Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔ Siwo Míewɔ Tso Esime Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme!

Dɔ Siwo Míewɔ Tso Esime Fiaɖuƒea Dze Dziɖuɖu Gɔme!

“Ŋutifafa ƒe Mawu . . . natsɔ nu nyui sia nu nyui adzra mi ɖo, be miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.”—HEBRITƆWO 13:20, 21.

HADZIDZI: 136,  14

1. Nu ka tae míagblɔ be gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea nɔ vevie na Yesu?

YESU lɔ̃ Mawu Fiaɖuƒea ŋu nya gbɔgblɔ na amewo. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu wu nya bubu ɖe sia ɖe. Le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa me la, eyɔ Fiaɖuƒea ŋkɔ wu zi gbɔ zi 100 sɔŋ. Fiaɖuƒea nɔ vevie na Yesu vavã.—Xlẽ Mateo 12:34.

2. Ame kawoe anya nɔ eteƒe esime Yesu de se si le Mateo 28:19, 20, eye aleke míewɔ nya?

2 Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe kpuie la, eɖe eɖokui fia ame 500 siwo wòkpɔ mɔ be woazu yeƒe nusrɔ̃lawo. (1 Korintotɔwo 15:6) Ðewohĩ ɣemaɣie Yesu de se na wo be woayi aɖaɖe gbeƒã na “dukɔwo katã me tɔwo.” Dɔ sia manɔ bɔbɔe na wo o. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Egblɔ na wo be gbeƒãɖeɖedɔa ayi edzi kaka va se ɖe “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” Ne èle gbeƒã ɖem egbea la, ke wò hã èle asi kpem ɖe nyagblɔɖi sia me vava ŋu.—Mateo 28:19, 20.

3. Nu etɔ̃ kawoe kpe ɖe mía ŋu le nya nyuia gbɔgblɔ me?

3 Esi Yesu de se be woaɖe gbeƒã la, egblɔ kpee be: “Meli kpli mi.” (Mateo 28:20) Eya ta Yesu do ŋugbe na eyomedzelawo be yeafia mɔ wo ahakpe ɖe wo ŋu be woaɖe gbeƒã le xexe bliboa me. Yehowa hã li kpli mí. Ena “nu nyui sia nu nyui” mí be wòakpe ɖe mía ŋu le dɔ sia wɔwɔ me. (Hebritɔwo 13:20, 21) Le nyati sia me la, míadzro nu nyui siawo dometɔ etɔ̃ me: (1) dɔwɔnu siwo wòna mí, (2) mɔnu siwo ŋu dɔ míewɔ, kple (3) hehe siwo wòna mí. Gbã la, na míadzro dɔwɔnu aɖewo siwo míezã le ƒe alafa ɖeka siwo va yi me la me.

DƆWƆNU SIWO KPE ÐE MAWU SUBƆLAWO ŊU LE GBEƑÃÐEÐEDƆA ME

4. Aleke dɔwɔnu vovovowo kpe ɖe mía ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me?

4 Yesu tsɔ Fiaɖuƒegbedeasia sɔ kple nuku siwo wowu ɖe anyigba ƒomevi vovovowo dzi. (Mateo 13:18, 19) Dɔwɔnu hamehamee agbledela zãna tsɔ dzraa anyigba la ɖo hafi ƒãa nu. Nenema kee míaƒe Fia la na dɔwɔnu siwo míazã atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woaxɔ gbedeasia la mí. Míezã dɔwɔnuawo dometɔ aɖewo ɣeyiɣi kpui aɖe ko, gake míekpɔtɔ le ɖewo ya zãm va se ɖe egbea. Ke hã dɔwɔnuawo katã kpe ɖe mía ŋu míetu gbeƒãɖeɖeŋutete ɖo.

