Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèkpɔnɛ Be Mawu Le Asi Kpem Ðe Ŋuwòa?

Ðe Nèkpɔnɛ Be Mawu Le Asi Kpem Ðe Ŋuwòa?

“Yehowa aɖe eƒe asi afia esubɔlawo.”—YESAYA 66:14.

HADZIDZI: 65, 26

1, 2.Nu kae ame aɖewo susuna tso Mawu ŋu?

AME geɖe ƒe susue nye be Mawu metsɔa ɖeke le nu siwo yewowɔna me o. Ewɔna na wo be Mawu mebua nu siwo me tom yewole le agbe me ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, esi ahomya sesẽ aɖe gblẽ nu le Philippines le November 2013 me la, dudzikpɔla ɖeka gblɔ be: “Ðewohĩ Mawu ƒe susu le afi bubu aɖe ɖaa.”

2 Ame bubu aɖewo hã susu be Mawu mele nu siwo wɔm yewole la kpɔm o. (Yesaya 26:10, 11; 3 Yohanes 11) Ame siwo nɔ anyi le apostolo Paulo ƒe ŋkekea me la dometɔ aɖewo hã bui nenema. Egblɔ le wo ŋu be: “Wogbe Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ” la. Wonye ame madzɔmadzɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, ŋuklẽlawo kple ame gbegblẽwo.—Romatɔwo 1:28, 29.

3. (a) Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo? (b) Zi geɖe le Biblia me la, nu kae Mawu ƒe “asi” tsia tre ɖi na?

3 Ke míawo ya ɖe? Míenya be Yehowa le nu sia nu si wɔm míele la kpɔm. Gake nyabiaseae nye be, ɖe míexɔe se ŋutɔŋutɔ be Yehowa tsɔa ɖe le eme na mía? Ðe míekpɔnɛ be ele asi kpem ɖe mía ŋua? Zi geɖe le Biblia me la, Mawu ƒe “asi” tsia tre ɖi na eƒe ŋusẽ. Ezãa eƒe ŋusẽa tsɔ kpena ɖe esubɔlawo ŋu eye wòtsɔnɛ bɔbɔa eƒe futɔwo ɖe anyi. (Xlẽ 5 Mose 26:8.) Yesu gblɔ be ame aɖewo ‘akpɔ Mawu.’ (Mateo 5:8) Ðe míele ame siawo domea? Aleke míate ŋu ‘akpɔ Mawu’? Mina míasrɔ̃ nu tso ame aɖewo siwo kpɔ Mawu ƒe asi dze sii le woƒe agbe me kple ame siwo mekpɔe o la ƒe kpɔɖeŋuwo me le Biblia me. Eyome míasrɔ̃ ale si xɔse akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ Mawu ƒe asi adze sii.

WOGBE MAWU ƑE ASI KPƆKPƆ

4. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Israel-viwo ƒe futɔwo gbe Mawu ƒe asi kpɔkpɔ?

4 Le blema la, mɔnukpɔkpɔ su ame geɖe si wokpɔ ale si Mawu kpe ɖe Israel-viwo ŋu alo wose nu tso eŋu. Yehowa wɔ nukunu geɖewo esime wòɖe Israel-viwo tso Egipte eye wòɖu fia geɖe siwo nɔ Ŋugbedodonyigbaa dzi la dzi. (Yosua 9:3, 9, 10) Togbɔ be fia bubuawo kpɔ ale si Yehowa xɔ na eƒe amewo alo se nu tso eŋu hã la, “wo katã wowɔ ɖeka be yewoawɔ aʋa kple Yosua kpakple Israel.” (Yosua 9:1, 2) Esi fia siawo ho aʋa ɖe Israel ŋu la, mɔnukpɔkpɔ su wo si be woakpɔ Mawu ƒe asi. Le Yehowa ƒe asi sesẽ alo ŋusẽ gã ta la, “ɣe la tɔ ɖi, eye ɣleti hã meɖe zɔ o va se ɖe esime dukɔ la bia hlɔ̃ eƒe futɔwo.” (Yosua 10:13) Ke hã, Yehowa ɖe mɔ Israel-viwo ƒe futɔwo ƒe “dzi me sẽ” ale be woho aʋa ɖe Israel ŋu. (Yosua 11:20) Israel-viwo tsrɔ̃ woƒe futɔwo gbidigbidi le esi wogbe be yewomalɔ̃ ɖe edzi be Yehowae le aʋa wɔm na eƒe amewo o ta.

