Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Lɔlɔ̃ Si Nɔ Asinye Gbã La Kpe Ðe Ŋunye Medo Dzi

Lɔlɔ̃ Si Nɔ Asinye Gbã La Kpe Ðe Ŋunye Medo Dzi

LE June 1970 me la, woxɔm ɖe kɔdzi le Pennsylvania, Amerika. Ɣemaɣi mexɔ ƒe 20, menye asrafo, eye mexɔ dɔléle sesẽ aɖe si na nu te ŋunye vevie. Dɔnɔdzikpɔla aɖe nɔ nye abɔ blam gaƒoƒo afã ɖe sia ɖe henɔa ŋku lém ɖe ale si nye ʋu le sisim ŋu. Dɔnɔdzikpɔlaa tsi wum vie. Mekpɔe be etsi dzi vevie ŋutɔ. Esi nye ʋu menɔ sisim nyuie o ta la, mebiae be, “Edze abe mèkpɔ eteƒe ame aɖeke ku kpɔ o ene, alo?” Eƒe mo fu kpii enumake, eye wòɖo eŋu nam be, “Ao, medzɔ ɖe dzinye kpɔ o.” Ewɔ na dɔnɔdzikpɔlawo be mele kuku ge, gake metsi agbe. Na magblɔ nye agbemeŋutinya vi aɖe na wò.

NU SIWO TEƑE MEKPƆ ESI MEÐO AƲAGBEDZI

Meva dze dɔ vevie esime menye mɔ̃ɖaŋudɔwɔla le dɔdaƒe si wowɔa dɔ na asrafowo le, le ɣeyiɣi si me wonɔ aʋa wɔm le Vietnam. Edoa dzidzɔ nam be makpe ɖe dɔnɔwo kple ame siwo dze afɔku ŋu, eye meɖoe be mava zu ɖɔkta bibi si nye amekola. Meva ɖo Vietnam le July 1969 me. Wona kwasiɖa ɖekam be maɖi ɖe eme be nye lãme natrɔ ɖe nutoa me ƒe nɔnɔme ŋu abe ale si ko wowɔnɛ na asrafo yeyewo ene.

Eyome wobia tso asinye be mawɔ dɔ le asrafowo ƒe kɔdzi le Mekong Nuto me. Helikɔpta geɖewo kɔa asrafo siwo xɔ abi vaa kɔa dzi. Esi melɔ̃ mía denyigba kple dɔ si wɔm menɔ ta la, medi vevie be makpe ɖe nye dumeviwo ŋu alɔtsɔtsɔe. Míedzraa asrafo siwo xɔ abi la ɖo kabakaba be woakɔ wo ayi xɔ sue aɖe si wotsɔ ga wɔe, si me wokoa dɔnɔwo le la me. Amekolaa kple eƒe kpeɖeŋutɔ si dea ame alɔ̃ me kpakple dɔnɔdzikpɔla eve dzea agbagba ɖe sia ɖe be yewoaxɔ amewo ɖe agbe. Mekpɔe be aŋe yibɔ babla gãwo le helikɔptaawo me, gake womeɖea wo kɔna ɖi o. Wogblɔ nam be asrafo siwo ƒe ŋutilã futɔwo ƒe tukpewo kaka le aʋagbedzi lae wobla ɖe aŋe gã mawo me. Nu siwo teƒe mekpɔ esi meɖo aʋagbedzi teti la dometɔ ɖeka koe nye ema.

ESIME MENƆ MAWU DIM

Mese nya nyuia zi gbãtɔ esi menye sɔhɛ ko

Mese nyateƒea ŋu nya tso Yehowa Ðasefowo gbɔ zi gbãtɔ esi menye sɔhɛ ko. Ðasefowo srɔ̃a Biblia kple nɔnye, ke hã mete ŋu xɔ nyɔnyrɔ o. Gake nusɔsrɔ̃ mawo vivi nunye ale gbegbe. Gbe ɖeka esi nye kple fofonye si xɔm nyi míenɔ tsa ɖim la, míeva to Fiaɖuƒe Akpata aɖe gbɔ. Mebiae be, “Xɔ kae nye ema?” Egblɔ nam be, “Dzo megable wò nàgogo ame mawo o!” Esi melɔ̃ fofonyea heka ɖe edzi ta la, meɖo to eƒe gbe, eye metso kadodo me kple Yehowa Ðasefowo.

