Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

De Ŋugble Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Ŋu Ðaa

De Ŋugble Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Ŋu Ðaa

“Made ŋugble le wò dɔwɔwɔ blibo la katã ŋu.”—PSALMO 77:12.

HADZIDZI: 18, 61

1, 2. (a) Nu kae na nèka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ eƒe amewo? (b) Didi kae Yehowa de mí amegbetɔwo me?

NU KAE na nèka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ eƒe amewo? Hafi nàɖo nya sia ŋu la, bu kpɔɖeŋu siawo ŋu kpɔ: Ƒe geɖee nye esia si nɔviwo nɔa dzi dem ƒo na nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Taylene. Woɖoa aɖaŋu nɛ be meganɔ dzi tsim fũu ɖe nu siwo mate ŋu awɔ o ŋu o. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Ne ɖe Yehowa melɔ̃m o la, anye ne mayi edzi anɔ aɖaŋu ɖom nam alea o.” Brigitte, si zu ahosi eye eya ɖeka le vi eve dzi kpɔm la gblɔ be: “Ðeviwo hehe le Satana ƒe nuɖoanyi sia mee nye nu sesẽtɔwo dometɔ ɖeka, vevietɔ na dzilaɖekɛ. Gake meka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃m vevie, elabena eyia edzi fiaa mɔm le nye aɖatsi kple dzive geɖeawo me, eye meɖea mɔ be mato nɔnɔme sesẽ siwo nu nyemate ŋu anɔ te ɖo o me o.” (1 Korintotɔwo 10:13) Dɔléle sesẽ aɖe si womekpɔ atike na o le Sandra ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe dze xɔlɔ̃ Sandra esi woyi takpekpe aɖe. Sandra srɔ̃ŋutsu gblɔ be: “Togbɔ be míedze si nɔvinyɔnua tsã o hã la, ale si gbegbe wòtsɔ ɖe le eme na mí la do dzidzɔ na mí ŋutɔ. Lɔlɔ̃ si mía nɔviwo ɖena fiana mí le nu suewo gɔ̃ hã me nana mekpɔa ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ míi.”

2 Yehowa wɔ mí amegbetɔwo hedee mía me be míalɔ̃ ame eye míase le mía ɖokui me be wolɔ̃ mí. Gake ele bɔbɔe be dzi naɖe le mía ƒo le dɔléle alo gakuxiwo ta, alo ne míaƒe subɔsubɔdɔa mele ku tsem o. Ne eva le wɔwɔm na mí be Yehowa megalɔ̃ mí o la, ke anyo be míaɖo ŋku edzi be míexɔ asi le eŋkume eye eli kpli mí, elé míaƒe nuɖusi ɖe asi hele kpekpem ɖe mía ŋu. Eye ne míeyi edzi wɔ nuteƒe nɛ la, maŋlɔ mí be gbeɖe o.—Yesaya 41:13; 49:15.

3. Yehowa ƒe nunana kawoe ate ŋu ana míaka ɖe edzi geɖe wu be elɔ̃ mí vevie?

3 Ðasefo siwo ƒe nya míegblɔ fifi laa la ka ɖe edzi be Mawu li kpli yewo le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi be ele míaƒe akpa dzi. (Psalmo 118:6, 7) Le nyati sia me la, míadzro nu ene siwo Yehowa na mí siwo ɖee fia be elɔ̃ mí la me. Esiawoe nye (1) eƒe nuwɔwɔwo, (2) Biblia, (3) gbedodoɖa, kple (4) tafe la. Ne míedea ŋugble le nu nyui siwo Yehowa na mí ŋu la, akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ ŋudzedze ɖe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ŋu geɖe wu.—Xlẽ Psalmo 77:11, 12.

DE ŊUGBLE LE YEHOWA ƑE NUWƆWƆWO ŊU

4. Nu kae míesrɔ̃ tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo me?

4 Ŋkuléle ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu nana míekpɔnɛ be elɔ̃ mí vevie. (Romatɔwo 1:20) Le kpɔɖeŋu me, menye ɖeko Yehowa wɔ anyigba la be míanɔ agbe le edzi ko o. Ke ena nu sia nu si ana agbea navivi mía nu la hã mí. Yehowa wɔ mí be míaɖu nu, gake be míase vivi na nuɖuɖu la, ewɔ nuawo hamehame! (Nyagblɔla 9:7) Anyigba dzi nuwɔwɔwo kpɔkpɔ dzɔa dzi na nɔvinyɔnu Catherine, vevietɔ le ada me le Canada. Egblɔ be: “Ale si agbe yeye gaɖoa nuwo katã mee la wɔa nuku nam—gbewo miena heƒoa se, eye xevi siwo dzo yi didiƒe gatrɔna gbɔna, wo dometɔ ɖekae nye aɖitsi sue si va nɔa nuku siwo mekɔ ɖe agba me le nye fesre to fɔm nɔ mimim! Nu gbogbo siwo Yehowa na mí be woado dzidzɔ na mí ɖee fia be elɔ̃ mí ŋutɔ.” Nyateƒee, mía Fofo la lɔ̃ eƒe nuwɔwɔwo vevie eye edi be míawo hã míakpɔ dzidzɔ ɖe wo ŋu.—Dɔwɔwɔwo 14:16, 17.

