Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Wokpɔ” Nu Siwo Ŋugbe Mawu Do La

“Wokpɔ” Nu Siwo Ŋugbe Mawu Do La

“Togbɔ be woƒe asi mesu ŋugbedodoawo dzi o hã . . . wokpɔ wo le adzɔge ɖaa.”HEBRITƆWO 11:13.

1. Nu ka tae wònyo be míetea ŋu kpɔa nu siwo míekpɔ ŋutɔŋutɔ haɖe o la le susu me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

YEHOWA na nunana nyui aɖe mí. Eyae nye ŋutete si le mía si be míakpɔ nu siwo míekpɔ ŋutɔŋutɔ haɖe o la le susu me. Ŋutete siae nana míekpɔa mɔ na nu nyuiwo eye wònana míewɔa ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu be míaƒo asa na kuxiwo. Yehowa ya kpɔa etsɔme, eye wògblɔa nu siwo míanɔ mɔ kpɔm na la na mí. Togbɔ be womeva míekpɔ haɖe o hã la, míate ŋu akpɔ wo le susu me ahaka ɖe edzi be woava eme godoo.2 Korintotɔwo 4:18.

2, 3. (a) Aleke nu siwo medzɔ haɖe o ŋu bubu ate ŋu aɖe vi na mí? (b) Biabia kawo ƒe ŋuɖoɖowoe míakpɔ le nyati sia me?

2 Gake enye nyateƒe be ɣeaɖewoɣi la, míenɔa nu siwo mate ŋu adzɔ akpɔ o la susum. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnuvi sue ate ŋu anɔ ekpɔm le susu me be yenɔ anyi ɖe kpakpaluʋui aɖe dzi wòkɔ ye le dzodzom le yame. Míenya be ema mate ŋu adzɔ gbeɖe o. Gake Samuel dada Hana ya nɔ nu siwo ate ŋu adzɔ ŋutɔŋutɔ la susum. Eyi edzi nɔ gbe si gbe wòakplɔ viaŋutsuvia ayi avɔgbadɔa me be wòawɔ dɔ kple nunɔlawo la kpɔm le susu me. Esia menye drɔ̃eƒenya aɖe ko o. Enye nu si wòɖo ɖe dzi me be yeawɔ. Esi Hana na ŋkeke ma nɔ susu me nɛ ɖaa ta la, ekpe ɖe eŋu wòwɔ ŋugbe si wòdo na Yehowa dzi. (1 Samuel 1:22) Ne míawo hã míebua nu siwo ŋugbe Yehowa do na mí ŋu la, ke nu siwo ava eme ŋutɔŋutɔ kpɔmee míele le susu me.2 Petro 1:19-21.

3 Yehowa subɔla siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la dometɔ geɖe nɔ nu siwo ŋugbe Mawu do la kpɔm le susu me. Nu ka tae wònyo be wowɔ esia? Nu ka tae wònyo be míanɔ ale si agbea ava nɔ na mí ne Mawu ƒe ŋugbedodowo va eme la kpɔm le susu me?

NU SIWO AVA LE ETSƆME ŊU BUBU DO ŊUSẼ WOƑE XƆSE

4. Nu ka tae Abel anya nɔ etsɔme nyui aɖe ŋu bum?

4 Abel ye nye ame gbãtɔ si xɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi se. Enya nya si Yehowa gblɔ na da la esime Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃: “Mana fuléle nanɔ wò kple nyɔnu la dome, wò dzidzimevi kple nyɔnu la ƒe dzidzimevi dome. Eya agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (1 Mose 3:14, 15) Abel menya ale si tututu nya siawo ava emee o. Gake anya nɔ ŋugble dem le nya si Mawu gblɔ ŋu vevie. Abel anɔ eɖokui biam be, ‘Ame kae da la aɖu afɔkpodzi na, ame si ava kpe ɖe amegbetɔwo ŋu be woagade blibo?’ Abel xɔe se be nu sia nu si ŋugbe Yehowa do ava eme, eye le esia ta esi wòsa vɔ na Yehowa la, edze eŋu.Xlẽ 1 Mose 4:3-5; Hebritɔwo 11:4.

