Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Awɔ Avu Kple Satana Ahaɖu Edzi!

Àte Ŋu Awɔ Avu Kple Satana Ahaɖu Edzi!

“Mitsi tsitre ɖe [Satana ŋu], minɔ te sesĩe le xɔse me.”—1 PETRO 5:9.

1. (a) Nu ka tae wòle vevie fifia be míawɔ avu kple Satana? (b) Aleke míewɔ nya be míate ŋu aɖu Satana dzi le avu si wɔm míele kplii me?

SATANA yi edzi le aʋa wɔm kple amesiamina siwo susɔ ɖe anyigba dzi kple ‘alẽ bubuawo.’ (Yohanes 10:16) Abosam di be yeazã ɣeyiɣi vi si susɔ na ye la atsɔ agblẽ Yehowa subɔla geɖe ale si yeate ŋui la ƒe xɔse dome. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 12:9, 12.) Gake míate ŋu aɖu Satana dzi le avu si wɔm míele kplii me. Biblia gblɔ be: “Mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ.”Yakobo 4:7.

2, 3. (a) Nu ka tae Satana medi be amewo naxɔe ase be yeli ŋutɔŋutɔ o? (b) Nu kae na nèxɔe se be Satana li ŋutɔŋutɔ?

2 Ame geɖe mexɔe se be Satana li ŋutɔŋutɔ o. Ewɔna na wo be ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le gliwo, agbalẽwo, sinima ɖivɔvɔ̃wo kple elektronikfefewo me koe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nye. Ame siawo gblɔna be, ne wò susu me ʋu ŋutɔŋutɔ la, màxɔe ase be gbɔgbɔ vɔ̃wo li o. Ðe wòɖea fu na Satana ne amewo mexɔe se be eya kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo li ŋutɔŋutɔ oa? Meɖea fu nɛ kura o. Enɔa bɔbɔe na Satana be wòaflu ame siawo. (2 Korintotɔwo 4:4) Le nyateƒe me la, ɖe Satana doa dzixɔse mawo ɖe ŋgɔ be yeatsɔ able amewo.

3 Gake mate ŋu able mí Yehowa subɔlawo ya o. Míenya nyuie be Abosam li ŋutɔŋutɔ. Elabena Biblia gblɔ na mí be, Satana to da aɖe dzi ƒo nu na Xawa. (1 Mose 3:1-5) Satana ƒo nu kple Yehowa eye wòtsɔ nya ɖe Hiob ŋu. (Hiob 1:9-12) Satana te Yesu kpɔ. (Mateo 4:1-10) Eye tso esime Yesu zu Fia le ƒe 1914 me la, Satana le ‘aʋa wɔm’ kple amesiamina siwo susɔ ɖe anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 12:17) Abosam kpɔtɔ le aʋa sia wɔm eye wòle agbagba ɖe sia ɖe dzem be yeagblẽ amesiaminawo kple alẽ bubuawo ƒe xɔse dome. Ele be míawɔ avu kple Satana ahalé xɔse me ɖe asi sesĩe hafi ate ŋu aɖu dzi. Le nyati sia me la, míadzro mɔ etɔ̃ siwo dzi míato awɔ esia me.

TSRI DADAGBƆGBƆ

4. Nu ka tae míagblɔ be Satanae nye dadala gãtɔ kekeake?

4 Satana mebɔbɔa eɖokui le mɔ aɖeke nu o. Mawudɔla vɔ̃ɖi sia do dzi tsɔ nya ɖe Mawu ŋu be medze aɖu dzi o, eye wòle amewo blem be woasubɔ ye boŋ ɖe Yehowa teƒe. Vɔ̃ɖitɔ mae nye dadala kple ɖokuidoɖedzila gãtɔ kekeake. Eya ta mɔ siwo dzi míato awɔ avu kple Satana dometɔ ɖekae nye be míatsri dàda eye míanye ɖokuibɔbɔlawo. (Xlẽ 1 Petro 5:5.) Gake nu kae nye dàda? Dàda ƒomevi ɖe sia ɖee gblẽa?

5, 6. (a) Dàda ƒomevi ɖe sia ɖee gblẽa? Ðe eme. (b) Dàda ka ƒomevie menyo o, eye eƒe kpɔɖeŋu kawoe le Biblia me?