Ele be míadze agbagba akpɔ Mawu ƒe asi adze sii le míaƒe agbe me

5. Nu ka dzie fia vɔ̃ɖi Ahab gbe be yemalɔ̃ ɖo o?

5 Emegbe mɔnukpɔkpɔ geɖe su fia vɔ̃ɖi Ahab si be wòakpɔ Mawu ƒe asi hafi. Eliya gblɔ nɛ be: “Zãmu alo tsi madza le ƒe siawo me o, negbe le nye nya nu ko hafi!” (1 Fiawo 17:1) Mawu ƒe asie na nya siawo va eme, ke hã Ahab gbe edzixɔxɔse. Ema megbe Eliya do gbe ɖa na Yehowa Mawu eye wòɖo toe hena dzo ge tso dzi va fiã vɔsalã la. Ahab kpɔ nu sia teƒe. Azɔ Eliya gblɔ na Ahab be Yehowa ana tsi gã aɖe nadza ale be kuɖiɖia nu natso. (1 Fiawo 18:22-45) Ahab kpɔ nukunu siawo katã teƒe gake egbe be yemaxɔ edzi ase be Yehowa ƒe ŋusẽe le megbe na wo o. Nu kae míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋu siawo me? Ele be míadze agbagba akpɔ Mawu ƒe asi adze sii le míaƒe agbe me.

WOKPƆ YEHOWA ƑE ASI

6, 7. Nu kae Gibeontɔwo kple Rahab siaa kpɔ dze sii?

6 Gibeontɔwo ya to vovo tso dukɔ siwo ƒo xlã wo la gbɔ. Wokpɔ Mawu ƒe asi dze sii. Gibeontɔwo meho aʋa ɖe Israel-viwo ŋu o, ke boŋ woɖoe be yewoawɔ ŋutifafa kpli wo. Nu ka tae? Wogblɔ be yewose nu tso Yehowa kple nu siwo katã wòwɔ ŋu. (Yosua 9:3, 9, 10) Wodze nunya ŋutɔ be wokpɔe dze sii be Yehowae le aʋa wɔm na Israel.

7 Rahab hã kpɔ Yehowa ƒe asi. Menye Israel-vie wònye o, gake ese ale si Yehowa ɖe eƒe amewo tso Egipte la ŋu nya. Esi Israel-ŋutsu ŋkutsala eve va egbɔ la, egblɔ na wo be: “Menya be Yehowa atsɔ anyigba la ana mi.” Rahab ka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu axɔ na ye kple yeƒe ƒomea. Exɔ Yehowa dzi se togbɔ be enyae be esia ate ŋu ade ye afɔku me ne yewo detɔwo see hã.—Yosua 2:9-13; 4:23, 24.

8. Aleke Israel-vi aɖewo kpɔ Mawu ƒe asi?

8 Esi Eliya do gbe ɖa ale be dzo tso dziƒo va fiã vɔsalãa la, Israel-vi siwo kpɔ eteƒe dometɔ aɖewo mewɔ nu abe Fia Ahab vɔ̃ɖi la ene o, ke boŋ wolɔ̃ ɖe edzi be Mawu gbɔe wòtso. Wodo ɣli be: “Yehowae nye Mawu vavã la!” (1 Fiawo 18:39) Wode dzesii be Mawu ƒe ŋusẽ ye.

