Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wɔ Nu Wòaɖee Afia Be Nèlɔ̃ Yehowa

Wɔ Nu Wòaɖee Afia Be Nèlɔ̃ Yehowa

“Míelɔ̃a ame, elabena Mawu tre mí lɔlɔ̃.”—1 YOHANES 4:19.

HADZIDZI: 56, 138

1, 2. Nu kae Yehowa wɔ si fia be ele be míawo hã míalɔ̃e?

MƆ NYUITƆ si dzi vifofo ato afia nu viawoe nye be wòaɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na wo. Ne eɖea lɔlɔ̃ fiaa ɖeviawo la, ekema woawo hã wosrɔ̃a ale si woalɔ̃ ame. Mía Fofo ye Yehowa nye, eye ame aɖeke melɔ̃ mí de enu o. Eya ta míesrɔ̃a amelɔlɔ̃, “elabena Mawu tre mí lɔlɔ̃.”—1 Yohanes 4:19.

2 Mɔ kawo nue Yehowa “tre mí lɔlɔ̃” le? Biblia gblɔ be: “Esime míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.” (Romatɔwo 5:8) Mía Fofo lɔ̃ame Yehowa tsɔ Via na wòva xe fe ɖe mía ta be wòaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me. Nunana xɔasi siae ʋu mɔ na mí be míate ɖe Yehowa ŋu eye míaɖee afiae be míelɔ̃e. Yehowa ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí esi wòsa vɔ gã ma ɖe mía ta. Esia fia mí be míawo hã míalɔ̃e ahanye ɖokuitɔmadilawo kple dɔmenyolawo.—1 Yohanes 4:10.

3, 4. Nu kae aɖee afia be míelɔ̃ Mawu?

3 Yehowa ƒe nɔnɔme si ɖe dzesi wue nye lɔlɔ̃. Eya ta míate ŋu akpɔ nu si tae Yesu gblɔ be sedede vevitɔe nye be: “Nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo.” (Marko 12:30) Yehowa di be míalɔ̃ ye kple míaƒe “dzi blibo.” Etena ɖe Yehowa dzi ne míelɔ̃ ame alo nu bubu aɖe wu eyama. Gake mele be míaƒe lɔlɔ̃ nɛ nanye seselelãme dzro ko o. Yehowa di be míalɔ̃ ye kple míaƒe “tamesusu blibo” kple míaƒe “ŋusẽ blibo.” Esia fia be ele be nu siwo ŋu míebuna kple nu siwo míewɔna siaa naɖee afia be míelɔ̃ Yehowa vevie.—Xlẽ Mika 6:8.

4 Eya ta ele vevie be míalɔ̃ Yehowa kple míaƒe ameti bliboa kpakple nu siwo katã le mía si. Ne míena eya nye ame vevitɔ na mí le agbe me la, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃e vavã. Le nyati si do ŋgɔ na esia me la, míekpɔ mɔ ene siwo nu Yehowa ɖea eƒe lɔlɔ̃ gã la fiaa viawo le. Azɔ míadzro ale si míawo hã míatu míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa ɖo be enu nasẽ ɖe edzi eye míaɖee afiae be míelɔ̃e la me.

DA AKPE NA YEHOWA ÐE EƑE NUNANAWO TA

5. Ne míebu nu siwo katã Yehowa wɔ na mí ŋu la, nu kae míedina be míawɔ?

5 Zi geɖe ne ame aɖe na nu wò la, èdaa akpe nɛ. Eye èzãa nunana la le esi nède asixɔxɔ eŋu ta. Yakobo gblɔ be: “Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã tso dziƒo, tso kekeliwo Fofo la gbɔ, eye eya metrɔna abe ale si vɔvɔli nɔa tɔtrɔm ene o.” (Yakobo 1:17) Eya ta edzɔa dzi na mí be Yehowa naa nu sia nu si míehiã be míanɔ agbe ahakpɔ dzidzɔ la mí. Míekpɔ lɔlɔ̃ si gbegbe wòtsɔ lɔ̃ mí, eye míedina be eya hã nakpɔe be míelɔ̃ ye. Nenemae wòle le gowòmea?

