Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzra Ðo Fifia Ðe Agbenɔnɔ Le Xexe Yeyea Me Ŋu

Dzra Ðo Fifia Ðe Agbenɔnɔ Le Xexe Yeyea Me Ŋu

“Gblɔ na wo be woawɔ nyui, . . . be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.”—1 TIMOTEO 6:18, 19.

HADZIDZI: 125, 40

1, 2. (a) Nu nyui kawoe nèle mɔ kpɔm na le Paradisoa me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu kae ana míakpɔ dzidzɔ wu le xexe yeyea me?

MÍELE mɔ kpɔm na “agbe mavɔ” nɔnɔ vevie. Apostolo Paulo gblɔ be esiae nye “agbe vavã la.” (Xlẽ 1 Timoteo 6:12, 19.) Le mía dometɔ akpa gãtɔ gome la, míanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. Kpɔ ale si wòanɔ ɖa be míafɔ gbe sia gbe le lãmesẽ blibo me, míanɔ dzidzɔ kpɔm eye míaƒe dzi adze eme. (Yesaya 35:5, 6) Ðe mavivi ŋutɔ be wò kple wò ƒomea kple xɔ̃wòwo, kpakple ame siwo woafɔ ɖe tsitre la hã, mianɔ anyi ɖekae le dzidzɔ me oa? (Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Ɣeyiɣi geɖe asu asiwò be nàsrɔ̃ aɖaŋudɔ yeyewo eye nàva bi ɖe nu siwo ŋu nèkpɔa dzidzɔ ɖo la wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso dzɔdzɔmenuwo ŋu. Alo àte ŋu asrɔ̃ ale si nàƒo haƒonu aɖewo nyuie, alo be wò ŋutɔ nàtso aƒe si tɔgbi nèdi.

2 Togbɔ be míele mɔ kpɔm na nu nyui siawo katã hã la, Yehowa subɔsubɔe ana míakpɔ dzidzɔ wu. Wò ya bu ale si agbea anɔ ne amewo katã kɔa Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, eye wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be Yehowa nanye yewoƒe Dziɖula la ŋu kpɔ. (Mateo 6:9, 10) Míatso aseye ne ame sia ame si le anyigba dzi la de blibo abe ale si Mawu ɖoe ene. Eye aleke gbegbe wòanɔ bɔbɔe nye esi be míayi edzi anɔ tetem ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu esime míele blibodede gbɔ ɖom vivivi!—Psalmo 73:28; Yakobo 4:8.

3. Nu ka ŋue wòle be míadzra ɖo ɖo fifia?

3 Esi wònye be “Mawu ya tea ŋu wɔa nu sia nu” ta la, míeka ɖe edzi be Yehowa ana nu nyui siawo katã nava eme kpuie. (Mateo 19:25, 26) Ne míedi be míava nɔ agbe le xexe yeyea me la, fifiae nye ɣeyiɣi si míadze agbagba ɖe sia ɖe be míaƒe “asi nasu” agbe mavɔ dzi. Míenya be nuwuwua le aƒe tum kabakaba, eya ta ele be míanɔ agbe wòaɖee afia be míele mɔ kpɔm be nuwuwua ate ŋu ava egbea alo etsɔ. Edze be míawɔ nu sia nu si míate ŋui fifia atsɔ adzra ɖo ɖe agbenɔnɔ le xexe yeyea me ŋu. Na míakpɔ ale si míawɔ esiae ɖa.

