Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lé Ŋku Ðe Wò Hadedewo Ŋu Le Ŋkeke Mamlɛ Siawo Me

Lé Ŋku Ðe Wò Hadedewo Ŋu Le Ŋkeke Mamlɛ Siawo Me

“Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.”—1 KORINTOTƆWO 15:33.

HADZIDZI: 73, 119

1. Ɣeyiɣi kawo mee míele fifia?

MÍELE ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ ŋutɔ me. Tso esime “ŋkeke mamlɛawo” dze egɔme le ƒe 1914 me la, xexea gblẽ ɖe edzi wu tsã. (2 Timoteo 3:1-5) Eye míeka ɖe edzi be gbegblẽm ko nuwo anɔ ɖe edzi le xexea me, elabena Biblia gblɔe ɖi be “ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo anɔ vɔɖivɔ̃ɖim ɖe edzi.”—2 Timoteo 3:13.

2. Nu kawoe ame geɖe tsɔ ɖea modzakae egbea? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

2 Egbea ŋutasẽnuwo, agbe gbegblẽ nɔnɔ, afakaka, dzosasa alo kadodo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nuwɔnawo kpɔkpɔ alo wo wɔwɔe ame geɖe tsɔ ɖea modzakae. Le kpɔɖeŋu me, ŋutasesẽ kple gbɔdɔdɔ manɔsenu bɔ ɖe Internet, television dzi wɔnawo, sinimawo kple agbalẽwo me, eye wonana wòdzena abe ɖe naneke megblẽ le nu mawo ŋu o ene. Egbea woda asi ɖe nuwɔna siwo tɔa ŋku alo nyɔa ŋu na amewo tsã la dzi, eye se ɖe mɔ ɖe wo ŋu le teƒe aɖewo gɔ̃ hã. Gake esia mefia be Yehowa da asi ɖe nu siawo dzi o.—Xlẽ Romatɔwo 1:28-32.

3. Aleke ame geɖe bua ame siwo nɔa agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nui?

3 Ame siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me hã kpɔa ŋutasesẽ kple agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔnawo tsɔ ɖea modzakae. Gake Yesu yomedzelawo ya to vovo, elabena wonɔa agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu. Esia ‘wɔ nuku’ na wo ŋɔlimetɔwo. Eya ta nu kae wowɔ ɖe wo ŋu? Wogblɔ nya manyomanyowo tso Kristotɔwo ŋu eye woti wo yome. (1 Petro 4:4) Egbea hã ame geɖe susunɛ be ame siwo nɔa agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu la ƒe ŋku meʋu o. Le nyateƒe me la, Biblia na míenya be “woati” ame siwo srɔ̃a Kristo Yesu ƒe kpɔɖeŋu la “hã yome.”—2 Timoteo 3:12.

“HADEDE VƆ̃WO GBLẼA NƆNƆME NYUIWO”

4. Nu ka tae mele be míalɔ̃ xexe sia o?

4 Ne míedi be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, ke mele be míalɔ̃ “xexea alo nu siwo le xexea me la o.” (Xlẽ 1 Yohanes 2:15, 16.) Satana, si nye “nuɖoanyi sia ƒe mawu,” ye le ŋusẽ kpɔm ɖe xexea dzi. Etoa subɔsubɔhawo, dziɖuɖuwo, asitsahabɔbɔwo kple nyakakamɔnuwo dzi blea amewo. (2 Korintotɔwo 4:4; 1 Yohanes 5:19) Esi míedi be xexea nakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe mía dzi o ta la, ele be míatsri hadede vɔ̃wo. Biblia xlɔ̃ nu mí eme kɔ be: “Migana woaflu mi o. Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.”—1 Korintotɔwo 15:33.

5, 6. Ame kawoe mele be míade ha kplii o, eye nu ka tae?

5 Esi míedi be mía kple Yehowa dome nanɔ nyuie ta la, míedea ha kple ame siwo wɔa nu gbegblẽwo o. Nenema kee míedea ha kple ame siwo gblɔna be Yehowa subɔlawoe yewonye gake gbea toɖoɖo eyama la hã o. Ne ame siawo wɔ nu vɔ̃ gãwo hegbe dzimetɔtrɔ la, míedzudzɔa hadede kpli wo.—Romatɔwo 16:17, 18.

