Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Nye Lɔlɔ̃ Ƒe Mawu

Yehowa Nye Lɔlɔ̃ Ƒe Mawu

“Mawu nye lɔlɔ̃.”—1 YOHANES 4:8, 16.

HADZIDZI: 18, 91

1. Nu kae nye Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔ, eye aleke esia nana míesena le mía ɖokui me tso eyama ŋu?

BIBLIA gblɔ be “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Gake nu ka tututue nya ma fia? Menye Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiawo dometɔ ɖeka koe lɔlɔ̃ nye o. Ke boŋ enye eƒe nɔnɔme vevitɔ. Eye menye ɖeko lɔlɔ̃ le Mawu si o. Eya ame bliboae nye lɔlɔ̃. Lɔlɔ̃e ʋãnɛ hafi wòwɔa nu sia nu. Míedaa akpe ŋutɔ be lɔlɔ̃ ye ʋã Yehowa wòwɔ xexe bliboa kple nu gbagbe siwo katã le eme!

2. Nu ka dzie Mawu ƒe lɔlɔ̃ na míeka ɖo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

2 Yehowa nyoa dɔme na eƒe nuwɔwɔwo eye eƒe dɔme trɔna ɖe wo ŋu. Ale si wòlɔ̃ mí na míeka ɖe edzi be eƒe tameɖoɖowo ava eme na amegbetɔƒomea le mɔ nyuitɔ kekeake nu. Eye esia ahe dzidzɔ vavãtɔ vɛ na ame siwo ɖoa toe. Le kpɔɖeŋu me, le lɔlɔ̃ me la, Yehowa “ɖo tame be yeadrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzinɔlawo katã le dzɔdzɔenyenye me to ŋutsu aɖe si wòɖo la dzi,” si nye Yesu Kristo. (Dɔwɔwɔwo 17:31) Míeka ɖe edzi be nya sia ava eme godoo. Le amegbetɔ toɖolawo gome la, esia ahe etsɔme mavɔ vɛ na wo.

NU SIWO DZI ŊUTINYA ÐO KPEE

3. Aleke agbea anɔ le etsɔme ne ɖe Mawu melɔ̃ amegbetɔwo o?

3 Aleke amegbetɔwo ƒe etsɔme anɔ ne menye lɔlɔ̃ ye nye Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔ o? Anye ne amegbetɔwo ayi edzi aɖu fia ɖe wo nɔvi amegbetɔwo dzi, le Satana ame si nye mawu vɔ̃ɖi malɔ̃ame ƒe ŋusẽ te. (2 Korintotɔwo 4:4; 1 Yohanes 5:19; xlẽ Nyaɖeɖefia 12:9, 12.) Míaƒe etsɔme avloe ŋutɔ ne ɖe Yehowa melɔ̃ mí o!

4. Nu ka tae Yehowa metsrɔ̃ aglãdzelawo enumake o?

4 Esi Satana tsi tre ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu la, eble mía dzila gbãtɔwo hã wodze aglã. Etsɔ nya ɖe gome si le Mawu si abe Xexea Me Katã Dziɖulagã ene la ŋu. Satana gblɔ be yeƒe dziɖuɖu anyo wu Mawu tɔ. (1 Mose 3:1-5) Yehowa wɔ nu le nunya me esi wòna ɣeyiɣi Satana be wòaɖo kpe eƒe nya sia dzi. Gake nu siwo do tso eme na wòdze ƒãa be Satana loo alo amegbetɔwo mate ŋu aɖu dzi wòadze edzi gbeɖe o.

