Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔ Yehowa Susuhenuwo Manɔmee

Subɔ Yehowa Susuhenuwo Manɔmee

‘Maria le to ɖom Yesu ƒe nyawo. Ke Marta ya tsi dzi ɖe nu geɖewo gbɔ kpɔkpɔ ŋu.’—LUKA 10:39, 40.

HADZIDZI: 94, 134

1, 2. Nu ka tae Yesu lɔ̃ Marta, gake vodada kae wòwɔ si ɖee fia be mede blibo o?

NE ÈDE ŋugble le Lazaro nɔvinyɔnu Marta ŋu la, ame ka ƒomevie nèsusuna be enye? Biblia gblɔ be Marta nye Yesu xɔlɔ̃ vevi aɖe, eye Yesu lɔ̃e ŋutɔ. Ke hã menye eya koe nye nyɔnu si Yesu lɔ̃ hedea bubu eŋu o. Marta nɔvinyɔnu Maria hã nye Yesu xɔlɔ̃ vevi. Eye Yesu lɔ̃ eya ŋutɔ dadaa Maria hã vevie. (Yohanes 11:5; 19:25-27) Ke susu ka tae Yesu lɔ̃ Marta ɖo?

2 Yesu lɔ̃ Marta elabena efa tu, enyoa dɔme, eye wòléa fɔ ɖe dɔ ŋu hã. Gake susu vevi si tae Yesu lɔ̃ Marta ɖoe nye be xɔse sesẽ nɔ esi. Exɔ nu siwo katã Yesu fia la dzi se, eye wòka ɖe edzi bliboe be eyae nye Mesia si ŋugbe wodo la. (Yohanes 11:21-27) Ke hã Marta mede blibo o. Eya hã wɔa vodada abe míawo ke ene. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi Yesu va wo gbɔ la, Marta do dziku ɖe nɔvia Maria ŋu eye wògblɔ na Yesu be wòagbe nya nɛ. Marta gblɔ be: “Aƒetɔ, mètsɔ ɖeke le eme be nɔvinyea gblẽ dɔawo katã ɖe nye ɖeka dzinye oa? Gblɔe nɛ ne wòava kpe ɖe ŋunye.” (Xlẽ Luka 10:38-42.) Nu kae na Marta gblɔ nya sia, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si Yesu gblɔ tsɔ ɖo eŋu nɛ me?

NU GEÐEWO XƆ MARTA ƑE SUSU ME

3, 4. Nu kae Maria wɔ si tae Yesu kafui ɖo, eye nu kae Marta srɔ̃ tso eme? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

3 Evivi Yesu nu ŋutɔ be Marta kple Maria kpee va woƒe aƒe me, eye wòdi vevie be yeazã ɣeyiɣi ma atsɔ afia nyateƒenya vevi aɖe wo. Maria nɔ anyi ɖe egbɔ enumake “hele to ɖom eƒe nyawo.” Edi vevie be yeasrɔ̃ nu geɖe ale si yeate ŋui tso Nufiala Gã la gbɔ. Aleae wòle be Marta hã nawɔe hafi. Eye anye ne Yesu akafui ne ɖe wòlɔ̃ faa ɖe asi le nu siwo wɔm wòle ŋu heɖo toe.

4 Nu geɖewo xɔ Marta ƒe susu me. Eƒe ŋku biã be yeaɖa nu viviwo na Yesu ahawɔ nu siwo ana eƒe dzi nadze eme. Esi wòkpɔ be Maria menɔ asi kpem ɖe ye ŋu o la, dzi kui vevie eye wòtso enu na Yesu. Yesu kpɔe be Marta nɔ hloloe tsom akpa, eya ta egblɔ nɛ tufafatɔe be: “Marta, Marta, ètsi dzimaɖi hele fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti.” Eɖo aɖaŋu nɛ be nuɖuɖu ʋɛ aɖewo koe hiã, alo ɖeka pɛ ko. Eyome Yesu kafu Maria ɖe ale si wòle to ɖom nyuie ta. Egblɔ be: “Maria ya tia nyuia gome, eye womele exɔ ge le esi o.” Anɔ eme be Maria ŋlɔ nu si Marta ɖa gbe ma gbe wòɖu la be, gake ɖikeke mele eme o be meŋlɔ nu siwo wòsrɔ̃ tso Yesu gbɔ kple ale si Yesu kafui be gbeɖe o. Ƒe 60 kple edzivɔ megbe la, apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Yesu lɔ̃a Marta kple nɔvianyɔnua.” (Yohanes 11:5) Nya siawo ɖee fia be Marta wɔ ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo nɛ lɔlɔ̃tɔe la dzi hesubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me.