6 Amegbetɔwo dina be yewoawɔ nu siwo adze yewo xɔlɔ̃wo ŋu, ale be woalɔ̃ yewo. Eya ta ne míedea ha kple ame siwo mewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o la, míava srɔ̃ woƒe nuwɔnawo. Le kpɔɖeŋu me, ne míedzea xɔlɔ̃ ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me la, míava nɔ abe woawo ke ene. Esia dzɔ ɖe mía nɔvi aɖewo dzi. Eye woɖe wo dometɔ siwo metrɔ dzi me o la le hamea me. (1 Korintotɔwo 5:11-13) Ne wogbe dzimetɔtrɔ kokoko la, woƒe nɔnɔmea anɔ ko abe esi ŋu Petro ƒo nu tsoe ene.—Xlẽ 2 Petro 2:20-22.

7. Ame kawoe wòle be nàtia woanye xɔ̃wòwo?

7 Togbɔ be míedi be míawɔ nu ɖe amewo katã ŋu nyuie hã la, mele be míadze xɔlɔ̃ ame siwo meɖoa to Mawu o. Ne ame aɖe menye Yehowa subɔla xɔnyɔnyrɔ wɔnuteƒe o la, mele be Yehowa Ðasefo nanɔ srɔ̃ɖeŋugbedodo me kplii o. Ne míaƒe nu dze Mawu ŋu la, enyo sãsãsã wu be míaƒe nu nadze ame siwo melɔ̃ eyama o la ŋu. Ame siwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu koe wòle be míadze xɔlɔ̃e. Yesu gblɔ be: “Ame sia ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, eyae nye nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu kpakple danye.”—Marko 3:35.

Ne míaƒe nu dze Yehowa ŋu la, enyo sãsãsã wu be míaƒe nu nadze ame siwo melɔ̃ eyama o la ŋu

8. Aleke hadede vɔ̃ gblẽ nu le blema Israel dukɔa ŋu?

8 Hadede vɔ̃wo gblẽa nu le ame ŋu ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, bu nu si dzɔ ɖe Israel-viwo dzi ŋu kpɔ. Hafi woaɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Yehowa xlɔ̃ nu wo le ame siwo le anyigba si dzi yim wole dzi la ŋu. Egblɔ na wo be: “Mègade ta agu na woƒe mawuwo alo asubɔ wo o, eye mègasrɔ̃ woƒe nuwɔnawo o. Ke boŋ nàgblẽ wo, eye nàkaka woƒe trɔ̃sɔtiwo. Misubɔ Yehowa mia Mawu la.” (2 Mose 23:24, 25) Gake Israel-vi geɖe do toku Mawu ƒe mɔfiamewo eye womewɔ nuteƒe nɛ o. (Psalmo 106:35-39) Nu kae do tso eme? Emegbe Yehowa gbe Israel dukɔa eye wòtia Kristo hamea ɖe wo teƒe be woanye yeƒe amewo.—Mateo 23:38; Dɔwɔwɔwo 2:1-4.

KPƆ NYUIE LE NU SIWO NÈKPƆNA ALO XLẼNA LA ŊU

9. Nu ka tae xexe sia ƒe nyakakamɔnuwo ate ŋu anye afɔku na mí?

9 Nu geɖe siwo le xexe sia ƒe nyakakamɔnuwo me, abe television dzi wɔnawo, Internet kple agbalẽwo me ene la ate ŋu agblẽ nu le ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome ŋu. Menye ɖe xexea trɔ asi le nu siawo ŋu be woakpe ɖe Kristotɔwo ŋu be woaxɔ Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi ase o. Ðe wotrɔ asi le wo ŋu be amewo naɖo ŋu ɖe Satana ƒe xexe vɔ̃ɖia ŋu boŋ. Eya ta ele be míatsri nu sia nu si ate ŋu aƒã “xexea me nudzodzrowo” ɖe mía me la sese, ekpɔkpɔ alo exexlẽ.—Tito 2:12.

10. Nu kae adzɔ ɖe xexe sia ƒe nyakakamɔnuwo dzi kpuie?

10 Eteƒe madidi o, woatsrɔ̃ Satana ƒe xexea kple eƒe nyakakamɔnuwo keŋkeŋ. Biblia gblɔ be: “Xexea kple eƒe nudzodzrowo nu va yina, ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (1 Yohanes 2:17) Hakpalaa hã gblɔ be: “Woatsrɔ̃ ame vlowo.” Eye wògblɔ kpee be: “Ke ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” Hena ɣeyiɣi didi ka? Hakpalaa gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:9, 11, 29.

