Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yi Edzi Nànɔ Mawu Fiaɖuƒea Ƒe Akpa Dzi

Yi Edzi Nànɔ Mawu Fiaɖuƒea Ƒe Akpa Dzi

“Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o.”—YOHANES 17:16.

HADZIDZI: 63, 129

1, 2. (a) Ne míele Yehowa ƒe akpa dzi la, nu ka tae mele be míade nu xexe sia ƒe dunyahehewo me o? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu ka dzie ame akpa gãtɔ dena vevie, eye nu kae esia hena vɛ?

YEHOWA subɔlawo medea akpa aɖeke dzi le dunyahehewo me o, eya ta womedea nu dukɔmevinyenye alo ŋutigbalẽ ƒe amadede alo dekɔnu ƒe vovototo ƒe nyaʋiʋli siwo dea mama amewo me la me o. Nu ka tae? Elabena míelɔ̃ Yehowa, míewɔa nuteƒe nɛ, eye míeɖoa toe. (1 Yohanes 5:3) Afi ka kee míeɖale alo dukɔ ka mee míeɖatso o, míewɔa Mawu ƒe nudidiwo dzi pɛpɛpɛ. Nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi nɔnɔ le vevie na mí wu nu bubu ɖe sia ɖe. (Mateo 6:33) Esia tae míate ŋu agblɔ be míenye “xexea ƒe akpa aɖeke o.”—Xlẽ Yohanes 17:11, 15, 16; Yesaya 2:4.

2 Egbea ame siwo le xexea me dometɔ akpa gãtɔ dea woƒe dukɔ, gbegbɔgblɔ, dekɔnu, alo woƒe bɔlƒoha dzi vevie. Nublanuitɔe la, esia na wo dometɔ geɖe ʋlia ho kple wo nɔewo, léa fu wo nɔewo, eye ɣeaɖewoɣi wowua ame siwo de akpa kemɛa dzi gɔ̃ hã. Togbɔ be míekpɔa gome le nyaʋiʋli siawo me o hã la, nu siawo ate ŋu agblẽ nu le mía kple míaƒe ƒomea ŋu, eye amewo ate ŋu awɔ nu madzɔmadzɔ gãwo ɖe mía ŋu gɔ̃ hã. Esi Mawu wɔ mí kple ŋutete be míanya nu si le eteƒe kple nu si mele eteƒe o ta la, ne dziɖuɖuwo metso nya me le nanewo me nyuie o la, ate ŋu adzɔ be míade akpa aɖe dzi. (1 Mose 1:27; 5 Mose 32:4) Aleke nèsena le ɖokuiwò me ne dziɖuɖua mewɔ nu si sɔ o? Ðe nèdea akpa aɖe dzia?

Kristotɔ vavãwo mesusunɛ be Satana ƒe xexea ƒe akpa aɖe nyo wu eƒe akpa bubu aɖe o

3, 4. (a) Ne nyaʋiʋliwo do mo ɖa la, nu ka tae míedea akpa aɖeke dzi o? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Ne nyaʋiʋliwo do mo ɖa la, ame geɖe dea akpa aɖe dzi le esi dziɖuɖuwo na woxɔe se be nu si wòle be dukɔmevi nyuiwo nawɔ ye nye ema ta. Gake Yesu yomedzelawoe míawo míenye. Eya ta míedea nu dunyahehe me o, eye míeyia aʋa hã o. (Mateo 26:52) Kristotɔ vavãwo mesusunɛ be Satana ƒe xexea ƒe akpa aɖe nyo wu eƒe akpa bubu aɖe o. (2 Korintotɔwo 2:11) Eya ta míedea akpa aɖeke dzi le xexe sia ƒe nyaʋiʋliwo me kura o.—Xlẽ Yohanes 15:18, 19.

4 Esi míede blibo o ta la, ate ŋu adzɔ be mía dometɔ aɖewo nakpɔtɔ anɔ susu vɔ̃ bum ɖe ame bubuwo ŋu. (Yeremiya 17:9; Efesotɔwo 4:22-24) Le nyati sia me la, míakpɔ mɔfiame vevi aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míatsri nuŋububu mawo siwo hea mama vɛ. Eye míadzro ale si míate ŋu amla mía ɖokuiwo be míabu nuwo ŋu abe ale si Yehowa kple Yesu bua woe ene la me, ale be míayi edzi anɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi.