6. Ne Israel-viwo di be Yehowa nayi edzi ayra yewo la, nu kae wòle be woawɔ?

6 Yehowa wɔ nu nyui geɖewo na Israel-viwo. Etsɔ eƒe sewo na wo be wòakplɔ wo, eye wòlé be na wo ƒe alafa geɖe. (5 Mose 4:7, 8) Nu si wòle be Israel-viwo nawɔ atsɔ ada akpe na Yehowae nye be, woawɔ ɖe se siawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne wodi be yewoasa vɔ na Yehowa la, ele be woatsɔ “anyigbadzikutsetse gbãtɔwo ƒe nyuitɔwo” vɛ. (2 Mose 23:19) Israel-viwo nya be Yehowa ayi edzi ayra yewo ne yewoɖo toe hetsɔ yewoƒe nu nyuitɔwo nɛ.—Xlẽ 5 Mose 8:7-11.

7. Aleke míate ŋu azã míaƒe “nunɔamesi veviwo” atsɔ aɖee afia Yehowa be míelɔ̃e?

7 Míawo hã míate ŋu aɖee afia Yehowa be míelɔ̃e ne míetsɔa míaƒe “nunɔamesi veviwo” nanɛ. (Lododowo 3:9) Míewɔa esia ne míezãa nu siwo le mía si tsɔ dea bubu eŋu. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu adzɔ ga atsɔ akpe asi ɖe Fiaɖuƒedɔa ŋu le míaƒe hamea me alo be woatsɔ ado alɔ xexea me katã ƒe dɔa. Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu azã eƒe nunɔamesiwo atsɔ aɖee afia be yelɔ̃ Yehowa, nu sɔ gbɔ ɖe esi alo nu meɖasɔ gbɔ ɖe esi o. (2 Korintotɔwo 8:12) Gake nu bubu aɖewo gali míawɔ be Yehowa nakpɔe be míelɔ̃ ye.

Ale si gbegbe míelɔ̃ Yehowae la dzena le ale si míeka ɖe edzii me

8, 9. Nu bubu ka hãe míawɔ atsɔ aɖee afia be míelɔ̃ Yehowa? Nu kae Mike kple eƒe ƒomea wɔ?

8 Yesu fia mí be míadi Fiaɖuƒea gbã, eye míagatsi dzimaɖi ɖe nu si míaɖu alo nu si míado ŋu o. Mía Fofo la do ŋugbe be yeana nu siwo míehiã la mí. (Mateo 6:31-33) Míexɔ Yehowa dzi se heka ɖe edzi be awɔ ɖe eƒe ŋugbedodo ma dzi. Elabena ne míelɔ̃ ame aɖe vavã la, míekana ɖe amea dzi. Le nyateƒe me la, ale si gbegbe míelɔ̃ Yehowae la dzena le ale si míeka ɖe edzii me. (Psalmo 143:8) Eya ta anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe nye ɖoɖowo kple ale si mezãa nye ɣeyiɣi kple ŋusẽe la nana wòdzena ƒãa be melɔ̃ Yehowa vavã? Ðe meɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu gbe sia gbe be akpɔ nye nuhiahiãwo gbɔ nama?’