5. Nu ka tae wòsesẽna na mí be míaƒe susu nanɔ nu siwo le vevie wu la ŋu, eye nyabiase kae wòle be míadi ŋuɖoɖo na?

5 Míekpɔe egbea be nu gbogbo aɖewo li siwo ate ŋu ahe míaƒe susu le Yehowa subɔsubɔ ŋu wu ale si wònɔ le Biblia ŋlɔɣi. September 15, 1958 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ xlɔ̃ nu nɔviwo be womegaɖe mɔ mɔ̃ɖaŋunuwo nahe woƒe susu ɖa le Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Ɣemaɣi gɔ̃ hã la, edze abe wotoa nu yeyewo vanɛ gbe sia gbe ene. Nuwo abe agbalẽ siwo me foto dzeaniwo le, nyasemɔ̃ alo radio, kple television ene va nɔ amewo ƒe susu hem. Gbetakpɔxɔa gblɔ be ne míele nuwuwua gogom la, “susuhenuwo adzi ɖe edzi.” Nya siawo le eme, elabe egbea nu siwo ate ŋu ahe míaƒe susu la va sɔ gbɔ wu tsã. Ke nu kae míawɔ be míanɔ abe Maria ene ahana míaƒe susu nanɔ Yehowa subɔsubɔ ŋu ɣesiaɣi?

MÈGAWƆ XEXEA ŊUTI DƆ BLIBOE O

6. Aleke Yehowa ƒe amewo zãa mɔ̃ɖaŋunuwo?

6 Yehowa ƒe amewo zãa xexe sia ƒe mɔ̃ɖaŋunuwo tsɔ ɖea gbeƒã nya nyuia. Le kpɔɖeŋu me, do ŋgɔ na xexemeʋa gbãtɔ kple aʋaa wɔɣi la, woɖe “Xexemewɔwɔ Ƒe Foto-Drama” la fia amewo. Wozã fotoɖeɖefia kple film kpuikpuikpui siwo le amadede me, siwo ŋu gbeɖiɖi kpe ɖo, tsɔ ɖe gbeƒã na ame miliɔn geɖe le dukɔ geɖewo me. Le “Foto-Drama” la ƒe nuwuwu la, woɖe ŋutifafa si anɔ xexea me ne Yesu Kristo le anyigba dzi ɖum la fia. Emegbe Yehowa ƒe amewo zã radiodɔwɔƒewo tsɔ kaka Fiaɖuƒegbedeasia wòɖo ame miliɔn geɖe gbɔ le xexea me. Egbea míele adaŋudemɔ̃ (alo kɔmpiuta) kple Internet zãm ale be nya la le ame geɖe gbɔ ɖom, afi ka kee woɖale o, le kɔƒe totroewo me gɔ̃ hã.

Mègaɖe mɔ be nu siwo mele vevie o nahe wò susu le Yehowa subɔsubɔ ŋu o (Kpɔ memama 7)

7. (a) Nu ka tae afɔku le eme ne míewɔa xexea ŋuti dɔ bliboe? (b) Nu kawo ŋu wòle be míakpɔ nyuie le? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

7 Gake Biblia xlɔ̃ nu mí be míagawɔ xexea ŋuti dɔ bliboe o. Ɣeyiɣi fũu zazã ɖe nu siwo xexea dona ɖe ŋgɔ ŋu hã le eme. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 7:29-31.) Nu siawo dometɔ aɖewo megblẽ o, gake woate ŋu agblẽ ɣeyiɣi na mí. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ modzakaɖedɔwo, agbalẽxexlẽ, television kpɔkpɔ, tsaɖiɖi ayi teƒe siwo nya kpɔ, dodo aɖaɖi asi le fiase gãwo me, didi be míanya elektrɔnikmɔ̃ yeye siwo gato alo nu siwo le tsia dzi la vivia mía nu ŋutɔ. Nu bubu siwo dzɔa dzi na ame geɖe ye nye dzeɖoɖo to Internet dzi, nyatakakawo xɔxɔ kple wo ɖoɖo ɖa to asitelefon alo e-mail dzi. Ame aɖewo hã medɔa alɔ̃ o negbe ɖe wose nyadzɔdzɔwo alo kamedefefe ŋuti nyatakakawo hafi. Gake nu siawo wɔwɔ ate ŋu ava zu numame na ame. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (Nyagblɔla 3:1, 6) Ne míegblẽa ɣeyiɣi geɖe ɖe nu siawo ŋu la, awɔe be mímakpɔ ɣeyiɣi atsɔ awɔ nu si le vevie wu, si nye Yehowa subɔsubɔ o.—Xlẽ Efesotɔwo 5:15-17.

