Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Esiae Nye Míaƒe Tadeaguƒe!

Esiae Nye Míaƒe Tadeaguƒe!

“Ŋuʋaʋã ɖe wò aƒe la ŋu abi le menye abe dzo ene.”—YOHANES 2:17.

HADZIDZI: 127, 118

1, 2. (a) Teƒe kawoe Yehowa subɔlawo de ta agu nɛ le le blema? (b) Aleke Yesu wɔ nu ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ si nɔ Yerusalem ŋu? (d) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

TADEAGUƑE aɖe koŋ nɔ Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema kple esiwo li egbea siaa si. Le kpɔɖeŋu me, esi Abel sa vɔ na Yehowa la, anɔ eme be vɔsamlekpui si wòɖi dzie wòsa vɔa le. (1 Mose 4:3, 4) Noa, Abraham, Isak, Yakob kple Mose siaa ɖi vɔsamlekpuiwo. (1 Mose 8:20; 12:7; 26:25; 35:1; 2 Mose 17:15) Hekpe ɖe eŋu la, Yehowa de se na Israel-viwo be woatu avɔgbadɔ na ye. (2 Mose 25:8) Emegbe wotu gbedoxɔ be wòanye tadeaguƒe. (1 Fiawo 8:27, 29) Esi Mawu ƒe amewo trɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon la, wokpea ta edziedzi le ƒuƒoƒewo. (Marko 6:2; Yohanes 18:20; Dɔwɔwɔwo 15:21) Eye Kristotɔ gbãtɔwo kpena le amewo ƒe aƒewo me. (Dɔwɔwɔwo 12:12; 1 Korintotɔwo 16:19) Egbea Yehowa ƒe ame siwo le xexea me godoo kpena le Fiaɖuƒe Akpata akpe geɖewo me srɔ̃a nu tso Yehowa ŋu hesubɔnɛ.

2 Yesu de bubu gã aɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ si nɔ Yerusalem ŋu. Ale si gbegbe Yesu lɔ̃ gbedoxɔa na eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku nya si hakpalaa gblɔ dzi be: “Ŋuʋaʋã ɖe wò aƒe ŋu le bibim le menye abe dzo ene.” (Psalmo 69:9; Yohanes 2:17) Fiaɖuƒe Akpata la menye “Yehowa ƒe xɔ” abe ale si tututu wònɔ le Yerusalem gbedoxɔa gome ene o. (2 Kronika 5:13; 33:4) Ke hã, ele be míawo hã míade bubu gã míaƒe tadeaguƒewo ŋu. Le nyati sia me la, míadzro Biblia ƒe mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu míanya ale si wòle be míawɔ nui le míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me, ale si míalé be na teƒe siawo kple ale si míakpe asi ɖe wo tutu ŋu la me. *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

MÍEDEA BUBU MÍAƑE KPEKPEWO ŊU

3-5. Nu kae nye Fiaɖuƒe Akpata, eye aleke wòle be míabu kpekpeawoe?

3 Fiaɖuƒe Akpata ye nye teƒe si koŋ tadeagula vavãwo kpena le dea ta agu na Yehowa le nuto ɖe sia ɖe me. Mawu ƒe nunana nyui aɖee kpekpeawo nye, eye wokpena ɖe mía ŋu míedoa ŋusẽ ƒomedodo si le mía kplii dome. Eƒe habɔbɔa naa mɔfiame kple dzideƒoname siwo míehiã la mí le kpekpeawo me. Le nyateƒe me la, bubu gã wònye na mí be Yehowa kple Via kpea mí be míaɖu nu le “Yehowa ƒe kplɔ̃” ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa. (1 Korintotɔwo 10:21) Mele be míaŋlɔ be gbeɖe o be amekpekpe tɔxɛ ye esia nye.

