Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔ Esinu Kpɔm!

Nɔ Esinu Kpɔm!

“Ne etsi megbe hã la, nɔ esinu kpɔm!”—HABAKUK 2:3.

HADZIDZI: 128, 45

1, 2. Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ Yehowa subɔlawo si?

YEHOWA subɔlawo lalana dzigbɔɖitɔe hena nyagblɔɖiwo me vava. Le kpɔɖeŋu me, Yeremiya nɔ mɔ kpɔm be Babilontɔwo ava tsrɔ̃ Yuda, eye esia va eme le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.). (Yeremiya 25:8-11) Yesaya gblɔe ɖi be Yehowa akplɔ Yudatɔ siwo woɖe aboyoe la agbɔ va Yuda esime wògblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo katã kpɔa esinu.” (Yesaya 30:18) Mika hã nɔ mɔ kpɔm na Yehowa ƒe ŋugbedodowo me vava eye wògblɔ be: “Manɔ ŋu tsam na Yehowa.” (Mika 7:7) Gakpe ɖe eŋu la, Mawu subɔlawo ka ɖe edzi ƒe alafa geɖe be Mesia, alo Kristo, si ŋugbe wodo la ava.—Luka 3:15; 1 Petro 1:10-12. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

2 Egbea míawo hã míele mɔ kpɔm na nyagblɔɖi siwo ku ɖe Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋu la me vava vevie. Eteƒe madidi o, Yesu, si nye Fiaɖuƒe ma ƒe Fia, aɖe Mawu subɔlawo tso xexe sia si me afɔkuwo bɔ ɖo me. Atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo eye wòaɖe fukpekpewo katã ɖa. (1 Yohanes 5:19) Eya ta ele be míanɔ Yehowa ƒe ŋkekea sinu kpɔm ahanɔ dzadzraɖoɖi na eƒe vava ɣesiaɣi.

3. Ne ƒe gbogbo aɖewoe nye esia míele nuwuwua lalam la, nya kae míate ŋu anɔ mía ɖokuiwo biam?

3 Míele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ava eme le anyigba dzi. (Mateo 6:10) Gake ne ƒe gbogbo aɖewoe nye esia míele nuwuwua lalam la, ɖewohĩ míanɔ mía ɖokuiwo biam be, ‘Nu ka tae míayi edzi anɔ mɔ kpɔm be nuwuwua ava kpuie?’

NU KA TAE MÍAYI EDZI ANƆ MƆ KPƆM BE NUWUWUA AVA KPUIE?

4. Nu ka tae wòle vevie be ‘míanɔ ŋudzɔ’?

4 Yesu de se na eyomedzelawo be, “minɔ ŋudzɔ.” Esia tae wòle vevie be míayi edzi anɔ mɔ kpɔm be nuwuwua ava kpuie. (Mateo 24:42; Luka 21:34-36) Yehowa ƒe habɔbɔa hã yi edzi le ŋku ɖom edzi na mí be ‘míanɔ lalam eye míaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava’ kple xexe yeye si ŋugbe Yehowa do la ŋu vevie.—Xlẽ 2 Petro 3:11-13.

5. Susu bubu ka tae wòle be míanɔ Yehowa ƒe ŋkekea sinu kpɔm?

5 Ne ehiã be Yesu yomedzela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me nanɔ Yehowa ƒe ŋkekea sinu kpɔm la, ke ehiã na mí egbea geɖe wu. Nu ka tae? Elabena dzesi si ƒe nya Yesu gblɔ la ɖo kpe edzi be ele dzi ɖum abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene tso ƒe 1914 me ke, eye míele ŋkeke mamlɛwo me, alo “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi.” Le kpɔɖeŋu me, abe ale si Yesu gblɔe ɖi ene la, xexea ƒe nɔnɔme le gbegblẽm ɖe edzi, eye wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le anyigba katã dzi. (Mateo 24:3, 7-14) Yesu megblɔ ɣeyiɣi didi si ŋkeke mamlɛawo axɔ o, esia tae wòle be míanɔ dzadzraɖoɖi ahanɔ mɔ kpɔm be nuwuwua ate ŋu ava ɣesiaɣi.

6. Aleke míewɔ nya be xexea ƒe nɔnɔme anyra ɖe edzi esi míele nuwuwua gogom?

6 Ðe wòanye be “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” si ŋu nya wogblɔ la ku ɖe ɣeyiɣi bubu aɖe si le ŋgɔ gbɔna, si gavɔ̃ɖi wu, ŋua? Biblia gblɔ be amewo anɔ vɔɖivɔ̃ɖim ɖe edzi “le ŋkeke mamlɛawo” me. (2 Timoteo 3:1, 13; Mateo 24:21; Nyaɖeɖefia 12:12) Eya ta togbɔ be xexea me gblẽ fifia hã la, míenya be aganyra ɖe edzi.

