Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔ Agbe Wòawɔ Ðeka Kple Kpɔɖeŋugbedodoɖa La—Akpa II

Nɔ Agbe Wòawɔ Ðeka Kple Kpɔɖeŋugbedodoɖa La—Akpa II

“Mia Fofo la nya nu siwo le mia hiãm.”—MATEO 6:8.

1-3. Nu ka tae nɔvinyɔnu aɖe ka ɖe edzi be Yehowa nya nu si tututu yehiã?

GBESIAGBE MƆÐELA aɖe si ŋkɔe nye Lana maŋlɔ nu si dzɔ esi wòɖi tsa yi Germany le ƒe 2012 me be akpɔ o. Ese le eɖokui me be Yehowa ɖo yeƒe gbedodoɖa eve ŋu na ye. Esi wònɔ keteke me yina yameʋudzeƒe la, ebia Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeakpɔ ame aɖe aɖi ɖase nɛ. Esi wòva ɖo yameʋudzeƒea la, ese be yameʋu si ɖo ge yeala magaho gbe ma gbe o. Lana ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu, elabena ezã eƒe ga vɔ, eya ta ehiã teƒe si wòatsi adɔ.

2 Esi Lana nya do gbe ɖa vɔ teti ko la, ese ame aɖe gblɔ be, “Ei! Lana, nu ka dim nèle le afi sia?” Ðekakpui aɖe si wo kplii wode suku ye. Dadaa kple mamaa le eŋu; wova ɖoe ɖa esi wòle mɔ zɔm yina South Africa (Afrique du Sud). Esi Lana gblɔ eƒe kuxia na wo la, ɖekakpuia dadaa kple mamaa gblɔ nɛ be ate ŋu ava tsi yewo gbɔ adɔ faa. Wobia nya geɖee tso eƒe dzixɔsewo kple mɔɖeɖedɔa ŋu.

3 Ŋufɔke le ŋdinuɖuɖu megbe la, wogabia nya bubu geɖe Lana tso Biblia ŋu eye wòɖo wo ŋu na wo. Lana xɔ woƒe adrɛs kple kaƒodzesi ale be wòate ŋu awɔ ɖoɖo ne ame aɖe natrɔ ayi wo gbɔ ahaɖo biabia bubuwo ŋu na wo. Lana trɔ gbɔ va aƒe dedie eye wògale eƒe mɔɖeɖedɔa dzi. Ekpɔe be Yehowa se yeƒe gbedodoɖawo, enya nu si tututu yehiã eye wòkpe ɖe ye ŋu.—Psalmo 65:2.

Mehiã be míatsi dzimaɖi ɖe nu siwo míava hiã le etsɔme ŋu o

4. Nuhiahiã kawo mee míadzro?

4 Ne kuxi aɖe tu mí kpata la, míedoa gbe ɖa biaa Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu, eye edzɔa dzi nɛ be yeaɖo to míaƒe gbedodoɖawo. (Psalmo 34:15; Lododowo 15:8) Gake Yesu fia mí le eƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa me be nanewo li siwo hiã vevie wu siwo ŋu wòle be míado gbe ɖa le. Le nyati sia me la, míadzro nu vevi ene mamlɛ siwo dze le gbedodoɖaa me siwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ nuteƒe na Yehowa la me.—Xlẽ Mateo 6:11-13.

“NA MÍAƑE ABOLO SI ASU MÍA NU EGBE LA MÍ”

5, 6. Nu ka tae Yesu fia mí be míado gbe ɖa abia “míaƒe abolo” ne nuɖuɖu bɔ ɖe mía si gɔ̃ hã?