Yehowa mewɔ amegbetɔ kple ŋutete be wòanɔ agbe yeƒe mɔfiafia manɔmee o

5. Nu kae amegbetɔwo ƒe ŋutinya ɖe fia?

5 Gbegblẽm koe nuwo le ɖe edzi tso ŋkeke yi ŋkeke. Le ƒe 100 siwo va yi me la, ame miliɔn 100 kple edzivɔwo ku le aʋawɔwɔwo me. Biblia gblɔ tso “ŋkeke mamlɛawo” ŋu be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo anɔ vɔɖivɔ̃ɖim ɖe edzi.” (2 Timoteo 3:1, 13) Biblia gagblɔ hã be: “Oo Yehowa, menyae nyuie be amegbetɔ ƒe mɔ mele eya ŋutɔ si me o. Eye ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.” (Yeremiya 10:23) Ŋutinya ɖee fia be nya mawo nye nyateƒe. Yehowa mewɔ amegbetɔ kple ŋutete be wòanɔ agbe yeƒe mɔfiafia manɔmee o.

6. Nu ka ta Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu?

6 Esi Yehowa ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu hena ɣeyiɣi aɖe la, eɖo kpe edzi hã be yeƒe dziɖuɖu koe nye nyuitɔ. Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã kpuie. Le esia megbe la, ne ame aɖe ke atsɛ gatsɔ nya ɖe lɔlɔ̃mɔ si nu Mawu ɖua dzi le ŋu la, Mawu atu nu kplii enumake. Ate ŋu azã amegbetɔwo ƒe ŋutinya atsɔ aɖo kpe edzi be ele be woaɖe aglãdzela ma ɖa enumake. Womagaɖe mɔ ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu gbeɖe o.

MƆ KA NUE MAWU ÐE LƆLƆ̃ FIA MÍ LE?

7, 8. Nu kae ɖee fia be Yehowa lɔ̃ mí?

7 Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ gã la fia mí le mɔ vovovowo nu. Wò ya bu xexea me katã ƒe lolome kple eƒe atsyɔ̃ ŋu kpɔ ko. Ɣletivihatsotso miliɔn akpeakpewoe le eme, eye ɣletivi kple ɣletinyigba miliɔn akpeakpewo le ɣletivihatsotso ɖe sia ɖe me. Ɣletivi siwo le Masa Ɣletivihatsotso si me míaƒe anyigbaa le me la dometɔ ɖekae nye ɣe la. Ɣea manɔmee la, nu gbagbe aɖeke manɔ anyigbaa dzi o. Nuwɔwɔ siawo katã ɖee fia be Yehowae nye mía Wɔla, eye woɖea eƒe nɔnɔmewo abe ŋusẽ, nunya kple lɔlɔ̃ ene fiana. Nyateƒee, Mawu ƒe “nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena gaglãa wokpɔna tso xexea wɔwɔ dzi, elabe wodze ƒãa le nu siwo wòwɔ la me, ɛ̃, eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple Mawunyenye la dzena.”—Romatɔwo 1:20.

Nu sia nu si Yehowa wɔ ɖe anyigbaa dzi la ɖea vi na amegbetɔwo kple lãwo siaa

8 Yehowa trɔ asi le anyigbaa ŋu be agbe nanya nɔ le edzi. Nu sia nu si le anyigbaa dzi la ɖea vi na amegbetɔwo kple lãwo siaa. Le gɔmedzedzea la, Mawu tso abɔ dzeani aɖe na amegbetɔwo be woanɔ eme, eye wòna susu kple ŋutilã deblibo wo be woate ŋu anɔ agbe tegbee. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 4:11.) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eyae “naa nuɖuɖu nu gbagbewo katã, elabe eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.”—Psalmo 136:25.

9. Togbɔ be Yehowa nye lɔlɔ̃ ƒe Mawu hã, nu kae wòlé fui?

9 Yehowa nye lɔlɔ̃ ƒe Mawu, ke hã elé fu nu vɔ̃ɖi. Le kpɔɖeŋu me, Psalmo 5:4-6 gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Menye Mawu si kpɔa dzidzɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋue nènye o; . . . Èlé fu nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã. . . . Yehowa tsri ŋutasẽlawo kple ameblelawo.”

VƆ̃ÐINYENYE NU AYI KPUIE

10, 11. (a) Nu kae adzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi? (b) Aleke Yehowa aɖo eteƒe na toɖolawo?

