutɔ na aʋakɔ blibo gɔ̃ hã. (2 Fiawo 19:35) Ɣebubuɣi la, mawudɔla aɖe zã eƒe aɖaŋu kple ŋusẽ tsɔ ɖe Yesu ƒe apostolowo le gaxɔ me. Togbɔ be dzɔlawo nɔ mɔa nu hã la, womekpɔe be mawudɔlaa ʋu ʋɔtrua, kplɔ apostoloawo do goe, eye wògado ʋɔa o!—Dɔwɔwɔwo 5:18-23.

6 Eya ta mawudɔla wɔnuteƒewo zãa woƒe ŋusẽ ɖe mɔ nyui nu, evɔ Satana ya zãnɛ ɖe mɔ vɔ̃ nu. Eye ɖikeke mele eme o be ŋusẽ geɖe le Satana si, eye wòle ŋusẽ gã aɖe kpɔm ɖe amewo dzi. Biblia yɔe be “xexe sia dzi ɖula” kple “nuɖoanyi sia ƒe mawu.” (Yohanes 12:31; 2 Korintotɔwo 4:4) Satana “ate ŋu ahe ku vɛ” gɔ̃ hã. (Hebritɔwo 2:14) Gake esia mefia be eya ŋutɔ wua amewo katã tẽe o. Ke nu kae nya ma fia? Gbã la, Satana na fuléle kple ŋutasesẽ xɔ aƒe ɖe xexea me. Evelia, esi Xawa xɔ Satana ƒe alakpanyawo dzi se eye Adam hã gbe toɖoɖo Mawu ta la, amegbetɔwo katã wɔa nu vɔ̃ eye wokuna. (Romatɔwo 5:12) “Amewulae” Satana nye abe ale si Yesu gblɔe ene. (Yohanes 8:44) Futɔ sesẽ aɖee wònye vavã.

Mímate ŋu aɖu Satana dzi Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o

7. Nu kae gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔna si ɖee fia be ŋusẽ le wo si?

7 Ne míetsi tre ɖe Satana ŋu la, efia be míetsi tre ɖe ame siwo katã de edzi hedze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu la hã ŋuti. Mawudɔla dzeaglãwo ƒe ha gã aɖe siwo woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃wo hã le ame siawo dome. (Nyaɖeɖefia 12:3, 4) Woɖee fia zi geɖe be ŋusẽ le yewo ŋu wu amegbetɔwo, eye wofiaa fu amewo ale gbegbe. (Mateo 8:28-32; Marko 5:1-5) Mègaŋlɔ be gbeɖe be ŋusẽ geɖe le gbɔgbɔ vɔ̃wo kple woƒe fia la si o. (Mateo 9:34) Mímate ŋu aɖu Satana dzi Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o.

SATANA ƑE TAGBƆ SẼ

8. (a) Nu kae nye Satana ƒe taɖodzinu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu kawo teƒee nèkpɔ siwo ɖee fia be xexea sẽa ŋuta abe Satana ke ene?

8 Apostolo Petro tsɔ Satana sɔ kple “dzata si le gbe ɖem.” Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Helagbe me nya si gɔme woɖe be “le gbe ɖem” fia “lã wɔadã dɔwuitɔ ƒe xɔxlɔ̃ sesĩe.” Aleke gbegbe esia ɖe Satana ƒe tagbɔsesẽ kple vɔɖivɔ̃ɖi fiae nye esi! Ele xexea dzi ɖum xoxo gake ema mesɔ gbɔ nɛ o. Satana le abe dzata dɔwui si le lã geɖe dim be yeaɖu ene. (1 Yohanes 5:19) Ame siwo koŋ dim wòlee nye amesiamina siwo susɔ ɖe anyigba dzi kple woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo.’ (Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 12:17) Satana ƒe taɖodzinue nye be yeatsrɔ̃ Yehowa ƒe amewo. Ale si woti Kristotɔ vavãwo yome tso ƒe alafa gbãtɔ me va se ɖe fifia ɖe ale si gbegbe Satana ƒe tagbɔ sẽe fia.

