Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbemeŋutinya

“Ƒukpo Geɖeawo Nekpɔ Dzidzɔ”

“Ƒukpo Geɖeawo Nekpɔ Dzidzɔ”

Megaɖoa ŋku nu si dzɔ le Brooklyn gbe ma gbe dzi kokoko. Nye kple nɔviŋutsu siwo tso xexea ƒe akpa vovovowo míenɔ lalam le xɔ si me Dɔdzikpɔha la kpea ta le me. Míenɔ Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmiti la me tɔwo dzɔm. Kuxi aɖe dze ŋgɔ gbegɔmeɖelawo, eye míedi be míatsɔ ale si woate ŋu akpɔ egbɔe la afia Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmitia me tɔawo. May 22, 2000 dzie. Gake nu ka tae kpekpe sia le vevie nenema gbegbe? Hafi mayi nya sia dzi la, na magblɔ nye ŋutinya vi aɖe na wò.

Mexɔ nyɔnyrɔ le Queensland, mewɔ mɔɖeɖedɔa le Tasmania, eye mewɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Tuvalu, Samoa kple Fiji

WODZIM le Queensland, Australia, le ƒe 1955 me. Le esia megbe kpuie la, nɔnye Estelle lɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kpli ye. Ƒe ɖeka megbe ko la, exɔ nyɔnyrɔ, gake tɔnye Ron ya xɔ nyateƒea le ƒe 13 megbe. Mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1968 me le Queensland ƒe kɔƒe aɖe me.

Tso nye ɖevime ke la, melɔ̃a agbalẽxexlẽ kple gbesɔsrɔ̃. Ɣesiaɣi si nye kple dzinyelawo míele mɔ zɔm la, menɔa anyi ɖe ʋua ƒe megbezikpui dzi nɔa agbalẽ xlẽm. Dzinyelawo tsia dzi vevie le esi nyemenɔa ŋku lém ɖe nuto dzeaniawo ŋu o ta. Gake nye nuxexlẽ atraɖii alea kpe ɖe ŋunye ŋutɔ le suku. Mexɔ nunana geɖe gɔ̃ hã esime menɔ sekɛndrisuku (alo lycée) dem le Glenorchy, si le Tasmania ƒukpo dzi.

Ɣemaɣi la, eva hiã be matso nya me le nya vevi aɖe ŋu. Ðe malɔ̃ axɔ sukudede femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔ be made yunivɛsitia? Togbɔ be melɔ̃ agbalẽxexlẽ kple agbalẽsɔsrɔ̃ vevie hã la, medaa akpe be nɔnye kpe ɖe ŋunye be malɔ̃ Yehowa wu ame alo nu bubu ɖe sia ɖe. (1 Korintotɔwo 3:18, 19) Eya ta esi dzinyelawo ɖe mɔ nam la, meɖoe be ne menya wu sekɛndrisuku nu ko la, madze mɔɖeɖedɔa gɔme enumake. Esia tututue mewɔ le January 1971 me esime mexɔ ƒe 15.

Le ƒe enyi siwo kplɔe ɖo me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ mɔɖeɖedɔa le Tasmania. Le ɣeyiɣi ma me la, meɖe ɖetugbui dzetugbe aɖe si ŋkɔe nye Jenny Alcock, le Tasmania. Míesubɔ ɖekae abe mɔɖela veviwo ene ƒe ene le nuto saɖeaga siwo nye Smithton kple Queenstown me.

MÍEZU DUTANYANYUIGBLƆLAWO LE PASIFIK ƑUKPOWO DZI

Le ƒe 1978 me la, nye kple srɔ̃nye míezɔ mɔ yi dukɔwo dome takpekpe le Port Moresby, si le Papua New Guinea. Meɖoa ŋku dutanyanyuigblɔla aɖe ƒe dutoƒonuƒo si wòƒo le Hiri Motu gbe me la koŋ dzi. Togbɔ be nyemese nya siwo gblɔm wònɔ gɔme o hã la, edzrom vevie be nye hã mava zu dutanyanyuigblɔla, asrɔ̃ gbe bubu ahaƒo nuƒo atsɔ ade dzi ƒo na nɔviwo le woawo ŋutɔ degbe me. Azɔ ko hafi meva kpɔe be mate ŋu azã gbesɔsrɔ̃ ƒe nunana la atsɔ asubɔ Yehowa.

