Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Ame Si Do Agbe Mavɔ Ŋugbe

Srɔ̃ Ame Si Do Agbe Mavɔ Ŋugbe

“Mizu Mawu srɔ̃lawo abe via lɔlɔ̃awo ene.”EFESOTƆWO 5:1.

1. Ŋutete kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ Yehowa?

ESI Yehowa wɔ mí la, ede ŋutete mía me be míase amewo ƒe seselelãmewo gɔme, nenye be míawo ŋutɔ míeto nɔnɔme mawo me kpɔ o gɔ̃ hã. (Xlẽ Efesotɔwo 5:1, 2.) Aleke ŋutete sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ Yehowa? Eye nu ka tae wòle be míakpɔ nyuie le ale si míezãnɛ ŋu?

2. Ne míele fu kpem la, aleke Yehowa sena le eɖokui me?

2 Yehowa do ŋugbe na mí be eteƒe madidi o, fukpekpe aɖeke maganɔ anyi o. Amesiaminawo kple ‘alẽ bubuawo’ siaa ate ŋu akpɔ mɔ be yewoava nɔ agbe tegbee, le dziƒo loo alo le anyigba dzi. (Yohanes 10:16; 17:3; 1 Korintotɔwo 15:53) Gake Yehowa sea vevesese si me míetona ne nya vɔ̃ dzɔ ɖe mía dzi egbea la gɔme. Le blema la, ete ɖe Yehowa dzi ŋutɔ esi eƒe amewo nɔ fu kpem le Egipte. “Eya hã se veve.” (Yesaya 63:9) Emegbe esi eƒe amewo gbugbɔ nɔ gbedoxɔa tum eye wonɔ vɔvɔ̃m na woƒe futɔwo la, Yehowa se woƒe seselelãmea gɔme. Egblɔ na wo be: “Ame si ka asi mia ŋu la ka asi nye gadaglamakui ŋu.” (Zakariya 2:8) Ale si vidada lɔ̃a via vevie la, nenemae Yehowa lɔ̃a esubɔlawo vevie, eye wòdina be yeakpe ɖe wo ŋuti. (Yesaya 49:15) Ne míetsɔa mía ɖokui ɖoa amewo teƒe hedzea agbagba be míase ale si wole sesem le wo ɖokui me gɔme la, ekema míele Yehowa ƒe lɔlɔ̃ srɔ̃m.Psalmo 103:13, 14.

YESU SRƆ̃ YEHOWA EYE WÒLƆ̃ AMEWO

3. Aleke Yesu se le eɖokui me esi amewo nɔ fu kpem?

3 Yesu se amewo ƒe fukpekpewo gɔme na wo togbɔ be eya ŋutɔ meto nɔnɔme mawo me kpɔ o hã. Le kpɔɖeŋu me, enyae be agbea nɔ sesẽm na ame geɖe. Woƒe hakplɔlawo nɔ wo blem eye wode se gbogbo aɖewo siwo metso Mawu gbɔ o la na wo. Amewo vɔ̃na na kplɔla siawo. (Mateo 23:4; Marko 7:1-5; Yohanes 7:13) Togbɔ be Yesu ya mevɔ̃ na hakplɔla siawo o eye mexɔ woƒe alakpanyawo dzi se o hã la, ese nu si tae ameawo nɔ vɔvɔ̃m ɖo la gɔme na wo. Ete ɖe Yesu dzi ŋutɔ esi wòkpɔ ale si wole fu wɔm wo. Xɔnametɔ aɖeke mele wo si o, abe “alẽ siwo nu kplɔla mele o la ene.” (Mateo 9:36) Esi Yesu srɔ̃ Fofoa ta la, eya hã nye “nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula,” eye wòlɔ̃ amewo.Psalmo 103:8.