NU SI MÍAWƆ ATSƆ ADZRA ÐO

4. Aleke míadzra ɖo ɖe agbenɔnɔ le xexe yeyea me ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Aleke míate ŋu adzra ɖo ɖe agbenɔnɔ le xexe yeyea me ŋu? Ne míele ɖoɖo wɔm be míaʋu aɖatsi dukɔ bubu me la, anɔ eme be míawɔ nanewo atsɔ adzra ɖo ɖe dukɔ ma me nɔnɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míadze gbe si afi ma tɔwo dona kple ale si wonɔa agbee la sɔsrɔ̃ gɔme. Ðewohĩ míate woƒe nuɖuɖuwo kpɔ. Nenema kee míate ŋu adzra ɖo ɖe agbenɔnɔ le xexe yeyea me ŋu ne míedoa vevie nu be míanɔ agbe abe ɖe míele afi ma xoxo ene. Na míakpɔ ale si míawɔ esiae dometɔ aɖewo ɖa.

5, 6. Ne míesrɔ̃ ale si míawɔ ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe mɔfiamewo dzi fifia la, vi kae wòaɖe na mí le xexe yeyea me?

5 Le egbexexea me la, Satana na amewo susuna be yewoate ŋu awɔ nu sia nu si yewodi la faa. Eya ta ame geɖewo xɔe se be ele vevie be yewoanɔ yewo ɖokui si, eye mehiã be yewoaɖo to Mawu o. Nu kae do tso esia me? Eyae nye fukpekpe manyagblɔ kple dzidzɔmakpɔmakpɔ. (Yeremiya 10:23) Gake Yehowa nye Dziɖula lɔ̃ame. Eya ta kpɔ ale si agbea avivii le xexe yeyea me ɖa ne ame sia ame wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu!

6 Le xexe yeyea me la, adzɔ dzi na mí be míawɔ ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe mɔfiamewo dzi ale be míakpe asi ɖe eŋu be anyigba sia nazu paradiso dzeani aɖe, eye míafia nu ame siwo woagbɔ agbee la. Dɔ geɖe anɔ Yehowa si na mí. Ke ne ame siwo woɖo mía nu ɣemaɣi bia tso mía si be míawɔ nane si medzɔ dzi na mí tututu o ɖe? Ðe míaɖo to woa? Ðe míawɔ míaƒe ŋutete katã le dɔ si wode asi na mí la me dzidzɔtɔea? Ele be míanɔ wɔwɔm ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe mɔfiamewo dzi fifia atsɔ adzra ɖo ɖe agbe tegbee nɔnɔ le xexe yeyea me ŋu.

7, 8. (a) Nu ka tae wòle be míawɔ nu aduadu kple ame siwo le ŋgɔ xɔm? (b) Tɔtrɔ kawoe va le mía nɔvi Kristotɔ aɖewo ƒe agbe me? (d) Nu kae anye nu vevitɔ le xexe yeyea me?

7 Ne míedi be míadzra ɖo ɖe agbenɔnɔ le xexe yeyea me ŋu la, ele be míadze agbagba be míanye ame siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu si le mía si ŋu, eye míawɔ nu aduadu kple Yehowa ƒe habɔbɔa kpakple mía nɔewo. Le kpɔɖeŋu me, ne wode teokrasidɔ yeye aɖe asi na mí la, míelɔ̃na faa wɔnɛ kple míaƒe ŋutete katã, míekpɔa dzidzɔ ɖe eŋu eye wòdzea mía ŋu. Ne míewɔa nu aduadu kple ame siwo le ŋgɔ xɔm fifia la, anɔ bɔbɔe na mí wu be míawɔe nenema le xexe yeyea me. (Xlẽ Hebritɔwo 13:17.) Esi Israel-viwo ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la, woma anyigbaa hefia afi si woanɔ la wo. (4 Mose 26:52-56; Yosua 14:1, 2) Míenya afi si woana mía dometɔ ɖe sia ɖe be míanɔ le xexe yeyea me o. Gake ne míesrɔ̃ toɖoɖo fifia la, míawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu kple dzidzɔ, afi ka kee wobe míanɔ o.

