Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nàyi Ŋgɔ Aɖo Tsitsime Si Gbɔ Kristo Ðo La Gbɔa?

Ðe Nàyi Ŋgɔ Aɖo Tsitsime Si Gbɔ Kristo Ðo La Gbɔa?

“[Ðo] tsitsime blibo si gbɔ Kristo ɖo la gbɔ.”—EFESOTƆWO 4:13.

HADZIDZI: 69, 70

1, 2. Nu kae wòle be wòanye Kristotɔ ɖe sia ɖe ƒe taɖodzinu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

ATIKUTSETSE ka tɔgbie vidada atia be yeaƒle le asi me? Menye esiwo lolo alo esiwo mexɔ asi o ye wòatia kokoko o. Ke boŋ atia esiwo le nɔnɔme nyui me, wole ʋeʋẽm lilili, eye wòkpɔ be woavivi. Adi be yeaƒle atikutsetse siwo nya kpɔ, wotsi nyuie eye woɖi.

Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me dia Biblia ƒe mɔfiame vevi siwo akpe ɖe eŋu wòade vovo nyui kple vɔ̃ dome

2 Nenema kee ne ame aɖe srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu hexɔ nyɔnyrɔ la, ƒomedodo si le eya kple Mawu dome yia edzi nɔa tsitsim. Eƒe taɖodzinue nye be yeava zu Kristotɔ tsitsi. Esia mefia tsitsi le ƒe me o. Ke boŋ tsitsi le gbɔgbɔ me, si fia be, ƒomedodo kplikplikpli nava nɔ amea kple Yehowa dome. Apostolo Paulo di be Kristotɔ siwo nɔ Efeso la natsi le gbɔgbɔ me. Ede dzi ƒo na wo be woawɔ ɖeka le xɔse la me, eye woayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Yesu ŋu ale be woazu “ame siwo tsi blibo ahaɖo tsitsime blibo si gbɔ Kristo ɖo la gbɔ.”—Efesotɔwo 4:13.

3. Aleke Yehowa ƒe ame siwo li egbea le abe Efeso hamea me tɔwo ene?

3 Woɖo hame si nɔ Efeso la ƒe geɖe hafi Paulo ŋlɔ eƒe lɛtaa ɖo ɖe wo. Hamea me tɔ geɖe nye Kristotɔ tsitsi siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su. Ke hã egahiã be hamea me tɔ aɖewo nado ŋusẽ ƒomedodo si le wo kple Yehowa dome. Nenema kee egbea, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo le Yehowa subɔm ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, eye wova zu Kristotɔ tsitsiwo. Gake hamea me tɔ aɖewo hã meyi ŋgɔ ɖo afi ma o. Le kpɔɖeŋu me, ame akpe geɖe xɔa nyɔnyrɔ ƒe sia ƒe, eya ta ele be woawo hã woayi edzi anɔ tsitsim. Ke wò ya ɖe?—Kolosetɔwo 2:6, 7.

NU KAE ANA KRISTOTƆ NATSI LE GBƆGBƆ ME?

4, 5. Nu ka tae Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me la mesɔ kple wo nɔewo o, gake nɔnɔme kae dzena le wo katã ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

4 Ne èlé ŋku ɖe atikutsetse ɖiɖi siwo dzram wole le asi me ŋu la, àkpɔe be woƒe lolome mele ɖeka o. Ke hã míate ŋu atsɔ nanewo ade dzesi wo be wotsi nyuie eye woɖi. Aleae wòle le Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me hã gome. Womesɔ kple wo nɔewo o. Wotso dukɔ vovovowo me eye woƒe dekɔnuwo to vovo. Woxɔ ƒe vovovowo, eye nu siwo doa dzidzɔ na wo hã mele ɖeka o. Gake nɔnɔme aɖewo dzena le Kristotɔ siwo katã tsi le gbɔgbɔ me ŋu. Wo dometɔ aɖewoe nye kawo?

‘Ðe tɔtrɔ aɖewo li wòle be mawɔ be masrɔ̃ Yesu nyuie wua?’

5 Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me la srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu eye wòdzea eƒe “afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.” (1 Petro 2:21) Yesu gblɔ be, ele vevie be míalɔ̃ Yehowa kple míaƒe dzi blibo, luʋɔ blibo kple tamesusu blibo, eye míalɔ̃ mía havi abe mía ɖokuiwo ene. (Mateo 22:37-39) Kristotɔ tsitsi dzea agbagba ɖe sia ɖe be yeawɔ ɖe nuxlɔ̃ame ma dzi. Ale si wònɔa agbee la ɖenɛ fiana be ƒomedodo si le eya kple Yehowa dome kpakple lɔlɔ̃ si le esi na amewoe nye nu vevitɔ nɛ.