9. Aleke míate ŋu akpɔ Yehowa alo eƒe asi egbea?

9 Míedzro kpɔɖeŋu nyui kple kpɔɖeŋu gbegblẽ aɖewo me siwo kpe ɖe mía ŋu míese nu si wòfia be ‘míakpɔ Mawu’ alo akpɔ Mawu ƒe asi la gɔme. Ne míeva nya Yehowa kple nɔnɔme nyui siwo le esi la, míekpɔa eƒe asi kple ‘míaƒe dzi me ŋkuwo.’ (Efesotɔwo 1:18) Esia ʋãa mí be míasrɔ̃ nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema kple esiwo li egbea siwo kpɔ ale si Yehowa le asi kpem ɖe eƒe amewo ŋui. Gake ɖe kpeɖodzi aɖe li be Mawu le asi kpem ɖe amewo ŋu egbea?

MAWU LE ASI KPEM ÐE AMEWO ŊU EGBEA

10. Nu kae ɖo kpe edzi be Yehowa le asi kpem ɖe amewo ŋu egbea? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

10 Kpeɖodzi manyaxlẽwo li be Yehowa le kpekpem ɖe amewo ŋu egbea. Míesea nu tso ame siwo do gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe yewo ŋu eye wòɖo eŋu na wo la ŋu zi geɖe. (Psalmo 53:2) Le kpɔɖeŋu me, esi Nɔviŋutsu Allan nɔ gbeƒã ɖem le ƒukpo sue aɖe dzi le Philippines la, eva ke ɖe nyɔnu aɖe si wó avi esi wòkpɔe la ŋu. Nɔviŋutsua gblɔ be, “Ŋdi ma koe nyɔnua do gbe ɖa na Yehowa be wòana eƒe Ðasefowo nava ye gbɔ.” Ðasefowo srɔ̃ Biblia kple nyɔnu sia esime wònye sɔhɛ ko, gake esi wòɖe srɔ̃ heʋu va ƒukpo sia dzi la, mekpɔ ame aɖeke wòayi nusɔsrɔ̃a dzi kplii o. Ale si Mawu ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ enumake la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Mede ƒe ɖeka hafi wòtsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa o.

Ðe nèléa ŋku ɖe nu ŋu be nàkpɔ Yehowa ƒe asi le wò agbe mea? (Kpɔ memama 11-13)

11, 12. (a) Aleke Yehowa le kpekpem ɖe esubɔlawo ŋui? (b) Aleke Yehowa kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe ŋui?

11 Yehowa subɔla geɖewo kpɔe be Yehowa do alɔ yewo esime yewoɖe asi le numame gbegblẽwo abe atamanono, atike vɔ̃ɖiwo zazã, alo amamaɖeɖe kple gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo kpɔkpɔ ene ŋu. Wo dometɔ aɖewo gblɔ be yewodze agbagba be yewoadzudzɔ gake yewomete ŋui o. Ke esi wodo gbe ɖa bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu la, ena “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la wo ale be wote ŋu dzudzɔ mlɔeba.—2 Korintotɔwo 4:7; Psalmo 37:23, 24.

Yehowa kpena ɖe esubɔlawo ŋu be woado dzi le nɔnɔme sesẽwo me

12 Yehowa kpena ɖe esubɔlawo ŋu be woado dzi le nɔnɔme sesẽwo hã me. Esiae dzɔ ɖe Amy dzi. Woɖoe ɖa be wòakpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata kple dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe aɖe tutu ŋu le Pasifik ƒukpo sue aɖe dzi. Afi ma tɔwo ƒe dekɔnu to vovo kura, zi geɖe la, wotsia akaɖi eye pɔmpimetsi medona o, tsi xana ɖe mɔdodowo dzi, nɔvinyɔnua susua eƒe ƒometɔwo vevie, eye xɔ sue aɖe me koe wòle le amedzrodzeƒe aɖe. Gbe ɖeka la, nuteɖeamedzi na wòblu ɖe nɔvinyɔnu aɖe si wo kplii wonɔ dɔ wɔm la ta. Evee be yewɔ nu alea. Kaka wòagbɔ va aƒe me la, wotsi akaɖi. Eye esi wòge ɖe eƒe xɔ suea me la, edo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Eyome akaɖia gava, eye wòxlẽ nyati aɖe si ku ɖe Gilead Sukunuwuwu ŋu le Gbetakpɔxɔ me. Nyatia ƒo nu tso kuxi siwo tututu me tom wòle ŋu. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me zã ma me be Yehowa ye le nu ƒom nam. Esia de dzi ƒo nam meyi nye dɔdeasia dzi.”—Psalmo 44:25, 26; Yesaya 41:10, 13.