Ðaseɖigbalẽvia kpe ɖe nɔvi geɖe ŋu wodze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme

5. Nu kae nye ɖaseɖigbalẽvi, eye aleke míezãe?

5 Le ƒe 1933 me la, Mawu ƒe amewo te ɖaseɖigbalẽvi zazã, eye esia kpe ɖe wo dometɔ geɖe ŋu wodze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme. Enye agbalẽ sue si dzi woŋlɔ Biblia me gbedeasi kpui aɖe ɖo. Ɣeaɖewoɣi la, woɖea ɖaseɖigbalẽvi si dzi woŋlɔ gbedeasi bubu ɖo la ɖe go. Nɔviŋutsu Erlenmeyer zã ɖaseɖigbalẽvia zi gbãtɔ esime wòxɔ ƒe ewo. Egblɔ be: “Ŋgɔdonya lae nye, ‘Ðe nàdi be yeaxlẽ nya si le agbalẽvi sia dzia?’ Ne aƒemenɔlaa xlẽ nya si le agbalẽvia dzi vɔ la, míenaa míaƒe agbalẽ aɖee eye míeléa míaƒe mɔ tsɔna.”

6. Vi kae ɖaseɖigbalẽvia ɖe na gbeƒãɖelawo?

6 Ðaseɖigbalẽvia kpe ɖe gbeƒãɖelawo ŋu le mɔ geɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, ŋu kpea gbeƒãɖela aɖewo, eye togbɔ be wodi vevie be yewoaɖe gbeƒã hã la, womenyana nya si woagblɔ o. Dzi le gbeƒãɖela aɖewo ya ƒo ŋutɔ. Wodudua nya ɖe sia ɖe si wonya la ɖe aƒemenɔlaa dzi le miniti ʋɛ aɖewo ko me, gake zi geɖe la, dze menɔa woƒe nuƒoƒo me o. Eya ta ɖaseɖigbalẽvia kpe ɖe gbeƒãɖelawo katã ŋu wotsɔ gbedeasi kpui si me kɔ la yi na amewo.

7. Nu kawoe gbeƒãɖelawo doa goe ne wole agbalẽvia zãm?

7 Kuxi aɖewo hã nɔ agbalẽvia zazã ŋu. Nɔvinyɔnu Grace Estep gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, amewo biaa mí be, ‘Ke nya kae le edzi? Màte ŋu agblɔe nam ko oa?’” Azɔ hã aƒemenɔla aɖewo metea ŋu xlẽa nu si le agbalẽvia dzi o. Ðeko ame aɖewo xɔnɛ dana ɖi hedoa ʋɔa. Esi míaƒe gbedeasia medzɔa dzi na ame aɖewo hã o ta la, wovuvua agbalẽvia. Togbɔ be kuxi siawo nɔ anyi hã la, ɖaseɖigbalẽvia kpe ɖe nɔviwo ŋu wokaka nya nyuia eye wòde dzesi wo be wonye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo.

8. Aleke míezã agbaƒomɔ̃ lae? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

8 Dɔwɔnu bubu si míezã le ƒe 1930-awo me ye nye agbaƒomɔ̃. Ðasefo aɖewo yɔa mɔ̃ sia be Aron, elabena eƒoa nu ɖe wo teƒe. (Xlẽ 2 Mose 4:14-16.) Ne aƒemenɔlaa lɔ̃ be yeaɖo to la, gbeƒãɖelaa ƒoa Biblia me nuƒo kpui aɖe le agbaƒomɔ̃a dzi eye wònaa agbalẽ aɖewo amea. Ɣeaɖewoɣi la, ƒome blibowo ƒoa ƒu sea nuƒoa! Ƒe 1934 mee Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wɔ agbaƒomɔ̃ siwo ŋu wotrɔ asi le koŋ na gbeƒãɖeɖedɔa. Mlɔeba la, nɔviwo ƒo nuƒo vovovo 92 helé wo ɖe agba dzi.

9. Aleke agbaƒomɔ̃a zazã ɖe vii?

9 Esi woƒo nuƒoawo dometɔ ɖeka na Hillary Goslin wòse la, eɣe agbaƒomɔ̃a tsɔ ƒo Biblia me gbedeasia na eƒe aƒelikawo kwasiɖa blibo ɖeka. Esia wɔe be ame gbogbo aɖewo va tsɔ ɖe le nyateƒea me eye woxɔ nyɔnyrɔ. Nɔviŋutsu Goslin vinyɔnu eve va de Gilead Sukua emegbe hezu dutanyanyuigblɔlawo. Abe ɖaseɖigbalẽvia ene la, agbaƒomɔ̃a hã kpe ɖe gbeƒãɖela geɖe ŋu wodze nya nyuia gbɔgblɔ gɔme. Emegbe Fia la va to Teokrasi Subɔsubɔ Sukua dzi na hehe eƒe amewo be woazu nufiala bibiwo.