8. Nu ka tae mele be míalɔ̃ nu siwo le xexea me o?

8 Satana le nu sia nu si wòate ŋui wɔm be yeana nu siwo le xexea me nadzro mí ale be yeahe míaƒe susu ɖa tso Yehowa subɔsubɔ ŋu. Ewɔ esia le ƒe alafa gbãtɔ me, eye wòle esia wɔm kple ŋkubiã wu egbea. (2 Timoteo 4:10) Eya ta anyo be míanɔ mía ɖokui me dzrom ɣesiaɣi le ale si míebua nu siwo le xexea me ŋu, eye míawɔ ɖɔɖɔɖo siwo hiã. Biblia xlɔ̃ nu mí be míagalɔ̃ nu siwo le xexea me o. Ke boŋ be míana míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa me nanɔ sesẽm ɖe edzi. Esia ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míaɖo to Yehowa ahanɔ eŋu kplikplikpli.—1 Yohanes 2:15-17.

NA WÒ SUSU NANƆ NU VEVITƆWO ŊU

9. Nu ka ŋue Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woƒe susu nanɔ, eye esia ƒe kpɔɖeŋu kae eya ŋutɔ ɖo ɖi?

9 Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woagatsi dzimaɖi ɖe nu geɖewo ŋu o, abe ale si ko wòfia Marta ene. Ede dzi ƒo na wo be woana woƒe susu nanɔ Yehowa subɔsubɔ kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu. (Xlẽ Mateo 6:22, 33.) Yesu ŋutɔ ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖi. Ŋutilãmenu geɖe menɔ esi o, metso aƒe o, eye meƒle anyigba hã o.—Luka 9:58; 19:33-35.

10. Kpɔɖeŋu nyui kae Yesu ɖo ɖi na mí?

10 Yesu meɖe mɔ naneke ɖe eƒe susu ɖa le gbeƒãɖeɖedɔa ŋu o. Esi wòdze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme teti la, Kapernaumtɔwo di be wòatsi yewo gbɔ. Gake nu kae wòwɔ? Etsɔ susu ɖo dɔ si wode asi nɛ ŋu. Egblɔ be: “Ele nam be magblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.” (Luka 4:42-44) Yesu zɔ mɔ legbeewo be yeaɖe gbeƒã nya nyuia ahafia nu ame geɖe ale si nu yeate ŋui. Ede blibo gake ɖeɖi tea eŋu wòhiãna be wòagbɔ ɖe eme, elabe edoa vevie dɔ.—Luka 8:23; Yohanes 4:6.

Yesu fia mí be ne míedi be ŋutilãmenu geɖewo nasu mía si la, esia ate ŋu aɖe míaƒe susu ɖa le Mawu subɔsubɔ ŋu

11. Nu kae Yesu wɔ esi ŋutsu aɖe bia be wòakpɔ yeƒe nya aɖe gbɔ na ye? Ke nu ka boŋue wòfia eƒe nusrɔ̃lawo?

11 Emegbe esi Yesu nɔ nu vevi aɖe fiam eƒe nusrɔ̃lawo la, ŋutsu aɖe tso nya le enu gblɔ be: “Nufiala, gblɔ na nɔvinye ne wòama domenyinu la kplim.” Yesu na wònya be nya ma meka ye o. Eƒe susu nɔ nu si fiam wòle eƒe nusrɔ̃lawo ŋu. Ezã mɔnukpɔkpɔa boŋ tsɔ fia nu wo be ne wodi be ŋutilãmenu geɖewo nasu yewo si la, esia ate ŋu aɖe woƒe susu ɖa le Mawu subɔsubɔ ŋu.—Luka 12:13-15.