5 Yesu fia mí be míabia “míaƒe abolo” ke menye “nye abolo” o. Nutome sue dzikpɔla aɖe si le Afrika si ŋkɔe nye Victor gblɔ be: “Medaa akpe na Yehowa vevie be mehiãna be nye kple srɔ̃nye míatsi dzi fũu ɖe nu si míaɖu alo ɖe xɔfetu xexe ŋu o. Nɔviwo nyoa dɔme kpɔa míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí gbe sia gbe. Gake medoa gbe ɖa be nɔvi siwo doa alɔ mí la nate ŋu akpe akɔ kple woƒe gakuxiwo.”

6 Ðewohĩ nuɖuɖu bɔ ɖe míawo ya si, gake mía nɔvi geɖewo da ahe. Eye dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ wo dometɔ aɖewo ƒe nuwo dome. Ele be míado gbe ɖa ɖe wo ta eye ne míate ŋui la, míakpe ɖe wo ŋu ŋutɔŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ana nu siwo le mía si la ƒe ɖe woawo hã. Míate ŋu anɔ nu dzɔm edziedzi hena Yehowa ƒe amewo ƒe xexea me katã ƒe dɔa. Míenyae be míaƒe nudzɔdzɔwoe wotsɔ kpena ɖe nɔvi siwo hiã tu ŋu.—1 Yohanes 3:17.

7. Kpɔɖeŋu kae Yesu wɔ tsɔ fia mí be mele be ‘míatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o’?

7 Esi Yesu fia kpɔɖeŋugbedodoɖaa vɔ la, exlɔ̃ nu mí be míagana míaƒe susu katã nanɔ ŋutilãmenuwo ŋu o. Egblɔ be ne Yehowa léa be na seƒoƒo siwo le gbe me la, “ɖe maɖo atsyɔ̃ na miawo ya geɖe wu oa, mi xɔseʋɛtɔwo? Eya ta migatsi dzimaɖi gbeɖe agblɔ be: . . . ’Nu kae míado?’ hã o.” Eyome egagblɔ be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o.” (Mateo 6:30-34) Mehiã be míatsi dzimaɖi ɖe nu siwo míava hiã le etsɔme ŋu o. Ke boŋ ele be nuhiahiã vevi siwo sua mía si gbe sia gbe la nadze mía ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ado gbe ɖa abia afi si míaziɔ ta ɖo, dɔ si ana míakpɔ míaƒe ƒomea dzi kple nunya be míatso nya me nyuie le lãmesẽnyawo ŋu. Gake nane li si gale vevie wu si wòle be míado gbe ɖa abia.

8. Nu ka dzie nya siwo Yesu gblɔ tso míaƒe gbe sia gbe bolo ŋu la nana míeɖoa ŋkui? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

8 Nya siwo Yesu gblɔ tso míaƒe gbe sia gbe bolo ŋu la na míeɖoa ŋku nya bubu aɖe si wògblɔ dzi be: “Menye abolo ɖeɖe ko nu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me la hã nu.” (Mateo 4:4) Eya ta ehiã vevie be míanɔ gbe dom ɖa be Yehowa nayi edzi anɔ nu fiam mí eye wòana nu siwo míehiã be míakpɔtɔ anɔ eŋu kplikplikpli la mí.

“TSƆ MÍAƑE FEWO KE MÍ”

9. Nu ka tae míaƒe nu vɔ̃wo le abe fenyinyi ene?

9 Le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me la, Yesu gblɔ be: “Tsɔ míaƒe fewo ke mí.” Egblɔ ɣebubuɣi be: “Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí.” (Mateo 6:12; Luka 11:4) Egblɔe alea elabena míaƒe nu vɔ̃wo le abe fe siwo míenyi ene. Le ƒe 1951 me la, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ɖe eme be ne míewɔ nu vɔ̃ la, ɖeko wòle abe ɖe míenyi fe le Yehowa ŋu ene. Míenyi lɔlɔ̃ kple toɖoɖo ƒe fe le Yehowa ŋu. Eya ta ne míewɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu la, efia be míegbe fe si míenyi le eŋu la xexe nɛ. Gbetakpɔxɔ la gblɔ be ne Yehowa lɔ̃ la, ate ŋu atso xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo si le mía kplii dome la me. Egblɔ kpee be: “Nu vɔ̃ wɔwɔ fia be míelɔ̃ Mawu o.”—1 Yohanes 5:3.

