Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Ehiã Be Nàdo Dzi’

‘Ehiã Be Nàdo Dzi’

ESI Anita va zu Yehowa Ðasefo la, srɔ̃a do dziku helĩhelĩ. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Edze agbagba ɖe sia ɖe be yeana wòadzudzɔ kpekpeawo dede eye wòde se nɛ be wòagayɔ Mawu ƒe ŋkɔ gbeɖe o. Ne nyɔnua nya yɔ ŋkɔ Yehowa ko la, ŋutsua ƒe dɔmedzoe flana.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Anita srɔ̃ medina be Anita nafia nu wo viwo tso Yehowa ŋu alo akplɔ wo ayi kpekpeawo o. Esia sesẽ nɛ ŋutɔ elabena eva hiã be wòaku kutri afia nu ɖeviawo le srɔ̃a ƒe manyamanya me.

Abe ale si Anita ƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖee fia ene la, ɖewohĩ wò ƒometɔ aɖe le agbagba dzem be yeana nàdzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Alo anye be kuxi bubue le fu ɖem na wò. Ðewomahĩ èdze dɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. Alo anye be viwò alo srɔ̃wò megava li o. Alo ɖewohĩ ƒometɔ aɖe si nèlɔ̃ vevie la dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Le nɔnɔme siawo me la, nu kae nàte ŋu awɔ be nàyi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa?

Apostolo Paulo gblɔ be: ‘Ehiã be nàdo dzi.’ (Hebritɔwo 10:36) Ke nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàdo dzi?

DO GBE ÐA NÀBIA YEHOWA ƑE KPEKPEÐEŊU

Ne èle fu kpem la, ɖo ŋku edzi be ele vevie be nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàdo dzi. Do gbe ɖa nàbia eƒe kpekpeɖeŋu. Esiae nɔvinyɔnu Ana wɔ esi srɔ̃a ku kpata. Ƒe 30 ye nye ema woɖe wo nɔewo. Ana gblɔ be: “Srɔ̃nye megatrɔ gbɔ tso dɔ me o. Ƒe 52 koe wòxɔ.”

Togbɔ be Ana dea dɔ me eye mevona kura o hã la, esia meɖe eƒe vevesesea ɖa o. Nu kae wòwɔ? Egblɔ be: “Megblɔa nye dzimenyawo na Yehowa eye meƒoa koko nɛ be wòakpe ɖe ŋunye.” Ede dzesii be Yehowa kpe ɖe ye ŋu, elabena ɣesiaɣi si wòdo gbe ɖa la, eƒe dzi dzea eme vie eye eƒe susu dzea akɔ anyi. Egblɔ kpee be: “Meka ɖe edzi vevie be Yehowa agbɔ agbe srɔ̃nye le tsitretsitsia me.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

Yehowa do ŋugbe na mí esubɔlawo be yease míaƒe gbedodoɖawo. (Psalmo 65:2) Eye awɔ nu sia nu si míehiã be míayi edzi asubɔe la na mí. Ɛ̃, Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nuteƒe nɛ le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me.

NƆ NƆVIWO ŊU KPLIKPLIKPLI

Yehowa gatoa mɔ bubu aɖe dzi kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi. Eyae nye mía nɔvi siwo le hamea me. Míate ŋu asrɔ̃ nu tso ale si nɔvi siwo nɔ Tesalonika kpe ɖe wo nɔewo ŋu esime wonɔ wo yome tim kutɔkutɔe la me. Le ɣeyiɣi ma me la, eva hiã vevie be woanɔ dzi dem ƒo na wo nɔewo. (1 Tesalonikatɔwo 2:14; 5:11) Woƒoa ƒu ɖekae eye wonye xɔlɔ̃ veviwo na wo nɔewo, eye esia na wokpe ɖe wo nɔewo ŋu be woayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Nu kae akpe ɖe míawo hã ŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe abe Tesalonikatɔawo ene?

Ele be míadze xɔlɔ̃ vavãwo le hamea me, eye míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo, vevietɔ le ɣeyiɣi sesẽwo me. (Romatɔwo 14:19) Apostolo Paulo kpe fu geɖe le yometiti kple kuxi bubuwo ta, gake Yehowa do ŋusẽe wòdo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ʋã nɔviwo ƒe dzi wode dzi ƒo na Paulo. Apostoloa gblɔ tso xɔlɔ̃awo ŋu be: “Ame siawo va zu akɔfafa gã aɖe nam.” (Kolosetɔwo 4:10, 11) Nɔvi siawo lɔ̃ Paulo vevie. Eya ta esi wòɖo hiã me la, wofa akɔ nɛ hede dzi ƒo nɛ. Ðewohĩ wò hã àɖo ŋku ɣeyiɣi aɖe si me hamea me tɔwo gblɔ nya aɖe alo wɔ nane si de dzi ƒo na wò la dzi.