Ŋkuléle ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu nana míekpɔnɛ be elɔ̃ mí vevie

5. Aleke Yehowa ɖe lɔlɔ̃ fia le amegbetɔwɔwɔ me?

5 Yehowa wɔ mí kple ŋutete be míawɔ dɔ siwo me dzidzeme le ahase vivi na wo. (Nyagblɔla 2:24) Ede dɔ asi na amegbetɔwo be woadzi ayɔ anyigba la dzi, woade agble ɖe edzi, woakpɔ tɔmelãwo, xe dzodzoewo kple nu gbagbe bubu siwo katã le anyigbaa dzi la dzi. (1 Mose 1:26-28) Ewɔ mí hede nɔnɔme vevi aɖewo hã mía me be míate ŋu asrɔ̃ ye!—Efesotɔwo 5:1.

MAWU ƑE NYA LA XƆ ASI

6. Nu ka tae wòle be míade asixɔxɔ gã Mawu ƒe Nya la ŋu?

6 Biblia si Yehowa tsɔ na mí la ɖe lɔlɔ̃ gã si le esi na mí fia. Egblɔ nu siwo wòhiã be míanya tso eyama ŋu kple ale si wòbua amegbetɔwoe na mí. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ ale si Yehowa se le eɖokui me le Israel-vi siwo dze aglã ɖe eŋu enuenu la ŋu. Psalmo 78:38 gblɔ be: “Ekpɔ nublanui na wo; etsɔa woƒe vodada kea wo, eye metsrɔ̃a wo keŋkeŋ o. Eɖoa asi eƒe dziku dzi zi geɖe, eye metrɔa eƒe dɔmedzoe katã kɔna ɖi o.” Ŋugbledede le kpukpui sia ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be Yehowa lɔ̃ wò eye eƒe susu le ŋuwò. Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa léa be na mí lɔlɔ̃tɔe.—Xlẽ 1 Petro 5:6, 7.

Biblia gblɔ nu siwo wòhiã be míanya tso Mawu ŋu kple ale si wòbua amegbetɔwoe na mí

7. Nu ka ta wòle be míabu Biblia nu xɔasii?

7 Ele be míade asixɔxɔ gã Biblia la ŋu. Nu ka tae? Elabena Yehowa ƒe Nya la dzie wòtona ƒoa nu na mí. Ne dzilawo ɖoa dze kple wo viwo faa la, esia nana lɔlɔ̃ kple ale si wokana ɖe wo nɔewo dzi la me sẽna ɖe edzi. Yehowa nye mía Fofo lɔ̃ame. Eye togbɔ be míekpɔe ŋkume kple ŋkume alo se eƒe gbe kpɔ o hã la, eƒoa nu na mí to Biblia dzi tẽe. Ele be míayi edzi aɖo to eƒe gbe! (Yesaya 30:20, 21) Ne míexlẽa Mawu ƒe Nyaa la, míedzea si Yehowa, ame si fiaa mɔ mí hekpɔa mía ta dedie la nyuie hekana ɖe eyama dzi.—Xlẽ Psalmo 19:7-11; Lododowo 1:33.

Togbɔ be Yehowa dɔ Yehu wòka mo na Yehosafat hã la, Yehowa kpɔ “nu nyui aɖewo” le fia la me(Kpɔ memama 8, 9)

8, 9. Nu kae Yehowa di be míanya? Gblɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe tso Biblia me.