NU SI TAE MÍEDEA XEXEA ƑE AKPA AÐEKE DZI O

5, 6. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, aleke wòbu amewo ƒe ƒuƒoƒo vovovoawoe, eye nu ka tae?

5 Ne akpa aɖeke dzi mademade le sesẽm na wò la, bia ɖokuiwò be, ‘Anye ne nu kae Yesu awɔ?’ Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, nyaʋiʋli kple masɔmasɔwo nɔ Yudatɔwo, Galileatɔwo kple Samariatɔwo dome. Bu kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ. Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o. (Yohanes 4:9) Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe susu to vovo le nu geɖewo ŋu. (Dɔwɔwɔwo 23:6-9) Yudatɔ siwo srɔ̃ Se la susu be yewonyo wu ame siwo mesrɔ̃e o. (Yohanes 7:49) Eye ame geɖe melɔ̃a adzɔxɔlawo kple Romatɔwo ƒe nya o. (Mateo 9:11) Gake Yesu mede nu nyaʋiʋli siawo me o. Togbɔ be enɔ Yehowa kple eƒe nyateƒea ƒe akpa dzi ɣesiaɣi eye wònyae be Israel nye Mawu ƒe dukɔ tɔxɛ hã la, mefia eƒe apostoloawo gbeɖe be wonyo wu ame bubuwo o. (Yohanes 4:22) Ke boŋ efia wo be woalɔ̃ amewo katã.—Luka 10:27.

Yehowa kple Yesu mebua ŋutigbalẽ ƒe amadede aɖe, dukɔ aɖe me tɔwo alo gbegbɔgblɔ aɖe dolawo be wonyo wu bubuawo o

6 Nu ka tae Yesu mebu amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖeke be wonyo wu bubuwo o? Ale si eya kple Fofoa bua amewoe tae. Ðe Yehowa wɔ amegbetɔwo kple ŋutete be woadzi ame siwo si ŋutigbalẽ ƒe amadede vovovo le la be woayɔ anyigba dzi. (1 Mose 1:27, 28) Eya ta Yehowa kple Yesu mebua ŋutigbalẽ ƒe amadede aɖe, dukɔ aɖe me tɔwo alo gbegbɔgblɔ aɖe dolawo be wonyo wu bubuawo o. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Nyaɖeɖefia 7:9, 13, 14) Ele be míasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu debliboa.—Mateo 5:43-48.

7, 8. (a) Ame ka ƒe akpa dzie míele, eye nu ka tae? (b) Nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui ku ɖe amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu?

7 Nu ka tae míedea dziɖula si nye amegbetɔ alo dunyahedziɖuɖu aɖeke dzi o? Elabena Yehowa ƒe akpa dzie míele. Eyae nye míaƒe Dziɖula. Le Eden la, Satana gblɔ be Yehowa menye dziɖula nyuitɔ si aɖu amegbetɔwo dzi o. Satana di be amegbetɔwo naxɔe ase be ale si yewɔa nui la nyo wu Mawu tɔ. Yehowa gblẽe ɖe mía si be míatso nya me le ame si ƒe akpa dzi míanɔ ŋu. Ke wò ya ɖe? Ðe nèɖoa to Yehowa le esi nèxɔe se be ale si wòwɔa nui nyo wu tɔwò ta? Ðe nèka ɖe edzi be eƒe Fiaɖuƒea koe ate ŋu akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔa? Alo ɖe nèsusui be amegbetɔ ate ŋu aɖu nɔvia amegbetɔwo dzi Mawu manɔmee wòadze edzia?—1 Mose 3:4, 5.