4 Yehowa na eme kɔ na mí nyuie be yedi be míanɔ kpekpeawo dem ne míasubɔ ye ahade dzi ƒo na mía nɔewo. (Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.) Le bubu gã si míedea Yehowa ŋu ta la, mele be míada kpekpeawo ƒu le nu siwo mehiã vevie ŋutɔŋutɔ o ta o. Ne míedzrana ɖo ɖe kpekpeawo ŋu hedina vevie be míakpɔ gome le wo me la, esia ɖenɛ fiana be míekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Psalmo 22:22.

5 Ale si míewɔa nui le kpekpeawo me kple ale si míeléa be na míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo ɖenɛ fiana nenye be míedea bubu Yehowa ŋu. Esi Yehowa ƒe ŋkɔ dzena le nuŋɔŋlɔ si le Fiaɖuƒe Akpatawo dzi la me zi geɖe ta la, míadi be míaƒe agbenɔnɔ nanye kafukafu na eƒe ŋkɔ la.—Tsɔe sɔ kple 1 Fiawo 8:17.

6. Nya kawoe amewo gblɔ tso míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo kple mí ame siwo kpea ta le afi ma ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

6 Ne míedea bubu míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo ŋu la, amewo dea dzesii. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu aɖe si le Turkey gblɔ be: “Nu si wɔ dɔ ɖe dzinyee nye ale si teƒea le dzadzɛ eye nu sia nu le ɖoɖo nyui nu. Ame sia ame do awu hedzra ɖo nyuie, dzidzɔ le mo na wo, eye wodo gbe nam vividoɖeameŋutɔe. Ewɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.” Tso ekema dzi la, ŋutsu sia ƒe afɔ metsona le kpekpeawo me o, eye eteƒe medidi hafi wòxɔ nyɔnyrɔ o. Le Indonesia ƒe dugã aɖe me la, nɔviwo kpe nutoa me tɔwo, dudzikpɔlaa kple dumegã bubuwo be woava kpɔ yewoƒe Fiaɖuƒe Akpata yeyea. Ale si wotu xɔa wònya kpɔe kple ale si wotrɔ asi le eŋu kpakple seƒoƒo siwo wodo ɖe teƒea la katã wɔ dɔ ɖe dudzikpɔlaa dzi vevie. Egblɔ be: “Ale si akpata sia le dzadzɛ la ɖee fia be xɔsetɔ vavãwoe mienye.”

Ale si míewɔa nui ate ŋu aɖee afia be míedea bubu Mawu ŋu o (Kpɔ memama 7, 8)

7, 8. Aleke míeɖenɛ fiana be míedea bubu Yehowa ŋu ne míele Fiaɖuƒe Akpata me?

7 Yehowa ye le mía kpem be míava ƒo ƒu, eya ta ale si míedoa awu hedzrana ɖo kple ale si míewɔa nui le afi ma la le vevie nɛ. Le esia ta míeƒoa asa na nu si gbɔ eme wɔwɔ. Togbɔ be womedea se kpaɖii na mí ɖe nu si wòle be míawɔ kple awu si tututu míado ŋu o hã la, míewɔa nu le afi ma alo doa awu abe aƒe mee míele ene o. Enye nyateƒe be Yehowa di be mía kple ame siwo míekpe va Fiaɖuƒe Akpataa me la siaa míaɖe dzi ɖi le afi ma. Ke hã, mele be míawɔ naneke si ado vlo kpekpeawo le mɔ aɖeke nu o. Mele be míado awu siwo mele dzadzɛ o, alo ado awu ɖewoɖewoe o. Eye míenɔa nu ŋlɔm ɖo ɖe amewo le asitelefon dzi, nɔa dze ɖom, nɔa nu ɖum henɔa nu nom le kpekpeawo me o. Anyo be dzilawo nafia wo viwo be woaganɔ du ƒum alo anɔ fefem le Fiaɖuƒe Akpataa me o.—Nyagblɔla 3:1.