4. Esi Yesu kpɔ ale si amewo nɔ fu kpem la, nu kae wòwɔ?

4 Esi Yesu kpɔ ale si gbegbe amewo nɔ fu kpem la, lɔlɔ̃ ʋãe wòkpe ɖe wo ŋu. Ewɔ nu abe Fofoa ene. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi Yesu ƒe apostolowo yi ɖaɖe gbeƒã le teƒe didi aɖe la, ɖeɖi te wo ŋu vevie, eye wòhiã be woawo ɖeɖe woayi teƒe aɖe aɖaɖi ɖe eme. Kaka woaɖi go la, Yesu kpɔ be ameha gbogbo aɖewo va le yewo lalam le afi ma. Ekpɔe be ameawo hiã kpekpeɖeŋu, eya ta ede “asi nu geɖewo fiafia me wo.”—Marko 6:30, 31, 34.

LƆ̃ AMEWO ABE YEHOWA KE ENE

5, 6. Nu kae míawɔ nenye be míedi be míalɔ̃ amewo abe Yehowa ke ene? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

5 Nu kae míawɔ nenye be míedi be míalɔ̃ amewo abe Yehowa ke ene? Bu nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Alan ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Ele nɔviŋutsu tsitsi aɖe si megale nu kpɔm nyuie o eye azɔli hã menya le zɔzɔm nɛ o la ŋu bum. Alan de ŋugble le Yesu ƒe nya siawo ŋu be: “Ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.” (Luka 6:31) Eya ta Alan bia eɖokui be, ‘Nu kae medina be amewo nawɔ nam?’ Eɖo eŋu na eɖokui be, ‘Medina vevie be amewo naƒo bɔl kplim!’ Gake nɔviŋutsu tsitsi sia mate ŋu aƒu du alo aƒo bɔl o. Eya ta nya si wòle be Alan nabia eɖokui ye nye, ‘Ne nyee nye nɔviŋutsu ma la, nu kae madi be amewo nawɔ nam?’

6 Togbɔ be sɔhɛ ko Alan kpɔtɔ nye hã la, edze agbagba be yeabu ale si yease le ye ɖokui me ne ɖe yetsi ku amegã ŋu. Eya ta etena ɖe nɔvi tsitsia ŋu heɖoa toe nyuie ne ele nu ƒom. Esia na wòva kpɔe be esesẽna na nɔvi tsitsia be wòaxlẽ Biblia alo aɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me. Fifia Alan va kpɔ ale si wòate ŋu akpe ɖe nɔvi tsitsia ŋu eye wòdi be yeawɔ nu sia nu si yeate ŋui nɛ. Ne míesea amewo ƒe seselelãmewo gɔme eye míeɖea lɔlɔ̃ fiaa wo la, ekema míeɖi Yehowa.1 Korintotɔwo 12:26.

Nyo dɔme abe Yehowa ke ene (Kpɔ memama 7)

7. Aleke míawɔ ase nu siwo me tom mía nɔviwo le la gɔme?

7 Menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be míase nu siwo me tom amewo le la gɔme o, vevietɔ ne míawo ŋutɔ míeto nɔnɔme mawo me kpɔ o. Le kpɔɖeŋu me, mía nɔvi geɖe le veve sem le dɔléle, afɔku, alo tsitsi ta. Nɔvi aɖewo hã le fu kpem vevie le blanuiléle, dzimaɖitsitsi si gbɔ eme, alo le esi wowɔ fu wo va yi ta. Nɔvi bubu aɖewo hã nye dzilaɖekɛwo, alo woƒe ƒometɔwo menye Yehowa subɔlawo o. Kuxi le ame sia ame ŋu, eye ame sia ame kple etɔe. Gake míedi be míalɔ̃ amewo ahakpe ɖe wo ŋu. Ke nu kae míawɔ? Kpekpeɖeŋu si ame sia ame hiã la to vovo. Eya ta ne míeɖoa to amea nyuie hedzea agbagba be míase ale si wòle sesem le eɖokui me gɔme la, míanya kpekpeɖeŋu nyuitɔ si míanae. Ðewohĩ míate ŋu aɖo ŋku ale si Yehowa sena le eɖokui me le fu si kpem wòle ŋu la dzi nɛ. Alo míate ŋu akpe ɖe eŋu le mɔ bubuwo nu. Esia wɔwɔ afia be míele Yehowa srɔ̃m.Xlẽ Romatɔwo 12:15; 1 Petro 3:8.