Nɔviŋutsu tsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ ne wodoa alɔ nɔviŋutsu ɖekakpui siwo le ŋgɔ xɔm fifia (Kpɔ memama 6)

6, 7. (a) Nɔnɔme bubu kawoe nɔa Kristotɔ tsitsiwo si? (b) Nya kae wòle be míabia mía ɖokui?

6 Menye lɔlɔ̃ koe nye nɔnɔme si nɔa Kristotɔ tsitsi si o. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Ke efaa tu, eɖua eɖokui dzi, eye wògbɔa dzi blewu hã. Nɔnɔme siawoe akpe ɖe eŋu be mado dziku ne nɔnɔme sesẽ aɖe tui o, ke boŋ ado dzi eye mabu mɔkpɔkpɔ o. Ne Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me le nu srɔ̃m le eɖokui si la, edia Biblia ƒe mɔfiame vevi siwo akpe ɖe eŋu wòade vovo nyui kple vɔ̃ dome. Azɔ ne ewɔ eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee ŋu dɔ la, esia kpena ɖe eŋu wòwɔa nyametsotso nyuiwo. Kristotɔ tsitsi bɔbɔa eɖokui, eya ta eka ɖe edzi be Yehowa ƒe mɔfiamewo kple nudidiwoe nye nyuitɔ ɣesiaɣi, ke menye ye ŋutɔ ye tɔwo o. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Etsɔa dzo ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyuia ŋu eye wòdzea agbagba ɖe sia ɖe be ɖekawɔwɔ nanɔ hamea me.

7 Ɣeyiɣi didi ka kee míeɖale Yehowa subɔm o, anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe tɔtrɔ aɖewo li wòle be mawɔ be masrɔ̃ Yesu nyuie wua? Ðe magate ŋu ado vevie nu le go aɖewo me geɖe wua?’

“AME TSITSIWO TƆE NYE NUÐUÐU SESẼ”

8. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yesu nya Ŋɔŋlɔawo hese egɔme nyuie?

8 Yesu Kristo nya Ŋɔŋlɔawo hese egɔme nyuie. Esime wòxɔ ƒe 12 pɛ ko la, eyɔ Ŋɔŋlɔawo esi wòle nu ƒom na nufialawo le gbedoxɔa me. “Ame siwo katã le to ɖomee la ƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti.” (Luka 2:46, 47) Emegbe esi wònɔ gbeƒã ɖem la, ezã Mawu ƒe Nya la aɖaŋutɔe tsɔ de ga nu na eƒe futɔwo.—Mateo 22:41-46.

9. (a) Nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi kawoe nɔa Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me si? (b) Taɖodzinu ka tae wòle be nàsrɔ̃ Biblia ɖo?

9 Kristotɔ si di be yeatsi le gbɔgbɔ me la srɔ̃a Yesu eye wòdzea agbagba be yease Biblia gɔme ale si yeate ŋui. Esrɔ̃a Ŋɔŋlɔawo tsitotsito edziedzi be yease nyateƒenya goglowo gɔme nyuie, elabena enyae be “ame tsitsiwo tɔe nye nuɖuɖu sesẽ.” (Hebritɔwo 5:14) Kristotɔ tsitsi dina vevie be Biblia me nyateƒea ƒe “sidzedze vavãtɔ” nasu ye si. (Efesotɔwo 4:13) Eya ta bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mexlẽa Biblia gbe sia gbea? Ðe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi le asinyea? Ðe míewɔa ƒometadedeagu kwasiɖa sia kwasiɖa?’ Ne èle Biblia srɔ̃m la, di gɔmeɖose alo mɔfiame siwo akpe ɖe ŋuwò nànya Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu. Azɔ na gɔmeɖose siawo nafia mɔ wò nyametsotsowo. Esia ana nàte ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu.

10. Aleke Kristotɔ tsitsi bua Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiamewoe?

10 Menye nu si Biblia fia koe wòle be Kristotɔ tsitsi nanya o. Ele be wòalɔ̃ Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo kple mɔfiamewo. Lɔlɔ̃ sia aʋãe be wòadi vevie be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, ke menye ye ŋutɔ ye tɔ o. Etrɔa asi le ale si wònɔa agbee, bua tamee alo wɔa nui ŋu ɣesiaɣi si wòhiã. Le kpɔɖeŋu me, esrɔ̃a Yesu eye wòdoa “amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me.” (Xlẽ Efesotɔwo 4:22-24.) Ele vevie be míaɖo ŋkui be gbɔgbɔ kɔkɔea ye Mawu zã tsɔ fia mɔ Biblia ŋlɔlawo. Eya ta ne Kristotɔ srɔ̃a Biblia la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe eŋu be eƒe sidzedze, lɔlɔ̃ kple ƒomedodo kple Yehowa tsina ɖe edzi.