Eya ta esi míegbɔ tso takpekpea la, dzi dzɔ mí ŋutɔ be wokpe mí be míava zu dutanyanyuigblɔlawo. Míeva ɖo Funafuti ƒukpo dzi, le Tuvalu, le January 1979 me. Ne woɖe mí le eme la, gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ etɔ̃ pɛ koe nɔ Tuvalu bliboa ɣemaɣi.

Nye kple Jenny, le Tuvalu

Tuvalugbea sɔsrɔ̃ menɔ bɔbɔe na nye kple nye aƒenɔ kura o. “Nubabla Yeye” la koe nye agbalẽ nɔ Tuvalugbe me ɣemaɣi. Nyagɔmeɖegbalẽ alo gbesɔsrɔ̃ ƒe suku aɖeke menɔ anyi o, eya ta míeɖoe be míadze agbagba asrɔ̃ nya yeye 10 va se ɖe 20 gbe sia gbe. Gake eteƒe medidi o, míeva kpɔe be míese nya siwo srɔ̃m míenɔ la dometɔ akpa gãtɔ gɔme nyuie o. Le kpɔɖeŋu me, le esi teƒe be míagblɔ na amewo be gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ menyo o la, míenɔ gbɔgblɔm na wo boŋ be nudanu kple atizɔti zazã menyo o! Gake ele be míado vevie nu ayi gbea sɔsrɔ̃ dzi, elabena míedze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ame geɖe xoxo. Ƒe gbogbo aɖewo megbe la, míaƒe Biblia-nusrɔ̃vi gbãtɔawo dometɔ ɖeka gblɔ na mí be: “Míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be miete ŋu le mía degbea dom nyuie azɔ. Le gɔmedzedzea me la, míetea ŋu sea nya si tututu miedi be yewoagblɔ la gɔme o!”

Gake nane kpe ɖe mía ŋu míesrɔ̃ gbea kabakaba. Eyae nye be míekpɔ xɔ aɖeke haya o, eya ta míenɔ Ðasefowo ƒe ƒome aɖe gbɔ le kɔƒea ŋutɔ me. Ele be míado Tuvalugbe le afi sia afi, le aƒe me gɔ̃ hã. Esi míedzudzɔ Eŋlisigbe dodo ƒe geɖe ta la, Tuvalugbea va zu gbe si nɔ nu na mí.

Esi míeva ɖo teti la, ame geɖe kpɔ ŋudzedze ɖe nyateƒea ŋu. Gake agbalẽ kae míasrɔ̃ kpli wo? Míaƒe agbalẽ aɖeke menɔ Tuvalugbea me o. Aleke woawɔ asrɔ̃ nu le wo ɖokui si? Ke ne wodze kpekpeawo dede gɔme ɖe, ha kawoe woadzi, aleke woawɔ dɔdeasiwoe, eye aleke woadzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋui? Aleke kura woawɔ axɔ nyɔnyrɔ? Ðokuibɔbɔla siawo hiã na agbalẽ siwo akpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu! (1 Korintotɔwo 14:9) Míenɔa mía ɖokui biam be, ‘Ðe woava ɖe míaƒe agbalẽwo gɔme ɖe Tuvalugbe, si ame siwo mede 15,000 o dona la mea?’ Ŋugbledede le Yehowa ƒe didi eve aɖewo ŋu na míekpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo: (1) Edi be ame siwo le “ƒukpo siwo le didiƒe ʋĩi” dzi la nasrɔ̃ nu tso ye ŋu, eye (2) edi hã be ame siwo xexea buna be “[wobɔbɔa] wo ɖokui hefa tu” la natsɔ eƒe ŋkɔ awɔ woƒe sitsoƒee.—Yeremiya 31:10; Zefaniya 3:12.