8 Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe bia wò be nu kae nye wò susu le dunyahehabɔbɔ, ɖɔɖɔɖotaʋlilawo kple ɖɔɖɔɖowɔha bubuwo ŋu mahã la, aleke nàɖo eŋu? Anɔ eme be habɔbɔ siawo dometɔ aɖewo adi vavã be yewoakpe ɖe amewo ŋu ya. Gake míenya be Yehowa ƒe Fiaɖuƒea koe akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ eye wòaɖe madzɔmadzɔnyenye ɖa keŋkeŋ. Míewɔna ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi le hamea me, ke menye be ame sia ame nawɔ nu si wòsusu be enye nyuia o. Esia tae ɖekawɔwɔ le hamea me ɖo.

9. Kuxi kae nɔ Kristotɔ aɖewo dome le ƒe alafa gbãtɔ me, eye nu kae wòhiã be woawɔ?

9 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔ aɖewo siwo nɔ Korinto la nɔ nya hem le wo nɔewo dome nɔ gbɔgblɔm be: “‘Paulo tɔe menye,’ ɖewo be ‘Nye ya Apolo tɔe menye,’ bubuwo be ‘Nye ya Kefas tɔe menye,’ eye ɖewo hã be ‘Nye ya Kristo tɔe menye.’” Esi Paulo se nya sia la, ewɔ mo yaa nɛ. Kuxi sesẽ aɖee esia nye, elabena hamea ƒe ŋutifafa ɖo afɔku me. Eya ta ebia nɔviawo be: “Ðe Kristo la me ma?” Paulo gblɔ be: “Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be, mi katã miaƒe nu nasɔ, eye mama naganɔ mia dome o, ke boŋ miawɔ ɖeka bliboe le susu kple nuŋububu ɖeka ma ke me.” Alea tututue wòle be wòanɔ egbea hã. Mele be mama aɖeke nanɔ hamea me o.—1 Korintotɔwo 1:10-13; xlẽ Romatɔwo 16:17, 18.

10. Nu ka dzie Paulo ɖo ŋkui na Kristotɔwo, eye nu kae míesrɔ̃ tso esia me?

10 Paulo ɖo ŋku edzi na Kristotɔ amesiaminawo be woƒe dumevinyenye le dziƒo eya ta woƒe susu meganɔ ‘anyigbadzinuwo ŋu’ o. (Filipitɔwo 3:17-20) * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Amesiaminawo nye dukɔteƒenɔla siwo le Mawu kple Kristo teƒe. Ame si nye dukɔteƒenɔla le dutadukɔ aɖe me la, medea nu dukɔ ma ƒe nyawo kple dunyahehe me o. Nenema kee masɔ be amesiaminawo nade nu xexea ƒe nyawo kple dunyahehe me o. (2 Korintotɔwo 5:20) Ame siwo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ anyigba dzi tegbee la hã le Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi, eye womedea akpa aɖeke dzi le xexe sia ƒe nyaʋiʋliwo me o.

MLA ÐOKUIWÒ BE NÀNƆ YEHOWA ƑE FIAÐUƑEA ƑE AKPA DZI SESĨE

11, 12. (a) Ne míedi be míanɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi la, nɔnɔme kawo ŋue wòle be míaɖe asi le? (b) Aleke nɔvinyɔnu aɖe se le eɖokui me le ame aɖewo ŋu, eye nu kae kpe ɖe eŋu wòtrɔ?

11 Le xexea ƒe akpa gãtɔ la, kadodo tɔxɛ nɔa ame siwo to nɔnɔme ɖeka me, eye woƒe dekɔnu kple gbegbɔgblɔ nye ɖeka la dome. Zi geɖe la, wodana ŋutɔ ɖe afi si wotso la ta. Gake mele be míaɖe mɔ nɔnɔme siawo nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Ke boŋ ele be míatrɔ ale si míebua tamee eye míana hehe míaƒe dzitsinya ale be míakpɔtɔ anye akpaɖekedzimadelawo le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Aleke míawɔ esia?