13. Nu kae ɖo kpe edzi be Yehowa le kpekpem ɖe eƒe amewo ŋu be woaʋli gbeƒãɖeɖedɔa ta?

13 Yehowa le kpekpem ɖe eƒe amewo ŋu be woaʋli nya nyuia ta ahaɖoe anyi le se nu. (Filipitɔwo 1:7) Le kpɔɖeŋu me, esi dziɖuɖu aɖewo di be yewoaxe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu la, míeʋli mía ɖokui ta le ʋɔnu. Esia na be tso ƒe 2000 me la, míeɖu dzi le ʋɔnunya 268 sɔŋ me le ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔwo le xexea me, míeɖu dzi le wo dometɔ 24 me le Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ la. Edze ƒãa be ame aɖeke mate ŋu abɔbɔ Mawu ƒe asi ɖe anyi o!—Yesaya 54:17; xlẽ Yesaya 59:1.

14. Nu kawo hãe ɖo kpe edzi be Mawu li kple eƒe amewo?

14 Ale si míele gbeƒã ɖem nya nyuia le anyigba bliboa dzi hã nye kpeɖodzi bubu be Mawu le asi kpem ɖe mía ŋu. (Mateo 24:14; Dɔwɔwɔwo 1:8) Eye ɖekawɔwɔ si le Yehowa subɔla siwo tso dukɔwo katã me dome la mate ŋu ava eme Yehowa ƒe asi manɔmee o. Ðekawɔwɔ sia tɔgbi aɖeke megale afi aɖeke o! Ame siwo mesubɔa Yehowa o gɔ̃ hã gblɔna be: “Mawu le mia dome vavã.” (1 Korintotɔwo 14:25) Eya ta kpeɖodzi gbogbowo li be Mawu li kple eƒe amewo. (Xlẽ Yesaya 66:14.) Ke wò ŋutɔ ɖe? Ðe nèkpɔnɛ be Yehowa le asi kpem ɖe ŋuwòa?

ÐE NÈKPƆNƐ BE YEHOWA LE ASI KPEM ÐE ŊUWÒA?

15. Nu ka tae ɣeaɖewoɣi míekpɔnɛ be Yehowa le alɔ dom mí o?

15 Ɣeaɖewoɣi la, míekpɔnɛ dzea sii be Mawu le asi kpem ɖe mía ŋu o. Nu ka tae? Ne kuxiwo ɖe kpe na mí le agbe me la, míeŋlɔna be be Yehowa kpe ɖe mía ŋu zi geɖe va yi. Esiae dzɔ ɖe Eliya dzi. Enye ŋutsu dzinɔameƒotɔ, gake esi Fianyɔnu Izebel di be yeawui la, vɔvɔ̃ ɖoe. Ɣemaɣi la, eŋlɔ be kura be Yehowa kpe ɖe ye ŋu va yi. Biblia gblɔ be Eliya di ku be yeaku. (1 Fiawo 19:1-4) Ame kae akpe ɖe eŋu ahade dzi ƒo nɛ? Ele be wòakpɔ Yehowa sinu!—1 Fiawo 19:14-18.

16. Aleke míate ŋu akpɔ Mawu ne kuxiwo ɖe kpe na mí le agbe me gɔ̃ hã?

16 Hiob ƒe susu nɔ eƒe fukpekpewo ŋu ale gbegbe be mebu eƒe nɔnɔmea abe ale si Yehowa bui ene o. (Hiob 42:3-6) Etea ŋu dzɔna ɣeaɖewoɣi be míaƒe kuxiwo gbãa ŋku na mí be míekpɔa Mawu o. Ke nu kae akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nu siwo gbegbe wɔm Mawu le na wò? Anyo be nànɔ ŋugble dem le nu si Biblia gblɔ tso míaƒe kuxiwo ŋu la ŋu. Esia ana nàkpɔe be Yehowa tsɔ ɖe gbɔwò, ale be wò hã nàte ŋu agblɔ be: “Wogblɔ nya le ŋuwò mese, ke azɔ la, nye ŋkuwo kpɔ wò.”

