Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpe Asi Ðe Míaƒe Gbɔgbɔmeparadisoa Ŋu Be Wòaganyo Ðe Edzi

Kpe Asi Ðe Míaƒe Gbɔgbɔmeparadisoa Ŋu Be Wòaganyo Ðe Edzi

“Made bubu nye afɔnɔƒe la ŋu.”—YESAYA 60:13.

HADZIDZI: 102, 75

1, 2. Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, nu kawoe woate ŋu azã nya “afɔɖodzinu” na?

YEHOWA MAWU gblɔ be: “Dziƒowo nye nye fiazikpui, eye anyigba nye nye afɔɖodzinu.” (Yesaya 66:1) Mawu ƒe “afɔɖodzinu” la ke ŋue wònɔ nu ƒom tsoe esi wògblɔ be: “Made bubu nye afɔnɔƒe la ŋu.” (Yesaya 60:13) Aleke wòdea bubu eƒe afɔɖodzinu la ŋu alo ɖoa atsyɔ̃ nɛ? Eye vi kae esia aɖe na ame siwo le eƒe afɔɖodzinu si nye anyigba la dzii?

2 Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, wogazã nya “afɔɖodzinu” tsɔ ɖɔ blema gbedoxɔ si nɔ Israel la hã. (1 Kronika 28:2; Psalmo 132:7) Gbedoxɔa nya kpɔ na Yehowa ŋutɔ, elabena afi mae nye tadeaguƒe vavãtɔ. Eye wozã gbedoxɔa tsɔ de bubu Yehowa ŋu le anyigba dzi.

3. Tadeaguƒe vavãtɔ kae li egbea, eye ɣekaɣie wòdze egɔme?

3 Tadeaguƒe vavãtɔ kae li egbea? Menye xɔ ŋutɔŋutɔe wònye abe ale si wònɔ le gbedoxɔa gome ene o. Enye gbɔgbɔmegbedoxɔ si dea bubu Yehowa ŋu wu xɔ ɖe sia ɖe si wotu kpɔ. Ke nu kae nye gbɔgbɔmegbedoxɔ la? Enye ɖoɖo si Mawu wɔ si ʋu mɔ na amegbetɔwo be woazu exɔlɔ̃wo ahasubɔe. Eye Yesu ƒe tafevɔsa la ko dzie wonɔ te ɖo wɔ ɖoɖo sia. Ðoɖo sia dze egɔme tso ƒe 29 Kristotɔwo Ŋɔli esime wonyrɔ Yesu ɖe tsi me hesi ami nɛ wòzu Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe Nunɔlagã.—Hebritɔwo 9:11, 12.

Ele vevie ŋutɔ be míanɔ Yehowa kafum le anyigba dzi fifi laa

4, 5. (a) Le Psalmo 99 ƒe nya nu la, nu kae Yehowa subɔla vavãwo dina vevie be yewoawɔ? (b) Nya kae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui?

4 Míedaa akpe geɖe na Mawu ɖe tadedeagu vavãtɔ ƒe ɖoɖo si wòwɔ na mí ta. Míeƒoa nu tso Yehowa ƒe ŋkɔ kple tafe ƒe nunana xɔasia ŋu na amewo tsɔ ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana. Eye edzɔa dzi na mí be Kristotɔ vavã siwo wu miliɔn enyi sɔŋ le Yehowa kafum gbe sia gbe! Subɔsubɔha geɖe me tɔwo bui vodadatɔe be yewoava kafu Mawu ne yewoyi dziƒo le yewoƒe ku megbe. Gake mí Yehowa ƒe amewo ya míenyae be ele vevie ŋutɔ be míanɔ Yehowa kafum le anyigba dzi fifi laa.

5 Ne míekafua Yehowa la, efia be míele Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo ŋu nya wogblɔ le Psalmo 99:1-3, 5-7 la srɔ̃m. (Xlẽe.) Abe ale si psalmo sia ɖee fia ene la, nuteƒewɔlawo abe Mose, Aron, Samuel kple bubuawo ene kpe asi ɖe tadedeagu vavãtɔ ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ ŋu bliboe le blema. Hafi amesiamina siwo le anyigba dzi egbea nayi aɖasubɔ kple Yesu abe nunɔlawo ene le dziƒo la, woyi edzi le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe fifia le gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe akpa si le anyigba dzi me. Ame miliɔn geɖe siwo nye “alẽ bubuawo” hã le alɔ dom wo nuteƒewɔwɔtɔe. (Yohanes 10:16) Ƒuƒoƒo eveawo siaa wɔ ɖeka le Yehowa subɔm. Gake ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, ‘Ðe mele asi kpem ɖe tadedeagu vavãtɔ ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ ŋu bliboea?’

