Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristo—Ame Si Ðe Mawu Ƒe Ŋusẽ Fia

Kristo—Ame Si Ðe Mawu Ƒe Ŋusẽ Fia

“Kristo nye Mawu ƒe ŋusẽ . . . si wòɖe fia.”—1 KORINTOTƆWO 1:24.

1. Nu ka tae Paulo gblɔ be “Kristo nye Mawu ƒe ŋusẽ . . . si wòɖe fia”?

YEHOWA ɖe eƒe ŋusẽ fia le mɔ wɔnukuwo nu to Yesu Kristo dzi. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ewɔ nukunu geɖe. Nukunu siawo ŋu nyawo xexlẽ le Biblia me ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse. (Mateo 9:35; Luka 9:11) Enye nyateƒe be Yehowa na ŋusẽ geɖe Yesu, eye esia tae apostolo Paulo gblɔ be: “Kristo nye Mawu ƒe ŋusẽ . . . si wòɖe fia.” (1 Korintotɔwo 1:24) Gake dɔ kae Yesu ƒe nukunuwo wɔna ɖe mía dzi?

2. Nu kawoe Yesu ƒe nukunuwo fia mí?

2 Apostolo Petro gblɔ be Yesu wɔ “nukunuwo.” (Dɔwɔwɔwo 2:22) Nu kawoe nukunu siawo fia mí? Wona míenya nu siwo Yesu awɔ le eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. Ɣemaɣi la, awɔ nukunu siwo lolo wu, siwo aɖe vi na amegbetɔ siwo katã le anyigba dzi. Eƒe nukunuawo gakpe ɖe mía ŋu be míese nɔnɔme nyui siwo le eya kple Fofoa si la gɔme ɖe edzi. Le nyati sia me la, míadzro Yesu ƒe nukunu etɔ̃ me, eye míakpɔ ŋusẽ si woate ŋu akpɔ ɖe mía dzi fifia kple etsɔme.

NUKUNU SI ÐE EƑE DƆMENYONYO FIA

3. (a) Nu ka tae Yesu wɔ eƒe nukunu gbãtɔ? (b) Aleke Yesu nyo dɔme na amewo le Kana?

3 Yesu wɔ eƒe nukunu gbãtɔ le srɔ̃kpeƒe aɖe le Kana. Ðewohĩ esi vavalawo sɔ gbɔ wu ale si wokpɔ mɔe ta la, wain la mede wo nu o. Esia ate ŋu ate ɖe srɔ̃ɖela yeyeawo dzi ŋutɔ, elabena woawoe ɖo kplɔ̃a na ame kpekpeawo. Yesu dada Maria hã nɔ ame kpekpeawo dome. Maria bia tso Yesu si be wòakpe ɖe wo ŋu. Esi wònya be ŋusẽ le Yesu si be wòawɔ nane tso nɔnɔmea ŋu taea? Maria anya de ŋugble le nyagblɔɖi siwo katã ku ɖe via ŋu la ŋu, eye wònya be eyae nye “Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi.” (Luka 1:30-32; 2:52) Nya la koe nye be, Maria kple Yesu siaa di be yewoakpe ɖe srɔ̃ɖelaawo ŋu. Eya ta Yesu trɔ tsi si ade lita 380 wòzu “wain nyui” nukutɔe. (Xlẽ Yohanes 2:3, 6-11.) Ðe wòle be Yesu nawɔ nukunu sia kokokoa? Ao. Esi wòtsɔ ɖe le eme na amewo eye wònɔ Fofoa si nye dɔmenyola srɔ̃m tae wòwɔe ɖo.

Yesu gblɔ be, “Minɔ nu nam amewo”

4, 5. (a) Nu kae míesrɔ̃ le Yesu ƒe nukunu gbãtɔa me? (b) Nu kae nukunu si Yesu wɔ le Kana la fia mí ku ɖe etsɔme ŋu?

4 Yesu wɔ wain nyui gbogbo aɖe si ade na ameha gã aɖe la nukutɔe. Nu kae míesrɔ̃ tso nukunu sia me? Eyae nye be, Yehowa kple Yesu ƒe asi me mesẽ o, ke boŋ wonyoa dɔme ŋutɔ. Nukunu sia na kakaɖedzi mí be wobua amewo ƒe seselelãmewo ŋu vevie. Eɖee fia hã be Yehowa azã eƒe ŋusẽ atsɔ ana nuɖuɖu gbogbo aɖe mí le xexe yeyea me, anyigba la ƒe afi ka kee míeɖale o.—Xlẽ Yesaya 25:6.