Gake esi metrɔ gbɔ tso Vietnam la, mesea veve geɖe ne meɖo ŋku nu dziŋɔ siwo teƒe mekpɔ le aʋaa me dzi. Esia wɔe be ame ƒe nu megawɔa nublanui nam o. Ewɔ abe amewo menya nu si tututu nɔ dzɔdzɔm le Vietnam o ene. Meɖo ŋku edzi be ame siwo lɔ gbɔ henɔ tsitre tsim ɖe aʋaa ŋu la nɔa Amerika-srafowo yɔm be ɖeviwo wulawo le esi wose be wole ɖevi ɖekemanyalawo wum ta. Nu siawo katã na mekpɔe be ehiã be madi Mawu.

Metsa le sɔlemeha vovovowo dzi henɔ Mawu dim. Togbɔ be melɔ̃ Mawu vevie hã la, nu siwo mekpɔ le sɔlemeha mawo me mevivi nunye kura o. Mlɔeba meyi Fiaɖuƒe Akpata si le Delray Beach, Florida, la me. Kwasiɖagbe aɖe le February 1971 mee mede kpekpe gbãtɔ ma.

Esi meɖo Fiaɖuƒe Akpataa me la, dutoƒonuƒoa nɔ enu wum, eya ta menɔ anyi hena Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a. Nyemeɖo ŋku nyati si me wodzro dzi o, gake meɖo ŋku edzi be ɖeviwo gɔ̃ hã nɔ mawunyakpukpuiawo ʋum le Biblia me. Esia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ! Ðeko menɔ to ɖom vevie henɔ nu kpɔm. Esi menɔ dzodzom la, nɔviŋutsu aɖe si xɔ abe ƒe 80 ene la te ɖe ŋunye. Eŋkɔe nye Jim Gardner. Etsɔ agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee nam hebiam be, “Àdi be yeaxɔea?” Melɔ̃ ɖe edzi enumake, eye míeɖoe be míado go be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme le Yawoɖagbe ŋdi.

Meyi dɔme le Kwasiɖagbe kpekpe ma megbe. Menɔ dɔ wɔm le Boca Raton dɔnɔkɔdzi, le Florida, eye ele be mawɔ dɔ tso zã ga 11 va se ɖe ŋdi ga 7. Dɔnɔwo mesɔ gbɔ zã ma me o, si wɔe be menɔ Nyateƒe gbalẽa xlẽm. Dɔnɔdzikpɔla ɖeka du agbalẽa le asinye hekpɔ eƒe akpaa dzi, eye wòbia be ɖe medi be mazu Yehowa Ðasefo mahã. Metrɔ xɔ agbalẽa le esi hegblɔ nɛ be, togbɔ be nyemexlẽ agbalẽa ɖo afi aɖeke o hã la, mele eŋu bum xoxo be mazu Ðasefo. Eɖe asi le ŋunye, eye mexlẽ agbalẽ bliboa wu enu zã ma me.

Nɔviŋutsu Jim Gardner ye srɔ̃ Biblia kplim, enye amesiamina, si nya Charles Taze Russell nyuie

Esi Nɔviŋutsu Jim Gardner va be yeadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplim la, mebiae be, “Ta, nu ka srɔ̃ ge míele?” Eɖo eŋu be, “Agbalẽ si mena wòa ye.” Megblɔ nɛ be, “Mexlẽe vɔ xoxo ɖe!” Jim gblɔ tufafatɔe be, “Enyo, wò ya na míadzro ta gbãtɔa me ko.” Ewɔ nuku nam ŋutɔ be nu geɖe le eme si nyemede dzesi o. Ena mexlẽ mawunyakpukpui geɖe le nye King James Version Biblia me. Kaka manya la, mele nu srɔ̃m tso Mawu vavã Yehowa ŋu. Jim srɔ̃ Nyateƒe gbalẽa ƒe ta etɔ̃ kplim ŋdi ma. Tso ekema dzi la, míesrɔ̃a ta etɔ̃ Yawoɖa ŋdi ɖe sia ɖe. Nusɔsrɔ̃a vivi nunye ale gbegbe. Yayrae wònye nam be nɔviŋutsu amesiamina si dze si Nɔviŋutsu Charles T. Russell ŋkume kple ŋkume lae srɔ̃ nu kplim!