BIA KPEKPEÐEŊU TSO HAMEMETSITSIWO GBƆ

Yehowa na hamemetsitsiwo hã mí. Ŋutsu siawo ate ŋu ade dzi ƒo na wò ahaɖo aɖaŋu nyuiwo na wò tso Biblia me. Wole “abe sitsoƒe tso ya nu kple bebeƒe tso tsidzadza gã nu ene, abe tɔsisiwo le kuɖiɖinyigba dzi kple agakpe gã ƒe vɔvɔli le anyigba si ƒu kplakplakpla dzi ene.” (Yesaya 32:2) Efaa akɔ na mí ŋutɔ be míanyae be nɔvi siawo le klalo be yewoakpe ɖe mía ŋu. Eya ta ne nɔnɔmeawo le sesẽm na wò la, te ɖe hamemetsitsiwo ŋu nàgblɔe na wo. Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi asubɔ Yehowa.

Ele eme baa be menye míaƒe kuxiwo katã gbɔe hamemetsitsiwo ate ŋu akpɔ o. Abe wò ke ene la, woawo hã womede blibo o. (Dɔwɔwɔwo 14:15) Gake ne èyi hamemetsitsi aɖe gbɔ eye wòdo gbe ɖa na Yehowa tso wò kuxia ŋu la, wò dzi adze eme vie. (Yakobo 5:14, 15) Le kpɔɖeŋu me le Italy la, hamemetsitsiwo de dzi ƒo na nɔviŋutsu aɖe si le fu kpem ƒe geɖe le dɔléle sesẽ aɖe si me. Nɔviŋutsua gblɔ be: “Lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme si nɔviawo ɖe fiam hekpe ɖe ale si wova kpɔam ɖa edziedzi ŋu la kpe ɖe ŋunye mele dzi dom.” Ne èle fu kpem la, Yehowa di be nàbia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ.

ÐOE BE YEAYI EDZI ASUBƆ YEHOWA

Ne míeɖoe kplikpaa be míasubɔ Yehowa la, Yehowa akpe ɖe mía ŋu. Nu mae John wɔ. Esi wòxɔ ƒe 39 la, eva nyae be kansa ƒomevi aɖe si mebɔ o le ye ŋu. Ese le eɖokui me be mesɔ kura be yeadze dɔ ma gbegbe o, vevietɔ esi metsi boo o ta. Eye wòtsi dzi hã ɖe srɔ̃a kple viaŋutsuvi si xɔ ƒe etɔ̃ pɛ ko la ŋu. Egblɔ be: “Menye ɖeko srɔ̃nye ɖeka nɔ mía vi suea dzi kpɔm o, ke ehiã be wòanɔ nye hã dzinye kpɔm ahanɔ kplɔyem anɔ kɔdzi yim ɣesiaɣi si wòhiã be mayi.” Atike siwo wɔm wole na John na be nu tia kɔ nɛ vevie, eye dɔme hã ɖunɛ. Gake mese ɖe afi ma o. Eva dzɔ be John fofo ɖo kudo nu eye wòhiã ame aɖe si anɔ be lém nɛ.

Nu kae kpe ɖe John kple eƒe ƒomea ŋu le ɣeyiɣi sesẽ sia me? Togbɔ be ɖeɖi tea John ŋu hã la, ekpɔa egbɔ be ƒomea yi edzi le Yehowa subɔm. Egblɔ be: “Míedea kpekpeawo katã, dea gbeadzi kwasiɖa sia kwasiɖa, eye míewɔa ƒometadedeagu edziedzi ne esesẽ na mí gɔ̃ hã.” John srɔ̃ ale si wòalé ƒomedodo si le wo kple Yehowa dome la me ɖe asi sesĩe. Togbɔ be le gɔmedzedzea la, dzidzi ƒoe wòtɔtɔ hã la, eteƒe medidi hafi eƒe susu dze akɔ anyi o. Enyae be Yehowa lɔ̃ ye eye wòdoa ŋusẽ ye le hiãɣi. Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nenema ne ètsi dzimaɖi alo le vɔvɔ̃m. John gblɔ be: “Yehowa ate ŋu ana nàsẽ ŋu abe ale si wòwɔe nam ene.”

Ne èle fu kpem la, ɖo ŋku Paulo ƒe nyawo dzi: ‘Ehiã be nàdo dzi.’ Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu to gbedodoɖa nɛ me. Nɔ nɔvi siwo le hamea me ŋu kplikplikpli, bia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ, eye nàɖoe kplikpaa be yeayi edzi asubɔ Yehowa. Akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi le kuxi siwo ɖewohĩ nèle go domee egbea, alo nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si me wòate ŋu adzɔ be nàva to le etsɔme la me.

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.