8 Yehowa di be míanyae be yelɔ̃ mí eye be menye míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo koe yekpɔna o. Eléa ŋku ɖe míaƒe nɔnɔme nyuiwo hã ŋu. (2 Kronika 16:9) Na míade ŋugble tso ale si Yehowa lé ŋku ɖe nɔnɔme nyui siwo nɔ Yuda Fia Yehosafat si ŋuti la ŋu kpɔ. Yehosafat metso nya me nyuie o esime wòwɔ ɖeka kple Israel-fia Ahab woho aʋa ɖe Siriatɔwo ŋu le Ramot-Gilead. Togbɔ be aʋatsonyagblɔɖila 400 gblɔ na fia vɔ̃ɖi Ahab be aɖu dzi le aʋaa me hã la, Yehowa ƒe nyagblɔɖila vavã Mikaya xlɔ̃ nu Yehosafat kple Ahab be ne woyi aʋaa la, madze edzi na wo o. Eye esia tututue dzɔ. Ahab ku le aʋaa me, eye Yehosafat tsi eme kloe. Esi Yehosafat trɔ tso aʋaa la, Yehowa dɔ Yehu wòva ka mo nɛ ɖe nu si wòwɔ ta. Ke hã Yehu gblɔ kpee nɛ be: “Wokpɔ nu nyui aɖewo le ŋuwò.”—2 Kronika 18:4, 5, 18-22, 33, 34; 19:1-3.

9 Ƒe aɖewo do ŋgɔ la, Yehosafat gblɔ na dumegãwo, Lewi viwo kple nunɔlawo be woatsa le Yuda duwo katã me afia Yehowa ƒe Sea dukɔ la. Wowɔ esia dzidzedzetɔe, ale be dukɔ bubu me tɔwo gɔ̃ hã va dze si Yehowa. (2 Kronika 17:3-10) Eya ta togbɔ be emegbe Yehosafat wɔ nu gbegblẽ hã la, Yehowa meŋlɔ nu nyui siwo wòwɔ do ŋgɔ le eƒe agbe me la be o. Ŋutinya sia faa akɔ na mí ŋutɔ, elabena ɣeaɖewoɣi míawo hã míedaa vo. Ke hã ne míewɔ nu sia nu si míate ŋui hesubɔ Yehowa la, alɔ̃ mí eye maŋlɔ nu nyui siwo míewɔ va yi la be o.

DE ASIXƆXƆ GBEDODOÐA ƑE MƆNUKPƆKPƆA ŊU

10, 11. (a) Nu ka tae gbedodoɖa nye nunana nyui aɖe tso Yehowa gbɔ? (b) Mɔ kawo nue Mawu ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu le? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

10 Vifofo lɔ̃ame ɖoa to viawo ne wodi be yewoaɖo dze kplii. Edina be yease woƒe dzimenyawo elabena etsɔa ɖe le eme na wo vevie. Alea tututue mía Fofo lɔlɔ̃a Yehowa hã le. Eɖoa to míaƒe gbedodoɖawo. Eya ta gbedodoɖa na mía Fofo la nye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe vavã!

Yehowa sea míaƒe kokoƒoƒowo eye wòsea nu gɔme na mí wu ame bubu ɖe sia ɖe

11 Míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa ɣesiaɣi faa. Mía Xɔlɔ̃e wònye, eye eƒe to le míaƒe gbedodoɖawo ŋu. Nɔvinyɔnu Taylene si ƒe nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Àte ŋu agblɔ nu sia nu kple nya sia nya nɛ faa.” Ne míegblɔ míaƒe dzimenyawo na Yehowa la, ate ŋu aɖo eŋu na mí to mawunyakpukpui aɖe si míaxlẽ alo nyati aɖe si wota ɖe míaƒe agbalẽwo me dzi, alo ana mía nɔvi aɖe nade dzi ƒo na mí. Yehowa sea míaƒe kokoƒoƒowo eye wòsea nu gɔme na mí wu ame bubu ɖe sia ɖe. Ale si wòɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋui ɖo kpe edzi be eƒe lɔlɔ̃ nu metsina o.

12. Nu ka tae wòle be míadzro gbedodoɖa siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la me? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso gbedodoɖa siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la me. Ɣeaɖewoɣi la, anyo be míadzro gbedodoɖa siawo me le míaƒe ƒometadedeagu me. Míaƒe gbedodoɖawo anyo ɖe edzi wu ne míedea ŋugble le Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema ƒe gbedodoɖa siwo tso dzi me ŋu. Àte ŋu axlẽ gbe si Yona do ɖa ɖokuibɔbɔtɔe esi wònɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ me ahasrɔ̃ nu tso eme. (Yona 1:17–2:10) Àte ŋu adzro gbe si Salomo do ɖa tso dzi blibo me le gbedoxɔa ŋu kɔɣi la hã me. (1 Fiawo 8:22-53) Eye àte ŋu ade ŋugble le Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa hã ŋu. (Mateo 6:9-13) Vevietɔ la, ‘na Mawu nanya wò dzimedidiwo’ ɣeawokatãɣi. Esia ana ‘Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, nadzɔ wò dzi kple wò tamesusuwo ŋu.’ Afɔɖeɖe siawo ana míagakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ŋu geɖe wu.—Filipitɔwo 4:6, 7.