5 Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe dàda gɔme be enye kakaɖedzinɔamesi kple bubudede ame ɖokui ŋu. Efia hã be “ame ƒe dzi nadze eme le esi eya ŋutɔ loo alo eƒe ame vevi aɖe wɔ nu nyui aɖe alo eƒe asi su nu nyui aɖe dzi ta.” Naneke megblẽ le sese le ame ɖokui me alea ŋu o. Apostolo Paulo gblɔ na nɔvi siwo nɔ Tesalonika be: “Míeƒoa adegbe [alo, dana] le mia ta le Mawu ƒe hameawo me, le ale si miedo dzi helé xɔse me ɖe asi le yometiti kple nɔnɔme sesẽ siwo katã me tom miele la ta.” (2 Tesalonikatɔwo 1:4) Eya ta ate ŋu aɖe vi na mí ne míedana ɖe dɔ nyui siwo amewo alo míawo ŋutɔwo gɔ̃ hã míewɔ dzi. Kokloxɔ mekpea ŋu na koklo o, eya ta mele be ƒome alo du si me míetso, alo afi si míenɔ tsi la nakpe ŋu na mí o.Dɔwɔwɔwo 21:39.

6 Ke hã dàda ƒomevi aɖe li si ate ŋu agblẽ ƒomedodowo me, vevietɔ mía kple Yehowa dome ƒomedodo. Dàda sia ƒomevi ate ŋu ana míabi dzi ne woxlɔ̃ nu mí. Ate ŋu ana gɔ̃ hã be míagbe nuxlɔ̃amea le esi teƒe be míabɔbɔ mía ɖokui axɔe. (Psalmo 141:5) Woƒo nu tso dàda sia ŋu be enye ɖokuiŋudzedze alo “ɖokuidodoɖedzi ƒe nɔnɔme, si ame siwo susuna be yewonyo wu ame bubuwo, evɔ mele nenema o, la ɖena fiana.” Yehowa lé fu dàda vɔ̃ɖi sia kple ɖokuidodoɖedzi. (Ezekiel 33:28; Amos 6:8) Gake edzɔa dzi na Satana ya ne amewo srɔ̃ eƒe ɖokuidodoɖedzi henɔa adegbe ƒom. Wò ya bu ale si Satana atso aseye esi Nimrod, Farao kple Absalom do wo ɖokuiwo ɖe dzi heƒu asi akɔ la ŋu kpɔ! (1 Mose 10:8, 9; 2 Mose 5:1, 2; 2 Samuel 15:4-6) Dàda kee na Kain gblẽ ƒomedodo si nɔ eya kple Mawu dome la me. Yehowa ŋutɔ xlɔ̃ nu Kain tẽe, gake egbe toɖoɖo le dàda ta. Esẽ dzi me, edo toku Mawu ƒe nuxlɔ̃amea eye wòwɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu megbemakpɔmakpɔe.1 Mose 4:6-8.

7, 8. (a) Nu kae nye ŋutigbalẽ ƒe vovototodedeameme, eye aleke wòdo ƒome kple dàda? (b) Ðe ale si dàda ate ŋu agblẽ hamea ƒe ŋutifafa mee la me.

7 Egbea dàda vɔ̃ɖi le ame geɖe me. Ɣeaɖewoɣi ŋutigbalẽ ƒe vovototo nana amewo dana. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be, ŋutigbalẽ ƒe vovototodedeameme nye susu vɔ̃ bubu ɖe ame siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo ŋu. “Amewo xɔe se hã be ŋutete kple nɔnɔme vovovoe le ŋutigbalẽ vovovoawo me tɔwo si, eye le dzɔdzɔme nu la, ŋutigbalẽ aɖe tɔwo de ŋgɔ wu, eye ɖewo bɔbɔ ɖe anyi wu.” Le nyateƒe me la, ŋutigbalẽ ƒe vovototodedeameme he dzrewɔwɔ, aʋawɔwɔ kple ame ƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa vɛ.

Dàda ate ŋu agblẽ hamea ƒe ŋutifafa me

8 Mele be nu siawo nadzɔ le Kristo hamea me kura o. Ke hã dàda ate ŋu ana nugɔmemasemase naɖo nɔviwo dome, eye wòate ŋu ado gã ɖe edzi ale gbegbe be enu manya lé o. Esia dzɔ ɖe Kristotɔ gbãtɔ aɖewo dzi, eye esia tae Yakobo bia ŋkubiãnya sia, be: “Afi kae aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ siwo le mia dome la tso?” (Yakobo 4:1) Ne míelé fu ame aɖewo le míaƒe dzi me alo míese le mía ɖokui me be míenyo wu wo la, ate ŋu ana míagblɔ nya aɖe alo awɔ nane si ave wo kaɖikaɖi. (Lododowo 12:18) Edze ƒãa be dàda ate ŋu agblẽ hamea ƒe ŋutifafa me.