5. Nu ka tae wònyo be Enok nɔ ale si nuwo ava nɔ le etsɔme la kpɔm le susu me?

5 Enok nye ame bubu si xɔ Mawu dzi se vevie. Ame vɔ̃ɖi siwo nɔ ‘nya baɖawo’ gblɔm tso Mawu ŋu la domee wònɔ. Gake dzi nɔ Enok ƒo wòɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasia. Egblɔ na amewo be Yehowa le ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃ ge. (Yuda 14, 15) Nu kae kpe ɖe Enok ŋu wòwɔ esia? Anya nɔ ale si xexea me anɔ nenye be ame sia ame subɔa Yehowa la kpɔm ɖaa le susu me.Xlẽ Hebritɔwo 11:5, 6.

6. Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, nu ka ŋue Noa anya nɔ bubum?

6 Noa xɔ Yehowa dzi se, eya ta metsrɔ̃ le Tsiɖɔɖɔa me o. (Hebritɔwo 11:7) Eye xɔse ʋã Noa wòtsɔ lãwo sa vɔ na Yehowa. (1 Mose 8:20) Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ gado agbogbo ɖe xexea me. Nimrod dze amewo dzi ɖuɖu gɔme eye wòdi be amewo katã nadze aglã ɖe Yehowa ŋu. (1 Mose 10:8-12) Gake Noa lé xɔse me ɖe asi sesĩe. Abe Abel ene la, eya hã ka ɖe edzi be Mawu ava ɖe nu vɔ̃ kple ku ɖa gbe ɖeka. Noa anya nɔ ɣeyiɣi si me dziɖula sẽŋuta aɖeke maganɔ anyi o hã ŋu bum. Míawo hã míate ŋu anɔ ɣeyiɣi dodzidzɔname sia si tu aƒe ŋutɔ fifia la kpɔm le susu me!Romatɔwo 6:23.

WONƆ ƔEYIƔI SI MAWU ƑE ŊUGBEDODOWO AVA EME ŊU BUM

7. Nu kawoe Abraham, Isak kple Yakob nɔ mɔ kpɔm na?

7 Abraham, Isak kple Yakob siaa nɔ nu nyui siwo ava va la ŋu bum. Yehowa do ŋugbe na wo be yeayra anyigba dzi dukɔwo katã to woƒe “dzidzimeviwo” dzi. (1 Mose 22:18; 26:4; 28:14) Mawu gado ŋugbe na wo hã be woƒe ƒome ava zu dukɔ gã aɖe eye woanɔ Ŋugbedodonyigba nyui la dzi. (1 Mose 15:5-7) Esi Abraham, Isak kple Yakob nya be Yehowa ƒe ŋugbedodowo ava eme ta la, wonɔ ekpɔm le susu me be yewoƒe ƒomewo le anyigba ma dzi xoxo. Le nyateƒe me la, tso esime Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ la, Yehowa kpe ɖe esubɔla wɔnuteƒewo ŋu wose egɔme be amegbetɔwo agava de blibo ake.

8. Nu kae kpe ɖe Abraham ŋu be xɔse sẽŋu nɔ esi eye wòɖo to Yehowa?

8 Esi xɔse sẽŋu nɔ Abraham si ta la, eɖo to Yehowa le nɔnɔme siwo sesẽ ŋutɔ gɔ̃ hã me. Abraham kple nuteƒewɔla bubuwo te ŋu nɔ nu siwo ŋugbe Yehowa do la kpɔm nyuie le susu me, togbɔ be ŋugbedodo siawo meva eme le woƒe agbenɔɣi o hã. Biblia gblɔ be: “Wokpɔ wo le adzɔge ɖaa, eye wodo ɖoaƒe na wo.” (Xlẽ Hebritɔwo 11:8-13.) Abraham nya be Yehowa wɔ ŋugbe siwo wòdo va yi la katã dzi, eya ta eka ɖe edzi be nu siwo ŋugbe Yehowa do be yeawɔ le etsɔme hã ava eme godoo.

Ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me nɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Yehowa kple eƒe dziɖuɖua akpɔ anyigba dzi nyawo gbɔ tegbee

9. Esi Abraham xɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se la, aleke esia kpe ɖe eŋui?

9 Esi Abraham xɔ ŋugbe siwo Yehowa do nɛ dzi se ta la, eyi edzi wɔ nu siwo Yehowa di tso esi. Le kpɔɖeŋu me, eʋu le wo de Ur, eye tso ɣemaɣi la, meganɔ dugã aɖeke me eteƒe didi o. Enya be du mawo manɔ anyi ɖaa o, elabena woƒe dziɖulawo menye Yehowa subɔlawo o. (Yosua 24:2) Nu si wònɔ mɔ kpɔm na boŋue nye ɣeyiɣi si me Yehowa kple eƒe dziɖuɖua akpɔ anyigba dzi nyawo gbɔ tegbee. Dziɖuɖu mae nye “du si gɔmeɖoanyi ŋutɔŋutɔwo li na . . . , si ƒe aɖaŋuwɔla kple tsolae nye Mawu.” (Hebritɔwo 11:10) Abraham, Abel, Enok, Noa kple ame bubuwo xɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi se. Ɣesiaɣi si wode ŋugble le agbe tegbee nɔnɔ le anyigba nyui aɖe dzi ŋu la, ale si woxɔ Yehowa dzi se la me gasẽna ɖe edzi.Xlẽ Hebritɔwo 11:15, 16.

10. Nu ka tae wònyo be Sara nɔ ale si nuwo ava nɔ kpɔm le susu me?

10 Abraham srɔ̃ Sara hã xɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi se bliboe. Togbɔ be Sara tsi xɔ ƒe 90 hã la, enɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si wòadzi vi. Sara nɔ ale si viawo ava zu dukɔ gã la gɔ̃ hã kpɔm le susu me. (Hebritɔwo 11:11, 12) Nu kae na kakaɖedzi ma gbegbe nɔ esi? Eyae nye be, Yehowa gblɔ na Abraham be: “[Mayra Sara], eye mana wòadzi ŋutsuvi na wò; ɛ̃, mayrae, eye wòazu dukɔ geɖewo dada; dukɔwo ƒe fiawo adzɔ tso eme.” (1 Mose 17:16) Sara dzi viŋutsuvi abe ale si Yehowa do ŋugbee ene, si ŋkɔe nye Isak. Nukunu sia na wòka ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋugbedodo bubuawo hã ava eme. Ne míawo hã míekpɔa nu nyui siwo katã ŋugbe Yehowa do na mí le susu me la, esia ado ŋusẽ míaƒe xɔse.

EYI EDZI NƆ TEƑEÐOÐO LA ŊU BUM

11, 12. Nu kae na Mose ƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nɔ to dem ɖe edzi?

11 Mose hã ka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi. Wonyii le Egipte abe fia vi ene. Gake esi Mose lɔ̃ Yehowa wu nu bubu ɖe sia ɖe ta la, metia ɖoƒe gã kple kesinɔnuwo o. Edzila siwo nye Hebritɔwo la fia nui tso Yehowa ŋu, be Yehowa do ŋugbe be yeaɖe Hebritɔwo tso kluvinyenye me ahatsɔ Ŋugbedodonyigbaa ana wo. (1 Mose 13:14, 15; 2 Mose 2:5-10) Zi ale si Mose nɔ ŋugbedodo mawo ŋu bum la, zi nenemae eƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nɔ to dem ɖe edzi.

12 Biblia gblɔ nu si ŋu bum Mose nɔ la na mí ale: “Le xɔse me Mose, esime wòtsi la, egbe be woagayɔ ye be Farao vinyɔnu la ƒe vi o, eye wòtiae be yeakpe fu kple Mawu ƒe dukɔ la, wu be yease nu vɔ̃ ƒe vivi si nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko, elabena ebu ŋukpe si wodoe abe Kristo la ene be exɔ asi sãsãsã wu Egipte ƒe kesinɔnuwo, elabena eƒe ŋku nɔ teƒeɖoɖofetu la dzi tututu.”—Hebritɔwo 11:24-26.