5 Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Esusɔ vie Yehowa ana nu sia nu si míehiã ŋutɔŋutɔ la mí. Aƒe nyui anɔ ame sia ame si, eye wòakpɔ nuɖuɖu si me nunyiamewo le aɖu. Ne míede ŋugble le nu nyui siwo katã Yehowa ɖo be yeana mí dɔmenyotɔe le Paradisonyigbaa dzi ŋu la, míedaa akpe gã aɖe nɛ.

Míesrɔ̃a Yesu ne míezãa míaƒe ɣeyiɣi ɖe amewo ŋu (Kpɔ memama 6)

6. Aleke Yesu zãa eƒe ŋusẽa, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eyama?

6 Yesu mezã eƒe ŋusẽa tsɔ di eɖokui tɔ gbeɖe o. Bu nu si dzɔ esime Abosam te Yesu kpɔ be wòatrɔ kpewo woazu abolo ŋu kpɔ. Yesu gbe be yemawɔ yeƒe ŋusẽa ŋu dɔ ɖe ye ŋutɔ yeƒe viɖe ta o. (Mateo 4:2-4) Ke boŋ Yesu lɔ̃ faa zã eƒe ŋusẽa tsɔ kpe ɖe ame bubuwo ŋu. Aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe ɖokuitɔmadimadi ƒe nɔnɔmea? Yesu gblɔ be, “Minɔ nu nam amewo.” (Luka 6:38) Míate ŋu awɔ esia ne míekpea amewo be woava ɖu nu kpli mí. Ne míekpã le hame ƒe kpekpewo la, míate ŋu azã míaƒe ɣeyiɣia ƒe ɖe ɖe nɔviwo ŋu, abe aɖo to nɔvi aɖe si di be yeato yeƒe nuƒo me la ene. Alo míate ŋu akpe ɖe nɔviwo ŋu ana hehe wo le gbeadzi. Ne míelɔ̃na faa kpena ɖe amewo ŋu ale si míate ŋui la, efia be míele Yesu ƒe dɔmenyonyo srɔ̃m.

“WO KATÃ WOÐU NU ÐI ƑO”

7. Kuxi kae anɔ anyi zi ale si míekpɔtɔ le Satana ƒe xexe sia me?

7 Ahedada li tso gbe aɖe gbe ke. Yehowa gblɔ na Israel-viwo be, “ame dahewo anɔ anyigba la dzi ɣesiaɣi kokoko.” (5 Mose 15:11) Le ƒe alafa geɖe megbe la, Yesu gblɔ be: “Ame dahewo le mia gbɔ ɖaa.” (Mateo 26:11) Ðe Yesu ƒe nyawo fia be ahedada anɔ anyigba dzi tegbeea? Ao, ke boŋ nya si gblɔm wòlee nye be, ahedada anɔ anyi zi ale si míekpɔtɔ le Satana ƒe xexe sia me. Gake aleke gbegbe nuwo ato vovo kura le xexe yeyea mee nye esi! Ɣemaɣi la, ahedada maganɔ anyi o. Nuɖuɖu abɔ, eye ame sia ame aɖu nu aɖi ƒo!

8, 9. (a) Nu ka tae Yesu na nuɖuɖu ame akpe geɖewo? (b) Aleke nukunu sia na nèse le ɖokuiwò me?

8 Hakpala aɖe gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Èʋua wò asi me, eye nètsɔa nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖia ƒo na woe.” (Psalmo 145:16) Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, esrɔ̃ Fofoa bliboe eye wòkpɔ amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo zi geɖe. Menye ɖeko wòwɔ esia be yeatsɔ aɖee afia be ŋusẽ le ye si o. Ke boŋ esi wòtsɔ ɖe le eme na amewo ŋutɔŋutɔ tae. Na míadzro Mateo 14:14-21 me kpɔ. (Xlẽe.) Amehawo to afɔ tso duawo me dze Yesu yome. (Mateo 14:13) Esi fiẽsi ɖo la, nusrɔ̃lawo tsi dzi be ɖeɖi te ameawo ŋu eye dɔ le wo wum. Eya ta wogblɔ na Yesu be wòaɖe asi le ameha la ŋu ne woayi aɖaƒle nu aɖu. Nu kae Yesu wɔ?

9 Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve ko nyi ŋutsu 5,000 sɔŋ, womexlẽ nyɔnuwo kple ɖeviwo kpe ɖe eŋu o. Nu ka tae Yesu wɔ nukunu sia? Elabena elɔ̃ amewo eye wòtsɔ ɖe le eme na wo vevie. Nuɖuɖu gbogbo aɖee Yesu wɔ nukutɔe, elabena ame gbogbo mawo “katã woɖu nu ɖi ƒo.” Nu si woɖu la do ŋusẽ wo be woazɔ mɔ legbe ma atrɔ yi aƒe me. (Luka 9:10-17) Eye esi ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo la, nusrɔ̃lawo ƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu wòde kusi 12 sɔŋ!