Esi mesrɔ̃ nu kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, woda asi ɖe dzinye be maɖe gbeƒã nya nyuia. Gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me sesẽ nam, gake Jim kpe ɖe ŋunye meɖu nye dzimaɖitsitsi dzi. (Dɔwɔwɔwo 20:20) Ekpe ɖe ŋunye meva lɔ̃ gbeƒãɖeɖedɔa vevie. Mebua gbeƒãɖeɖedɔa be enye mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si su asinye. Dzidzɔ gãe wònye nam be menye Mawu ƒe hadɔwɔla!—1 Korintotɔwo 3:9.

LƆLƆ̃ SI NƆ ASINYE GBÃ NA YEHOWA

Azɔ na magblɔ nane si le vevie nam ŋutɔ na wò; eyae nye lɔlɔ̃ si nɔ asinye gbã na Yehowa. (Nyaɖeɖefia 2:4) Ale si gbegbe meva lɔ̃ Yehowa lae kpe ɖe ŋunye medo dzi le veve si mesena ne meɖo ŋku nu siwo teƒe mekpɔ le aʋaa me dzi kple kuxi bubuwo hã me.—Yesaya 65:17.

Ale si gbegbe meva lɔ̃ Yehowa lae kpe ɖe ŋunye medo dzi le veve si mesena ne meɖo ŋku nu siwo teƒe mekpɔ le aʋaa me dzi

Mexɔ nyɔnyrɔ le July 1971 me le “Mawu Ƒe Ŋkɔ” Nutome Gã Takpekpe me le Yankee Stadium

Le ƒe 1971 me la, fofonye si xɔm nyi nyam le xɔ si wonam la me. Nu ka tae? Ebe yemedi be Yehowa Ðasefo aɖeke nanɔ aƒea me o! Ga menɔ asinye ɣemaɣi o. Kwasiɖa eve ɖe sia ɖe ye woxea fe nam le dɔnɔkɔdzi si mewɔa dɔ le, eye esi medi be nye awudodo nakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu ta la, ɖeko mezã nye fetu tsɔ ƒle awu siwo mado ayi gbeadzi koe nye ema. Ga vi aɖe nɔ asinye le gadzraɖoƒe, gake enɔ keke mía de Michigan ke. Eya ta eva hiã be manɔ nye lɔri suea me dɔm. Meléa tsi hedzrana ɖo le mɔ̃memidzraƒe aɖe ƒe tsileƒe.

Gbe ɖeka mekpã le dɔ me heyi Fiaɖuƒe Akpata me gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na kpekpe hena gbeadziyiyi. Esi menɔ anyi ɖe Fiaɖuƒe Akpataa megbe afi si ame aɖeke makpɔm le o la, nye ŋku gadze nu siwo teƒe mekpɔ le Vietnam dzi. Ðeko wòle abe ɖe mele ame siwo fiã ƒe ʋeʋẽ sem hele ʋu gbogbo siwo kɔ ɖe anyigba kpɔm ene, eye metsi dzodzodzoe enumake. Ewɔ abe ɖe mele ɖekakpui siwo xɔ abi vevie la kpɔm hele woƒe gbe sem esi wole biabiam nublanuitɔe be: “Mele agbe tsi gea? Mele agbe tsi gea?” Menya be woaku, gake mefaa akɔ na wo hewɔa nu abe woƒe lãme asẽ ene. Nu bliboa wu tsɔtsɔ nam.

Ɣesiaɣi si nane kpekem le agbe me la, medzea agbagba ɖoa ŋku lɔlɔ̃ si nɔ asinye gbã na Yehowa dzi

Medo gbe ɖa na Yehowa eye mefa avi ʋuu wòglom. (Psalmo 56:8) Meva nɔ ŋugble dem vevie le tsitretsitsia ŋu. Ɣemaɣie meva kpɔ ale si gbegbe mɔkpɔkpɔ sia xɔ asii! Yehowa agbɔ agbe ɖekakpui mawo ahana mɔnukpɔkpɔ wo be woasrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe eyama ŋu. Tsitretsitsia atsi míaƒe vevesese kple nuxaxawo katã nu. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Esi esia me va kɔ nam la, ena megalɔ̃ Yehowa ɖe edzi wu tsã. Gbe ma gbe kpɔtɔ nye ŋkeke vevi aɖe nam. Tso ɣemaɣi la, ɣesiaɣi si nane kpekem le agbe me la, medzea agbagba ɖoa ŋku lɔlɔ̃ si nɔ asinye gbã na Yehowa dzi.