Nɔ akpe dam na Yehowa ɖaa ɖe tafe ƒe nunana xɔasi la ta

10. Nu ka dzie Yehowa nɔa te ɖo tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí, eye nu kae wòle be esia naʋã mí míawɔ?

10 Aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be Yehowa na Yesu va xe fe ɖe mía ta ale be wòate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí! Míehiãa Yehowa ƒe tsɔtsɔke gbe sia gbe. Ƒe 2,000 kloe nye esia si Yesu va ku ɖe mía ta, ke hã tafea kpɔtɔ le vi ɖem na mí va se ɖe egbe. Ele be míanɔ akpe dam na Yehowa ɖaa ɖe tafe ƒe nunana xɔasi sia ta. Mía dometɔ aɖeke mate ŋu axe fe si hiã be woaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me akpɔ gbeɖe o. (Xlẽ Psalmo 49:7-9; 1 Petro 1:18, 19.) Kpɔɖeŋugbedodoɖa la me nya siwo nye “tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí” ɖoa ŋku edzi na mí be mía nɔviwo hã hiã tafea abe míawo ke ene. Yehowa di be míanɔ mía nɔviwo kple wo kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu bum. Esia bia be ne wowɔ nu vɔ̃ ɖe mía ŋu la, míalɔ̃ faa atsɔe ake wo kaba. Zi geɖe la, nu vɔ̃ suesuewo koe esiawo nyena, eya ta ne míetsɔe ke wo la, ke míele eɖem fia be míelɔ̃ wo. Ewɔwɔ alea ɖenɛ fiana hã be míedaa akpe be Yehowa tsɔa míawo hã míaƒe nu vɔ̃wo kea mí.—Kolosetɔwo 3:13.

11. Nu ka tae wòle vevie be míatsɔ amewo ƒe vodadawo ake wo?

11 Esi míede blibo o ta la, ɣeaɖewoɣi etea ŋu sesẽna be míatsɔe ake ame siwo da vo ɖe mía ŋu. (3 Mose 19:18) Ne míegblɔa nu si wowɔ ɖe mía ŋu la na hamea me tɔ bubuwo la, ate ŋu awɔe be woade akpa aɖe dzi eye esia agblẽ hamea ƒe ɖekawɔwɔ me. Ne míetsi esia nu o la, ke efia be míede asixɔxɔ Mawu ƒe nunana si nye tafea ŋu o, eye tafea ƒe viɖewo masu mía si o. (Mateo 18:35) Ne míetsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo o la, Yehowa hã matsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí o. (Xlẽ Mateo 6:14, 15.) Azɔ hã ne míedi be Yehowa natsɔ ake mí la, ele be míatsri nu sia nu si wòlé fui la wɔwɔ.—1 Yohanes 3:4, 6.

Ne èdi be Mawu natsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò la, ke ele be nàtsɔ amewo ƒe vodadawo ake wo (Kpɔ memama 11)

“MÈGAKPLƆ MÍ YI TETEKPƆ ME O”

12, 13. (a) Nu kae dzɔ le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe teti? (b) Nu ka tae mele be míabu fɔ ame bubuwo ne míena ta le tetekpɔ me o? (d) Esi Yesu wɔ nuteƒe va se ɖe ku me la, nu ka dzie esia ɖo kpee?