KPƆ ŊUDZEDZE ÐE TAFE ƑE NUNANAA ŊU

13. Mɔnukpɔkpɔ kae tafea ʋu ɖi na mí?

13 Yehowa na nunana si nye tafea mí ale “be míakpɔ agbe.” (1 Yohanes 4:9) Apostolo Paulo ŋlɔ tso lɔlɔ̃ gã sia si Mawu ɖe fia mí ŋu be: “Kristo ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi. Elabena bebli hafi ame aɖe aku ɖe ame dzɔdzɔe ta; ame nyui ya la ɖewohĩ ame aɖe ado dzi aku ɖe eta. Ke Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ na mí fia le esia me be, esime míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.” (Romatɔwo 5:6-8) Tafe lae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe fia gãtɔ kekeake, eye esia na mɔnukpɔkpɔ amegbetɔwo be ƒomedodo nyui nanɔ wo kplii dome.

14, 15. Le tafea ta la, nu kae asu (a) Kristotɔ amesiaminawo si? (b) Ame siwo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe le anyigba dzi la si?

14 Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la fia Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe le mɔ tɔxɛ aɖe nu. (Yohanes 1:12, 13; 3:5-7) Mawu si ami na ame siawo kple gbɔgbɔ kɔkɔe la si na wova zu viawo. (Romatɔwo 8:15, 16) Gake esi wònye be wo dometɔ aɖewo kpɔtɔ le anyigba dzi la, nu ka tae Paulo gblɔ be wobɔbɔ nɔ “dziƒonutowo me kpakple Kristo Yesu”? (Efesotɔwo 2:6) Elabena Yehowa na agbe mavɔ nɔnɔ le dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔ wo.—Efesotɔwo 1:13, 14; Kolosetɔwo 1:5.

Tafea ɖe lɔlɔ̃ si le Yehowa si na mí amegbetɔwo katã la fia

15 Ne ame siwo wometsɔ gbɔgbɔ si ami na o xɔ tafea dzi se la, wo katã woate ŋu azu Mawu xɔlɔ̃wo. Mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu woawo hã si be Mawu naxɔ wo woazu viawo eye woanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi. Tafea ɖe lɔlɔ̃ si le Yehowa si na mí amegbetɔwo katã la fia. (Yohanes 3:16) Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be, ne míesubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe la, ana agbe si me dzidzeme le la mí le xexe yeyea me! Eya ta mina míaɖee afia be míedea asixɔxɔ tafea ŋu, elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ƒe kpeɖodzi gãtɔ kekeake na mí.

ÐEE FIA BE YELƆ̃ YEHOWA

16. Nu kae ŋugbledede le Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋu aʋã mí míawɔ?

16 Manya wɔ be míaxlẽ mɔ vovovo siwo nu Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia mí le la katã avɔ o. Fia David dzi ha be: “Wò susuwo xɔ asi nam loo! Oo Mawu, aleke gbegbe wosɔ gbɔe nye esi! Ne mebe maxlẽ wo la, wosɔ gbɔ wu kekuiwo.” (Psalmo 139:17, 18) Ŋugbledede le mɔ vovovo siwo nu Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia mí le ŋu aʋã míawo hã be míalɔ̃e ahawɔ nu sia nu si míate ŋui le esubɔsubɔ me.

17, 18. Mɔ siwo dzi míato aɖee afia be míelɔ̃ Mawu la dometɔ aɖewo ɖe?

17 Míate ŋu aɖee afia le mɔ geɖe nu be míelɔ̃ Yehowa. Mɔ ɖekae nye be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na amewo dzonɔamemetɔe. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Míagate ŋu aɖe lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu afia ne míedoa dzi hewɔa nuteƒe le xɔse ƒe dodokpɔwo me. (Xlẽ Psalmo 84:11; Yakobo 1:2-5.) Ne míaƒe tetekpɔwo nu sẽ kura gɔ̃ hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa kpɔa fu siwo kpem míele eye akpe ɖe mía ŋu, elabena míexɔ asi le eŋkume.—Psalmo 56:8.

18 Míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa ʋãa mí míedea ŋugble le eƒe nuwɔwɔwo ŋu. Míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa kple eƒe Nya la ne míesrɔ̃a Biblia nyuie. Míedoa gbe ɖa na Yehowa edziedzi le esi míelɔ̃e hedina be míado ŋusẽ ƒomedodo si le mía kplii dome ta. Eye ne míedea ŋugble le eƒe nunana si nye tafea ŋu la, lɔlɔ̃ si le mía si nɛ me gasẽna ɖe edzi wu. (1 Yohanes 2:1, 2) Esiawoe nye mɔ vovovo siwo dzi míato aɖee afia Yehowa be míedea asixɔxɔ eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ŋu la dometɔ ʋɛ aɖewo ko.