Ðe nènyae be Yehowa to dziwò le kpekpem ɖe amewo ŋu be woakpɔ yea? (Kpɔ memama 17, 18)

17, 18. (a) Aleke nàwɔ akpɔ ale si Yehowa le asi kpem ɖe ŋuwò? (b) Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si fia ale si Mawu le alɔ dom mí egbea.

17 Nu kawoe ana nàkpɔe be Yehowa le asi kpem ɖe ŋuwò? Na míakpɔ wo dometɔ atɔ̃ ɖa. Gbã la, àkpɔe be Yehowa ye kpe ɖe ŋuwò neke ɖe nyateƒea ŋu. Evelia, ɖewohĩ àɖo ŋku edzi be yede Kristotɔwo ƒe kpekpe hese nuƒo aɖe si ʋã wò nègblɔ be: “Hm, nye nya tututue nye esia!” Etɔ̃lia, anɔ eme be èkpɔ ale si Yehowa ɖo wò gbedodoɖa aɖe ŋu na wò. Enelia, ɖewohĩ èdi be yeawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me eye Yehowa kpe ɖe ŋuwò nèɖo wò taɖodzinua gbɔ. Atɔ̃lia, ate ŋu anye be èɖe asi le dɔ si wɔm nèle ŋu le esi mèkpɔa ɣeyiɣi geɖe tsɔna subɔa Yehowa o ta, gake èkpɔe be Mawu wɔ eƒe ŋugbedodo sia dzi na wò be: ‘Nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o.’ (Hebritɔwo 13:5) Ne mía kple Yehowa dome le nyuie la, anɔ bɔbɔe na mí be míakpɔ ale si wòle asi kpem ɖe mía ŋui.

18 Sarah, si le Kenya, gblɔ be: “Medo gbe ɖa ɖe nye nusrɔ̃vi aɖe si mekpɔ be Biblia sɔsrɔ̃ mele enu vivim o la ta. Mebia Yehowa ne anyo be matɔ te nua sɔsrɔ̃ kplii. Esi menya gblɔ ‘Amen’ ko la, nye telefon la ɖi. Nye Biblia nusrɔ̃via tututue ƒo ka nam eye wògblɔ be fifia yedi be yeade kpekpeawo kplim! Gbɔgblɔ bu ɖem!” Ne míeke ŋku be míakpɔ nu siwo gbegbe wɔm Mawu le na mí la, míakpɔe godoo be ele alɔ dom mí. Nɔvinyɔnu Rhonna si le Asia gblɔ be menɔa bɔbɔe na mí be míakpɔ ale si Yehowa le asi kpem ɖe mía ŋu le agbe me o. Egblɔ kpee be: “Gake ne èva de dzesii la, awɔ nuku na wò be nàkpɔ ale si gbegbe wòléa be na míi!”

19. Nu bubu ka hãe wòle be míawɔ be míakpɔ Mawu?

19 Yesu gblɔ be “ame siwo dza le dzi me” lae ‘akpɔ Mawu.’ (Mateo 5:8) Nya ma gɔme ɖe? Efia be ele be míanɔ nu siwo le dzadzɛ ŋu bum ɣesiaɣi eye míadzudzɔ nu gbegblẽ ɖe sia ɖe wɔwɔ. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 4:2.) Míesrɔ̃e le nyati sia me be, be míakpɔ Mawu la, ele be míayi edzi anɔ ŋusẽ dom ƒomedodo si le mí kpakplii dome. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míasrɔ̃ ale si xɔse akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be Yehowa le asi kpem ɖe mía ŋu vavã.