9 Nɔviŋutsu aɖe si woyɔna be Mike kple eƒe ƒomea ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Esime Mike nye sɔhɛ la, edi vevie be yeayi aɖaɖe gbeƒã le dukɔ bubu me. Didi ma kpɔtɔ nɔ eme esime wòɖe srɔ̃ hedzi vi eve gɔ̃ hã. Esi Mike kple eƒe ƒomea xlẽ nu tso nɔvi siwo yi ɖale subɔsubɔm le afi si hiahiã lolo wu le ŋu la, wotso nya me be yewoanɔ agbe tsɛ. Eya ta wodzra woƒe aƒea eye woʋu yi ɖanɔ aƒe sue aɖe me. Mike ɖe dɔ si wowɔna le eƒe dɔwɔƒe hã dzi kpɔtɔ, eye wòwɔ ɖoɖo be yeanɔ du bubu me anɔ dɔa dzi kpɔm to Internet dzi. Esia wɔe be Mike kple eƒe ƒomea te ŋu ʋu yi dukɔ bubu me, eye wole dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔdɔa me ale gbegbe. Mike gblɔ be: “Míekpɔ Yesu ƒe nya siwo le Mateo 6:33 la ƒe nyateƒenyenye teƒe ŋutɔŋutɔ.”

DE ŊUGBLE LE NU SIWO YEHOWA FIAA WÒ ŊU

10. Abe Fia David ene la, nu ka tae wònyo be míade ŋugble le nu siwo míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu ŋuti?

10 Fia David dzi ha be: “Dziƒowo le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖem fia; eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwɔwɔ.” Eyi edzi be: “Yehowa ƒe se de blibo, enana ŋusẽ gaɖoa ame ŋu. Yehowa ƒe ŋkuɖodzinya le eteƒe, enana bometsila dzea nunya.” Esi David de ŋugble le Yehowa ƒe se debliboawo kple eƒe asinudɔwɔwɔ nyakpɔawo ŋu la, etee ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu, eye wòdi be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ afiae. David gblɔ be: “Na nye numenyawo kple nye dzimesusuwo nadze ŋuwò, Oo Yehowa, nye Agakpe kple nye Xɔnametɔ.”—Psalmo 19:1, 7, 14.

11. Aleke míazã sidzedze si Yehowa na mí atsɔ aɖee afia be míelɔ̃e? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

11 Egbea Yehowa fiaa nu geɖe mí tso eɖokui, eƒe tameɖoɖowo, eƒe asinudɔwɔwɔwo kple eƒe Nya la ŋu. Xexea dea dzi ƒo na amewo be woade suku ayi ŋgɔ, gake ɖeko suku kɔkɔ dede nana lɔlɔ̃ si le amewo si na Mawu nu tsina. Menye sidzedze koe Yehowa nana mí o, ke ekpena ɖe mía ŋu míedzea nunya hã. Si fia be, edi be míawɔ nu siwo míesrɔ̃ ŋu dɔ wòaɖe vi na míawo ŋutɔ kple ame bubuwo hã. (Lododowo 4:5-7) Le kpɔɖeŋu me, edi be míakpe ɖe amewo ŋu be “nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si” ale be woakpɔ ɖeɖe. (1 Timoteo 2:4) Míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa kple mía havi nenye be míefiaa nu ame geɖe ale si nu míate ŋui tso Mawu Fiaɖuƒe la kple nu siwo wòava wɔ na amegbetɔwo ŋu.—Xlẽ Psalmo 66:16, 17.

12. Nya kae nɔvi nyɔnuvi aɖe gblɔ tso Yehowa ƒe nunana aɖe ŋu?

12 Ðeviwo hã ate ŋu ade ŋugble le nu siwo Yehowa wɔna na wo kple nu siwo wòfiaa wo ŋu. Shannon ɖoa ŋku takpekpe aɖe si wòde esi wònye nyɔnuvi si xɔ ƒe 11 la dzi; eya kple nɔvia si xɔ ƒe 10 ye de. Le “Mawusosroɖa” Nutome Gã Takpekpe ma ƒe akpa aɖe la, wobia tso ɖeviwo katã, siwo dome Shannon kple nɔvia hã le, si be woava nɔ agbadɔa ƒe akpa aɖe koŋ. Gbã la, mevo le eɖokui me kura o. Gake dzi dzɔe ŋutɔ esi woma “Sɔhɛwo Biana Be” gbalẽ yeye si woɖe ɖe go le yevugbe me la na ɖeviwo kple sɔhɛwo katã. Aleke nunana nyui sia na wòse le eɖokui me ɖe Yehowa ŋu? Egblɔ be: “Ɣemaɣie meva kpɔe be Yehowa li ŋutɔŋutɔ eye be elɔ̃m vevie ŋutɔ. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be mía Mawu gã Yehowa naa nunana nyui deblibo siawo mí faa!”