8 Esi Yesu kpɔ be amewo nɔ nu dzram le Mawu ƒe gbedoxɔa me la, dzi kui vevie eye wònya wo do goe. (Yohanes 2:13-17) Míawo hã ɖe míeyia Fiaɖuƒe Akpatawo me be míasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu ahade ta agu nɛ. Eya ta masɔ be míanɔ asitsanyawo kple dɔwɔnyawo gbɔ kpɔm le afi ma o.—Tsɔe sɔ kple Nehemiya 13:7, 8.

MÍEKPEA ASI ÐE FIAÐUƑE AKPATAWO TUTU ŊU

9, 10. (a) Aleke Yehowa ƒe amewo wɔna tua Fiaɖuƒe Akpatawo, eye nu kae do tso eme? (b) Aleke Yehowa ƒe habɔbɔa le kpekpem ɖe hame siwo si ŋutete mele be woawo ŋutɔ natu Fiaɖuƒe Akpatawo o ŋu?

9 Yehowa ƒe ame siwo le xexea me godoo wɔa dɔ sesĩe le Fiaɖuƒe Akpatawo tutu me. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawoe wɔa xɔawo ƒe tata, tunɛ, alo gbugbɔ ɖɔa wo ɖo, evɔ womexea fe na ame siawo o. Woƒe veviedodonu wɔe be le ƒe 15 siwo va yi me la, míetu Fiaɖuƒe Akpata dzeani 28,000 sɔŋ le xexea me godoo, si fia be míetua akpata yeye abe 5 ene gbe sia gbe.

10 Yehowa ƒe habɔbɔa ɖoa lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ɖa be woatu Fiaɖuƒe Akpatawo le teƒe siwo hiahiã le, eye míaƒe nudzɔdzɔwoe wotsɔna tunɛ. Míewɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiame si nye be ame siwo si geɖe le nakpe ɖe ame siwo si nu ʋɛ le ŋu la dzi. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 8:13-15.) Nu kae do tso esia me? Míetu Fiaɖuƒe Akpatawo na hame geɖe siwo si ŋutete mele be woawo ŋutɔ natui o.

11. Nya kawoe mía nɔvi aɖewo gblɔ tso woƒe Fiaɖuƒe Akpata yeyea ŋu, eye aleke esia na nèse le ɖokuiwò me?

11 Nɔvi siwo le hame aɖe me le Costa Rica ŋlɔ bena: “Esi míetsi tre ɖe míaƒe Fiaɖuƒe Akpata yeyea ŋgɔ la, ɖeko wòwɔ na mí abe drɔ̃e kum míele ene! Gbɔgblɔ bu ɖe mí. Ŋkeke enyi pɛ koe míetsɔ tu míaƒe akpata si nya kpɔ ŋutɔ la hewu enu keŋkeŋ! Yehowa ƒe yayra, ɖoɖo nyui si eƒe habɔbɔa wɔ kple mía nɔvi lɔlɔ̃awo ƒe kpekpeɖeŋu ye na esia va eme. Nunana xɔasi aɖee míaƒe tadeaguƒe sia nye, kesinɔnue wònye tso Yehowa gbɔ na mí. Míele dzidzɔ kpɔm ɖe eŋu ale gbegbe.” Enyea dzidzɔ na mí be míase ale si mía nɔviwo le akpe dam na Yehowa ɖe nu siwo wòwɔ na wo la ta. Eye dzi dzɔa mí ŋutɔ be Fiaɖuƒe Akpata le mía nɔvi siwo le xexea ƒe akpa sia akpa si sum. Edze ƒãa be Yehowa le yayrawo dudum ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutudɔa dzi, elabe ne wonya tu wo vɔ teti ko la, ame geɖe dzea kpekpeawo dede gɔme be yewoasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu.—Psalmo 127:1.