12, 13. (a) Nu kae Yesu wɔ si wɔ dɔ ɖe Helatɔ siwo va Yerusalem dzi? (b) Nya kae Yesu gblɔ esi Filipo gblɔ nɛ be ame siawo di be yewoakpɔe?

12 Le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe ɣeyiɣi mamlɛawo me la, nuwo menɔ bɔbɔe nɛ kura o. (Mateo 26:38; Yohanes 12:27) Enyae be yeakpe fu vevie ahaku. Eganyae hã be dɔ geɖe gakpɔtɔ li yeawɔ hafi aku. Le kpɔɖeŋu me, le Kwasiɖagbe, Nisan 9 lia dzi la, edo tedzivi yi Yerusalem. Amehawo kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu hexɔe abe woƒe Fia ene. (Luka 19:38) Le ŋufɔke la, Yesu nya asitsala ŋuklẽla siwo nɔ nuwo dzram ho gbogbo henɔ amewo bam le gbedoxɔa me la do goe dzideƒotɔe.—Luka 19:45, 46.

13 Esi Helatɔ siwo va Yerusalem na Ŋutitotozãa ɖuɖu kpɔ nu si Yesu wɔ la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi. Eya ta wobia apostolo Filipo be yewodi be yewoakpɔ Yesu. Gake Yesu menɔ ame siwo ade edzi ahaʋli eta dim o. Ekpɔ nu si le vevie wu dze sii. Ena eƒe susu nɔ nu si Yehowa di tso esi ŋu, si nye be wòatsɔ eƒe agbe asa vɔe. Eya ta eɖo ŋku edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be yele kuku ge kpuie, eye be ele be ame siwo katã adze ye yome hã nalɔ̃ faa be yewoatsɔ yewoƒe agbe asa vɔe. Egblɔ be: “Ame si lɔ̃a eƒe agbe vevie la tsrɔ̃nɛ, ke ame si léa fu eƒe agbe le xexe sia me la akpɔ eta hena agbe mavɔ.” Gake Yesu gado ŋugbe na wo hã be “Fofo la ade bubu” ye yomedzelawo ŋu ahana agbe mavɔ wo. Filipo yi ɖagblɔ nya dedziƒoname siawo na Helatɔawo.—Yohanes 12:20-26.

14. Nu bubu kawo hãe Yesu di ɣeyiɣi wɔ togbɔ be gbeƒãɖeɖedɔa nye dɔ vevitɔ nɛ?

14 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, gbeƒãɖeɖe nya nyuia ye nye dɔ si koŋ ŋu wòlé fɔ ɖo. Togbɔ be ena eƒe susu nɔ gbeƒãɖeɖedɔa ŋu hã la, menye dɔ ŋu koe wòvuna ɖo ɣesiaɣi o. Le kpɔɖeŋu me, ede srɔ̃kpekpe ɖeka ya teti, afi si wòtrɔ tsi wòzu wain nyui aɖe le. (Yohanes 2:2, 6-10) Ede exɔlɔ̃ kple ame bubu siwo tsɔ ɖe le nya nyuia me hã ƒe kplɔ̃ɖoƒewo. (Luka 5:29; Yohanes 12:2) Vevietɔ wu la, Yesu dia ɣeyiɣi doa gbe ɖa, dea ŋugble heɖina ɖe eme.—Mateo 14:23; Marko 1:35; 6:31, 32.

‘ÐE NU KPEKPE SIA NU KPEKPE ÐA’

15. Nu kae apostolo Paulo gblɔ be ehiã be Kristotɔwo nawɔ, eye aleke eya ŋutɔ ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖi?