MÍEÐE AGBALẼWO GƆME BE MÍATSƆ AFIA NYATEƑEA AMEWO

Le ƒe 1980 me la, alɔdzedɔwɔƒea de dɔ asi na mí be míaɖe agbalẽwo gɔme ɖe Tuvalugbe me. Míedze dɔa gɔme togbɔ be míese gbea nyuie o hã. (1 Korintotɔwo 1:28, 29) Le gɔmedzedzea me la, míeƒle mɔ̃ xoxo aɖe tso dziɖuɖua gbɔ be míatsɔ anɔ agbalẽ siwo míazã le kpekpeawo me tam. Emegbe míeɖe agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee gɔme ɖe Tuvalugbe me hetsɔ míaƒe mɔ̃ xoxo sue sia tae. Megaɖoa ŋku nuŋlɔtsi si míezãna la ƒe ʋeʋẽ si nu sẽ kpakple nutoa me ƒe dzoxɔxɔ si wɔe be agbalẽawo tata ɖekaɖeka kple asi menɔ bɔbɔe na mí o la dzi kokoko. Dziɖegbeŋusẽ menɔ anyi ɣemaɣi o!

Esi nyagɔmeɖegbalẽ kple numekugbalẽwo menɔ Tuvalugbea me o ta la, gbegɔmeɖeɖe ɖe gbe ma me sesẽ. Gake ɣeaɖewoɣi míekpɔa kpekpeɖeŋu tso afi bubuwo. Gbe ɖeka ŋdi la, mege ɖe ŋutsu aɖe si tsi tsitre ɖe nyateƒea ŋu la ƒe aƒe me vodadatɔe. Ŋutsu tsitsi sia si nye nufiala la gblɔ na mí be míagava yeƒe aƒe me azɔ o. Eyome egblɔ be: “Ðeko medi be mana mianya nane. Miezãa nyakɔsɔkɔsɔ kplanyaawo le miaƒe gbegɔmeɖeɖewo me akpa. Menye nenemae Tuvalutɔwo ƒoa nui o.” Mebia ame bubuwo se enumake hekpɔe be nyateƒee ŋutsua to. Eya ta míetrɔ asi le míaƒe gbegɔmeɖeɖea ŋu. Ewɔ nuku nam be Yehowa na kpekpeɖeŋu sia mí to ame sia si tsi tsitre ɖe nyateƒea ŋu evɔ wòhexlẽa míaƒe agbalẽwo la dzi!

Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 30 lia, le Tuvalugbe me

Tuvalugbe me gbalẽ gbãtɔ si míema na amewoe nye Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽvi. Eyome míema Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 30 lia si woɖe ɖe go aduadu kple Eŋlisigbe me tɔa. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be míema agbalẽ si le Tuvalutɔwo ŋutɔ degbe me la na wo! Ɣeyiɣi aɖe megbe la, míeɖe agbalẽ gbadza kple agbalẽ gã bubu aɖewo gɔ̃ hã gɔme ɖe Tuvalugbe me. Le ƒe 1983 me la, Australia alɔdzedɔwɔƒea dze Gbetakpɔxɔ tata gɔme ɖe Tuvalugbe me. Axa 24 ye nɔ magazinea si, eye wòdona ɣleti etɔ̃ sia ɣleti etɔ̃. Ðe Tuvalutɔwo kpɔ dzidzɔ ɖe agbalẽ kple magazine siawo ŋua? Ɛ̃, elabena wolɔ̃ nuxexlẽ ŋutɔ. Ɣesiaɣi si míeɖe agbalẽ yeye aɖe ɖe go la, dziɖuɖua ƒe radiodɔwɔƒe ɖea gbeƒãe le nyadzɔdzɔwo me, eye ɣeaɖewoɣi esia nyea nu si ŋu woƒoa nu tsoe ŋkeke bliboa! *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

Aleke míewɔa gbegɔmeɖeɖedɔae? Míeŋlɔa nu sia nu ɖe agbalẽ dzi gbã. Eyome míeƒonɛ kple nuŋlɔmɔ̃ gaƒonɛ va se ɖe esime míekpɔ be nu sia nu de pɛpɛpɛ, eye emegbe míeɖonɛ ɖe Australia alɔdzedɔwɔƒea. Nɔvinyɔnu eve gbugbɔ ƒonɛ ɖe kɔmpiuta dzi, wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒonɛ ɖe vovo, togbɔ be womese Tuvalugbea o hã. Esi wònye be woƒoa agbalẽa me nyawo ɖe mɔ̃ dzi zi eve, eye wotsɔa wo sɔna kple wo nɔewo ta la, esia wɔnɛ be woɖɔa vodadawo ɖo. Azɔ alɔdzedɔwɔƒea taa agbalẽawo ƒe kpɔɖeŋu hedea nɔnɔmetatawo eme. Emegbe woɖoa wo ɖe mí to yameʋu siwo tsɔa lɛtawo vanɛ dzi. Míetoa wo me nyuie hegbugbɔa wo ɖona ɖe alɔdzedɔwɔƒea be woatae.