AME SIWO LE SUBƆSUBƆM LE MAWU ƑE GBƆGBƆMEGBEDOXƆA ME

6, 7. Kuxi kae do mo ɖa esime woɖo Kristo hamea anyi megbe kpuie? Eye kaka ƒe 1919 naɖo la, nu kae dzɔ?

6 Esime woɖo Kristo hamea anyi la, mede ƒe 100 gɔ̃ hã hafi xɔsegbegbe si ŋu nya wogblɔ ɖi la do mo ɖa o. (Dɔwɔwɔwo 20:28-30; 2 Tesalonikatɔwo 2:3, 4) Eye tso ɣemaɣi la, eva sesẽ ŋutɔ be woade dzesi Mawu subɔla vavãwo. Ƒe alafa geɖe va yi hafi Yehowa to Yesu dzi ɖe ame siwo le Mawu subɔm ŋutɔŋutɔ le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me la fia.

7 Kaka ƒe 1919 naɖo la, ame siwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo, siwo le subɔsubɔm le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me la, va dze ƒãa. Ame siawo wɔ tɔtrɔ aɖewo ale be woƒe subɔsubɔ nadze Yehowa ŋu nyuie wu. (Yesaya 4:2, 3; Malaki 3:1-4) Esia na ŋutega aɖe si apostolo Paulo kpɔ ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la te emevava.

8, 9. “Paradiso” kae Paulo kpɔ le eƒe ŋutegaa me?

8 Ŋutega si Paulo kpɔ la dze le 2 Korintotɔwo 12:1-4. (Xlẽe.) Le ŋutega ma me la, Yehowa ɖe nane si adzɔ le etsɔme la fia Paulo. “Paradiso” kae Paulo kpɔ le eƒe ŋutegaa me? Gbã la, ate ŋu aku ɖe Paradiso ŋutɔŋutɔ si axɔ anyigbaa dzi kpuie la ŋu. (Luka 23:43) Evelia, ate ŋu aku ɖe gbɔgbɔmeparadiso si ƒe vivi míase bliboe le xexe yeyea me ŋu. Eye etɔ̃lia, ate ŋu aku ɖe nu wɔnuku siwo le “Mawu ƒe paradisoa” me le dziƒo ŋu.—Nyaɖeɖefia 2:7.

9 Gake nu ka tae Paulo gblɔ be yese “nya siwo mele gbɔgblɔ me o, eye womeɖe mɔ na ame be wòagblɔ o”? Elabena ɣeyiɣia mede ɣemaɣi be wòaɖe nu wɔnuku siwo wòkpɔ le ŋutegaa me la me tsitotsito o. Gake egbea Yehowa na eƒe amewo le yayra siwo kpɔm wole fifia ŋu nya gblɔm na amewo!

10. Nu ka tae gbɔgbɔmeparadisoa kple gbɔgbɔmegbedoxɔa menye nu ɖeka o?

10 Míeƒoa nu tso “gbɔgbɔmeparadiso” ŋu zi geɖe, gake nu kae wònye? Enye ŋutifafa ƒe nɔnɔme tɔxɛ si me Mawu na eƒe amewo le. Eya ta gbɔgbɔmeparadisoa kple gbɔgbɔmegbedoxɔa menye nu ɖeka o. Gbɔgbɔmegbedoxɔa nye tadedeagu vavãtɔ ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ na eƒe amewo. Ke gbɔgbɔmeparadisoa ye dea dzesi ame siwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo, siwo le esubɔm egbea le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me.—Malaki 3:18.