12 Le kpɔɖeŋu me, wodzi Mirjeta * (kpɔ etenuŋɔŋlɔa) le dukɔ si woyɔna tsã be Yugoslavia me. Ame siwo dome wònɔ tsi la kple Serbiatɔwo menyina o. Esi wòsrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu la, eva kpɔe be Yehowa mebua to aɖe me tɔwo be wonyo wu bubu aɖe o, ke Satanae dina be amewo nalé fu wo nɔewo. Eya ta nɔvinyɔnua dze agbagba vevie trɔ eƒe nuŋububu. Gake esi aʋa dzɔ ɖe to vovovowo me tɔwo dome le nutoa me la, Mirjeta gate fuléle Serbiatɔwo. Megadina be yeaɖe gbeƒã na wo gɔ̃ hã o. Enya be esia menyo o, eya ta eɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu ne yeatrɔ yeƒe nuŋububu. Ebiae hã be wòakpe ɖe ye ŋu yeadze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Mirjeta gblɔ be: “Meva kpɔe be esi metrɔ susu ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la, ekpe ɖe ŋunye ale gbegbe. Le subɔsubɔdɔa me la, medzea agbagba be masrɔ̃ Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo, eye mekpɔe be nye seselelãme manyomanyowo bú vĩi.”

13. (a) Nu kae dzɔ ɖe Zoila dzi, eye aleke wòwɔ nui? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Zoila ƒe nuteƒekpɔkpɔa me?

13 Zoila nye nɔvinyɔnu aɖe si ʋu tso Mexico yi Europa. Nɔvi siwo tso Latin Amerika ƒe akpa bubu le hame si me wòle la me. Zoila gblɔ be wo dometɔ aɖewo ɖea alɔme le dukɔ si me yetso, yewoƒe dekɔnuwo kple yewoƒe hadzidziwo ŋu. Esia te ɖe edzi, eya ta edo gbe ɖa na Yehowa be nekpe ɖe ye ŋu be yemagado dziku o. Ne míawo ŋue wowɔ nu ma ɖo la, aleke míawɔ nui? Ekpɔtɔ le sesẽm na mía nɔvi aɖewo be woaɖu wo ɖokui dzi ne amewo gblɔ nya vɔ̃ tso afi si wotso ŋu. Eya ta míadi gbeɖe be míagblɔ nya aɖe alo awɔ nane si afia be amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe nyo wu bubuwo o. Mímadi be míade mama hamea me alo ade mama amewo me le teƒe bubuwo o. —Romatɔwo 14:19; 2 Korintotɔwo 6:3.

Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàbu amewo abe ale si wòbua woe ene

14. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàbu amewo abe ale si Yehowa bua woe ene?

14 Mí katã míenya be Yehowa subɔlawo léa nɔvisi abe dukɔ ɖeka ene, eya ta mele be míabui be teƒe aɖe alo dukɔ aɖe nyo wu bubuawo o. Wò ƒometɔwo kple ame siwo dome nènɔ tsi ƒe nuwɔnawo ate ŋu awɔe be nàlɔ̃ afi si nètso. Eya ta ɖewohĩ màbu susu nyui ɖe dukɔ, dekɔnu, gbegbɔgblɔ alo ŋutigbalẽ bubu aɖe tɔwo ŋu o. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàtrɔ? De ŋugble le ale si Yehowa sena le eɖokui me le ame siwo dana ɖe woƒe dukɔ dzi alo buna be yewonyo wu ame bubuwo ŋu la ŋu. Ku nu me tso nya sia ŋu le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ alo ƒometadedeagu wɔɣi. Eyome nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàbu amewo abe ale si wòbua woe ene.—Xlẽ Romatɔwo 12:2.

Be míawɔ nuteƒe na Yehowa la, ele be míaɖo toe, metsɔ le nu si ame bubuwo awɔ mí me o (Kpɔ memama 15, 16)

15, 16. (a) Aleke ame aɖewo awɔ nu ɖe mía ŋu le esi míeto vovo ta? (b) Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woawɔ nuteƒe na Yehowa?