NYO DƆME ABE YEHOWA KE ENE

8. Nu kae kpe ɖe Yesu ŋu wònyo dɔme na amewo?

8 Yehowa nyoa dɔme na amewo katã. (Luka 6:35) Eye Yesu ɖi Fofoa. Nu kae kpe ɖe Yesu ŋu wònyo dɔme na amewo esime wònɔ anyigba dzi? Ebua ale si amewo ase le wo ɖokuiwo me le nya si wòagblɔ alo nu si wòawɔ ŋu la ŋuti. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu aɖe si wɔ nu vɔ̃ geɖe la va Yesu gbɔ. Nyɔnua nɔ avi fam vevie eye eƒe aɖatsiwo nɔ kɔkɔm ɖe Yesu ƒe afɔwo ŋu. Yesu kpɔe be nyɔnua se veve ŋutɔ ɖe agbe si wònɔ va yi ta, eye wòtrɔ dzi me. Yesu de dzesii be ne yemenyo dɔme na nyɔnua o la, ase veve wòatso eme. Eya ta ekafu nyɔnua ɖe nɔnɔme nyui si wòɖe fia la ta, eye wòtsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee. Eyome Yesu ƒo nu na Farisitɔ si mekpɔ dzidzɔ ɖe nu si wòwɔ na nyɔnua ŋu o la hã tufafatɔe.Luka 7:36-48.

Hafi míatso nya me awɔ nane la, ele be míabu ŋusẽ si wòate ŋu akpɔ ɖe míawo ŋutɔ alo ame bubuwo dzi ŋu

9. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míanyo dɔme abe Yehowa ke ene? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Aleke míate ŋu anyo dɔme na amewo abe Yehowa ke ene? Ehiã be míabu nuwo ŋu nyuie hafi aƒo nu alo awɔ nu ale be míafa tu na amewo eye míagawɔ nu si ate ɖe wo dzi o. Paulo gblɔ be “mele be [Kristotɔ] nawɔ dzre o, ke boŋ wòafa tu na amewo katã.” (2 Timoteo 2:24) Le kpɔɖeŋu me, bu ale si nàte ŋu anyo dɔme le nɔnɔme siwo gbɔna me ŋu kpɔ: Ne wò dɔmemegã mele eƒe dɔ wɔm nyuie o la, nu kae nàwɔ? Ne nɔvi aɖe si megava kpekpe kpɔ o ɣleti geɖee nye esia la va Fiaɖuƒe Akpataa me la, nya kae nàgblɔ nɛ? Ne èle gbeƒã ɖem eye ame aɖe gblɔ be vovo mele ye ŋu yeaɖo to wò o la, aleke nàte ŋu afa tu nɛ? Ne srɔ̃wò bia wò nu si tae mègblɔ ɖoɖo aɖe si nèwɔ la nɛ do ŋgɔ o la, ɖe nàƒo nu nɛ tufafatɔea? Ele be míakpɔ ale si amewo ase le wo ɖokui me, kple dɔ si míaƒe nyawo awɔ ɖe wo dzi la le susu me. Ekema míanya nya si míagblɔ kple nu si míawɔ be míanyo dɔme abe Yehowa ke ene.Xlẽ Lododowo 15:28.

SRƆ̃ YEHOWA NE NÀDZE NUNYA

10, 11. Aleke míasrɔ̃ Yehowa ahadze nunya? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

10 Yehowa dze nunya eteƒe mekɔ o, eye ate ŋu atiae be yeakpɔ nu siwo adzɔ le etsɔme. Togbɔ be míawo ya míenya etsɔme o hã la, míate ŋu adze nunya. Le mɔ ka nu? Hafi míatso nya me awɔ nane la, ele be míabu ŋusẽ si wòate ŋu akpɔ ɖe míawo ŋutɔ alo ame bubuwo dzi ŋu. Mele be míanɔ abe Israel-viwo ene o. Womebu nu si ate ŋu adzɔ ɖe wo dzi ne wogbe toɖoɖo Yehowa ŋu o. Eye womebu ƒomedodo si le wo kplii dome kple nu siwo katã wòwɔ na wo hã ŋu o. Mose de dzesi esia, eya ta enya be Israel-viwo le nu gbegblẽ wɔ ge. Egblɔ be: “Wonye dukɔ si si tagbɔ mele o, eye womesea nu gɔme o. Ðe wònye nunyalawoe wonye la, anye ne wode ŋugble le esia ŋu! Anye ne wobu nu si ava dzɔ ɖe wo dzi la ŋu.”5 Mose 31:29, 30; 32:28, 29.