12 Kpɔɖeŋugbedodoɖaa ƒe akpa si nye “mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o” ɖoa ŋku nu si dzɔ ɖe Yesu dzi le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe teti la dzi na mí. Mawu ƒe gbɔgbɔ la kplɔe yi gbedadaƒo “be Abosam natee kpɔ.” (Mateo 4:1; 6:13) Nu ka tae Yehowa ɖe mɔ esia dzɔ? Yehowa ɖo Yesu ɖe anyigba dzi be wòakpɔ nya si fɔ ɖe te esi Adam kple Xawa tu afɔkpo Yehowa ƒe dziɖuɖu la gbɔ. Woƒe aglãdzedzea fɔ biabia siwo hiã ɣeyiɣi hafi woakpɔ ŋuɖoɖo na wo la ɖe te. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nane gblẽ le ale si Yehowa wɔ amegbetɔwoe ŋua? Ðe ame deblibo ate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ne “vɔ̃ɖitɔ la” tee kpɔa? Eye ɖe eme anyo na amewo wu ne amegbetɔwo le amegbetɔwo dzi ɖuma? (1 Mose 3:4, 5) Ne wova ɖo biabia siawo katã ŋu le etsɔme wòde edeƒe abe ale si Yehowa dii ene la, ekema ame siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi anyae be Yehowa ƒe dziɖuɖu ye nye nyuitɔ.

Míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa le dodokpɔ sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me

13 Yehowa le kɔkɔe, eya ta metsɔa nu vɔ̃ɖiwo tea ame aɖeke kpɔ gbeɖe o. Satana ye nye “Tela la.” (Mateo 4:3) Satana tea mí kpɔ le mɔ vovovowo nu. Gake ekpo ɖe míawo ŋutɔ gbɔ—mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu atiae be yeaɖu tetekpɔa dzi loo alo yeana ta. (Xlẽ Yakobo 1:13-15.) Esime Satana te Yesu kpɔ la, eyɔ nya tso Mawu ƒe Nya la me tsɔ tsi tre ɖe eŋu enumake. Yesu wɔ nuteƒe na Mawu. Gake Satana metrɔ tame vɔ̃ si wòɖo la o. Edzo le egbɔ helala “hena ɣeyiɣi bubu si agasɔ nɛ.” (Luka 4:13) Yesu ɖo to Mawu abe Dziɖula ene ɣesiaɣi, tetekpɔ ka kee Satana he va edzi o. Ewɔ nu tsɔ ɖee fia be ame deblibo ate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa le dodokpɔ sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me. Gake Satana le agbagba dzem be yeate Yesu yomedzelawo katã kpɔ be woagbe toɖoɖo Yehowa, eye etɔ ŋku wò hã.

Yehowa ka ɖe edzi be míate ŋu awɔ nuteƒe na ye, eye wòle klalo be yeakpe ɖe mía ŋu

14. Nu kawoe wòle be míawɔ be míagana ta ne wote mí kpɔ o?

14 Egahiã kokoko be woakpɔ nya si fɔ ɖe te ku ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋu la gbɔ. Eya ta le xexe si me míele fifia me la, Yehowa ɖea mɔ Satana tea mí kpɔna. Menye Yehowa ye ‘kplɔa mí yia tetekpɔ me o.’ Le nyateƒe me la, eka ɖe edzi be míate ŋu awɔ nuteƒe na ye, eye wòle klalo be yeakpe ɖe mía ŋu. Gake mezia mía dzi be míawɔ nu si le eteƒe o. Edea bubu tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe si wòna mí ŋu. Eya ta egblẽe ɖe mía si me be míatso nya me ne míawɔ nuteƒe alo mímawɔe o. Nu eve aɖewo akpe ɖe mía ŋu be míagana ta le tetekpɔwo me o: míanɔ Yehowa ŋu kplikplikpli eye míayi edzi anɔ eƒe kpekpeɖeŋu biam le gbedodoɖa me. Aleke Yehowa ɖoa gbe siwo míedona ɖa be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu tetekpɔwo dzi la ŋu?

Nɔ Yehowa ŋu kplikplikpli eye nàtsɔ dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu (Kpɔ memama 15)

15, 16. (a) Tetekpɔ siwo dzi wòle be míaɖu dometɔ aɖewo ɖe? (b) Ame kae wòle be míabu fɔe ne míena ta le tetekpɔ me?

