Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe ‘Nèlɔ̃ Hawòvi Abe Wò Ŋutɔ Ðokuiwò Enea’?

Ðe ‘Nèlɔ̃ Hawòvi Abe Wò Ŋutɔ Ðokuiwò Enea’?

“Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”—MATEO 22:39.

HADZIDZI: 73, 36

1, 2. Aleke Ŋɔŋlɔawo te gbe ɖe lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye dzi?

LƆLƆ̃ ye nye Yehowa Mawu ƒe nɔnɔme si ɖe dzesi wu. (1 Yohanes 4:16) Yesu Kristo, si nye Yehowa ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ, nɔ Fofoa gbɔ le dziƒo ƒe miliɔn akpeakpewo eye wònya ale si gbegbe Mawu ƒe lɔlɔ̃ de toe. (Kolosetɔwo 1:15) Yesu hã ɖe lɔlɔ̃ sia fia le eƒe agbenɔnɔ katã me, le dziƒo kple anyigba dzi siaa. Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa kple Yesu ayi edzi aɖu dzi le lɔlɔ̃ me.

2 Esi ame aɖe bia Yesu be se kae nye vevitɔ mahã la, Yesu gblɔ be: “‘Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.’ Esiae nye sedede gãtɔ kple gbãtɔ. Evelia si ɖii lae nye esi: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’”—Mateo 22:37-39.

3. Ame kae nye ‘mía havi’?

3 Ele vevie be míalɔ̃ amewo katã. Yesu gblɔ be míalɔ̃ Yehowa kple mía havi. Gake ame kae nye ‘mía havi’? Ne èɖe srɔ̃ la, ekema srɔ̃wòe nye hawòvi si te ɖe ŋuwò wu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me kpakple ame siwo míedoa goe le gbeadzi la hã nye mía haviwo. Le nyati sia me la, míasrɔ̃ ale si míalɔ̃ mía haviwoe.

LƆ̃ SRƆ̃WÒ

4. Togbɔ be amegbetɔwo mede blibo o hã la, nu kae ana woƒe srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze?

4 Yehowae ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi esime wòwɔ Xawa hekplɔe vɛ na Adam. Emae nye srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ. Mawu di be dzidzɔ nanɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea me, eye woadzi ayɔ anyigba la dzi. (1 Mose 1:27, 28) Gake esi wogbe toɖoɖo Yehowa ta la, esia gblẽ nu le woƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu, eye wona nu vɔ̃ kple ku kaka ɖe amewo katã dome. (Romatɔwo 5:12) Ke hã, srɔ̃ɖeɖewo ate ŋu akpɔ dzidzedze egbea. Yehowa, ame si ɖo srɔ̃ɖeɖea anyi la na mɔfiame nyuitɔwo kekeake srɔ̃tɔwo le Biblia la me.—Xlẽ 2 Timoteo 3:16, 17.

Yehowa di be srɔ̃ŋutsu nawɔ eƒe tanyenyea ŋu dɔ le lɔlɔ̃ me

5. Nu ka tae lɔlɔ̃ hiã vevie le srɔ̃ɖeɖe me?

5 Biblia ɖee fia be hafi ame eve dome navivi la, ele be woƒe lɔlɔ̃ nanye esi me vividoɖeameŋu kple beléle na ame nɔewo le. Esia hiã vevie ŋutɔ le srɔ̃ɖeɖe me. Apostolo Paulo ɖɔ lɔlɔ̃ akuakua be: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o. Meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o, mewɔa nu si medze o, media eya ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o. Meléa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o. Mekpɔa dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ ŋu o, ke ekpɔa dzidzɔ ɖe nyateƒe boŋ ŋu. Enɔa te ɖe nuwo katã nu, exɔa nuwo katã dzi sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.” (1 Korintotɔwo 13:4-8) Ne míebu Paulo ƒe nya siawo ŋu nyuie hewɔ ɖe wo dzi la, míakpɔ dzidzɔ le míaƒe srɔ̃ɖeɖe me.

Biblia fia ale si míawɔ akpɔ dzidzɔ le srɔ̃ɖeɖe me la mí (Kpɔ memama 6, 7)

6, 7. (a) Nu kae Biblia gblɔ tso tanyenye ŋu? (b) Aleke wòle be srɔ̃ŋutsu Kristotɔ nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu?