YEHOWA NYO DƆME NAM GEÐE

Amewo wɔa nu dziŋɔwo le aʋawɔɣiwo, eye nye hã mele eme. Gake ŋugbledede le mawunyakpukpui eve aɖewo siwo doa dzidzɔ nam ŋu faa akɔ nam ŋutɔ. Gbãtɔe nye Nyaɖeɖefia 12:10, 11, afi si gblɔ be woɖu Abosam dzi le Yesu ƒe ʋu la me, ke menye to ɖaseɖiɖidɔa ko dzi o. Eveliae nye Galatiatɔwo 2:20, si ɖoa ŋku edzi nam be Yesu tsɔ eɖokui na ɖe tanye. Medaa akpe geɖe ɖe Kristo ƒe vɔsaa ta, elabena Yehowa to edzi tsɔ nu siwo mewɔ va yi la kem. Fifia dzitsinya dzadzɛ le asinye, eye medina vevie be maƒo nu tso Yehowa, mía Mawu nublanuikpɔlaa ŋu na amewo!—Hebritɔwo 9:14.

Ne mebu nu siwo me meto le agbe me ŋu la, mekpɔnɛ be Yehowa léa be nam ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, gbe si gbe Jim va nya be nye lɔri la mee medɔna la, ekplɔm yi nɔvinyɔnu aɖe gbɔ wòhaya eƒe xɔ ɖeka nam. Meka ɖe edzi be Yehowae to Jim kple nɔvinyɔnua dzi na teƒe nyui aɖem menɔ. Yehowa nyo dɔme nam geɖe! Eléa be na esubɔla wɔnuteƒewo ɣesiaɣi.

MESRƆ̃ ALE SI DZO NANƆ MENYE EVƆ MAGBƆ DZI ÐI

Le May 1971 me la, eva hiã be maɖi tsa ayi Michigan. Hafi madze mɔ tso Florida la, melɔ míaƒe agbalẽ gbogbo aɖewo de nye ʋua me eye medze mɔ ɖo ta dziehe gome. Kaka mato Georgia nutoa me ayi la, mena agbalẽawo katã vɔ. Meɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzonɔamemetɔe le afi sia afi si meɖo. Meɖe gbeƒã le gaxɔwo me hena trakt amewo le aɖuɖɔɖɔƒewo gɔ̃ hã. Mebua eŋu nenye be ame siwo meɖi ɖase na le mɔzɔzɔ ma me la dometɔ aɖewo va xɔ nyateƒea.—1 Korintotɔwo 3:6, 7.

Esi mesrɔ̃ nyateƒea teti la, nyemegbɔa dzi ɖi ne mele ɖase ɖim na amewo o, vevietɔ nye ƒometɔwo. Ɣeaɖewoɣi meƒoa nu kãkãkã akpa. Melɔ̃ nɔvinyeŋutsu John kple Ron vevie, eya ta ne mele gbeƒã ɖem na wo la, medina be mazi wo dzi ne woalɔ̃ ɖe nye dzixɔse yeyea dzi. Eva hiã be maɖe kuku na wo emegbe ɖe eta. Ke hã mele gbe dom ɖa be woava xɔ nyateƒea. Azɔ Yehowa kpe ɖe ŋunye menya ale si magbɔ dzi ɖi eye nye nya nadze to ne mele ɖase ɖim alo le nu fiam amewo.—Kolosetɔwo 4:6.

AME BUBU SIWO MELƆ̃ VEVIE

Ƒomedodo si le nye kple Yehowa dome ayi edzi anye nu vevitɔ nam le agbe me. Gake ame bubuwo hã li siwo melɔ̃ vevie, vevietɔ srɔ̃nye Susan lɔlɔ̃a. Enye nye didi vevie be makpɔ nyɔnu si akpe ɖe ŋunye masubɔ Yehowa la aɖe. Eye Susan nye nyɔnu veviedola si lɔ̃ Yehowa ŋutɔ. Gbe ɖeka esi míenɔ srɔ̃ɖeŋugbedodo me la, meɖi tsa yi egbɔ le edzilawo ƒe aƒe me le Rhode Ƒukpo dzi. Esi meɖo la, mekpɔe wònɔ anyi ɖe xɔmɔnu nɔ Gbetakpɔxɔ xlẽm eye Biblia le egbɔ. Nu si wɔ dɔ ɖe dzinyee nye be enɔ mawunyakpukpui ɖe sia ɖe kem nɔ exlẽm togbɔ be menye nusɔsrɔ̃nyati xlẽm wònɔ o hã. Mekpɔe be ƒomedodo si le eya kple Yehowa dome le vevie nɛ ŋutɔ. Míeɖe mía nɔewo le December 1971 me. Medaa akpe na Mawu be mekpɔ kpeɖeŋutɔ nyui aɖe ɖe. Nu si dzɔa dzi nam le eŋue nye be, togbɔ be elɔ̃m hã la, elɔ̃ Yehowa vevie wu.