9, 10. (a) Aleke Satana wɔ nu ɖe Israel-dukɔa ŋu? (Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.) (b) Susu vevi kae le Satana si si tae wòtɔ ŋku blema Israel ɖo? (d) Aleke Abosam sena le eɖokui me ne Yehowa subɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ gã egbea?

9 Satana gawɔ nu bubu aɖe si ɖee fia be enye tagbɔsesẽtɔ. Ne dzata dɔwuitɔ dze lã aɖe dzi lée la, lãa ƒe nu mewɔa nublanui nɛ o. Mesea veve aɖeke ɖe enu do ŋgɔ na ewuwu o, eye ne ewui vɔ hã la, metena ɖe edzi kura o. Nenema kee Satana hã mesea veve aɖeke ɖe ame siwo dzi wòdzena la nu o. Le kpɔɖeŋu me, aleke nèxɔe se be Satana se le eɖokui me ɣesiaɣi si Israel-viwo wɔ nu vɔ̃wo abe gbɔdɔdɔ manɔsenu kple ŋukeklẽ ene? Ðe nàte ŋu akpɔ ale si Satana anɔ dzidzɔ kpɔmee esime nu wɔnublanuiwo do tso Zimri ƒe ahasiwɔwɔ kple Gehazi ƒe ŋukeklẽa me la le susu mea?—4 Mose 25:6-8, 14, 15; 2 Fiawo 5:20-27.

Evivina na Satana ŋutɔ ne Yehowa subɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ (Kpɔ memama 10)

10 Susu vevi aɖe le Satana si si tae wòtɔ ŋku blema Israel ɖo. Ðo ŋku edzi be dukɔ ma mee Mesia la ado tso, eye eyae nye ame si agbã ta na Satana ahaɖee afia be Yehowa ye dze aɖu amegbetɔwo dzi. (1 Mose 3:15) Satana medi be Israel-viwo ƒe nu nadze Mawu ŋu o, eya ta ewɔ nu sia nu si wòate ŋui be yeakplɔ wo ade nu vɔ̃ me. Mègasusui be ete ɖe Satana dzi esi David wɔ ahasi o. Eye mègabui be ese veve ɖe Mose nu esi mɔnukpɔkpɔa mesu esi wòyi Ŋugbedodonyigbaa dzi o. Ðikeke mele eme o be evivina na Satana ŋutɔ ne Mawu subɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ gã. Le nyateƒe me la, ne Abosam ɖu dzi alea la, etsɔnɛ ɖea alɔme le Yehowa ŋu.Lododowo 27:11.

11. Anye nu ka tae Satana tɔ ŋku Sara?

11 Satana lé fu ƒome si me Mesia la ado tso la vevie. Le kpɔɖeŋu me, bu nu si dzɔ esi Yehowa gblɔ na Abraham be ava zu “dukɔ gã aɖe” la ŋu kpɔ. (1 Mose 12:1-3) Esime Abraham kple Sara wonɔ Egipte la, Farao kplɔ Sara yi eƒe me be wòazu ye srɔ̃. Gake Yehowa kpɔ Sara ta le nɔnɔme sesẽ ma me. (Xlẽ 1 Mose 12:14-20.) Nu ma tɔgbi gadzɔ le Gerar do ŋgɔ na Isak dzidzi. (1 Mose 20:1-7) Ðe wòanye be Satana ye le megbe na nu siawoa? Ðo ŋku edzi be Sara ʋu le Ur du si me nuwo de ame dzi le me heva le avɔgbadɔwo me. Eya ta ɖe Satana di be yeatsɔ Farao kple Abimelek ƒe fiasã siwo me kesinɔnuwo bɔ ɖo ate Sara kpɔa? Ðe Satana susu be Sara atrɔ megbe de srɔ̃a kple Yehowa siaa eye wòaɖe fia mawo dometɔ ɖeka? Biblia megblɔe o, gake anɔ eme be adzɔ dzi na Abosam ale gbegbe ne ɖe mɔnukpɔkpɔ si su Sara si be Mesia la nadzɔ tso eƒe ƒomea me la ge le esi. Mave Satana akpɔ gbeɖe nenye be nyɔnu nyui ma ƒe srɔ̃ɖeɖe, ŋkɔ si le eŋu kple ƒomedodo si le eya kple Yehowa dome me gblẽ o. Satana nye tagbɔsesẽtɔ vɔ̃ɖi vavã!