9. Aleke Biblia kpe ɖe mía ŋu be míatsri ŋutigbalẽ ƒe vovototodedeameme kple dàda vɔ̃ɖi ƒomevi bubuwo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

9 Ne ewɔna na mí be míenyo wu ame bubuwo la, ke ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa lé fu “ame sia ame si dana le eƒe dzi me.” (Lododowo 16:5) Ele hã be míadzro míaƒe dzi me ahabia mía ɖokuiwo be, ‘Ðe mesena le ɖokuinye me be menyo wu ŋutigbalẽ, dukɔ alo to bubu me tɔwoa?’ Ke efia be míeŋlɔe be bena Mawu na “dukɔ sia dukɔ dzɔ tso ame ɖeka me.” (Dɔwɔwɔwo 17:26) Eya ta le mɔ aɖe nu la, ame ƒomevi ɖeka koe mí katã míenye, elabe Adam mee mí katã míedzɔ tso. Susu mele eme kura be míaxɔe ase be Mawu wɔ ŋutigbalẽ aɖe tɔwo wonyo wu bubuawo o. Ne míebua nuwo ŋu alea la, ke efia be míeɖe mɔ na Satana be wòagblẽ míaƒe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔa me. (Yohanes 13:35) Be nàte ŋu awɔ avu kple Satana ahaɖu edzi la, ele be nàtsri dàda vɔ̃ɖi ƒomevi ɖe sia ɖe.Lododowo 16:18.

MÈGANYE ŊUTILÃMENUDILA ALO ALƆ̃ XEXEA O

10, 11. (a) Nu ka tae wòanɔ bɔbɔe be míava nɔ xexea lɔ̃m? (b) Nu kae do tso eme esi Dema lɔ̃ xexea?

10 Satanae nye “xexe sia dzi ɖula,” eye xexea le eƒe ŋusẽ te. (Yohanes 12:31; 1 Yohanes 5:19) Nu siwo xexea dona ɖe ŋgɔ dometɔ geɖe tsi tre ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo ŋu. Ele eme be menye nu siwo katã le xexea me ye gblẽ ya o. Gake ele be míanyae be Satana awɔ xexea me nu siwo dzroa mí ŋu dɔ atsɔ ate mí akpɔ be míawɔ nu vɔ̃. Alo adze agbagba be yeana míalɔ̃ xexea, eye míagblẽ Yehowa subɔsubɔ ɖi.Xlẽ 1 Yohanes 2:15, 16.

11 Kristotɔ gbãtɔ aɖewo lɔ̃ xexea. Le kpɔɖeŋu me, Paulo gblɔ be: “Dema gblẽm ɖi le esi wòlɔ̃ fifi nuɖoanyi sia ta.” (2 Timoteo 4:10) Biblia megblɔ xexea ƒe akpa si tututu Dema lɔ̃ si na wògblẽ Paulo ɖi o. Ate ŋu anye be Dema va nɔ ŋutilãmenuwo lɔ̃m wu subɔsubɔdɔ si wɔm wòle na Yehowa. Ne alea wòle la, ke mɔnukpɔkpɔ dodzidzɔname siwo su Dema si le Mawu subɔsubɔ me la ge le esi. Ðe wòsɔ be wòatsɔ mɔnukpɔkpɔ mawo asa vɔe ɖe ŋutilãmenuwo ta? Kura o. Ðe wòle be Dema nayi edzi anɔ kpekpem ɖe Paulo ŋu hafi. Elabena makpɔ naneke le xexea me si anyo wu yayra siwo wòakpɔ tso Yehowa gbɔ o.Lododowo 10:22.

Migana míaɖe mɔ gbeɖe be ga nava nɔ vevie na mí wu xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Yehowa dome o

12. Aleke Satana ate ŋu awɔ míaƒe didiwo ŋu dɔ ahatsɔ “kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” ate mí akpɔe?