MÍEWƆ MƆNU VOVOVOWO ŊU DƆ TSƆ KPE ÐE AMEWO ŊU

10, 11. Aleke míewɔ nyadzɔdzɔgbalẽ kple radio ŋu dɔ tsɔ ɖe gbeƒã nya nyuia, eye nu ka tae mɔnu siawo ɖe vi?

10 Le míaƒe Fia la ƒe mɔfiafia te la, Mawu ƒe amewo zã mɔnu vovovowo tsɔ ɖe gbeƒã na ame gbogbowo ale si woate ŋui. Mɔnu siawo ɖe vi ŋutɔ, vevietɔ esime gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo koe nɔ anyi. (Xlẽ Mateo 9:37.) Le kpɔɖeŋu me, ƒe geɖee nye esi va yi la, míezã nyadzɔdzɔgbalẽwo tsɔ kaka nya nyuia. Nɔviŋutsu Russell ɖoa Biblia me nuƒo ɖe nyadzɔdzɔdɔwɔƒe aɖe kwasiɖa sia kwasiɖa. Eye dɔwɔƒea nana wotaa eƒe nuƒoa ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo me le Canada, Europa kple Amerika. Kaka ƒe 1913 naɖo la, wonɔ Nɔviŋutsu Russell ƒe nuƒowo tam ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ 2,000 me eye ame siwo anɔ abe 15,000,000 sɔŋ ene ye xlẽnɛ!

Nyadzɔdzɔgbalẽwo kple radio na nya nyuia ɖo ame geɖe gbɔ le nuto siwo me gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo ko le me

11 Míezã radio, alo walɛsi, hã tsɔ ɖe gbeƒã nya nyuia dzidzedzetɔe. Le April 16, 1922 dzi la, Nɔviŋutsu Rutherford ƒo nuƒo zi gbãtɔ le walɛsi dzi, eye ame siwo anɔ abe 50,000 ene ye ɖo to nuƒoa. Eteƒe medidi o, míeɖo míawo ŋutɔ ƒe radiodɔwɔƒe (WBBR), eye míete nuƒoƒo le edzi le February 24, 1924 dzi. December 1, 1924 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Míeka ɖe edzi be, va se ɖe fifia la, radio ye nye mɔnu deamedzi si megblẽa ga fũu o si dzi míato akaka nyateƒegbedeasia.” Abe nyadzɔdzɔgbalẽwo ene la, míeto radio dzi na nya nyuia ɖo ame geɖe gbɔ, vevietɔ le nuto siwo me gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo ko le me.

Edzɔa dzi na Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe be yewoawɔ dutoƒoɖaseɖiɖidɔa eye yewoahe amewo ƒe susu ayi míaƒe nyatakakadzraɖoƒea dzi (Kpɔ memama 12, 13)

12. (a) Dutoƒoɖaseɖiɖidɔ kae vivia nuwò? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaɖu vɔvɔ̃ ɖe sia ɖe si le mía me ɖe dutoƒoɖaseɖiɖidɔa ŋu la dzi?

12 Dutoƒoɖaseɖiɖidɔa hã nye mɔ nyui aɖe si dzi tom míele egbea le ame geɖewo gbɔ ɖom. Míele agbagba geɖe wu dzem be míaɖi ɖase na amewo le ʋutɔɖoƒewo, ketekedzeƒewo, ʋudzeƒewo, modzakaɖebɔwo kple asiwo me. Ðe nèvɔ̃na na dutoƒoɖaseɖiɖidɔa? Ne nenemae la, do gbe ɖa nàbia kpekpeɖeŋu, eye nàde ŋugble le nya siwo dzikpɔla mɔzɔla aɖe si ŋkɔe nye Manera gblɔ ŋu. Egblɔ be: “Míebua gbeƒãɖeɖemɔnu yeye ɖe sia ɖe be enye mɔ bubu si dzi míato asubɔ Yehowa, alo aɖee afia be míeɖia anukware nɛ, alo be enye nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ bubu, eye míele klalo be míatsɔ mía ɖokui ana faa asubɔe le mɔ sia mɔ si wòdi nu.” Ne míeɖu vɔvɔ̃ dzi hezã gbeƒãɖeɖemɔnu yeyeawo la, enana míegakana ɖe Yehowa dzi wu eye míebina ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me.—Xlẽ 2 Korintotɔwo 12:9, 10.