Satana metsɔ ɖeke le nyui kple vɔ̃ me o

12, 13. (a) Ŋutasẽnu kae Satana wɔ esime wodzi Yesu? (b) Aleke nèsusu be Satana sena le eɖokui me ɖe ɖevi siwo lɔ̃ Yehowa egbea eye wole agbagba dzem be yewoasubɔe la ŋu?

12 Wodzi Yesu ƒe alafa geɖe le Abraham ƒe agbenɔnɔ megbe. Mègasusui be vidzĩ sia nya kpɔ na Satana alo eƒe nu nyo eŋu o. Satana nyae be vidzĩ sia atsi ava zu Mesia si ŋugbe wodo. Yesu ye nye Abraham ƒe dzidzimevi vevitɔ, ame si ‘agblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.’ (1 Yohanes 3:8) Ðe Satana abui be ɖevi sue aɖe wuwu nye tagbɔsesẽa? Kura o. Metsɔ ɖeke le nyui kple vɔ̃ me o. Eye etso bla be yeawu Yesu, ɖevi la. Aleke wòwɔe?

13 Esi ɣletivimefakalawo gblɔ na Fia Herodes be wodzi “Yudatɔwo ƒe fia” la, dɔme vee vevie eye wòdi be yeawu vidzĩa. (Mateo 2:1-3, 13) Eya ta eɖe gbe be woawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔe haɖe o la le Betlehem kple eƒe nutowo me. (Xlẽ Mateo 2:13-18.) Yesu tsi agbe le nugbeɖoɖo ma me, gake nu kae esia fia mí ku ɖe míaƒe futɔ Satana ŋu? Eɖee fia be amegbetɔ ƒe agbe meɖi naneke le Abosam gbɔ o. Ðeviwo gɔ̃ hã ƒe nya mekae o. Satana nye “dzata si le gbe ɖem” vavã. Ðo ŋku edzi ɣesiaɣi be eƒe tagbɔ sẽ ale gbegbe!

SATANA NYE AMEBLELA

14, 15. Aleke Satana ‘gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu’?

14 Mɔ si ko dzi Satana tea ŋu tona trɔa amewo ɖa tso mía Mawu lɔ̃ame Yehowa gbɔe nye be, eblea wo. (1 Yohanes 4:8) Satana blea amewo ale be womenyanɛ “be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo” o, si fia be womedea dzesii be ehiã be ƒomedodo nanɔ yewo kple Mawu dome o. (Mateo 5:3) Abosam “gbã ŋku na dzimaxɔsetɔ siawo ƒe tamesusu,” si wɔe be wometea ŋu kpɔa nyateƒe si ku ɖe Yehowa ŋu dzea sii o.2 Korintotɔwo 4:4.

15 Mɔ vevi ɖeka si dzi Satana tona blea amewoe nye alakpasubɔsubɔ. Enyae be Yehowa “biaa ɖokuitsɔtsɔna blibo.” (2 Mose 20:5) Eya ta kpɔ ale si gbegbe dzi adzɔ Satana ne ekpɔe be amewo mele Yehowa subɔm o, ke boŋ wole tɔgbui kukuwo, dzɔdzɔmenuwo, lãwo, amegbetɔwo alo nu bubuwo subɔm la ɖa. Nublanuitɔe la, aʋatsodzixɔsewo kple kɔnu manyatalenuwoe le ŋusẽ kpɔm ɖe ame geɖe siwo susuna be yewoƒe subɔsubɔ dzea Mawu ŋu la gɔ̃ hã dzi. Israel-vi siwo nɔ anyi le Yesaya ŋɔli la nɔ nɔnɔme ma me. Yehowa bia wo be: “Nu ka tae miele fe xem ɖe nu si menye abolo o ta, eye miazã ga ɖe nu si meɖia ƒo o ŋu? Milé to ɖe ŋunye nyuie, ne miaɖu nu si nyo, eye miakpɔ dzidzɔ ɖe nu damiwo ŋu.”Yesaya 55:2.