13. Nu ka tae wònyo be Mose nɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu bum?

13 Mose anya nɔ ŋugbe si Yehowa do be yeaɖe Hebritɔwo tso kluvinyenye me la ŋu bum vevie. Abe Yehowa subɔla bubuawo ene la, Mose nyae be Yehowa aɖe amegbetɔwo tso ku si me. (Hiob 14:14, 15; Hebritɔwo 11:17-19) Eya ta Mose nya ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ eƒe amewo. Esia na Mose ƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple xɔse me sẽ ɖe edzi. Ekpe ɖe eŋu wòyi edzi subɔ Yehowa le eƒe agbe me katã. (5 Mose 6:4, 5) Esi Farao do ŋɔdzi na Mose be ne eke atsɛ gado ɖe ye ŋkume yeana woawui la, mevɔ̃ kura o. Enyae be Yehowa aɖo eteƒe na ye godoo.2 Mose 10:28, 29.

NƆ NU SIWO MAWU ƑE DZIÐUÐUA AVA WƆ LA ŊU BUM

Ðe nèkpɔnɛ le susu me be yele nu siwo ŋugbe Yehowa do na ye la wɔm le xexe yeyea mea? (Kpɔ memama 15)

14. Nu kae ame aɖewo susuna le etsɔme ŋu?

14 Ne ame geɖe le etsɔme ŋu bum la, nu siwo madzɔ gbeɖe o ye vaa susu me na wo. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo siwo da ahe kolikoli la nɔa drɔ̃e kum be yewoava zu gãtɔ gãwo, eye naneke magahiã yewo o. Gake Biblia gblɔ na mí be agbenɔnɔ le Satana ƒe xexe sia me ayɔ fũu kple “fukpekpe kple nuxaxa.” (Psalmo 90:10) Ame aɖewo hã susuna be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖe akpɔ xexea me ƒe kuxiwo gbɔ. Gake Biblia na míenya be Mawu ƒe dziɖuɖua koe ate ŋu awɔ esia. (Daniel 2:44) Ame geɖe hã susuna be alea koe nuwo anɔ le xexea me ɖaa. Gake Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu atsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia. (Zefaniya 1:18; 1 Yohanes 2:15-17) Ame siwo katã nɔa mɔ kpɔm na nu siwo to vovo na nu siwo Yehowa ɖo be yeawɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ azu dzodzro.

15. (a) Nu ka tae wònyo be míanɔ nu siwo ŋugbe Mawu do na mí la kpɔm le susu me? (b) Gblɔ nu siwo nèle mɔ kpɔm na la dometɔ ɖeka.

15 Yehowa do nu nyui geɖewo ŋugbe na mí. Ɣeyiɣi si nu siawo ava eme ŋu bubu ana dzi nanɔ mía dzɔm eye dzi naɖo mía ƒo míayi edzi asubɔe. Ðe nèkpɔnɛ le susu me be yele nu siwo ŋugbe Yehowa do na ye la wɔm, eɖanye le dziƒo alo anyigba dzia? Ne wò mɔkpɔkpɔe nye be yeanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la, ekema kpɔe le susu me be yee nye ema le dɔ wɔm kple xɔlɔ̃wo be anyigba la nazu paradiso nyui aɖe. Ame siwo le dɔawo dzi kpɔm la tsɔ ɖe le eme na wò vevie. Eye ame sia ame si ƒo xlã wò la lɔ̃ Yehowa abe wò ke ene. Èle lãmesẽ me, ŋusẽ le ŋuwò, eye naneke kura mele fu ɖem na wò o. Dzi le dzɔwòm elabena àte ŋu azã wò ŋutete kple aɖaŋu atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woakafu Yehowa. Ðewohĩ èle nu fiam ame siwo wogbɔ agbee la be woanya Yehowa. (Yohanes 17:3; Dɔwɔwɔwo 24:15) Nu siawo kpɔkpɔ le susu me menye drɔ̃ekuku o. Elabena nu si Biblia gblɔ tso etsɔme ŋu na míeka ɖe edzi be nya siawo katã ava eme.Yesaya 11:9; 25:8; 33:24; 35:5-7; 65:22.