13. Nu ka tae míaƒe nyatakakadzraɖoƒea zazã le gbeƒãɖeɖedɔa me nye mɔnu nyui aɖe, eye esia ƒe nuteƒekpɔkpɔ kae su asiwò?

13 Edzɔa dzi na gbeƒãɖela geɖewo be yewoahe amewo ƒe susu ayi míaƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org la dzi, afi si woate ŋu axlẽ Biblia-srɔ̃gbalẽwo alo awɔ woƒe kɔpiwo le gbegbɔgblɔ 700 kple edzivɔ me le. Ame 1,600,000 kple edzivɔe ʋua míaƒe nyatakakadzraɖoƒea gbe sia gbe. Míezã radio la tsã be nya nyuia naɖo amewo gbɔ le saɖeaganutowo me. Ema tututue míaƒe nyatakakadzraɖoƒea le wɔwɔm egbea.

WOLE HEHE NAM NYA NYUIA GBLƆLAWO

14. Hehe kae gbeƒãɖelawo hiã, eye suku kae le kpekpem ɖe wo ŋu be woanye nufiala bibiwo?

14 Dɔwɔnu kple mɔnu siwo ŋu míeƒo nu tsoe la ɖea vi ŋutɔ. Ke hã ehiã vevie be woana hehe gbeƒãɖela gbãtɔ mawo be woabi ɖe ɖaseɖiɖidɔa me. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖewoɣi la, aƒemenɔla aɖewo melɔ̃na ɖe nya si wose le agbaƒomɔ̃a dzi la dzi o. Gake ame bubuwo ya kpɔa dzidzɔ ɖe nya la ŋu eye wodina be yewoasrɔ̃ nu geɖe. Eya ta ele be gbeƒãɖelawo nanya ale si woawɔ nu tufafatɔe ne amewo melɔ̃ ɖe nyaa dzi o kple ale si woafia nu ɖetsɔlemetɔwo nyuie. Ðikeke mele eme o be, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye kpe ɖe Nɔviŋutsu Knorr ŋu wòkpɔe be ele vevie be gbeƒãɖelawo nasrɔ̃ ale si woaƒo nui. Eya ta tso ƒe 1943 me la, wodze Teokrasi Subɔsubɔ Sukua gɔme le hamewo me. Suku sia le hehe nam mí katã be míanye nufiala bibiwo.

15. (a) Nu kae dzɔ ɖe nɔvi aɖewo dzi esi wowɔ woƒe dɔdeasi gbãtɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me? (b) Aleke ŋugbe si Yehowa do le Psalmo 32:8 va eme na wò ŋutɔ?

15 Nuƒoƒo le amehawo ŋkume mema nɔvi geɖe o. Nɔviŋutsu Ramu ɖo ŋku nu si dzɔ ɖe edzi esi wòwɔ eƒe dɔdeasi gbãtɔ le ƒe 1944 me la dzi. Nuƒoa ku ɖe Doeg si ƒe ŋutinya le Biblia me ŋu. Egblɔ be: “Nye klowo nɔ ƒoƒom kpakpakpa, nye asiwo nɔ ƒoƒom tititi, eye nye aɖuwo nɔ kpekpem kɛ́kɛkɛ.” Egblɔ kpee be: “Emae nye zi gbãtɔ si meƒo nu le kplɔ̃ta, gake nyemena ta o.” Ðeviwo hã wɔa dɔ le sukua me togbɔ be menɔ bɔbɔe o hã. Nɔviŋutsu Manera ɖo ŋku nu si dzɔ esime ŋutsuvi dzaa aɖe wɔ eƒe dɔdeasi gbãtɔ la dzi, egblɔ be: “Vɔvɔ̃ ɖoe ale gbegbe be esime wòdze dɔdeasia gɔme la, ete avifafa. Gake edi vevie be yeawɔ dɔa, eya ta togbɔ be enɔ avisimegbe dom le nuƒoa katã me hã, ewɔe wu enu.” Ðewohĩ wò hã mètea ŋu ɖoa nya ŋu alo wɔa dɔdeasiwo o le ŋukpe ta, alo le esi nèsusui be yemate ŋu awɔe o ta. Ne ele alea la, ke do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖu vɔvɔ̃ dzi. Akpe ɖe ŋuwò abe ale si ko wòkpe ɖe ame gbãtɔ siwo kpɔ gome le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me ŋu ene.—Xlẽ Psalmo 32:8.