7. Nu kae Mateo 24:37-39 fia mí tso ale si xexea me anɔ le ŋkeke mamlɛawo me ŋu?

7 Ame aɖewo abui be hafi “xaxa gã la” nadze egɔme la, aʋa anɔ dzɔdzɔm le dukɔ ɖe sia ɖe me eye ame akpa gãtɔ adze dɔ alo dɔ awu wo aɖi tsi ɖe wo ŋu. (Nyaɖeɖefia 7:14) Gake ne edzɔ alea la, ame sia ame ade dzesii be Biblia me nyagblɔɖiwoe le eme vam. Ame siwo metsɔ ɖeke le Biblia me nyawo me o gɔ̃ hã akpɔ esia adze sii. Ðo ŋku edzi be Yesu gblɔ be ame akpa gãtɔ ‘made dzesi’ ŋkeke mamlɛawo o. Woƒe gbe sia gbe nuwɔnawo dzi ko woanɔ eye dzidzi aƒo wo ne Yehowa ƒe ŋkekea va. (Xlẽ Mateo 24:37-39.) Edze ƒãa be mele be míanɔ mɔ kpɔm be nuwo agblẽ keŋkeŋ do ŋgɔ na “xaxa gã la” ale gbegbe be esia azi amewo dzi woaxɔe ase be nuwuwua gogo o.—Luka 17:20; 2 Petro 3:3, 4.

Míeka ɖe edzi bliboe be míele “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi”

8. Esi míele ŋudzɔ ɖe Yesu ƒe dzesiawo ŋu ta la, nu ka dzie míeka ɖo?

8 Ðe Yesu na dzesiawo eƒe nusrɔ̃laawo be yeatsɔ axlɔ̃ nu wo ne woanya ɣeyiɣi si me wole. Yesu yomedzelawo nɔa ŋudzɔ. (Mateo 24:27, 42) Tso ƒe 1914 me kee Yesu ƒe dzesiawo ƒe akpa vovovowo te emevava. Esia na míeka ɖe edzi bliboe be míele ŋkeke mamlɛawo me, si nye “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi.” Yehowa ɖo ɣeyiɣi si wòatsrɔ̃ Satana ƒe xexe vɔ̃ɖia ɖi xoxo.

9. Nu ka tae wòle be míanɔ mɔ kpɔm be nuwuwua ava kpuie?

9 Ne nyaa le alea ɖe, nu ka tae wòle be míanɔ mɔ kpɔm be nuwuwua ava kpuie? Elabena míeɖoa to Yesu Kristo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míekpɔe keŋ be ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi si Yesu na la le eme vam. Menye esi míexɔa nu sia nu si míesena dzi se tae míexɔe se be nuwuwua tu aƒe o, ke esi míeka ɖe edzi be Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam tae. Ele be míanɔ ŋudzɔ ahanɔ dzadzraɖoɖi na nuwuwua.

ƔEKAƔIE MÍALALA ASE ÐO?

10, 11. (a) Nu ka tae Yesu gblɔ na eyomedzelawo be ‘woanɔ ŋudzɔ’? (b) Nu kae Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woawɔ ne nuwuwua meva kaba abe ale si wosusui ene o? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

10 Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia si mía dometɔ geɖe le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe hele mɔ kpɔm na eƒe ŋkekea ƒe vava vevie. Ɣeyiɣi didi ka kee míeɖale lalam o, ele be míayi edzi anɔ mɔ kpɔm be ŋkekea ava kpuie. Ele be míanɔ dzadzraɖoɖi ne Yesu va be yeatsrɔ̃ Satana ƒe xexea. Ðo ŋku nu si Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woawɔ dzi be: “Mikpɔ nyuie, minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ɣeyiɣi ɖoɖi la o. Ele abe ŋutsu aɖe si zɔ mɔ yi duta, eye wògblẽ eƒe aƒe ɖi la ene. Ena ŋusẽ eƒe kluviwo, ede dɔ asi na wo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wòde se na agbonudzɔla la be wòanɔ ŋudzɔ. Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ɣekaɣi aƒetɔ la le vava ge o, eɖanye fiẽ alo zãtiƒe alo fɔŋli alo ŋdi kanya o; ale be ne eva ɖo le vo me la, wòagakpɔ mi le alɔ̃ me o. Ke nya si gblɔm mele na mi la, amewo katãe mele egblɔm na be: Minɔ ŋudzɔ.”—Marko 13:33-37.