15 Yehowa naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔ la mí be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ avu kple Satana ƒe tetekpɔwo. Yehowa gatoa Biblia la kple hamea dzi xlɔ̃a nu mí tso nu siwo ate ŋu akplɔ mí ade afɔku me ŋu. Le kpɔɖeŋu me, exlɔ̃a nu mí be míagazã míaƒe ɣeyiɣi, ga kple ŋusẽ ɖe nu siwo mehiã ŋutɔŋutɔ o ŋu o. Atsu kple asi aɖe siwo ŋkɔe nye Espen kple Janne le Europa dukɔ aɖe si me nuwo de amewo dzi le me. Wowɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa ƒe geɖe le dukɔa ƒe akpa si gbeƒãɖelawo hiã geɖe wu le. Esi wodzi vi la, eva hiã be woadzudzɔ mɔɖeɖedɔa, eye fifia vi evee le wo si. Espen gblɔ be: “Míedoa gbe ɖa na Yehowa ɣesiaɣi be míagage dze tetekpɔ me le esi míegate ŋu le ɣeyiɣi geɖe zãm le teokrasidɔwo me abe tsã ene o ta o. Míebiaa Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míalé ƒomedodo si le mía kplii dome la me ɖe asi ahatsɔ dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu.”

16 Tetekpɔ bubu si wòle be míawɔ avu kplii vevie ye nye gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo alo eƒe ɖeɖefiawo kpɔkpɔ. Ne míena ta le tetekpɔ sia me la, míate ŋu ada fɔbubua ɖe Satana dzi o. Nu ka ta? Elabena Satana kple eƒe xexea mate ŋu azi mía dzi míawɔ nu gbegblẽ o. Nɔvi aɖewo ge ɖe tetekpɔ sia me le esi womeɖe nu gbegblẽwo ɖa le susu me o ta. Gake mía nɔvi gbogbo aɖewo ƒo asa na mɔ̃tetre sia, eye míawo hã míate ŋui.—1 Korintotɔwo 10:12, 13.

“ÐE MÍ TSO VƆ̃ÐITƆ LA SI ME”

17. (a) Aleke míaɖee afia be míedi be Yehowa ‘naɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me’? (b) Gbɔdzɔe kae míakpɔ kpuie?

17 Nu kae míawɔ atsɔ aɖee afia be míedi be Yehowa ‘naɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me’? Mele be míanye “xexea ƒe akpa aɖeke o,” eye mele be míalɔ̃ “xexea alo nu siwo le xexea me la o.” (Yohanes 15:19; 1 Yohanes 2:15-17) Gbɔdzɔe ka gbegbee nye esi míakpɔ ne Yehowa ɖe Satana ɖa eye wòtsrɔ̃ eƒe xexe vɔ̃ɖi sia! Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, ele be míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be dzi le Satana kum “vevie, elabena enyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye.” Ele agbagba ɖe sia ɖe dzem be yeana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Eya ta ele be míayi edzi anɔ gbe dom ɖa na Yehowa be wòaɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ Satana si me.—Nyaɖeɖefia 12:12, 17.

18. Ne míedi be míatsi agbe ne wotsrɔ̃ Satana ƒe xexea la, nu kae wòle be míawɔ?

18 Ðe nàdi be yeanɔ xexe si me Satana megale o mea? Ekema yi edzi nànɔ gbe dom ɖa be Mawu Fiaɖuƒea nava, be Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti nakɔ, eye be eƒe lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi. Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi eye nàka ɖe edzi be ana nu sia nu si nèhiã be nàyi edzi awɔ nuteƒe nɛ la wò. Ɛ̃, neva eme be nàwɔ wò ŋutete ɖe sia ɖe be nànɔ agbe wòawɔ ɖeka kple kpɔɖeŋugbedodoɖa la!