10. Nu kae woawɔ tso ahedada ŋu le etsɔme?

10 Dumegã ŋuklẽla kple nu fitifiti wɔlawo na ame miliɔn alafa geɖewo da ahe kolikoli. Mía nɔvi aɖewo hã mekpɔa nuɖuɖu si asu na wo o. Gake eteƒe madidi o, ame siwo ɖoa to Yehowa anɔ xexe si me nu fitifiti wɔwɔ alo ahedada aɖeke manɔ o me. Yehowa ye nye Mawu ŋusẽkatãtɔ la, ŋusẽ geɖe le esi, eye wòdi vevie be yeana nu siwo amewo hiã la wo. Edo ŋugbe be yeaɖe fukpekpe ɖa kpuie!—Xlẽ Psalmo 72:16.

Nukunu siwo Yesu wɔ na míeka ɖe edzi be azã eƒe ŋusẽa wòaɖe vi na mí

11. Nu kae na nèka ɖe edzi be, eteƒe madidi o Kristo azã eƒe ŋusẽ wòaɖe vi na anyigbadzitɔwo katã? Le ema ta nu kae nèɖo be yeawɔ?

11 Nuto sue aɖe ko mee Yesu wɔ nukunu siwo wòwɔ le anyigba dzi la le hena ƒe etɔ̃ kple afã ko. (Mateo 15:24) Gake le Fia Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, akpe ɖe amegbetɔƒomea katã ŋu. (Psalmo 72:8) Nukunu siwo Yesu wɔ na míeka ɖe edzi be azã eƒe ŋusẽa wòaɖe vi na mí. Ŋusẽ mele míawo ya si be míawɔ nukunuwo o, ke nu kae míate ŋu awɔ? Míate ŋu azã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ atsɔ agblɔ nu nyui siwo ŋugbe Biblia do la ŋu nya na amewo. Dɔ mae wode asi na mí Yehowa Ðasefowo. (Romatɔwo 1:14, 15) Ne míedea ŋugble le nu siwo Kristo awɔ kpuie ŋu la, aʋã mí be míagblɔ eŋu nya na amewo kple dzo.—Psalmo 45:1; 49:3.

YEHOWA KPLE YESU KPƆ ŊUSẼ ÐE DZƆDZƆMEŊUSẼWO DZI

12. Nu ka tae míeka ɖe edzi be Yesu nya nu tso anyigba la kple yame ƒe nɔnɔmewo ŋu nyuie?

12 Esime Mawu nɔ anyigba la kple emenuwo katã wɔm la, Yesu nye “dɔwɔla bibi nɔ egbɔ.” (Lododowo 8:22, 30, 31; Kolosetɔwo 1:15-17) Eya ta Yesu nya nu tso anyigba la kple yame ƒe nɔnɔmewo ŋu nyuie. Ekpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi eye wònya ale si wòazã woe.

Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le ale si Yesu zã eƒe ŋusẽ tsɔ wɔ nukunuwoe ŋu? (Kpɔ memama 13, 14)

13, 14. Nudzɔdzɔ kae ɖee fia be Kristo kpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi?

13 Le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, eɖee fia be Mawu na ŋusẽ ye esi wòɖo asi dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si Yesu blu ɖe ya sesẽ aɖe ta la ŋu kpɔ. (Xlẽ Marko 4:37-39.) Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ be, Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ya sesẽ” la nye nya si wozãna na ya ʋuduʋudu alo ahomya sesẽwo. Ne ya sesẽ sia le ƒoƒom la, tsi ɖona yibɔɔ, dzi nɔa gbe ɖem eye tsi gã aɖe dzana. Ne ya sesẽ sia ƒo hetɔ la, nu geɖe dome gblẽna.

14 Kpɔ nɔnɔmea ɖa le susu me: Ƒutsotsoeawo le gbagbãm ɖe tɔdziʋua ŋu hele ŋeŋem ɖe ʋua me. Togbɔ be ahom la nu sẽ eye wòle tɔdziʋua nyamam hã la, Yesu ya le alɔ̃ dɔm le esi ɖeɖi te eŋu vevie ta. Gake ŋɔdzi lé nusrɔ̃lawo ya, eya ta wonyɔ Yesu hedo ɣli gblɔ be: “Aƒetɔ, ɖe mí, míeku vɔ!” (Mateo 8:25) Nu kae Yesu wɔ? Etso eye wòblu ɖe ya la kple atsiaƒua ta be: “Zi ɖoɖoe! Dze akɔ anyi!” (Marko 4:39) Enumake ya sesẽ la tɔ, “eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ.” Aleke gbegbe nudzɔdzɔ sia ɖee fia be Yesu kpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzie nye esi!