15 Míedi be míasubɔ Yehowa le dzitsinya dzadzɛ me, eya ta ɣeaɖewoɣi la, míato vovo kura tso míaƒe dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, aƒelikawo, alo ƒometɔwo gbɔ. (1 Petro 2:19) Esi bliku ƒe nya medzɔna le koklowo de o ta la, Yesu xlɔ̃ nu mí be amewo alé fu mí godoo. Nenɔ ŋku dzi na wò be ame siwo tsia tre ɖe mía ŋu dometɔ akpa gãtɔ menya nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu o. Eya ta womese nu si tae wòle vevie be míanɔ Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi ke menye amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo dzi o la gɔme o.

16 Be míawɔ nuteƒe na Yehowa la, ele be míaɖo toe, metsɔ le nu si ame bubuwo awɔ mí alo agblɔ me o. (Daniel 3:16-18) Asesẽ na sɔhɛwo koŋ be woawɔ nu si to vovo tso ame bubuwo tɔ gbɔ. Dzilawo, mikpe ɖe mia viwo ŋu be woawɔ nu kple dzideƒo le suku. Ate ŋu anɔ sesẽm na viwòwo be woagbe be yewomado gbe na aflaga alo akpɔ gome le dukɔa ƒe azãwo me o. Le miaƒe ƒometadedeagu me la, miate ŋu asrɔ̃ nu tso ale si Yehowa bua nu siawoe ŋu. Anyo be miafia wo ale si woaɖe woƒe dzixɔsewo me nyuie le bubumɔ nu. (Romatɔwo 1:16) Miate ŋu akpe ɖe ɖeviawo ŋu hã ne miete ɖe woƒe nufialawo ŋu heɖe míaƒe dzixɔsewo me na wo, ne anya wɔ.

SE VIVI NA YEHOWA ƑE NUWƆWƆWO KATÃ

17. Nuŋububu kae wòle be míaƒo asa na, eye nu ka tae?

17 Zi geɖe la, míekpɔa dzidzɔ ɖe nuɖuɖu, gbegbɔgblɔ, nuto kple dekɔnu siwo le afi si míenɔ tsi la ŋu. Gake ɖe míesena le mía ɖokui me be nu siwo vivia mía nu la nyo wu nu siwo dzɔa dzi na ame bubuwoa? Yehowa di be míase vivi na nu vovovo siwo yewɔ. (Psalmo 104:24; Nyaɖeɖefia 4:11) Eya ta nu ka tae nàte tɔ ɖe edzi be ale si miawo miewɔa nane la koe nye nyuitɔ?

Yehowa di be amewo katã ƒomevi nakpɔ agbe mavɔ

18. Nu ka tae wònyo be míabu amewo abe ale si Yehowa bua woe ene?

18 Yehowa di be amewo katã ƒomevi nasrɔ̃ nu tso ye ŋu, asubɔ ye, eye woakpɔ agbe mavɔ. (Yohanes 3:16; 1 Timoteo 2:3, 4) Ne mía nɔvi aɖewo ƒe susu to vovo na mía tɔ gɔ̃ hã la, míelɔ̃na faa ɖoa to hexɔnɛ zi ale si woƒe susua metsi tre ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ŋu o ko. Ne míewɔe alea la, míesea vivi na agbea, míegakpɔa dzidzɔ wu, eye ɖekawɔwɔ yia edzi nɔa mía kple mía nɔviwo dome. Abe ale si míeva kpɔe ene la, míedea akpa aɖeke dzi le xexea me ƒe nyaʋiʋliwo me o le esi míele Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi sesĩe ta. Eye míeléa fu dada kple hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ si le Satana ƒe xexea me. Aleke gbegbe míedaa akpe na Yehowae nye esi be efia mí be míalɔ̃ ŋutifafa ahabɔbɔ mía ɖokui! Míesena le mía ɖokui me abe hakpalaa ene esi wògblɔ be: “Kpɔ ale si wònyo eye wòvivinae ɖa ne nɔviwo le afi ɖeka le ɖekawɔwɔ me!”—Psalmo 133:1.

^ mm. 10 Roma dumevinyenye aɖe tɔgbi anya nɔ Filipi hamea me tɔ aɖewo si, si wɔe be gomenɔamesi geɖe su wo si wu wo nɔvi siwo menye Roma dumeviwo o.

^ mm. 12 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.