Satana ate ŋu aflu Yehowa subɔla dovevienuwo gɔ̃ hã

16, 17. (a) Nu ka tae Yesu gblɔ na Petro be: “Te yi megbenye, Satana”? (b) Aleke Satana ate ŋu aflu mí be míagayi edzi anɔ ŋudzɔ o?

16 Satana ate ŋu aflu Yehowa subɔla dovevienuwo gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, bu nu si dzɔ esi Yesu gblɔ na eyomedzelawo be wole ye wu ge kpuie la ŋu kpɔ. Apostolo Petro si lɔ̃ Yesu la gblɔ be: “Aƒetɔ, di nyui na ɖokuiwò; esia madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o.” Yesu gblɔ na Petro be: “Te yi megbenye, Satana!” (Mateo 16:22, 23) Nu ka tae Yesu yɔ Petro be “Satana”? Elabena Yesu nya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe ye dzi. Eteƒe madidi o, Yesu aku vɔsaku eye ema aɖee afia be Abosam nye alakpatɔ. Esia nye ɣeyiɣi vevi aɖe le amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya me, ke menye ɣeyiɣi si me Yesu ‘nadi nyui’ na eɖokui o. Avivi na Satana ŋutɔ ne ɖe Yesu meyi edzi nɔ ŋudzɔ o.

17 Nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu gogo, eya ta míawo hã míele agbe le ɣeyiɣi vevi aɖe me. Satana di be ‘míadi nyui’ na mía ɖokui, eye míana míaƒe susu nanɔ ale si nu nanyo na mí le xexea me ŋu. Edi be míaŋlɔ be be ŋkeke mamlɛawo mee míele eye míagayi edzi anɔ ŋudzɔ o. Mègana esia nadzɔ ɖe dziwò gbeɖegbeɖe o! ‘Nɔ ŋudzɔ’ boŋ. (Mateo 24:42) Mègaxɔ Satana ƒe alakpanya si nye be nuwuwua mava fifia o, alo mava kura o la dzi se o.

18, 19. (a) Mɔ ka dzie Satana ate ŋu ato able mí be míaxɔe ase be Yehowa melɔ̃ mí o? (b) Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ ŋudzɔ?

18 Satana gale didim be yeato mɔ bubu aɖe dzi able mí. Edi be míaxɔe ase be Yehowa melɔ̃ mí o, eye be Mawu matsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí akpɔ o. Gake Satana ƒe alakpanyawoe esiawo nye. Bu eŋu kpɔ, ame ka koŋue medze be Yehowa nalɔ̃e o? Satana ye. Eye ame kae Mawu matsɔ ake gbeɖe o? Satana ye. Gake le míawo ya gome la, Biblia gblɔ be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta . . . be o.” (Hebritɔwo 6:10) Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe nu sia nu si míewɔna be míaƒe nu nadze eŋu la ŋu, eye míaƒe subɔsubɔ manye dzodzro gbeɖe o. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:58.) Eya ta mègana Satana ƒe alakpanyawo naflu wò o.

19 Míekpɔe be ŋusẽ le Satana si, eƒe tagbɔ sẽ, eye wònye ameblela. Aleke míawɔ aɖu futɔ vɔ̃ɖi sia dzi? Yehowa kpena ɖe mía ŋu. Eto eƒe Nya la dzi klo nu le Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo dzi, si wɔe be “eƒe ayemɔwo mele ɣaɣla ɖe mí o.” (2 Korintotɔwo 2:11) Ne míenya mɔ vovovo siwo dzi Satana dina be yeato adze mía dzi la, enɔa bɔbɔe na mí be míanɔ ŋudzɔ. Gake Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nyanya ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Biblia gblɔ be: “Mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ.” (Yakobo 4:7) Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro mɔ etɔ̃ aɖewo siwo dzi míato awɔ avu kple Satana ahaɖu edzi la me.