DO ÐEKAWƆWƆ ÐE ŊGƆ

11. Nu ka teƒee Yesu kpɔ esi wònɔ anyigba dzi?

11 Yesu de blibo. Gake ame madeblibowo domee wònɔ le anyigba dzi. Yesu dzilawo kple nɔviawo katã mede blibo o. Ðokuitɔdidi kple dada nɔ Yesu yomedzela siwo nɔ eŋu kplikplikpli gɔ̃ hã me. Esiae na be le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me la, nusrɔ̃la siawo ʋli nya vevie “le wo dometɔ si nye gãtɔ” ŋuti. (Luka 22:24) Yesu nya be madidi o, ye yomedzela siawo azu Kristotɔ tsitsiwo, eye woanye hame wɔɖeka togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔ siawo le wo ŋu hã. Le zã ma ke me la, Yesu do gbe ɖa ɖe wo ta be woalé nɔvisi. Ebia Fofoa si le dziƒo be wòakpe ɖe wo ŋu woawɔ ɖeka hegblɔ nɛ be: “Abe ale si wò, Fofo la, nèwɔ ɖeka kplim, eye nye hã mewɔ ɖeka kpli wò la ene.” Eyi edzi be: “Ne woazu ɖeka, abe ale si míele ɖeka ene.”—Yohanes 17:21, 22.

12, 13. (a) Taɖodzinu kae le mí Kristotɔwo si? (b) Nu kae kpe ɖe nɔviŋutsu aɖe ŋu wòsrɔ̃ ale si wòado ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ?

12 Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me doa ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le hamea me. (Xlẽ Efesotɔwo 4:1-6, 15, 16.) Taɖodzinu si le mí Kristotɔwo sie nye be, ‘woate mí katã aƒo ƒu ɖekae,’ si fia be mí katã míawɔ dɔ aduadu. Hafi hamea nawɔ ɖeka alea la, ehiã be Kristotɔwo nabɔbɔ wo ɖokuiwo. Eya ta ne edzɔ be wowɔ nu wòve Kristotɔ tsitsi hã la, edzea agbagba ɖe sia ɖe be ɖekawɔwɔ nakpɔtɔ anɔ hamea me. Eya ta bia ɖokuiwò be: ‘Ne nɔvi aɖe dze agɔ le dzinye la, aleke mewɔa nui? Ne nu si ame aɖe wɔ ɖe ŋunye vem la, ɖe melénɛ ɖe ke mea? Alo ɖe medzea agbagba be madzra nye kplii dome ɖoa?’ Kristotɔ tsitsi dina be yeakpɔ kuxiwo gbɔ, ke menye be eya nazu kuxi na amewo o.

13 Bu nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Uwe ŋu kpɔ. Tsã la, edoa dziku vevie le nɔvi bubuwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta. Gbe ɖeka eɖoe be yeazã Biblia kple Insight (Étude perspicace) gbalẽa atsɔ asrɔ̃ nu tso David ƒe agbenɔnɔ ŋu. Nu ka tae David ye wòtia? Elabena Mawu subɔla aɖewo ɖe fu na David hã kpɔ. Nu siwo me David to la ƒe ɖewoe nye esi: Fia Saul ti eyome be yeawui, eŋume aɖewo di be yewoaƒu kpee, eye eya ŋutɔ srɔ̃a gɔ̃ hã do vloe. (1 Samuel 19:9-11; 30:1-6; 2 Samuel 6:14-22) Togbɔ be amewo tu nu kple David alea hã la, eyi edzi lɔ̃ Yehowa eye wòɖo ŋu ɖe eŋu. David nye nublanuikpɔla hã. Nɔviŋutsu Uwe kpɔe be ehiã be yeatu nɔnɔme mawo ɖo. Nu si wòsrɔ̃ le Biblia me kpe ɖe eŋu wòde dzesii be ehiã be yeatrɔ asi le ale si yebua nɔviwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwoe ŋu. Ele be wòadzudzɔ vodada siwo wowɔ ɖe eŋu la ŋu bubu eye wòado ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le hamea me. Esiae wò hã nèɖo be yeawɔa?