ÐE MƆ YEHOWA NAÐƆ WÒ ÐO

13, 14. Aleke wòle be míawɔ nui ne Yehowa ka mo na mí alo he to na mí, eye nu ka tae?

13 Biblia na míenya be: “Ame siwo Yehowa lɔ̃na lae wòkaa mo na, abe ale si ko vifofo wɔna na via si gbɔ melɔ̃a nu le o la ene.” (Lododowo 3:12) Ne míeɖe mɔ na Yehowa wòɖɔ mí ɖo eye míexɔ eƒe amehehe la, esia kpena ɖe mía ŋu míewɔa nu dzɔdzɔe eye míaƒe dzi dzea eme. Nyateƒeae nye be, “míebua tohehe aɖeke fifia dzidzɔe o, ke veve boŋ.” (Hebritɔwo 12:11) Ke hã, aleke wòle be míawɔ nui ne Yehowa he to na mí? Mele be míado toku Yehowa ƒe mokaname alo ayi edzi anɔ dziku dom ne aɖaŋu si wòɖo na mí medzɔ dzi na mí o. Míelɔ̃ Yehowa, eya ta míesea eƒe gbe hetrɔa míaƒe agbenɔnɔ ɣesiaɣi si wòhiã.

Ne míewɔa tɔtrɔ siwo hiã be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃ eyama vavã

14 Yudatɔ siwo nɔ anyi le Malaki ƒe ɣeyiɣia me dometɔ geɖe gbe toɖoɖo Yehowa. Togbɔ be vɔ siwo wosana medzea eŋu o hã la, wometsɔ ɖeke kura le eme o. Eya ta Yehowa ka mo na wo vevie. (Xlẽ Malaki 1:12, 13.) Yehowa xlɔ̃ nu wo tso esia ŋu enuenu, gake wosẽ to. Eya ta egblɔ na wo be: “Mana fiƒode la nava mia dzi, eye mana miaƒe yayrawo nazu fiƒodewo.” (Malaki 2:1, 2) Edze ƒãa be ne míeyi edzi gbe Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖo sese alo míebui be mele vevie o la, atso kadodo me kpli mí.

Ele vevie be nàbu nu si Yehowa di ŋu, ke menye nu siwo le tsia dzi le xexea me o (Kpɔ memama 15)

15. Nuwɔna kawoe wòle be míatsri?

15 Satana ƒe xexea ƒãa dada kple ɖokuitɔdidi ɖe amewo me. Ame geɖe medina be woaɖɔ yewo ɖo alo aɖo nu na yewo o. Ðeko ame aɖewo sea aɖaŋuɖoɖo to woƒe to ɖeka me wòdona to evelia me. Mele be míanɔ nenema o. Biblia gblɔ na mí be ‘míadzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu.’ Eya ta ele vevie be míanya nu si dim Yehowa le tso mía si, ale be míawɔ nu si dzea eŋu. (Romatɔwo 12:2) Etoa eƒe habɔbɔa dzi xlɔ̃a nu mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, woɖoa ŋku edzi na mí zi geɖe be míakpɔ nyuie le nuwɔwɔ ɖe ame si ƒe vidzinu to vovo ŋu, kple xɔlɔ̃wo alo modzakaɖeɖewo tiatia me. Ne míeɖea mɔ Yehowa ɖɔa mí ɖo eye míewɔa tɔtrɔ siwo hiã be míaƒe nu nadze eŋu la, esia ɖenɛ fiana be eƒe mɔfiamewo dzɔa dzi na mí eye míelɔ̃ eyama vavã.—Yohanes 14:31; Romatɔwo 6:17.