8 Bubu gã aɖee wòanye na mí be míasubɔ Mawu le xexe yeyea me le eƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te! Le esia ta enye dzidzɔ na mí be míawɔ nu aduadu kple Yehowa ƒe habɔbɔa fifia ahawɔ dɔ sia dɔ si wode asi na mí. Gake edzɔna ɣeaɖewoɣi be míaƒe dɔdeasiwo trɔna kpata. Le kpɔɖeŋu me, woɖo Betel ƒome si le Amerika la me tɔ geɖewo ɖe gbeadzi. Eye le tsitsi alo kuxi bubuwo ta woɖo dzikpɔla mɔzɔla aɖewo wozu mɔɖela veviwo. Nɔvi siawo le dzidzɔ kpɔm eye Yehowa le wo yram. Ne míawo hã míedoa gbe ɖa biaa Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu, míewɔa míaƒe ŋutete katã le esubɔsubɔ me, eye dɔ ɖe sia ɖe si wode mía si dzea mía ŋu la, míakpɔ dzidzɔ eye Yehowa ayra mí geɖe. (Xlẽ Lododowo 10:22.) Ke ne edzɔ be le xexe yeyea me la, míadi be míanɔ nuto aɖe me, gake Yehowa ƒe habɔbɔa bia tso mía si be míayi bubu me ɖe? Ɣemaɣi la, menye afi si míele kple dɔ si wɔm míele ye le vevie o. Ke nu vevitɔ si ta míanɔ dzidzɔ kpɔm ɖo boŋue nye be míele agbe le xexe yeyea me.—Nehemiya 8:10.

9, 10. (a) Nu ka tae wòahiã be míagbɔ dzi ɖi le xexe yeyea me? (b) Aleke míasrɔ̃ dzigbɔɖi fifia?

9 Le Paradisoa me la, ate ŋu ahiã ɣeaɖewoɣi be míagbɔ dzi ɖi. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be míese be wofɔ ame aɖewo ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ɖe tsitre, si wɔe be wole dzidzɔ kpɔm ale gbegbe. Gake ɖewohĩ womefɔ míawo ya míaƒe amewo haɖe o. Ne edzɔ alea la, ɖe míakpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm ahalala dzigbɔɖitɔea? (Romatɔwo 12:15) Ne míesrɔ̃ ale si míakpɔ Yehowa sinu dzigbɔɖitɔe fifia be wòawɔ eƒe ŋugbedodowo dzi la, esia akpe ɖe mía ŋu be míagbɔ dzi ɖi ɣemaɣi hã.—Nyagblɔla 7:8.

10 Míagate ŋu adzra ɖo ɖe agbenɔnɔ le xexe yeyea me ŋu ne míegbɔa dzi ɖi ne wowɔ asitɔtrɔ le ale si míese Biblia me nyateƒe aɖewo gɔmee ŋu. Ðe míesrɔ̃a nu yeye siawo eye míegbɔa dzi blewu nenye be míese nanewo gɔme bliboe oa? Ne míewɔnɛ alea la, anɔ bɔbɔe na mí be míagbɔ dzi ɖi le xexe yeyea me ɣesiaɣi si Yehowa na mɔfiame yeye aɖe mí.—Lododowo 4:18; Yohanes 16:12.

11. Nu ka tae wòle be míadze agbagba atsɔe anɔ mía nɔewo kem faa, eye vi kae esia aɖe na mí le xexe yeyea me?

11 Mɔ bubu si dzi míagato adzra ɖoe nye be míatsɔ amewo ƒe vodadawo anɔ wo kem faa. Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, axɔ ɣeyiɣi vie hafi ame sia ame nade blibo. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Ðe míalɔ̃ mía nɔewo eye míatsɔe anɔ mía nɔewo kem faa? Ne míedzea agbagba wɔa esia be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple mía nɔviwo dome fifia la, esia wɔwɔ masesẽ na mí kura le xexe yeyea me o.—Xlẽ Kolosetɔwo 3:12-14.