10 Le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, Yehowa aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖe sia ɖe ɖa le xexe bliboa me, elabena lɔlɔ̃ ƒe Mawue wònye eye wòtsri nu vɔ̃ɖi. Mawu do ŋugbe le eƒe Nya la me be: “Woatsrɔ̃ ame vlowo, ke ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa lae anyi anyigba la dome. Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o.” Nyateƒee, Yehowa ƒe futɔwo ‘abu vĩ abe dzudzɔ ene.’—Psalmo 37:9, 10, 20.

11 Mawu gado ŋugbe le eƒe Nya la me be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) “Dzi adzɔ” nuteƒewɔlawo “geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:11) Nu ka tae? Elabena mía Mawu lɔ̃ame la wɔa nyui na esubɔla wɔnuteƒewo ɣesiaɣi. Biblia gblɔ na mí be: “Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Etsɔme nyui ka gbegbee nye esi le amegbetɔ toɖola siwo kpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋu la lalam!

12. Ame kae nye “ame maɖifɔ”?

12 Biblia gblɔ be: “Lé ŋku ɖe ame maɖifɔ la ŋu, eye nàkpɔ ame dzɔdzɔe la ɖa, elabena eƒe etsɔme anye ŋutifafa sɔŋ. Ke woatsrɔ̃ sedzidalawo katã; eye etsɔme aɖeke manɔ anyi na ame vɔ̃ɖiwo o.” (Psalmo 37:37, 38) “Ame maɖifɔ” ye nye ame si nya Yehowa kple Via nyuie, eye wòɖoa to Mawu hewɔa eƒe lɔlɔ̃nu. (Xlẽ Yohanes 17:3.) Eka ɖe edzi bliboe be “xexea kple eƒe nudzodzrowo nu va yina, ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (1 Yohanes 2:17) Esi xexea ƒe nuwuwu tu aƒe ŋutɔ ta la, ehiã vevie be nàkpɔ “mɔ na Yehowa, eye nànɔ eƒe mɔ dzi.”—Psalmo 37:34.

MAWU ƑE LƆLƆ̃ÐEÐEFIA GÃTƆ KEKEAKE

13. Nu kae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia gãtɔ kekeake?

13 Togbɔ be míede blibo o hã la, míate ŋu aɖo to Mawu. Míate ŋu anɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa le Yesu ƒe tafevɔsa, si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia gãtɔ kekeake, la ta. Esi Yehowa di be amegbetɔ toɖolawo navo tso nu vɔ̃ kple ku si me tae wòwɔ ɖoɖo ɖe tafea ŋu ɖo. (Xlẽ Romatɔwo 5:12; 6:23.) Yesu wɔ nuteƒe na Mawu ƒe gbogbo aɖe esi wònɔ egbɔ le dziƒo, eya ta Yehowa ka ɖe edzi be ye Via ayi edzi awɔ nuteƒe na ye ne eva anyigba dzi. Yehowa si nye Fofo lɔ̃ame la se veve ŋutɔ esi wòkpɔ ale si amewo wɔ fu Via. Ke hã Yesu nɔ Mawu ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe, eye wòɖee fia be ame deblibo ate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me.

Lɔlɔ̃ ʋã Mawu wòdɔ Via ɖa (Kpɔ memama 13)

14, 15. Vi kae Yesu ƒe kua ɖe na amegbetɔwo?

14 Togbɔ be Yesu to dodokpɔ sesẽwo me hã la, eyi edzi wɔ nuteƒe henɔ Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi sesĩe. Ele be míada akpe geɖe be Yesu va ku hexe fe ɖe mía ta, elabena esiae ʋu mɔ na mí be míanɔ agbe tegbee le Mawu ƒe xexe yeyea me! Apostolo Paulo ƒo nu tso lɔlɔ̃ si Yehowa kple Yesu ɖe fia to tafea dzi la ŋu hegblɔ be: “Le nyateƒe me la, esime míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la, Kristo ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi. Elabena bebli hafi ame aɖe aku ɖe ame dzɔdzɔe ta; ame nyui ya la ɖewohĩ ame aɖe ado dzi aku ɖe eta. Ke Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ na mí fia le esia me be, esime míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.” (Romatɔwo 5:6-8) Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖe go fia le le mía me, be Mawu dɔ eƒe Tenuvi la ɖo ɖe xexea me, be míakpɔ agbe to eya amea dzi. Esia me lɔlɔ̃ la le, menye be míawo míelɔ̃ Mawu o, ke boŋ be eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via be wòanye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.”—1 Yohanes 4:9, 10.

