Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔ Agbe Wòawɔ Ðeka Kple Kpɔɖeŋugbedodoɖa La—Akpa I

Nɔ Agbe Wòawɔ Ðeka Kple Kpɔɖeŋugbedodoɖa La—Akpa I

“Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.”—MATEO 6:9.

1. Ne míele gbeƒã ɖem la, aleke míezãa Yesu ƒe gbedodoɖa si le Mateo 6:9-13 lae?

AME geɖe nya gbedodoɖa si le Mateo 6:9-13 me nyawo nyuie. Ne míele gbeƒã ɖem la, míezãa gbedodoɖa sia me nyawo tsɔ fiaa nu amewo be, Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si Mawu ɖo anyi, si ava trɔ anyigba wòazu paradiso. Míezãa eƒe akpa si nye “wò ŋkɔ ŋuti nakɔ” tsɔ ɖenɛ fiana be ŋkɔ le Mawu si, eye ele be míakɔ eŋu.—Mateo 6:9.

2. Aleke míewɔ nya be Yesu medi be míagbugbɔ anɔ nya mawo ke gblɔm ɣesiaɣi si míedi be míado gbe ɖa o?

2 Ðe Yesu di be míagbugbɔ anɔ nya mawo ke gblɔm ɣesiaɣi si míedi be míado gbe ɖa, abe ale si ame geɖe wɔnɛ enea? Ao. Yesu gblɔ do ŋgɔ be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migagbugbɔ nɔ nya ɖeka mawo ke gblɔm atraɖii . . . o.” (Mateo 6:7) Ɣebubuɣi esi nusrɔ̃lawo bia be Yesu nafia gbedodoɖa yewo la, egbugbɔ gbedodoɖa ma fia wo, gake menye nya ɖeka mawo tututue wògbugbɔ gblɔ o. (Luka 11:1-4) Kpɔɖeŋugbedodoɖa fiamee Yesu le mí, be míanya nu siwo tɔgbi míate ŋu abia ne míele gbe dom ɖa.

3. Nya kawoe nàte ŋu abia ɖokuiwò ne míele kpɔɖeŋugbedodoɖa la me dzrom?

3 Le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me la, míadzro kpɔɖeŋugbedodoɖa la me tsitotsito. Ne míele eme dzrom la, bia ɖokuiwò be, ‘Aleke gbedodoɖa sia ate ŋu akpe ɖe ŋunye mado gbe ɖa nyuie wu?’ Vevietɔ wu la, ‘Ðe mele agbe nɔm wòle ɖeka wɔm kple kpɔɖeŋugbedodoɖa la?’

“MÍA FOFO SI LE DZIƑOWO”

4. Nu ka dzie nya siwo nye “mía Fofo” ɖoa ŋkui na mí, eye mɔ ka nue Yehowa nye mía Fofo le?

4 Yesu dze eƒe gbedodoɖa la gɔme be, “Mía Fofo.” Esia ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa nye mía nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa katã Fofo. (1 Petro 2:17) Yehowa xɔ ame siwo wòtia be woanɔ dziƒo la abe viawo ene, eya ta enye wo Fofo le mɔ tɔxɛ aɖe nu. (Romatɔwo 8:15-17) Ame siwo anɔ agbe tegbee le anyigba dzi hã ate ŋu ayɔe be “Fofo.” Yehowa ye na agbe wo, eye wòkpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo lɔlɔ̃tɔe. Ne wova de blibo eye wowɔ nuteƒe na Yehowa le dodokpɔ mamlɛtɔ me la, woayɔ wo be “Mawu ƒe viwo.”—Romatɔwo 8:21; Nyaɖeɖefia 20:7, 8.