Woadze alakpasubɔsubɔhawo dzi, eye esia ate ŋu adzɔ kpata

11 Esi Yesu yomedzelawo de dzesii be edze dziɖuɖu gɔme le ƒe 1914 me ko la, wokpɔe be nuwuwua ate ŋu ava ɣesiaɣi. Eya ta wowɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me tsɔ dzra ɖo ɖe eŋu. Yesu gblɔ be ate ŋu adzɔ be yemava kaba o, yeate ŋu ava le “fɔŋli alo ŋdi kanya.” Ne edzɔ alea la, nu kae wòhiã be eyomedzelawo nawɔ? Yesu gblɔ be: “Minɔ ŋudzɔ.” Le esia ta nenye be míese le mía ɖokuiwo me be ɣeyiɣi didi aɖee nye esia míele lalam gɔ̃ hã la, mefia be nuwuwua le didiƒe ɖaa alo mava le míaƒe agbenɔɣi o.

12. Nya kae Habakuk bia Yehowa, eye aleke wòɖo eŋu nɛ?

12 Nyagblɔɖila Habakuk lala dzigbɔɖitɔe esime wònɔ gbeƒã ɖem Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃. Gbedeasi sia kee nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ nɛ hã ɖe gbeƒãe ƒe geɖe. Habakuk kpɔe be nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ do agbogbo wu le yeƒe ɣeyiɣia me. Edo gbe ɖa na Yehowa hebiae be: “Oo Yehowa, va se ɖe ɣekaɣi manɔ ɣlidodo dzi be nàxɔ nam.” Togbɔ be Yehowa megblɔ ɣeyiɣi si nuwuwua ava na Habakuk o hã la, edo ŋugbe nɛ be: “Mahe ɖe megbe o!” Yehowa gblɔ kpe ɖe eŋu na Habakuk be: “Nɔ esinu kpɔm!”—Xlẽ Habakuk 1:1-4; 2:3.

13. Nu kae Habakuk ate ŋu anɔ gbɔgblɔm na eɖokui, eye nu ka tae afɔku le nuŋububu sia me?

13 Tsɔe be mɔkpɔkpɔ na nuwuwua ti kɔ na Habakuk eye wògblɔ na eɖokui be: ‘Ƒe geɖee nye esia mele mɔ kpɔm na Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃. Adidi ŋutɔ hafi nuwuwua nava. Mehiã be mayi edzi anɔ gbeƒã ɖem tso eŋu o. Ame bubuwo ate ŋu aɖe gbeƒã faa.’ Nu kae nèbu be adzɔ ne ɖe wòbu nuwo ŋu nenema? Anye ne Yehowa magakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o. Eye ne ɖe menɔ dzadzraɖoɖi esi nuwuwua va o la, anye ne ebu eƒe agbe.

14. Nu ka tae dzi adzɔ mí ŋutɔ be Yehowa xlɔ̃ nu mí be míanɔ mɔ kpɔm na nuwuwua?

14 Tsɔe be èle xexe yeyea me. Nu siwo katã Yehowa gblɔ ɖi ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu la va eme pɛpɛpɛ. Ègaka ɖe Yehowa dzi wu tsã, eye èxɔe se vevie be nya ɖeka pɛ hã mado kpo emevava le nu bubu siwo katã ŋugbe wòdo la me o. (Xlẽ Yosua 23:14.) Edzɔ dzi na wò ŋutɔ be Yehowa he nuwuwua vɛ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, eye wòxlɔ̃ nu eƒe amewo be woakpɔ esinu.—Dɔwɔwɔwo 1:7; 1 Petro 4:7.

MÍEYIA EDZI ÐEA GBEƑÃ ESIME MÍELE LALAM

Ðe nèɖea gbeƒã nya nyuia dzonɔamemetɔea? (Kpɔ memama 15)

15, 16. Nu ka tae wòle be míawɔ nu sia nu si míate ŋui le gbeƒãɖeɖedɔa me?