15 Apostolo Paulo gblɔ be Kristotɔwo le abe duɖimekela siwo le du legbee ƒum ene, eye be hafi woate ŋu awu dua ƒuƒu nu la, ehiã be woaɖe asi le nu sia nu si ate ŋu ahe wo ɖe megbe alo ana woatɔ te dua ƒuƒu la ŋu. (Xlẽ Hebritɔwo 12:1.) Paulo ŋutɔ ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Mɔnukpɔkpɔ su esi be wòazu Yuda subɔsubɔhakplɔla xɔŋkɔ kple kesinɔtɔ hafi, gake eɖe asi le mɔnukpɔkpɔ mawo ŋu hetsɔ susu ɖo “nu siwo le vevie wu” la ŋu. Eku kutri le gbeƒãɖeɖedɔa me eye wòzɔ mɔ yi teƒeteƒewo abe Siria, Asia Sue, Makedonia kple Yudea ene. Paulo nɔ mɔ kpɔm na dziƒofetua vevie. Egblɔ be: “Meŋlɔa nu siwo le megbenye la be, eye mele nu siwo le ŋgɔnye la minyam, mele ʋiʋlim ɖo ta taɖodzinu . . . la gbɔ.” (Filipitɔwo 1:10; 3:8, 13, 14) Paulo meɖe srɔ̃ o, eye esia wɔe be ‘etsɔ eɖokui na hesubɔ Aƒetɔ la ɣesiaɣi susuhenuwo manɔmee.’—1 Korintotɔwo 7:32-35.

Paulo ɖe asi le mɔnukpɔkpɔ aɖewo ŋu hetsɔ susu ɖo “nu siwo le vevie wu” la ŋu

16, 17. Míeɖe srɔ̃ alo míeɖaɖee o, aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋu? Aleke Mark kple Claire wɔ esiae?

16 Abe Paulo ene la, Yehowa subɔla aɖewo hã tiae egbea be yewomaɖe srɔ̃ o ale be yewoate ŋu awɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me. (Mateo 19:11, 12) Agba geɖe mele ame siwo meɖe srɔ̃ o dzi abe ale si wòle le srɔ̃tɔwo gome ene o. Gake míeɖe srɔ̃ alo míeɖaɖee o, mí katã míate ŋu aɖe “nu kpekpe sia nu kpekpe” si ate ŋu ahe míaƒe susu ɖa le Yehowa subɔsubɔ ŋu ɖa le míaƒe mɔ me. Ahiã be míaɖe nu siwo xɔa ɣeyiɣi le mía si la dzi kpɔtɔ ale be míate ŋu ado vevie nu le Yehowa subɔsubɔ me.

17 Le kpɔɖeŋu me, Mark kple Claire, siwo le Wales dukɔa me la dze mɔɖeɖedɔa gɔme esime wowu suku nu. Eye woyi mɔɖeɖedɔa dzi le woƒe srɔ̃ɖeɖe megbe. Gake wogadi be yewoawɔ geɖe wu. Mark gblɔ be: “Míeɖe asi le míaƒe aƒe si me xɔdɔme etɔ̃ le kple míaƒe dɔwɔɖuiwo ŋu ale be míazu dukɔwo dome xɔtulawo.” Le ƒe 20 siwo va yi me la, wozɔa mɔ vaa Afrika hekpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu ŋu le dukɔ geɖewo me. Ɣeaɖewoɣi la, ga vi aɖe koe susɔna ɖe wo si, gake Yehowa lé be na wo. Claire gblɔ be: “Subɔsubɔdɔwɔwɔ na Yehowa gbe sia gbe nana míaƒe dzi dzea eme ŋutɔ. Míedze xɔlɔ̃ geɖe le ƒe siawo me, eye naneke mehiã mí o. Nu siwo ŋu míeɖe asi le la meɖi naneke ne míetsɔ wo sɔ kple dzidzɔ si gbegbe kpɔm míele le Yehowa subɔsubɔ ɣeyiɣiawo katã me o.” Aleae ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla geɖewo hã sena le wo ɖokui me. *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

18. Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui?

18 Azɔ bia ɖokuiwò be, ɖe mekpɔe be nye hã mate ŋu atsɔ dzo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu geɖe wua? Ðe nanewo le nye susu hem le nu vevitɔwo ŋua? Ne nenemae la, ke nu kae nàte ŋu awɔ? Ðewohĩ àte ŋu ana wò Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ naganyo ɖe edzi. Nyati si kplɔe ɖo aɖe ale si nàte ŋu awɔ esiae me.

^ mm. 17 Kpɔ Hadyn kple Melody Sanderson ƒe agbemeŋutinya le nyati si nye “Nusi Nyo Nyanya Kple Ewɔwɔ” me. (Gbetakpɔxɔ, March 1, 2006) Dɔ si wɔm wonɔ le Australia la nɔ edzi dzem, gake woɖe asi le eŋu hedze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme. Xlẽ nu tso nu si dzɔ esi ga vɔ le wo si esime wonɔ nya nyuia gblɔm le India la ŋu.