ÐO ŊU ÐE YEHOWA ƑE KPEKPEÐEŊU KPLE TAKPƆKPƆ ŊU

16, 17. (a) Nu ka tae wòle be míadze agbagba anya Yehowa ƒe susu hafi atso nya me le nane ŋu? (b) Nu kae Israel-viwo wɔ le esi teƒe be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu?

16 Ðeviwo ɖoa ŋu ɖe wo dzilawo ƒe kpekpeɖeŋu kple takpɔkpɔ ŋu. Ame tsitsiwo gɔ̃ hã biaa kpekpeɖeŋu tso wo dzilawo gbɔ ɣeaɖewoɣi. Wokpɔnɛ be togbɔ be yewoate ŋu atso nya me le yewo ɖokui si hã la, yewo dzilawo ate ŋu aɖo aɖaŋu nyuiwo na yewo. Mía Fofo Yehowa hã ɖe mɔ na mí be míatso nya me le nu siwo míawɔ ŋu. Gake esi míelɔ̃e heɖoa ŋu ɖe eŋu ta la, míebiaa eƒe kpekpeɖeŋu ɣesiaɣi, eye míedzea agbagba be míanya eƒe susu le nane ŋu hafi atso nya me le eŋu. Ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la, ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu míawɔ nu si le eteƒe.—Filipitɔwo 2:13.

17 Le Samuel ƒe ɣeyiɣia me la, edzɔ gbe ɖeka be Filistitɔwo ɖu Israel-viwo dzi le aʋa me. Le esi woabia Yehowa be wòafia mɔ yewo teƒe la, wogblɔ be: “Mina míakɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo ava mía gbɔ, ne wòanɔ mía dome ahaɖe mí tso míaƒe futɔwo si me.” Nu kae do tso nuwɔna ma me? “Ame siwo wowu la sɔ gbɔ ŋutɔ; ale be aʋawɔla afɔzɔla akpe blaetɔ̃ tsi aʋa le Israel-viwo dome. Woxɔ Mawu ƒe Aɖaka la hã.” (1 Samuel 4:2-4, 10, 11) Israel-viwo susui be ne yewonya kɔ Nubablaɖaka la va aʋagbea dzi ko la, Yehowa akpe ɖe yewo ŋu ahakpɔ yewo ta. Gake womebia kpekpeɖeŋu tso Yehowa ŋutɔ gbɔ alo dze agbagba be yewoanya eƒe susu o. Wowɔ nu si wobu be esɔ, ke kue do tso eme na wo.—Xlẽ Lododowo 14:12.

18. Aleke Biblia be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu?

18 Hakpala aɖe si lɔ̃ Yehowa vevie heɖoa ŋu ɖe eŋu la gblɔ be: “Makpɔ Mawu sinu, elabena magakafu eya si nye nye Xɔnametɔ Gã la ake. Nye Mawu, mɔkpɔkpɔ bu ɖem. Esia tae meɖoa ŋku dziwò.” (Psalmo 42:5, 6) Nenemae wò hã nèsena le ɖokuiwò me le Yehowa ŋua? Èkpɔe be wò kpakplii dome le kplikplikpli eye nèɖoa ŋu ɖe eŋua? Àte ŋu asrɔ̃ ale si nàɖo ŋu ɖe eŋu bliboe wu. Biblia gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, eye mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ana wò mɔwo nadzɔ.”—Lododowo 3:5, 6.

19. Nu kae nàwɔ atsɔ aɖee afia Yehowa be yelɔ̃e?

19 Yehowa tre mí lɔlɔ̃, eye to esia dzi la, efia mí be míalɔ̃ ye. Mina míanɔ ŋugble dem le nu nyui gbogbo siwo wòwɔ na mí kple lɔlɔ̃ si gbegbe wòtsɔ lɔ̃ míi ŋu ɖaa. Eye mina míawo hã míaɖee afiae be míelɔ̃e kple dzi blibo, luʋɔ blibo, tamesusu blibo kple ŋusẽ blibo.—Marko 12:30.