11. Mɔnukpɔkpɔ kae su mía si egbea?

11 Enye dzidzɔ be míanyae be tso ƒe 1919 me la, Yehowa na amegbetɔ madeblibowo le dɔ wɔm kplii le gbɔgbɔmeparadisoa ɖoɖo anyi, nana be wòaganyo ɖe edzi, kple ekeke ɖe enu me. Ðe nèle asi kpem ɖe dɔ nyui sia ŋua? Ðe nèdea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nàwɔ dɔ kple Yehowa atsɔ akɔ eyama ŋu le anyigba dzi la ŋua?

YEHOWA LE ATSYƆ̃ ÐOM NA EƑE HABƆBƆA GEÐE WU

12. Nu ka dzie Yesaya 60:17 me vava na míeka ɖo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

12 Nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi be woawɔ tɔtrɔ geɖe le Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi me. (Xlẽ Yesaya 60:17.) Ðeko Kristotɔ sɔhɛwo kple ame yeyewo se nu tso tɔtrɔ siawo ŋu alo xlẽ nu tso wo ŋu. Gake nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe kpɔ tɔtrɔ wɔnuku geɖewo teƒe ŋutɔŋutɔ! Kristotɔ wɔnuteƒe siawo ka ɖe edzi bliboe be Mawu to míaƒe Fia, Yesu, dzi le eƒe habɔbɔa kplɔm hele mɔ fiamee! Ne Kristotɔ wɔnuteƒe siawo gblɔa woƒe nuteƒekpɔkpɔwo na mí míesena la, ana míaxɔ Yehowa dzi ase ahaka ɖe eyama dzi geɖe wu.

“Gbɔgbɔmeparadiso” lae nye ŋutifafa ƒe nɔnɔme tɔxɛ si le Kristotɔ vavãwo dome egbea

13. Le Psalmo 48:12-14 ƒe nya nu la, nu kae wòle be míawɔ?

13 Ele be Kristotɔ vavãwo katã naƒo nu tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu na amewo. Nukunue wònye be togbɔ be míekpɔtɔ le Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia me hã, míele nɔviwo ƒe habɔbɔ si me ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ le me! Ele be míagblɔ Yehowa ƒe habɔbɔa kple gbɔgbɔmeparadisoa ŋu nya na “dzidzime siwo gbɔna” la dzidzɔtɔe!—Xlẽ Psalmo 48:12-14.

14, 15. Tɔtrɔ kawoe wowɔ tso ƒe 1970 me, eye aleke wòle vi ɖem na Mawu ƒe amewoe?

14 Nɔvi tsitsi siwo le míaƒe hamewo me dometɔ geɖe kpɔ tɔtrɔ siwo wowɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi me, si ɖo atsyɔ̃ nɛ geɖe wu la teƒe. Woɖoa ŋku ɣeyiɣi si me hamesubɔla ɖeka ko nɔ hameawo si ke menye hamemetsitsiwo ƒe ha o, esime alɔdzedzikpɔla nɔ ŋgɔ xɔm le dukɔ bliboa me ke menye Alɔdzekɔmiti o, alo esime zimenɔla nɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa si ke menye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha o la dzi. Togbɔ be ame aɖewo kpena ɖe nɔviŋutsu wɔnuteƒe mawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu hã la, ne míagblɔe la, ame ɖeka koe tsoa nya me le hamewo me, le alɔdzedɔwɔƒewo, kple habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã. Tso ƒe 1970 me la, wowɔ tɔtrɔ be hamemetsitsiwo ƒe ha boŋ natso nya me, ke menye ame ɖeka aɖe ko o.

15 Nu ka tae tɔtrɔ siawo le vi ɖem na Mawu ƒe amewo? Elabena Ŋɔŋlɔawo siwo gɔme wova se nyuie wu dzie wonɔ te ɖo wɔ tɔtrɔawo. Meganye ame ɖeka koe tsoa nya me le nu sia nu ŋu o, ke boŋ hamemetsitsi, siwo nye “nunana siwo nye amewo,” siwo Yehowa ɖo la katã ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖea vi na eƒe habɔbɔa.—Efesotɔwo 4:8; Lododowo 24:6.

Yehowa le mɔfiame si amewo hiã le agbe me la nam wo le xexea me godoo (Kpɔ memama 16, 17)

16, 17. Tɔtrɔ siwo wowɔ nyitsɔ laa dometɔ kae doa dzidzɔ na wò, eye nu ka tae?