5, 6. Nunana nyui kae dzilawo ate ŋu ana wo viwo, eye nu kae wòle be ɖevi ɖe sia ɖe nawɔ kple nunana sia? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

5 Ne dzilawo kpe ɖe wo viwo ŋu wose egɔme be Yehowa nye wo Fofo si le dziƒo, eye wofia wo be woado gbe ɖa nɛ la, nu gã aɖee nye ema wona wo. Nutome sue dzikpɔla aɖe si le South Africa (Afrique du Sud) gblɔ be: “Tso gbe si gbe míedzi mía vinyɔnuviawo la, medoa gbe ɖa kpli wo zã sia zã, negbe ɖe mezɔ mɔ. Mía viawo gblɔna be yewomeɖo ŋku nya siwo tututu megblɔna le anyimlɔɣi ƒe gbedodoɖa mawo me le yewoƒe ɖevime dzi ya o. Gake woɖoa ŋku nɔnɔme si me míedonɛ ɖa le, ale si míebua dzeɖoɖo kple mía Fofo Yehowa nu kɔkɔe, eye míeɖea dzi ɖi hesena le mía ɖokui me be míele dedie la dzi. Esi wotsi vie ko la, mede dzi ƒo na wo be woakɔ gbe dzi ado gbe ɖa ne mate ŋu ase ale si woɖea woƒe susu kple seselelãmewo gblɔna na Yehowa. Esia ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi nam be mete ŋu nya nu si le dzi me na wo. Ale mete ŋu kpe ɖe wo ŋu vivivi be woade nu vevi siwo dze le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me la ƒe ɖewo woƒe gbedodoɖawo me be wòaganyo ɖe edzi wu.”

6 Esi vianyɔnuawo tsi gɔ̃ hã la, woyi edzi le tetem ɖe Yehowa ŋu. Fifia woɖe srɔ̃ eye wo kple wo srɔ̃wo le Yehowa subɔm le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Nunana nyuitɔ si dzilawo ate ŋu ana wo viwoe nye be woafia wo be Ame ŋutɔŋutɔe Yehowa nye, eye be woate ŋu anye exɔlɔ̃ veviwo. Ke hã ele be ɖevi ɖe sia ɖe nawɔ eƒe akpa dzi be xɔlɔ̃wɔwɔ sia nanɔ eya kple Yehowa dome ɖaa.—Psalmo 5:11, 12; 91:14.

“WÒ ŊKƆ ŊUTI NAKƆ”

7. Mɔnukpɔkpɔ kae su mía si, gake nu kae wòle be míawɔ?

7 Bubu gã aɖee wònye na mí be míenya Mawu ƒe ŋkɔ eye míenye ‘dukɔ si ŋu eƒe ŋkɔ le.’ (Dɔwɔwɔwo 15:14; Yesaya 43:10) Míedoa gbe ɖa be, “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” Eye míebiaa Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu be míagagblɔ nya aɖeke alo awɔ naneke si ado vloe o. Mele be míanɔ abe ƒe alafa gbãtɔ me tɔ aɖewo siwo mewɔa nu si woawo ŋutɔ fiaa amewo dzi o la ene gbeɖe o. Paulo gblɔ na wo be: “Wole busunya gblɔm ɖe Mawu ƒe ŋkɔ la ŋu le dukɔwo dome le mia ta.”—Romatɔwo 2:21-24.

8, 9. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be Yehowa kpena ɖe ame siwo kɔa eƒe ŋkɔ ŋu la ŋu.

8 Míewɔa nu sia nu si míate ŋui tsɔ dea bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe si le Norway srɔ̃ ku eye wògblẽ eya kple viaŋutsuvi si xɔ ƒe eve ko la ɖi. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Ɣeyiɣi sesẽ aɖe ŋutɔe esia nye nam. Medoa gbe ɖa gbe sia gbe, gaƒoƒo ɖe sia ɖe kloe, biaa Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye mate ŋu aɖu nye seselelãmewo dzi ale be nyemagawɔ nyametsotso gbegblẽ aɖeke alo ado kpo nuteƒewɔwɔ be Satana natsɔe aɖe alɔme le eŋu o. Medi vevie be makɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, eye medi hã be vinyea nakpɔ fofoa le Paradiso me.”—Lododowo 27:11.

9 Ðe Yehowa ɖo nɔvinyɔnua ƒe gbedodoɖawo ŋu nɛa? Ɛ̃. Nɔviwo dome nɔnɔ ɣesiaɣi de dzi ƒo nɛ geɖe. Ƒe atɔ̃ megbe la, hamemetsitsi aɖe ɖee. Viaŋutsu si xɔ ƒe 20 fifia la nye nɔvi xɔnyɔnyrɔ. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Enye dzidzɔ nam be srɔ̃nye kpe ɖe ŋunye míehe ɖevia.”