12 Esia ate ŋu adzɔ ɖe míawo hã dzi egbea. Esɔ be mí Kristotɔwo míadi be míakpɔ míawo ŋutɔ kple míaƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. (1 Timoteo 5:8) Yehowa di be míase vivi na agbea. Míate ŋu agblɔe alea elabena ewɔ Adam kple Xawa da ɖe paradiso nyui aɖe me. (1 Mose 2:9) Gake Satana ate ŋu awɔ didi sia ŋu dɔ ahatsɔ “kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” ate mí akpɔe. (Mateo 13:22) Ame geɖe susui be ga kple kesinɔnuwoe ana yewoakpɔ dzidzɔ eye eme nanyo na yewo. Ne míebua nuwo ŋu alea la, ate ŋu ana nu xɔasitɔ si le mía si, si nye míaƒe ƒomedodo kple Yehowa, nage le mía si. Yesu xlɔ̃ nu mí be: “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o; elabena alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo alé ɖe ɖeka ŋu, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.” (Mateo 6:24) Ne míenye ŋutilãmenuwo ƒe kluvi la, ke efia be míeganye Yehowa subɔlawo o. Nu ma tututu dim Satana le. Migana míaɖe mɔ gbeɖe be ga alo nu siwo ga ate ŋu aƒle nava nɔ vevie na mí wu xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Yehowa dome o. Eya ta be míawɔ avu kple Satana ahaɖu edzi la, ele be susu nyuitɔ nanɔ mía si ku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu.—Xlẽ 1 Timoteo 6:6-10.

SI LE GBƆDƆDƆ MANƆSENU NU

13. Aleke xexe sia doa srɔ̃ɖeɖe kple gbɔdɔdɔ ƒe susu gbegblẽwo ɖe ŋgɔe?

13 Mɔ̃ bubu si Satana trena ye nye gbɔdɔdɔ manɔsenu. Ame geɖewo susui be nuteƒewɔwɔ na srɔ̃ŋutsu ɖeka alo srɔ̃nyɔnu ɖeka, kple srɔ̃ɖeɖe ŋutɔ hã, megale tsia dzi o eye wònana ame xaxana. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu fefewɔla aɖe gblɔ be manya wɔ be woaku ɖe ame ɖeka ko ŋu o. Egblɔ kpee be, “Nyemenya ame aɖeke si le nuteƒe wɔm na srɔ̃a alo di be yeawɔe o.” Ŋutsu fefewɔla aɖe hã gblɔ be, “Nyemeka ɖe edzi be ɖe wowɔ mí be míanɔ anyi kple ame ɖeka aɖe le míaƒe agbemeŋkekewo katã me o.” Satana kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne ame xɔŋkɔwo ƒo nu tsi tre ɖe Mawu ƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe ŋu. Abosam mekpɔ dzidzɔ ɖe srɔ̃ɖeɖoɖoa ŋu o, eye medi be srɔ̃ɖeɖewo nadze edzi o. Eya ta be míate ŋu awɔ avu kple Satana ahaɖu edzi la, ele be míabu srɔ̃ɖeɖe abe ale si Mawu bunɛ ene.

14, 15. Nu kae wòle be nàwɔ ne edzroa wò be nàkpɔ gome le gbɔdɔdɔ manɔsenu me?

14 Míeɖe srɔ̃ alo míeɖaɖe srɔ̃ o, ele be míaʋli vevie atsri gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒomevi ɖe sia ɖe. Ðe esia anɔ bɔbɔea? Kura o! Le kpɔɖeŋu me, ne sɔhɛe nènye la, ɖewohĩ èsenɛ wò sukuhatiwo ƒoa adegbe be yewoƒe asi tea ŋu sua ŋutsuvi alo nyɔnuvi ɖe sia ɖe si dim yewole dzi. Ðewohĩ woƒoa adegbe hã be yewoɖoa gbɔdɔdɔ ŋu nyawo kple eƒe fotowo ɖe yewo xɔlɔ̃wo to asitelefon dzi. Le nyateƒe me le dukɔ aɖewo me la, wobua nuwɔna sia ŋkubiãnyae abe ɖeviwo gbɔ dɔdɔ nuwɔnawo ɖeɖefia ke ene. Biblia gblɔ be: “Ame si ƒoa eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me la le nu vɔ̃ wɔm ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu.” (1 Korintotɔwo 6:18) Dɔléle siwo woxɔ to gbɔdɔdɔ manɔsenu me he fukpekpe kple ku vɛ na ame geɖe. Eye sɔhɛ geɖe siwo kpɔ gome le gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me la gblɔ be eve yewo ŋutɔ be yewonɔ agbe ma. Le modzakaɖeɖe siwo xexea dona ɖe ŋgɔ me la, wodina be míaxɔe ase be Mawu ƒe sewo dzi dada magblẽ naneke le mía ŋu o. Gake ne míexɔ alakpanya mawo dzi se la, ekema “nu vɔ̃ ƒe amebleŋusẽ” ƒe mɔ̃ ate ŋu aɖe mí bɔbɔe.Hebritɔwo 3:13.