15 Yesu gblɔ be, “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Yehowa tsɔ Via xe fe ɖe mía ta togbɔ be esia do vevesese geɖe nɛ hã. Ema ɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ amegbetɔwoe fia. Eye eƒe lɔlɔ̃ sia anɔ anyi ɖaa tegbee. Paulo gblɔ be: “Meka ɖe edzi bliboe be, eɖanye ku o, eɖanye agbe o, eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖuɖuwo o, eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o, eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ, me la gbɔ o.”—Romatɔwo 8:38, 39.

MAWU FIAÐUƑE LA LE DZI ÐUM FIFIA

16. Nu kae nye Mesia Fiaɖuƒe la, eye ame kae Yehowa ɖo be wòanye Fiaɖuƒea ƒe Fia?

16 Dziɖuɖu si Mawu ɖo, si nye Mesia Fiaɖuƒea, hã ɖo kpe edzi be Yehowa lɔ̃ amegbetɔwo vevie. Nu ka ta? Elabena Yehowa ɖo Yesu Kristo, ame si lɔ̃ amegbetɔwo, eye wòdze nyuie aɖu wo dzi la wòzu Fia. (Lododowo 8:31) Hekpe ɖe eŋu la, wotia ame 144,000 be woaɖu fia kple Kristo le dziƒo. Ne wofɔ wo ɖe tsitre la, wotsɔa nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si esime wonye amegbetɔwo la yia dziƒoe. (Nyaɖeɖefia 14:1) Fiaɖuƒea koŋue Yesu ɖe gbeƒãe esime wònɔ anyigba dzi, eye wòfia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa be: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.” (Mateo 6:9, 10) Míele mɔ kpɔm na gbe siwo míedona ɖa alea la me vava vevie, esime Mawu Fiaɖuƒea ahe yayra gbogbowo vɛ na amegbetɔwo!

17. Vovototo kae le Yesu ƒe dziɖuɖu kple amegbetɔwo tɔ dome?

17 Vovototo gã aɖe le Yesu ƒe dziɖuɖu si me lɔlɔ̃ le kple amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu dome. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu he aʋawɔwɔ siwo me ame miliɔn geɖewo ku le vɛ. Gake míaƒe Fia, Yesu, ya lɔ̃ mí ŋutɔŋutɔ eye wòsrɔ̃ Mawu ƒe nɔnɔme nyuiawo, vevietɔ eƒe lɔlɔ̃. (Nyaɖeɖefia 7:10, 16, 17) Yesu gblɔ be: “Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana gbɔdzɔe mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena mefa tu, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na mia ɖokuiwo. Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mateo 11:28-30) Ŋugbedodo nyui kae nye esi!

18. (a) Nu ka wɔm wole tso ƒe 1914 me? (b) Biabia kawo ƒe ŋuɖoɖoe míakpɔ le nyati si kplɔ esia ɖo me?

18 Biblia ɖee fia be Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme le dziƒo le ƒe 1914 me. Tso ɣemaɣi la, wole ame siwo aɖu dzi kple Yesu le dziƒo la dometɔ mamlɛawo kpakple “ameha gã” siwo atsi agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu age ɖe xexe yeyea me la nu ƒom ƒu. (Nyaɖeɖefia 7:9, 13, 14) Aleke ameha gã la dzi ɖe edzi egbeae? Nu kae Mawu di tso wo si? Nyati si kplɔ esia ɖo aɖo biabia siawo ŋu.