11. Aleke Mawu le kpekpem ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe na ye?

11 To vovo na Satana ƒe xexea la, Yehowa ƒe habɔbɔa le kpekpem ɖe mía ŋu be míanɔ agbe le mɔ si akplɔ mí ayi agbe mavɔ me la nu. Yesu gblɔ le gbedodoɖa na Yehowa me be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi le nu sia nu si míehiã be míanya ye nyuie la nam mí. Le kpɔɖeŋu me, wotaa magazinewo, agbalẽ gbadzawo kple agbalẽ gã gbogbo aɖewo na mí, eye wotrɔ asi le videowo kple míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea ŋu na mí be woakpe ɖe mía ŋu míayi edzi asubɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe. Eƒe habɔbɔa gawɔ ɖoɖo ɖe kpekpe siwo míewɔna le hame siwo wu 110,000 me le xexea me godoo ŋu na mí. Nu siwo míesrɔ̃na le Biblia me le kpekpe siawo kple takpekpewo me la kpena ɖe mía ŋu míegaxɔa Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi se geɖe wu.—Hebritɔwo 10:24, 25.

ÐE SRƆ̃ “LE AƑETƆ LA ME KO”

12. Biblia ƒe se si nye, ɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko” la gɔme ɖe?

12 Ele be Kristotɔ si di be yeaɖe srɔ̃ nakpɔ nyuie le ame si tɔgbi wòade ha kplii ŋu. Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be: “Miganɔ kɔkuti ɖeka te kple dzimaxɔsetɔwo o. Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ɖekawɔwɔ kae le kekeli kple viviti dome?” (2 Korintotɔwo 6:14) Biblia gblɔ na Mawu subɔlawo be woaɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko,” si fia be, woaɖe ame si ɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ, eye wònɔa agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu. (1 Korintotɔwo 7:39) Ne èɖe ame si lɔ̃ Yehowa la, ekema ame si akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi awɔ nuteƒe na Mawu ye nye ema nèkpɔ.

Ne èɖe ame si lɔ̃ Yehowa la, ekema ame si akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi awɔ nuteƒe na Mawu ye nye ema nèkpɔ

13. Se kae Mawu de na Israel-viwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu?

13 Yehowa nya nu si nyo na mí, eye se si wòde be míaɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko” menye nu yeye o. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le se si Yehowa de na Israel-viwo tso ame siwo mesubɔnɛ o ŋu kpɔ. Egblɔ na wo to Mose dzi be: “Mègana srɔ̃ɖekadodo aɖeke nanɔ wò kpli wo dome o. Mègatsɔ viwònyɔnuwo na wo viŋutsuwo o, eye mègaɖe wo vinyɔnuwo na viwòŋutsuwo hã o. Elabena woana viwòŋutsuwo natrɔ le yonyeme aɖasubɔ mawu bubuwo; ale be Yehowa ƒe dziku nafla ɖe ŋuwò, eye wòatsrɔ̃ wò kaba ŋutɔ.”—5 Mose 7:3, 4.

14, 15. Nu kae dzɔ ɖe Salomo dzi le esi wòŋe aɖaba ƒu Yehowa ƒe sedede dzi ta?

14 Esi Salomo zu Israel-fia teti ko la, edo gbe ɖa na Yehowa bia nunya, eye wòɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ. Eya ta Salomo dze nunya eye wòkplɔ dukɔa nyuie ale be eƒe ŋkɔ de du. Le nyateƒe me la, Salomo ƒe nunya wɔ dɔ ɖe Seba-fianyɔnua dzi ale gbegbe be wògblɔ nɛ be: “ȃo nya si wogblɔ le wò nunya kple wò kesinɔnuwo ŋu mese la ta sãsãsã.” (1 Fiawo 10:7) Gake nu si Salomo wɔ emegbe la na míekpɔ nu si ate ŋu adzɔ nenye be míeŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe sedede dzi heva ɖe ame si mesubɔa Yehowa o.—Nyagblɔla 4:13.