10. Aleke Mawu akɔ eƒe ŋkɔ ŋu bliboe?

10 Yehowa akɔ eƒe ŋkɔ ŋu bliboe ne etsrɔ̃ ame siwo katã doa vloe eye wogbe eƒe dziɖuɖu la ɖa gbidigbidi. (Xlẽ Ezekiel 38:22, 23.) Ɣemaɣi la, amegbetɔwo ade blibo, eye ame siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la asubɔ Yehowa ɖeka ko ahakɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu. Ɣemaɣi mía Fofo si le dziƒo anye “nuwo katã na ame sia ame.”—1 Korintotɔwo 15:28.

“WÒ FIAÐUƑE NAVA”

11, 12. Le ƒe 1876 me la, nu ka gɔmee Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu wose?

11 Hafi Yesu natrɔ ayi dziƒo la, eƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Aƒetɔ, ɖe nègbugbɔ le fiaɖuƒe la ɖom anyi na Israel le ɣeyiɣi sia mea?” Yesu ɖo eŋu na wo be ɣeyiɣi mede be woanya ɣeyiɣi si Mawu Fiaɖuƒea adze dziɖuɖu gɔme o. Egblɔ na nusrɔ̃laawo be woƒe susu nanɔ gbeƒãɖeɖedɔ vevi la ŋu boŋ. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 1:6-8.) Gake do ŋgɔ la, efia wo be woado gbe ɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava, eye be woanɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi ma vevie. Esia tae míegadoa gbe ɖa kokoko be Fiaɖuƒea nava ɖo.

12 Esi ɣeyiɣia nɔ dedem ne Yesu nadze dziɖuɖu gɔme le dziƒo la, Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu wode dzesi ƒe si me esia adzɔ. Le ƒe 1876 me la, Nɔviŋutsu Charles Taze Russell ŋlɔ nyati si ƒe tanyae nye, “Trɔ̃subɔlawo Ƒe Ɣeyiɣi La: Ɣekaɣie Wòawu Enu?” Eɖe eme be, “ɣeyiɣi adre” si le Daniel ƒe nyagblɔɖia me la kee nye “dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo” le Yesu ƒe nyagblɔɖia me. Nyatia ɖe eme be ɣeyiɣi mawo awu enu le ƒe 1914 me. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)—Daniel 4:16; Luka 21:24.

13. Nu kae dzɔ le ƒe 1914 me, eye tso ɣemaɣi la, nu ka dzie xexemenudzɔdzɔwo ɖo kpee?

13 Le ƒe 1914 me la, aʋa dzɔ le Europa eye eteƒe medidi o, ekeke ta ɖo xexea me katã. Aʋawɔwɔa na dɔ gã aɖe to le teƒeteƒewo. Esi aʋaa ke le ƒe 1918 me la, dɔvɔ̃ aɖe wu amewo le xexea me godoo wòsɔ gbɔ wu ame siwo ku le aʋaa me. Nu siawo katã nye “dzesi” si Yesu na ƒe akpa aɖe. Dzesia me vava ɖo kpe edzi be woɖo Yesu Fia le dziƒo le ƒe 1914 me. (Mateo 24:3-8; Luka 21:10, 11) Le ƒe ma me la, edo “go yi ɖale aʋa dzi ɖum be yeawu yeƒe aʋadziɖuɖu la nu.” (Nyaɖeɖefia 6:2) Yesu nya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi. Ema megbe la, nyagblɔɖi sia te emevava: “Baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum vevie, elabena enyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye.”—Nyaɖeɖefia 12:7-12.

14. (a) Nu ka tae wòle be míayi edzi anɔ gbe dom ɖa be Mawu Fiaɖuƒea nava? (b) Dɔ vevi kae wòle be míanɔ wɔwɔm fifia?

14 Nyagblɔɖi ma si le Nyaɖeɖefia ta 12 la kpe ɖe mía ŋu míese nu si tae nu dziŋɔwo te dzɔdzɔ le anyigba dzi tso esime Yesu zu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la gɔme nyuie. Togbɔ be Yesu le dzi ɖum le dziƒo hã la, Satana ye le dzi ɖum le anyigba dzi. Gake eteƒe madidi o, Yesu ‘awu eƒe aʋadziɖuɖu’ la nu ne eɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã ɖa le anyigba dzi. Hafi ɣemaɣi naɖo la, míayi edzi anɔ gbe dom ɖa be Mawu Fiaɖuƒea nava, eye míayi edzi anɔ Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gblɔm veviedodotɔe. Dɔ si wɔm míele na Yesu ƒe nyagblɔɖi sia le eme vam: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mateo 24:14.