Nɔnɔme siwo Yehowa le mía fiam fifia be míaɖe afia la tututue míahiã le xexe yeyea me hã

12. Nu ka tae wòle be míadzra ɖo fifia ɖe agbenɔnɔ le Paradisoa me ŋu?

12 Le Paradisoa me la, menye ɣesiaɣie míaƒe asi asu nu siwo míedi dzi o, eye ahiã be míalala ɣeaɖewoɣi. Ele be míana nɔnɔme ɖe sia ɖe si me míele la nadze mía ŋu eye míada akpe ɖe eta. Le nyateƒe me la, nɔnɔme siwo Yehowa le mía fiam fifia be míaɖe afia la tututue míahiã ɣemaɣi hã. Eya ta ne míedzea agbagba ɖea nɔnɔme siawo fiana fifia la, ke míele eɖem fia be xexe yeyea nye nu ŋutɔŋutɔ na mí, eye be míele dzadzram ɖo ɖe agbe tegbee nɔnɔ ŋu. (Hebritɔwo 2:5; 11:1) Aɖee afia hã be míedi vevie be míanɔ agbe le xexe si me ame sia ame le Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le la me.

NA YEHOWA SUBƆSUBƆ NANYE NU VEVITƆ NA WÒ

Tsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyuia ŋu

13. Nu kae anye nu vevitɔ na mí le agbe me le xexe yeyea me?

13 Le xexe yeyea me la, nu sia nu si míehiã be míakpɔ dzidzɔ le agbe me la asu mía si. Gake nu si ŋu míakpɔ dzidzɔ ɖo wue nye ale si mía kple Yehowa dome anɔ kplikplikpli. (Mateo 5:3) Dɔ geɖe anɔ mía si míawɔ le Yehowa subɔsubɔ me, eye esubɔsubɔ avivi mía nu ŋutɔ. (Psalmo 37:4) Eya ta ne Yehowa subɔsubɔ nye nu vevitɔ na mí le agbe me egbea la, esia fia be míele dzadzram ɖo ɖe agbenɔnɔ le xexe yeyea me ŋu.—Xlẽ Mateo 6:19-21.

14. Taɖodzinu kae ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo ate ŋu aɖo le Yehowa subɔsubɔ me?

14 Nu kae ana míase vivi na Yehowa subɔsubɔ geɖe wu egbea? Ðekae nye be míaɖo taɖodzinu nyuiwo. Ne èkpɔtɔ nye ɖekakpui alo ɖetugbui la, ɖoe be yeazã yeƒe agbe atsɔ asubɔ Yehowa bliboe. Ðe manyo ŋutɔ be nàku nu me le míaƒe agbalẽwo me le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ vovovoawo ŋu oa? Ema megbe àte ŋu atia wo dometɔ aɖe wòanye wò taɖodzinu. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Ðo dze kple nɔvi siwo subɔ Yehowa ɣeyiɣiawo katã hena ƒe geɖe la dometɔ aɖewo. Ne èsubɔ Yehowa bliboe le agbe me fifia la, anye hehenana ɖokuiwò. Elabena esia akpe ɖe ŋuwò nàsubɔ Yehowa nyuie le xexe yeyea me.

Ðo taɖodzinuwo le Yehowa subɔsubɔ me

15. Taɖodzinu bubu kawoe míagate ŋu aɖo le Yehowa subɔsubɔ me?

15 Taɖodzinu bubu geɖe li míate ŋu aɖo le Yehowa subɔsubɔ me. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu aɖoe be míadze agbagba abi ɖe ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa aɖe me. Alo míado vevie nu be míase Biblia ƒe mɔfiamewo gɔme nyuie wu ahasrɔ̃ ale si míawɔ wo dzi le míaƒe agbenɔnɔ me. Míate ŋu aɖoe hã be míaƒe dutoƒonuxexlẽ alo míaƒe dɔdeasiwo kple nyaŋuɖoɖowo le kpekpeawo me naganyo ɖe edzi. Nya lae nye be: Ne èɖo taɖodzinuwo na ɖokuiwò le Yehowa subɔsubɔ me la, esia ana dzo nanɔ mewò geɖe wu eye adzra wò ɖo ɖe agbenɔnɔ le xexe yeyea me ŋu.