Míeyi ŋgɔ geɖe le gbegɔmeɖeɖedɔa me! Fifia gbegɔmeɖelawo ƒoa nyawo ɖe kɔmpiuta dzi tẽe henɔa vodadawo ɖɔm ɖo. Zi geɖe la, ame si taa agbalẽawo ƒe kpɔɖeŋu hedea nɔnɔmetatawo eme la wɔa dɔ le teƒe ɖeka kple gbegɔmeɖelawo. Emegbe woɖoa wo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si taa agbalẽawo la to Internet dzi. Megahiã be ame aɖeke natsi dzi ayi posudɔwɔƒe be yeaɖo agbalẽ si gɔme woɖe me nyawo ɖa kaba hafi wòatsi megbe o.

DƆ BUBU SIWO MÍEGAWƆ

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, wode dɔ bubuwo asi na nye kple Jenny le Pasifik ƒe nuto vovovowo me. Woɖe mí tso Tuvalu yi Samoa alɔdzedɔwɔƒea le ƒe 1985 me. Le afi sia la, míekpe asi ɖe eŋu woɖe agbalẽwo gɔme ɖe Samoa, Tonga kple Tokelau gbewo me, eye míena kpekpeɖeŋu hã le Tuvalugbe gɔme ɖeɖe me. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Emegbe, le ƒe 1996 me la, woɖo mí ɖe Fiji alɔdzedɔwɔƒea, afi si míekpe asi ɖe gbegɔmeɖeɖedɔa ŋu le le Fiji, Kiribati, Nauru, Rotuma kple Tuvalu gbewo me.

Míezã Tuvalugbe me gbalẽwo tsɔ fia nu amewo

Ale si gbegɔmeɖelawo lɔ̃ woƒe dɔa togbɔ be mele bɔbɔe o, eye wòtea ɖeɖi ame ŋu hã, la wɔa nuku nam ale gbegbe. Abe Yehowa ene la, nɔvi wɔnuteƒe siawo di vevie be amewo nase nya nyuia le wo degbe me. (Nyaɖeɖefia 14:6) Le kpɔɖeŋu me, esi wole ɖoɖo wɔm be woaɖe Gbetakpɔxɔ gɔme ɖe Tongagbe me la, mekpe kple hamemetsitsi siwo katã le Tonga hebia wo be, ame kawoe míate ŋu ana hehee be woazu gbegɔmeɖelawo mahã. Hamemetsitsiawo dometɔ ɖeka tsɔ eɖokui na be yeaɖe asi le yeƒe dɔ ŋu le ŋufɔke be yeadze gbegɔmeɖeɖedɔa gɔme enumake, togbɔ be enɔ ga kpɔm le gbededɔ si wɔm wòle me gɔ̃ hã. Xɔse sesẽ si wòɖe fia wɔ dɔ ɖe dzinye, elabena ƒome le esi eye menya nenye be yeakpɔ ga akpɔ wo dzi o. Gake Yehowa lé be na eya kple eƒe ƒomea eye wòwɔ gbegɔmeɖeɖedɔa ƒe geɖe.

Abe gbegɔmeɖela siawo ene la, nɔviŋutsu siwo nye Dɔdzikpɔha la me tɔwo di vevie be yewoana agbalẽwo nasu amewo si le gbegbɔgblɔwo katã me, le esiwo ame ʋɛ aɖewo ko dona gɔ̃ hã me. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo tsi dzi nenye be ehiã kokoko be woagblẽ ɣeyiɣi aɖe agbalẽwo gɔme ɖe Tuvalugbe me. Ŋuɖoɖo si Dɔdzikpɔhaa na la de dzi ƒo nam ŋutɔ, eyae nye be: “Míekpɔ susu aɖeke kura si tae míadzudzɔ agbalẽwo gɔme ɖeɖe ɖe Tuvalugbe me o. Togbɔ be edze abe ne wotsɔ Tuvalugbe dolawo sɔ kple gbe bubuawo la, wole sue ene hã la, ehiã be nya nyuia naɖo wo gbɔ le wo degbe me.”