15. Aleke Yehowa ɖee fia be yekpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi?

15 Yehowa ye na ŋusẽ Kristo, eya ta míenya be Mawu Ŋusẽkatãtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi bliboe. Le kpɔɖeŋu me, hafi Tsiɖɔɖɔa nadze egɔme la, Yehowa gblɔ be: “Esusɔ ŋkeke adre ko mana tsi nadza ɖe anyigba la dzi ŋkeke blaene kple zã blaene.” (1 Mose 7:4) Eye 2 Mose 14:21 gblɔ be: “Yehowa na ɣedzeƒeya sesẽ ƒo . . . hetutu atsiaƒu la ɖe megbe.” Eye Yona 1:4 hã gblɔ be: “Yehowa lɔ ya sesẽ aɖe trɔ ɖe atsiaƒu la dzi, eye ahom gã aɖe tu le atsiaƒu la dzi ale be tɔdziʋua di be yeagbã.” Enyo ŋutɔ be míanyae be le xexe yeyea me la, Yehowa akpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi ɖaa tegbee.

16. Nu ka tae wòfaa akɔ na mí be míanyae be Yehowa kple Yesu kpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi?

16 Efaa akɔ na mí be míanyae be Yehowa kple Yesu kpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi bliboe. Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, ame sia ame si le anyigba dzi la anɔ dedie. Ame aɖeke maku alo nu vevi nawɔe le dzɔdzɔmefɔkuwo abe yali, anyigbaʋuʋuwo, atsiaƒu gɔme nyigbaʋuʋuwo alo dzotowo ƒe wówo ene ta o. Míagavɔ̃ na afɔku aɖeke o, elabena “Mawu ƒe agbadɔ” anɔ amegbetɔwo gbɔ. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Eya ta míeka ɖe edzi bliboe be Yehowa ana ŋusẽ Yesu be wòaɖo asi dzɔdzɔmeŋusẽwo katã dzi le eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me.

SRƆ̃ MAWU KPLE KRISTO FIFIA

17. Mɔ siwo dzi míato asrɔ̃ Mawu kple Kristo fifia dometɔ ɖeka ɖe?

17 Nyateƒeae nye be míate ŋu axe mɔ na dzɔdzɔmefɔkuwo o. Yehowa kple Yesu koe ate ŋui. Gake nane li míate ŋu awɔ. Míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Lododowo 3:27 dzi. (Xlẽe.) Ne mía nɔviwo le fu kpem la, míate ŋu akpe ɖe wo ŋu le ŋutilã me kple seselelãme gome, eye míate ŋu afa akɔ na wo. (Lododowo 17:17) Le kpɔɖeŋu me, ne afɔku dzɔ ɖe wo dzi la, míate ŋu akpe ɖe wo ŋu. Esi ahom sesẽ aɖe gbã ahosi aɖe ƒe aƒe la, egblɔ be: “Medaa akpe ŋutɔ be mele Yehowa ƒe habɔbɔa me, menye le ŋutilãmekpekpeɖeŋu si wonam ta ko o, ke le gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si wonam hã ta.” Mɔkpɔkpɔ bu ɖe nɔvinyɔnu tre aɖe esi ya sesẽ aɖe kaka eƒe aƒe. Esi nɔviwo kpe ɖe eŋu wodzra aƒea ɖo vɔ la, egblɔ be: “Ewu gbɔgblɔ nam! Nyemate ŋu agblɔ ale si tututu mese le ɖokuinye me wòade edeƒe o.” Egblɔ kpee be: “Akpe na wò, Yehowa!” Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be míekpena ɖe mía nɔewo ŋu le hiãɣi. Hekpe ɖe eŋu la, míedaa akpe be Yehowa kple Yesu Kristo léa be na mí vavã!

18. Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le susu si ta Yesu wɔ nukunuwo ɖo la ŋu?

18 Esi Yesu nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi la, eɖee fia be yenye “Mawu ƒe ŋusẽ” si wòɖe fia. Gake mezã eƒe ŋusẽa be amewo nakpɔ ahakafu ye, alo zãe na eya ŋutɔ ƒe viɖe o. Ke boŋ Yesu zã eƒe ŋusẽa tsɔ wɔ nukunuwo le esi wòlɔ̃ amewo vevie ta. Míasrɔ̃ nu geɖe tso esia ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.