AGBENƆNƆMƆ NYUITƆ KEKEAKE SI LI EGBEA

Da akpe ɖe nu sia nu si Yehowa na wò la ta

16. Nu ka tae Yehowa subɔsubɔe nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ kekeake?

16 Ne míezãa míaƒe ɣeyiɣi tsɔ dzrana ɖo ɖe agbenɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me ŋu la, ɖe esia fia be nu nyui aɖe le mía ŋu tom le agbe me egbea? Kura o! Yehowa subɔsubɔe nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ kekeake. Menye ame aɖekee zi mía dzi be míasubɔe o, eye menye agbetsitsi le xaxa gã la me ko ta hãe míele esubɔm ɖo o. Ne mía kple Yehowa dome le nyuie la, míaƒe dzi dzea eme eye míekpɔa dzidzɔ le agbe me wu. Nenemae Yehowa wɔ mí be míanɔ agbee. Ne míese le mía ɖokui me be Mawu lɔ̃ mí eye míewɔa eƒe mɔfiamewo dzi le míaƒe agbe me la, esia nyo na mí wu nu sia nu. (Xlẽ Psalmo 63:1-3.) Mí katã míate ŋu akpɔ dzidzɔ si dona tso Yehowa subɔsubɔ kple dzi blibo me la me. Ame siwo subɔe nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe la agblɔe kple kakaɖedzi be, esiae nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ.—Psalmo 1:1-3; Yesaya 58:13, 14.

Di Biblia me mɔfiamewo

17. Akpa kae míada nu siwo dzɔa dzi na mí kple modzakaɖeɖe ɖo le Paradisoa me?

17 Le Paradisoa me la, míazã míaƒe ɣeyiɣi ƒe akpa aɖe ɖe nu siwo dzɔa dzi na mí kple modzakaɖeɖe ŋu. Yehowae de didia mía me be míakpɔ dzidzɔ le agbe me, eye edo ŋugbe be yeatsɔ ‘nu gbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na woe.’ (Psalmo 145:16; Nyagblɔla 2:24) Ehiã be míaɖe modzaka, eye ehiã be míaɖi ɖe eme hã, gake míesea vivi na nu siawo wu nenye be míetsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ. Alea ko wòanɔ le xexe yeyea me hã. Eya ta nunya le eme be míanɔ “Fiaɖuƒe la . . . dim gbã,” eye míaƒe susu nanɔ yayra siwo kpɔm míele le Yehowa subɔsubɔ me ŋu.—Mateo 6:33.

Ne mía kple Yehowa dome le nyuie la, míaƒe dzi dzea eme eye míekpɔa dzidzɔ le agbe me wu

18. Nu kawoe míawɔ atsɔ adzra ɖo ɖe agbenɔnɔ tegbee le Paradiso me ŋu?

18 Le xexe yeyea me la, agbea adze edzi na mí kura wu ale si míate ŋu asusui fifia. Mina míadzra ɖo ɖe “agbe vavã la” ŋu fifia atsɔ aɖee afia be míedi vevie be míanɔ afi ma. Mina míayi edzi atu nɔnɔme siwo Yehowa fia mí be míaɖe afia la ɖo, eye mina míatsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyuia ŋu. Neva eme be Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ na mí le agbe me. Míeka ɖe edzi bliboe be Yehowa awɔ nu siwo katã ŋugbe wòdo la dzi le xexe yeyea me. Eya ta mina míanɔ agbe wòaɖee afia be míele mɔ kpɔm na xexe yeyea vevie!

^ mm. 14 Kpɔ trakt si nye Sɔhɛwo—Agbemedɔ Kae Miawɔ?