15 Yehowa ƒe habɔbɔa ɖoa ŋku edzi na mí ɣesiaɣi be míana Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ na mí le agbe me. Ŋkuɖodzinya siawo kpena ɖe mía ŋu be míado vevie nu le Mawu subɔsubɔ me eye míade dzesii hã be míaƒe gbedeasia hiã kpata. Míeka ɖe edzi be dzesi si ŋu nya Yesu gblɔ la le eme vam fifia, eye be nuwuwua le aƒe tum kabakaba. Eya ta míenana Yehowa xɔa nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me, eye míeyia edzi nɔa gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia.—Mateo 6:33; Marko 13:10.

16 Nya nyuia gbɔgblɔ na amewo fia be míele kpekpem ɖe wo ŋu be woaɖe wo tso Satana ƒe xexe si le tsɔtsrɔ̃ ge kpuie la me. Afɔku dziŋɔtɔ siwo dzɔ le atsiaƒu dzi la dometɔ ɖeka dzɔ le ƒe 1945 me, esi tɔdziʋu si nye Wilhelm Gustloff nyrɔ. Ame akpe geɖe ku. Woɖe nɔvinyɔnu aɖe kple srɔ̃a le tɔdziʋu sia me. Eɖo ŋku edzi be esime tɔdziʋua nɔ nyɔnyrɔm gɔ̃ hã la, nyɔnu aɖe nɔ ɣlidodo dzi be: “Nye mɔzɔkploawo! Nye mɔzɔkploawo! Nye sikanuawo! Nye sikanuawo katã le nye xɔvia me. Nu sia nu bu nam!” Gake mɔzɔla bubuawo ya tsi dzi ɖe nu si le vevie wu ŋu, eye woku kutri ɖe amewo ƒe agbe. Egbea ame geɖe ƒe agbe le afɔku me. Esia ta míawo hã míedi be míanɔ abe mɔzɔla ɖokuitɔmadila mawo ene, eye míana míaƒe susu katã nanɔ gbeƒãɖeɖedɔ si hiã kpata la ŋu. Anyo be míawɔ nu sia nu si míate ŋui akpe ɖe amewo ŋu be woatsi agbe le xexe sia ƒe nuwuwu.

Tso nya me le mɔ nyuitɔ nu ɣesiaɣi eye wò susu nanɔ gbeƒãɖeɖedɔ si hiã kpata la ŋu (Kpɔ memama 17)

17. Nu ka tae wòle be míaka ɖe edzi be nuwuwua ate ŋu ava ɣesiaɣi?

17 Edze ƒãa be Biblia ƒe nyagblɔɖiwo le eme vam kabakaba eye be xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu te tu mí. Míele mɔ kpɔm be “dzo ewo” la kple “lã wɔadã la” natrɔ ɖe Babilon Gã la, si nye alakpasubɔsubɔhawo katã ƒe ƒuƒoƒo, ŋu ahatsrɔ̃e. (Nyaɖeɖefia 17:16) Megawɔ na mí be ɣeyiɣi si nu sia adzɔ la le ŋgɔ ʋĩi o. Mègaŋlɔ be o be, Mawue ‘atsɔe ade woƒe dzi me’ be woadze alakpasubɔsubɔhawo dzi, eye esia ate ŋu adzɔ kpata! (Nyaɖeɖefia 17:17) Satana ƒe xexe vɔ̃ɖia awu enu kpuie. Eya ta ele be míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono kpakple agbemedzimaɖitsitsiwo nagate miaƒe dzi ɖe to gbeɖe o, ne ŋkeke ma nagaɖi ɖe mi abe mɔ̃ ene o.” (Luka 21:34, 35; Nyaɖeɖefia 16:15) Ele vevie be míanɔ ŋudzɔ ahanɔ geɖe wɔm le Yehowa subɔsubɔ me, eye míaka ɖe edzi be “[ekpena] ɖe ame siwo le mɔ kpɔm nɛ la ŋu.”—Yesaya 64:4.

18. Biabia ka ƒe ŋuɖoɖoe míakpɔ le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Esi míele nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu lalam la, mina míawɔ ɖe aɖaŋu si nusrɔ̃la Yuda ɖo dzi be: “Lɔlɔ̃tɔwo, mitu mia ɖokuiwo ɖo ɖe miaƒe xɔse kɔkɔetɔ la dzi, mido gbe ɖa le gbɔgbɔ kɔkɔe me, eye minɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa, esi miele mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ lalam hena agbe mavɔ kpɔkpɔ.” (Yuda 20, 21) Gake aleke míaɖee afia be míele mɔ kpɔm be Mawu ƒe xexe yeyea nava kpuie, eye be míele esinu kpɔm? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.

^ mm. 1 Be nàkpɔ Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia la ŋu kple ale si wova emee la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, axa 200