Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ðekemanyala Xɔa Nya Sia Nya Dzi Sena”

“Ðekemanyala Xɔa Nya Sia Nya Dzi Sena”

“Bometsilae mexlẽa nyadzɔdzɔgbalẽ gbeɖegbeɖe o; ke ame si xɔa nu sia nu si wòxlẽ le nyadzɔdzɔgbalẽ me dzi se, le esi woŋlɔe ɖe eme ta, ya gatsi bome kura wu.”—August von Schlözer, Germaniatɔ ŋutinyaŋlɔla kple agbalẽŋlɔla (ƒe 1735-1809).

AME siwo nɔ anyi ƒe 200 kple edzivɔe nye esia gɔ̃ hã mexɔa nya sia nya si le nyadzɔdzɔgbalẽwo me dzi sena o. Egbea hã masɔ be míaxɔ nu sia nu si míexlẽ alo kpɔ le Internet dzi la dzi ase o. Nyatakaka gbogbo aɖe ŋutɔe le Internet dzi, eye egbegbe mɔ̃ɖaŋunuwo wɔe be míekena ɖe wo ŋu bɔbɔe. Nyatakaka geɖe nye nyateƒe, viɖe le wo ŋu, eye womegblẽa nu le ame ŋu o, gake geɖewo hã nye alakpa, viɖe aɖeke mele wo ŋu o, eye wodea ame afɔku me. Esia tae wòle be míakpɔ nyuie le nu si míexlẽna ŋu. Ne ame aɖewo kpɔ nya aɖe le Internet dzi ko la, wosusuna be nyateƒee le esi wodae ɖe afi ma alo be wo xɔlɔ̃ aɖee ɖoe ɖe wo ta. Ne nu si woxlẽ la nye numadzɔkpɔ gɔ̃ hã la, woxɔa edzi sena. Gake Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Ðekemanyala xɔa nya sia nya dzi sena, ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.”—Lododowo 14:15.

Ne mímedi be míanye ɖekemanyalawo, si fia be míaxɔ nu sia nu si míese dzi ase o la, ke ele be míadze aɖaŋu. Aɖaŋudzela ɖɔa ŋu ɖo hexɔa nu siwo dzi wòka ɖo be wonye nyateƒe ko dzi sena. Womaflu mí míaxɔ alakpanya siwo le Internet dzi ase o, aleke kee ame geɖe se nu tso eŋui o. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàdze aɖaŋu? Gbã la, bia ɖokuiwò be: ‘Habɔbɔ siwo le se nu ƒe nyatakakadzraɖoƒe si ŋu kakaɖedzi le ye woŋlɔ nya sia ɖoa? Alo nyatakakadzraɖoƒe si ɖea mɔ ame sia ame ŋlɔa nu si wòdi ɖe afi ma faa, alo esi tɔgbi womenya afi si wòtso o yea? Ðe nyatakakadzraɖoƒe aɖe si ŋu kakaɖedzi le gblɔ tso nya si kakam wole ŋu be enye alakpa?’ * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Ekema wɔ susu ŋu dɔ nyuie. (Lododowo 7:7) Ne edze abe nya aɖe mate ŋu anye nyateƒe o la, ke ɖewohĩ menye nyateƒee o vavã. Azɔ hã, ne nu si nèxlẽ nye ameŋugblẽnya la, ekema bu eŋu kpɔ be ame ka dzie wòade ne nya ma kaka, eye nu ka tae wòdi be nyaa nakaka ɖo?

ÐE NÈÐOA NYATAKAKAWO ÐE AMEWO ƔESIAƔIA?

Ame aɖewo ɖoa nyatakaka siwo woxɔ la ɖe ame siwo katã ƒe ŋkɔ le woƒe asitelefon dzi esi womeku eme kpɔ ne nyateƒee wònye alo bu nu si ado tso eme ne woɖoe ɖe ame bubuwo la ŋu hafi o. Ðewohĩ esi wodi be amewo nase yewo ŋkɔ alo yewoanye ame gbãtɔ si gbɔ woase nyaa tsoe tae. (2 Samuel 13:28-33) Gake aɖaŋudzela ya bua nu si ado tso eme la ŋu gbã. Ate ŋu anye be nyatakakaa agblẽ ame alo habɔbɔ aɖe ƒe ŋkɔ.

Ame geɖe mekua nu me kpɔ be nyaa le eme vavã hafi ɖonɛ ɖe amewo o le esi esia wɔwɔ xɔa ɣeyiɣi ta. Woabui be ame siwo yewole nua ɖom ɖe la ŋutɔ awɔ ema. Gake woawo hã womevo o. (Efesotɔwo 5:15, 16) Le esi teƒe be míanɔ nu siwo dzi míeka ɖo o ɖom ɖe amewo la, nunya anɔ eme be míagblɔ na mía ɖokuiwo be, “Ne nyemeka ɖe nya aɖe dzi o la, ke ele be maɖee ɖa le susu me kaba!”

Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe meɖoa e-mail siwo mexɔ ɖe amewo ɣesiaɣia? Ðe wòva hiãna be maɖe kuku na nye ame nyanyɛwo ɖe nyatakaka gbegblẽ, alo kura gɔ̃ hã esi nye alakpa, si meɖo ɖe wo la ta? Ðe ame aɖe gbe nya nam kpɔ be madzudzɔ e-mail siawo kakaa?’ Ðo ŋku edzi be ne e-mail le xɔ̃wòwo si la, ke woawo ŋutɔ ate ŋu azã Internet eye womahiã wò kpekpeɖeŋu hafi adi nu siwo ado dzidzɔ na wo la o. Madzɔ dzi na wo be yewoaxɔ e-mail gbogbo siwo me ŋutinya ɖikokoewo, videowo, alo fotowo yɔ fũu la o. Nunya manɔ eme be míaɖo Biblia me nuƒo siwo míelé ɖe mɔ̃ dzi alo nuŋlɔɖi tsitotsito si míewɔ la ɖe amewo o. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Eye nenɔ nyanya na wò hã be ne nɔvi aɖe ŋutɔ ku nu me, xlẽ Biblia kpukpuiwo eye wòdzra nyaŋuɖoɖo aɖe ɖo na kpekpeawo la, aɖe vi nɛ sãsãsã wu be nàɖo esiawo ɖee be wòava xlẽ ko.

Ðe wòle be maɖo e-mail sia ɖe amewoa?

Nu kae nàwɔ nenye be èke ɖe alakpanya vɔ̃ɖi aɖe si wogblɔ tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu le Internet dzi la ŋu? Tui enumake! Mègaxɔ edzi se o. Nunya manɔ eme be nàgblɔ nu si nèxlẽ la na ame bubuwo be nàkpɔ woƒe susu ɖa o, elabe ɖeko esia akaka alakpanya vɔ̃ɖi mawo ɖe edzi. Ne nane si nèxlẽ le Internet dzi le fu ɖem na wò susu la, bia Yehowa be wòana nunya wò eye nàɖo dze tso eŋu na hamemetsitsiwo. (Yakobo 1:5, 6; Yuda 22, 23) Mele be wòawɔ nuku na mí ne amewo gblɔ alakpanyawo tso mía ŋu o. Wogblɔ alakpanyawo le Yesu hã ŋu, eye Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woƒe futɔwo ati wo yome eye ‘woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe wo ŋu.’ (Mateo 5:11; 11:19; Yohanes 10:19-21) Eya ta ne èdze nunya eye nèbua nuwo ŋu nyuie la, àde dzesii ne ame aɖe le aʋatso kam hedi be yeaflu amewo.—Lododowo 2:10-16.

DE BUBU AMEWO ŊU

Ele be míakpɔ nyuie le mía nɔviwo ŋu nyawo alo nuteƒekpɔkpɔ siwo míese la gbɔgblɔ na amewo ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, mesɔ o eye menye lɔlɔ̃ɖeɖefia hã be míakaka nya aɖe o, nenye be enye nyateƒe gɔ̃ hã. (Mateo 7:12) Tsɔe be nèkaka nu gbegblẽ siwo amewo wɔ ŋu nyawo, ɖe esia anye lɔlɔ̃ɖeɖefia alo ade dzi ƒo na amewoa? (2 Tesalonikatɔwo 3:11; 1 Timoteo 5:13) Nyatakaka aɖewo hã nye nya ɣaɣla. Eye nyatɔwo ŋutɔ adi be yewoaʋu go wo emegbe alo le mɔ aɖe koŋ nu. Eya ta ele be míade bubu wo ŋu agblẽe ɖe wo si me be woawo ŋutɔ nagblɔ nya mawo le ɣeyiɣi si dze wo ŋu kple ale si wodii nu. Le nyateƒe me ne míekaka nya mawo la, míate ŋu agblẽ nu geɖe.

Egbea nyawo kakana kabakaba, woɖanye nyateƒe alo alakpa o, viɖe le wo ŋu alo mele wo ŋu o, agblẽ nu alo magblẽe o. Ne èɖo nya aɖe ɖe ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã la, eya hã ate ŋu aɖoe ɖe ame gbogbowo le xexe bliboa me le aɖabaƒoƒo ɖeka ko me. Eya ta kpɔ nyuie be màgaɖo nyatakakawo ɖa alɔtsɔtsɔe alo aɖoe ɖe ame sia ame si nènya o. Togbɔ be lɔlɔ̃ xɔa “nuwo katã dzi sena” eye mebua susu vɔ̃ ɖe ame ŋu o hã la, mele be míanye ɖekemanyala siwo xɔa nya yeye kple nya wɔdɔɖeamedzi ɖe sia ɖe dzi sena o. (1 Korintotɔwo 13:7) Eye míadi be míaxɔ alakpanya alo nya vɔ̃ siwo amewo agblɔ tso Yehowa ƒe habɔbɔa alo tso mía nɔvi siwo míelɔ̃na la ŋu dzi se gbeɖe o. Elabena ame siwo ɖoa alakpanyawo ɖa kple ame siwo kakanɛ la le Satana Abosam, si nye “aʋatsokafofo” la dzi dem. (Yohanes 8:44) Eya ta mina míadze aɖaŋu eye míabu tame nyuie le nu si míetsɔa nyatakaka gbogbo siwo ŋu míekena ɖo gbe sia gbe la wɔna ŋu. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔe wòsɔ be: “Ðekemanyala ƒe domenyinue nye bometsitsi, ke woɖɔa sidzedze na aɖaŋudzelawo abe kuku ene.”—Lododowo 14:18.

^ mm. 4 Ɣeaɖewoɣi la, wogadaa nyatakaka siwo dzi woɖo kpe va yi be wonye alakpa la ɖe Internet dzi ake. Ðewohĩ ɖeko wotrɔ asi le eŋu vie be wòadze abe nyateƒee wònye ene.

^ mm. 8 Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, April 2010, “Nyabiaɖaka.”