Nye kple srɔ̃nye Susan, kpakple mía viŋutsuvi Paul kple Jesse

Yehowa yra mí míedzi ŋutsuvi eve, Jesse kple Paul. Eye Yehowa fia mɔ wo tso woƒe ɖevime ke. (1 Samuel 3:19) Dzi dzɔa mí ŋutɔ be ƒomedodo nyui le wo kplii dome. Wo dometɔ ɖe sia ɖe subɔ Yehowa ɣeyiɣiawo katã ƒe 20 kple edzivɔ. Eye wokpɔtɔ le esubɔm le esi woawo hã woɖoa ŋku lɔlɔ̃ si nɔ wo si gbã na Yehowa dzi ta. Toyɔvinye dzetugbe siwo nye Stephanie kple Racquel ƒe nu doa dzidzɔ nam ŋutɔ, eye metsɔ wo ko abe nye ŋutɔ vinyewo ene. Medaa akpe be vinyeŋutsuawo ɖe nyɔnu siwo lɔ̃ Yehowa tso dzi blibo me, eye wole esubɔm nuteƒewɔwɔtɔe.—Efesotɔwo 6:6.

Ƒomea kpɔa dzidzɔ ne míeyi ɖawɔ dɔ le anyigbamama si me womewɔa dɔ le edziedzi o me

Mesubɔ ƒe 16 le Rhode Ƒukpo dzi, eye medze xɔlɔ̃ geɖewo le afi ma. Megaɖoa ŋku hamemetsitsi bibi siwo nye kpli wo míesubɔ ɖekae dzi vevie. Mekpɔ ŋudzedze geɖe ɖe dzikpɔla mɔzɔla siwo kpe ɖe ŋunye hã ŋu. Mɔnukpɔkpɔe wònye nam be mele Yehowa subɔm kple nɔvi geɖe siwo hã megblẽ lɔlɔ̃ si nɔ wo si gbã na Yehowa la ɖi o. Le ƒe 1987 me la, míeʋu yi Dziehe Carolina, afi si hiahiã geɖe wu le, eye míedze xɔlɔ̃ nyui geɖewo le afi ma hã. *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

Mele kpekpe hena gbeadziyiyi dzi kpɔm esime menye dzikpɔla mɔzɔla

Le August 2002 me la, wokpe nye kple Susan be míava subɔ abe United States Betel ƒomea me tɔwo ene le Patterson. Mewɔ dɔ le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea, eye Susan wɔ dɔ le nunyaƒea, eye elɔ̃ dɔ sia ŋutɔ! Le August 2005 me la, wotiam be mazu Dɔdzikpɔha la me tɔ. Mese le ɖokuinye me be nyemedze na dɔ sia o. Susan hã tsi dzi ɖe agbanɔamedzi gã sia, dɔ vevi sia, kple mɔzɔzɔ geɖe si akpe ɖe eŋu la ŋu. Srɔ̃nye melɔ̃a yameʋuɖoɖo o; evɔ eva hiã be míaɖo yameʋu zi geɖe. Aɖaŋu nyui siwo Dɔdzikpɔhaa me tɔwo srɔ̃wo ɖo nɛ la ɖe vi nɛ geɖe. Esia na wòɖoe kplikpaa be yeayi edzi akpe ɖe ŋunye, eye melɔ̃e vevie ɖe esia ta!

Foto aɖewo le nye dɔwɔƒe, siwo nana meɖoa ŋku mɔnukpɔkpɔ nyui geɖe siwo su asinye le agbe me dzi. Nye yayrawo sɔ gbɔ ŋutɔ, le esi medzea agbagba ɖe sia ɖe be maɖo ŋku lɔlɔ̃ si nɔ asinye gbã na Yehowa dzi ɣesiaɣi ta!

Ɣeyiɣi kpɔkpɔ ɖe nye ƒomea ŋu vivia nunye ŋutɔ

^ mm. 30 Àte ŋu akpɔ Nɔviŋutsu Morris ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋuti nyatakaka le Gbetakpɔxɔ, March 15, 2006 ƒe axa 26.