6 Yehowa ye tia ame si anye ƒomea ƒe ta. Paulo gblɔ be: “Medi be mianyae be ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo; nyɔnu hã ƒe tae nye ŋutsu; eye Kristo hã ƒe tae nye Mawu.” (1 Korintotɔwo 11:3) Yehowa di be srɔ̃ŋutsu nawɔ eƒe tanyenyea ŋu dɔ le lɔlɔ̃ me, ke menye le ŋutasesẽ alo le amedzizizi me o. Yehowa ŋutɔ nye Tatɔ dɔmenyola kple ɖokuitɔmadila. Esia tae Yesu dea bubu gã Mawu ƒe dziɖuŋusẽ ŋu ɖo. Egblɔ be: “Melɔ̃ Fofo la.” (Yohanes 14:31) Ne ɖe Yehowa zia Yesu dzi la, anye ne magblɔ nya sia tso eŋu o.

7 Togbɔ be srɔ̃ŋutsue nye ƒomea ƒe ta hã la, Biblia gblɔ be ele be wòade bubu srɔ̃a ŋu. (1 Petro 3:7) Aleke srɔ̃ŋutsu ate ŋu awɔ esiae? Ate ŋu abu nyɔnua ƒe nuhiahiãwo ŋu ahawɔ nu siwo wòdi la nɛ. Biblia gblɔ be: “Srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mialɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si ko Kristo la hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe eta ene.” (Efesotɔwo 5:25) Ɛ̃, Yesu tsɔ eƒe agbe na gɔ̃ hã ɖe eyomedzelawo ta. Ne srɔ̃ŋutsu wɔa eƒe tanyenyea ŋu dɔ le lɔlɔ̃ me abe Yesu ene la, anɔ bɔbɔe na srɔ̃a be wòalɔ̃e, ade bubu eŋu ahalɔ̃ ɖe eƒe nyametsotsowo dzi.—Xlẽ Tito 2:3-5.

LƆ̃ NƆVIWÒWO

8. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe mía nɔviwo ŋu?

8 Egbea ame miliɔn geɖe le Yehowa subɔm le xexea me katã. Mía nɔviwoe ame siawo nye. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe wo ŋu? Biblia gblɔ be: “Mina míawɔ nyui na amewo katã, ke vevietɔ na ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me.” (Galatiatɔwo 6:10; xlẽ Romatɔwo 12:10.) Apostolo Petro gblɔ be, “toɖoɖo nyateƒea” naʋã mí be míaɖe “nɔvilɔlɔ̃” vavãtɔ afia. Eye Petro yi edzi gblɔ na ehati Kristotɔwo be: “Vevietɔ la, milɔ̃ mia nɔewo vevie.”—1 Petro 1:22; 4:8.

9, 10. Nu kae na Mawu ƒe amewo wɔ ɖeka?

9 Míaƒe xexea me katã ƒe habɔbɔa le etɔxɛ. Nu ka tae? Elabena lɔlɔ̃ deto kple lɔlɔ̃ vavã ye le mía si na mía nɔviwo. Esi gale vevie wue nye be, míelɔ̃ Yehowa hewɔa eƒe sewo dzi, eya ta etsɔa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, si nye ŋusẽ si tri akɔ wu ɖe sia ɖe le xexe bliboa me la, kpena ɖe mía ŋu. Mawu ƒe gbɔgbɔa ye na míewɔ ɖeka le xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me.—Xlẽ 1 Yohanes 4:20, 21.

10 Paulo te gbe ɖe edzi be ele vevie be lɔlɔ̃ nanɔ Kristotɔwo dome esi wòŋlɔ bena: “Mido dɔmetɔtrɔ, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔgbɔ blewu. Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si ko Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke. Hekpe ɖe nu siawo katã ŋu la, mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.” (Kolosetɔwo 3:12-14) Aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be afi ka kee míeɖatso o, lɔlɔ̃, si nye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo” la, le mía dome!

Lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le Yehowa Ðasefowo dome na wòdze ƒãa be woawoe nye Kristotɔ vavã siwo zãm Mawu le be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia le anyigba bliboa dzi

11. Aleke míawɔ akpɔ Mawu subɔla vavãwo adze sii?

11 Lɔlɔ̃ adodoea kple ɖekawɔwɔ si le Yehowa subɔlawo dome ye dea dzesi wo be wonye subɔsubɔha vavãtɔ. Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:34, 35) Eye apostolo Yohanes hã gblɔ be: “Esia mee Mawu ƒe viwo kple Abosam ƒe viwo dze ƒãa le: Ame sia ame si mewɔa nu dzɔdzɔe o la metso Mawu me o, nenema kee nye ame si melɔ̃a nɔvia o hã. Elabena esiae nye gbedeasi si miese tso gɔmedzedzea me, be míalɔ̃ mía nɔewo.” (1 Yohanes 3:10, 11) Lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le Yehowa Ðasefowo dome na wòdze ƒãa be woawoe nye Kristotɔ vavã siwo zãm Mawu le be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia le anyigba bliboa dzi.—Mateo 24:14.

WOLE “AMEHA GÔ LA NU ƑOM ƑU

12, 13. Nu ka wɔm “ameha gã” la me tɔwo le egbea, eye yayra kawoe asu wo si kpuie?

12 Yehowa subɔla siwo li egbea dometɔ akpa gãtɔ nye “ameha gã” la me tɔ siwo tso xexea me katã, eye wole Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi. Woawoe anye “ame siwo do go tso xaxa gã la me, eye wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me” le esi woxɔ Yesu ƒe tafevɔsaa dzi se ta. “Ameha gã” la me tɔwo lɔ̃ Yehowa kple Via vevie, eye wosubɔa Yehowa “zã kple keli.”—Nyaɖeɖefia 7:9, 14, 15.

13 Eteƒe madidi o, Mawu atsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia le “xaxa gã” la me. (Mateo 24:21; xlẽ Yeremiya 25:32, 33.) Gake Yehowa akpɔ esubɔlawo ta ahakplɔ wo ayi xexe yeyea me, elabe elɔ̃ wo vevie. Ŋugbedodo medana o, eya ta Mawu “atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume,” abe ale si wòdo ŋugbe ƒe 2,000 kloe nye esi va yi ene, “eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.” Ðe nèle mɔ kpɔm vevie be yeanɔ agbe le Paradiso me, afi si vɔ̃ɖinyenye, fukpekpe kple ku maganɔ oa?—Nyaɖeɖefia 21:4.

14. Aleke ameha gã la dzi ɖe edzii?

14 Esi ŋkeke mamlɛawo dze egɔme le ƒe 1914 me la, Mawu subɔla akpe ʋɛ aɖewo koe nɔ anyi. Havilɔlɔ̃ kple Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye ʋã amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue sia woɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Nu kae do tso eme? Egbea wole ameha gã siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la nu ƒom ƒu. Ðasefo 8,000,000 kple edzivɔe le hame siwo wu 115,400 me le xexea me katã, eye woƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi gbe sia gbe. Le kpɔɖeŋu me, Ðasefo yeye siwo wu 275,500 ye xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2014 subɔsubɔƒea me. Esia fia be ame siwo anɔ 5,300 sɔŋ xɔa nyɔnyrɔ kwasiɖa sia kwasiɖa!

15. Aleke nya nyuia wɔ le ame geɖe gbɔ ɖom egbea?

15 Ame gbogbo siwo le Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia sem la wɔ nuku loo! Egbea míaƒe agbalẽwo le gbegbɔgblɔ siwo wu 700 me. Gbetakpɔxɔ ye nye agbalẽ si womana wu le xexe bliboa me. Míetaa ɖekaɖeka 52,000,000 kple edzivɔ ɣleti sia ɣleti, le gbegbɔgblɔ 247 me. Míeɖe Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa si míetsɔ srɔ̃a Biblia kple amewo la gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 250 me. Eye va se ɖe fifia la, míeta ɖekaɖeka 200,000,000 kple edzivɔ sɔŋ.

16. Nu ka tae Yehowa ƒe habɔbɔa le ta kekem ɖe edzi?

16 Míaƒe habɔbɔa yi edzi le ta kekem elabena míexɔ Mawu dzi se eye míeka ɖe edzi be Biblia la nye eƒe Nya. (1 Tesalonikatɔwo 2:13) Edze ƒãa be Yehowa le mía yram togbɔ be Satana lé fu mí hele mía yome tim vevie gɔ̃ hã.—2 Korintotɔwo 4:4.