Tso ƒe 1943 me la, woɖo Gilead Sukua dela siwo wu 8,500 ɖe dukɔ 170 me

16. (a) Taɖodzinu kae nɔ Gilead Sukua ŋu tsã? (b) Taɖodzinu kae va le eŋu tso ƒe 2011 me?

16 Mawu ƒe habɔbɔa le hehe nam mí to Gilead Sukua hã dzi. Suku sia ƒe taɖodzinu ɖekae nye be wòakpe ɖe edelawo ŋu be woatu didi si le wo me ɖe nya nyuia gbɔgblɔ ŋu la ɖo. Tso esime Gilead Sukua dze egɔme le ƒe 1943 me la, wona hehe nɔvi siwo wu 8,500 heɖo wo ɖe dukɔ 170 me. Eye tso ƒe 2011 me la, mɔɖela veviwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, Betel dɔwɔlawo, alo dutanyanyuigblɔla siwo mede Gilead Sukua haɖe o la kpemee wole na suku sia.

17. Nu kae le dodom tso Gilead Sukua ƒe hehenanaa me?

17 Ðe Gilead Sukua le vi ɖema? Ɛ̃, ele vi ɖem ko! Bu nu si dzɔ le Japan ŋu kpɔ. Le August 1949 me la, gbeƒãɖela siwo nɔ dukɔa me la mede ewo o. Gake kaka ƒe ma ƒe nuwuwu naɖo la, woɖo dutanyanyuigblɔla 13 ɖa wova nɔ kpekpem ɖe wo ŋu. Egbea, gbeƒãɖela 216,000 sɔŋ ye le Japan, eye xexlẽme ma ƒe afã kloe nye mɔɖelawo!

18. Suku bubu kawoe le mía si?

18 Suku bubu geɖewo le mía si, abe Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku, Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Suku, Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku, Nutome Sue Dzikpɔlawo Kple Wo Srɔ̃wo Ƒe Suku, kpakple Alɔdzekɔmiti Me Tɔwo Kple Wo Srɔ̃wo Ƒe Suku ene. Wona hehe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo to suku siawo dzi hedo ŋusẽ woƒe xɔse. Eme kɔ ƒãa be Yesu yi edzi le hehe nam ame geɖewo.

19. Nya kae Nɔviŋutsu Rusell gblɔ tso gbeƒãɖeɖedɔa ŋu, eye aleke esia le eme vam?

19 Ƒe 100 kple edzivɔe nye esia Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum. Le ƒe siawo katã me la, míaƒe Fia, Yesu Kristo, le mɔ fiam mí le gbeƒãɖeɖedɔa me. Le keke ƒe 1916 me ke la, Nɔviŋutsu Russell xɔe se vevie be woaɖe gbeƒã nya nyuia wòakeke ta aɖo xexe bliboa me. Egblɔ be: “Dɔa le ta kekem kabakaba, eye agakeke ta ɖe edzi, elabena ele be woaɖe gbeƒã ‘fiaɖuƒeŋutinya nyuia’ afia amewo le xexe bliboa me.” (Faith on the March, si A. H. Macmillan ta, axa 69) Dɔ ma le edzi yim egbea! Míeda akpe na Yehowa, ŋutifafa Mawu la, be ena nu sia nu si hiã la mí be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ɖaa!

^ mm. 2 Anɔ eme be ƒuƒoƒo ma me tɔ akpa gãtɔ va zu Kristotɔwo. Nu ka tae míegblɔe alea? Elabena apostolo Paulo yɔ wo be “nɔvi . . . alafa atɔ̃.” Egagblɔ hã be, wo “dometɔ akpa gãtɔ kpɔtɔ le mía dome, ke wo dometɔ aɖewo hã dɔ alɔ̃ le ku me.” Eya ta edze abe Paulo kple Kristotɔ bubuwo dze si ame siwo nɔ eteƒe esime Yesu de sea be woaɖe gbeƒã la ene.