16 Bu tɔtrɔ siwo míewɔ nyitsɔ laa le míaƒe agbalẽwo ŋu la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ. Edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ be míana míaƒe agbalẽ dzeani siwo ɖea vi na amewo la wo le ɖaseɖiɖidɔa me. De ŋugble le mɔ̃ɖaŋunutovɛ yeye siwo zãm míele tsɔ le gbeƒã ɖem nya nyuia egbea hã ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe jw.org le kpekpem ɖe ame gbogbowo ŋu hele vi ɖem na wo. Tɔtrɔ siawo katã ɖe ale si gbegbe Yehowa lɔ̃a amewo hetsɔa ɖe le eme na wo vevie fia.

Míedaa akpe ɖe hehe nyui siwo míexɔna le míaƒe Bibliasrɔ̃suku vovovoawo me ta

17 Míekpɔa dzidzɔ ɖe tɔtrɔ siwo wowɔ le míaƒe kpekpewo ŋu be míakpɔ ɣeyiɣi na ƒometadedeagu alo ɖokuisinusɔsrɔ̃ hã ŋu. Nenema kee míekpɔa ŋudzedze ɖe tɔtrɔ siwo wowɔ le míaƒe takpekpe suewo kple gãwo ŋu la ŋu. Nyonyom ko wole ɖe edzi ƒe sia ƒe! Míedaa akpe hã ɖe hehe nyui siwo míexɔna le míaƒe Bibliasrɔ̃suku vovovoawo me ta. Trɔtrɔ siawo katã ɖee fia be Yehowa le mɔ fiam eƒe habɔbɔa, eye wòle atsyɔ̃ ɖom na gbɔgbɔmeparadisoa geɖe wu!

ALE SI MÍAKPE ASI ÐE MÍAƑE GBƆGBƆMEPARADISOA ŊU BE WÒAGANYO ÐE EDZI

18, 19. Nu kae míawɔ be míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa naganya kpɔ ɖe edzi?

18 Yehowa na mɔnukpɔkpɔ mí be míakpe asi ɖe míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa ŋu be wòaganya kpɔ ɖe edzi. Gake aleke míate ŋu awɔ esia? Eyae nye be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzonɔamemetɔe ahawɔ nusrɔ̃la geɖewo. Ɣesiaɣi si míekpe ɖe ame aɖe ŋu wòva zu Mawu subɔla la, míele asi kpem ɖe gbɔgbɔmeparadisoa ŋu be wòakeke ta.—Yesaya 26:15; 54:2.

19 Nu bubu si míawɔ be gbɔgbɔmeparadisoa naganyo ɖe edzie nye be míaku kutri atu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖo. Esia nana míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa dzroa amewo. Zi geɖe la, menye Biblia me sidzedze si su mía si koe hea amewo o, ke boŋ míaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ kple nuwɔwɔ le ŋutifafa me ye hea amewo vaa habɔbɔa gbɔ gbã, hafi emegbe wotena ɖe Yehowa kple Yesu siaa ŋu.

Àte ŋu akpe asi ɖe gbɔgbɔmeparadisoa ŋu be wòakeke ta (Kpɔ memama 18, 19)

20. Le Lododowo 14:35 ƒe nya nu la, nu kae wòle be wòanye míaƒe didi vevie?

20 Aleke gbegbe Yehowa kple Yesu kpɔa dzidzɔe nye esi ne wokpɔ míaƒe gbɔgbɔmeparadiso dzeani la. Dzidzɔ si míekpɔna egbea ne míedzea agbagba be míaɖo atsyɔ̃ na míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa nye dzidzɔ gã si míava kpɔ le etsɔme ne míetrɔ anyigba bliboa wòzu paradiso ŋutɔŋutɔ la ƒe kakɛ aɖe ko. Mina Lododowo 14:35 me nyawo nanɔ susu me na mí ɣesiaɣi; afi ma gblɔ be: “Subɔvi si wɔa nu le nunya me la ƒe nue dzea fia ŋu.” Neva eme be míadze nunya esi míele nu sia nu si míate ŋui wɔm be míana míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa naganyo ɖe edzi!