11 Le kpɔɖeŋu me, ele be nàde dzesii be ne srɔ̃ɖeŋugbedodo le wò kple nɔvi aɖe dome la, wò seselelãme kple gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo nu asẽ ɖe edzi. Eya ta migawɔ naneke si agblẽ nu le ƒomedodo si le mi kple Yehowa dome ŋu gbeɖe o! Ðe ema teƒe la, midze nunya eye miƒo asa na afɔku. Kpɔ aɖaŋu nyui si Yehowa ɖo ɖa: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui, ke ame makpɔnuteƒe yina ɖadea ta eme, eye wòkpɔa emetsonua.”Lododowo 22:3.

KPƆ NYUIE LE NU SIWO ŊU NÈBUNA ŊU

12. Aleke nu siwo ŋu míebuna ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu?

12 Nunyala léa ŋku ɖe nu si ŋu wòbuna ŋu. Nu siwo ŋu míebuna ate ŋu aɖe vi na mí alo agblẽ nu le mía ŋu, abe ale si ko wòle le dzo gome ene. Ne míeɖɔ ŋu ɖo le dzo ŋu la, míate ŋu azãe atsɔ aɖa nu. Gake ne míekpɔ nyuie o la, dzo ate ŋu abi míaƒe aƒe eye míawo ŋutɔ hã míatsi eme gɔ̃ hã. Alea wòle le nu siwo ŋu míebuna hã gome. Ne míebua nu siwo míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu ŋuti la, aɖe vi na mí. Gake ne míenɔa gbɔdɔdɔ manɔsenu alo vivi si míase ne míeƒo mía ɖokui ɖe agbe baɖa nɔnɔ me ŋu bum ɣesiaɣi la, adzro mí ale gbegbe be míakpɔ gome le eme. Esia ate ŋu agblẽ xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Yehowa dome la me.Xlẽ Yakobo 1:14, 15.

13. Nu ka susum Xawa nɔ ku ɖe eƒe agbe ŋu?

13 Míate ŋu asrɔ̃ nu tso nu si dzɔ ɖe nyɔnu gbãtɔ Xawa dzi la me. Yehowa de se na Adam kple Xawa be woagaɖu “sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia” ƒe tsetse aɖeke o. (1 Mose 2:16, 17) Gake Satana gblɔ na Xawa be: “Miele kuku ge akpɔ o. Elabena Mawu nyae be gbe si gbe miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” Xawa kpɔ ale si nuwo anyo nɛ le agbe me nenye be eya ŋutɔ ate ŋu atso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu na eɖokui la le susu me. Eyi edzi nɔ esia ŋu bum si na wòva “kpɔ be ati la nyo na ɖuɖu, eye ekpɔkpɔ dzroa ame.” Nu kae do tso eme? Egbe “eƒe tsetse la ƒe ɖe heɖu. Emegbe esi srɔ̃a va egbɔ la, ena ɖe eya hã wòɖu.” (1 Mose 3:1-6) Esia na “nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va.” (Romatɔwo 5:12) Mele be Xawa nayi edzi anɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu bum hafi o!

14. Aleke Biblia xlɔ̃ nu mí ku ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ŋu?

14 Ele eme be menye gbɔdɔdɔ manɔsenu ŋue Xawa ƒe nu vɔ̃a ku ɖo ya o. Ke hã Biblia xlɔ̃ nu mí eme kɔ ƒãa be, míaganɔ vivisese si anɔ gbɔdɔdɔ manɔsenu me ŋu bum o. Yesu gblɔ be: “Ame sia ame si le ŋku lém ɖe nyɔnu ŋu, eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (Mateo 5:28) Paulo hã xlɔ̃ nu mí be: “Miganɔ ɖoɖo wɔm ɖe kɔɖiɖi na ŋutilã ƒe nudzodzrowo ŋu o.”Romatɔwo 13:14.