LƆ̃ AMEWO ƔESIAƔI

17, 18. Aleke Yehowa di be míawɔ nu ɖe ame siwo mesubɔnɛ o ŋu?

17 Amewo wɔa nu ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le mɔ vovovowo nu. Ame aɖewo ɖoa to mí, eye ame bubuwo medina kura be yewoase nya la o. Aleke Yehowa di be míawɔ nu ɖe ame siwo mesubɔnɛ o ŋu? Aleke kee amewo ɖawɔ nu ɖe míaƒe gbedeasia ŋu o, míewɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme, ne mianya ale si wòdze be miaɖo nya ŋu na ame sia ame.” (Kolosetɔwo 4:6) Esi míelɔ̃ mía haviwo ta la, ɣesiaɣi si wòhiã be míaʋli míaƒe dzixɔsewo ta la, anyo be míawɔe “le tufafa kple bubu deto me.”—1 Petro 3:15.

18 Ne amewo do dziku ɖe mía ŋu hegbe míaƒe gbedeasia gɔ̃ hã la, míeɖea havilɔlɔ̃ fiaa wo hesrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Esi wodzu Yesu la, “medzu ame ɖe eteƒe o. Esi wòle fu kpem la, medo ŋɔdzi na ame o,” ke boŋ eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. (1 Petro 2:23) Eya ta míebɔbɔa mía ɖokui ɣeawokatãɣi hewɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o. Ke miyra amewo boŋ.”—1 Petro 3:8, 9.

Ele be míalɔ̃ míaƒe futɔwo nu ka kee woɖawɔ ɖe mía ŋu o

19. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe míaƒe futɔwo ŋui?

19 Ðokuibɔbɔ ana míawɔ ɖe mɔfiame vevi aɖe si Yesu na mí la dzi. Egblɔ be: “Miese wogblɔ be: ‘Lɔ̃ hawòvi, eye nàlé fu wò futɔ.’ Ke nye la, mele egblɔm na mi be: Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye minɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta, ne miazu mia Fofo si le dziƒowo la ƒe viwo, elabena enana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Mateo 5:43-45) Ele be mí Mawu subɔlawo míalɔ̃ míaƒe futɔwo nu ka kee woɖawɔ ɖe mía ŋu o.

20. Nu kae na míeka ɖe edzi be lɔlɔ̃ na Mawu kple ame havi axɔ aƒe ɖe anyigba bliboa dzi kpuie? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

20 Ele be míalɔ̃ Yehowa kple mía haviwo ɣesiaɣi. Míekpena ɖe ame siwo ɖo hiã me ŋu nenye be wotsi tre ɖe mía ŋu alo gbe míaƒe gbedeasia sese gɔ̃ hã. Apostolo Paulo gblɔ be: “Miganyi naneke ƒe fe le ame aɖeke ŋu o, negbe mia nɔewo lɔlɔ̃ ƒe fe ko; elabena ame si lɔ̃a ehavi la, ewu se la nu. Elabena se la me nya siwo nye, ‘Mègawɔ ahasi o, Mègawu ame o, Mègafi fi o, Mègabiã ŋu o,’ kpakple se bubu ɖe sia ɖe si li la, woƒo wo katã nu ƒu ɖe nya sia me be: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ Lɔlɔ̃ la mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o; eya ta lɔlɔ̃e nye sedziwɔwɔ.” (Romatɔwo 13:8-10) Le xexe sia si dzi ɖum Satana le, si me mama, ŋutasesẽ kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ yɔ fũu me la, mí Mawu subɔlawo míeyia edzi ɖea lɔlɔ̃ vavã fiaa mía haviwo. (1 Yohanes 5:19) Ne Yehowa tsrɔ̃ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo kpakple xexe vɔ̃ɖi sia megbe la, lɔlɔ̃ vavã axɔ aƒe ɖe anyigbaa dzi. Yayra gã aɖee wòanye ne anyigbadzitɔwo katã lɔ̃a Yehowa kple wo havi!