15 Togbɔ be Yehowa yra Salomo geɖe hã la, mewɔ ɖe Mawu ƒe sedede si me kɔ la dzi o. Salomo “lɔ̃ dutanyɔnu geɖewo,” ame siwo mesubɔa Yehowa o. Ale srɔ̃awo va le 700 eye eƒe ahiãwo le 300. Nu kae do tso eme? Esime Salomo tsi ku amegã la, “srɔ̃awo trɔ eƒe dzi wòdze mawu bubuwo yome, eye . . . Salomo wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume.” (1 Fiawo 11:1-6) Hadede vɔ̃ gblẽ nu le eŋu, eye meyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa o. Ne esia dzɔ ɖe Salomo dzi la, ke ate ŋu adzɔ ɖe míawo dzi bɔbɔe wu. Esia tae mele be wòava susu me na mí gbeɖe be míaɖe ame si mesubɔa Yehowa o!

16. Aɖaŋu kae Biblia ɖo na ame siwo ɖe srɔ̃ xoxo hafi va zu Yehowa subɔlawo?

16 Ke ne ame aɖe ɖe srɔ̃ xoxo hafi va zu Yehowa subɔla ya ɖe? Biblia gblɔ be: “Mi srɔ̃nyɔnuwo . . . mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, ale be ne srɔ̃ŋutsu aɖewo meɖoa to nya la o la, wo srɔ̃wo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔmagblɔe naɖe wo.” (1 Petro 3:1) Nya sia yi na srɔ̃ŋutsu siwo srɔ̃wo menye Yehowa subɔlawo o la hã. Mawu ƒe Nya la me kɔ: Ele be nànye srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu nyui, ame si wɔna ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi pɛpɛpɛ le srɔ̃ɖeɖea me. Ekema ne srɔ̃wò kpɔ be nɔnɔme nyuiwo va su asiwò fifia la, eya hã adi be yeasubɔ Yehowa. Srɔ̃tɔ geɖewo kpɔ esia teƒe.

DE HA KPLE AME SIWO LƆ̃ YEHOWA

17, 18. Nu kae na Noa tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me, eye nu kae na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo hã tsi agbe le Yerusalem tsrɔ̃ɣi?

17 Hadede vɔ̃wo ate ŋu ana nàgbe toɖoɖo Yehowa, gake hadede nyuiwo akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi awɔ nuteƒe nɛ. Noa ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Enɔ agbe le ɣeyiɣi si me “amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ do agbogbo” ɖe anyigba la dzi, eye eƒe “dzimesusuwo katã le vɔ̃wɔwɔ ko ŋu ɖaa.” (1 Mose 6:5) Amewo ƒe agbenɔnɔ gblẽ ale gbegbe be Yehowa ɖoe be yeatsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi ma. Gake Noa ya to vovo. Biblia gblɔ be enye “ame dzɔdzɔe” si “zɔ kple Mawu vavã la.”—1 Mose 6:7-9.

18 Noa mede ha kple ame siwo melɔ̃ Yehowa o. Noa nye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela,” eye eya kple eƒe ƒomea do vevie nu kpa aɖakaʋua. (2 Petro 2:5) Noa kple srɔ̃a kpakple wo viŋutsu etɔ̃awo kple wo srɔ̃nyɔnuwo de ha kplikplikpli kple wo nɔewo. Woƒo wo ɖokuiwo ɖe nu siwo dze Mawu ŋu la wɔwɔ me, si na wotsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me. Mí ame siwo katã le agbe egbea míenye woƒe dzidzimeviwo, eya ta ele be míada akpe be Noa kple eƒe ƒomea ɖo to Yehowa eye wotsri hadede vɔ̃wo. Nenema kee ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo hã mede ha kple ame siwo melɔ̃ Yehowa o. Woyi edzi ɖo to, eye wotsi agbe esime wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 70 Kristotɔwo Ŋɔli.—Luka 21:20-22.

Hadede kple ame siwo lɔ̃ Yehowa akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ ale si agbea ava nɔ le xexe yeyea me (Kpɔ memama 19)

19. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa?

19 Abe Noa kple eƒe ƒomea kpakple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ene la, míawo hã míetsria hadede kple ame siwo melɔ̃ Yehowa o. Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu wɔnuteƒe miliɔn geɖewo li egbea siwo míate ŋu adze xɔlɔ̃e. Woawoe akpe ɖe mía ŋu míanɔ “tsitre sesĩe le xɔse la me” le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. (1 Korintotɔwo 16:13; Lododowo 13:20) Wò ya kpɔ ale si gbegbe wò dzi adze emee ne ètsi agbe le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu, eye nège ɖe Yehowa ƒe xexe yeyea me la ɖa! Ekema aleke gbegbe wòhiã vevie be míatsri hadede vɔ̃wo fifiae nye esi!