ƑO NU TSO NU SIWO NÈLE MƆ KPƆM NA ŊU

16, 17. Nu ka tae wònyo be míanɔ nu ƒom tso nu siwo ŋugbe Yehowa do be yeawɔ na mí le etsɔme la ŋu?

16 Ne míegblɔa nu siwo míele mɔ kpɔm be míava wɔ le xexe yeyea me na mía nɔewo la, míekpena ɖe mía nɔewo ŋu be míaƒe susu nanɔ nu nyui siwo gbɔna ŋu. Míenya nu si tututu mía dometɔ ɖe sia ɖe awɔ ɣemaɣi ya o. Gake ne míeƒoa nu tso nu siwo míele mɔ kpɔm na ŋu la, míeɖenɛ fiana be míexɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi se. To esia dzi la, míedea dzi ƒo na mía nɔewo be míayi edzi asubɔ Yehowa le ɣeyiɣi sesẽ siawo me, abe ale si apostolo Paulo kple nɔvi siwo nɔ Roma la wɔe ene.Romatɔwo 1:11, 12.

17 Zi ale si míele nu siwo ŋugbe Yehowa do be yeawɔ na mí le etsɔme ŋu bum la, zi nenemae míeɖea susu ɖa le míaƒe kuxiwo dzii. Gbe ɖeka esi Petro tsi dzi la, egblɔ na Yesu be: “Kpɔ ɖa! Míegblẽ nuwo katã ɖi hedze yowòme; ke nu kae ava nye mía tɔ?” Esi Yesu di be Petro kple nusrɔ̃la bubuawo ƒe susu nanɔ nu nyui siwo woava wɔ le etsɔme ŋu ta la, egblɔ na wo be: “Ne Amegbetɔvi la bɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui dzi la, mi ame siwo dze yonyeme hã mianɔ anyi ɖe fiazikpui wuieve dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel to wuieveawo. Eye ame sia ame si gblẽ aƒewo alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo viwo alo agblewo ɖi le nye ŋkɔ ta la, akpɔ wo ɖe eteƒe zi alafa, eye wòanyi agbe mavɔ dome.” (Mateo 19:27-29) Eya ta Petro kple nusrɔ̃la mamlɛawo ate ŋu akpɔe le susu me be yewoe nye ema le fia ɖum kple Yesu le dziƒo hele kpekpem ɖe amegbetɔ toɖolawo ŋu le anyigba dzi be woagazu ame deblibowo ake.

18. Nu ka tae wònyo be míanɔ ɣeyiɣi si Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme la kpɔm le susu me?

18 Míeva kpɔ nu si kpe ɖe Yehowa subɔlawo ŋu be xɔse sẽŋu nɔ wo si. Abel kpɔ nu nyui si ŋugbe Yehowa do la le susu me, eye esi wòxɔ ŋugbedodo ma dzi se ta la, eƒe nu dze Yehowa ŋu. Esi Abraham ƒe susu nɔ ɣeyiɣi si Yehowa ƒe ŋugbedodo ku ɖe “dzidzimevi” la ŋu ava eme ŋu ta la, eɖo to Yehowa le nɔnɔme siwo sesẽ ŋutɔ gɔ̃ hã me. (1 Mose 3:15) Mose ƒe ŋku nɔ teƒeɖoɖo si ŋugbe Yehowa do nɛ ŋu, eye esia kpe ɖe eŋu wòlɔ̃ Yehowa heyi edzi wɔ nuteƒe nɛ. (Hebritɔwo 11:26) Ne míawo hã míekpɔa ɣeyiɣi si Yehowa ƒe ŋugbedodowo katã ava eme le susu me la, míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple xɔse me asẽ ɖe edzi. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro mɔ bubu siwo nu míazã nuwo kpɔkpɔ le susu me ƒe ŋutetea le.