Mele nyɔnyrɔ nam ame aɖe le tɔ aɖe me

Le ƒe 2003 me la, woɖe nye kple Jenny tso Fiji Gbegɔmeɖeƒea yi Gbegɔmeɖeɖedɔa Dzikpɔƒe le Patterson, New York. Ðeko wòle abe zie ke ɖe tsi ŋu ene! Fifia míeva zu ƒuƒoƒo aɖe si kpea asi ɖe agbalẽwo gɔme ɖeɖe ɖe gbegbɔgblɔ gbogbowo me ŋu la me tɔwo. Míewɔ dɔ le Gbegɔmeɖeɖedɔa Dzikpɔƒea ƒe eve aɖewo, eye wodɔ mí míeyi ɖana hehe gbegɔmeɖelawo le dukɔ vovovowo me.

NYAMETSOTSO VEVI AÐEWO

Azɔ na maƒo nu tso kpekpe vevi si ƒe nya megblɔ le gɔmedzedzea me ŋu na wò. Kaka ƒe 2000 naɖo la, Dɔdzikpɔhaa kpɔe be ehiã be woana hehe gbegɔmeɖelawo le xexea me godoo be woate ŋu awɔ woƒe dɔa nyuie wu. Womena gbegɔmeɖeɖe ƒe hehe gbegɔmeɖela akpa gãtɔ o. Eya ta le kpekpe kple Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmitia megbe la, Dɔdzikpɔha la tso nya me be woana hehe míaƒe gbegɔmeɖela siwo katã le xexea me. Woafia gbegɔmeɖelawo ale si wòle be woase Eŋlisigbe me nyawo gɔme, ale si woakpɔ gbegɔmeɖeɖe ƒe kuxiwo gbɔ kple ale si woawɔ dɔ asi-le-asi-me abe ƒuƒoƒo ene.

Nu kae do tso hehe siawo katã me? Gbegɔmeɖeɖedɔa ganyo ɖe edzi wu. Eye wole míaƒe agbalẽwo gɔme ɖem ɖe gbegbɔgblɔ geɖewo me wu tsã. Gbegbɔgblɔ 82 ko mee wonɔ Gbetakpɔxɔ gɔme ɖem ɖo esime woɖo mí dutanyanyuigblɔlawoe le ƒe 1979 me. Evɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ la dona ɣleti aɖewo megbe hafi gbegbɔgblɔ akpa gãtɔ me tɔwo va dona. Gake fifia wole Gbetakpɔxɔ gɔme ɖem ɖe gbegbɔgblɔ 240 kple edzivɔ me, eye le wo dometɔ akpa gãtɔ gome la, wotaa wo aduadu kple Eŋlisigbe me tɔa. Azɔ amewo ate ŋu akpɔ míaƒe agbalẽ siwo fiaa nyateƒe si tso Biblia me la le gbegbɔgblɔ siwo wu 700 me axlẽ. Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, edze abe esia manya wɔ o ene.

Le ƒe 2004 me la, Dɔdzikpɔha la kpɔe be ehiã vevie ŋutɔ be woaɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me kaba. Nyametsotso sia wɔe be Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia le degbe geɖewo me fifia. Le nyateƒe me la, kaka ƒe 2014 naɖo la, Biblia sia alo eƒe akpa aɖe le gbegbɔgblɔ 128 sɔŋ me, eye gbe siwo wodona le Anyiehe Pasifik la dometɔ geɖe hã le eme.