DZE XƆLƆ̃ AME SIWO WƆA MAWU ƑE LƆLƆ̃NU LA KO

14. Ame kawoe Yesu dze xɔlɔ̃e?

14 Yesu Kristo doa vivi ɖe amewo katã ŋu. Eya ta Yesu gbɔ nɔnɔ dzɔa dzi na ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple tsitsiawo kpakple ɖevi ŋɛɛŋɛɛwo gɔ̃ hã. Gake etia exɔlɔ̃ veviwo ŋuɖɔɖotɔe. Egblɔ na eƒe apostolowo be: “Ne miewɔa nu siwo ƒe se mede na mi la, ekema xɔ̃nyewoe mienye.” (Yohanes 15:14) Ame siwo dzea Yesu yome, wɔa nuteƒe, eye wolɔ̃ Yehowa hesubɔnɛ la domee wòtia exɔlɔ̃ veviwo le. Ame siwo lɔ̃ Yehowa tso dzi blibo me lae wò hã nèdzea xɔlɔ̃ea? Nu ka tae esia le vevie?

Ame siwo lɔ̃ Yehowa tso dzi blibo me lae nèdzea xɔlɔ̃ea?

15. Aleke xɔlɔ̃dzedze Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me aɖe vi na sɔhɛwoe?

15 Atikutsetse geɖewo ɖina nyuie ne ɣe ƒe dzodzo lé wo. Nenema kee lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔvi Kristotɔwoe atu mí ɖo be míatsi nyuie le gbɔgbɔ me. Ðe nènye sɔhɛ si le tame bum le nu si nàwɔ le agbe me ŋua? Ekema anyo be nàdze xɔlɔ̃ ame siwo le Yehowa subɔm ƒe geɖee nye esia eye wodoa ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le hamea me. Anɔ eme be woto kuxiwo me le agbe me eye wodo dzi le nɔnɔme sesẽ geɖewo me le Yehowa subɔsubɔ me. Ame siawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtia mɔ nyuitɔ si nu nànɔ agbe ɖo. Ne ède ha kpli wo la, woakpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nunyatɔe ɣesiaɣi, eye nàyi ŋgɔ le Mawu subɔsubɔ me.—Xlẽ Hebritɔwo 5:14.

16. Aleke nɔvi tsitsi siwo le hamea me kpe ɖe Helga ŋu esime wònye sɔhɛ?

16 Nɔvinyɔnu Helga gblɔ be, esime wòsusɔ vie yeawu suku nu la, sukuvi geɖewo nɔ taɖodzinu siwo le wo si gblɔm. Wo dometɔ geɖe ɖoe be yewoade yunivɛsiti ne yewoakpɔ dɔ gã awɔ le etsɔme. Gake Helga ya ɖo dze kple xɔlɔ̃a tsitsi siwo le hamea me. Egblɔ be: “Wo dometɔ geɖe tsi wum bobobo, eye wokpe ɖe ŋunye ale gbegbe. Wode dzi ƒo nam be mawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Eya ta mewɔ mɔɖeɖedɔa ƒe atɔ̃. Ƒe geɖee nye esi va yi, eye fifia, dzi dzɔam ŋutɔ be mezã nye sɔhɛmenɔɣi nyuie le Yehowa subɔsubɔ me. Mevem kura be mewɔ esia o.”

17, 18. Nu kae ana míasubɔ Yehowa nyuie wu?

17 Ne míesrɔ̃a Yesu Kristo la, míeyia ŋgɔ ɖoa tsitsime si gbɔ wòɖo la gbɔ. Esia tea mí ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu, eye didi si le mía me be míasubɔe la hã nu sẽna ɖe edzi. Ne míetsi le gbɔgbɔ me la, esia ana míasubɔ Yehowa nyuie wu. Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ŋkume, ale be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo si le dziƒo.”—Mateo 5:16.

18 Míesrɔ̃ ale si Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me ate ŋu ado alɔ hamea. Kristotɔwo ɖea woƒe tsitsinyenye fiana le ale si wowɔa woƒe dzitsinya ŋu dɔe hã me. Aleke míaƒe dzitsinya ate ŋu afia mɔ mí be míatso nya me le nunya me ɣeawokatãɣi? Eye aleke míade bubu ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu? Míakpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo le nyati si kplɔe ɖo me.

^ mm. 6 Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu abia tso nɔviŋutsu tsitsi kpɔnuteƒewo si be woaɖe asi le agbanɔamedzi aɖe ŋu eye woado alɔ nɔviŋutsu ɖekakpui siwo wotsɔ dɔa de asi na.