“WÒ LƆLƆ̃NU NAVA EME LE ANYIGBA DZI”

15, 16. Ne míedoa gbe ɖa be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi ko evɔa? Ðe eme.

15 Anɔ ƒe 6,000 ye nye esi va yi la, wonɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba dzi. Esia tae Yehowa gblɔ be nu sia nu si yewɔ la ‘nyo ŋutɔ.’ (1 Mose 1:31) Gake Satana dze aglã, eye tso ɣemaɣi la, ame akpa gãtɔ mele Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm o. Ke hã egbea ame siwo anɔ abe miliɔn enyi ene le Yehowa subɔm. Wodoa gbe ɖa be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi, eye woawo ŋutɔ hã wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm. Wonɔa agbe si dzea Mawu ŋu, eye wofiaa nu amewo tso eƒe Fiaɖuƒea ŋu dzonɔamemetɔe.

Ðe nèle nu fiam viwòwo be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nua? (Kpɔ memama 16)

16 Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu dutanyanyuigblɔla tsitsi aɖe si le Afrika, si xɔ ƒe 80 eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1948 me la, gblɔ be: “Medoa gbe ɖa zi geɖe be nya la naɖo ame siwo katã ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ la gbɔ ale be míakpe ɖe wo ŋu woava nya Yehowa hafi wòatsi megbe akpa. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne medi be maɖi ɖase na ame aɖe la, medoa gbe ɖa biaa nunya be nya la nade amea ƒe dzi gbɔ. Eye medoa gbe ɖa be Yehowa nayra ɖe agbagba siwo dzem míele dzi ale be míate ŋu akpe ɖe ame siwo katã ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ siwo ŋu míeke ɖo la ŋu.” Nɔvinyɔnu tsitsi sia kpe ɖe ame geɖewo ŋu wova srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Ðe nènya nɔvi tsitsi bubu aɖewo siwo le Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm veviedodotɔea?—Xlẽ Filipitɔwo 2:17.

17. Aleke nu siwo Yehowa awɔ na amegbetɔwo kple anyigba la na nèse le ɖokuiwò me?

17 Míayi edzi anɔ gbe dom ɖa be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu nava eme, va se ɖe esime wòaɖe eƒe futɔwo katã ɖa le anyigba dzi. Ekema anyigbaa azu paradiso, eye woafɔ ame miliɔn akpe geɖe siwo ku la ɖe tsitre. Yesu gblɔ be, “gaƒoƒo la gbɔna, esime ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.” (Yohanes 5:28, 29) Wò ya kpɔ dzidzɔ si gbegbe wòanye na mí be míaxɔ míaƒe ame vevi siwo wofɔ ɖe tsitre la atuu ɖa le susu me! Mawu “atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa” le míaƒe mo. (Nyaɖeɖefia 21:4) Ame siwo woafɔ ɖe tsitre la dometɔ akpa gãtɔ anye “ame madzɔmadzɔwo,” ame siwo mesrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Yehowa kple Yesu ŋu kpɔ o. Dzi adzɔ mí be míafia nu wo be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ne woakpɔ “agbe mavɔ.”—Dɔwɔwɔwo 24:15; Yohanes 17:3.

18. Nu kawoe amegbetɔƒomea hiã vevie wu?

18 Mawu Fiaɖuƒea ava kɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋu, eye ame siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la awɔ ɖeka ade ta agu na Yehowa. Ɛ̃, Mawu ana nu siawo siwo amegbetɔƒomea hiã vevie wu la wo ne eɖo nu vevi etɔ̃ gbãtɔ siwo míebiana le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me la ŋu. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro nuhiahiã vevi bubu siwo ŋu Yesu gblɔ be míado gbe ɖa le la me.

^ mm. 12 Be nàkpɔ ale si míewɔ nya be ƒe 1914 mee nyagblɔɖi sia va eme la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? axa 215-218.