15 Nu kae wòle be nàwɔ ne edzroa wò be nàkpɔ gome le gbɔdɔdɔ manɔsenu me? Ele be nànyae be esia nye yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ. (Romatɔwo 7:22, 23) Eya ta do gbe ɖa na Mawu be wòado ŋusẽ wò. (Filipitɔwo 4:6, 7, 13) Ƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu akplɔ wò ade gbɔdɔdɔ manɔsenu me. (Lododowo 22:3) Eye ne èdo go esia ƒe tetekpɔ aɖe la, si le enu enumake.1 Mose 39:12.

16. Nya kae Yesu gblɔ esime Satana nɔ etem kpɔ, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?

16 Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Mena nu siwo Satana tsɔ ɖo eŋkume la flui o. Yesu megblẽ ɣeyiɣi aɖeke kura be yeabu nu mawo ŋu gɔ̃ hã o. Ke boŋ eɖo eŋu na Satana enumake be: “Woŋlɔ ɖi be.” (Xlẽ Mateo 4:4-10.) Esi Yesu nya Mawu ƒe Nya la nyuie ta la, ete ŋu yɔ ŋɔŋlɔawo enumake tsɔ ɖo nya ŋu na Satana esime wònɔ etem kpɔ. Be míawɔ avu kple Satana ahaɖu edzi la, mele be míana ta ne míedo go gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe tetekpɔwo o.1 Korintotɔwo 6:9, 10.

YI EDZI NÀDO DZI BE NÀÐU AƲA DZI

17, 18. (a) Satana ƒe mɔ̃tetre bubuwoe nye kawo, eye nu ka tae míenya be míato nu siawo me? (b) Nu kae adzɔ ɖe Satana dzi, eye aleke esia dea dzi ƒo na wò be nàdo dzi?

17 Dàda, ŋutilãmenudidi kple gbɔdɔdɔ manɔsenu nye Satana ƒe mɔ̃tetrewo dometɔ etɔ̃ ko. Geɖewo gali. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ aɖewo ƒe ƒometɔwo tsi tsitre ɖe wo ŋu vevie, alo woƒe sukuhatiwo ɖua fewu le wo ŋu. Kristotɔ aɖewo hã le dukɔ siwo me dziɖuɖua le agbagba dzem be yeaxe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa nu la me. Míenya be míato nɔnɔme sesẽ siawo me. Yesu xlɔ̃ nu mí be: “Amewo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta, ke ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.”Mateo 10:22.

Woatsrɔ̃ Satana gbidigbidi (Kpɔ memama 18)

18 Nu kae míawɔ be míaɖu Satana dzi? Yesu gblɔ be: “Ne miedo dzi la, miaɖe miaƒe agbewo.” (Luka 21:19) Amegbetɔ aɖeke mate ŋu awɔ naneke atsɔ agblẽ nu le mía ŋu tegbee o. Ame aɖeke mate ŋu agblẽ mía kple Mawu dome xɔlɔ̃wɔwɔa me o, negbe ɖe míawo ŋutɔ míeɖe mɔ ɖe eŋu. (Romatɔwo 8:38, 39) Ne Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖe ku gɔ̃ hã la, ema mefia be Satana ɖu dzi o. Elabena Yehowa afɔe ɖe tsitre. (Yohanes 5:28, 29) Satana sie mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o. Le xexe vɔ̃ɖi sia tsɔtsrɔ̃ megbe la, woatsɔe aƒu gbe ɖe aʋli me ƒe 1,000. (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, “woaɖe Satana le gaxɔa me” eye wòagadze agbagba zi mamlɛa be yeable amegbetɔ deblibowo. Ema megbe la, woatsrɔ̃e gbidigbidi. (Nyaɖeɖefia 20:7-10) Togbɔ be etsɔme nyui aɖeke meli na Abosam o hã la, eli na wò ya! Eya ta yi avu si wɔm nèle kple Satana dzi eye nànɔ te sesĩe le xɔse me. Ɛ̃, àte ŋu awɔ avu kple Satana ahaɖu edzi!