12. Aleke nàkpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu ŋu?

12 Nu kae nàwɔ atsɔ akpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu ŋu? Àte ŋu atsɔ ɖokuiwò ana le dɔa wɔwɔ me. Eye mí katã míate ŋu anɔ ga dzɔm be woatsɔ atu Fiaɖuƒe Akpatawo. Ne míewɔ nu sia nu si míate ŋui tsɔ kpe asi ɖe dɔ sia ŋu la, míekpɔa dzidzɔ si dona tso nunana me, eye vevietɔ wu la, míekafua Yehowa. Esia nye Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣi, siwo dzɔ nu tso dzi me faa be woatsɔ atu woƒe tadeaguƒewo la, ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃.—2 Mose 25:2; 2 Korintotɔwo 9:7.

MÍELÉA BE NA MÍAƑE FIAÐUƑE AKPATAWO

13, 14. Nya kae Biblia gblɔ si na míekpɔe be ele be míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo nanɔ dzadzɛ eye nuwo nanɔ ɖoɖo nu?

13 Yehowa nye Mawu dzadzɛ si le kɔkɔe. Enye Mawu si wɔa nu ɖe ɖoɖo nyui nu. Esia tae wòle be míalé be na míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo be woanɔ dzadzɛ eye nuwo nanɔ ɖoɖo nu. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 14:33, 40.) Be míanɔ dzadzɛ ahanɔ kɔkɔe abe Yehowa ene la, ele be míana míaƒe tadedeagu, nu siwo ŋu míebuna kple míaƒe agbenɔnɔ nanɔ dzadzɛ. Ele be míaƒe ameti bliboa hã nanɔ dzadzɛ.—Nyaɖeɖefia 19:8.

14 Ne míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo le dzadzɛ eye nuwo le ɖoɖo nu la, míekpea amewo na míaƒe kpekpeawo dzidzɔtɔe. Eye amewo kpɔnɛ be míenɔa agbe ɖe nya si míeɖea gbeƒãe ku ɖe xexe yeye dzadzɛ si gbɔna ŋu la nu. Woade dzesii hã be Mawu kɔkɔe si le dzadzɛ, ame si atrɔ anyigbaa wòazu paradiso dzeani aɖe la subɔm míele vavã.—Yesaya 6:1-3; Nyaɖeɖefia 11:18.

15, 16. (a) Nu ka tae menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be míana Fiaɖuƒe Akpataa nanɔ dzadzɛ o? Gake nu ka tae wòle be míawɔe? (b) Ðoɖo kae wowɔ ɖe miaƒe Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo ŋu, eye mɔnukpɔkpɔ nyui kae su mía dometɔ ɖe sia ɖe si?

15 Amewo ƒe susu le dzadzɛnyenye ŋu le vovovo. Nu ka tae? Ate ŋu atso afi si wonɔ tsi gbɔ. Azɔ hã ame aɖewo le nuto siwo me ké alo ʋuʋudedi sɔ gbɔ ɖo, alo teƒe siwo womedo mɔawo le o eye wo dzi nye ba ɖeɖe sɔŋ. Teƒe aɖewo hã tsi meli o, eye atike siwo woatsɔ aklɔ nuwo mebɔ o. Gake afi ka kee míeɖale alo aleke kee nutoa me tɔwo bua dzadzɛnyenyee o, ele be míawo ya míana míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo nanɔ dzadzɛ eye nuwo nanɔ ɖoɖo nu ɣesiaɣi. Elabena afi siae míedea ta agu na Yehowa le.—5 Mose 23:14.

16 Be míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo nanɔ dzadzɛ ale si wòanya wɔe la, ehiã be míawɔ ɖoɖo ɖe eŋu. Hamemetsitsiwo wɔa ɖoɖo si dzi hamea azɔ ɖo eye wokpɔa egbɔ be atike siwo woatsɔ aklɔ nuwo kple dɔwɔnuwo li. Hamemetsitsiwo xɔa ŋgɔ be woawɔ dɔa nyuie. Nanewo li wòle be míawɔ le kpekpe ɖe sia ɖe megbe, gake ɖewo hã li míawɔ le ɣeyiɣi ɖoɖi aɖewo dzi. Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖee wònye na mí katã be míakpe asi ɖe beléle na Fiaɖuƒe Akpataa ŋu.