Esime meɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la ɖe go le Tuvalugbe me le takpekpe me

Nu siwo dzi meɖoa ŋkui kple dzidzɔ dometɔ ɖekae nye takpekpe si wowɔ le ƒe 2011 me le Tuvalu. Ku ɖi le dukɔ bliboa me ɣleti geɖe. Nɔviawo susui be ele be míate fli ɖe takpekpea me. Gake dzidzɔtɔe la, tsi gã aɖe dza le fiẽ si me míeva ɖo la me. Eya ta takpekpea dze edzi! Dzidzɔ gãe wònye nam be mɔnukpɔkpɔ su asinye meɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe ɖe go le Tuvalugbe me! Togbɔ be nɔvi ʋɛ aɖewo koe doa gbe sia hã la, Yehowa ƒe nunana nyui sia su woawo hã si. Eye esi míekpã le takpekpea la, tsi gã aɖe gadza. Eya ta azɔ nyateƒea ƒe tsi kple tsi ŋutɔŋutɔ gbogbo aɖe su ame sia ame si!

Mele gbe biam dzinyelawo, Ron kple Estelle, le takpekpe me le Townsville, Australia, le ƒe 2014 me

Nublanuitɔe la, srɔ̃nye lɔlɔ̃a Jenny mede takpekpe sia kplim o. Eku le ƒe 2009 me, le kansadɔ léle ƒe ewo sɔŋ megbe. Míeɖe mía nɔewo ƒe 35. Ne wova gbɔ agbee le etsɔme la, dzi adzɔe ŋutɔ ne ese be woɖe Biblia ɖe go le Tuvalugbe me.

Yehowa yram megakpɔ nɔvinyɔnu dzetugbe bubu ɖe; eŋkɔe nye Loraini Sikivou. Loraini kple Jenny wowɔ dɔ ɖekae le Fiji Betel, eye Loraini hã nye gbegɔmeɖela. Eya ta megakpɔ srɔ̃nyɔnu si le Yehowa subɔm kplim nuteƒewɔwɔtɔe, si hã gbesɔsrɔ̃ dzɔa dzi na abe nye ke ene!

Nye kple Loraini, míele gbeƒã ɖem le Fiji

Le ƒe siawo katã me la, mekpɔ ale si mía Fofo lɔ̃ame Yehowa léa be na gbegbɔgblɔwo katã me tɔwo hekpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo, nenye be ame ʋɛ aɖewo koe doa gbea gɔ̃ hã. (Psalmo 49:1-3) Mekpɔ ale si wòwɔa dɔ ɖe amewo dzi ne woxɔ míaƒe agbalẽwo le wo degbe me zi gbãtɔ alo ne wodzi ha na Yehowa le gbe si wodo tso ɖevime la me teƒe. Esia nana medea ŋugble le lɔlɔ̃ gã si le Yehowa si na mí ŋu vevie. (Dɔwɔwɔwo 2:8, 11) Megaɖoa ŋku nɔviŋutsu Tuvalutɔ tsitsi aɖe si woyɔna be Saulo Teasi ƒe nyawo dzi nyuie. Esi wòdzi Fiaɖuƒeha aɖe zi gbãtɔ le wo degbea me la, egblɔ be, “Mienyaa, anyo be miagblɔ na Dɔdzikpɔha la be ha siawo nya se le Tuvalugbe me kura wu Eŋlisigbe me.”

Le September 2005 me la, edzem kpo esi wobia tso asinye be mava zu Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha la me tɔ. Togbɔ be nyemeganye gbegɔmeɖela o hã la, medaa akpe na Yehowa be eɖe mɔ nam meyi edzi le asi kpem ɖe xexea me katã ƒe gbegɔmeɖeɖedɔa ŋu. Dzi dzɔam ŋutɔ be Yehowa léa be na eƒe amewo katã, ame siwo le ƒukpo saɖeaga siwo le Pasifik Ƒua titina dzi la gɔ̃ hã! Ɛ̃, nya siawo me kɔ, abe ale si hakpalaa gblɔe ene be: “Yehowa zu Fia! Anyigba netso aseye. Ƒukpo geɖeawo nekpɔ dzidzɔ.”—Psalmo 97:1.

^ mm. 18 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso ale si amewo xɔ míaƒe agbalẽwoe ŋu le Gbetakpɔxɔ, December 15, 2000, axa 32; yevugbe me Gbetakpɔxɔ August 1, 1988, axa 22; kple Nyɔ! January 8, 2001, axa 27 (yevugbe me tɔ December 22, 2000, axa 9).

^ mm. 22 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso ale si wowɔ gbegɔmeɖeɖedɔa le Samoa ŋu le 2009 Ƒegbalẽa ƒe axa 120-121, 123-124.