15. Kesinɔnu kawo ŋue wòle be míaƒe susu nanɔ, eye nu ka tae?

15 Biblia gblɔ hã be míana míaƒe susu nanɔ ale si míadze Yehowa ŋu la ŋu, ke menye ale si míawɔ azu kesinɔtɔwo ŋu o. Ne ame aɖe nye gatɔ hã la, eƒe ga mate ŋu akpɔ eta ŋutɔŋutɔ o. (Lododowo 18:11) Yesu gblɔ be anye movidzɔdzɔ ne ame ƒo kesinɔnuwo nu ƒu na eɖokui gake Yehowa subɔsubɔ menye nu vevitɔ nɛ le agbe me o. Si fia be, “menye kesinɔtɔ le Mawu gbɔ o.” (Luka 12:16-21) Ne ‘míeƒo kesinɔnuwo nu ƒu na mía ɖokuiwo ɖe dziƒo’ to nu siwo dzea Yehowa ŋu wɔwɔ me la, míado dzidzɔ na eƒe dzi, eye dzi adzɔ míawo hã. (Mateo 6:20; Lododowo 27:11) Ɛ̃, ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Yehowa xɔ asi wu nu sia nu.

MÈGATSI DZIMAÐI FŨU O

16. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míadzudzɔ dzimaɖitsitsi?

16 Ne míedina be míazu kesinɔtɔwo le xexe sia me la, ana míatsi dzimaɖi fũu. (Mateo 6:19) Yesu gblɔ be asesẽ na ame siwo tsia dzimaɖi ɖe gakpɔkpɔ ŋu be woatsɔ Mawu Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me. (Mateo 13:18, 19, 22) Azɔ hã, ame aɖewo tsia dzimaɖi ɣesiaɣi ɖe nya vɔ̃ siwo ate ŋu ava dzɔ ɖe wo dzi la ŋu. Gake ne míetsia dzimaɖi ɣesiaɣi la, míate ŋu adze dɔ alo ale si míexɔ Yehowa dzi se me nagbɔdzɔ gɔ̃ hã. Ðe ema teƒe la, ele be míaka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu. Biblia gblɔ be “Nuxaxa le dzi me ɖe wòtea ame ƒe dzi ɖe anyi, ke nya nyui nana dzi kpɔa dzidzɔ.” (Lododowo 12:25) Eya ta ne ètsi dzi ɖe nane ŋu la, ɖo dze kple Yehowa subɔla aɖe si dze si wò nyuie. Dziwòla, srɔ̃wò alo xɔ̃wò vevi aɖe ate ŋu ade dzi ƒo na wò be nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye wòakpe ɖe ŋuwò be wò dzimaɖitsitsia dzi naɖe akpɔtɔ.

Ne ètsi dzimaɖi la, do gbe ɖa na Yehowa, eye nàɖo ŋku kpekpeɖeŋu si wònana wò la dzi

17. Aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míetsi dzimaɖi?

17 Yehowa sea míaƒe seselelãmewo gɔme wu ame bubu ɖe sia ɖe, eye ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nadze akɔ anyi nenye be míetsi dzimaɖi. Paulo gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Eya ta ne ètsi dzimaɖi la, ɖo ŋku kpekpeɖeŋu si Yehowa nana wò to nɔviwòwo, hamemetsitsiwo, kluvi nuteƒewɔla la, mawudɔlawo kple Yesu dzi la dzi ale be wò kplii ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me nasẽ.

18. Aleke nuwo kpɔkpɔ le susu me ƒe ŋutetea ɖea vi na mí?

18 Abe ale si míekpɔe ene la, míesrɔ̃a Yehowa nenye be míewɔa ŋutete si le mía si be míase amewo ƒe seselelãmewo gɔme la ŋu dɔ nyuie. (1 Timoteo 1:11; 1 Yohanes 4:8) Ne míelɔ̃a amewo henyoa dɔme na wo, ne míedea ŋugble le míaƒe nuwɔnawo me tsonuwo ŋu, eye míetsia dzimaɖi ɣeawokatãɣi o la, dzi adzɔ mí. Mina míanɔ ale si agbea anɔ le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la kpɔm le susu me, eye míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míasrɔ̃ Yehowa.Romatɔwo 12:12.