MÍEDZRAA FIAÐUƑE AKPATA LA ÐO

17, 18. (a) Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yehowa ƒe amewo ɖɔ gbedoxɔa ɖo le blema la me? (b) Nu ka tae wòle be míanɔ nu siwo gblẽ le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata ŋu dzram ɖo kaba?

17 Míedzraa nu sia nu si gblẽ le Fiaɖuƒe Akpataa ŋu ɖo be wòanɔ nɔnɔme nyui me ɣesiaɣi. Esiae Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le blema la wɔ. Le kpɔɖeŋu me, le Yuda Fia Yehoas ƒe dziɖuɣi la, dukɔ la dzɔ ga na gbedoxɔa ŋu dɔwo. Eye fia la gblɔ na nunɔlawo be woazã ga la atsɔ aɖɔ aƒe la ƒe gbagbãƒe ɖe sia ɖe ɖo. (2 Fiawo 12:4, 5) Ƒe 200 kple edzivɔ megbe la, Fia Yosiya hã zã gbedoxɔ me nudzɔdzɔ tsɔ xe fe na dɔwɔlawo be woadzra aƒe la ɖo.—Xlẽ 2 Kronika 34:9-11.

18 Alɔdzekɔmiti aɖewo de dzesii be ame siwo le woƒe dukɔa me dometɔ akpa gãtɔ metsia dzi ɖe beléle na xɔwo kple dɔwɔnuwo be woanɔ nɔnɔme nyui me ŋu o. Ðewohĩ esi ame ʋɛ aɖewo koe nya dɔa ŋu le dukɔa me tae. Alo anye be ga meli woatsɔ axe wo ɖɔɖɔɖo ŋu fewo o. Gake ne míedzraa nu siwo gblẽ le Fiaɖuƒe Akpataa ŋu ɖo kaba o la, manɔ nɔnɔme nyui me o eye amewo ade dzesii. Manye ɖaseɖiɖi nyui na wo o. Ne mí katã míetsɔa ɖe le Fiaɖuƒe Akpataa dzadzraɖo me la, míekafua Yehowa eye míegblẽa ga si mía nɔviwo dzɔ wotsɔ tu xɔa na mí la dome o.

Ele be míana Fiaɖuƒe Akpata la nanɔ dzadzɛ ahanɔ nɔnɔme nyui me ɣesiaɣi (Kpɔ memama 16, 18)

19. Nu kae nàwɔ atsɔ ade bubu teƒe si míedea ta agu na Yehowa le ŋu?

19 Fiaɖuƒe Akpata nye xɔ si ŋu wokɔ na Yehowa. Menye ame alo hame ɖeka aɖe tɔe o. Abe ale si míedzro eme le nyati sia me ene la, Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu be nɔnɔme nyuitɔ nanɔ mía si ku ɖe teƒe siwo míedea ta agu na Mawu le ŋu. Esi míedea bubu Yehowa ŋu ta la, míedea bubu míaƒe kpekpewo kple Fiaɖuƒe Akpataa siaa ŋu. Edzɔa dzi na mí be míadzɔ ga be woatsɔ atu Fiaɖuƒe Akpatawo, eye míekua kutri léa be na wo be woanɔ dzadzɛ. Abe Yesu ene la, ŋuʋaʋã ɖe míaƒe tadeaguƒe, afi si míesubɔa Yehowa le, ŋu bina le mía me abe dzo ene, eye míedea bubu gã eŋu.—Yohanes 2:17.

^ mm. 2 Fiaɖuƒe Akpatawo koŋ ŋue míaƒo nu tsoe le nyati sia me. Gake mɔfiame siwo le afi sia ku ɖe Takpexɔwo kple teƒe bubu siwo míekpena le hena Yehowa subɔsubɔ hã ŋu.